INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • wp21 No. 3 axa 12-14
  • Ðe Nane Li Si Ana Míaƒe Etsɔme Nanyoa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Nane Li Si Ana Míaƒe Etsɔme Nanyoa?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2021
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • MƆFIAME SI TSO NUNYALA GÃTƆ KEKEAKE GBƆ
  • Nya Kae Biblia Gblɔ?
    Nyɔ!—2017
  • Nufiafia Vavãtɔ Siwo Dzea Mawu Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • Nyui Kple Vɔ̃: Míate Ŋu Aka Ðe Nya Si Biblia Gblɔ Dzi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2024
  • Agbalẽ Ka Ƒomevie Biblia Nye
    Agbalẽ Ka Ƒomevie Biblia Nye?
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2021
wp21 No. 3 axa 12-14
Ŋutsu aɖe le Biblia xlẽm.

Ðe Nane Li Si Ana Míaƒe Etsɔme Nanyoa?

Abe ale si míedzro eme le nyati siwo do ŋgɔ me enea, ame aɖewo xɔe se be dzɔgbese, suku kɔkɔ dede, kesinɔnuwo, alo nu nyui wɔwɔe ana yewoƒe etsɔme nanyo. Gake nu siawo le ko abe ale si nànɔ teƒe aɖe yim evɔ nèva lé mɔ gbegblẽ tsɔ ene. Ðe ema fia be naneke meli si akpe ɖe mía ŋu míaƒe etsɔme nanyo oa? Mefia nenema o!

MƆFIAME SI TSO NUNYALA GÃTƆ KEKEAKE GBƆ

Zi geɖea, míebia aɖaŋuɖoɖo tso ame si tsi wu mí alo nya nu wu mí gbɔ hafi tsoa nya me. Nenema kee ne míedi be míakpɔ aɖaŋuɖoɖo vevi siwo ana míaƒe etsɔme nanyoa, anyo be míatrɔ ɖe Ame aɖe si nya nu wu mí sãsãsã ŋu. Míate ŋu ake ɖe Ame ma ƒe aɖaŋuɖoɖowo ŋu le agbalẽ kɔkɔe aɖe si woŋlɔ ƒe 3,500 aɖewoe nye esi va yia me. Agbalẽ mae nye Biblia.

Nu ka tae nàte ŋu aka ɖe Biblia dzi? Elabe Ame si gbɔ wòtso lae nye nunyala gãtɔ kekeake le xexea me. Woɖɔe be enye “Ame Si Li Tso Gbe Aɖe Gbe Ʋĩi Ke” eye wòli “tso mavɔ me yi mavɔ me.” (Daniel 7:9; Psalmo 90:2) Eyae nye “dziƒowɔla, eya, ame si nye Mawu vavã la, anyigba la mèla.” (Yesaya 45:18) Ena míenya be yeƒe ŋkɔe nye Yehowa.—Psalmo 83:18.

Esi wònye Ame si wɔ amegbetɔwo katã gbɔe Biblia tso ta, mebua dukɔ aɖe me tɔwo be wonyo wu bubuawo o. Eƒe mɔfiamewo ɖea vi na ame sia ame ɣeawokatãɣi, metsɔ le afi si amea tso me o. Biblia le gbegbɔgblɔ geɖe me eye eyae woma wu agbalẽ bubu ɖe sia ɖe.a Eya ta ele bɔbɔe be ame sia ame nakpɔe axlẽ eye wòafia mɔe. Nya siawo wɔ ɖeka kple nya si Biblia ŋutɔ gblɔ be:

“Mawu mekpɔa ame ŋkume o, ke boŋ le dukɔ sia dukɔ me la, ame si vɔ̃nɛ eye wòwɔa nu dzɔdzɔe la, eya ƒe nue dzea eŋu.”—DƆWƆWƆWO 10:34, 35.

Abe ale si ko dzila lɔ̃ame fiaa mɔ viawo enea, Yehowa Mawu nye Fofo lɔ̃ame si fiaa mɔ mí to eƒe Nya, Biblia dzi. (2 Timoteo 3:16) Àte ŋu aka aɖe eƒe Nyaa dzi, elabe eyae wɔ mí eye enya nu si ana míakpɔ dzidzɔ

MÍATE ŊU AKA ÐE BIBLIA DZI

Fotoawo: 1. Ŋutsu aɖe le keteke me eye wòle nane xlẽm le eƒe fon dzi. 2. Biblia le dzedzem le ŋutsua ƒe fon dzi.

Míate ŋu aka ɖe nya siwo Biblia gblɔ ku ɖe etsɔme ŋua dzi, elabe ƒe 2,000 aɖewoe nye esi va yia, Biblia gblɔ nu siwo adzɔ kple nɔnɔme siwo amewo aɖe fia ɖi, eye míele wo teƒe kpɔm egbea.

NU SIWO ADZƆ

“Dukɔ atso ɖe dukɔ ŋu, eye fiaɖuƒe ɖe fiaɖuƒe ŋu. Anyigba aʋuʋu ŋɔdzitɔe le teƒeteƒewo, eye dɔwuame kple dɔvɔ̃wo ava teƒeteƒewo.”—LUKA 21:10, 11.

NƆNƆME SIWO AMEWO AÐE FIA

“Le ŋkeke mamlɛawo me la, ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ asesẽ la ava. Elabena amewo anye ɖokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo, adegbeƒolawo, dadalawo, busunyagblɔlawo, ame maɖoto dzilawo, ame madakpewo, ame mawɔnuteƒewo, ame siwo melɔ̃a ame ƒe nya o, ame siwo melɔ̃na ɖe ɖoɖo aɖeke dzi o, ameŋugblẽlawo, ame siwo meɖua wo ɖokuiwo dzi o, ame wɔadãwo, ame siwo melɔ̃a nu nyui o, yomemɔfialawo, totrilawo, ame siwo doa wo ɖokuiwo ɖe dzi glodzoo, ame siwo lɔ̃a dzidzɔkpɔkpɔ le esi teƒe be woalɔ̃ Mawu.”—2 TIMOTEO 3:1-4.

Ale si Biblia te ŋu gblɔ nu siwo le dzɔdzɔm egbea ɖi tsitotsitoa, aleke nèkpɔe? Ðikeke mele eme o be àlɔ̃ ɖe nya si Leung si tso Hong Kong gblɔa dzi. Egblɔ be: “Woŋlɔ nyagblɔɖi siwo le Biblia me ɖi xoxoxo. Manya wɔ be amegbetɔ nagblɔ nya siawo ɖi woava eme pɛpɛpɛ alea o. Eya ta ame aɖe si ƒe nunya de ŋgɔ wu mía tɔ sãa kokoko gbɔe Biblia tso.”

Biblia gblɔ nya gbogbo aɖewo ɖi siwo va eme.b Esiawo ɖo kpe edzi be Mawu ƒe Nyae Biblia nye vavã. Yehowa gblɔ be, “Nyee nye Mawu, ɖeke mesɔ kplim o. Ame si gblɔa nu si ava dzɔ la tso gɔmedzedzea me ke.” (Yesaya 46:9, 10) Eya ta àte ŋu aka ɖe nya siwo Biblia gblɔ ku ɖe etsɔme ŋua dzi.

MƆFIAME SIWO AÐE VI NA WÒ FIFIA KPLE LE ETSƆME

Dzila aɖewo lé wo vi eveawo ƒe asi eye wole zɔzɔm le abɔ aɖe me; dzi le wo dzɔm ŋutɔ.

Ne èwɔna ɖe mɔfiame siwo le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo me dzia, aɖe vi na wò le agbe me. Eƒe kpɔɖeŋu aɖewoe nye esi:

AÐAŊUÐOÐO NYUI SI KU ÐE GA KPLE DƆ ŊU

“Gbɔɖeme asiʋlo ɖeka nyo wu dɔ sesẽ wɔwɔ kple dagbadagba ɖe yame asiʋlo eve.”—NYAGBLƆLA 4:6.

NU SI ANA ƑOMEWO NAKPƆ DZIDZƆ

“Srɔ̃ŋutsu ɖe sia ɖe nalɔ̃ srɔ̃a abe ale si wòlɔ̃a eɖokui ene; ke srɔ̃nyɔnu hã nade bubu deto srɔ̃a ŋu.”—EFESOTƆWO 5:33.

ALE SI MÍAWƆ NU KPLE AMEWO

“Wò dɔmedzoe nu nefa, eye nàdzudzɔ dzikudodo; dzi megaku wò ne nàtrɔ ɖe vɔ̃wɔwɔ ŋu o.”—PSALMO 37:8.

Ne èwɔ ɖe nya siwo Biblia gblɔ dzia, agbea adze edzi na wò fifia eye etsɔme nyui aɖe hã asu asiwò. Biblia gblɔ ŋugbe nyui siwo Mawu do ku ɖe etsɔme ŋu. Wo dometɔ aɖewoe nye

AMEWO ANƆ ŊUTIFAFA ME

“Dzi adzɔ wo geɖe ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.”—PSALMO 37:11.

NUÐUÐU KPLE AƑE ANƆ AME SIA AME SI

“Woatu xɔ anɔ eme, eye woade waingble aɖu eme kutsetse.”—YESAYA 65:21.

DƆLÉLE KPLE KU MAGANƆ ANYI O

“Ku maganɔ anyi akpɔ o, konyifafa kple ɣlidodo kpakple vevesese hã maganɔ anyi o.”—NYAÐEÐEFIA 21:4.

Nu kae wòle be nàwɔ be etsɔme nyui ma nàsu asiwò? Xlẽ nyati si kplɔe ɖo.

a Ne èdi be yeanya nu geɖe tso ale si woɖe Biblia gɔme kple ale si womae ŋua, ʋu www.jw.org eye nàyi BIBLIA ƑE NUFIAFIAWO > ŊUTINYA KPLE BIBLIA.

b Ne èdi numekɔkɔ geɖea, xlẽ agbalẽ si nye The Bible—God’s Word or Man’s? (La Bible: Parole de Dieu ou des hommes?) ƒe ta 9. Yehowa Ðasefowoe tae. Ele Internet dzi le www.jw.org. Àkpɔe le AGBALẼWO KPLE NU BUBUWO > AGBALẼWO KPLE AGBALẼ GBADZAWO.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe