Kpɔɖeŋudzeɖonyawo
Esi Míatsɔ Adze Biblia Nusɔsrɔ̃wo Gɔme Le Memleɖa Gbãtɔ Dzi Le February Me
“Ame geɖe xɔe se be Abosam ye le megbe na nu vɔ̃ɖi siwo le dzɔdzɔm le xexea me. Gake wobiana be: ‘Afi kae Abosam dzɔ tso? Mawue wɔea?’ Nu kae nye wò susu? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Kpɔ nya si wogblɔ le afi sia ɖa.” Tsɔ nyati si dze le February 1 ƒe Gbetakpɔxɔ ƒe megbekpaa dzi fiae, eye midzro memama gbãtɔa me eye miaxlẽ mawunyakpukpuia. Tsɔ magazineawo nae eye wɔ ɖoɖo be yeatrɔ ava dzro nyabiase si kplɔe ɖo la me kplii.
The Watchtower February 1
“Míedi be míakpɔ wò susu le ame aɖe si ŋu Kristotɔwo, Yudatɔwo, kple Moslemtɔwo siaa dea bubui ŋutɔ la ŋu. Ame mae nye Mose. Nu kae nye nu gbãtɔ si vaa susu me na wò ne èse eŋkɔ? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Togbɔ be Mose wɔ vodadawo hã la, ale si Biblia ɖɔe la wɔ nuku ŋutɔ. [Xlẽ 5 Mose 34:10-12.] Magazine sia dzro eƒe nɔnɔme nyui etɔ̃ me eye wòɖe ale si míawɔ asrɔ̃ eyama hã fia.”
Awake! February
“Ebɔ egbea be amewo naʋu ayi dukɔ bubu me kple susu be yewoanɔ agbe si nyo wu. Èsusui be wokpɔa nu si dim wole la ɣesiaɣia? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Menye nu yeyee ʋuʋu ayi teƒe bubu aɖe nye o. Eƒe kpɔɖeŋu aɖee nye esi le Biblia ƒe agbalẽ gbãtɔ me. [Xlẽ 1 Mose 46:5, 6.] Magazine sia dzro nyabiase siawo me.” Tsɔ nyabiase siwo le eƒe axa 6 lia ƒe nuwuwu fia aƒemenɔlaa.