Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
Wotsɔ dɔ siwo ku ɖe sɔlemexɔwo alo sɔlemeha ƒe nunɔamesiwo dzadzraɖo ŋu na Yehowa Ðasefo aɖewo be woawɔ. Nukae Ŋɔŋlɔawo gblɔ le dɔ mawo ƒomevi wɔwɔ ŋu?
Nya sia ate ŋu adze ŋgɔ Kristotɔ ɖianukware siwo di be yewoawɔ ɖe Timoteo I, 5:8, si te gbe ɖe ame ŋutɔ ƒe aƒemetɔwo ƒe ŋutilãmenuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ ƒe vevienyenye dzi ŋu. Togbɔ be ele be Kristotɔwo nawɔ aɖaŋuɖoɖo sia dzi kokoko hã la, esia mefia be woate ŋu axɔ ŋutilãmedɔ ɖesiaɖe ƒomevi, dɔ ka kee wòɖanye o. Kristotɔwo kpɔ alesi wòhiã vevie be woanɔ ŋudzɔ ɖe nu bubu siwo ku ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ŋu la dze sii. Le kpɔɖeŋu me, ame aɖe ƒe didi be yeakpɔ yeƒe ƒomea dzi maʋu mɔ nɛ be wòaŋe aɖaba aƒu nusi Biblia gblɔ le agbegbegblẽnɔnɔ alo amewuwu ŋu dzi o. (Tsɔe sɔ kple Mose I, 39:4-9; Yesaya 2:4; Yohanes 17:14, 16.) Ele vevie hã be Kristotɔwo nawɔ nu le ɖekawɔwɔ me kple se si nye be míado go le Babilon Gã la, si nye xexeame katã ƒe alakpasubɔsubɔha ƒe fiaɖuƒe la me.—Nyaɖeɖefia 18:4, 5.
Le xexeame godoo la, Mawu-subɔlawo dze ŋgɔ dɔwɔɖui ŋuti nya geɖe. Anye nusi me susu manɔ o eye ŋusẽ mele mía si be míate kpɔ aŋlɔ dɔwɔɖui siwo katã asɔ kple esiwo masɔ o eye be míawɔ eŋuti se klukluiwo o. (Korintotɔwo II, 1:24) Gake mina míaƒo nu tso nanewo siwo ŋu wòle be Kristotɔwo nabu ne wole woa ŋutɔwo ƒe dɔwɔɖui ŋuti nyametsotsowo wɔm ŋu. Woƒo nu tso nusiawo siwo ŋu wòle be woabu la ŋu kpuie le January 1, 1983, ƒe Gbetakpɔxɔ me [Eŋlisigbe me tɔ, July 15, 1982], le nyati si ku ɖe viɖekpɔkpɔ tso dzitsinya si Mawu na wò ŋu. Wobia nya vevi eve aɖewo le aɖaka aɖe me, eye woŋlɔ nya vevi bubu siwo ate ŋu akpe ɖe ame ŋu hã ɖe eme.
Biabia vevi gbãtɔe nye: Ðe woƒo nu tsi tre ɖe dɔwɔna ma ŋu le Biblia mea? Esi Gbetakpɔxɔa nɔ nya sia me ɖem la, egblɔ be Biblia ƒo nu tsi tre ɖe fififi, ʋu zazã le mɔ si medze o nu, kple trɔ̃subɔsubɔ ŋu. Ele be Kristotɔ naƒo asa na dɔwɔɖui si doa nuwɔna siwo dzi Mawu meda asi ɖo o la ɖe ŋgɔ tẽ, abe esiwo míeyɔ fifi laa ene.
Biabia eveliae nye: Ðe dɔa wɔwɔ ana amea nanye gomekpɔla le nuwɔna gbegblẽa mea? Edze ƒã be, amesi woxɔ be wòawɔ dɔ le tsatsadaƒe, fuɖeƒe, alo gbolowɔƒe anye gomekpɔla le nuwɔna si dzi ŋɔŋlɔawo meda asi ɖo o la me. Ne eƒe dɔ si wòwɔna le afima koe nye anyigba kpɔkplɔ alo telefon dzi kaƒoƒo xɔxɔ gɔ̃ hã la, anɔ asi kpem ɖe nuwɔna aɖe si dzi Mawu ƒe Nya meda asi ɖo o ŋu.
Kristotɔ geɖe siwo dze ŋgɔ dɔwɔɖui ŋuti nyametsotsowo kpɔe be biabia mawo ko me dzodzro kpe ɖe yewo ŋu yewowɔ nyametsotso.
Le kpɔɖeŋu me, le ŋkuléle ɖe biabia eve mawo ŋu me la, ame ate ŋu akpɔ nusita subɔla vavã manye alakpasubɔsubɔha aɖe ƒe dɔwɔla ŋutɔŋutɔ, anɔ dɔ wɔm na xɔseha aɖe, kple anɔ dɔ wɔm le sɔlemexɔ me o la adze sii. Wode se na mí le Nyaɖeɖefia 18:4 be: “Mi amesiwo nye nye dukɔ la, mido go tso me, bene miagade ha kplii le eƒe nuvɔ̃wo me o.” Ne subɔsubɔha aɖe si fiaa alakpatadedeagu xɔ ame aɖe koŋ wònye eƒe dɔwɔla la, amea anɔ gome kpɔm le Babilon Gã la ƒe nuwɔnawo kple nuvɔ̃wo me. Ne ɖe woxɔ amea wòɖanye abɔmedzraɖola, agbonudzɔla, nugbegblẽdzraɖola, alo gadzikpɔla o, eƒe dɔ anye tadedeagu si mewɔ ɖeka kple nyateƒe subɔsubɔ o dodo ɖe ŋgɔ. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, susu le eme be amesiwo akpɔ dɔwɔla sia wòanɔ asi trɔm le sɔlemexɔa ŋu be wòanya kpɔ, wòanɔ edzram ɖo, alo wòanɔ eƒe subɔsubɔdɔwo wɔm nabui be enye subɔsubɔha ma me tɔ.
Ke amesi menye sɔlemeha alo subɔsubɔha aɖe ƒe dɔwɔla koŋ o ya ɖe? Ðewohĩ ɖeko woyɔe kpata be wòava dzra tsi pɔmpi aɖe si gbã le sɔlemexɔa te la ɖo. Ðe ema manye nusi to vovo na esi wòanye dɔ koŋ wòaxɔ le xɔa ŋu, abe sɔlemexɔa gbagba alo elektrik-kawo dede ene oa?
Le afisia hã la, woate ŋu abu nɔnɔme vovovowo ŋu. Eyata mina míadzro nya vevi atɔ̃ bubu siwo dze le Gbetakpɔxɔa me la me:
1. Ðe kpekpeɖeŋu nana amegbetɔwo ƒe dɔ si ŋu Ŋɔŋlɔawo metsi tre ɖe o koe wònyea? Mítsɔ posu-dɔwɔla abe kpɔɖeŋu ene. Eƒe lɛtawo tsɔtsɔ yi na amewo le nuto aɖe si me sɔlemexɔ alo fuɖeƒe aɖe hã le mafia be ele nuwɔna gbegblẽwo dom ɖe ŋgɔ ne etsɔa lɛta yinae na wo o. Mawu naa ɣe klẽna ɖe xɔ ɖesiaɖe ƒe fesre nu, sɔlemexɔ alo fuɖeƒe meto le eme o. (Dɔwɔwɔwo 14:16, 17) Kristotɔ si nye posu-dɔwɔla ate ŋu aƒo nya ta be gbesiagbedɔ si nye kpekpeɖeŋu nana amegbetɔwo ko wònye wɔm yele. Ate ŋu anɔ nenema ke le Kristotɔ si xɔ dɔ aɖe si hiã kpata—pɔmpidzraɖola aɖe si woyɔ be wòava dzra pɔmpi gbagbã si na tsi le gbagbam ɖe sɔlemexɔ aɖe me la ɖo alo dɔnɔkɔʋukula aɖe si woyɔ be wòana kpekpeɖeŋu le ame aɖe si yi ɖi me le sɔlemewɔɣi gome. Ate ŋu abu nɔnɔme sia be enye kpekpeɖeŋu nana amegbetɔ ƒe nuwɔna dzro aɖe ko.
2. Afikae amea kpɔ ŋusẽ ɖe nusi wɔm wole la dzi se ɖo? Kristotɔ fiasetɔ malɔ̃ adɔ legbawo, gbɔgbɔyɔnuwo, sigaretwo, alo ʋubloŋ alo agbodzomle adzra o. Esi wònye eyae nye fiasetɔa ta la, ekpɔ ŋusẽ ɖe nusi woadzra le eme dzi. Amewo ate ŋu aƒoe ɖe enu be wòadzra sigaretwo alo legbawo be wòakpɔ viɖe, gake awɔ nu wòanɔ ɖekawɔwɔ me kple eƒe Ŋɔŋlɔawo me dzixɔsewo. Gake woate ŋu ade dɔ asi na Kristotɔ si le dɔ wɔm le nuɖuɖudzraƒe gã aɖe be wòaxɔ ga, wòatutu anyigba, alo wòawɔ nuŋlɔɖiwo. Mekpɔ ŋusẽ ɖe adzɔnu siwo wodɔna hedzrana la dzi o, ne wo dometɔ ʋee aɖewo ɖanye nusiwo ŋu nya ku ɖo abe sigaretwo alo mawusubɔsubɔzãwo ɖuɖu ŋuti nuwo ene gɔ̃ hã.a (Tsɔe sɔ kple Luka 7:8; 17:7, 8.) Esia do ƒome kple nya vevi si akplɔe ɖo.
3. Afikae amea kpɔa gome le eme se ɖo? Mina míatrɔ ɖe kpɔɖeŋu si míewɔ tso fiase aɖe ŋu la ŋu. Ðewohĩ ɣeaɖewoɣi koe dɔwɔla si nye gaxɔla alo dea nuwo fiasea me kaa asi sigaretwo alo mawusubɔsubɔnuwo ŋu; ema nye dɔ si wòwɔna ƒe akpa sue aɖe ko. Gake aleke gbegbe wòto vovoe na dɔwɔla bubu le fiase ma ke me si wɔa dɔ le sigaretkplɔ̃ ŋui enye si! Dɔ si wòwɔna gbesiagbe nye nusi tsi tre ɖe Kristotɔ ƒe dzixɔsewo ŋu. (Korintotɔwo II, 7:1) Esia ɖe nusita wòle be woabu afisi amea akpɔ gome le eme alo aka asi eŋu ase ɖo me, ne ele biabia siwo ku ɖe dɔwɔɖui ŋuti nyametsotso wɔm.
4. Afikae fetua tso alo afikae dɔwɔƒea le? De ŋugble tso nɔnɔme eve siawo ŋu kpɔ. Esi fuɖeƒe aɖe di be yeana teƒea nanya kpɔ ɖe edzi la, etso nya me be yeaxe fe na ŋutsu aɖe wòanɔ ablɔ siwo te ɖe teƒea ŋu dzi kplɔm. Fuɖeƒeae eƒe fetu tsona, gake mewɔa dɔ le afima o, eye ame aɖeke mekpɔnɛ le kɔadzi ŋkeke bliboa o. Ke boŋ dutoƒodɔ si ŋu Ŋɔŋlɔawo metsi tre ɖo o wɔlae wònye wokpɔna, eɖanye ameka kee xea fe nɛ o. Azɔ nusi to vovo nɛ ye nye esi. Le dukɔ aɖe si ɖe mɔ ɖe gbolowɔwɔ ŋu me la, dumeviwo ƒe lãmesẽnyawo gbɔ kpɔƒe xea fe na dɔnɔdzikpɔla aɖe be wòawɔ dɔ le gboloxɔwo me, be wòakpɔ lãmesẽnyawo gbɔ kple susu be woaɖe nulɔdɔwo xɔxɔ dzi akpɔtɔ. Togbɔ be dumeviwo ƒe lãmesẽnyawo gbɔ kpɔƒeae xea fe nɛ hã la, ele eƒe dɔ bliboa katã wɔm le gboloxɔwo me, hele ewɔm be afɔku maganɔ agbegbegblẽnɔnɔa me boo o, be wòadze amewo ŋu wu. Kpɔɖeŋu siawo ɖe nusita afisi ame ƒe fetu atso kple afisi woawɔ dɔa le nye nya siwo ŋu wòle be woabu la fia.
5. Nukae dɔa wɔwɔ agblẽ le ame ŋu; ɖe wòagblẽ nu le ewɔla ƒe dzitsinya ŋu alo aɖia ame bubuwo nua? Ele be míabu mía ŋutɔwo kple ame bubuwo ƒe dzitsinya siaa ŋu. Ne dɔ aɖe (afisi wowɔa dɔa le kple afisi fetua tsona hã le eme) adze na Kristotɔ akpa gãtɔ be naneke megblẽ le eŋu o hã la, ame aɖe ŋutɔ ase le eɖokui me be aɖe fu na yeƒe dzitsinya. Apostolo Paulo, amesi ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe, gblɔ be: “Míenya le mía ɖokui me bena, dzitsinya nyui le mía si, le esi míelɔ be, míanɔ agbe nyuie le nusianu me la ŋuti.” (Hebritɔwo 13:18) Ele be míaƒo asa na dɔ siwo aɖe fu na míaƒe dzitsinya; gake mele hã be míaɖe ɖeklemi amesiwo ƒe dzitsinya to vovo na mía tɔ o. Nenema ke Kristotɔ aɖe akpɔe be Biblia metsi tre ɖe dɔ aɖe si wɔm yele la ŋu o, gake ade dzesii be aɖia hamea me tɔ geɖe kple amesiwo le nutoa me nu vevie. Paulo ɖe nɔnɔme nyui si le be wòanɔ mía si fia le eƒe nyawo me be: “Míena nuɖiaɖia aɖeke le naneke me o, bene womagaka mo na míaƒe subɔsubɔ la o, ke boŋ le nuwo katã me la míeɖea mía ɖokui fiana abe Mawu ƒe subɔlawo ene.”—Korintotɔwo II, 6:3, 4.
Fifia mina míatrɔ ɖe biabia la ŋutɔŋutɔ si nye sɔlemexɔ ŋuti dɔwo, abe fesre yeyewo dede, anyigbakuntruwo dzi dzadzraɖo, alo mɔ̃ siwo dea dzoxɔxɔ alo fafa xɔme dzadzra ɖo ene, wɔwɔ ŋu. Aleke nya siwo me míedzro la ate ŋu aku ɖe eŋui?
Ðo ŋku akpa si nye amesi kpɔ ŋusẽ ɖe dɔa dzi la dzi. Ðe Kristotɔa nye amesi nye dɔa tɔ alo dɔa nunɔla si ate ŋu atso nya me ne woaxɔ sɔlemexɔa ŋuti dɔa awɔ loo alo womaxɔe oa? Ðe Kristotɔ si kpɔ ŋusẽ ɖe dɔa dzi adi be yeawɔ ɖeka kple Babilon Gã la to dɔ aɖe [ƒe contract] xɔxɔ koŋ si awɔe be wòakpe asi ɖe alakpatadedeagu dodo ɖe ŋgɔ ŋua? Ðe ema masɔ kple nyametsotso wɔwɔ be woadzra sigaretwo alo legbawo le ame ŋutɔ ƒe fiase me oa?—Korintotɔwo II, 6:14-16.
Ne dɔwɔla koe Kristotɔ aɖe nye eye menye eyae wɔa nyametsotso le dɔ si woaxɔ awɔ ŋu o la, ele be wòabu nu bubuwo hã ŋu, abe afisi woawɔ dɔa le kple afisi woakpɔ gome le eme ase ɖo ŋu. Ðe wobia tso dɔwɔlaa si be wòalɔ zikpi yeyewo ayi afi aɖe alo adzra wo ɖo le ŋkeke aɖe dzi alo be wòawɔ kpekpeɖeŋu nana amegbetɔwo ƒe dɔ abe dzotsila aɖe ƒe dzotsitsi le sɔlemexɔ aɖe me hafi wòava akeke ta ene ko yea? Ame geɖe akpɔe be esia to vovo na dɔwɔla aɖe si azã ɣeyiɣi didi anɔ aŋɔ sim na sɔlemexɔa alo woaxɔe koŋ be wòanɔ abɔ me dzram ɖo be wòanya kpɔ. Gbesiagbedɔ mawo alo ɣeyiɣi didi ƒe dɔ aɖe si wòaxɔ koŋ awɔ ana wòanɔ bɔbɔe na ame geɖe be woabu Kristotɔ ma be enye subɔsubɔha si wòbe medze ye ŋu o la me tɔ, si ate ŋu aɖia wo nu.—Mateo 13:41; 18:6, 7.
Míedzro dɔwɔɖui ŋuti nya vevi geɖe siwo ŋu ame ade ŋugble le la me. Esiawo ku ɖe biabia aɖe si ku ɖe alakpasubɔsubɔhawo ŋu tẽ ŋu. Gake woate ŋu azã wo le dɔwɔɖui bubu ƒomeviwo ŋuti nyametsotso wɔwɔ me. Le ɖesiaɖe me la, ele be míade ŋugble tso wo ŋu gbedodoɖatɔe, atsɔ nɔnɔme si tututu dze ŋgɔ mí—ɖewohĩ eƒe akpa si koŋ ŋu nya ku ɖo—ayi ŋugble mee. Nya siwo me míedzro fifia kpe ɖe Kristotɔ ɖianukware geɖe ŋu xoxo wowɔ dzitsinyaŋutinyametsotso siwo ɖe woƒe didi be yewoazɔ le dzadzɛnyenye kple anukwareɖiɖi me le Yehowa ŋku me fia.—Lododowo 3:5, 6; Yesaya 2:3; Hebritɔwo 12:12-14.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Eva hiã be Kristotɔ kɔdzidɔwɔla aɖewo nabu afisi ame ƒe ŋusẽ se ɖo le dɔwɔƒe ƒe nya sia ŋu. Ŋusẽ anɔ Ðɔkta si wòate ŋu aŋlɔ atikewo na dɔnɔ aɖe alo agblɔ dɔdamɔnuwo nɛ. Gake ne dɔnɔa megbe dɔdamɔnua o hã la, aleke ɖɔkta Kristotɔ, si simee ŋusẽa le nagblɔ be woado ʋu na ame alo aɖe fu na amee, le esi wònya nusi Biblia gblɔ le nya mawo ŋu? Le nusi to vovo na esia la, ŋusẽ ma tɔgbe manɔ dɔnɔdzikpɔla si woxɔ ɖe kɔadzi si o. Esi wòle eƒe dɔdasiwo wɔm la, ɖɔkta ate ŋu abia tso esi be wòado ame aɖe ƒe ʋu akpɔ le susu aɖe ta alo wòakpɔ dɔnɔ aɖe si va woɖe fua nɛ la gbɔ. Le ɖekawɔwɔ me kple kpɔɖeŋu si dze le Fiawo II, 5:17-19 me la, ate ŋu aƒo nya ta be esi menye ye simee ŋusẽa le be yeaɖe gbe woado ʋu na ame alo aɖe fu na ame o ta la, yeate ŋu ayi kpekpeɖeŋu nana amegbetɔwo ƒe dɔa dzi ana kpekpeɖeŋu bubuwo dɔnɔ la. Gake ele kokoko be wòabu eya ŋutɔ ƒe dzitsinya ŋu, be ‘wòazɔ le Mawu ƒe ŋku me le dzitsinya nyui me.’—Dɔwɔwɔwo 23:1.