INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Wòe Zɔ
Esia nye dɔwɔnu siwo wotsɔ wɔa numekuku le Yehowa Ɖasefowo ƒe agbalẽwo me le gbe vovovowo me.
Ne èdi be yeawɔ agbalẽwo ƒe kɔpi la, taflatsɛ yi ɖe jw.org.
Gbeƒãɖeɖe
Gbegbɔgblɔ bubu va kpee: Mbum
  • Egbe

Kuɖa, July 30

Míate ŋu adzudzɔ nuƒoƒo le nu siwo míekpɔ kple nu siwo míese la ŋu o.—Dɔw. 4:20.

Míate ŋu asrɔ̃ Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ƒe kpɔɖeŋua ayi gbeƒãɖeɖedɔa dzi ne dziɖuɖua de se be míadzudzɔ gɔ̃ hã. Míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa akpe ɖe mía ŋu míawɔ subɔsubɔdɔa ade goe. Eya ta ahiã be míado gbe ɖa be Yehowa nana nunya kple dzinɔameƒo mí eye wòakpe ɖe mía ŋu be míado dzi le xaxawo me. Mía dometɔ geɖe le nɔnɔme sesẽwo, abe lãmegbegblẽ, ame vevi aɖe ƒe ku, ƒomekuxiwo, kple yometiti ene, me tom. Eye dɔ vɔ̃ siwo le kakam kple aʋa siwo le edzi yim wɔe be nɔnɔmewo gava sesẽ ɖe edzi. Nu kae akpe ɖe mía ŋu míado dzi? Do gbe ɖa nàgblɔ wò dzimenyawo na Yehowa abe ale si nàgblɔ wò dzimenya na xɔ̃wò vevi ene. Ka ɖe edzi be Yehowa “awɔe na wò.” (Ps. 37:​3, 5) Ne míedoa gbe ɖa na Yehowa edziedzia, esia akpe ɖe mía ŋu ‘míado dzi le xaxa me.’ (Rom. 12:12) Yehowa nya nɔnɔme sesẽ siwo me tom esubɔlawo le eye ‘esea woƒe ɣlidodowo.’—Ps. 145:​18, 19. w23.05 5-6 ¶12-15

Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbe Sia Gbe—2025

Yawoɖa, July 31

Midze agbagba ɖe sia ɖe be nu siwo miewɔna la nadze Aƒetɔ la ŋu.—Ef. 5:10.

Ne ehiã be míatso nya me le nya vevi aɖewo ŋu la, ele be míakpɔ “nu si nye Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu” adze sii, eye míana esia nafia mɔ mí. (Ef. 5:17) Ne míedze agbagba di Biblia me mɔfiame siwo ku ɖe míaƒe nɔnɔmea ŋu la, efia be míedi be Mawu nafia mɔ mí. Eye ne míewɔ ɖe mɔfiame mawo dzia, esia ana míatso nya me nyuie. Míaƒe futɔ Satana, si nye “vɔ̃ɖitɔ” la, di be míavu ɖe xexea me nuwo ŋu ale gbegbe be míagavo ɖe Mawu subɔsubɔ ŋu o. (1 Yoh. 5:19) Ele bɔbɔe be Kristotɔ natsɔ ŋutilãmenuwo, sukudede, alo dɔwɔɖui ado ŋgɔ na Yehowa subɔsubɔ. Ne edzɔ alea la, efia be eɖe mɔ xexea ƒe nuŋububu kpɔ ŋusẽ ɖe edzi. Ele eme be nu siawo megblẽ ya o, gake mele be míatsɔ wo aɖo nɔƒe gbãtɔ le míaƒe agbe me gbeɖe o. w24.03 24 ¶16-17

Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbe Sia Gbe—2025

Fiɖa, August 1

Ame dzɔdzɔe ƒe fukpekpewo sɔ gbɔ, ke Yehowa ɖenɛ le wo katã me.—Ps. 34:19.

De dzesi nu vevi eve siwo dze le egbe ƒe mawunyakpukpuia me: (1) Ame dzɔdzɔewo kpea fu. (2) Yehowa ɖea mí tso nɔnɔme sesẽwo me. Aleke wòwɔa esiae? Mɔ ɖekae nye be ekpena ɖe mía ŋu be míada asɔ le ale si míebua nuwo ŋui le agbe me ŋu. Togbɔ be Yehowa do ŋugbe na mí be míakpɔ dzidzɔ le ye subɔsubɔ me hãa, megblɔ na mí be míanɔ agbe kuxi aɖeke manɔmee o. (Yes. 66:14) Ke boŋ ede dzi ƒo na mí be míaƒe susu nanɔ ŋugbe si yedo na mí be míava se vivi le etsɔmea ŋu. (2 Kor. 4:​16-18) Eya ta ele kpekpem ɖe mía ŋu be míayi edzi asubɔe gbe sia gbe. (Kony. 3:​22-24) Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Yehowa subɔla wɔnuteƒe siwo nɔ anyi le blema kple esiwo li egbea ƒe kpɔɖeŋuwo me? Kuxi siwo míele mɔ kpɔm na o ate ŋu ava mía dzi. Gake ne míeku ɖe Yehowa ŋua, magblẽ mí ɖi akpɔ o.—Ps. 55:22. w23.04 14-15 ¶3-4

Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbe Sia Gbe—2025
Wòe Zɔ
Esia nye dɔwɔnu siwo wotsɔ wɔa numekuku le Yehowa Ɖasefowo ƒe agbalẽwo me le gbe vovovowo me.
Ne èdi be yeawɔ agbalẽwo ƒe kɔpi la, taflatsɛ yi ɖe jw.org.
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe