INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g01 3/8 axa 30-31
  • Alesi Mele Akɔ Kpem Kple Dɔléle Sesẽ Aɖee

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Alesi Mele Akɔ Kpem Kple Dɔléle Sesẽ Aɖee
  • Nyɔ!—2001
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ŋgɔyiyi Si Wowɔ Le Vevesese Nu Tsitsi Me
    Nyɔ!—1994
  • Vevesese Si Maganɔ Anyi O
    Nyɔ!—1994
  • Menye Akunyawɔlawo alo Mawuwoe Míenye O
    Nyɔ!—1994
  • Medze Ŋgɔ Atikewɔnya Vevi Aɖe
    Nyɔ!—1996
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2001
g01 3/8 axa 30-31

Alesi Mele Akɔ Kpem Kple Dɔléle Sesẽ Aɖee

ABE ALESI TANYA SALAY GBLƆE ENE

Do ŋgɔ na ƒe ʋɛ siwo va yi la, menye vidada si ŋu ŋusẽ nɔ kple ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla le du sue si nye Luverne me le Alabama. Tomefafa le afisia eye amewo metsia dzi le agbe me o. Edze abe nusianu nɔ yiyim nyuie na mía kple srɔ̃nye, Duke, kple vinyeŋutsu sue, Daniel, ene. Gake dɔ bɔbɔe aɖe si ɖɔktawo wɔ nam he tɔtrɔ gã aɖe va míaƒe agbenɔnɔ me.

MÍAƑE kuxiwo dze egɔme le ƒe 1992 me esi woɖe nye vidzidɔ. Emegbe kpuie meva nɔ veve sem vevie eye meɖɔa aɖuɖɔ edziedzi (zi 50 vaseɖe 60 ŋkeke ɖeka). Nyɔnuwo ƒe dɔléle ŋuti nunyala si kpɔa gbɔnye wɔ ɖoɖo nam be makpɔ aɖuɖɔtoedɔdala aɖe mlɔeba be woadze agbagba ade dzesi nusi tututu kuxia nye.

Meyi kɔdzi va wɔ dodokpɔ aɖewo. Zi gbãtɔ si meyi la, aɖuɖɔtoedɔdala la kpɔ nye kuxia—enye aɖuɖɔtoetetedɔ si vena ŋutɔ. Dɔlélea kpɔkpɔ menɔ bɔbɔe o elabena aɖuɖɔtoetetedɔ ƒe dzesiwo sɔ kple aɖuɖɔtoedɔ bubuwo tɔ. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, dodokpɔ tɔxɛ aɖeke meli woawɔ ko akpɔ aɖuɖɔtoetetedɔ o. Eyata ele be ɖɔktawo nalé ŋku ɖe nɔnɔme bubu siwo gbɔ dɔlélea ate ŋu atso hã ŋu hafi alɔ̃ ɖe edzi be aɖuɖɔtoetetedɔ ye.

Míaƒe ɖɔkta la gblɔe kaŋ be esi edadamɔnu gobi aɖeke meli o ta la, nusi ava dzɔ koe nye be woaɖe aɖuɖɔtoe la ɖa kura! Egblɔ be edadamɔnu bubuwo li gake wo katã mewɔa dɔ o. Nya sia dze mí kpo ŋutɔ, abe alesi wòadzɔ godoo ene. Nye lãme sẽ nyuie do ŋgɔ na ɣeyiɣi sia. Mía kple Duke míenye Yehowa Ðasefowo hewɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa ƒe geɖe, eye fifia wogblɔ nam be ele be woaɖe nye aɖuɖɔtoe ɖa. Edzɔ dzi nam be srɔ̃nye do alɔm alesi dze.

Míeɖoe be míadi aɖuɖɔtoedɔdala bubu. Míeyi ɖɔkta vovovowo gbɔ. Nusi mede mía dzi o enye be ɖɔkta geɖe menya nu tso aɖuɖɔtoetetedɔ ŋu boo ɣemaɣi o. Azɔ hã aɖuɖɔtoedɔdala geɖe ƒe numeɖeɖe nɔ vovovo, eyata amesiame kple edadamɔnu si wònya. Atikewɔwɔgbalẽ aɖe gblɔ be: “Dɔlélea mevɔna o.” Bubu gblɔ be: “Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo mekpɔ atike na aɖuɖɔtoetetedɔ haɖe o, eye womate ŋu agblɔ amesi atikewɔwɔ aɖe anyo na wu hã o. . . . Esi ɖɔktawo menya nusi hea aɖuɖɔtoetetedɔ vɛ o ta la, alesi woafa eƒe dzesiwo nu ƒe atikee wowɔna.”

Alesi teƒea nɔ ɖuyem vevie kple aɖuɖɔɖɔɖɔ enuenu la wɔe be melɔ̃na tea atike ɖesiaɖe si ɖɔktawo yɔna la zazã kpɔna. Mete atike vovovo 40 zazã kpɔ tsɔ kpe ɖe gbetike, abitɔamedɔdada, seselelãmenutsitsi, abi dodo ɖe ahɔhɔŋukawo dzi, kple elektrikŋusẽ si doa ŋusẽ lãmekawo, si naa elektrik ameʋãŋusẽ si nu mesẽ o gena ɖe ametia me aɖabaƒoƒo alo gaƒoƒo aɖewo. Mewɔ numekuku geɖe alesi mate ŋui, si kpe ɖe ŋunye be mese nusi dzɔ ɖe dzinye la me vie teti.

Mele methadone, si faa vevesese nu, kple atike ade bubuwo zãm fifia. Medea vevesesenutsiƒe edziedzi, afisi wodoa abi ɖe nye ahɔhɔŋukawo me hedoa steroid hã nam be wòana vevesesea nu nabɔbɔ. Le aɖuɖɔɖɔɖɔ enuenu gome la, medea kɔdzi dzinu etɔ̃ alo ene ɖesiaɖe wotsɔa tsi kekea nye aɖuɖɔtoe wòvuna lotoo. Wowɔa esia nam enuenu. Zi geɖe la, ena mekpɔa gbɔdzɔe dzinu aɖewo. Woxɔm ɖe kɔdzi gaɖe asi le ŋunye wòwu zi 30 le ƒe ʋɛ siwo va yi me.

Ke edada keŋkeŋ si nye aɖuɖɔtoe la ɖeɖeɖa ya ɖe? Eŋutinunyala aɖe gblɔ be: “Ðɔkta akpa gãtɔ melɔ̃na be yewoaɖee o elabena dɔnɔ ɖesiaɖe kple alesi wòxɔnɛ—woɖee na ame aɖewo gake dɔlélea ƒe dzesiwo gakpɔtɔ le wo ŋu.” Eyata nyemele eɖeɖeɖa ŋu bum haɖe o.

Vevea nu sẽna ŋutɔ ɣeaɖewoɣi henɔa anyi didina ale gbegbe be ele bɔbɔe be nàna ta. Ewɔna nam gɔ̃ hã be mawu ɖokuinye ne nya navɔ. Gake vlodoame si nusia wɔwɔ ahe va Yehowa ƒe ŋkɔ dzi la ŋu bubu wu tsɔtsɔ nam. Mete ŋu kpɔ gbedodoɖa kple ɖokuisinusɔsrɔ̃ kpakple ƒomedodo kplikplikpli me nɔnɔ kple Yehowa ƒe vevienyenye dze sii, elabena màte ŋu anya nusi ava dzɔ si atrɔ wò agbenɔnɔ o. Ƒomedodo sia koŋue xɔm ɖe agbe le nye dɔléɣia, elabena menya be anye ne mawu ɖokuinye hafi.

Ne metrɔ megbe kpɔ ƒe asieke siawo la, mekpɔa alesi gbegbe agbenɔnɔ ate ŋu atrɔ kabae. Mese nya siwo le Nyagblɔla 12:1 gɔme, si gblɔ be: “Ðo ŋku wɔwòla dzi le wò ɖekakpuiŋkekewo me, hafi ne ŋkeke vɔ̃wo nava, eye ƒe, siwo ŋu nèle gbɔgblɔ ge le be, womedze ye ŋu o la, nagogo.” Edzɔa dzi nam be medze ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa gɔme esime mexɔ ƒe 15 eye mete ŋu yi ewɔwɔ dzi wòde ƒe 20 kloe. Metu ƒomedodo kplikplikpli ɖo kple Yehowa le ɣeyiɣi ma me.

Medaa akpe na Yehowa ɖe srɔ̃nye kple vinyeŋutsu, Daniel ta, amesiawo na kpekpeɖeŋu gbogbo aɖewom. Azɔ hã edea dzi ƒo nam ne hamea me tɔwo ƒo ka nam alo va srãm kpɔ. Esesẽna nam be mado go le vuvɔŋɔli elabena vuvɔa naa teƒea gaɖunam wu. Meɖia ɖase le telefon dzi le ɣeyiɣi mawo me, si na Paradiso mɔkpɔkpɔ ganɔa asinye wònyea nu ŋutɔŋutɔ nam. Mele mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si me dɔléle kple fukpekpe nu ava yi eye míagaɖo ŋku wo dzi o.—Yesaya 33:24.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe