Gbeadzisubɔsubɔ ƒe Ɣleti Tɔxɛwo
1 Ðe December kple January ate ŋu anye gbeadzisubɔsubɔ ƒe ɣleti tɔxɛwo na wòa? Wonaa mɔkeke dɔwɔlawo kple sukuviwo le ɣleti siawo me. Ne èdze agbagba vie la, wò gbeadzisubɔsubɔ adzi ɖe edzi ŋutɔ togbɔ be àyi nutome gã takpekpewo hã.
2 Sɔhɛ siwo nye gbeƒãɖela xɔnyɔnyrɔ̃wo dometɔ aɖewo akpɔ ŋkeke aɖewo siwo womayi suku o eye woadi be yewoawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa le ɣleti siawo me. Aleke gbegbe wòade dzi ƒo na woe nye si be woakpɔ hamemegãwo, subɔsubɔdɔwɔlawo, kple gbeƒãɖela bubuwo dometɔ aɖewo woawɔ dɔ kpli wo le gbeadzi! Ne wò nɔnɔmewo maɖe mɔ be nàwɔ mɔɖeɖedɔa le ɣleti siawo dometɔ aɖeke me o la, ɖe nàte ŋu anɔ gbeadzi gaƒoƒo geɖe wu kple amesiwo awɔ mɔɖeɖedɔa? Esia anye dzidedeƒo na ame nɔewo.
3 Ne gbeƒãɖelawo katã dze agbagba geɖe wu la, hamemegãwo ate ŋu awɔ ɖoɖo ɖe hahoɖaseɖiɖi ŋu gbesiagbe le ɣleti siawo me, negbe takpekpewɔɣiwo koe mele eme o.
4 Fifiae nye ɣeyiɣi si me wòle be ame ɖekaɖekawo kple ƒomewo kpakple hamea nawɔ ɖoɖo be woana mɔkekeɣletiwo nanye gbeadzisubɔsubɔdɔwɔɣi tɔxɛ le miaƒe hamea me.