Agbe Tegbee ƒe Agbalẽa Tsɔtsɔ Dze Biblia Nusɔsrɔ̃ Gɔmee
1 Ele be lɔlɔ̃ na amewo naʋã mí míatrɔ ayi amesiwo nyateƒea ƒe dɔ kple tsikɔ le wuwum la gbɔ kaba. (Mat. 5:6) Ele be míade dzesi ɖetsɔleme ɖesiaɖe si woaɖe afia la eye míatui ɖo ne míedi be enu natsi o. Dzadzraɖowɔwɔe na wokpɔa dzidzedze.
2 Ele be Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔmedzedze nanye míaƒe taɖodzinu. (Mat. 28:20) Ŋgɔdonya sia nɔ Agbe Tegbee ƒe agbalẽa ƒe tata gbãtɔwo me be: “Le nyateƒe me la, esia nye agbalẽ nyuitɔ si woasrɔ̃ kple amesiame, ɖeviwo alo ame tsitsiwo, eɖanye afika ke woƒe agbalẽnyanya se ɖo o.” Woŋlɔe le mɔ si na esɔsrɔ̃ kple amewo nɔa bɔbɔe la nu, eye wòna gbeƒãɖela yeyewo gɔ̃ hã kpɔa gome le eme. Tɔtrɔyi nyuiwo wɔwɔ dzie míaƒe dzidzedzekpɔkpɔ le nusɔsrɔ̃ yeyewo gɔmedzedze me nɔ te ɖo.
3 Aleke Míadze Nusɔsrɔ̃wo Gɔmee? Zi geɖe la, enyo be ne míetrɔ yi la míatsiã míaƒe dzeɖoɖo ɖe nya tɔxɛ alo biabia aɖe si ŋu míeƒo nu tsoe le yiyi zi gbãtɔ me la nu. Ðewohĩ nɔnɔme si me ame kukuwo le mee miedzro eye nèbia nya sia be, “Mɔkpɔkpɔ kae li na míaƒe lɔlɔ̃tɔ siwo ku?” Ðe eme nɛ be tsitretsitsia menye mɔkpɔkpɔ si ŋu kpeɖodzi mele o; tsitretsitsi ƒe kpɔɖeŋu siwo dzɔ va yi ŋuti nuŋlɔɖi geɖe le Biblia me. Midzro nɔnɔmetata siwo le axa 167-9 me. Emegbe miadzro nya si wogblɔ le axa 166, memamã 1 kple 2 lia me. Ne eɖe ɖetsɔleme fia la, gblɔ nɛ be yeagava be yewoayi numedzodzroa dzi.
4 Ðewohĩ èƒo nu na dzila aɖe si tsi dzi ɖe kuxi siwo le dzidzim ɖe edzi le ɖeviwo nyinyi me la ŋu. Àte ŋu agblɔ nya sia tɔgbe le wò ŋutɔ wò nyawo me:
◼ “Dzilawo katã dia nyui na wo viwo. Mɔfiafia si akpe ɖe dzilawo ŋu woahe wo viwo be woanɔ agbe nyui si ŋu gɔmesese kple tameɖoɖo le la le Biblia la me. Esia ta míedea dzi ƒo na ƒomewo vevie be woasrɔ̃ Biblia la ɖekae. [Trɔ ɖe axa 246, memamã 23 lia.] Sidzedze si woakpɔ la ate ŋu ahe yayra mavɔwo vɛ na ƒome bliboa katã.” Xlẽ Yohanes 17:3. Gblɔ nɛ be yedi be yeagatrɔ ava fia ƒomea alesi woadze nusɔsrɔ̃a gɔmee.
5 Ne sɔhɛ alo gbeƒãɖela yeye nènye eye nèƒo nu tso Paradiso ƒe mɔkpɔkpɔa ŋu kpuie le yiyi zi gbãtɔ me la, ʋu agbalẽa ƒe axa 3 lia eye nàgblɔ nya sia tɔgbe kpuie be:
◼ “Biblia la do ŋugbe be amesiwo wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la ate ŋu akpɔ mɔ be yewoanɔ xexe si ɖi esia me, afisi dzidzɔ kple ŋutifafa anɔ. Agbalẽ sia gblɔ nusi wòle be míawɔ be míakpɔ yayra sia la na mí.” Ƒo nu tso míaƒe nusrɔ̃ɖoɖoa ŋu kpuie, eye nàgblɔ be yeawɔe afiae.
6 Esi míenye Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ta la, agba le mía dzi be míakpe ɖe ame bubuwo ŋu. (Rom. 10:14) Ne agbalẽ ye míena alo dze nyui aɖe ko wònye míeɖo kple ame aɖe hã la, ele be míava tu ɖetsɔlemea ɖo. (Mat. 9:37, 38) Ne mí katã míewɔ dɔ sia nyuie la, míate ŋu axɔ yayra siwo dona tsoa eme.—Tim. I, 4:16.