Ƒomea Nadzro Eme
NU KAE MÍATE ŊU ASRƆ̃ TSO . . . Adam kple Xawa gbɔ?
ÐE WÒWƆ NA WÒ KPƆ BE NÀTSƆ NANE SI MENYE TƆWÒ OA?
• De ama nɔnɔmetataawo. • Xlẽ mawunyakpukpuiawo, eye nàɖe wo me eye nàŋlɔ nya siwo bu la ɖe wo teƒe. • Di nu siwo le ɣaɣla—(1) klo kple (2) akpɔkplɔ.
EMEGBE MAWU BIA WO BE ÐE WOÐU ATIA ƑE ÐE HÃ?—1 MOSE 3:11
ESI ADAM KPLE XAWA FI MAWU ƑE NU TA LA, MAWU NYA WO LE ABƆA ME EYE WOTE KUKU.—1 MOSE 3:14-24.
Nu ka tae wòle be Adam kple Xawa nade bubu Mawu ŋu to toɖoɖoe me?
KPEKPEÐEŊU: Nyaɖeɖefia 4:11.
Nu kae do tso woƒe fififia me?
KPEKPEÐEŊU: Romatɔwo 5:12.
Nu kae nèsrɔ̃ tso ŋutinya sia me?
Nu kae nye wò susu?
Ame kae na da la ƒo nu?
KPEKPEÐEŊU: Nyaɖeɖefia 12:9.—g12-E 06.
Dzrae Ðo Ne Nàsrɔ̃e
Tsoe, ŋee ɖe eve, eye nàdzrae ɖo
BIBLIA ŊUTI GBALẼVI 15 DAVID
BIABIAWO
A. Du ka mee wodzi David kple Yesu siaa le?
B. Esi David nye ɖekakpui la, enye ․․․․․ eye wòwu ․․․․․ kple ․․․․․ dzinɔameƒotɔe.
D. Wu David ƒe nya siawo nu: “Eye wò, vinye Salomo, dze si . . . ”
[Nyaɖoɖo]
Ƒe 4026 D.M.Ŋ. 1 M.Ŋ. 98 M.Ŋ.
Wowɔ Adam Enɔ agbe le ƒe Woŋlɔ Biblia
1000 D.M.Ŋ. lɔƒo me gbalẽ mamlɛtɔ
[Anyigbatata]
Eʋu dzo le Betlexem yi Yerusalem
Yerusalem
Bethlexem
Ewɔ aʋa kple Goliat le logotibali la me.—1 Samuel 17:2
Logotibali
DAVID
EŊUTINYA
Isai viŋutsu, Israel Fia evelia. Enye hakpanyaŋlɔla kple hakpala bibi, psalmo siwo David ŋlɔ la wu 73. Edi Yehowa ƒe mɔfiame ɖokuibɔbɔtɔe le eƒe agbe me. (1 Samuel 23:2; 30:8; 2 Samuel 2:1) Yehowa yɔ David be “ŋutsu si ŋu nye dzi kpɔ ŋudzedze ɖo.”—Dɔwɔwɔwo 13:22.
ŊUÐOÐOAWO
A. Betlexem (le Yudea).—Yohanes 7:42.
B. alẽkplɔla, dzata, sisiblisi.—1 Samuel 17:34, 35; Psalmo 78:70, 71.
D. “. . . fofowò ƒe Mawu la, eye nasubɔe kple dzi blibo.”—1 Kronika 28:9.—g12-E 03.
BIBLIA ŊUTI GBALẼVI 16 TIMOTEO
BIABIAWO
A. Wu nya siawo ŋɔŋlɔ nu. Timoteo dada, ․․․․․, kple mama ․․․․․ fia “ŋɔŋlɔ kɔkɔeawo” eya amea tso ․․․․․.
B. Amekpekpe tɔxɛ ka dzie ɖekakpuivi Timoteo lɔ̃ ɖo?
D. Paulo gblɔ le Timoteo ŋu be: “Abe vi kple tɔ ene la . . . ”
[Nyaɖoɖo]
Ƒe 4026 D.M.Ŋ. 1 M.Ŋ. 98 M.Ŋ.
Wowɔ Adam Enɔ agbe le ƒe alafa Woŋlɔ Biblia
gbãtɔ Mia Ŋɔli me lɔƒo gbalẽ mamlɛtɔ
[Anyigbatata]
Enɔ Listra gake nɔvi siwo nɔ Ikonio la ƒo nu nyui tso eŋu
Listra
Ikonio
Yerusalem
TIMOTEO
EŊUTINYA
Togbɔ be fofoa nye dzimaxɔsetɔ hã la, eva zu “kpɔɖeŋu na nuteƒewɔlawo le nuƒoƒo me, le agbenɔnɔ me, le lɔlɔ̃ me, le xɔse me, le agbe dzadzɛ nɔnɔ me.” (1 Timoteo 4:12) Ewɔ ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo sia dzi be: “Ðokuitsɔtsɔ na Mawu nanye taɖodzinu si nàtsɔ anɔ ɖokuiwò mlam.” (1 Timoteo 4:7) Timoteo kpe ɖe apostolo Paulo ŋu ƒe 15 sɔŋ.
ŊUÐOÐOAWO
A. Eunike, Lois, vidzĩ me.—2 Timoteo 1:5; 3:14, 15.
B. Zɔ mɔ kple apostolo Paulo hewɔ dɔ kplii.—Dɔwɔwɔwo 16:1-5.
D. “. . . míewɔ dɔ abe kluviwo ene le nya nyui la dodo ɖe ŋgɔ me.”—Filipitɔwo 2:22.—g12-E 04.
BIBLIA ŊUTI GBALẼVI 17 YONA
BIABIAWO
A. Wodɔ Yona be wòayi aɖaɖe gbeƒã le ․․․․․, du si me ame siwo wu ․․․․․ le.
B. Togbɔ be Yona si le eƒe dɔdeasi nu gbã hã la, nu kae wòwɔ dzinɔameƒotɔe tsɔ ɖe ame bubuwo ƒe agbe?
D. Wu Biblia me nya siawo nu: “Yona nɔ ƒumelã la ƒe dɔme . . . ”
[Nyaɖoɖo]
Ƒe 4026 D.M.Ŋ. 1 M.Ŋ. 98 M.Ŋ.
Wowɔ Adam Enɔ agbe le ƒe Woŋlɔ Biblia
840 D.M.Ŋ. me lɔƒo gbalẽ mamlɛtɔ
[Anyigbatata]
Esi tso Gat-Xefer yina Tarsis
Gat-Xefer
TARSIS
Ninewe
YONA
EŊUTINYA
Enye Yehowa ƒe nyagblɔɖila le Fia Yerobeam II ƒe dziɖuɣi. (2 Fiawo 14:23-25) Yehowa fia Yona be eƒe susu meganɔ eya ŋutɔ ɖeɖe ƒe nyonyo ko ŋu o, ke boŋ wòabu ame bubuwo ƒe hiahiãwo hã ŋu. (Yona 4:6-11) Míesrɔ̃e le Yona ƒe ŋutinyaa me be Yehowa gbɔa dzi ɖi, ekpɔa nublanui henyoa dɔme na amegbetɔ nu vɔ̃ wɔlawo ale gbegbe.
ŊUÐOÐOAWO
A. Niniwe, 120,000.—Yona 1:1, 2; 4:11.
B. Egblɔ na ƒudzimɔzɔlawo be woakɔ ye ƒu gbe ɖe atsiaƒu la me, be atsiaƒu la nadze akɔ anyi.—Yona 1:3, 9-16.
D. “ . . . ŋkeke etɔ̃ kple zã etɔ̃.”—Yona 1:17.—g12-E 05.
BIBLIA ŊUTI GBALẼVI 18 YOSIYA
BIABIAWO
A. Yosiya zu fia esi wòxɔ ƒe ․․․․․ eye wòɖu dzi ƒe ․․․․․.
B. Nyagblɔɖila eve kawoe kpɔ ŋusẽ nyui ɖe Yosiya dzi?
D. Nu kae nunɔla la kpɔ le gbedoxɔa me esime Yosiya dɔ dɔwɔlawo be woaɖɔ “Yehowa ƒe aƒe la” ɖo?
[Nyaɖoɖo]
Ƒe 4026 D.M.Ŋ. 1 M.Ŋ. 98 M.Ŋ.
Wowɔ Adam Enɔ agbe le ƒe Woŋlɔ Biblia
650 D.M.Ŋ. me lɔƒo gbalẽ mamlɛtɔ
[Anyigbatata]
Egbã legbawo le to siawo ƒe duwo me.—2 Kronika 34:6, 7.
Naftali
Manase
Efrayim
Simeon
YOSIYA
EŊUTINYA
Togbɔ be Yosiya fofo Amon nye ame vɔ̃ɖi hã la, Yosiya “wɔ nu si nyo le Yehowa ŋkume.” (2 Kronika 34:2) Etiae be yeade ha kple ame siwo lɔ̃ Mawu ke menye kple nu gbegblẽ wɔlawo o. Eƒe ɖokuibɔbɔ kple ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe tadedeagu vavã ŋu na be eƒe nu nyo Mawu ŋu.—2 Fiawo 22:19; 23:24, 25.
ŊUÐOÐOAWO
A. Ƒe 8, 31.—2 Kronika 34:1.
B. Yeremiya kple Zefaniya.—Yeremiya 1:1, 2; Zefaniya 1:1.
D. “Yehowa ƒe se” si wòna to Mose dzi “ƒe agbalẽ la.”—2 Kronika 34:14-18.—g12-E 06.
Àte ŋu ata “Ƒomea Nadzro Eme” ƒe nyati bubuwo le Internet dzi le www.pr2711.com
● “ƑOMEA NADZRO EME” ƒe ŋuɖoɖoawo le axa 10
AXA 29 ƑE ŊUÐOÐOWO
1. Klo si le nɔnɔmetata 6 lia me.
2. Akpɔkplɔ si le nɔnɔmetata 1 me.