INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 9/14 axa 4-7
  • Nutikɔname Vevie​—Ale Si Nàwɔ Anɔ Te Ðe Enu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nutikɔname Vevie​—Ale Si Nàwɔ Anɔ Te Ðe Enu
  • Nyɔ!—2014
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • 1. NYA NU SIWO LE VEVIE NA WÒ.
  • 2. NƆ AGBE TSƐ.
  • 3. SRƆ̃ ALE SI NÀƑO ASA NA DƆ AÐEWO WƆWƆ.
  • 4. DI ƔEYIƔI NÀGBƆ ÐE EME.
  • Nutikɔname—Ava Dzɔ ɖe Dziwòa?
    Nyɔ!—1995
  • Nutikɔname—Aleke Nàwɔ Akpe Akɔ Kplii?
    Nyɔ!—1995
  • Nutikɔname—Amekawo Dzie Wòate Ŋu Adzɔ Ðo eye Nukatae?
    Nyɔ!—1995
  • Aleke Mawɔ Aƒo Asa Na Ðeɖiteameŋu Atraɖii?
    Sɔhɛwo Biana Be
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2014
g 9/14 axa 4-7

NYATI SI LE AKPAA DZI

Nutikɔname Vevie—Ale Si Nàwɔ Anɔ Te Ðe Enu

Anil, ame si nɔ te ɖe nutikɔname vevie nu

ÐEÐI TE Anil ŋu vevie. Edze dɔ bubu gɔme elabe bubu le dɔ sia ŋu wu eye fetua hã nyo wu. Gake fifia la, zã tsina nɛ le dɔ me, eye wòwɔa dɔ kwasiɖanuwuwuwo gɔ̃ hã. Ɣeaɖewoɣi la, ezãa gaƒoƒo 80 tsɔ wɔa dɔ le kwasiɖaa me. Egblɔ be: “Nuwo le nyamaa le dɔa me eye ŋkunyemee dɔa dzi kpɔkpɔ katã kpɔ. Megblɔ na ɖokuinye be: ‘Nu kae nye esia me mede tae? Ne nyemedi nane wɔ o la, ke medɔ̃.’” Ðeɖi le Anil ŋu tem wu gbɔgblɔ.

Nutikɔname vevie menye ɖeɖiteameŋu dzro ko o, eyi ŋgɔ wu gbe sia gbe dɔwɔnawo ƒe nuteɖeamedziwo. Nutikɔname vevie ƒe dzesiwoe nye nuteɖeamedzi enuenu, mɔkpɔkpɔbuɖeame kple wɔnavɔleameŋu ƒe seselelãme sẽŋu. Dɔwɔwɔ tona le mo na ame siwo nu ti kɔ na vevie, womegatsɔa dzo ɖe dɔ ŋu o eye womegatea ŋu wɔa dɔ boo hã o. Woku nu me kpɔe be nutikɔname vevie tsoa seselelãme kple ŋutilã me lãmesẽkuxi gbogbo aɖewo hã gbɔ.

Nu kae nana nu tia kɔ na ame vevie? Dɔ ƒe agbogbododo ɖe ame dzi gbɔe wòtsona zi geɖe. Ganyawo ƒe sesẽ wɔe be dɔtɔ aɖewo biana tso woƒe dɔwɔlawo si be woawɔ dɔ wòagbɔ game si wòle be woakpã la dzi, eye ɣeaɖewoɣi la hena fetu ʋɛ aɖe ko. Mɔ̃ɖaŋununya wɔe fifia be le ame aɖewo gome la, woƒe dɔtɔwo tea ŋu yɔa wo ɣesiaɣi na dɔ, si wɔe be vovototo megava nɔa dɔwɔɣiwo kple ɖiɖiɖemeɣiwo dome o. Le ame aɖewo gome la, dɔ ƒe kemalimali, vɔvɔ̃ be dɔ ava ge le yewo si kple sese le wo ɖokui me be womele nu wɔm ɖe yewo ŋu nyuie o nana nu tia kɔ na wo vevie. Nenema kee, ɖoɖo gobi manɔ dɔ ŋu alo dɔwɔhatiwo dome masɔmasɔwo hã wɔnɛ be nu tia kɔ na ame bubuwo vevie.

Nutikɔname tea ŋu tsoa ame ŋutɔ hã gbɔ. Ame aɖewo lɔa dɔ geɖe ƒua akɔ bene yewoate ŋu aɖo yewoƒe agbemetaɖodzinuwo gbɔ alo akpɔ ga geɖe. Esia nana be womegavona kura o eye kaka woanya la, nu ti kɔ na wo vevie.

Ne dɔ nana be nu tia kɔ na wò vevie la, nu kae nàwɔ? Ne ewɔ na wò be nanewo ya ehiã be yeawɔ wo godoo la, asesẽ na wò be nàwɔ nane tso nɔnɔmea ŋu. Ke hã, àte ŋu awɔ nu ene siawo atsɔ anɔ te ɖe nutikɔname vevie nu. Ðewohĩ àkpɔe be nu bubu geɖewo li yeate ŋu awɔ be nɔnɔmeawo naɖɔ ɖo hafi.

1. NYA NU SIWO LE VEVIE NA WÒ.

Ƒome kpɔdzidzɔ

Nu kae nye nu vevitɔ na wò? Ame geɖewo ayɔ woƒe ƒomekadodo kple lãmesẽ gbã. Nu siawo tututui ate ŋu abɔ wò nenye be nu tia kɔ na wò vevie.

Ne ènya nu siwo le vevie na wò la, akpe ɖe ŋuwò be nàtso nya me le nya vevi aɖewo ŋu eye esia awɔe be nàɖe asi le nu siwo mehiã boo o la ŋu ahazã ɣeyiɣia ɖe nu siwo le vevie wu ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ède dzesii be yeƒe dɔa ana nu nati kɔ na ye vevie. Gake ègblɔ na ɖokuiwò be, ‘Nyemate ŋu adi dɔ bubu alo aɖe dɔ dzi akpɔtɔ o; mehiã gae!’ Nyateƒee, ame sia ame hiã ga, gake ga agbɔsɔsɔme kae hiã eye nu ka gbegbee wòagblẽ le nu siwo le vevie na mí wu la ŋu?

Kpɔ nyuie be màgaɖe mɔ nu si amewo bua nu vevii la nava zu nu vevitɔ na wò o. Nu si wò dɔtɔ bua nu vevii la ate ŋu ato vovo na nu si le vevie na wò. Ame aɖewo ate ŋu ana dɔwɔɖui nanye nu vevitɔ na wo le agbe me, gake ɖo ŋkui be ako mekpɔa avese ƒe dzodzo be yeadzo o.

BIBLIA ƑE MƆFIAME: “NE NU GBOGBO AÐEWO LE AME SI HÃ LA, EƑE AGBE MENƆA TE ÐE NU SIWO LE ESI LA DZI O.”—LUKA 12:15.

2. NƆ AGBE TSƐ.

Nuɖuɖu kpokploe

Ne èdi be yeaɖe hloloetsotso dzi kpɔtɔ ale be yeakpɔ ɣeyiɣi geɖe ɖe nu si le vevie na wò wu ŋu la, ɖewohĩ anyo be nàɖe wò dɔwo dzi akpɔtɔ. Ðe nu me na wò dɔtɔ ne wòaɖe dɔ dzi akpɔtɔ na wò alo kura gɔ̃ hã àte ŋu akpɔe be ahiã be yeadi dɔ bubu. Nu ka kee nètso nya me be yeawɔ o, abia godoo be nàtrɔ asi le ale si nèzãa gae kple ale si nènɔa agbee la ŋu. Esia menye nu si manya wɔ alo wɔwɔ sesẽ akpa abe ale si nàsusui ene o.

Le dukɔ geɖe siwo me amewo tsia dzi ɖe adzɔdodo ŋu fũu akpa me la, wonana amewo xɔnɛ sena be ga si gbegbe ame kpɔna kple nunɔamesi si gbegbe le esi lae nana wòkpɔa dzidzɔ. Gake menye nyateƒe o. Agbe tsɛ nɔnɔ ate ŋu ana ablɔɖe geɖe kple dzidzeme ame. Be nàte ŋu awɔ tɔtrɔ sia la, ɖe gazazã dzi kpɔtɔ eye nànɔ ga dzram ɖo. Ðe fenyinyi dzi kpɔtɔ alo nàƒo asa nɛ kura. Dzro nu si tae wòahiã be miawɔ asitɔtrɔ ɖo la me kple wò ƒomea eye nàna woakpe asi ɖe ŋuwò le esia wɔwɔ me.

BIBLIA ƑE MƆFIAME: “ESI NUNYIAME KPLE NUDODO LE MÍA SI LA, NU SIAWO ADZE MÍA ŊU.”​—1 TIMOTEO 6:8.

3. SRƆ̃ ALE SI NÀƑO ASA NA DƆ AÐEWO WƆWƆ.

Ne wò dɔ sɔ gbɔ akpa alo kuxi aɖe le fu ɖem na wò enuenu le dɔwɔƒea la, dzakae kple wò dɔtɔ. Ne anya wɔ la, do susu ɖa le ale si miakpɔ kuxia gbɔ le mɔ si aɖe vi na wò ŋutɔ kple wò dɔtɔa siaa la nu. Ka ɖe edzi nɛ be yedi vevie be yeawɔ dɔ nɛ, eye nàɖe nu siwo nàlɔ̃ faa awɔ la me nɛ, gake ɖe nu siwo madi be yeawɔ o la me eme nakɔ nɛ eye nàtɔ afɔ to sesĩe.

Ŋutsu aɖe le game kpɔm

Bu nuwo ŋu yi ŋgɔ eye nàda asɔ. Ne èdi be woaɖe dɔ dzi kpɔtɔ na ye la, ele be nàse egɔme be wò dɔtɔ ate ŋu aɖe wò fetu hã dzi kpɔtɔ. Bu kuxi siwo ate ŋu ado mo ɖa abe dɔgeleamesi ene ŋu do ŋgɔ eye nàdzra ɖo ɖe eŋu. Nenɔ susu me na wò be ele bɔbɔe be nàkpɔ dɔ bubu ne dɔ si wɔm nèle fifia kpɔtɔ le asiwò me.

Ne wò kple wò dɔtɔ miegblɔ ɖoɖo yeye si nu mianɔ dɔ wɔm ɖo hese egɔme hã la, ele be nàkpɔ mɔ be ate ŋu agadi be yeadzi dɔ ɖe dɔ dzi na wò ne ɣeyiɣiawo va le yiyim. Nu kae ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàtɔ afɔ to sesĩe? Nɔ nu siwo nèdo ŋugbe be yeawɔ la wɔm pɛpɛpɛ. Ne ète ŋu wɔ esia la, wò hã àte ŋu abia tso wò dɔtɔa si be wòawɔ ɖe eƒe ŋugbedodowo, si ƒe ɖee nye be madzi wò dɔwo ɖe edzi o la dzi.

BIBLIA ME MƆFIAME: “MINA MIAƑE Ɛ̃ NANYE Ɛ̃ KO, EYE MIAƑE AO NANYE AO KO.”—MATEO 5:37.

4. DI ƔEYIƔI NÀGBƆ ÐE EME.

Ne kuxi sesẽwo mele wò dɔa me o gɔ̃ hã la, nuteɖeamedzi, ame siwo ƒe nya me sẽ kple nɔnɔme madodzidzɔname aɖewo ya adze ŋgɔ wò godoo le dɔ me. Eya ta di ɣeyiɣi nàɖi ɖe eme nyuie ahakpɔ gome le modzakaɖeɖe siwo sɔ me. Ðo ŋku edzi be mehiã be modzakaɖeɖe nalɔ ga geɖe zazã ɖe eme hafi wòana miaƒe ƒomea ƒe dzi nadze eme o.

Nyɔnu aɖe le nu xlẽm le ɖiɖiɖemeɣi

Tsɔ ɖe le nu bubuwo me eye nàdze xɔ̃ ame bubu siwo menye wò dɔwɔhatiwo o eye nàƒo asa na esusu be dɔ si ƒomevi alo dɔ agbɔsɔsɔme si wɔm yele ye afia be yele bo nu. Nu ka ta? Agbalẽ si nye Wò Ga Alo Wò Agbe (ele yevugbe me) gblɔ be: “Ame si nènye la xɔ asi boo wu dɔ si hea ga vɛ na wò.” Ne èbunɛ be dɔ si yewɔna koŋue na yele ame me eye asixɔxɔ le ye ŋu la, ke asesẽ na wò be nàɖe dɔ dzi akpɔtɔ.

BIBLIA ME MƆFIAME: “GBƆÐEME ASIƲLO ÐEKA NYO WU AGBAGBADZEDZE KPLE DAGBADAGBA ÐE YA ME ASIƲLO EVE TAŊ.”​—NYAGBLƆLA 4:6.

Ðe nàte ŋu awɔ tɔtrɔ siwo hiã be nànɔ te ɖe nutikɔname vevie nu dzidzedzetɔea? Ɛ̃, àte ŋui. Anil, si ƒe nya míegblɔ le nyati sia ƒe gɔmedzedze la te ŋu wɔe. Egblɔ be: “Meyi nye dɔtɔ xoxotɔ gbɔ hebiae be wòagbugbɔ axɔm, eye egbugbɔ xɔm hã. Ekpe ŋu nam be magakpɔ nye dɔwɔhati tsãtɔwo ƒe mo, elabena megblɔ na wo be mekpɔ dɔ gbagbe aɖe yina wɔwɔ ge. Woɖe nye fetu dzi kpɔtɔ zã. Gake nye susu me dze akɔ anyi fifia eye ɣeyiɣi geɖe su asinye na nye ƒomea kple nu bubu siwo le vevie nam la gbɔ kpɔkpɔ.”

MÍEVO TSO NUTIKƆNAME VEVIE SI ME

Wayne kple Marie nye srɔ̃tɔ siwo le United States eye wole woƒe ƒe 30-awo ƒe gɔmedzedze.

Nu kae na be nu va ti kɔ na mi vevie?

Wayne: Míenɔ adzɔ geɖe dom eye míenyi fe gbogbo aɖe. Evɔ ɖe medi be mana míaƒe dɔa nali ke ne míaɖe dzi ɖi bɔkɔɔ eye magahiã be míawɔ dɔ boo hafi akpɔ ga o. Nye taɖodzinue nye be maɖe dzimaɖitsitsi dzi kpɔtɔ, gake ɖeko wòva dzii ɖe edzi boŋ.

Aleke wògblẽ nu le mia ŋui?

Wayne: Míeva kpɔe be taɖodzinu siwo gbɔ míenɔ agbagba dzem be míaɖo, siwo nye awu nyuiwo, aƒe gãwo kple mɔkekeyiyi le teƒe xɔŋkɔwo la, mena míenɔ dzidzɔ kpɔm o. Agbea ti kɔ nam eye nanekewɔwɔ megatsɔa fu le lãme nam o.

Marie: Egblẽ nu le nye lãmesẽ ŋu. Ehe masɔmasɔwo de mía dome. Eye míegavivina tututu o.

Aleke miewɔ va le agbe tsɛ nɔm?

Wayne: Míede ŋugble tso míaƒe taɖodzinuwo kple míaƒe nɔnɔmea ŋu. Míeɖe adzɔ siwo míedona la dzi kpɔtɔ. Ɔfis nyakpɔ aɖe nɔ asinye, gake medzrae. Meɖe asi le ʋu si kuku dzɔa dzi nam la ŋu hedi ʋu bubu. Meva ɖo dɔwɔƒe kpokploe aɖe eye meɖoe koŋ be nyemakekee ɖe enu o. Míeɖe míaƒe nuzazãwo kple gazazã hã dzi kpɔtɔ.

Marie: Agbe tsɛ nɔnɔ mesesẽ na mí abe ale si mesusui ene o. Míeɖe nuɖuɖu le nuɖuɖudzraƒe dzi kpɔtɔ eye míawo ŋutɔwo míeɖaa nu le aƒe me. Míedea afɔkame, si wɔe be míele lãmesẽ me wu. Mlɔeba la, míeva di ɣeyiɣi aɖe ƒe dɔ le wɔwɔm eye míewɔa lɔlɔ̃nu faa dɔ hã.

Vi kae wòɖe na mi?

Marie: Gadidi megava nye nu vevitɔ na mí le agbe me o. Míetsɔ susu ɖo nu siwo le vevie wu la wɔwɔ ŋu, eye fifia tsi metoa mía dome kura o.

Wayne: Agbea va le bɔbɔe na mí wu. Fifia míele dzidzɔ kpɔm wu.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe