Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu
Gbetakpɔxɔ Feb. 15
“Ède ŋugble le alesi nànɔ agbe ahawɔ nyametsotso veviwo le mɔ nyuitɔ kekeake nu ŋu kpɔa? [Na wòaɖo eŋu.] Biblia la na mɔfiame nyuitɔwo kekeake, eye wo dometɔ aɖee nye esi woyɔna be Sikasededea. [Xlẽ Mateo 7:12.] Mawu ƒe mɔfiame bubu kawoe agaɖe vi na mía ŋutɔwo? Àkpɔ ŋuɖoɖoa le magazine sia me.”
Nyɔ! Mar. 8
“Ðewohĩ ède dzesii be dɔwɔƒe geɖewo va zu teƒe siwo afɔku bɔ ɖo fifia. Magazine sia ɖo aɖaŋu nyui geɖe le alesi woawɔ dɔwɔƒewo nanɔ dedie wu la ŋu. Eɖee fia hã be míaƒe dedienɔnɔ nɔ te ɖe nukpɔsusu si da sɔ si anɔ mía si le míaƒe dɔwɔɖui ŋu dzi. Meka ɖe edzi be àdi be yeaxlẽe.”
Gbetakpɔxɔ Mar. 1
“Ne míelé ŋku ɖe nusiwo katã le dzɔdzɔm egbea ŋu la, enaa mía dometɔ geɖe bua nusi etsɔme ahe vɛ ŋu. Yesu Kristo ɖe susu siwo ta míate ŋu atsɔ kakaɖedzi akpɔ mɔ na etsɔme nyui aɖe le eƒe gbedodoɖa nyanyɛ aɖe me. [Xlẽ Mateo 6:9, 10.] Ameƒomea gakpɔtɔ le vodada siwo wowɔ va yi ɣeyiɣi didi aɖee nye esia la wɔm kokoko. Gake le ŋkeke mawo me la, etsɔme mɔkpɔkpɔ nyui aɖee nɔ amesiwo subɔa Mawu si. Magazine sia ƒo nu tso alesi etsɔme mɔkpɔkpɔ nyui sia ate ŋu asu míawo hã si ŋu.”
Nyɔ! Mar. 8
“Biblia la te gbe ɖe sukudede ƒe vevienyenye dzi. [Xlẽ Lododowo 2:10, 11.] Mía dometɔ geɖe nya alesi wòhiã vevie be nufiala bibiwo nafia nu ɖeviwoe. Nyɔ! sia ƒo nu tso akpa vevi si wɔm nufialawo le, alesi wòle be míaɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ɖe woƒe ɖokuitsɔtsɔsavɔ ŋu, kple alesi dzilawo ate ŋu akpe ɖe wo ŋu le woƒe dɔ sesẽa wɔwɔ me ŋu.”