INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • nwt Luka 1:1-24:53
  • Luka

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Luka
  • Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
Luka

ABE ALE SI LUKA ŊLƆE ENE

1 Mekpɔe be ame geɖewo dze agbagba ŋlɔ nu tso nudzɔdzɔ ŋutɔŋutɔ siwo dzi míexɔ se bliboe la ŋu,+ 2 abe ale si ko ame siwo kpɔ nu siawo teƒe kple ŋku le gɔmedzedzea me+ eye wozu nya la ƒe dɔlawo la gblɔe na mí ene.+ 3 Eya ta meku nuwo katã me tsitotsito tso gɔmedzedzea me, eye nye hã meɖoe be maŋlɔ wo ɖe ɖoɖo nu aɖo ɖe wò, bubutɔ Teofilo,+ 4 ale be nàkpɔ kpeɖodzi be nyateƒee nu siwo wofia wò la nye.+

5 Nunɔla aɖe nɔ anyi le Yudea-fia Herodes*+ ŋɔli, eŋkɔe nye Zakariya eye wòtso Abiya ƒe hatsotso la me.+ Eɖe Aron vinyɔnuwo dometɔ ɖeka, si ŋkɔe nye Elizabet. 6 Wo ame evea siaa nye ame dzɔdzɔewo le Mawu ŋkume, eye wowɔna ɖe Yehowa* ƒe sewo kple ɖoɖowo katã dzi mokakamanɔŋui. 7 Ke vi mele wo si o, elabena Elizabet tsi ko, eye wo kple evea wotsi xɔ ƒe geɖe.

8 Ke esi wòɖo woƒe hatsotsoa+ dzi, eye Zakariya le nunɔladɔ wɔm le Mawu ŋkume 9 abe ale si wòle le nunɔlawo ƒe ɖoɖoa* nu ene la, eɖo Zakariya dzi be wòage ɖe Yehowa* ƒe gbedoxɔa me+ ado dzudzɔ ʋeʋĩ.+ 10 Ameha blibo la le gbe dom ɖa le xexe le gaƒoƒo si me wòle dzudzɔa dom. 11 Eye Yehowa* ƒe dɔla ɖe eɖokui fiae hele tsitre ɖe dzudzɔdomlekpuia ƒe ɖusime. 12 Esi Zakariya kpɔe la, eɖi vo, eye vɔvɔ̃ ɖoe. 13 Ke mawudɔla la gblɔ nɛ be: “Zakariya, mègavɔ̃ o, elabena wose wò kokoƒoƒo la, srɔ̃wò Elizabet adzi ŋutsuvi na wò, eye nàna ŋkɔe be Yohanes.+ 14 Ana nàkpɔ dzidzɔ ahatso aseye, eye ame geɖewo akpɔ dzidzɔ ɖe eƒe dzidzi ŋu,+ 15 elabena anye gã le Yehowa* ŋkume.+ Ke ɖevi la megano wain alo aha sesẽ aɖeke kura o,+ eye gbɔgbɔ kɔkɔe ayɔe fũu hafi woava dzii gɔ̃ hã,*+ 16 eye wòatrɔ Israel-vi geɖewo ɖe Yehowa,* woƒe Mawu la ŋu.+ 17 Azɔ hã adze Mawu ŋgɔ ava le Eliya ƒe gbɔgbɔ kple ŋusẽ me,+ be wòatrɔ fofowo ƒe dzi ɖe viwo ŋu,+ eye wòatrɔ ame maɖotowo ɖe ame dzɔdzɔewo ƒe nunya vavãtɔ ŋu, be wòadzra dukɔ la ɖo ɖi wòasu te na Yehowa.”*+

18 Eye Zakariya bia mawudɔla la be: “Aleke mawɔ aka ɖe nu sia dzi? Elabena meku amegã, eye srɔ̃nye hã tsi xɔ ƒe geɖe.” 19 Mawudɔla la ɖo eŋu nɛ be: “Nyee nye Gabriel,+ ame si nɔa tsitre ɖe Mawu ŋkume,+ edɔm be mava ƒo nu kpli wò, eye magblɔ nya nyui la na wò. 20 Ke kpɔ ɖa, wò aɖe atu, eye màgate ŋu aƒo nu o, va se ɖe gbe si gbe nu siawo va eme, elabena mèxɔ nye nya siwo le eme va ge le woƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi la dzi se o.” 21 Le ɣeyiɣi ma katã me la, dukɔ la le Zakariya lalam, eye wòwɔ nuku na wo be etsi gbedoxɔa me nenema gbegbe. 22 Esi wòdo go la, mete ŋu ƒo nu na wo o, eye wodze sii be ekpɔ nu wɔnuku* aɖe le gbedoxɔa me. Eye wòle dzesi wɔm na wo, ke mete ŋu le nu ƒom o. 23 Esi eƒe subɔsubɔdɔ kɔkɔea* ƒe ŋkekeawo wu enu la, edzo yi aƒe me.

24 Le ŋkeke aɖewo megbe la, srɔ̃a Elizabet fɔ fu, eye wòɣla eɖokui ɣleti atɔ̃ sɔŋ hegblɔ be: 25 “Aleae Yehowa* wɔ nu ɖe ŋunye le ŋkeke siawo me. Etrɔ susu ɖe ŋunye be yeaɖe nye ŋukpe ɖa le amewo dome.”+

26 Le eƒe fufɔfɔ ƒe ɣleti adelia me la, Mawu dɔ eƒe dɔla Gabriel+ ɖe Galilea du si woyɔna be Nazaret me, 27 ɖe ɖetugbui leaƒe+ aɖe si ŋugbe wodo na ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Yosef, tso David ƒe me la gbɔ, eye ɖetugbui leaƒe la ŋkɔe nye Maria.+ 28 Esi mawudɔla la va egbɔ la, egblɔ be: “Medo gbe na wò, wò, ame si nu wove ŋutɔ, Yehowa* li kpli wò.” 29 Ke eɖi vo ŋutɔ le nya la ŋuti, eye wòbu tame le nu si gbedoname sia fia la ŋu. 30 Eye mawudɔla la gblɔ nɛ be: “Mègavɔ̃ o, Maria, elabena Mawu ve nuwò. 31 Kpɔ ɖa, èle fu fɔ ge adzi ŋutsuvi,+ eye nàna ŋkɔe be Yesu.+ 32 Eya anye gã,+ eye woayɔe be Dziƒoʋĩtɔ la ƒe Vi,+ eye Yehowa* Mawu atsɔ fofoa David ƒe fiazikpui la anɛ,+ 33 aɖu fia ɖe Yakob ƒe aƒe la dzi tegbee, eye nuwuwu manɔe na eƒe Fiaɖuƒe la o.”+

34 Ke Maria bia mawudɔla la be: “Aleke nu sia ate ŋu ava eme esi nyemenya ŋutsu o?”+ 35 Mawudɔla la ɖo eŋu nɛ be: “Gbɔgbɔ kɔkɔe ava dziwò,+ eye Dziƒoʋĩtɔ la ƒe ŋusẽ ado vɔvɔli ɖe dziwò. Eya ta woayɔ vi si dzi ge nàla la be kɔkɔetɔ,+ Mawu ƒe Vi.+ 36 Eye kpɔ ɖa, wò ƒometɔ Elizabet si ku nyagã la hã fɔ fu le ŋutsuvi dzi ge, eye esiae nye ɣleti adelia na eya ame si woyɔna be konɔ la; 37 elabena Mawu ƒe nya aɖeke mado kpo emevava o.”+ 38 Eye Maria gblɔ be: “Kpɔ ɖa, Yehowa* ƒe dɔlanyɔnue menye! Neva eme nam le wò nya la nu.” Ale mawudɔla la dzo le egbɔ.

39 Ale le ŋkeke mawo me la, Maria tso eye wòɖe abla yi tonuto la me le Yuda du aɖe me, 40 eye wòge ɖe Zakariya ƒe me hedo gbe na Elizabet. 41 Ke esi Elizabet se Maria ƒe gbedonamea la, vidzĩ la ti kpo le eƒe dɔ me, eye gbɔgbɔ kɔkɔe yɔ Elizabet fũu 42 eye wòdo ɣli gblɔ be: “Woayra wò le nyɔnuwo dome, eye woayra wò dɔmevi la! 43 Aleke wòdzɔe be mɔnukpɔkpɔ sia su asinye be nye Aƒetɔ dada va gbɔnye? 44 Kpɔ ɖa, esi mese wò gbedoname ko la, vidzĩ la ti kpo le nye dɔ me kple dzidzɔ. 45 Eye dzidzɔtɔe nye nyɔnu si xɔe se, elabena nya siwo wogblɔ nɛ tso Yehowa* gbɔ la, ava eme bliboe.”

46 Eye Maria gblɔ be: “Nye luʋɔ* le Yehowa* dom ɖe dzi,+ 47 eye nye gbɔgbɔ mate ŋu adzudzɔ aseyetsotso ɖe Mawu, nye Xɔla la ŋu o,+ 48 elabe ekpɔ eƒe dɔlanyɔnu ƒe ame gblɔe nyenye ɖa.+ Elabena kpɔ ɖa, tso fifia la, dzidzimewo katã ayɔm be dzidzɔtɔ,+ 49 elabena Ŋusẽtɔ la wɔ nu dzɔtsuwo nam, eye eƒe ŋkɔ le kɔkɔe,+ 50 eƒe nublanuikpɔkpɔ le ame siwo vɔ̃nɛ la dzi tso dzidzime yi dzidzime.+ 51 Etsɔ eƒe alɔ wɔ nu dzɔtsuwo, eka ame siwo doa wo ɖokuiwo ɖe dzi le woƒe dzimesusuwo me la hlẽ.+ 52 Eɖe ŋusẽtɔwo ɖa le zi dzi,+ eye wòdo ame tsɛwo ɖe dzi;+ 53 etsɔ nu nyuiwo ɖi ƒo na dɔwuitɔwo taŋ,+ ke edo mɔ kesinɔtɔwo ya asi ƒuƒlui. 54 Ekpe ɖe eƒe subɔla Israel ŋu, eye wòɖo ŋku eƒe nublanuikpɔkpɔ nɛ+ 55 tegbee la dzi, abe ale si wògblɔe na mía tɔgbuiwo, na Abraham kple eƒe dzidzimevi+ la ene la dzi.” 56 Maria nɔ egbɔ anɔ abe ɣleti etɔ̃ ene, eye wòtrɔ yi aƒe.

57 Ke Elizabet ƒe vidziɣi ɖo, eye wòdzi ŋutsuvi. 58 Eƒe aƒelikawo kple ƒometɔwo se be Yehowa* kpɔ nublanui nɛ geɖe ŋutɔ, eye wokpɔ dzidzɔ kplii.+ 59 Le ŋkeke enyia gbe la, wova be woatso aʋa na ɖevi la,+ eye wodi be yewoatsɔ fofoa Zakariya ŋkɔ nɛ. 60 Gake dadaa gblɔ be: “Gbeɖe, ke boŋ woayɔe be Yohanes.” 61 Eye wogblɔ nɛ be: “Wò ƒometɔ aɖeke metsɔ ŋkɔ sia kpɔ o ɖe!” 62 Eye wowɔ dzesi na fofoa biae be ŋkɔ kae wòdi be woatsɔ na ɖevi la hã. 63 Eya ta ebia be woatsɔ nuŋlɔkpe na ye, eye wòŋlɔ ɖe edzi be: “Eŋkɔe nye Yohanes.”+ Esia wɔ moyaa na wo katã. 64 Enumake eƒe nu ʋu, eye eƒe aɖeka ɖɔ ɖo, eye wòde asi nuƒoƒo me+ hele Mawu kafum. 65 Ale vɔvɔ̃ ɖo woƒe aƒelikawo katã, eye amewo ƒo nu le nu siawo ŋu le Yudea tonuto blibo la katã me. 66 Eye ame siwo katã see la lé nya siawo ɖe woƒe dzi me le gbɔgblɔm be: “Nu ka gɔ̃e ɖevi sia ava zu?” Elabena Yehowa* ƒe asi le ɖevi la dzi vavã.

67 Eye gbɔgbɔ kɔkɔe yɔ fofoa Zakariya fũu wògblɔ nya ɖi be: 68 “Woakafu Yehowa,* Israel ƒe Mawu+ la, elabena etrɔ susu ɖe eƒe amewo ŋu, eye wòɖe wo.+ 69 Ena xɔxɔ ƒe dzo*+ do na mí le eƒe subɔla David ƒe me,+ 70 abe ale si ko wògblɔ to eƒe blemanyagblɔɖila kɔkɔewo dzi+ 71 be yeaɖe mí tso míaƒe ketɔwo kple ame siwo katã lé fu mí la si me;+ 72 yeakpɔ nublanui le mía tɔgbuiwo ta, eye yeaɖo ŋku yeƒe nubabla kɔkɔe la dzi ene.+ 73 Esiae nye atam si wòka na mía tɔgbui Abraham,+ 74 be ne yeɖe mí tso míaƒe futɔwo si me vɔ la, yeana mɔnukpɔkpɔ mí míawɔ subɔsubɔdɔ kɔkɔe na ye vɔvɔ̃manɔmee 75 le ye ŋkume, le nuteƒewɔwɔ kple dzɔdzɔenyenye me le míaƒe agbemeŋkekewo katã me. 76 Ke wò, vinye, woayɔ wò be Dziƒoʋĩtɔ la ƒe nyagblɔɖila, elabena àdze Yehowa* ŋgɔ adzra eƒe mɔwo dzi ɖo,+ 77 àna eƒe amewo nadze si xɔname, si ava to woƒe nu vɔ̃wo tsɔtsɔ ke me,+ 78 le mía Mawu ƒe dɔmetɔtrɔ gã la ta. Dɔmetɔtrɔ sia ana agudzedze natso dziƒo ava kpɔ mí ɖa, 79 be wòana kekeli ame siwo bɔbɔ nɔ viviti kple ku ƒe vɔvɔli me,+ eye wòafia mɔ míaƒe afɔwo le ŋutifafa ƒe mɔ dzi.”

80 Eye ɖevi la tsi hekpɔ ŋusẽ le gbɔgbɔ la me, eye wònɔ gbedzi va se ɖe gbe si gbe wòɖe eɖokui fia Israel le dutoƒo.

2 Ke le ŋkeke mawo me la, Kaisaro Augusto de se be woaŋlɔ anyigbadzinɔlawo katã ŋkɔ. 2 (Ŋkɔŋɔŋlɔ gbãtɔ sia va eme esime Kirenio nye nutodziɖula le Siria.) 3 Eye amewo katã yi wo de be woaŋlɔ yewoƒe ŋkɔ. 4 Yosef+ hã tso le Nazaret dua me le Galilea yi David ƒe du si woyɔna be Betlehem+ la me le Yudea, elabena David ƒe aƒe kple ƒomea me tɔ wònye. 5 Eya kple Maria, ame si wotsɔ nɛ wòɖe abe ale si wodo eƒe ŋugbe nɛ ene+ eye fu tsi ɖe eƒo azɔ lae yi be woaŋlɔ yewoƒe ŋkɔ.+ 6 Esime wole afi ma la, eƒe vidziɣi ɖo. 7 Eye wòdzi ŋutsuvi, si nye eƒe ŋgɔgbevi,+ eye wòxatsa avɔ ɖe eŋu hetsɔe mlɔ lãnuɖunu me,+ elabena womekpɔ teƒe le amedzrodzeƒe o.

8 Alẽkplɔlawo hã le nuto ma ke me le gbedzi le woƒe lãhawo ŋu dzɔm le zã me. 9 Kasia Yehowa* ƒe dɔla va tsi tsitre ɖe wo gbɔ, eye Yehowa* ƒe ŋutikɔkɔe klẽ ƒo xlã wo, eye vɔvɔ̃ ɖo wo ŋutɔ. 10 Ke mawudɔla la gblɔ na wo be: “Migavɔ̃ o, elabena kpɔ ɖa, meva nya nyui si ahe dzidzɔ gã avɛ na amewo katã la gblɔ ge na mi. 11 Elabena wodzi ɖela,+ si nye Kristo Aƒetɔ la,+ na mi egbea le David ƒe du la me.+ 12 Eye esia anye dzesi na mi: Miakpɔ vidzĩ si ŋu woxatsa avɔ ɖo, eye wotsɔe mlɔ lãnuɖunu me.” 13 Enumake dziƒoʋakɔ gã aɖe+ va kpe ɖe mawudɔla la ŋu eye wole Mawu kafum le gbɔgblɔm be: 14 “Ŋutikɔkɔe na Mawu le dziƒo boo, eye ŋutifafa nanɔ anyi kple ame siwo ŋu wòkpɔa ŋudzedze ɖo le anyigba dzi.”

15 Esi mawudɔlawo dzo le wo gbɔ yi dziƒo la, alẽkplɔlawo gblɔ na wo nɔewo be: “Mina míayi Betlehem, ne míakpɔ nu si dzɔ, si Yehowa* ɖe fia mí la ɖa.” 16 Ale woɖe abla yi, eye wokpɔ Maria kple Yosef kpakple vidzĩ si le anyimlɔƒe le lãnuɖunu me la. 17 Esi wokpɔ esia la, woƒo nu le nya si wogblɔ na wo tso ɖevi sia ŋuti la ŋu na amewo. 18 Eye ame siwo katã se nya siwo alẽkplɔlaawo gblɔ na wo la ƒe mo wɔ yaa, 19 ke Maria lé nya siawo katã ɖe tame henɔ wo ŋu bum le eƒe dzi me.+ 20 Emegbe alẽkplɔlawo trɔ dzo, eye wonɔ Mawu dom ɖe dzi henɔ ekafum ɖe nu siwo katã wose kple nu siwo wokpɔ la ta, abe ale si ko wogblɔe na wo ene.

21 Le ŋkeke enyia gbe, esi ɣeyiɣi de be woatso aʋa nɛ la,+ wotsɔ ŋkɔ nɛ be Yesu, ŋkɔ siae mawudɔlaa gblɔ be woayɔ nɛ hafi wova fɔ eƒe fu.+

22 Eye esi ɣeyiɣi si wòle be woakɔ wo ŋuti le Mose ƒe Sea+ nu de la, wokɔe yi Yerusalem be woatsɔe aɖo Yehowa* ŋkume, 23 abe ale si woŋlɔe ɖe Yehowa* ƒe Se la me ene be: “Woayɔ ŋgɔgbeviŋutsu* ɖe sia ɖe be Yehowa* ƒe nu kɔkɔe.”+ 24 Eye wosa vɔa abe ale si wogblɔe ɖe Yehowa* ƒe Se la me ene be: “akpakpa* eve alo ahɔnɛvi eve.”+

25 Eye kpɔ ɖa, ŋutsu aɖe le Yerusalem, si ŋkɔe nye Simeon, ŋutsu sia nye ame dzɔdzɔe kple mawuvɔ̃la, eye wòle mɔ kpɔm na Israel ƒe akɔfafa,+ eye gbɔgbɔ kɔkɔe la le edzi. 26 Mawu ɖee fiae to gbɔgbɔ kɔkɔe la dzi hã be maku o va se ɖe esime wòakpɔ Yehowa* ƒe Kristo la hafi. 27 Gbɔgbɔ la na wòva gbedoxɔa me; eye esi Yesu, ɖevi sue la, dzilaawo kɔe vɛ be woawɔ nu siwo Sea bia nɛ la,+ 28 exɔ ɖevi la ɖe eƒe abɔwo dome, eye wòkafu Mawu gblɔ be: 29 “Azɔ Aƒetɔ Dziɖulagã, èɖe mɔ na wò kluvi la be wòaku le ŋutifafa me+ abe ale si nègblɔe ene, 30 elabena nye ŋkuwo kpɔ wò xɔxɔ+ 31 si nèdzra ɖo le dukɔwo katã ŋkume la,+ 32 kekeli+ si aɖe nu si tsyɔ ŋkume na dukɔwo la ɖa,+ eye wònye wò dukɔ Israel ƒe ŋutikɔkɔe.” 33 Eye nya siwo gblɔm wòle tso ɖevia ŋu la wɔ moyaa na fofoa kple dadaa. 34 Simeon yra woawo hã, eye wògblɔ na Maria, ɖevi la dada, be: “Kpɔ ɖa! Woɖo ɖevi sia anyi hena ame geɖewo ƒe anyidzedze+ kple ame geɖewo ƒe dodoɖedzi le Israel,+ eye wòanye dzesi si ŋu amewo aƒo nu atsi tsitre ɖo+ 35 (ɛ̃, yi legbe aɖe aƒo ɖe wò*)+ ne woaɖe ame geɖewo ƒe dzimesusuwo afia.”

36 Ke nyɔnunyagblɔɖila aɖe li, si ŋkɔe nye Ana, eye wònye Fanuel vi tso Aser-toa me. Nyɔnu sia tsi xɔ ƒe geɖe eye eya kple srɔ̃a wonɔ anyi ƒe adre le wo nɔewo ɖeɖe vɔ megbe,* 37 eye azɔ enye ahosi si xɔ ƒe blaenyi vɔ ene. Eƒe afɔ metsona le gbedoxɔa me gbeɖe o, eye wònɔa subɔsubɔdɔ kɔkɔe dzi zã kple keli, etsia nu dɔna henɔa kokoƒoƒo dzi. 38 Le gaƒoƒo ma tututu me la, ete ɖe wo ŋu, eye wòde asi akpedada me na Mawu hele nu ƒom tso ɖevi la ŋu na ame siwo katã le Yerusalem ƒe ɖeɖe la lalam.+

39 Esi wowɔ nu siwo katã Yehowa* ƒe Se la bia vɔ la,+ wotrɔ yi woawo ŋutɔ ƒe du Nazaret me le Galilea.+ 40 Eye ɖevi la le tsitsim hele ŋusẽ kpɔm, nunya yɔe fũu, eye Mawu ƒe amenuveve le edzi.+

41 Ke Yesu dzilawo yia Yerusalem ƒe sia ƒe ɖaɖua Ŋutitotoŋkekenyuia.+ 42 Esi wòxɔ ƒe wuieve la, wogayi ŋkekenyuia ɖuƒe abe ale si wowɔnɛ ɖaa ene.+ 43 Esi woɖu ŋkekenyuia vɔ, eye wotrɔ gbɔna la, Yesu ŋutsuvi la tsi Yerusalem, gake edzilawo menya o. 44 Wobui be ele ameha si le mɔa zɔm la dome, eya ta wozɔ ŋkeke ɖeka ƒe mɔ, emegbe hafi wova te edidi le ƒometɔwo kple ame nyanyɛwo dome. 45 Gake esi womekpɔe o la, wotrɔ yi Yerusalem va dii nyuie. 46 Ke le ŋkeke etɔ̃ megbe la, wova ke ɖe eŋu le gbedoxɔa me wòbɔbɔ nɔ nufialawo dome le to ɖom wo eye wòle nya biam wo. 47 Gake ame siwo katã le to ɖomee la ƒe mo wɔ yaa le eƒe nugɔmesese kple eƒe ŋuɖoɖowo ŋuti.+ 48 Ke esi edzilawo kpɔe la, woƒe mo wɔ yaa, eye dadaa gblɔ nɛ be: “Vinye, nu ka ŋuti nèwɔ nu ɖe mía ŋu alea? Kpɔ ɖa, nye kple fofowò míetsi dzi di wò ʋuu.” 49 Ke ebia wo be: “Nu ka tae miele diyem? Mienyae be ele be manɔ Fofonye ƒe me oa?”+ 50 Ke hã womese nya si wògblɔ na wo la gɔme o.

51 Ale wòyi kpli wo, eye wotrɔ gbɔ va Nazaret, eye wòyi edzi bɔbɔ eɖokui na wo.*+ Ke dadaa dzra nya siawo katã ɖo nyuie ɖe eƒe dzi me.+ 52 Eye Yesu le tsitsim, eƒe nunya hã le dzidzim ɖe edzi, eye eƒe nu nyo Mawu kple amewo siaa ŋu.

3 Le Kaisaro Tiberio ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiatɔ̃lia me, esime Pontio Pilato nye nutodziɖula le Yudea, eye Herodes*+ nye Galilea nutoa dzi ɖula, nɔvia Filipo nye Iturea kple Trakoniti nutoawo dzi ɖula, eye Lisania nye Abilene nutoa dzi ɖula, 2 le Kayafa+ kple nunɔlagã Ana ŋɔli la, Mawu ƒe gbe va na Yohanes,+ Zakariya vi, le gbedadaƒo.+

3 Ale Yohanes tsa to Yordan nutoa katã me le gbeƒã ɖem nyɔnyrɔxɔxɔ, si nye dzimetɔtrɔ hena nu vɔ̃wo tsɔtsɔ ke ƒe dzesi,+ 4 abe ale si woŋlɔe ɖe nyagblɔɖila Yesaya ƒe agbalẽa me ene be: “Ame aɖe le ɣli dom le gbedzi be: ‘Midzra Yehowa* ƒe mɔ dzi ɖo! Mina eƒe mɔwo nadzɔ.+ 5 Woaxe baliwo katã, eye woana to sia to kple togbɛ sia togbɛ nazu sɔsɔeƒe; mɔ gɔglɔ̃wo nadzɔ, eye teƒe glidzaglidzawo nazu mɔ zɔzrɔ̃ewo; 6 eye ŋutilãwo* katã akpɔ Mawu ƒe xɔxɔ la.’”*+

7 Azɔ ebia ameha siwo va egbɔ be wòanyrɔ yewo la be: “Mi dzakpatawo ƒe dzidzimeviwo, ame kae xlɔ̃ nu mi be miasi le dziku si gbɔna la nu?+ 8 Eya ta mitse ku siwo dze dzimetɔtrɔ. Miganɔ gbɔgblɔm le mia ɖokuiwo me be, ‘Abraham ye nye mía fofo’ o. Elabena mele egblɔm na mi be, Mawu ate ŋu ana viwo nado tso kpe siawo me na Abraham. 9 Le nyateƒe me la, wotsɔ fía ɖo atiawo ƒe ke dzi xoxo. Eya ta ati sia ati si metsea ku nyui o la, woalãe ade dzo me.”+

10 Eye amehawo bianɛ be: “Ekema, nu kae míawɔ?” 11 Eɖoa eŋu na wo be: “Ame si si awu eve le la nena ɖeka ame si si ɖeke mele o, eye ame si si nuɖuɖu le hã newɔ nenema ke.”+ 12 Adzɔxɔlawo gɔ̃ hã va be wòanyrɔ yewo,+ eye wobiae be: “Nufiala, nu kae míawɔ?” 13 Egblɔ na wo be: “Migaxɔ adzɔ wòawu esi woɖo ɖi la o.”+ 14 Asrafowo hã bianɛ be: “Nu kae míawɔ?” Eye wògblɔna na wo be: “Migawɔ ŋlɔmi le ame aɖeke ŋu o,* eye migatso ame aɖeke nu alakpatɔe o,+ ke boŋ nu* siwo wonana mi la nadze mia ŋu.”

15 Ke ameawo katã le mɔkpɔkpɔ me, eye wole bubum le woƒe dzi me tso Yohanes ŋu be, “Alo eyae nye Kristo la?”+ 16 Ke Yohanes gblɔ na wo katã be: “Nye la, metsɔ tsi le mia nyrɔm, ke ame si tri akɔ wum la gbɔna, ame si ƒe afɔkpaka nyemedze atu o.+ Eya atsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe kple dzo anyrɔ mi.+ 17 Eƒe lugbɔnu le esi, be wòakplɔ eƒe nukuƒoƒe keŋkeŋ, eye wòaƒo lu la nu ƒu ɖe eƒe nudzraɖoƒe, ke tsroa ya la, atɔ dzoe kple dzo si womatsi o.”

18 Egaxlɔ̃ nu ameawo le nu bubu geɖewo ŋuti, eye wòle nya nyui la gblɔm na wo. 19 Ke esi Yohanes ka mo na nutodziɖula Herodes le nɔvia srɔ̃ Herodia kple nu vɔ̃ɖi siwo katã Herodes wɔ ŋuti la, 20 nu vɔ̃ɖi bubu si wògawɔ kpe ɖe esiawo ŋu lae nye be elé Yohanes de gaxɔ me.+

21 Ke esi wonyrɔ ameawo katã vɔ la, wonyrɔ Yesu hã.+ Esi wòle gbe dom ɖa la, dziƒo nu ʋu,+ 22 eye gbɔgbɔ kɔkɔe la ɖi ɖe edzi abe ahɔnɛ ƒe nɔnɔme ene, eye gbe aɖe ɖi tso dziƒo be: “Wòe nye Vinye si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o; wò nu dzea ŋunye.”+

23 Esi Yesu+ dze eƒe dɔa gɔme la, exɔ abe ƒe blaetɔ̃ ene,+ eye le amewo ƒe susu nu la, enye

Yosef+ vi,

Eli vi,

24 Matat vi

Lewi vi,

Melki vi,

Yanai vi,

Yosef vi,

25 Matatia vi,

Amos vi,

Nahum vi,

Esli vi,

Nagai vi,

26 Maat vi,

Matatia vi,

Semeyin vi,

Yosek vi,

Yoda vi,

27 Yoanan vi,

Resa vi,

Zerubabel+ vi,

Sealtiel+ vi,

Neri vi,

28 Melki vi,

Adi vi,

Kosam vi,

Elmadam vi,

Er vi,

29 Yesu vi,

Eliezer vi,

Yorim vi,

Matat vi,

Lewi vi,

30 Simeon vi,

Yuda vi,

Yosef vi,

Yonam vi,

Eliyakim vi,

31 Melea vi,

Mena vi,

Matata vi,

Natan+ vi,

David+ vi,

32 Isai+ vi,

Obed+ vi,

Boaz+ vi,

Salmon+ vi,

Nahason+ vi,

33 Aminadab vi,

Arni vi,

Hezron vi,

Perez+ vi,

Yuda+ vi,

34 Yakob+ vi,

Isak+ vi,

Abraham+ vi,

Tera+ vi,

Nahor+ vi,

35 Serug+ vi,

Reu+ vi,

Peleg+ vi,

Eber+ vi,

Sela+ vi,

36 Kainan vi,

Arpaksad+ vi,

Sem+ vi,

Noa+ vi,

Lamek+ vi,

37 Metusala+ vi,

Enok vi,

Yared+ vi,

Mahalaleel+ vi,

Kainan+ vi,

38 Enos+ vi,

Set+ vi,

Adam+ vi,

Mawu ƒe vi.

4 Ke Yesu si gbɔgbɔ kɔkɔe yɔ fũu la trɔ tso Yordan-tɔsisia nu, eye gbɔgbɔ la kplɔe yi teƒeteƒewo le gbedadaƒo+ 2 ŋkeke blaene, eye Abosam tee kpɔ.+ Meɖu naneke hã le ŋkeke mawo me o, eya ta esi ŋkekeawo wu enu la, dɔ wui. 3 Eye Abosam gblɔ nɛ be: “Ne Mawu ƒe vie nènye la, ekema gblɔ na kpe sia be wòatrɔ azu abolo.” 4 Ke Yesu ɖo eŋu nɛ be: “Woŋlɔ ɖi be, ‘Menye abolo ɖeɖe ko nu amegbetɔ anɔ agbe ɖo o.’”+

5 Ekplɔe yi teƒe kɔkɔ aɖe eye wòɖe anyigbadzifiaɖuƒewo katã fiae le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me.+ 6 Eye Abosam gblɔ nɛ be: “Matsɔ ŋusẽ siawo katã kple woƒe ŋutikɔkɔe ana wò, elabena nyee wotsɔe de asi na,+ eye matsɔ wo ana ame sia ame si melɔ̃. 7 Eya ta wò la, ne ède ta agu nam la, wo katã azu tɔwò.” 8 Yesu ɖo eŋu nɛ be: “Woŋlɔ ɖi be, ‘Yehowa* wò Mawue nàde ta agu na, eye eya ɖeka koe nàsubɔ.’”*+

9 Egakplɔe yi Yerusalem eye wòtsɔe ɖo gbedoxɔ la tame* hegblɔ nɛ be: “Ne Mawu ƒe vie nènye la, ekema ti kpo tso afi sia nàɖadze anyigba,+ 10 elabena woŋlɔ ɖi be, ‘Ade se na eƒe dɔlawo le ŋutiwò, be woakpɔ tawò,’ 11 eye, ‘Woaxe wò kple woƒe asiwo be nàgatsɔ wò afɔ axlã ɖe kpe o.’”+ 12 Yesu ɖo eŋu nɛ be: “Wogblɔ be, ‘Mègate Yehowa* wò Mawu kpɔ o.’”+ 13 Eye esi Abosam wu tetekpɔawo katã nu la, edzo le egbɔ hena ɣeyiɣi bubu si agasɔ nɛ.+

14 Eye Yesu gbugbɔ yi Galilea le gbɔgbɔ la ƒe ŋusẽ me.+ Eŋu nya nyui ɖi hoo le afi ma nutoa katã me. 15 Eye wòde asi nufiafia me le woƒe ƒuƒoƒewo, eye amewo katã kafui.

16 Eyi Nazaret,+ afi si wonyii le, eye abe ale si wòlɔ̃a wɔwɔ le Sabat ŋkeke dzi ene la, eyi ƒuƒoƒe la,+ eye wòtsi tsitre be yeaxlẽ nu. 17 Eya ta wotsɔ nyagblɔɖila Yesaya ƒe agbalẽ xatsaxatsa la nɛ, eye wòʋu agbalẽ xatsaxatsa la hekpɔ teƒe si woŋlɔ ɖo be: 18 “Yehowa* ƒe gbɔgbɔ le dzinye, elabena esi ami nam be magblɔ nya nyui na ame dahewo. Edɔm be maɖe gbeƒã ablɔɖe na ame siwo woɖe aboyoe, mana ŋkuagbãtɔwo nakpɔ nu, mana ablɔɖe ame siwo wote ɖe anyi,+ 19 eye maɖe gbeƒã Yehowa* ƒe amenuveƒe la.”+ 20 Azɔ eŋlɔ́ agbalẽa hetsɔe de asi na subɔvi la, eye wòbɔbɔ nɔ anyi; eye ame siwo katã le ƒuƒoƒea la fɔ ŋku ɖe edzi dzoɣlii. 21 Eye wògblɔ na wo be: “Ŋɔŋlɔ sia si miese fifi laa la va eme egbea.”+

22 Eye wo katã woɖi ɖase nyui tso eŋu, eye nya vivi siwo le dodom le eƒe nu me la wɔ nuku na wo,+ eye wobia be: “Menye Yosef ƒe vi lae nye esia oa?”+ 23 Egblɔ na wo be: “Ðikeke aɖeke mele eme o be miagblɔ nya sia ɖe ŋunye be, ‘Gbedala, da gbe le ɖokuiwò ŋu. Nu siwo míese be wodzɔ le Kapernaum la, wɔ wo le mia de afi sia hã.’”+ 24 Eya ta egblɔ na wo be: “Vavã mele egblɔm na mi be, womexɔa nyagblɔɖila aɖeke le wo de o.+ 25 Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be, ahosi geɖewo nɔ Israel le Eliya ŋɔli esime wotu dziƒo nu ƒe etɔ̃ kple ɣleti ade, ale be dɔ gã aɖe to le anyigba ma katã dzi.+ 26 Gake womedɔ Eliya ɖe nyɔnu mawo dometɔ aɖeke gbɔ o, negbe ɖe ahosi aɖe si le Zarefat le Sidon-nyigba dzi la gbɔ ko.+ 27 Nenema kee anyidɔléla* geɖewo nɔ Israel le nyagblɔɖila Elisa ŋɔli; gake womekɔ wo dometɔ aɖeke ŋuti o,* negbe Siriatɔ Naaman ko.”+ 28 Ke ame siwo katã le ƒuƒoƒea le nya siawo sem la do dziku helĩhelĩ,+ 29 eye wotso hetutui kabakaba do goe le dua me, eye wokplɔe va ɖo to si dzi wotsò woƒe dua ɖo la tame be yewoatu asi ʋume nɛ ɖo ɖe aga me. 30 Ke eto wo dome dzo.+

31 Eye wòɖi va Galilea du si nye Kapernaum me. Efia nu wo le Sabat dzi,+ 32 eye woƒe nu ku le ale si wòfia nui ta,+ elabena eƒo nu kple ŋusẽ. 33 Azɔ ŋutsu aɖe si me gbɔgbɔ makɔmakɔ aɖe le la le ƒuƒoƒe la, eye wòdo ɣli sesĩe be:+ 34 “Agoo gbɔ! Nya kae le mí kpli wò dome, wò, Yesu Nazaretetɔ?+ Ðe nèva be yeatsrɔ̃ mía? Menya ame si tututu nènye. Mawu ƒe Kɔkɔetɔ lae nènye.”+ 35 Ke Yesu ka mo nɛ be: “Zi ɖoɖoe, eye nàdo go le eme.” Eye esi gbɔgbɔ vɔ̃ la tsɔ amea xlã ɖe anyi le wo dome la, edo go le eme, eye mewɔ nu vevi aɖekee o. 36 Esia wɔ moyaa na wo katã, eye wogblɔ na wo nɔewo be: “Nya kae nye esia? Elabena ŋusẽ le esi wòɖea gbe na gbɔgbɔ makɔmakɔwo, eye wodoa go!” 37 Ale eŋu nya kaka le nuto ma katã me.

38 Esi wòdzo le ƒuƒoƒea la, eva Simon ƒe me. Ke asrã* sesẽ aɖe lé Simon lɔ̃xo, eye woɖe kuku nɛ be wòakpe ɖe eŋu.+ 39 Yesu tsi tsitre, ebi ɖe edzi, eye wòblu ɖe asrã la ta, eye asrã la dzo le edzi. Enumake nyɔnua fɔ hede asi wo subɔsubɔ me.

40 Ke esi ɣe le to ɖom la, ame siwo si dɔ vovovo lélawo le la kplɔ wo va egbɔ. Eda eƒe asiwo ɖe wo dometɔ ɖe sia ɖe dzi heda dɔa na wo.+ 41 Gbɔgbɔ vɔ̃wo hã doa go le ame geɖewo me hedoa ɣli be: “Wòe nye Mawu ƒe Vi la.”+ Ke ekaa mo na wo, eye meɖea mɔ na wo be woaƒo nu o,+ elabena wonya be eyae nye Kristo la.+

42 Esi ŋu ke la, edzo yi teƒe aɖe si ame aɖeke mele o.+ Ke amehawo dii heva afi si wòle, eye wodi be yewoasikae ɖi be wòagadzo le yewo gbɔ o. 43 Ke egblɔ na wo be: “Ele nam be magblɔ Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui la na du bubuwo hã, elabena esia tae wodɔm ɖo.”+ 44 Eya ta eyi edzi ɖe gbeƒã le ƒuƒoƒewo le Yudea.

5 Gbe ɖeka Yesu le tsitre ɖe Genezaret-ta* la to, eye ameha la mimii ɖo hele Mawu ƒe Nya la sem.+ 2 Eye wòkpɔ tɔdziʋu eve le ta la to, ɖɔkplɔlawo do go le wo me hele woƒe ɖɔwo kpalam.+ 3 Esi wòge ɖe tɔdziʋuawo dometɔ ɖeka, si nye Simon tɔ me la, ebia tso esi be wòakui ate ɖa le goa ŋu vie. Azɔ enɔ anyi ɖe tɔdziʋua me, eye wòde asi nufiafia amehawo me. 4 Esi wòwu nuƒoa nu la, egblɔ na Simon be: “Ku ʋua yi afi si goglo, ne miaɖi miaƒe ɖɔawo aɖe lã.” 5 Ke Simon ɖo eŋu nɛ be: “Nufiala, míeku kutri zã blibo la katã, ke míeɖe naneke o,+ gake maɖi ɖɔawo le wò nya la nu.” 6 Eye esi woɖi ɖɔawo la, woɖe lã geɖe ale gbegbe be ɖeko woƒe ɖɔawo de asi vuvu me.+ 7 Eya ta womia asi wo tɔ siwo le tɔdziʋu kemɛa me be woava kpe ɖe yewo ŋu, eye wova, eye woɖe lãwo de ʋu eveawo me woyɔ fũu, ale be wode asi toyiyi me. 8 Esi Simon Petro kpɔ esia la, edze klo ɖe Yesu ŋkume gblɔ be: “Aƒetɔ, dzo le gbɔnye, elabena nu vɔ̃ wɔlae menye.” 9 Elabe lã siwo woɖe la wɔ nuku na eya kple ame siwo katã le egbɔ, 10 nenema kee wòwɔ nuku na Yakobo kple Yohanes, ame siwo nye Zebedeo viwo+ eye woganye Simon ƒe hadɔwɔlawo hã. Ke Yesu gblɔ na Simon be: “Mègavɔ̃ o. Tso fifia dzi la, ànɔ amewo ɖem agbagbee.”+ 11 Ale woku tɔdziʋuawo va ɖi go, eye wogblẽ nu sia nu ɖi hedze eyome.+

12 Ɣebubuɣi esi wòle duawo dometɔ ɖeka me la, kpɔ ɖa, ŋutsu aɖe si anyidɔ* xɔ ŋuti katã na lae nye esi! Esi wòkpɔ Yesu la, etsyɔ mo anyi ɖe eŋkume heɖe kuku nɛ be: “Aƒetɔ, ne èlɔ̃ ko la, àte ŋu ana ŋutinye nakɔ.”+ 13 Ale wòdo asi ɖa ka asi eŋu gblɔ be: “Melɔ̃! Ŋutiwò nekɔ.” Enumake anyidɔ la vɔ nɛ.+ 14 Eye wòde se na amea be megagblɔe na ame aɖeke o. Egblɔ nɛ be: “Heyi nàtsɔ ɖokuiwò afia nunɔla, eye nàsa vɔ atsɔ akɔ ɖokuiwò ŋu abe ale si Mose de see ene,+ be wòanye kpeɖodzi na wo.”+ 15 Ke Yesu ŋuti nya le kakam ɖe edzi geɖe wu, eye ameha geɖewo va ƒoa ƒu be yewoaɖo toe, eye wòada yewoƒe dɔwo na yewo.+ 16 Ke hã edzona yia gbedadaƒo ɖadoa gbe ɖa.

17 Esi wònɔ nu fiam le ŋkeke mawo dometɔ ɖeka dzi la, Farisitɔwo kple Sefiala siwo tso Galilea kple Yudea kpakple Yerusalem duwo katã me la bɔbɔ nɔ afi ma; eye Yehowa* na ŋusẽe be wòada dɔ.+ 18 Eye kpɔ ɖa, ŋutsuwo kɔ lãmetututɔ aɖe ɖe aba dzi vɛ, eye wodze agbagba be yewoakɔe ava afi si Yesu le ahadae ɖe eŋkume.+ 19 Ke esi womekpɔ mɔ aɖeke kɔe ge ɖe xɔa me o le ameha ta la, wolia xɔ la tame, eye woɖiɖi ŋutsua kple aba la to xɔgbakpeawo dome ɖe ame siwo le Yesu ŋkume la dome. 20 Esi wòkpɔ woƒe xɔse la, egblɔ be: “Ŋutsu, wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò.”+ 21 Enumake agbalẽfialawo kple Farisitɔwo de asi wo nɔewo biabia me be: “Ame kae nye esi le busunyawo gblɔm ale? Ame kae ate ŋu atsɔ nu vɔ̃ ake, ne menye Mawu ɖeka ko oa?”+ 22 Ke esi Yesu nya be wole tame bum alea la, ebia wo be: “Nu ka ŋu bum miele le miaƒe dziwo me? 23 Kae bɔbɔ wu, be woagblɔ be, ‘Wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò’ loo, alo be woagblɔ be, ‘Tso nàzɔ’? 24 Ke be miadze sii be ŋusẽ le Amegbetɔvi la si be wòatsɔ nu vɔ̃wo ake le anyigba dzi . . .” egblɔ na lãmetututɔa be: “Mele egblɔm na wò be, Tso nàtsɔ wò aba, eye nàyi aƒewò me.”+ 25 Ale wòtso le wo ŋkume, tsɔ eƒe aba, eye wòɖo ta aƒe me hele Mawu kafum. 26 Ewɔ nuku na wo katã ale gbegbe, eye vɔvɔ̃ ɖo wo, ale wokafu Mawu gblɔ be: “Míekpɔ nu wɔnukuwo egbea lo!”

27 Ke le nu sia megbe la, edo go, eye wòkpɔ adzɔxɔla aɖe si ŋkɔe nye Lewi wòbɔbɔ nɔ adzɔxɔƒe, eye wògblɔ nɛ be: “Dze yonyeme.”*+ 28 Eye wògblẽ nu sia nu ɖi tso dze eyome. 29 Lewi ɖo kplɔ̃ gã aɖe nɛ le eƒe me, eye adzɔxɔla geɖe kple ame bubuwo le kplɔ̃a ŋu le nuɖuƒea kpli wo.+ 30 Eya ta Farisitɔwo kple woƒe agbalẽfialawo lĩ liʋiliʋĩ hebia eƒe nusrɔ̃lawo be: “Nu ka tae mieɖua nu, eye mienoa nu kple adzɔxɔlawo kpakple nu vɔ̃ wɔlawo?”+ 31 Yesu ɖo eŋu na wo be: “Ame siwo le lãmesẽ me la mehiã gbedala o, negbe ame siwo le dɔ lém ko.+ 32 Menye ame dzɔdzɔewo yɔ gee meva o, ke boŋ nu vɔ̃ wɔlawo yɔ gee meva be woatrɔ dzi me.”+

33 Wogblɔ nɛ be: “Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo tsia nu dɔna edziedzi henɔa kokoƒoƒo dzi, eye Farisitɔwo ƒe nusrɔ̃lawo hã wɔna nenema ke, gake tɔwòwo ya ɖua nu noa nu.”+ 34 Yesu ɖo eŋu na wo be: “Ðe ŋugbetɔsrɔ̃ xɔlɔ̃wo atsi nu adɔ esime ŋugbetɔsrɔ̃ la le wo gbɔa? 35 Ke ŋkekewo li gbɔna, esime woakplɔ ŋugbetɔsrɔ̃+ la adzoe le wo gbɔ; ekema woatsi nu adɔ le ŋkeke mawo me.”+

36 Egado lo aɖe hã na wo be: “Ame aɖeke melãa awudziwui yeye tsɔ kaa awudziwui xoxo o. Ne ewɔe nenema la, yeyea ƒe kakɛa aho ɖa, eye masɔ ɖe awu xoxoa nu o.+ 37 Azɔ hã, ame aɖeke mekɔa wain yeye ɖe lãgbalẽgolo xoxowo me o. Ne ewɔe nenema la, wain yeye la ana goloawo nawó, eye wòaƒu gbe, eye lãgbalẽgoloawo dome agblẽ. 38 Ke boŋ wokɔa wain yeye ɖe lãgbalẽgolo yeyewo me. 39 Ame aɖeke menoa wain xoxo vɔ gadia yeyea o, elabena egblɔna be: ‘Xoxoa nyo.’”

6 Gbe ɖeka esi Yesu to lugble aɖewo me va yina le sabat aɖe dzi la, eƒe nusrɔ̃lawo ŋe luwo,+ eye wotugui kple asi nɔ ɖuɖum.+ 2 Eya ta Farisitɔ aɖewo bia wo be: “Nu ka tae miele nu si mele se nu o wɔm le Sabat dzi?”+ 3 Ke Yesu ɖo eŋu na wo be: “Ðe miexlẽ nu si David wɔ, esime dɔ wu eya kple eŋutimewo,+ kple 4 ale si wòge ɖe Mawu ƒe aƒe la me, xɔ ŋkumeɖobolowo heɖu, eye wòna ɖe eŋutimewo hã, evɔ se meɖe mɔ na ame aɖeke be wòaɖu wo o, negbe nunɔlawo ko la oa?”+ 5 Eye wògblɔ na wo be: “Sabat la ƒe Aƒetɔe Amegbetɔvi la nye.”+

6 Le sabat bubu aɖe dzi la,+ eyi ƒuƒoƒe la eye wòde asi nufiafia me. Eye ŋutsu aɖe si titi* lé nuɖusi na* la le afi ma.+ 7 Eya ta agbalẽfialawo kple Farisitɔwo le ŋku lém ɖe Yesu ŋu tututu be yewoakpɔe ɖa be ada dɔ le Sabat la dzi hã, ne yewoatsɔ nya ɖe eŋu. 8 Ke esi wònya woƒe tamesusuwo ta la,+ egblɔ na ame si titi lé asi na* la be: “Tso nàva tɔ ɖe titina.” Eye wòtso yi ɖatsi tsitre ɖe afi ma. 9 Azɔ Yesu gblɔ na wo be: “Mabia mi se: Ðe se ɖe mɔ be woawɔ nu nyui alo awɔ nu vɔ̃ɖi le Sabat dzi, be woaɖe agbe* aɖe loo alo atsrɔ̃ea?”+ 10 Esi wòtsa ŋku le wo dzi godoo la, egblɔ na amea be: “Mlo asi.” Emloe, eye eƒe asi la ɖɔ ɖo. 11 Ke wodo dziku helĩhelĩ, eye wode adaŋu le wo nɔewo dome le nu si woawɔ Yesu la ŋuti.

12 Le ŋkeke mawo me la, eyi to la dzi be yeado gbe ɖa,+ eye wòdo gbe ɖa na Mawu zã bliboa katã.+ 13 Esi ŋu ke la, eyɔ eƒe nusrɔ̃lawo va eɖokui gbɔ, eye wòtia ame wuieve le wo dome, eye wòna ŋkɔ wo be apostolowo.+ 14 Woƒe ŋkɔwoe nye: Simon si wòna ŋkɔe be Petro kple nɔvia Andrea, Yakobo, Yohanes, Filipo,+ Bartolomeo, 15 Mateo, Toma,+ Yakobo, Alfeo vi, Simon si woyɔna be “veviedola la,” 16 Yuda, Yakobo vi, kple Yuda Iskariot, ame si va zu yomemɔfiala.

17 Eye Yesu ɖi tso to la dzi kpli wo heva tɔ ɖe gbadzaƒe aɖe, eye eƒe nusrɔ̃lawo ƒe ha gã aɖe kple ameha gã aɖe nɔ eŋu siwo tso Yudea katã kple Yerusalem kpakple Tiro kple Sidon ƒutanutowo me va be yewoaɖo toe eye wòada yewoƒe dɔwo na yewo. 18 Eda dɔ na ame siwo gbɔgbɔ makɔmakɔwo le fu ɖem na la gɔ̃ hã. 19 Eye ameha blibo la le didim be yewoaka asi eŋu, elabena ŋusẽ doa go le eme+ daa gbe le wo katã ŋu.

20 Eye wòfɔ kɔ dzi kpɔ eƒe nusrɔ̃lawo hede asi gbɔgblɔ me be:

“Dzidzɔtɔwoe nye mi ame dahewo, elabena mia tɔe nye Mawu Fiaɖuƒe la.+

21 “Dzidzɔtɔwoe nye mi ame siwo dɔ le wuwum fifia, elabena miava ɖi ƒo.+

“Dzidzɔtɔwoe nye mi ame siwo le avi fam fifia, elabena miava ko nu.+

22 “Dzidzɔtɔwoe mienye ne amewo lé fu mi,+ eye woɖe mi le ha me,+ eye wodzu mi heƒo ɖi miaƒe ŋkɔ abe vɔ̃wɔlawo ene le Amegbetɔvi la ta. 23 Mitso aseye gbe ma gbe, eye migli kple dzidzɔ, elabena kpɔ ɖa, miaƒe fetu lolo le dziƒo, elabe nu mawo kee wo tɔgbuiwo wɔ nyagblɔɖilawo.+

24 “Ke baba na mi kesinɔtɔwo,+ elabena miele miaƒe akɔfafa katã kpɔm xoxo.+

25 “Baba na mi ame siwo ɖi ƒo fifia, elabena dɔ ava wu mi.

“Baba na mi ame siwo le nu kom fifia, elabena miava fa konyi ahafa avi.+

26 “Baba na mi, ne amewo katã ƒoa nu nyui le mia ŋu,+ elabena nu siawoe wo tɔgbuiwo wɔ na aʋatsonyagblɔɖilawo.

27 “Ke mele egblɔm na mi ame siwo le to ɖom la be: Miyi edzi mialɔ̃ miaƒe futɔwo, miawɔ nyui na ame siwo léa fu mi,+ 28 miyra ame siwo ƒoa fi dea mi, minɔ gbe dom ɖa ɖe ame siwo dzua mi la ta.+ 29 Ne ame aɖe ƒo tome na wò la, trɔ evelia hã nɛ; eye ne ame aɖe xɔ wò awudziwui la, mègagbe awutewui la hã tsɔtsɔ nɛ o.+ 30 Na nu ame sia ame si le nu biam wò,+ eye ame si tsɔ wò nuwo dzoe la, mègabia be wòagbugbɔ wo avɛ na ye o.

31 “Eye ale si ko miedina be amewo nawɔ na mi la, miwɔ nenema ke na wo.+

32 “Ne ame siwo lɔ̃a mi koe mielɔ̃na ɖe, kafukafu kae wònye na mi? Elabena nu vɔ̃ wɔlawo kura gɔ̃ hã lɔ̃a ame siwo lɔ̃a wo.+ 33 Eye ne miewɔa nyui na ame siwo wɔa nyui na mi ɖe, kafukafu ka wònye na mi? Nu vɔ̃ wɔlawo kura gɔ̃ hã wɔna nenema ɖe. 34 Eye ne miedoa nu* na ame siwo miekpɔa mɔ be woaxee na mi la, kafukafu kae wònye na mi?+ Nu vɔ̃ wɔlawo kura gɔ̃ hã doa nu na nu vɔ̃ wɔlawo hekpɔa mɔ be woava xee ɖe eteƒe na yewo pɛpɛpɛ. 35 Ke boŋ miyi edzi mialɔ̃ miaƒe futɔwo, eye miwɔ nyui, mido nu na ame, eye miganɔ mɔ kpɔm be woaxee ɖe eteƒe na yewo o;+ ekema miaƒe fetu alolo, eye mianye Dziƒoʋĩtɔ la ƒe viwo, elabena enyoa dɔme na ame madakpewo kple ame vɔ̃ɖiwo.+ 36 Minɔ nublanui kpɔm na amewo, abe ale si ko mia Fofo kpɔa nublanui ene.+

37 “Azɔ hã midzudzɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ ame, ekema womadrɔ̃ ʋɔnu mi o;+ midzudzɔ fɔbubu ame, ekema womabu fɔ mi o. Mitsɔ nɔ amewo kem,* ekema woatsɔ ake miawo hã.*+ 38 Minɔ nu nam amewo, eye amewo ana nu mi.+ Woadzidze nu nyuie, atee, aʋuʋui wòagbagba akɔ ɖe avɔ me na mi. Elabena dzidzenu si mietsɔ le nu dzidzem na amewo la kee woatsɔ adzidzee na mi.”

39 Azɔ edo lo aɖe hã na wo be: “Ðe ŋkuagbãtɔ ate ŋu akplɔ ŋkuagbãtɔa? Ðe wo kple evea siaa madze do me oa?+ 40 Nusrɔ̃vi mewua eƒe nufiala o, ke ame sia ame si wofia nui nyuie la anɔ abe eƒe nufiala ene. 41 Ekema nu ka tae nèkpɔa ati fefee si le nɔviwò ƒe ŋku dzi, gake mèkpɔa atikpo si le wò ŋutɔ wò ŋku dzi ya o?+ 42 Aleke wɔ nàgblɔ na nɔviwò be, ‘Nɔvinye, na maɖe ati fefee si le ŋku dzi na wò,’ evɔ wò ŋutɔ mèle atikpo si le wò ŋku dzi la kpɔm o? Alakpanuwɔla! Ðe atikpo la ɖa le wò ŋutɔ wò ŋku dzi gbã, ekema àte ŋu akpɔ nu nyuie aɖe ati fefee si le nɔviwò ƒe ŋku dzi la.

43 “Elabena ati nyui aɖeke meli si tsea ku manyomanyo o, eye ati manyomanyo aɖeke meli si tsea ku nyui o.+ 44 Elabena ati sia ati ƒe tsetsee wotsɔna dzea sii.+ Le kpɔɖeŋu me, womegbea gbowo le srẽwo dzi o, eye wometsoa wainkpowo le aŋɔkawo dzi o. 45 Ame nyui ɖea nu nyui doa goe tso eƒe dzi ƒe nu nyui dzraɖoƒe, ke ame vɔ̃ɖi ɖea nu vɔ̃ɖi doa goe tso eƒe nu vɔ̃ɖi dzraɖoƒe; elabena nu si yɔ ame ƒe dzi me lae eƒe nu gblɔna.+

46 “Ke nu ka ŋutie miele yɔyem be ‘Aƒetɔ! Aƒetɔ!’ evɔ miewɔa nya siwo megblɔna ya dzi o?+ 47 Ame sia ame si vaa gbɔnye, eye wòsea nye nyawo hewɔa wo dzi la, mafia ame si wòɖi la mi:+ 48 Eɖi ame aɖe si le xɔ tum, eɖe do wògoglo, eye wòɖo egɔme anyi ɖe agakpe dzi. Ke esi tɔ ɖɔ la, tɔɖɔɖɔ la va lɔ xɔ ma, gake mete ŋu ʋuʋui o, elabena wotui nyuie.+ 49 Ke ame si senɛ gake mewɔa edzi o la+ ɖi ame si tu xɔ ɖe anyigba, eye meɖo gɔmeɖoanyi nɛ o. Tɔ ɖɔ va lɔ xɔ la, eye wòmu enumake hegbã gudugudu.”

7 Esi Yesu gblɔ nya siwo le esi na ameawo vɔ la, edzo yi Kapernaum. 2 Ke asrafomegã aɖe ƒe kluvi, si gbɔ melɔ̃a nu le o la, dze dɔ vevie, eye wòɖo kudo nu.+ 3 Esi wòse Yesu ŋkɔ la, edɔ Yudatɔwo ƒe dumegãwo ɖe egbɔ be woaɖe kuku nɛ ne wòava da gbe le yeƒe kluvia ŋu. 4 Wova Yesu gbɔ va ɖe kuku nɛ vevie be: “Ame sia dze nàwɔ nu sia nɛ, 5 elabena elɔ̃ míaƒe dukɔa, eye eyae tu míaƒe ƒuƒoƒea.” 6 Eya ta Yesu tso kplɔ wo ɖo. Ke esi wòle aƒea gogom la, asrafomegã la dɔ exɔlɔ̃wo ɖe egbɔ be woagblɔ nɛ be: “Aƒetɔ, mègaxa ɖe fu na ɖokuiwò o, elabena nyemedze be nàva aƒenye me o.+ 7 Esia tae nyemebu ɖokuinye be medze ava gbɔwò o. Ke boŋ ɖe gbe ko, eye nye subɔvi la ƒe lãme asẽ. 8 Elabena nye hã mele ame aɖe ƒe ŋusẽ te, eye asrafowo le nye hã tenye, eye megblɔna na ame sia be, ‘Heyi!’ eye wòyina, megblɔna na ame bubu be, ‘Va!’ eye wòvana, eye megblɔna na nye kluvi be, ‘Wɔ esia!’ eye wòwɔnɛ.” 9 Esi Yesu se nya siawo la, ŋutsua ƒe nu wɔ nuku nɛ, eye wòtrɔ ɖe ameha si kplɔe ɖo la ŋu gblɔ be: “Mele egblɔm na mi be, nyemekpɔ xɔse gã sia tɔgbi le Israel gɔ̃ hã kpɔ o.”+ 10 Eye esi ame siwo wodɔ la trɔ yi aƒea me la, wokpɔe be kluvi la ƒe lãme sẽ.+

11 Le esia megbe kpuie la, Yesu dze mɔ yina du aɖe si woyɔna be Nain me, eye eƒe nusrɔ̃lawo kple ameha gã aɖe le eyome. 12 Esi wògogo dua ƒe agbo nu la, kpɔ ɖa, wokɔ ame kuku aɖe si nye vi ɖeka hɔ̃* na dadaa la va yina.+ Ahosi hãe dadaa nye. Ameha gã aɖe hã tso dua me kplɔ nyɔnua ɖo. 13 Esi Aƒetɔ la kpɔ nyɔnua la, eƒe nu wɔ nublanui nɛ,+ eye wògblɔ nɛ be: “Dzudzɔ avifafa.”+ 14 Eye wòte ɖe amekukutsɔnu la ŋu heka asi eŋu, ale be etsɔlawo tɔ. Eye wògblɔ be: “Ðekakpui, mele egblɔm na wò be, fɔ!”+ 15 Eye ame kuku la fɔ bɔbɔ nɔ anyi hede asi nuƒoƒo me, eye Yesu tsɔe na dadaa.+ 16 Ale vɔvɔ̃ ɖo wo katã, eye wode asi Mawu kafukafu me be: “Wona nyagblɔɖila gã aɖe do le mía dome,”+ eye “Mawu trɔ susu ɖe eƒe dukɔ la ŋu.”+ 17 Eye eŋuti nya sia kaka yi Yudea katã kple nuto siwo katã ƒo xlãe la me.

18 Eye Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo va gblɔ nya siawo katã nɛ.+ 19 Eya ta Yohanes yɔ eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ eve hedɔ wo ɖe Aƒetɔ la gbɔ be woabiae be: “Wòe nye Ame Si Gbɔna laa,+ alo ɖe míakpɔ mɔ na ame bubua?” 20 Esi ŋutsuawo va egbɔ la, wogblɔ be: “Yohanes Amenyrɔɖetsimela dɔ mí ɖe gbɔwò be míabia be, ‘Wòe nye Ame Si Gbɔna la, alo ɖe míakpɔ mɔ na ame bubua?’” 21 Le gaƒoƒo ma dzi la, eda gbe le ame geɖewo ŋu,+ eye wòyɔ dɔ ame siwo le dɔ vɔ̃ɖiwo lém, enya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le amewo me, eye wòna ŋkuagbãtɔ geɖewo hã kpɔ nu. 22 Eɖo eŋu na wo be: “Miheyi ɖagblɔ nu siwo miekpɔ kple nu siwo miese la na Yohanes: Ŋkuagbãtɔwo le nu kpɔm,+ bunɔwo le zɔzɔm, anyidɔlélawo* ŋuti le kɔkɔm, tokunɔwo le nu sem,+ wole ame kukuwo fɔm ɖe tsitre, eye wole nya nyui la gblɔm na ame dahewo.+ 23 Dzidzɔtɔe nye ame si mekpɔ nuɖiaɖia le ŋunye o.”+

24 Esi Yohanes ƒe ame dɔdɔawo dzo la, Yesu de asi gbɔgblɔ me na amehaawo tso Yohanes ŋu be: “Nu kae miedo go yi gbedzi be yewoaɖakpɔ? Aɖa si ya le ƒoƒom loo?+ 25 Ekema nu kae miedo go yi be yewoaɖakpɔ? Ame si do awu nyuiwoa?+ Kpɔ ɖa, ame siwo le awu dzeaniwo me hele agbe ɖum la le fiasãwo me. 26 Ekema nu ka tututue miedo go yi be yewoaɖakpɔ? Nyagblɔɖila? Ɛ̃, mele egblɔm na mi be ewu nyagblɔɖila sãsãsã.+ 27 Eya ŋue woŋlɔ ɖi le be: ‘Kpɔ ɖa, mele nye dɔla dɔm ɖe ŋgɔwò, ame si adzra wò mɔ dzi ɖo le ŋgɔwò.’+ 28 Mele egblɔm na mi be: Le ame siwo nyɔnuwo dzi dome la, ɖeke menye gã wu Yohanes o, gake ame si nye suetɔ le Mawu Fiaɖuƒea me la nye gã wui.”+ 29 (Esi dukɔ la kple adzɔxɔlawo se nya sia la, wolɔ̃ ɖe edzi be Mawu le dzɔdzɔe, elabena wolɔ̃ Yohanes nyrɔ wo.+ 30 Ke Farisitɔwo kple ame siwo nya Sea nyuie ya gbe Mawu ƒe aɖaŋuɖoɖo* si wòna wo la,+ elabena womelɔ̃ Yohanes nyrɔ wo o.)

31 Yesu yi edzi gblɔ be: “Ekema ame kae matsɔ dzidzime sia me tɔwo asɔ kplii, eye ame kae woɖi?+ 32 Woɖi ɖevi siwo bɔbɔ nɔ ablɔ me* eye wodo ɣli gblɔ na wo nɔewo be, ‘Míeku dze na mi, ke mieɖu ɣe o; míedzi konyifaha, ke miefa avi o.’ 33 Nenema kee Yohanes Amenyrɔɖetsimela va; meɖua nu o, menoa wain o,+ ke miegblɔna be: ‘Gbɔgbɔ vɔ̃ le eme.’ 34 Amegbetɔvi la va; eɖua nu noa nu, ke miegblɔna be: ‘Kpɔ ɖa! Nu tsu ɖula kple wain tsu nola, adzɔxɔlawo kple nu vɔ̃ wɔlawo xɔlɔ̃!’+ 35 Gake nunya ƒe viwo* katãe wotsɔ tsoa afia dzɔdzɔe nɛ.”+

36 Ke Farisitɔ aɖe nɔ ebiam enuenu be wòava ɖu nu kpli ye. Eya ta eyi Farisitɔa ƒe me, eye wòbɔbɔ nɔ kplɔ̃ ŋu. 37 Eye kpɔ ɖa, nyɔnu aɖe si wonya le dua me be enye nu vɔ̃ wɔla la se be Yesu le nu ɖum le kplɔ̃ ŋu le Farisitɔa ƒe me, eye wòtsɔ alabastrogoe si me ami ʋeʋĩ le la vɛ.+ 38 Eva le tsitre ɖe Yesu megbe le eƒe afɔ gbɔ hele avi fam, eye wòfaa aɖatsi ɖe eƒe afɔwo dzi hetsɔa eƒe taɖa tutua afɔawo ŋu. Egbugbɔ eƒe afɔwo hã, eye wòtsɔ ami ʋeʋĩ la si na wo. 39 Esi Farisitɔ si kpee la kpɔ nu sia la, egblɔ le eɖokui me be: “Ne nyagblɔɖilae ame sia nye vavã la, anye ne enya ame si ƒomevi nyɔnu sia si le asi kam eŋu la nye, anye ne adze sii be nu vɔ̃ wɔlae wònye.”+ 40 Ke Yesu gblɔ nɛ be: “Simon, nya aɖe le asinye medi be magblɔ na wò.” Eɖo eŋu be: “Nufiala, gblɔe!”

41 “Ame eve nyi fe le gadola aɖe ŋu; ame ɖeka nyi denario* alafa atɔ̃ ƒe fe, ke evelia ya nyi blaatɔ̃ ƒe fe. 42 Esi naneke mele wo si woatsɔ axe fea o ta la, etsɔe ke wo ame eve la katã faa. Ke wo dometɔ kae alɔ̃e wu?” 43 Simon ɖo eŋu be: “Mesusu be ame si wòtsɔ geɖe ke faa lae.” Egblɔ nɛ be: “Èɖo eŋu nyuie.” 44 Azɔ etrɔ ɖe nyɔnu la ŋu hegblɔ na Simon be: “Èle nyɔnu sia kpɔma? Meva aƒewò me; mèna tsim be maklɔ afɔe o. Ke nyɔnu sia fa aɖatsi ɖe nye afɔwo dzi, eye wòtsɔ eƒe taɖa tutu wo ŋu. 45 Mègbugbɔ nu nam o, ke tso esime meva la, nyɔnu sia yi edzi le nye afɔwo ŋu gbugbɔm. 46 Mèkɔ ami ɖe ta nam o, ke nyɔnu sia kɔ ami ʋeʋĩ ɖe nye afɔwo ŋu. 47 Esia ta mele egblɔm na wò be, togbɔ be eƒe nu vɔ̃wo sɔ gbɔ ŋutɔ hã la, wotsɔ wo kee,+ elabena eɖe lɔlɔ̃ geɖe fia. Ke ame si wotsɔ ʋɛ aɖe ko ke la, eɖea lɔlɔ̃ ʋɛ aɖe ko fiana.” 48 Eye wògblɔ na nyɔnua be: “Wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò.”+ 49 Ame siwo le kplɔ̃a ŋu kplii la te gbɔgblɔ le wo nɔewo dome be: “Ame kae nye ame sia si tsɔa nu vɔ̃wo gɔ̃ hã kena?”+ 50 Ke egblɔ na nyɔnu la be: “Wò xɔse ɖe wò;+ dzo yi le ŋutifafa me.”

8 Le esia megbe kpuie la, enɔ gbeƒã ɖem Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui la tso du me yi du me kple kɔƒe me yi kɔƒe me.+ Eye Ame Wuieveawo nɔ eŋu 2 hekpe ɖe nyɔnu aɖewo siwo me wònya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le eye wòda dɔ na wo la ŋu. Nyɔnu siawoe nye: Maria si woyɔna be Magdalatɔ, ame si me gbɔgbɔ vɔ̃ adre do go le; 3 Yohana,+ si nye Kuza, Herodes ƒe nuwo dzi kpɔla srɔ̃; Susana, kple nyɔnu bubu geɖe siwo tsɔ woƒe nunɔamesiwo le wo subɔm.+

4 Ke esi ameha gã aɖe hekpe ɖe ame siwo tso du vovovowo me ŋu va ƒo ƒu ɖe egbɔ la, edo lo na wo be:+ 5 “Nukuwula aɖe do go yi nuku wu ge. Esi wòle nukua wum la, ɖewo ge ɖe mɔ to, eye woɖo afɔ wo dzi, eye dziƒoxewo va mi wo.+ 6 Bubuwo ge ɖe kpenyigba dzi, eye esi womie la, woyrɔ, elabena womekpɔ tsi o.+ 7 Bubuwo hã ge ɖe ŋùwo me, eye ŋùawo mie kpli wo hevu tsyɔ wo dzi.+ 8 Ke bubuwo ge ɖe anyigba nyui dzi, eye esi womie la, wotse teƒe alafa ɖeka.”+ Esi wòle nya siawo gblɔm la, edo ɣli gblɔ be: “Ame si to senu li na la, nesee.”+

9 Ke eƒe nusrɔ̃lawo bia lododo la gɔmee.+ 10 Egblɔ be: “Miawo la, wona mi be miase Mawu Fiaɖuƒe la ƒe nya ɣaɣla kɔkɔeawo gɔme, ke ame susɔewo la, wogblɔa nyaawo na wo le lododowo me,+ ale be togbɔ be wole nu kpɔm hã la, womadze sii o, eye togbɔ be wole nu sem hã la, womase egɔme o.+ 11 Azɔ nu si lododoa fiae nye esi: Nuku lae nye Mawu ƒe nya la.+ 12 Esiwo ge ɖe mɔ to la, woawoe nye ame siwo see, ke Abosam vana, eye wòɖea nya la dzonɛ le woƒe dziwo me, be womagaxɔe ase, ne woakpɔ ɖeɖe o.+ 13 Esiwo ge ɖe kpenyigba dzi la, woawoe nye ame siwo, ne wose nyaa la, woxɔnɛ kple dzidzɔ, gake kè meli na wo o. Woxɔnɛ sena ɣeyiɣi aɖe ko, ke le dodokpɔ ƒe ɣeyiɣi me la, wodea megbe.+ 14 Ke esiwo ge ɖe ŋùwo me la woe nye ame siwo see, gake esi agbe sia me dzimaɖitsitsiwo, kesinɔnuwo+ kple dzidzɔdonamenuwo+ he wo hevu tsyɔ wo dzi keŋkeŋ ta la, wometsina tsena o.+ 15 Ke esiwo ge ɖe anyigba nyui dzi la, woawoe nye ame siwo sea nya la kple dzi nyui si nyo,+ eye woléa eme ɖe asi, eye wotsea ku le dzidodo me.+

16 “Ame aɖeke mesia akaɖi hetsyɔa nu edzi alo danɛ ɖe abati te o, ke boŋ etsɔnɛ dana ɖe akaɖiti dzi be wòaklẽ na ame siwo vaa aƒea me la.+ 17 Elabena womeɣla naneke si womava ɖe ɖe go o, eye wometsyɔ nu naneke dzi si womava nya alo ava dze le gaglãgbe o.+ 18 Eya ta milé ŋku ɖe ale si mieɖoa toe ŋu nyuie; elabena ame si si nu le la, woatsɔ geɖe akpee nɛ,+ ke ame si si nu mele o la, woaxɔ nu si wòsusu be ele ye si la gɔ̃ hã le esi.”+

19 Azɔ dadaa kple nɔviawo+ va egbɔ, gake womete ŋu te ɖe eŋu o le ameha la ta.+ 20 Ke amewo gblɔ nɛ be: “Dawò kple nɔviwòwo le tsitre ɖe xexe le didim be yewoakpɔ wò.” 21 Eɖo eŋu na wo be: “Danye kple nɔvinyewoe nye ame siawo, siwo sea Mawu ƒe nya la, eye wowɔa edzi.”+

22 Gbe ɖeka la, Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo ge ɖe tɔdziʋu aɖe me, eye wògblɔ na wo be: “Mina míayi ta la ƒe go kemɛ dzi.” Ale wodze mɔ.+ 23 Esi wole tɔdziʋua me yina la, edɔ alɔ̃. Ke ahom sesẽ aɖe tu le ta la dzi, tsi de asi tɔdziʋu la yɔyɔ me, eye woƒe agbe ɖo afɔku me.+ 24 Eya ta wova egbɔ henyɔe gblɔ be: “Nufiala, Nufiala, míeku vɔ!” Eye wòfɔ heblu ɖe ahom la kple tsi dzeagbo la ta, ale wodze akɔ anyi, eye ɖoɖoe zi toŋtoŋtoŋ.+ 25 Azɔ ebia wo be: “Afi kae miaƒe xɔse le?” Ke wovɔ̃ ale gbegbe eye woƒe nu ku, eye wogblɔ na wo nɔewo be: “Ame ka gɔ̃e nye esia? Elabena eɖea gbe na yaƒoƒo kple tsi gɔ̃ hã, eye woɖoa toe.”+

26 Emegbe wova ɖi go ɖe Gerasa nuto,+ si dze ŋgɔ Galilea la me. 27 Esi wòdo le ʋua me la, ŋutsu aɖe si me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la do tso dua me va do goe. Ɣeyiɣi didi aɖee nye ema megado awu kpɔ o, eye menɔa aƒe me o, ke boŋ yɔdowo* dome koe wònɔna.+ 28 Esi wòkpɔ Yesu la, edo ɣli sesĩe hedze klo ɖe eŋkume, eye wògblɔ sesĩe be: “Nya kae le nye kpli wò dome, Yesu, Mawu Dziƒoʋĩtɔ la ƒe Vi? Meɖe kuku na wò, mègawɔ fum o.”+ 29 (Elabena Yesu ɖe gbe na gbɔgbɔ makɔmakɔ la be wòado go le amea me. Ekpɔ ŋusẽ ɖe edzi zi geɖe,*+ eye enuenu wodea kɔsɔkɔsɔ kple kunyowui hedzɔa eŋu, gake etsoa kɔsɔkɔsɔawo heŋea kunyowuawo, eye gbɔgbɔ vɔ̃ la nyanɛ ɖona ɖe teƒe tsoabowo.) 30 Yesu biae be: “Ŋkɔwò ɖe?” Eɖo eŋu be: “Aʋakɔ,” elabena gbɔgbɔ vɔ̃ geɖewoe ge ɖe eme. 31 Eye woɖe kuku nɛ be meganya yewo ɖo ɖe aʋli la me o.+ 32 Ke hawo+ ƒe hatsotso gã aɖe le nu ɖum le afi ma le toa dzi; eya ta woɖe kuku nɛ be wòaɖe mɔ na yewo yewoayi ɖe hawo me. Eye wòɖe mɔ na wo.+ 33 Ale gbɔgbɔ vɔ̃awo do go le ame la me, eye woyi ɖe haawo me, eye haawo si du kplikplikpli to to la dzi* ge dze ta la me doo, eye wono tsi ku. 34 Ke esi hakplɔviawo kpɔ nu si dzɔ la, wosi, eye wova gblɔe na amewo le dua me kple agbletawo.

35 Eya ta amewo do go yi be yewoakpɔ nu si dzɔ. Wova Yesu gbɔ hekpɔ ŋutsu si me gbɔgbɔ vɔ̃awo do go le la wònɔ anyi ɖe Yesu ƒe afɔnu, ele awu me eye eƒe mo kɔ nyuie, eye vɔvɔ̃ ɖo wo. 36 Ame siwo kpɔ nu si dzɔ la gblɔ ale si wòyɔ dɔ ŋutsu si me gbɔgbɔ vɔ̃ nɔ la na wo. 37 Eya ta ame gbogbo siwo tso Gerasa nutoa me la katã gblɔ na Yesu be wòadzo le yewo gbɔ, elabena vɔvɔ̃ gã aɖe lé wo. Eya ta eɖo tɔdziʋu la hetrɔ dzo. 38 Ke ŋutsu si me gbɔgbɔ vɔ̃wo do go le la ɖe kuku nɛ be yeakplɔe ɖo, gake edo mɔ ŋutsua gblɔ be:+ 39 “Trɔ yi aƒe me, eye nànɔ nu siwo katã Mawu wɔ na wò la gblɔm.” Ale ŋutsu la dzo hele gbeƒã ɖem nu siwo Yesu wɔ nɛ la le du bliboa me.

40 Esi Yesu trɔ gbɔ la, ameha la xɔe nyuie, elabena wo katã wole mɔ kpɔm nɛ.+ 41 Ke kpɔ ɖa, ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Yairo, si nye ƒuƒoƒea dzi kpɔlawo dometɔ ɖeka la, va dze klo ɖe Yesu ƒe afɔnu heɖe kuku nɛ vevie be wòava yeƒe aƒe me,+ 42 elabena vianyɔnuvi ɖekɛ si xɔ abe ƒe wuieve ene la ɖo kudo nu.

Esi Yesu yina la, amehawo mimii ɖo. 43 Nyɔnu aɖe le ʋusisidɔ+ lém ƒe wuieve sɔŋ, eye ame aɖeke mete ŋu dae nɛ o.+ 44 Nyɔnu sia zɔ to emegbe va ka asi eƒe awu toga,+ enumake ʋu si le sisim le eŋu la nu tso. 45 Eye Yesu bia be: “Ame kae ka asi ŋunye?” Esi wo katã wogblɔ be menye yewoe o la, Petro gblɔ be: “Nufiala, ameha la ƒo xlã wò hemimi wò ɖoe.”+ 46 Ke Yesu gblɔ be: “Ame aɖe ka asi ŋunye, elabena mede dzesii be ŋusẽ+ do le menye.” 47 Esi nyɔnu la kpɔe be Yesu nya nu si yewɔ la, enɔ dzodzom nyanyanya va dze klo ɖe eŋkume hegblɔ nu si ta wòka asi eŋu kple ale si dɔa vɔ nɛ enumake la le ameawo katã ŋkume. 48 Ke Yesu gblɔ nɛ be: “Vinyenyɔnu, wò xɔse na nèhaya. Dzo yi le ŋutifafa me.”+

49 Esi wògale nuƒoƒo dzi la, ƒuƒoƒea dzi kpɔla ƒe ame dɔdɔ va gblɔ be: “Viwònyɔnuvi la ku; mègaxa ɖe fu na Nufiala la o.”+ 50 Esi Yesu se nya sia la, eɖo eŋu nɛ be: “Mègavɔ̃ o, xɔe se ko, eye woaɖee.”+ 51 Esi wòɖo aƒea me la, meɖe mɔ na ame aɖeke be wòage ɖe xɔa me kpli ye o, negbe Petro, Yohanes, Yakobo kpakple nyɔnuvi la fofo kple dadaa ko. 52 Ke ameawo katã le avi fam hele nu xam le ɖevi la ta. Eya ta egblɔ be: “Midzudzɔ avifafa,+ elabena meku o, ke boŋ alɔ̃ dɔm wòle.”+ 53 Ale wode asi ekoko me, elabena wonya be eku. 54 Gake elé nyɔnuvi la ƒe alɔnu, eye wòyɔe gblɔ be: “Nyɔnuvi, tsi tsitre!”+ 55 Ale wògbɔ agbe,*+ eye wòtsi tsitre enumake,+ eye wògblɔ be woana nanee wòaɖu. 56 Eye nyɔnuvia dzilawo gli kple dzidzɔ, gake ede se na wo be womegagblɔ nu si dzɔ la na ame aɖeke o.+

9 Eyɔ Ame Wuieveawo ƒo ƒu hena ŋusẽ kple ŋutete wo be woanya gbɔgbɔ vɔ̃wo katã ado goe,+ eye woada dɔlélewo.+ 2 Eye wòdɔ wo be woaɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒe la ahada dɔlélewo, 3 eye wògblɔ na wo be: “Migatsɔ naneke ɖe asi na mɔzɔzɔa o, eɖanye atizɔti alo nuɖuɖukotoku alo abolo alo ga* o; eye migatsɔ awu eve* o.+ 4 Ne mieyi du aɖe me la, minɔ aƒe si me miedze la me va se ɖe esime miadzo le dua me.+ 5 Eye afi sia afi si womexɔ mi le o la, ne miele dzodzom le du ma me la, miʋuʋu ke le miaƒe afɔwo ŋu ɖe anyi wòanye ɖaseɖiɖi ɖe wo ŋu.”+ 6 Eye wodze mɔ yi ɖatsa le nutoawo katã me tso kɔƒe me yi kɔƒe me, eye wole gbeƒã ɖem nya nyui la hele dɔlélewo dam le afi sia afi.+

7 Ke esi nutodziɖula Herodes* se nu siwo katã le dzɔdzɔm la, etɔtɔ ŋutɔ, elabena ame aɖewo le gbɔgblɔm be wofɔ Yohanes tso ame kukuwo dome,+ 8 bubuwo be Eliya ye va do, ke bubu aɖewo hã be blemanyagblɔɖilawo dometɔ ɖekae tsi tsitre.+ 9 Herodes gblɔ be: “Yohanes la, metso ta le enu.+ Ke ame kae nye esia si ŋuti mele nya siawo sem le?” Eya ta edi be yeakpɔe.+

10 Esi apostoloawo trɔ gbɔ la, wogblɔ nu siwo katã wowɔ la na Yesu.+ Eye wòkplɔ wo woawo ɖeɖe woyi du aɖe si woyɔna be Betsaida me.+ 11 Ke esi amehaawo nya la, wotii yi afi ma. Exɔ wo nyuie, eye wòte nuƒoƒo na wo tso Mawu Fiaɖuƒe la ŋu, eye wòda dɔ na dɔnɔwo katã.+ 12 Azɔ esi fiẽsi le ɖoɖom la, Ame Wuieveawo va egbɔ hegblɔ nɛ be: “Ðe asi le ameha la ŋu ne woayi kɔƒewo me kple agbleta siwo ƒo xlã mí la, ne woadi dzeƒe kple nuɖuɖu, elabena teƒe sia tso abo.”+ 13 Ke egblɔ na wo be: “Miawo ŋutɔwo mina nu wo woaɖu.”+ Wogblɔ be: “Naneke mele mía si wu abolo atɔ̃ kple tɔmelã eve o, negbe ɖeko míawo ŋutɔwo míayi aɖaƒle nuɖuɖu na ame siawo katã.” 14 Evɔ woanɔ abe ŋutsu akpe atɔ̃ ene. Eye wògblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Mina woanɔ anyi ɖe hatsotsowo me, eye hatsotso ɖe sia ɖe nanye ame blaatɔ̃ lɔƒo.” 15 Eye wowɔe nenema, eye wona wo katã wonɔ anyi. 16 Ke esi wòtsɔ abolo atɔ̃awo kple tɔmelã eveawo la, efɔ mo dzi kpɔ dziƒo, yra ɖe wo dzi. Eŋe wo me, eye wòtsɔ wo na eƒe nusrɔ̃lawo be woatsɔ aɖo ameha la kɔme. 17 Ale wo katã woɖu nu ɖi ƒo, eye woƒo kakɛ siwo susɔ la nu ƒu wòde kusi wuieve.+

18 Emegbe esi eya ɖeka le gbe dom ɖa la, nusrɔ̃lawo va egbɔ, eye wòbia wo be: “Ame kae amehaawo le gbɔgblɔm be menye?”+ 19 Woɖo eŋu nɛ be: “Yohanes Amenyrɔɖetsimela, bubuwo be Eliya, bubuwo hã be blemanyagblɔɖilawo dometɔ ɖekae tsi tsitre.”+ 20 Azɔ ebia wo be: “Ke miawo ya ɖe, ame kae miegblɔna be menye?” Petro ɖo eŋu be: “Mawu ƒe Kristo la.”+ 21 Ke ede se na wo vevie be womegagblɔ nya sia na ame aɖeke o,+ 22 egblɔ hã be: “Ele na Amegbetɔvi la be wòakpe fu geɖe, eye dumegãwo kple nunɔlawo ƒe tatɔwo kple agbalẽfialawo agbee, eye woawui,+ ke woafɔe ɖe tsitre le ŋkeke etɔ̃a gbe.”+

23 Eye wògblɔ na wo katã be: “Ne ame aɖe di be yeadze yonyeme la, negbe nu le eɖokui gbɔ,+ eye wòatsɔ eƒe fuwɔameti* la gbe sia gbe, eye wòadze yonyeme.+ 24 Elabena ame sia ame si dina be yeaɖe yeƒe agbe* la abui; ke ame sia ame si abu eƒe agbe* le tanye la, aɖee.+ 25 Le nyateƒe me la, viɖe kae wòanye na ame, ne xexe blibo la katã zu etɔ, gake wòbu eƒe agbe alo tsrɔ̃?+ 26 Elabena ame sia ame si nye kple nye nyawo kpea ŋu na la, Amegbetɔvi la hã akpe ŋui ne eva ɖo le eya ŋutɔ kple Fofoa kpakple mawudɔla kɔkɔeawo ƒe ŋutikɔkɔe me.+ 27 Ke vavã mele egblɔm na mi be, ame aɖewo le ame siwo le tsitre ɖe afi sia dome, siwo maɖɔ ku kpɔ gbeɖe o, va se ɖe esime wokpɔ Mawu Fiaɖuƒe la hafi.”+

28 Le nyateƒe me la, anɔ ŋkeke enyi le nya siawo gbɔgblɔ megbe la, ekplɔ Petro kple Yohanes kpakple Yakobo ɖe asi yi to aɖe dzi be yeado gbe ɖa.+ 29 Eye esi wòle gbe dom ɖa la, eƒe mo ƒe dzedzeme trɔ, eye eƒe awu fu tititi hele dzo dam. 30 Eye kpɔ ɖa, ŋutsu eve, siwo nye Mose kple Eliya, le dze ɖom kplii. 31 Ame siawo dze le ŋutikɔkɔe me, eye wole dze ɖom tso eƒe dzodzo si ava eme le Yerusalem la ŋu.+ 32 Ke Petro kple ame siwo kpe ɖe eŋu la le alɔ̃ dɔm, gake esi wonyɔ keŋkeŋ la, wokpɔ eƒe ŋutikɔkɔe+ kple ŋutsu eve siwo le tsitre ɖe egbɔ. 33 Eye esi ame siawo le dzodzom le Yesu gbɔ la, Petro gblɔ nɛ be: “Nufiala, enyo na mí be míanɔ afi sia. Eya ta na míatu agbadɔ etɔ̃, ɖeka na wò, ɖeka na Mose, eye ɖeka na Eliya.” Gake eya ŋutɔ menya nya ka gblɔm wòle o. 34 Ke esi wòle nya siawo gblɔm la, alilikpo do, eye wòdo vɔvɔli ɖe wo dzi. Esi alilikpoa do vɔvɔli ɖe wo dzi la, vɔvɔ̃ ɖo wo. 35 Eye gbe+ aɖe ɖi tso alilikpoa me gblɔ be: “Ame siae nye Vinye si metia la.+ Miɖo toe.”+ 36 Eye esi gbea ɖi la, Yesu ɖeka koe wokpɔ. Ke womia nu ɖe nya la dzi, eye womeka nu siwo wokpɔ la dometɔ aɖeke ta na ame aɖeke le ŋkeke mawo me o.+

37 Esi ŋu ke, eye woɖi tso toa dzi la, ameha gã aɖe va kpee.+ 38 Eye kpɔ ɖa, ŋutsu aɖe do ɣli le ameha la dome be: “Nufiala, meɖe kuku na wò, va kpɔ vinyeŋutsuvi nam ɖa, elabena vi ɖeka wònye nam.+ 39 Eye kpɔ ɖa, gbɔgbɔ aɖe dzea edzi, eye kasia wòdoa ɣli, eye wònana wòƒona tititi, eye futukpɔ dona le enu, eye ne ewɔ nu vevii vɔ hã la, bebli hafi wòdzona le edzi. 40 Meɖe kuku na wò nusrɔ̃lawo be woanyae do goe, ke womete ŋui o.” 41 Yesu ɖo eŋu be: “Oo, dzidzime maxɔse totro kpaɖikpaɖi,+ ɣeyiɣi didi kae manɔ mia gbɔ ahado dzi atsɔ miaƒe nuwɔnawo ase ɖo? Kplɔ viwòa va afii.”+ 42 Gake esi ɖevia le egogom la, gbɔgbɔ vɔ̃ la xlãe ɖe anyi hena wòƒo tititi ŋutɔ. Ke Yesu ka mo na gbɔgbɔ makɔmakɔ la, eye wòda gbe le ŋutsuvi la ŋu, eye wòtsɔe na fofoa. 43 Ale wo katã ƒe nu ku le Mawu ƒe ŋusẽ gã la ŋuti.

Esi nu siwo katã wɔm wòle la na wo katã ƒe mo wɔ yaa la, egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: 44 “Miɖo to nya siawo nyuie ne woatsi susu me na mi, elabena woade Amegbetɔvi la asi na amewo.”+ 45 Ke womese nya si gblɔm wòle la gɔme o. Le nyateƒe me la, woɣlae ɖe wo be woagase egɔme o, eye wole vɔvɔ̃m be yewoabia nyae tso nya sia ŋu.

46 Azɔ nyaʋiʋli ɖo wo dome le wo dometɔ si nye gãtɔ la ŋuti.+ 47 Esi Yesu nya woƒe dzimesusuwo ta la, ekplɔ ɖevi aɖe vɛ hena wòtɔ ɖe egbɔ, 48 eye wògblɔ na wo be: “Ame sia ame si xɔa ɖevi sia le nye ŋkɔ ta la, exɔa nye hã; eye ame sia ame si xɔam la, exɔa Ame si dɔm ɖa la hã.+ Elabena ame si wɔa eɖokui suetɔ le mi katã mia dome lae nye gãtɔ.”+

49 Eye Yohanes gblɔ nɛ be: “Nufiala, míekpɔ ame aɖe wòle gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam do goe le wò ŋkɔ me, eye míegbe nɛ, elabena menye mía dometɔ ɖekae wònye o.”+ 50 Ke Yesu gblɔ nɛ be: “Migagbe nɛ o, elabena ame si metsi tsitre ɖe mia ŋu o la, le mia dzi.”

51 Ke esi ɣeyiɣi si woakɔ Yesu ayi dziƒo le aƒe tum la,+ eɖoe kplikpaa be yeayi Yerusalem. 52 Eya ta edɔ dɔlawo ɖo ɖe eŋgɔ. Eye wodze mɔ va ɖo Samariatɔwo ƒe kɔƒe aɖe me be woadzra ɖo na eƒe vava. 53 Gake womexɔe o,+ le esi wòɖoe kplikpaa be yeayi Yerusalem ta. 54 Esi nusrɔ̃la Yakobo kple Yohanes+ kpɔ esia la, wobiae be: “Aƒetɔ, èlɔ̃ be míana dzo nage tso dziƒo ava tsrɔ̃ woa?”+ 55 Ke etrɔ heka mo na wo. 56 Ale wodzo yi kɔƒe bubu me.

57 Ke esi wole mɔa dzi yina la, ame aɖe gblɔ nɛ be: “Madze yowòme ayi afi sia afi si nàyi.” 58 Yesu gblɔ nɛ be: “Do le abeiwo si, eye atɔ le dziƒoxewo si, ke teƒe aɖeke mele Amegbetɔvi la ya si wòaziɔ ta ɖo o.”+ 59 Eye wògblɔ na ame bubu be: “Dze yonyeme.” Amea gblɔ be: “Aƒetɔ, ɖe mɔ nam mayi aɖaɖi fofonye gbɔ.”+ 60 Ke egblɔ nɛ be: “Na ame kukuwo+ naɖi woƒe ame kukuwo, ke wò la, yi nàɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒe la.”+ 61 Eye ame bubu hã gblɔ be: “Aƒetɔ, madze yowòme; gake na mayi aɖaklã nye aƒemetɔwo gbã.” 62 Yesu gblɔ nɛ be: “Ame si tsɔ eƒe asi ɖo kodzi dzi, eye wògale nu siwo le megbe kpɔm la,+ medze na Mawu Fiaɖuƒe la o.”+

10 Le nu siawo megbe la, Aƒetɔ la tia ame blaadre* bubuwo, eye wòdɔ wo eveeve+ ɖo ɖe eŋgɔ ɖe duwo me kple teƒe siwo katã to ge eya ŋutɔ gbɔna la. 2 Eye wògblɔ na wo be: “Nyateƒee, nuŋeŋe la sɔ gbɔ, ke dɔwɔlawo ya mede ha o. Eya ta miɖe kuku na nuŋeŋe ƒe Aƒetɔ la be wòaɖo dɔwɔlawo ɖe eƒe nuŋeŋe la me.+ 3 Miheyi! Kpɔ ɖa, mele mia dɔm abe alẽviwo ene ɖe amegãxiwo dome.+ 4 Migatsɔ gakotoku alo nuɖuɖukotoku alo afɔkpa o,+ eye migado gbe na ame aɖeke le mɔ dzi o.* 5 Ne miege ɖe aƒe aɖe me la, gbã la, migblɔ be: ‘Ŋutifafa na aƒe sia.’+ 6 Eye ne ŋutifafalɔ̃la aɖe le afi ma la, miaƒe ŋutifafa anɔ edzi. Ke ne ɖeke meli o la, ekema agbugbɔ ava mia dzi. 7 Minɔ aƒe ma ko me,+ eye miaɖu nu ahano nu si wona mi,+ elabena dɔwɔla dze na eƒe fetu.+ Miganɔ ʋuʋum tso aƒe me yi aƒe me o.

8 “Ne mieyi ɖe du aɖe me, eye woxɔ mi la, miɖu nu si woatsɔ aɖo mia kɔme, 9 mida gbe le dɔnɔ siwo le eme la ŋu, eye migblɔ na wo be: ‘Mawu Fiaɖuƒe la gogo mi.’+ 10 Ke ne miege ɖe du aɖe me, eye womexɔ mi o la, miyi ɖe eƒe ablɔwo me, eye miagblɔ be: 11 ‘Míele ʋuʋudedi si lé ɖe míaƒe afɔwo ŋu le miaƒe dua me la kura gɔ̃ hã ʋuʋum ɖi na mi.+ Gake nenɔ susu me na mi be, Mawu Fiaɖuƒe la gogo.’ 12 Mele egblɔm na mi be, anɔ bɔbɔe na Sodom le ŋkeke ma dzi wu ale si wòanɔ na du ma.+

13 “Baba na wò, Korazin! Baba na wò, Betsaida! Elabena ne ɖe wowɔ ŋusẽdɔ siwo wowɔ le mewò la le Tiro kple Sidon la, anye ne wotrɔ dzi me hebɔbɔ nɔ akpanya kple dzofi me gbe aɖe gbe ke.+ 14 Eya ta anɔ bɔbɔe na Tiro kple Sidon le ʋɔnudɔdrɔ̃ la me wu mi. 15 Ke wò Kapernaum, ɖe woado wò ɖe dzi yi ɖatɔ dziƒo loo? Keke Tsiẽƒe* kee nàva do ɖo!

16 “Ame sia ame si ɖoa to mi la, ɖoa to nye hã.+ Ame sia ame si gbea mi la, gbea nye hã. Eye ame sia ame si gbeam la, gbea Ame si dɔm ɖa la hã.”+

17 Eye ame blaadreawo trɔ gbɔ kple dzidzɔ va gblɔ be: “Aƒetɔ, gbɔgbɔ vɔ̃wo gɔ̃ hã naa ta mí ne míeyɔ wò ŋkɔ la.”+ 18 Eye wògblɔ na wo be: “Mekpɔ Satana wòge xoxo+ abe dzikedzo ene tso dziƒo. 19 Kpɔ ɖa! Mena ŋusẽ mi be miaɖo afɔ dawo kple dziɖegbewo* dzi, eye miaɖu futɔ la ƒe ŋusẽwo katã dzi,+ eye naneke mawɔ nu vevi mi o. 20 Gake migakpɔ dzidzɔ be gbɔgbɔawo naa ta mi o, ke boŋ mikpɔ dzidzɔ le esi woŋlɔ miaƒe ŋkɔwo ɖe dziƒowo ta.”+ 21 Le gaƒoƒo ma tututu dzi la, gbɔgbɔ kɔkɔe la yɔe fũu eye wòtso aseye gblɔ be: “Fofo, dziƒo kple anyigba ƒe Aƒetɔ, mekafu wò le dutoƒo, elabena èɣla nu siawo ɖe nunyalawo kple tagbɔɖaɖɛtɔwo keŋkeŋ,+ eye nèɖe wo fia ɖeviwo. Ɛ̃, Fofo, elabe nenemae dze ŋuwò.+ 22 Fofonye tsɔ nuwo katã de asi nam, eye ame aɖeke menya ame si Vi la nye o, negbe Fofo la ko, eye ame aɖeke menya ame si Fofo la nye o, negbe Vi la,+ kple ame si Vi la lɔ̃ be yeaɖee afia la ko.”+

23 Eye wòtrɔ ɖe nusrɔ̃lawo ɖeɖe ŋu gblɔ be: “Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo ƒe ŋku le nu siwo kpɔm miele la kpɔm.+ 24 Elabena mele egblɔm na mi be, nyagblɔɖila kple fia geɖewo di vevie be yewoakpɔ nu siwo kpɔm miele la, gake womekpɔ wo o,+ eye wodi be yewoase nya siwo sem miele la, gake womese wo o.”

25 Eye kpɔ ɖa, ŋutsu aɖe si nya Sea nyuie la tso be yeadoe kpɔ hegblɔ be: “Nufiala, nu kae wòle be mawɔ be manyi agbe mavɔ la dome?”+ 26 Ebiae be: “Nu kae woŋlɔ ɖe Se la me? Aleke nèse egɔmee?” 27 Eɖo eŋu nɛ be: “‘Lɔ̃ Yehowa* wò Mawu kple wò dzi blibo, wò luʋɔ* blibo, wò ŋusẽ blibo, kple wò tamesusu blibo,’+ eye nàlɔ̃ ‘hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.’”+ 28 Egblɔ nɛ be: “Èɖo eŋu nyuie; nɔ esia wɔm, ekema àkpɔ agbe.”+

29 Ke esi ŋutsua di be yeaɖee afia be yele dzɔdzɔe ta la,+ ebia Yesu be: “Ame ka tututue nye hanyevi?” 30 Yesu ɖo eŋu be: “Ame aɖe tso Yerusalem ɖi abu yina Yeriko, eye wòdze adzodalawo si me, woɖe nu sia nu le eŋu, woƒoe wòku afã kple afã eye wogblẽe ɖi hedzo. 31 Ke eva eme be, nunɔla aɖe to mɔ ma ɖi abu gbɔna, ke esi wòkpɔe la, edze to mɔa ƒe akpa kemɛ dzo. 32 Nenema kee esi Lewitɔ aɖe hã va ɖo afi ma, eye wòkpɔe la, edze to mɔa ƒe akpa kemɛ dzo. 33 Ke Samariatɔ+ aɖe si le mɔa zɔm la va ke ɖe eŋu, eye esi wòkpɔe la, eƒe nu wɔ nublanui nɛ. 34 Ale wòte ɖe eŋu, kɔ ami kple wain ɖe eƒe abiawo me hebla wo nɛ. Emegbe ekɔ amea ɖe eya ŋutɔ ƒe tedzi dzi yi amedzrodzeƒe, eye wòkpɔ edzi. 35 Esi ŋu ke la, etsɔ denario* eve na amedzrodzeƒea dzi kpɔla hegblɔ be: ‘Kpɔ edzi, eye nu sia nu si nàgagblẽ akpee la, maxee na wò ne metrɔ va.’ 36 Ame etɔ̃ siawo dometɔ kae nèsusu be ewɔ eɖokui havi+ na ame si dze adzodalawo si me?” 37 Egblɔ be: “Ame si kpɔ nublanui nɛ lae.”+ Eye Yesu gblɔ nɛ be: “Heyi, eye wò hã nàwɔ nenema ke.”+

38 Ke esi wole woƒe mɔzɔzɔa dzi la, eyi kɔƒe aɖe me. Eye nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Marta+ la xɔe ɖe eƒe me. 39 Nɔvinyɔnu aɖe le nyɔnu sia si, eŋkɔe nye Maria; ke eya bɔbɔ nɔ Aƒetɔ la ƒe afɔnu hele to ɖom eƒe nyawo. 40 Ke Marta ya tsi dzi ɖe nu geɖewo gbɔ kpɔkpɔ ŋu. Eya ta eva Yesu gbɔ va gblɔ be: “Aƒetɔ, mètsɔ ɖeke le eme be nɔvinyea gblẽ dɔawo katã ɖe nye ɖeka dzinye oa? Gblɔe nɛ ne wòava kpe ɖe ŋunye.” 41 Aƒetɔ la ɖo eŋu nɛ be: “Marta, Marta, ètsi dzimaɖi hele fu ɖem na ɖokuiwò le nu geɖewo ŋuti. 42 Ke hã nu ʋɛ aɖewo koe hiã, alo ɖeka pɛ ko. Maria ya tia nyuia gome,+ eye womele exɔ ge le esi o.”

11 Gbe ɖeka Yesu le gbe dom ɖa le teƒe aɖe, eye esi wòwu enu la, eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka gblɔ nɛ be: “Aƒetɔ, fia gbedodoɖa mí abe ale si Yohanes hã fia eƒe nusrɔ̃lawoe ene.”

2 Eya ta egblɔ na wo be: “Ne miele gbe dom ɖa la, migblɔ be: ‘Fofo, wò ŋkɔ ŋuti nakɔ.+ Wò Fiaɖuƒe nava.+ 3 Na abolo si asu mía nu gbe sia gbe la mí.+ 4 Eye tsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ke mí,+ elabena míawo ŋutɔwo hã míetsɔna kea ame sia ame si nyi fe le mía ŋu;+ eye mègakplɔ mí yi tetekpɔ me o.’”*+

5 Egblɔ na wo be: “Le kpɔɖeŋu me, ne xɔlɔ̃ le mia dometɔ aɖe si, eye wòyi egbɔ le zãtiƒe gblɔ nɛ be: ‘Xɔ̃nye, do abolo etɔ̃ nam, 6 elabena xɔ̃nye aɖe tso mɔ dzi va gbɔnye fifi laa, gake naneke mele asinye matsɔ aɖo ekɔme o.’ 7 Ke ame ma aɖo eŋu nɛ tso xɔa me be: ‘Dzudzɔ fuɖeɖe nam. Metu ʋɔa xoxo, eye nye kple vinyewo míemlɔ anyi. Nyemate ŋu afɔ ana naneke wò o.’ 8 Mele egblɔm na mi be: Ne mafɔ ana nanekee le esi wònye exɔlɔ̃ ta o la, afɔ godoo le esi wòle ebiam atraɖii ta,+ eye wòatsɔ nu siwo hiãe la anɛ. 9 Eya ta mele egblɔm na mi be, minɔ ebiabia dzi,+ eye woana mi; minɔ edidi dzi, eye miakpɔe; minɔ ʋɔƒoƒo dzi, eye woaʋui na mi.+ 10 Elabena ame sia ame si le nu biam la, exɔnɛ;+ ame sia ame si le nu dim la, ekpɔnɛ; eye ame sia ame si le ʋɔ ƒom la, woaʋui nɛ. 11 Le nyateƒe me la, vifofo kae le mia dome si ne via bia tɔmelãe la, wòatsɔ da ade esi ɖe tɔmelã teƒe?+ 12 Alo ne ebia koklozii la, wòatsɔ dziɖegbe* anɛ? 13 Eya ta ne mi ame vɔ̃ɖiwo kura gɔ̃ hã, mienya ale si miana nu nyuiwo mia viwo la, ɖe Fofo si le dziƒo la mana gbɔgbɔ kɔkɔe ame siwo bianɛ la geɖe wu oa?”+

14 Emegbe enya gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe si na ame aɖe zu mumu la do goe le amea me.+ Esi gbɔgbɔ vɔ̃a do le amea me ko la, amea ƒo nu, eye amehawo ƒe mo wɔ yaa.+ 15 Ke wo dometɔ aɖewo gblɔ be: “Gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia Beelzebul* dzie wòtona nyaa gbɔgbɔ vɔ̃wo.”+ 16 Ke ame bubuwo doe kpɔ hebiae be wòawɔ dzesi+ tso dziƒo yewoakpɔ. 17 Esi wònya woƒe susuwo ta la,+ egblɔ na wo be: “Fiaɖuƒe ɖe sia ɖe si ma ɖe eɖokui ŋu la gbãna, eye aƒe si ma ɖe eɖokui ŋu la gbãna. 18 Nenema kee ne Satana hã ma ɖe eɖokui ŋu ɖe, aleke eƒe fiaɖuƒe awɔ ali ke? Elabena miebe Beelzebul dzie metona nyaa gbɔgbɔ vɔ̃wo doa goe. 19 Ne Beelzebul dzie metona nyaa gbɔgbɔ vɔ̃wo doa goe la, ekema ame ka dzie mia viwo* ya tona nyaa wo doa goe? Esia tae mia viwo adrɔ̃ ʋɔnu mi ɖo. 20 Ke ne Mawu ƒe asibidɛ+ dzie metona nyaa gbɔgbɔ vɔ̃wo doa goe la, ekema Mawu Fiaɖuƒe la ɖi ɖe mi ŋutɔŋutɔ.+ 21 Ne ame sesẽ aɖe kpla eƒe aʋawɔnuwo katã hele eƒe fiasã ŋu dzɔm la, eƒe nunɔamesiwo nɔa dedie. 22 Ke ne ame si sesẽ wui va dze edzi heɖu edzi la, etsɔa eƒe aʋawɔnu blibo si ŋu wòle dzi ɖom ɖo la dzonɛ, eye wòmaa eƒe nu siwo wòlɔ le egbɔ la. 23 Ame si mele dzinye o la, tsi tsitre ɖe ŋunye, eye ame si meƒoa amewo nu ƒu kplim o la kaa wo hlẽna.+

24 “Ne gbɔgbɔ makɔmakɔ aɖe do go le ame aɖe me la, etsana le teƒe siwo ƒu nɔa gbɔɖemeƒe dim, eye ne mekpɔ ɖeke o la, egblɔna be, ‘Matrɔ ayi nye aƒe si me medzo le la me.’+ 25 Eye ne etrɔ va aƒea me la, ekpɔna be wokplɔ eme heɖo atsyɔ̃ nɛ. 26 Azɔ eyina ɖakplɔa gbɔgbɔ adre bubu siwo vɔ̃ɖi wu eya ŋutɔ la kpena ɖe eɖokui ŋu, eye woyina ɖe eme henɔa afi ma. Eye ame ma ƒe nɔnɔme mlɔetɔwo va gblẽna ɖe edzi wu gbãtɔwo.”

27 Ke esi wòle nya siawo gblɔm la, nyɔnu aɖe do ɣli le ameha la dome gblɔ be: “Dzidzɔtɔe nye nyɔnu si ƒe vidzidɔ me nènɔ kple no si nèno!”+ 28 Ke egblɔ be: “Ao, ke boŋ dzidzɔtɔwoe nye ame siwo le Mawu ƒe nya la sem, eye wole edzi wɔm!”+

29 Esi amehawo va le ƒu ƒom la, ede asi gbɔgblɔ me be: “Dzidzime vɔ̃ɖie dzidzime sia nye; ele dzesi dim, ke womele dzesi aɖeke na gee o, negbe Yona ƒe dzesi la ko.+ 30 Elabena ale si ko Yona+ zu dzesi na Niniwetɔwoe la, nenema ke Amegbetɔvi la hã anye dzesi na dzidzime siae. 31 Woafɔ anyiehefianyɔnu+ la ɖe tsitre le ʋɔnudɔdrɔ̃ la me kpe ɖe dzidzime sia me tɔwo ŋu, eye wòabu fɔ wo; elabena etso keke anyigba seƒe ke va be yease Salomo ƒe nunyanyawo. Ke kpɔ ɖa, ame si lolo wu Salomo la le afii!+ 32 Niniwetɔwo afɔ le ʋɔnudɔdrɔ̃ la me kpe ɖe dzidzime sia ŋu, eye woabu fɔe; elabena wotrɔ dzi me le nya siwo Yona ɖe gbeƒãe la ta.+ Kpɔ ɖa, ame si lolo wu Yona la le afii! 33 Ame aɖeke mesia akaɖi dana ɖe ɣaɣlaƒe alo kusi* te o, ke edanɛ ɖe akaɖiti dzi boŋ,+ be wòaklẽ na ame siwo vaa aƒea me la. 34 Wò ameti la ƒe akaɖie nye wò ŋku. Ne wò ŋku nɔa nu ɖeka ŋu* la, ekema wò ameti blibo la katã me akɔ, ke ne wò ŋku biãa ŋu* la, wò ameti blibo la katã hã me ado viviti.+ 35 Eya ta kpɔ nyuie be kekeli si le mewò la nagazu viviti o. 36 Eya ta ne wò ameti blibo la me kɔ, eye eƒe akpa aɖeke medo viviti o la, ekema ameti bliboa me akɔ abe ale si akaɖi ƒe keklẽ naa kekeli wòe ene.”

37 Esi wògblɔ nya siawo la, Farisitɔ aɖe kpee be wòava ɖu nu kpli ye. Eya ta eyi, eye wòbɔbɔ nɔ kplɔ̃a ŋu. 38 Ke ewɔ moyaa na Farisitɔ la be meklɔ asi* gbã hafi be yeaɖu nua o.+ 39 Ke Aƒetɔ la gblɔ nɛ be: “Mi Farisitɔwo, mieklɔa kplu kple agba ŋu, ke miaƒe dzi me yɔ fũu kple ŋukeklẽ kpakple vɔɖivɔ̃ɖi.+ 40 Mi movitɔwo! Menye ame si wɔ eŋuti la kee wɔ eme hã oa? 41 Ke mitsɔ nu siwo le eme la nyo dɔme na ame dahewo, eye kpɔ ɖa, nu bubuwo katã ŋu akɔ na mi! 42 Ke baba na mi Farisitɔwo, elabena mienaa ahamɛ kple ƒãglo kpakple amagbe bubuwo katã ƒe ewolia,+ gake mieŋea aɖaba ƒua Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye kple eƒe lɔlɔ̃ ya dzi! Ele be miawɔ nu mawo, gake miagaŋe aɖaba aƒu esiawo hã dzi o.+ 43 Baba na mi Farisitɔwo, elabena mielɔ̃a ŋgɔgbezikpuiwo dzi* nɔnɔ le ƒuƒoƒewo eye miedina be amewo nado gbe na yewo le ablɔwo me!*+ 44 Baba na mi, elabena miele abe yɔdo* siwo mele dzedzem nyuie o,+ eye amewo zɔa wo dzi, evɔ womenyana o la ene!”

45 Eya ta ame siwo nya Sea nyuie la dometɔ ɖeka gblɔ nɛ be: “Nufiala, esi nègblɔ nya siawo la, èdzu míawo hãe.” 46 Eye wògblɔ be: “Baba na mi ame siwo nya Sea nyuie la hã, elabena miedoa agba kpekpe siwo manya tsɔ o la na amewo, ke miawo ŋutɔwo mietsɔa miaƒe asibidɛ ɖeka pɛ hã kaa agbaawo ŋu o!+

47 “Baba na mi, elabena miedzraa nyagblɔɖilawo ƒe yɔdowo* ɖo, evɔ wònye mia tɔgbuiwoe wu wo!+ 48 Nyateƒee, mienye ɖasefowo le mia tɔgbuiwo ƒe nuwɔnawo ŋu, gake mieda asi ɖe wo dzi, elabena ame siawoe wu nyagblɔɖilawo,+ eye miawo miele woƒe yɔdowo dzram ɖo. 49 Esia ta Mawu ƒe nunya gblɔ hã be: ‘Madɔ nyagblɔɖilawo kple apostolowo ɖe wo, woawu wo dometɔ aɖewo eye woati bubuwo yome, 50 bena woabia nyagblɔɖila siwo katã ƒe ʋu wokɔ ɖe anyi tso xexea ƒe gɔmeɖoanyiɣi la tso dzidzime sia si me,+ 51 tso Abel+ ƒe ʋu dzi va se ɖe Zakariya, ame si wowu ŋutasesẽtɔe le vɔsamlekpui la kple xɔ* la dome ƒe ʋu dzi.’+ Ɛ̃, mele egblɔm na mi be: Woabu fɔ dzidzime sia ɖe woƒe ʋu ta.

52 “Baba na mi ame siwo nya Sea nyuie la, elabena mietsɔ sidzedze ƒe safui la dzoe. Miawo ŋutɔwo mieyi ɖe eme o, eye miedina be yewoaxe mɔ na ame siwo le yiyim ɖe eme la hã!”+

53 Esi wòdo go le afi ma la, agbalẽfialawo kple Farisitɔwo tsi tsitre ɖe eŋu vevie hele nya geɖewo biamee tsɔ le aɖe dem nu me nɛ, 54 eye wole eɖiam, be yewoalée le eƒe nuƒoƒo me.+

12 Le ɣeyiɣi sia me la, ame akpeakpewo va ƒo ƒu, ale gbegbe be wole afɔ ɖom wo nɔewo dzi. Yesu ƒo nu na eƒe nusrɔ̃lawo gbã gblɔ be: “Mikpɔ nyuie le Farisitɔwo ƒe amɔwɔʋãnu si nye alakpanuwɔwɔ la ŋuti.+ 2 Wometsyɔ nu naneke dzi, si womava ɖe ɖe go o, eye womeɣla naneke, si womava nya o.+ 3 Eya ta nya siwo miegblɔna le viviti me la, woava see le kekeli nu, eye nya si miedo dalĩ gblɔ le xɔgã me la, woaɖe gbeƒãe le xɔwo tame. 4 Xɔ̃nyewo,+ mele egblɔm na mi hã be, migavɔ̃ ame siwo wua ŋutilã, eye le esia megbe la womegatea ŋu wɔa naneke wu ema o la o.+ 5 Ke mafia ame si miavɔ̃ la mi: Mivɔ̃ Ame si, ne ewu ame vɔ la, ŋusẽ le esi be wòatsɔe aƒu gbe ɖe Gehena.*+ Ɛ̃, mele egblɔm na mi be, mivɔ̃ Ame sia boŋ.+ 6 Ðe womedzraa atsutsrɔe atɔ̃ xɔa gaku eve siwo ƒe home le sue* oa? Gake Mawu meŋlɔa wo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã be o.+ 7 Ke woxlẽ miaƒe taɖawo katã gɔ̃ hã.+ Migavɔ̃ o; miexɔ asi sãsãsã wu atsutsrɔe geɖewo.+

8 “Eya ta mele egblɔm na mi be, ame sia ame si ʋua menye le amewo ŋkume la,+ Amegbetɔvi la hã aʋu eme le mawudɔlawo ŋkume.+ 9 Ke ame si gbe nu le gbɔnye le amewo ŋkume la, nye hã magbe nu le egbɔ le mawudɔlawo ŋkume.+ 10 Eye ame sia ame si gblɔ nya vlo aɖe ɖe Amegbetɔvi la ŋu la, woatsɔe akee, ke ame si gblɔ busunya ɖe gbɔgbɔ kɔkɔea ŋu la, womatsɔe akee o.+ 11 Ne wokplɔ mi yi amehawo,* dziɖulawo kple ŋusẽtɔwo ŋkume la, migatsi dzimaɖi le nya si miatsɔ aʋli mia ɖokui ta alo le nya si miagblɔ la ŋuti o,+ 12 elabena gbɔgbɔ kɔkɔe la afia nya si miagblɔ le gaƒoƒo ma tututu me la mi.”+

13 Eye ame aɖe tso ameha la dome gblɔ nɛ be: “Nufiala, gblɔ na nɔvinye ne wòama domenyinu la kplim.” 14 Ebiae be: “Ŋutsu, ame kae ɖom ʋɔnudrɔ̃la alo nyametsola ɖe mi ame evea nu?” 15 Eye wògblɔ na wo be: “Mina miaƒe ŋkuwo nanɔ ʋuʋu, eye mikpɔ nyuie le ŋukeklẽ* ɖe sia ɖe ƒomevi ŋu,+ elabena ne nu gbogbo aɖewo le ame si hã la, nu siawo mana agbee o.”+ 16 Ale wòdo lo sia na wo be: “Kesinɔtɔ aɖe ƒe anyigba wɔ nu nyuie. 17 Eya ta ebu le eɖokui me be, ‘Esi teƒe aɖeke megale asinye madzra nye agblemenukuwo ɖo o ɖe, nu ka wɔ ge mala?’ 18 Eya ta egblɔ be, ‘Menya nu si mawɔ:+ Mamu nye nudzraɖoƒewo, eye matu esiwo lolo wu; afi mae madzra nye nukuwo katã kple nye nuwo katã ɖo, 19 eye magblɔ na ɖokuinye* be: “Èdzra* nu nyui geɖe ɖo ɖi hena ƒe geɖewo; ɖe dzi ɖi, ɖu nu, no nu, eye nàɖu agbe.”’ 20 Ke Mawu gblɔ nɛ be: ‘Movitɔ, zã sia me ke woabia wò agbe* le asiwò me. Ekema ame ka tɔe nu siwo nèdzra ɖo ɖi la azu?’+ 21 Nenemae wònɔna na ame si ƒo kesinɔnuwo nu ƒu na eɖokui, gake menye kesinɔtɔ le Mawu gbɔ o.”+

22 Eye wògblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Esia tae mele egblɔm na mi be, midzudzɔ dzimaɖitsitsi ɖe miaƒe agbe* ŋu le nu si miaɖu ŋuti, alo le miaƒe ŋutilãwo ŋu le nu si miado ŋuti.+ 23 Elabena agbe* la wu nuɖuɖu, eye ŋutilã la wu nudodo. 24 Mibu akpaviãwo ŋu kpɔ: Womeƒãa nu alo ŋea nu o, eye ava alo nudzraɖoƒe mele wo si o; ke hã Mawu nyia wo.+ Ðe miexɔ asi sãsãsã wu xeviwo oa?+ 25 Mia dometɔ kae ne ele dzimaɖi tsim la, wòate ŋu atsɔ abɔklugui* ɖeka akpe eƒe agbenɔƒe? 26 Eya ta ne miate ŋu awɔ nu sue sia teti gɔ̃ hã o la, ke nu ka tae miatsi dzimaɖi ɖe nu susɔeawo ŋu?+ 27 Mibu ale si dzogbenyawo tsinae la ŋu kpɔ: Womewɔa dɔ alo trea ɖeti o; gake mele egblɔm na mi be, le Salomo ƒe ŋutikɔkɔe la katã me gɔ̃ hã la, meɖo atsyɔ̃ kpɔ abe esiawo dometɔ ɖeka ene o.+ 28 Ke ne Mawu ɖoa atsyɔ̃ na gbe si le gbe me egbe, eye etsɔ ko woatsɔe aƒu gbe ɖe dzo me la, ɖe maɖo atsyɔ̃ na miawo ya geɖe wu oa? Mi xɔseʋɛtɔwo! 29 Eya ta migatsi dzimaɖi ɖe nu si miaɖu kple nu si miano la ŋu o, eye midzudzɔ dzimaɖitsitsi fũu akpa;+ 30 elabena nu siawo yomee xexemedukɔwo tina vevie, ke mia Fofo nyae be nu siawo hiã mi.+ 31 Ke minɔ eƒe Fiaɖuƒe la didi dzi boŋ, eye woatsɔ nu siawo akpee na mi.+

32 “Alẽha sue,+ mègavɔ̃ o, elabena edze mia Fofo la ŋu be yeatsɔ Fiaɖuƒe la na mi.+ 33 Midzra nu siwo le mia si la, eye miatsɔ ga la ana ame dahewo.+ Mitɔ gakotoku siwo megblẽna o, siwo nye nu xɔasi siwo nu mayi o la, na mia ɖokui ɖe dziƒowo,+ afi si fiafitɔ megogona o, eye agbagblaʋui hã megblẽa nu le o. 34 Elabena afi si wò nu xɔasiwo le la, afi mae wò dzi hã anɔ.

35 “Midzra ɖo, minɔ klalo,*+ eye miaƒe akaɖiwo nenɔ bibim,+ 36 eye minɔ abe ame siwo le woƒe aƒetɔ lalam be wòagbɔ+ tso srɔ̃ɖeƒe,+ ale be ne eva ɖo eye wòƒo ʋɔa la, yewoaʋui nɛ enumake la ene. 37 Dzidzɔtɔwoe nye kluvi mawo siwo aƒetɔ la akpɔ be wole ŋudzɔ ne eva ɖo! Vavã mele egblɔm na mi be, eya ŋutɔ abla ali dzi, eye wòana woanɔ kplɔ̃ ŋu, eye wòasubɔ wo. 38 Dzidzɔtɔwoe woanye ne eva le ŋudzɔɣi evelia,* alo etɔ̃lia* gɔ̃ hã me, eye wòkpɔ wo wole ŋudzɔ! 39 Ke minya esia be, ne ɖe aƒea tɔ anya gaƒoƒo si dzi fiafitɔ ava la, anye ne maɖe mɔ nɛ wòadze kpɔ age ɖe eƒe me o.+ 40 Miawo hã minɔ dzadzraɖoɖi, elabena Amegbetɔvi la ava le gaƒoƒo si miesusu o la dzi.”+

41 Eye Petro biae be: “Aƒetɔ, míawo koe nèle lo sia dom na loo alo amewo katã?” 42 Eye Aƒetɔ la ɖo eŋu be: “Ame ka tututue nye aƒedzikpɔla nuteƒewɔla, si dze aɖaŋu,* si eƒe aƒetɔ aɖo eƒe subɔviwo* ƒe ha la nu, be wòanɔ nuɖuɖu si asu na wo la nam wo le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi?+ 43 Dzidzɔtɔe kluvi ma anye ne eƒe aƒetɔ gbɔ va kpɔe wòle ewɔm nenema! 44 Vavã mele egblɔm na mi be, atsɔe aɖo eƒe nuwo katã nu. 45 Ke ne kluvi ma agblɔ le eƒe dzi me be, ‘Nye aƒetɔ mele gbɔgbɔm kaba o,’ eye wòade asi subɔviŋutsuwo kple subɔvinyɔnuwo ƒoƒo me, eye wòaɖu nu ano nu eye wòamu aha la,+ 46 kluvi ma ƒe aƒetɔ ava le gbe si gbe mele mɔ kpɔm nɛ o kple gaƒoƒo si menya o la me, eye wòahe to nɛ vevie ahana gomee kpe ɖe ame mawɔnuteƒewo ŋu. 47 Ekema woaƒo kluvi ma si nya eƒe aƒetɔ ƒe lɔlɔ̃nu, gake menɔ dzadzraɖoɖi alo wɔ nu si eƒe aƒetɔa gblɔ* o la geɖe.+ 48 Ke ame si menya o, eye wòwɔ nu si dze ƒoƒo la, woaƒoe ʋɛ. Vavãe, ame sia ame si wona nu geɖe la, woabia nu geɖe tso esi, eye ame si wotsɔ ɖo nu geɖe nu la, woabia nu geɖe wu tso esi.+

49 “Ðe meva dzo do ge ɖe anyigba dzi, eye ne dzoa lé xoxo ɖe, nu kae magadi? 50 Nyateƒee, nyɔnyrɔ aɖe li wòle be maxɔ, eye aleke metsi dzodzodzoe va se ɖe esime wòawu enue nye esi!+ 51 Ðe miesusu be ŋutifafa na gee meva le anyigba dzia? Gbeɖe, mele egblɔm na mi be, mama boŋ ye.+ 52 Elabena tso fifia dzi la, ame atɔ̃ anɔ aƒe ɖeka me, eye wo dome ama, etɔ̃ atsi tsitre ɖe eve ŋu, eye eve ɖe etɔ̃ ŋu. 53 Fofo kple viŋutsu dome ama, eye viŋutsu kple fofoa dome ama, vidada kple vianyɔnu dome ama, eye vinyɔnu kple dadaa dome ama, lɔ̃xo kple lɔ̃xoyɔvi dome ama, eye lɔ̃xoyɔvi kple lɔ̃xoa dome ama.”+

54 Eye wògblɔ na amehawo hã be: “Ne miekpɔ alilikpo le dodom le ɣetoɖoƒe la, miegblɔna enumake be: ‘Tsi gã aɖe gbɔna,’ eye wòvaa eme hã. 55 Eye ne miekpɔ be ya ƒo tso anyiehe la, miegblɔna be: ‘Xexea me le dzo xɔ ge,’ eye wòvaa eme hã. 56 Alakpanuwɔlawo, mienya ale si mialé ŋku ɖe anyigba kple dziŋgɔli ƒe nɔnɔme ŋu, ke aleke wɔ mienya ale si mialé ŋku ɖe ɣeyiɣi sia tututu ya ŋu o?+ 57 Eye nu ka tae mietsoa nya me le nu si le dzɔdzɔe la ŋuti na mia ɖokui o? 58 Le kpɔɖeŋu me, ne wò kple wò ketɔ si tsɔ nya ɖe ŋuwò mieyina dziɖula aɖe ŋkume la, dze agbagba nàdzra mia dome ɖo le mɔa dzi, ne magakplɔ wò ayi ʋɔnudrɔ̃la ŋkume, ale be ʋɔnudrɔ̃la la natsɔ wò ade asi na kpovitɔ, eye kpovitɔ la nade wò gaxɔ me o.+ 59 Mele egblɔm na wò be, màdo go le afi ma akpɔ o, va se ɖe esime nàxe wò gaku suetɔ* mamlɛa hafi.”

13 Ɣemaɣi la, ame aɖewo siwo le afi ma la gblɔ ale si Pilato wu Galileatɔ aɖewo siwo nɔ vɔ sam eye wòtsɔ woƒe ʋu tsaka woƒe vɔsalãwo ƒe ʋu la ŋu nya nɛ. 2 Eya ta ebia wo be: “Ðe miesusu be Galileatɔ siawo nye nu vɔ̃ wɔlawo wu Galileatɔ bubuawo le esi nu sia dzɔ ɖe wo dzi ta? 3 Gbeɖe, mele egblɔm na mi be, ne mietrɔ dzi me o la, woatsrɔ̃ mi katã nenema ke.+ 4 Alo ɖe miesusu be ame wuienyi siwo dzi Siloam-mɔ́ la mu dze woku la, woawoe ɖi fɔ wu Yerusalemtɔ bubuawo katã mahã? 5 Gbeɖe, mele egblɔm na mi be, ne mietrɔ dzi me o la, woatsrɔ̃ mi katã nenema ke.”

6 Eye wòdo lo sia be: “Ame aɖe do gboti ɖe eƒe waingble me, eye wòva di kutsetse le edzi, ke mekpɔ ɖeke o.+ 7 Eye wògblɔ na waingbledela la be, ‘Ƒe etɔ̃ sɔŋ ye nye esi meva dia kutsetse le gboti sia dzi, ke nyemekpɔa ɖeke le edzi o. Lãe ƒu anyi! Nu ka ŋuti wòaxɔ anyigba la dzodzro?’ 8 Eɖo eŋu nɛ be, ‘Aƒetɔ, na wòaganɔ anyi ƒe ɖeka kpɔ, ne maɖe do aƒo xlãe ahado aɖu ɖe ete. 9 Ne eva tse le etsɔme la, enyo; ke ne mele nenema o la, nàlãe aƒu anyi.’”+

10 Azɔ ele nu fiam le ƒuƒoƒeawo dometɔ ɖeka le Sabat dzi. 11 Eye kpɔ ɖa, nyɔnu aɖe si me gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe le, eye wòna wòzu dɔnɔ ƒe wuienyi sɔŋ; eye wòxa gobaa ale be metea ŋu dzɔna kura o la le afi ma. 12 Esi Yesu kpɔe la, eyɔe gblɔ nɛ be: “Nyɔnu, wotu ka wò tso wò dɔléle la me.”+ 13 Eye wòda eƒe asiwo ɖe edzi, enumake nyɔnua dzɔ kã, eye wòde asi Mawu kafukafu me. 14 Ke ƒuƒoƒea dzi kpɔlaa do dziku vevie le esi Yesu da gbe le amea ŋu le Sabat dzi ta, eye wògblɔ na ameha la be: “Ŋkeke adee li, siwo dzi wòle be ame nawɔ dɔ le,+ eya ta miva ne woada gbe le mia ŋu le ŋkeke mawo dzi, ke menye le Sabat la dzi o.”+ 15 Ke Aƒetɔ la ɖo eŋu nɛ be: “Alakpanuwɔlawo,+ ɖe mia dometɔ ɖe sia ɖe meɖea ka eƒe nyitsu alo eƒe tedzi le lãkpo me le Sabat dzi, eye wòkplɔnɛ yia tsinoƒe oa?+ 16 Ðe ɣeyiɣi mede be woaɖe ka nyɔnu sia, si nye Abraham vi, eye Satana blae ƒe wuienyi sɔŋ la le Sabat ŋkeke dzi oa?” 17 Esi wògblɔ nya siawo la, ŋukpe lé ame siwo tsi tsitre ɖe eŋu la katã, ke ameha blibo la de asi dzidzɔkpɔkpɔ me le nu wɔnuku siwo katã wòwɔ la ta.+

18 Eya ta egblɔ be: “Nu kae Mawu Fiaɖuƒe la ɖi, eye nu kae matsɔe asɔ kplii? 19 Ele abe sinapi-ku si ame aɖe ƒã ɖe eƒe abɔ me, eye wòtsi va zu ati, eye dziƒoxewo va wɔ atɔ ɖe eƒe alɔwo me la ene.”+

20 Egagblɔ be: “Nu kae matsɔ Mawu Fiaɖuƒe la asɔ kplii? 21 Ele abe amɔwɔʋãnu si nyɔnu aɖe tsɔ blu amɔwɔ dzidzenu* gã etɔ̃ va se ɖe esime amɔwɔ bliboa ʋã la ene.”+

22 Eye wòyi ɖato duwo kple kɔƒewo me hele nu fiam, eye wòle mɔzɔzɔa dzi ɖo ta Yerusalem. 23 Ke ame aɖe biae be: “Aƒetɔ, ame ʋɛ aɖewo koe akpɔ ɖeɖea?” Eɖo eŋu na wo be: 24 “Miʋli sesĩe be miato agbo xaxɛ la nu age ɖe eme,+ elabena mele egblɔm na mi be: Ame geɖewo adi be yewoage ɖe eme, ke womate ŋui o. 25 Ne aƒea tɔ tso do ʋɔa la, miatɔ ɖe xexe anɔ ʋɔa ƒom anɔ gbɔgblɔm be, ‘Aƒetɔ, ʋui na mí,’+ ekema aɖo eŋu na mi be: ‘Nyemenya afi si mietso o.’ 26 Ekema miade asi gbɔgblɔ me be, ‘Míeɖu nu heno nu le ŋkuwòme, eye nèfia nu le míaƒe ablɔwo dzi ɖe.’+ 27 Ke agblɔ na mi be, ‘Nyemenya afi si mietso o. Mite ɖa le gbɔnye, mi nu madzɔmadzɔ wɔlawo katã!’ 28 Afi mae miafa avi ahaɖu aɖukli le, ne miekpɔ Abraham, Isak, Yakob kple nyagblɔɖilawo katã le Mawu Fiaɖuƒe la me, ke wotsɔ miawo ya ƒu gbe ɖe xexe.+ 29 Amewo atso ɣedzeƒe, ɣetoɖoƒe, dziehe kple anyiehe, eye woabɔbɔ nɔ kplɔ̃ ŋu le Mawu Fiaɖuƒe la me. 30 Eye kpɔ ɖa, ame mlɔetɔ aɖewo li, siwo ava zu gbãtɔwo, eye ame gbãtɔ aɖewo li, siwo ava zu mlɔetɔwo.”+

31 Le gaƒoƒo ma tututu me la, Farisitɔ aɖewo va gblɔ nɛ be: “Tso nàdzo le afi sia, elabena Herodes le didim be yeawu wò.” 32 Eye wògblɔ na wo be, “Miyi ɖagblɔ na abei ma be: ‘Kpɔ ɖa, mele gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam do goe, eye mele dɔ dam egbe kple etsɔ, eye mawu nye dɔ la nu le ŋkeke etɔ̃a gbe.’ 33 Ke ele be mayi nye mɔzɔzɔa dzi egbe kple etsɔ kpakple ŋkeke si kplɔe ɖo, elabena womeɖe mɔ be woawu nyagblɔɖila le teƒe bubu aɖeke wu Yerusalem o.+ 34 Yerusalem, Yerusalem, si wu nyagblɔɖilawo, eye wòƒu kpe ame siwo wodɔ ɖo ɖe egbɔ+—zi nenie nyemehedi be maƒo viwòwo nu ƒu abe ale si koklonɔ ƒoa viawo nu ƒu ɖe eƒe aʋalawo te ene o! Ke mielɔ̃ o!+ 35 Kpɔ ɖa! Wogblẽ miaƒe aƒe la ɖi na mi.+ Mele egblɔm na mi be: Miegale kpɔ ye ge o va se ɖe esime miagblɔ be: ‘Woayra ame si gbɔna le Yehowa* ƒe ŋkɔ me!’”+

14 Ɣebubuɣi la, Yesu yi Farisitɔwo ƒe kplɔla aɖe ƒe me le Sabat dzi be yeaɖu nu, eye wonɔ ŋku lém ɖe eŋu vevie. 2 Eye kpɔ ɖa, ŋutsu aɖe si le tetedɔ lém la le eŋgɔ. 3 Eya ta Yesu bia ame siwo nya Sea nyuie la kple Farisitɔwo be: “Ðe se ɖe mɔ be woada dɔ le Sabat dzi loo alo se meɖe mɔ o?”+ 4 Ke wozi kpi. Ale wòka asi amea ŋu heda gbe le eŋu, eye wòdo mɔe. 5 Ebia wo be: “Mia dometɔ kae li, ne viaŋutsu alo eƒe nyitsu ge ɖe vudo me le Sabat dzi la,+ maɖee enumake o?”+ 6 Eye womete ŋu ɖo nya sia ŋu o.

7 Esi wòkpɔ ale si ame kpekpeawo le bubunɔƒewo tiam na wo ɖokuiwo la,+ egblɔ* na wo be: 8 “Ne ame aɖe kpe wò va srɔ̃ɖekplɔ̃ ŋu la, mègava nɔ bubunɔƒe gãtɔ o.+ Ðewohĩ ekpe ame aɖe si nye bubume wu wò la hã vɛ. 9 Eye ame si kpe wò kplii la ava gblɔ na wò be: ‘Tsɔ wò nɔƒe na ame sia.’ Ekema àtsɔ ŋukpe ayi aɖanɔ nɔƒe mlɔetɔ. 10 Ke boŋ ne wokpe wò la, yi ɖanɔ anyi ɖe nɔƒe mlɔetɔ, ale be ne ame si kpe wò la va la, wòagblɔ na wò be: ‘Xɔ̃nye, yi ɖanɔ nɔƒe si ŋu bubu le wu.’ Ekema anye bubu na wò le ame kpekpe susɔeawo katã ŋkume.+ 11 Elabena ame sia ame si doa eɖokui ɖe dzi la, woabɔbɔe ɖe anyi, eye ame sia ame si bɔbɔa eɖokui la, woadoe ɖe dzi.”+

12 Azɔ egblɔ na ame si kpee la hã be: “Ne èɖo ŋdɔ alo fiẽ kplɔ̃ la, mègakpe xɔ̃wòwo alo nɔviwòwo alo wò ƒometɔwo alo aƒelika kesinɔtɔwo o. Elabena ɖewohĩ woawo hã woava kpe wò gbe ɖeka, eye ema azu teƒeɖoɖo na wò. 13 Ke boŋ ne èɖo kplɔ̃ la, kpe ame dahewo, nuwɔametɔwo, bunɔwo kple ŋkuagbãtɔwo;+ 14 ekema àkpɔ dzidzɔ, le esi naneke mele wo si woatsɔ aɖo eteƒe na wò o la ta. Ke woaɖo eteƒe na wò le ame dzɔdzɔewo ƒe tsitretsitsi la me.”+

15 Esi ame siwo hã wokpe dometɔ ɖeka se nya siawo la, egblɔ nɛ be: “Dzidzɔtɔe nye ame si aɖu nu* le Mawu Fiaɖuƒe la me.”

16 Yesu gblɔ nɛ be: “Ame aɖe ɖo fiẽnuɖukplɔ̃ gã aɖe,+ eye wòkpe ame geɖewo. 17 Esi fiẽnuɖuɣia ɖo la, edɔ eƒe kluvi ɖa be wòayi aɖagblɔ na ame kpekpeawo be, ‘Miva, elabena nu sia nu sɔ gbe.’ 18 Ke wo katã wodo taflatsɛ.+ Ame gbãtɔ gblɔ nɛ be, ‘Meƒle agble, eye ele nam be mayi aɖakpɔe ɖa; eya ta meɖe kuku, nyemate ŋu ava o.’ 19 Eye ame bubu gblɔ be, ‘Meƒle nyi eveeve teƒe atɔ̃, eye meyina wo do ge kpɔ, eya ta meɖe kuku, nyemate ŋu ava o.’+ 20 Ame bubu hã gblɔ be, ‘Ðeko meɖe srɔ̃e nye esia, eya ta nyemate ŋu ava o.’ 21 Eye kluvi la trɔ gbɔ va gblɔ nya siawo na eƒe aƒetɔ la. Ale eƒe aƒetɔ do dɔmedzoe, eye wògblɔ na eƒe kluvi la be, ‘Netsɔ, yi dua ƒe ablɔwo me kple kpɔdomeewo, eye nàkplɔ ame dahewo, nuwɔametɔwo, ŋkuagbãtɔwo kple bunɔwo vɛ.’ 22 Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, kluvi la gbɔ va gblɔ be, ‘Aƒetɔ, mewɔ nu si nèɖo nam la, gake nɔƒe gali.’ 23 Eya ta aƒetɔ la gblɔ na kluvi la be, ‘Yi mɔwo dzi kple ablɔwo me, eye nàƒoe ɖe amewo nu be woava, ne nye aƒea me nayɔ.+ 24 Elabena mele egblɔm na mi be, ame mawo, siwo mekpe hafi wogbe la, dometɔ aɖeke maɖɔ nye fiẽnuɖuɖu la kpɔ o.’”+

25 Ke ameha gã aɖe le mɔ zɔm kplii gbe ɖeka, eye wòtrɔ gblɔ na wo be: 26 “Ne ame aɖe va gbɔnye, eye melé fu fofoa, dadaa, srɔ̃a, viawo, nɔviaŋutsuwo kple nɔvianyɔnuwo,* ɛ̃, ne melé fu eya ŋutɔ ƒe agbe* kekeake gɔ̃ hã o la,+ mate ŋu anye nye nusrɔ̃la o.+ 27 Ame si metsɔ eƒe fuwɔameti* hedze yonyeme o la mate ŋu anye nye nusrɔ̃la o.+ 28 Le kpɔɖeŋu me, mia dometɔ kae li ne edi be yeatu xɔ* la, manɔ anyi abu eŋu kɔnta gbã ahakpɔ ɖa be nu sɔ gbɔ ɖe ye si yeate ŋu awu enu o mahã? 29 Ne menye nenema o la, aɖo egɔme anyi, gake mate ŋu awu enu o, eye ame siwo katã kpɔe la aɖu fewu le eŋu 30 agblɔ be: ‘Ame sia dze xɔtutu gɔme, gake mete ŋu wu enu o.’ 31 Alo fia kae li, eye ne eyina aʋa kpe ge kple fia bubu la, manɔ anyi abu eŋuti gbã, ne ate ŋu atsɔ asrafo akpe ewo anɔ te ɖe ame si gbɔna aʋa kpe ge kplii la ƒe asrafo akpe blaeveawo nu oa? 32 Ne ekpɔe be manya wɔ o la, ekema ne ame kemɛa le adzɔge ʋĩi gbɔna la, adɔ eƒe amewo ɖa be woawɔ ŋutifafa kplii. 33 Nenema kee mia dometɔ si magbe nu le nu siwo katã le esi la gbɔ o la mate ŋu anye nye nusrɔ̃la o.+

34 “Nyateƒee, nu nyui aɖee dze nye. Ke ne dze bu eƒe ŋusẽ ɖe, nu kae woatsɔ adee?+ 35 Menyo na anyigba alo be woazãe abe aɖu ene hã o. Ðeko woatsɔe aƒu gbe. Ame si to senu li na la, nesee.”+

15 Ke adzɔxɔlawo kple nu vɔ̃ wɔlawo katã nɔa egbɔ vam be yewoaɖo toe.+ 2 Eye Farisitɔwo kple agbalẽfialawo lĩ liʋiliʋĩ be: “Ame sia xɔa nu vɔ̃ wɔlawo heɖua nu kpli wo.” 3 Eye wòdo lo sia na wo be: 4 “Mia dometɔ ka sie alẽ alafa ɖeka le, eye ne wo dometɔ ɖeka bú la, magblẽ blaasieke vɔ asieke la ɖe gbedzi, eye wòayi aɖadi esi bú la va se ɖe esime wòakpɔe oa?+ 5 Ne ekpɔe la, akɔe ɖe abɔta kple dzidzɔ. 6 Eye ne eɖo aƒe me la, ayɔ exɔlɔ̃wo kple eƒe aƒelikawo aƒo ƒu ahagblɔ na wo be, ‘Mikpɔ dzidzɔ kplim, elabena mekpɔ nye alẽ si bú la.’+ 7 Mele egblɔm na mi be, nenema kee woakpɔ dzidzɔ geɖe le dziƒo le nu vɔ̃ wɔla ɖeka si trɔ dzi me la ŋuti+ wu ɖe ame dzɔdzɔe blaasieke vɔ asieke siwo mehiã na dzimetɔtrɔ o la ŋuti.

8 “Alo nyɔnu ka sie drakma* ewo anɔ, eye ne ebú drakma* ɖeka la, masi akaɖi, eye wòakplɔ eƒe aƒea me ahadii nyuie va se ɖe esime wòakpɔe oa? 9 Eye ne ekpɔe la, ayɔ exɔlɔ̃wo* kple eƒe aƒelikawo aƒo ƒu ahagblɔ na wo be, ‘Mikpɔ dzidzɔ kplim, elabena mekpɔ nye drakma* si bú la.’ 10 Mele egblɔm na mi be, nenema kee mawudɔlawo kpɔa dzidzɔ le nu vɔ̃ wɔla ɖeka si trɔ dzi me la ŋuti.”+

11 Eye wògblɔ be: “Viŋutsu eve le ŋutsu aɖe si. 12 Eye ɖevitɔa gblɔ na fofoa be, ‘Fofo, tsɔ nunɔamesiawo ƒe akpa si nye tɔnye la nam.’ Ale wòma eƒe nunɔamesiwo na wo. 13 Le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, ɖevitɔ la ƒo eƒe nuwo katã nu ƒu hezɔ mɔ yi dukɔ didi aɖe me, eye wògblẽ eƒe nunɔamesiwo dome le afi ma to agbe baɖa nɔnɔ me. 14 Esi wòzã nuawo katã vɔ la, dɔ gã aɖe to le dukɔ ma me godoo, eye hiã tui. 15 Eyi ɖatsɔ eɖokui lé ɖe dukɔ ma me tɔ aɖe gɔ̃ hã ŋu, eye wòdɔe ɖe eƒe agble me be wòanyi hawo.+ 16 Eye wòdina be woatsɔ hawo ƒe nuɖuɖu ana ye, ke ame aɖeke menaa nanekee o.

17 “Esi wònyɔ le eɖokui me la, egblɔ be, ‘Nuɖuɖu bɔ ɖe fofonye ƒe apadɔwɔlawo gɔ̃ hã si hafi nye ya mele afii le kukum le dɔwuame ta! 18 Matso ayi fofonye gbɔ ahagblɔ nɛ be: “Fofo, mewɔ nu vɔ̃ ɖe dziƒo* ŋu kple ŋutiwò. 19 Nyemegadze be nàyɔm be viwò o. Wɔm abe wò apadɔwɔlawo dometɔ ɖeka ene.”’ 20 Ale wòdze mɔ yina fofoa gbɔ. Esi wòle mɔ dzi ʋĩi gbɔna la, fofoa kpɔe, eye eƒe nu wɔ nublanui nɛ, ale wòƒu du yi ɖawɔ atuu nɛ* hegbugbɔ nu nɛ lɔlɔ̃tɔe. 21 Eye via gblɔ nɛ be, ‘Fofo, mewɔ nu vɔ̃ ɖe dziƒo ŋu kple ŋutiwò.+ Nyemegadze be nàyɔm be viwò o.’ 22 Ke fofoa gblɔ na eƒe kluviwo be, ‘Netsɔ, mitsɔ awu ʋlaya nyuitɔ va do nɛ, mide asigɛ asi nɛ, eye mido afɔkpa nɛ. 23 Eye milé nyitsui dami la vɛ, miwui, eye mina míaɖu nu akpɔ dzidzɔ, 24 elabena vinye sia ku, eye wògagbɔ agbe;+ ebú, eye wogakpɔe.’ Eye wode asi dzidzɔkpɔkpɔ me.

25 “Ke via tsitsitɔ yi agble, esi wòtrɔ gbɔna eye wògogo aƒea la, ese haƒoƒo kple ɣeɖuɖu. 26 Eya ta eyɔ subɔviawo dometɔ ɖeka hebia nu si le edzi yim lae. 27 Eɖo eŋu nɛ be, ‘Nɔviwò trɔ gbɔ, eye fofowò wu nyitsui dami la, elabena egakpɔe le lãmesẽ me.’* 28 Ke edo dziku, eye medi be yeayi aƒea me o. Eye fofoa do go va ɖe kuku nɛ. 29 Ke egblɔ na fofoa be, ‘Kpɔ ɖa, mesubɔ wò ƒe geɖe, eye nyemeda wò se dzi zi ɖeka pɛ hã kpɔ o, evɔ mèna gbɔ̃vi ɖekam kpɔ be nye kple xɔ̃nyewo míado dzidzɔ na mía ɖokui o. 30 Ke esi viwò sia, si gblẽ wò nunɔamesiwo dome kple gbolowo gbɔ va ko la, èwu nyitsui dami la nɛ.’ 31 Egblɔ nɛ be, ‘Vinye, èle gbɔnye ɣesiaɣi, eye nu siwo katã le asinye la, tɔwòe wonye. 32 Gake ɖeko wòle be míakpɔ dzidzɔ ahatso aseye, elabena nɔviwò sia ku, eye wògagbɔ agbe; ebú, eye wogakpɔe.’”

16 Egagblɔ na nusrɔ̃lawo be: “Aƒedzikpɔla aɖe nɔ kesinɔtɔ aɖe si, eye wova tso enu na kesinɔtɔa be ele eƒe nuwo dome gblẽm. 2 Eya ta eyɔe biae be, ‘Nya kae nye esia sem mele le ŋuwò? Va wɔ akɔnta nam le wò aƒedzikpɔkpɔ ŋuti, elabena màgate ŋu akpɔ aƒea dzi azɔ o.’ 3 Eye aƒedzikpɔla la gblɔ na eɖokui be, ‘Esi wònye nye aƒetɔ le aƒedzikpɔkpɔdɔa xɔ ge le asinye ɖe, nu ka wɔ ge mala? Ŋusẽ mele ŋunye madzobo anyigba o, nubiabia hã kpea ŋu nam. 4 Ahã! Menya nu si mawɔ, ale be ne woxɔ aƒedzikpɔkpɔdɔa le asinye la, amewo naxɔm ɖe woƒe aƒewo me.’ 5 Esi wòyɔ ame siwo katã nyi fe le eƒe aƒetɔ ŋu vɛ la, ebia gbãtɔ be, ‘Ho neni ƒe fee nènyi le nye aƒetɔ ŋu?’ 6 Eɖo eŋu be, ‘Ami gago* alafa ɖeka.’ Egblɔ nɛ be, ‘Xɔ wò fegbalẽa nàbɔbɔ anɔ anyi, eye nàŋlɔ kaba be blaatɔ̃.’ 7 Emegbe ebia ame bubu be, ‘Ke wò ɖe, ho neni ƒe fee nènyi?’ Eɖo eŋu be, ‘Lu kotoku* alafa ɖeka.’ Egblɔ nɛ be, ‘Xɔ wò fegbalẽa, eye nàŋlɔ blaenyi.’ 8 Togbɔ be ame madzɔmadzɔe aƒedzikpɔlaa nye hã la, eƒe aƒetɔ kafui, le esi wòdze aɖaŋu ta; elabena nuɖoanyi sia me viwo dze aɖaŋu ɖe woawo ŋutɔ ƒe dzidzimea ŋu wu kekeli+ la ƒe viwo.

9 “Mele egblɔm na mi hã be: Mitsɔ kesinɔnu madzɔmadzɔwo dze xɔlɔ̃woe na mia ɖokuiwo,+ ale be ne wo nu va yi la, woaxɔ mi ɖe nɔƒe mavɔwo.+ 10 Ame si wɔa nuteƒe le nu suetɔ me la, wɔa nuteƒe le nu geɖewo hã me, eye ame si wɔa nu madzɔmadzɔ le nu suetɔ me la, wɔa nu madzɔmadzɔ le nu geɖewo hã me. 11 Eya ta ne mienye nuteƒewɔlawo le kesinɔnu madzɔmadzɔwo gome o ɖe, ame kae aka ɖe mia dzi atsɔ nu vavã ade mia si? 12 Eye ne mienye nuteƒewɔla le nu si nye ame bubu tɔ me o ɖe, ame kae atsɔ nu si anye mia tɔ la ana mi?+ 13 Subɔvi aɖeke mate ŋu anye kluvi na aƒetɔ eve o, elabena alé fu ɖeka eye wòalɔ̃ evelia, alo aku ɖe ɖeka ŋu, eye wòado vlo evelia. Miate ŋu anye Mawu kple Kesinɔnuwo siaa ƒe kluviwo o.”+

14 Ke Farisitɔwo, ame siwo nye galɔ̃lawo la, le to ɖom nya siawo katã, eye woɖu fewu le Yesu ŋu.+ 15 Eya ta egblɔ na wo be: “Miewɔa mia ɖokuiwo ame dzɔdzɔewo le amewo ŋkume,+ gake Mawu nya nu si le miaƒe dziwo me.+ Elabena nu si amegbetɔwo buna nu kɔkɔ la nye ŋunyɔnu le Mawu ya ŋkume.+

16 “Woɖe gbeƒã Se la kple Nyagblɔɖilawo ƒe nyawo va se ɖe Yohanes dzi. Tso ekema dzi la, wole gbeƒã ɖem Mawu Fiaɖuƒe la ŋuti nya nyui la, eye ame ƒomeviwo katã le ʋiʋlim be yewoayi ɖe eme.+ 17 Vavãe, ele bɔbɔe be dziƒo kple anyigba nu nava yi wu be Se la ƒe ŋɔŋlɔdzesi ɖeka nado kpo emevava.+

18 “Ame sia ame si gbe srɔ̃a heɖe bubu la, ewɔ ahasi, eye ŋutsu si ɖe nyɔnu si srɔ̃a gbe la wɔ ahasi.+

19 “Ŋutsu kesinɔtɔ aɖe nɔ anyi, eye wòdoa awu xɔasi kple aklala biɖibiɖi wu, eye wòɖua agbe ŋutɔ gbe sia gbe. 20 Eye wokɔa nubiala aɖe si ŋkɔe nye Lazaro, ame si ŋuti yɔ fũu kple abiwo la, va dana ɖe eƒe agbo nu, 21 eye wòdina be yeaɖu nu siwo le dudum tso kesinɔtɔa ƒe kplɔ̃ dzi. Ɛ̃, avuwo gɔ̃ hã va ɖuɖɔa eƒe abiawo me. 22 Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, nubialaa ku, eye mawudɔlawo kɔe yi Abraham gbɔ.*

“Kesinɔtɔ la hã ku, eye woɖii. 23 Ke esi wòle Tsiẽƒe* hele fu kpem vevie la, ewu mo dzi, eye wòkpɔ Abraham ɖa ʋĩi, eye Lazaro le egbɔ.* 24 Eya ta edo ɣli gblɔ be, ‘Fofo Abraham, kpɔ nublanui nam, eye nàdɔ Lazaro ɖa be wòatsɔ eƒe asibidɛ nu atɔ tsi me ava ge ɖe aɖe dzi nam, elabena mele veve sem helĩhelĩ le dzobibi gã sia me.’ 25 Ke Abraham gblɔ nɛ be, ‘Vinye, ɖo ŋku edzi be èxɔ wò nu nyuiwo katã le wò agbe me, gake Lazaro ya xɔ vɔ̃awo. Azɔ ekpɔ akɔfafa le afi sia, ke wò ya èle fu kpem. 26 Gawu la, ʋe globo aɖe hã le mía kple miawo dome, ale be, ame siwo di be yewoatso afi sia ava mia gbɔ la mate ŋui o, eye ame aɖeke mate ŋu atso afi ma hã ava mía gbɔ o.’ 27 Eye wògblɔ be, ‘Ne nenemae la, fofo, meɖe kuku dɔe ɖe fofonye ƒe me, 28 elabena nɔvi atɔ̃ le asinye, ne wòaɖi ɖase na wo, bena woawo hã womagava fukpeƒe sia o.’ 29 Ke Abraham gblɔ be, ‘Mose kple Nyagblɔɖilawo le wo gbɔ; woneɖo to ame siawo.’+ 30 Eye kesinɔtɔa ɖo eŋu nɛ be, ‘Gbeɖe, fofo Abraham, ke boŋ ne ame aɖe tso ame kukuwo dome yi wo gbɔ la, woatrɔ dzi me.’ 31 Ke egblɔ nɛ be, ‘Ne womeɖo to Mose+ kple Nyagblɔɖilawo o la, ekema ne ame aɖe fɔ tso ame kukuwo dome hã la, mate ŋu aƒoe ɖe wo nu woatrɔ o.’”

17 Eye wògblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Nu siwo ahe amewo ade nu vɔ̃ me* la ava godoo. Gake baba na ame si dzi woato ava! 2 Ne wotsɔ té tsi ɖe kɔ nɛ hetsɔe ƒu gbe ɖe atsiaƒu me la, enyo nɛ wu be wòana ɖevi siawo dometɔ ɖeka nadze nu vɔ̃ me.+ 3 Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie. Ne nɔviwò wɔ nu vɔ̃ ɖe ŋuwò la, ka mo nɛ,+ eye ne etrɔ dzi me la, tsɔe kee.+ 4 Ne ewɔ nu vɔ̃ ɖe ŋuwò zi adre gɔ̃ hã le ŋkeke ɖeka me, eye wògatrɔ va gbɔwò zi adre gblɔ be, ‘Metrɔ dzi me’ la, ele be nàtsɔe akee.”+

5 Ke apostoloawo gblɔ na Aƒetɔ la be: “Na míaƒe xɔse nadzi ɖe edzi.”+ 6 Eye Aƒetɔ la gblɔ be: “Ne xɔse le mia si de sinapi-ku* ƒe lolome nu la, ekema miagblɔ na ati* sia be, ‘Ho yi ɖadze atsiaƒu me!’ eye aɖo to mi.+

7 “Mia dometɔ ka ƒe kluvie anɔ agble ŋlɔm alo anɔ lãwo kplɔm, eye ne etso agble gbɔ la, wòagblɔ nɛ be, ‘Va afii nànɔ kplɔ̃ ŋu aɖu nu zi ɖeka’? 8 Menye ɖe wòagblɔ nɛ boŋ be, ‘Wɔ nye fiẽnuɖuɖu nam, eye do akɔtawu nàsubɔm va se ɖe esime maɖu nu ano nu vɔ, eye esia megbe àte ŋu aɖu nu ano nu’ oa? 9 Ðe wòada akpe na kluvi la le esi wòwɔ dɔ siwo wode esi la ta? 10 Nenema kee miawo hã, ne miewɔ nu siwo katã woɖo na mi la, migblɔ be: ‘Kluvi gbɔlowo koe míenye. Nu si wòle be míawɔ lae míewɔ.’”+

11 Esi wòyina Yerusalem la, eto Samaria kple Galilea dome. 12 Eye esi wòle gegem ɖe kɔƒe aɖe me la, anyidɔléla* ewo va do goe, gake wotsi tsitre ɖe adzɔge ɖaa.+ 13 Eye wokɔ gbe dzi gblɔ be: “Yesu, Nufiala, kpɔ nublanui na mí!” 14 Esi wòkpɔ wo la, egblɔ na wo be: “Miyi ɖatsɔ mia ɖokuiwo fia nunɔlawo.”+ Eye esi woyina la, wo ŋuti kɔ.+ 15 Esi wo dometɔ ɖeka kpɔ be yeƒe dɔa vɔ na ye la, etrɔ hele Mawu kafum lélele. 16 Eye wòva tsyɔ mo anyi ɖe Yesu ƒe afɔnu heda akpe nɛ. Samariatɔ hãe wònye.+ 17 Yesu bia be: “Menye ame ewoawo katã ŋutie kɔ oa? Ke ame asieke mamlɛawo ya ɖe? 18 Aleke wɔ wo dometɔ aɖeke megbugbɔ va tsɔ ŋutikɔkɔe na Mawu o, negbe dukɔ bubu me tɔ sia ko?” 19 Eye wògblɔ nɛ be: “Tso nàdzo, wò xɔse na nèhaya.”+

20 Esi Farisitɔwo biae be ɣekaɣie Mawu Fiaɖuƒea ava hã la,+ eɖo eŋu na wo be: “Mawu Fiaɖuƒe la mava ame sia ame nakpɔ gaglãa o, 21 eye amewo magblɔ be, ‘Ele afii!’ alo ‘Afi mɛ!’ o. Elabena kpɔ ɖa, Mawu Fiaɖuƒe la le mia dome.”+

22 Eye wògblɔ na nusrɔ̃lawo be: “Ŋkekewo li gbɔna, esime miadi be yewoakpɔ Amegbetɔvi la ƒe ŋkekeawo dometɔ ɖeka, gake miakpɔe o. 23 Eye amewo agblɔ na mi be, ‘Mikpɔ ɖa, ele afi mɛ!’ alo ‘Mikpɔ ɖa, ele afii!’ Migado go o, eye migadze wo yome o.+ 24 Elabena ale si ko dzi kea dzo eye wòklẽna tso dziƒo ƒe go ɖeka dzi yia dziƒo ƒe go bubu dzi la, nenema kee Amegbetɔvi+ la anɔ le eƒe ŋkeke la dzi.+ 25 Gake gbã la, ele nɛ be wòakpe fu geɖe, eye dzidzime sia agbee.+ 26 Eye abe ale si wònɔ le Noa ƒe ŋkekeawo me ene la,+ nenema kee wòanɔ le Amegbetɔvi la ƒe ŋkekeawo me:+ 27 wonɔ nu ɖum, wonɔ nu nom, ŋutsuwo nɔ srɔ̃ ɖem, wonɔ nyɔnuwo tsɔm na be woaɖe, va se ɖe ŋkeke si dzi Noa ge ɖe aɖakaʋua me,+ eye Tsiɖɔɖɔa va, eye wòtsrɔ̃ wo katã.+ 28 Nenema kee wònɔ le Lot ƒe ŋkekeawo me:+ wonɔ nu ɖum, wonɔ nu nom, wonɔ nu ƒlem, wonɔ nu dzram, wonɔ nu ƒãm, wonɔ xɔ tum. 29 Ke le ŋkeke si dzi Lot do go le Sodom la, dzo kple dzokpe dza tso dziƒo va tsrɔ̃ wo katã.+ 30 Nenema kee wòanɔ le gbe si gbe Amegbetɔvi la aɖe eɖokui afia.+

31 “Le ŋkeke ma dzi la, ame si le xɔ ta, evɔ eƒe nuwo le xɔa me la, megaɖi va be yeatsɔ wo o, eye ame si le agble me la hã megatrɔ va nu siwo le megbe la gbɔ o. 32 Miɖo ŋku Lot srɔ̃ dzi.+ 33 Ame sia ame si di be yeakpɔ yeƒe agbe* ta la abui, ke ame sia ame si abui la axɔe ɖe agbe.+ 34 Mele egblɔm na mi be, le zã ma me la, ame eve amlɔ aba ɖeka dzi; woakplɔ ɖeka, ke woagblẽ evelia ya ɖi.+ 35 Nyɔnu eve anɔ wɔ tum le té ɖeka dzi; woakplɔ ɖeka, gake woagblẽ evelia ya ɖi.” 36 *—— 37 Eya ta wobiae be: “Aƒetɔ, afi kae?” Egblɔ na wo be: “Afi si nu kuku le la, afi mae hɔ̃wo hã ƒoa ƒu ɖo.”+

18 Eye wògado lo na eƒe nusrɔ̃lawo tso ale si wòhiã be woanɔ gbe dom ɖa ɣesiaɣi, eye womagana ta o la ŋuti+ 2 gblɔ be: “Ʋɔnudrɔ̃la aɖe le du aɖe me, si mevɔ̃a Mawu o, eye mebua ame hã o. 3 Ke ahosi aɖe hã le du ma me, si yia egbɔ enuenu gblɔna nɛ be, ‘Drɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe nam le nye kple ame si tsɔ nya ɖe ŋunye la dome.’ 4 Ke melɔ̃ be yeakpe ɖe eŋu o hena ɣeyiɣi aɖe, gake emegbe la, egblɔ na eɖokui be, ‘Togbɔ be nyemevɔ̃a Mawu o, eye nyemebua ame aɖeke o hã la, 5 esi ahosi sia le fu ɖem nam ɣesiaɣi ta la, mana woadrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe nɛ, ale be wòaganɔ vavam ahatsɔ eƒe nubiabiawo anɔ fu ɖem nam atraɖii o.’”+ 6 Eye Aƒetɔ la gblɔ be: “Togbɔ be ame madzɔmadzɔe ʋɔnudrɔ̃la sia nye hã la, miese nya si wògblɔ ɖe! 7 Ekema ɖe Mawu mana woadrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe na eƒe ame tiatia siwo le ɣli dom nɛ zã kple keli,+ esi wògbɔ dzi ɖi blewu na wo oa?+ 8 Mele egblɔm na mi be, ana woadrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe na wo kaba. Gake ne Amegbetɔvi la va ɖo la, ɖe wòakpɔ xɔse sia tɔgbi* le anyigba dzi vavãa?”

9 Ke edo lo sia hã na ame aɖewo, siwo ka ɖe wo ɖokuiwo dzi be yewonye ame dzɔdzɔewo, eye womebua ame bubuwo ɖe ɖeke me o la be: 10 “Ame eve yi gbedoxɔ me be yewoado gbe ɖa, ame ɖeka nye Farisitɔ, eye evelia nye adzɔxɔla. 11 Farisitɔ la le tsitrenu, eye wòdo gbe ɖa le tame be, ‘Oo Mawu, meda akpe na wò be nyemele abe ame bubuawo—adzodalawo, ame madzɔmadzɔwo, ahasiwɔlawo—alo adzɔxɔla sia gɔ̃ hã ene o. 12 Metsia nu dɔna zi eve le kwasiɖa ɖeka me; menaa nu siwo katã mekpɔ la ƒe ewolia.’+ 13 Gake adzɔxɔla ya le tsitre ɖe adzɔge ke, eye medi be yeawu mo dzi teti hã akpɔ dziƒo o, ke boŋ ele akɔta ƒom le gbɔgblɔm be, ‘Oo, Mawu, kpɔ nublanui na nye, ame si nye nu vɔ̃ wɔla.’+ 14 Mele egblɔm na mi be, ame sia trɔ yi aƒe me, eye wobui ame dzɔdzɔe wu Farisitɔ ma.+ Elabena ame sia ame si doa eɖokui ɖe dzi la, woabɔbɔe ɖe anyi, ke ame si bɔbɔa eɖokui ɖe anyi la, woadoe ɖe dzi.”+

15 Azɔ amewo tsɔ woƒe vidzĩwo va Yesu gbɔ be wòaka asi wo ŋu, ke esi nusrɔ̃lawo kpɔe la, woblu ɖe wo ta.+ 16 Gake Yesu bia be woatsɔ vidzĩawo ava ye gbɔ hegblɔ be: “Mina ɖeviawo nava gbɔnye, eye migaxe mɔ na wo o, elabena ame siawo ƒomevi tɔe nye Mawu Fiaɖuƒe la.+ 17 Vavã mele egblɔm na mi be, ame sia ame si mexɔa Mawu Fiaɖuƒe la abe ale si ɖeviwo xɔa nui ene o la, mate ŋu ayi ɖe eme gbeɖe o.”+

18 Eye Yudatɔwo ƒe kplɔla aɖe va biae be: “Nufiala Nyui, nu kae mawɔ be manyi agbe mavɔ la dome?”+ 19 Yesu ɖo eŋu nɛ be: “Nu ka tae nèle yɔyem be ame nyui? Ame aɖeke menye ame nyui o, negbe ame ɖeka ko, eyae nye Mawu.+ 20 Ènya sededeawo ɖe: ‘Mègawɔ ahasi o,+ mègawu ame o,+ mègafi fi o,+ mègaɖi aʋatsoɖase o,+ bu fofowò kple dawò.’”+ 21 Eye wòɖo eŋu be: “Mewɔa nu siawo katã tso nye ɖevime ke.” 22 Esi Yesu see la, egblɔ nɛ be, “Egasusɔ nu ɖeka na wò: Dzra nu siwo katã le asiwò, eye nàma ga la na ame dahewo, eye kesinɔnu anɔ asiwò le dziƒo; eye nàva dze yonyeme.”+ 23 Esi wòse esia la, exa nu vevie, elabena kesinɔtɔ gã aɖee wònye.+

24 Yesu kpɔe dũu hegblɔ be: “Aleke gbegbe wòasesẽ na ame siwo si ga le be woage ɖe Mawu Fiaɖuƒe la mee nye esi!+ 25 Le nyateƒe me la, ele bɔbɔe na kposɔ be wòato abui ƒe vo me wu be kesinɔtɔ nayi ɖe Mawu Fiaɖuƒe la me.”+ 26 Ame siwo see la gblɔ be: “Ekema ame ka gɔ̃e ate ŋu akpɔ ɖeɖe?”+ 27 Egblɔ be: “Nu siwo manya wɔ le amegbetɔwo gbɔ o la, Mawu ya ate ŋu awɔe.”+ 28 Ke Petro gblɔ be: “Kpɔ ɖa, míegblẽ míaƒe nuwo ɖi, eye míedze yowòme.”+ 29 Egblɔ na wo be: “Vavã mele egblɔm na mi be, ame aɖeke meli, si gblẽ aƒe alo srɔ̃nyɔnu alo nɔviŋutsuwo alo dzilawo alo viwo ɖi le Mawu Fiaɖuƒe la ta,+ 30 si makpɔ wo ɖe eteƒe zi geɖe le ɣeyiɣi sia me, eye wòakpɔ agbe mavɔ le nuɖoanyi* si gbɔna la me o.”+

31 Eye wòyɔ Ame Wuieveawo ɖe kpɔe gblɔ na wo be: “Kpɔ ɖa! Míeyina Yerusalem, eye nu siwo katã woŋlɔ to nyagblɔɖilawo dzi le Amegbetɔvi la ŋu la ava eme keŋ.+ 32 Le kpɔɖeŋu me, woadee asi na dukɔwo me tɔwo,+ eye woaɖu fewu le eŋu,+ woado vloe, eye woaɖe ta ɖe eŋu.+ 33 Woaƒoe kple atam eye woawui,+ ke afɔ ɖe tsitre le ŋkeke etɔ̃a gbe.”+ 34 Gake womese nya siawo dometɔ aɖeke gɔme o, elabena woɣla nya siawo ɖe wo, eye womese nya si gblɔm wòle la gɔme o.

35 Ke esi Yesu le Yeriko gogom la, ŋkuagbãtɔ aɖe nɔ anyi ɖe mɔ to le nu biam.+ 36 Esi wòse ameha aɖe ŋkɔ wova yina la, ebia be nu kae le dzɔdzɔm hã. 37 Wogblɔ nɛ be: “Yesu Nazaretetɔ lae va yina!” 38 Ale wòdo ɣli be: “Yesu, David Vi, kpɔ nublanui nam!” 39 Eye ame siwo le ŋgɔ la blu ɖe eta be wòazi ɖoɖoe, ke egado ɣli sesĩe wu be: “David Vi lee, kpɔ nublanui nam dzro!” 40 Eye Yesu tɔ eye wògblɔ be woakplɔ amea ava ye gbɔ. Esi wòte ɖe eŋu la, Yesu biae be: 41 “Nu kae nèdi be mawɔ na wò?” Eɖo eŋu be: “Aƒetɔ, na magakpɔ nu.” 42 Eye Yesu gblɔ nɛ be: “Gakpɔ nu; wò xɔse na nèhaya.”+ 43 Eye enumake wògakpɔ nu, eye wòdze Yesu yome+ hele Mawu kafum. Eye esi ameawo katã kpɔ nu si dzɔ la, woawo hã wokafu Mawu.+

19 Azɔ Yesu ge ɖe Yeriko dua me hetso eme yina. 2 Ke ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Zaxeo le afi ma; enye adzɔxɔlawo ƒe amegã, si si alɔme le. 3 Ke edi be yeakpɔ ame si Yesu sia nye, gake mete ŋui o le ameha la ta, elabena ame kpui wònye. 4 Eya ta eƒu du dze ŋgɔ ɖalia gboti aɖe be yeakpɔe, elabena egbɔna afi ma to ge. 5 Ke esi Yesu ɖo teƒea la, efɔ mo dzi, eye wògblɔ nɛ be: “Zaxeo, ɖi kaba, elabena aƒewò mee madze egbe.” 6 Ale wòɖi kaba, eye wòxɔe ɖe eƒe me kple dzidzɔ. 7 Ke esi wokpɔ esia la, wo katã wolĩ liʋiliʋĩ gblɔ be: “Ŋutsu sia yina nu vɔ̃ wɔla gbɔ dze ge.”+ 8 Ke Zaxeo tso gblɔ na Aƒetɔ la be: “Kpɔ ɖa Aƒetɔ, matsɔ nye nunɔamesiwo ƒe afã ana ame dahewo, eye maɖo nu sia nu si metafa ame aɖe* xɔ le esi la teƒe zi ene.”+ 9 Eye Yesu gblɔ nɛ be: “Xɔxɔ va aƒe sia me egbea, elabena Abraham vie wò hã nènye. 10 Elabena Amegbetɔvi la va be yeadi ame siwo bu la ahaɖe wo.”+

11 Esi wole nya siawo sem la, edo lo bubu na wo, elabena esi wògogo Yerusalem ta la, wole susum be Mawu Fiaɖuƒe la ado enumake.+ 12 Eya ta egblɔ be: “Bubume aɖe zɔ mɔ yi dukɔ didi aɖe me,+ be woaɖo ye fia le afi ma, ne yeatrɔ agbɔ. 13 Eya ta eyɔ eƒe kluviwo dometɔ ewo vɛ, eye wòtsɔ mina* ewo na wo hegblɔ na wo be, ‘Mitsɔe tsa asii va se ɖe esime magbɔ.’+ 14 Gake eƒe dukɔmeviwo lé fui, eye wodɔ amewo ɖe eyome be woagblɔ be, ‘Míedi be ame sia naɖu fia ɖe mía dzi o.’

15 “Mlɔeba esi woɖoe fia eye wòtrɔ gbɔ la, ena woyɔ kluvi siwo wòtsɔ gaa* na la vɛ, ne yeanya viɖe si wokpɔ le woƒe asitsatsa la me.+ 16 Eye gbãtɔ va do hegblɔ be, ‘Aƒetɔ, wò mina la ɖe vi mina ewo ɖe edzi.’+ 17 Egblɔ nɛ be, ‘Kluvi nyui, wòe wɔ dɔ kakaka! Esi nèwɔ nuteƒe le nu suetɔ me ta la, ɖu du ewo dzi.’+ 18 Eye evelia va gblɔ be, ‘Aƒetɔ, wò mina la ɖe vi mina atɔ̃ ɖe edzi.’+ 19 Egblɔ na ame sia hã be, ‘Wò hã ɖu du atɔ̃ dzi.’ 20 Ke bubu va gblɔ be, ‘Aƒetɔ, wò mina si medzra ɖo ɖe avɔ me lae nye esi. 21 Elabena menɔ vɔvɔ̃m na wò, elabena wò nya me sẽ; ètsɔa nu si mèda ɖi o, eye nèŋea nu si mèƒã o.’+ 22 Egblɔ nɛ be, ‘Kluvi vɔ̃ɖi, wò ŋutɔ wò numenyae metsɔ le ʋɔnu drɔ̃m wò. Esi nènya be nye nya me sẽ, metsɔa nu si nyemeda ɖi o, eye meŋea nu si nyemeƒã o la,+ 23 ekema nu ka tae mètsɔ nye ga la de gadzraɖoƒe ale be ne metrɔ gbɔ la, maxɔe kple deme oa?’

24 “Ale fia la gblɔ na ame siwo le tsitre ɖe afi ma be, ‘Mixɔ mina la le esi, eye mitsɔe na ame si si mina ewo le la.’+ 25 Ke wogblɔ nɛ be, ‘Aƒetɔ, mina ewo le esi xoxo ɖe!’— 26 ‘Mele egblɔm na mi be, ame sia ame si si nu le la, woatsɔ geɖe akpee nɛ, gake ame si si nu mele o la, woaxɔ nu si le esi la kura gɔ̃ hã le esi.+ 27 Azɔ mikplɔ nye futɔ siwo medi be maɖu fia ɖe yewo dzi o la vɛ ne miawu wo le ŋkunyeme.’”

28 Esi wògblɔ nya siawo vɔ la, edze mɔ ɖo ta Yerusalem. 29 Eye esi wògogo Betfage kple Betania le to si woyɔna be Amito+ la dzi la, edɔ nusrɔ̃laawo dometɔ eve+ 30 gblɔ be: “Miyi kɔƒe si kpɔm miele le mia ŋgɔ la me, eye ne miege ɖe eme la, miakpɔ tedzivi aɖe, si dzi ame aɖeke menɔ kpɔ o la, le ka me. Miɖe kae, eye mikplɔe vɛ. 31 Eye ne ame aɖe bia mi be, ‘Nu ka tae miele ka ɖemee?’ hã la, migblɔ be, ‘Aƒetɔ la le ehiãm.’” 32 Ale ame dɔdɔawo yi eye wokpɔe abe ale si tututu wògblɔe na wo ene.+ 33 Ke esi wole ka ɖem tedzivia la, ame siwo tɔ wònye la bia wo be: “Nu ka tae miele ka ɖem tedzivia?” 34 Woɖo eŋu be: “Aƒetɔ la le ehiãm.” 35 Eye wokplɔe yi na Yesu hetsɔ woƒe awudziwuiwo ɖo ɖe tedzivia dzi, eye wokɔ Yesu ɖo edzi.+

36 Esi wòva yina la, amewo le woƒe awudziwuiwo ɖom ɖe mɔa dzi.+ 37 Esi wònya gogo mɔ si wotona ɖina tso Amitoa dzi ko la, nusrɔ̃lawo ƒe ha blibo la katã de asi dzidzɔkpɔkpɔ me hele Mawu kafum kple ɣli le ŋusẽdɔ siwo katã teƒe wokpɔ la ŋuti, 38 eye wole gbɔgblɔm be: “Woayra Fia si gbɔna le Yehowa* ƒe ŋkɔ me! Ŋutifafa le dziƒo, eye ŋutikɔkɔe na ame si le dziƒo boo la!”+ 39 Ke Farisitɔ siwo le amehaa dome la dometɔ aɖewo gblɔ nɛ be: “Nufiala, gbe nya na wò nusrɔ̃lawo.”+ 40 Ke eɖo eŋu na wo be: “Mele egblɔm na mi be, ne ame siawo zi kpi la, kpewo ado ɣli.”

41 Eye esi wògogo Yerusalem, eye wòkpɔ dua la, efa avi ɖe eŋu+ 42 gblɔ be: “Wò la, ɖe wòle be nànya nu siwo na ŋutifafa wò le ŋkeke sia me hafi—ke woɣla ɖe wò ŋkuwo fifia.+ 43 Elabena ŋkekewo gbɔna na wò esime wò futɔwo atu ati biɖoebiɖoewo aƒo xlã wò godoo va kpe, woaɖe to ɖe wò eye woaxaxa wò ɖo le goawo katã me.+ 44 Woatsɔ wò kple viwò siwo le mewò la axlã ɖe anyi,+ eye womagblẽ kpe ɖe kpe dzi le mewò o,+ elabena mète ŋu de dzesi wò kpɔkpɔɖaɣi o.”

45 Ege ɖe gbedoxɔa me eye wòde asi nudzralawo nyanya me do goe,+ 46 eye wògblɔ na wo be: “Woŋlɔe ɖi be, ‘Nye aƒe la anye gbedoɖaƒe,’+ ke miawo mietsɔe wɔ adzodalawo ƒe doe.”+

47 Eye wòfiaa nu le gbedoxɔa me gbe sia gbe. Ke nunɔlawo ƒe tatɔwo kple agbalẽfialawo kpakple dumegãwo le didim be yewoawui;+ 48 gake womekpɔ mɔ si dzi woato awɔ esia o, elabena dukɔ bliboa ku ɖe eŋu hele to ɖomee.+

20 Gbe ɖeka esi Yesu le nu fiam amewo le gbedoxɔa me hele gbeƒã ɖem nya nyuia la, nunɔlawo ƒe tatɔwo, agbalẽfialawo kple dumegãwo va 2 gblɔ nɛ be: “Gblɔe na mí, ŋusẽ kae nètsɔ le nu siawo wɔm? Alo ame kae na ŋusẽ sia wò?”+ 3 Eɖo eŋu na wo be: “Nye hã mabia nya ɖeka mi, ne miaɖo eŋu nam: 4 Dziƒoe Yohanes ƒe amenyɔnyrɔ ɖe tsi me la tso loo alo amegbetɔwo gbɔe wòtso?” 5 Ale wolée kpɔ le wo nɔewo dome eye wogblɔ be: “Ne míegblɔ be, ‘Dziƒoe wòtso’ la, abia be, ‘Ekema nu ka tae miexɔ edzi se o?’ 6 Ke ne míegblɔ be, ‘Etso amewo gbɔ la,’ dukɔ blibo la aƒu kpe mí, elabena woka ɖe edzi be nyagblɔɖilae Yohanes nye.”+ 7 Eya ta woɖo eŋu be yewomenya afi si wòtso o. 8 Eye Yesu gblɔ na wo be: “Nye hã nyemagblɔ ŋusẽ si metsɔ wɔa nu siawoe la na mi o.”

9 Eye wòdo lo sia na ameawo be: “Ame aɖe de waingble,+ eye wòtsɔe de asi na agbledelawo, eye wòzɔ mɔ yi duta ɣeyiɣi didi aɖe.+ 10 Ke esi ɣeyiɣia ɖo la, edɔ eƒe kluvi ɖeka ɖe agbledelaawo gbɔ be woatsɔ waingblea me kutsetse la ƒe ɖe nɛ. Ke agbledelaawo ƒoe heɖoe ɖa asi ƒuƒlu.+ 11 Ke egadɔ kluvi bubu ɖe wo gbɔ. Woƒo eya hã, wodo vloe, eye woɖoe ɖa asi ƒuƒlu. 12 Ke egadɔ etɔ̃lia ɖa; wode abi eya hã ŋu, eye wonyae do goe. 13 Ke waingbletɔ la gblɔ be, ‘Nu ka wɔ ge mala? Madɔ vinye si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o la ɖa.+ Ðewohĩ woasi vinye ŋkume ɖa.’ 14 Esi agbledelaawo kpɔe la, wogblɔ na wo nɔewo be, ‘Ame siae nye domenyila la. Mina míawui, ne domenyinua nazu mía tɔ.’ 15 Ale wohee do goe le waingblea me, eye wowui.+ Ke nu kae waingbletɔ la awɔ wo? 16 Ava, eye wòawu agbledela siawo, eye wòatsɔ waingblea ade asi na ame bubuwo.”

Esi wose nya sia la, wogblɔ be: “Madzɔ akpɔ o!” 17 Gake ekpɔ wo dũu eye wògblɔ be: “Ke nya sia si woŋlɔ ɖi be: ‘Kpe si xɔtulawo gbe la, eyae va zu dzogoedzikpe vevitɔ,’ la gɔme ɖe?+ 18 Ame sia ame si adze kpe ma dzi la agbã gudugudu.+ Eye ame sia ame si dzi wòage adze la, agbã gudugudu.”

19 Eya ta agbalẽfialawo kple nunɔlawo ƒe tatɔwo di be yewoalée le gaƒoƒo ma tututu me, elabena wokpɔe dze sii be yewo ŋue wòdo lo sia ɖo, gake wovɔ̃ dukɔ la.+ 20 Wole eɖiam, eye woda ame aɖewo hedɔ wo ɖa le adzame be woawɔ wo ɖokuiwo abe ame dzɔdzɔewo ene, ne woalée le eƒe nuƒoƒo me,+ ale be woatsɔe ade asi na dziɖuɖua kple nutodziɖula la.* 21 Eye wobiae be: “Nufiala, míenyae be èƒoa nu hefiaa nu ɖe eteƒe, eye mèkpɔa ame ŋkume o, ke boŋ èfiaa Mawu ƒe mɔ la le nyateƒe me: 22 Ðe se ɖe mɔ* be míaxe adzɔwo na Kaisaro loo, alo se meɖe mɔ o?” 23 Ke ekpɔ woƒe ayemenuwɔwɔa dze sii, eye wògblɔ na wo be: 24 “Mitsɔ denario* ɖeka vɛ makpɔ. Ame ka ƒe nɔnɔmetata kple nuŋɔŋlɔ ye le edzi?” Woɖo eŋu be: “Kaisaro tɔe.” 25 Egblɔ na wo be: “Ekema mitsɔ nu siwo nye Kaisaro tɔ la na Kaisaro,+ eye nu siwo nye Mawu tɔ la, na Mawu.”+ 26 Ale womete ŋu lée le eƒe nuƒoƒo me le ameawo ŋkume o, eƒe ŋuɖoɖoa wɔ nuku na wo, eye ɖoɖoe zi le wo nu.

27 Ke Zadukitɔwo, ame siwo gblɔna be tsitretsitsi+ aɖeke meli o la, dometɔ aɖewo va biae be:+ 28 “Nufiala, Mose ŋlɔ ɖi na mí be, ‘Ne ame aɖe nɔviŋutsu ku hegblẽ srɔ̃a ɖi eye medzi vi aɖeke o la, nɔvia naxɔ nyɔnua aɖe, eye wòado ƒome ɖi nɛ.’+ 29 Eva dzɔ be nɔviŋutsu adre aɖewo nɔ anyi. Gbãtɔa ɖe srɔ̃, gake medzi vi aɖeke hafi ku o. 30 Eya ta evelia 31 kple etɔ̃lia ɖe nyɔnua. Eye nenema wo ame adre la katã ɖee, womedzi vi aɖeke hafi ku o. 32 Mlɔeba nyɔnua hã ku. 33 Eya ta le tsitretsitsia me ɖe, wo dometɔ ka srɔ̃e wòanye? Elabena wo ame adre la katã ɖee kpɔ.”

34 Yesu gblɔ na wo be: “Nuɖoanyi* sia me viwo ɖea srɔ̃, eye wotsɔa wo nana woɖena, 35 ke ame siwo wobu be wodze akpɔ agbe le nuɖoanyi ma me eye woafɔ wo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome ya maɖe srɔ̃ o, eye womatsɔ wo ana be woaɖe hã o.+ 36 Le nyateƒe me la, womagate ŋu aku hã o, elabena woanɔ abe mawudɔlawo ene, eye esi woafɔ wo ɖe tsitre* ta la, woanye Mawu ƒe viwo. 37 Ke Mose hã gblɔe le ŋuve ŋuti nuŋlɔɖia me be woafɔ ame kukuwo, esi wòyɔ Yehowa* be ‘Abraham ƒe Mawu kple Isak ƒe Mawu kpakple Yakob ƒe Mawu.’+ 38 Menye ame kukuwo ƒe Mawue wònye o, ke boŋ agbagbeawo tɔe, elabena wo katã wole agbe nɛ.”+ 39 Eye agbalẽfialawo dometɔ aɖewo ɖo eŋu nɛ be: “Nufiala, èƒo nu nyuie.” 40 Eye womegate ŋu do dzi bia nya ɖeka pɛ hãe o.

41 Eye wòbia wo be: “Aleke wɔ wogblɔna be David vie Kristo la nye?+ 42 Elabena David ŋutɔ gblɔ le Psalmowo ƒe agbalẽa me be, ‘Yehowa* gblɔ na nye Aƒetɔ be: “Bɔbɔ nɔ nye ɖusime, 43 va se ɖe esime matsɔ wò futɔwo awɔ wò afɔɖodzinui.”’+ 44 Eya ta David yɔe be Aƒetɔ; ekema aleke wɔ wònye via?”

45 Eye esi ameawo katã le to ɖom la, egblɔ na nusrɔ̃lawo be: 46 “Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie le agbalẽfiala siwo nɔa awu ʋlayawo me nɔa tsatsam, siwo dina be amewo nado gbe na yewo le ablɔwo me,* eye wolɔ̃a ŋgɔgbezikpuiwo dzi* nɔnɔ le ƒuƒoƒewo kple bubunɔƒewo nɔnɔ le fiẽnuɖuƒewo la ŋu,+ 47 ame siwo daa adzo ahosiwo ƒe aƒewo,* eye wodoa gbe legbewo ɖa be amewo nakpɔ yewo.* Ame siawo ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ le sesẽ ge wu.”

21 Ke esi wòfɔ mo dzi la, ekpɔ kesinɔtɔwo wole woƒe nunanawo dam ɖe nudzɔɖakaawo me.+ 2 Eye wòkpɔ ahosi dahe aɖe wòtsɔ gaku sue eve, siwo ƒe home le sue ŋutɔ* la, va de eme le afi ma,+ 3 eye wògblɔ be: “Vavã mele egblɔm na mi be, ahosi dahe sia tsɔ geɖe de eme wu wo katã.+ 4 Elabena ame siawo katã tsɔ woƒe nu gbogboawo ƒe ɖe ko de eme, ke ahosia ya tso eƒe ahedada me tsɔ nu siwo katã le esi, siwo nu wòanɔ agbe ɖo la, de eme.”+

5 Emegbe esi ame aɖewo le nu ƒom tso ale si woɖo atsyɔ̃ na gbedoxɔa kple kpe nyuiwo kpakple nu siwo ŋuti wokɔ ŋu la,+ 6 egblɔ be: “Nu siawo siwo kpɔm miele la, ŋkekewo gbɔna, esime womele kpe gblẽ ge ɖe kpe dzi le afi sia, si womamu aƒu anyi o.”+ 7 Eya ta wobiae be: “Nufiala, ɣekaɣie nu siawo adzɔ ŋutɔŋutɔ, eye nu kae anye dzesi na ɣeyiɣi si me nu siawo adzɔ?”+ 8 Eɖo eŋu be: “Mikpɔ nyuie be woagaflu mi o,+ elabena ame geɖewo ava yɔ nye ŋkɔ ɖe wo ɖokuiwo ŋu agblɔ be, ‘Nyee,’ eye woagblɔ be, ‘Ɣeyiɣi ɖoɖi la gogo.’ Migadze wo yome o.+ 9 Eye ne miese aʋawɔwɔwo kple zitɔtɔwo* ŋu nya la, dzika megatso mia ƒo o. Elabena ele be nu siawo nava eme gbã, gake nuwuwu la mava enumake o.”+

10 Eye wògblɔ na wo be: “Dukɔ atso ɖe dukɔ ŋu,+ eye fiaɖuƒe ɖe fiaɖuƒe ŋu.+ 11 Anyigba aʋuʋu ŋɔdzitɔe le teƒeteƒewo, eye dɔwuame kple dɔvɔ̃wo ava teƒeteƒewo;+ eye woakpɔ nu dovoɖinamewo kple dzesi gãwo tso dziƒo.

12 “Ke hafi nu siawo katã nadzɔ la, amewo alé mi, woati mia yome,+ woakplɔ mi ayi ƒuƒoƒewo, eye woade mi gaxɔwo me. Woakplɔ mi ayi dufiawo kple nutodziɖulawo ŋkume le nye ŋkɔ la ta.+ 13 Esia ana mɔnukpɔkpɔ mi miaɖi ɖase. 14 Eya ta miɖoe le miaƒe dzi me be miagabu ale si miaʋli mia ɖokui tae la ŋu do ŋgɔ o,+ 15 elabena mana nya kple nunya mi, eye ame siwo katã tsi tsitre ɖe mia ŋu la mate ŋu anɔ te ɖe wo nu alo atsi tsitre ɖe wo ŋu o.+ 16 Azɔ hã, mia dzilawo kple mia nɔviŋutsuwo, miaƒe ƒometɔwo kple mia xɔlɔ̃wo gɔ̃ hã ade mi asi, eye woawu mia dometɔ aɖewo,+ 17 eye amewo katã alé fu mi le nye ŋkɔ la ta.+ 18 Gake miaƒe taɖa ɖeka pɛ hã matsrɔ̃ o.+ 19 Ne miedo dzi la, miaɖe miaƒe agbewo.*+

20 “Ke ne miekpɔ aʋakɔwo ɖe to ɖe Yerusalem la,+ ekema minyae be eƒe aƒedozuɣi gogo.+ 21 Ekema ame siwo le Yudea la nasi ayi towo dzi,+ eye ame siwo le Yerusalem la nadzo, eye ame siwo le agbletawo la nagatrɔ ayi eme o, 22 elabena ŋkeke siawo nye ʋɔnudrɔ̃ŋkekewo, ale be nu siwo katã woŋlɔ ɖi la nava eme. 23 Baba na funɔwo kple ame siwo le no nam vi le ŋkeke mawo me!+ Elabena fukpekpe sesẽ ava anyigba dzi, eye woado dɔmedzoe ɖe dukɔ sia ŋu. 24 Woadze yi nu, eye woaɖe aboyo wo ayi dukɔwo katã me;+ eye dukɔwo* atu afɔ Yerusalem dzi va se ɖe esime dukɔwo* ƒe ɣeyiɣi ɖoɖiawo nawu enu.+

25 “Eye dzesiwo ado ɖe ɣe, ɣleti kple ɣletiviwo me,+ eye ŋɔdzi alé dukɔwo vevie le anyigba dzi, eye woatɔtɔ le atsiaƒu ƒe gbeɖeɖe kple eƒe agbodzedze ta. 26 Amewo aku ƒenyi le vɔvɔ̃ kple mɔkpɔkpɔ na nu siwo gbɔna dzɔdzɔ ge le anyigba bliboa dzi la ta, elabena woaʋuʋu dziƒowo ƒe ŋusẽwo. 27 Ɣemaɣi la, woakpɔ Amegbetɔvi+ la le alilikpo me gbɔna kple ŋusẽ kpakple ŋutikɔkɔe gã.+ 28 Ke ne nu siawo de asi dzɔdzɔ me la, mitsi tre miadzɔ kã, eye miafɔ ta dzi, elabena miaƒe ɖeɖe gogo.”

29 Eye wòdo lo sia na wo be: “Milé ŋku ɖe gboti kple ati bubuwo katã ŋu.+ 30 Ne miekpɔ wo wole aŋgba tom ko la, mienyana be dzomeŋɔli gogo. 31 Nenema kee miawo hã, ne miekpɔ nu siawo le dzɔdzɔm la, midze sii be Mawu Fiaɖuƒe la gogo. 32 Vavã mele egblɔm na mi be, dzidzime sia nu mele yiyi ge akpɔ o, va se ɖe esime nu siawo katã va eme.+ 33 Dziƒo kple anyigba nu ava yi, ke nye nyawo ya nu mava yi akpɔ o.”+

34 “Ke mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie be nu tsu ɖuɖu kple aha tsu nono+ kpakple agbemedzimaɖitsitsiwo+ nagate miaƒe dzi ɖe to gbeɖe o, ne ŋkeke ma nagaɖi ɖe mi 35 abe mɔ̃ ene o.+ Elabena ava ame siwo katã le anyigba bliboa dzi la dzi. 36 Eya ta minɔ ŋudzɔ,+ eye minɔ kokoƒoƒo dzi ɖaasi,+ be miate ŋu asi le nu siawo katã, siwo gbɔna dzɔdzɔ ge la nu, eye miate ŋu atsi tsitre ɖe Amegbetɔvi la ŋkume.”+

37 Ale le ŋkeke me la, efiaa nu le gbedoxɔa me, ke ne zã do la, edoa go yina ɖatsia to si woyɔna be Amito la dzi dɔna. 38 Eye dukɔ blibo la katã vaa egbɔ ŋdi kanya le gbedoxɔa me va ɖoa toe.

22 Ke Amɔwɔ Maʋamaʋã Bolo Ŋkekenyui, si woyɔna be Ŋutitoto,+ la gogo.+ 2 Eye nunɔlawo ƒe tatɔwo kple agbalẽfialawo le mɔ si dzi woato awu Yesu la dim,+ elabena wole vɔvɔ̃m na dukɔ la.+ 3 Azɔ Satana ge ɖe Yuda, si woyɔna be Iskariot, eye wònye Ame Wuieveawo dometɔ ɖeka la me+ 4 eye wòyi ɖaƒo nu kple nunɔlawo ƒe tatɔwo kple gbedoxɔa dzi kpɔlawo ƒe amegãwo le ale si wòawɔ adee asi na wo la ŋu.+ 5 Ale dzi dzɔ wo, eye wolɔ̃ ɖe edzi be yewoana klosalogae.+ 6 Yuda lɔ̃ ɖe edzi, eye wòle mɔnu dim be yeadee asi esime ameha la manɔ eŋu o.

7 Amɔwɔ Maʋamaʋã Bolo Ŋkekenyuia ƒe ŋkeke si dzi wòle be woatsɔ ŋutitotolã la asa vɔe le la ɖo;+ 8 eya ta Yesu dɔ Petro kple Yohanes gblɔ be: “Miheyi ɖadzra ŋutitotoa ɖo na mí ne míaɖu.”+ 9 Wobiae be: “Afi kae nèdi be míadzrae ɖo le?” 10 Eɖo eŋu na wo be: “Kpɔ ɖa! Ne miege ɖe dua me la, ŋutsu aɖe si tsɔ tsize la ado go mi. Midze eyome yi aƒe si me wòage ɖo la me.+ 11 Eye migblɔ na aƒea tɔ be, ‘Nufiala be míabia wò be: “Afi kae amedzroxɔ si me nye kple nye nusrɔ̃lawo míaɖu Ŋutitotoa le la le?”’ 12 Eye ame ma afia xɔ gã aɖe mi le dziƒoxɔ dzi, si me xɔmenuwo le. Midzrae ɖo le afi ma.” 13 Ale woyi, eye wokpɔe abe ale si tututu wògblɔe na wo ene, eye wodzra ɖo ɖe Ŋutitotoŋkekenyui la ŋu.

14 Esi gaƒoƒo la de la, eya kple eƒe apostoloawo bɔbɔ nɔ kplɔ̃ ŋu.+ 15 Eye wògblɔ na wo be: “Medi vevie be maɖu Ŋutitoto sia kpli mi hafi makpe fu; 16 elabena mele egblɔm na mi be, nyemagaɖui ake o va se ɖe esime wòva eme keŋ le Mawu Fiaɖuƒe la me.” 17 Eye esi wòxɔ kplu la, eda akpe eye wògblɔ be: “Mia dometɔ ɖe sia ɖe nexɔe eye wòano le enu, 18 elabena mele egblɔm na mi be, tso fifia dzi la, nyemegale wain no ge akpɔ o va se ɖe esime Mawu Fiaɖuƒe la va ɖo.”

19 Azɔ etsɔ abolo,+ da akpe, ŋe eme, eye wòtsɔe na wo gblɔ be: “Esia le tsitre ɖi na nye ŋutilã+ si woatsɔ ana ɖe mia ta.+ Minɔ esia wɔm hena ŋkuɖoɖo dzinye.”+ 20 Nenema kee wòtsɔ kplu la hã le fiẽnuɖuɖu la megbe hegblɔ be: “Kplu sia le tsitre ɖi na nubabla yeye+ si wowɔ to nye ʋu,+ si woakɔ ɖe anyi le mia ta la, dzi.+

21 “Ke mikpɔ ɖa, ame si adem asi la le kplɔ̃a ŋu kplim.+ 22 Elabena vavãe, Amegbetɔvi la le kuku ge abe ale si wogblɔe ɖi le eŋuti ene;+ gake baba na ame ma, si adee asi!”+ 23 Ke wode asi wo nɔewo biabia me be yewo dometɔ ka gɔ̃e le nu sia wɔ ge hã.+

24 Azɔ nyaʋiʋli sesẽ aɖe hã ɖo wo dome le wo dometɔ si nye gãtɔ la ŋuti.+ 25 Ke egblɔ na wo be: “Dukɔwo ƒe fiawo ɖua aƒetɔ ɖe wo dzi, eye woyɔa ame siwo kpɔa ŋusẽ ɖe wo dzi la be Dɔmenyolawo.+ 26 Ke miawo ya miganɔ nenema o.+ Ke boŋ ame si nye gãtɔ le mia dome la nanɔ abe ɖevitɔ ene,+ eye ame si xɔa ŋgɔ la nanɔ abe ame si le subɔsubɔm ene. 27 Evɔ la, ame kae nye gã wu, ame si le nu ɖum le kplɔ̃ ŋu lae loo alo ame si le subɔsubɔm yea? Menye ame si bɔbɔ nɔ kplɔ̃ ŋuti ye oa? Ke nye la, mele mia dome abe ame si le subɔsubɔm ene.+

28 “Ke miawoe nye ame siwo ku ɖe ŋunye+ le nye tetekpɔwo me;+ 29 eya ta mele nu blam kpli mi, abe ale si Fofonye hã bla nu kplim ene, hena fiaɖuƒe,+ 30 be miaɖu nu ano nu le nye kplɔ̃ ŋu le nye Fiaɖuƒe la me,+ eye mianɔ fiazikpuiwo dzi+ adrɔ̃ ʋɔnu Israel to wuieveawo.+

31 “Simon, Simon, kpɔ ɖa, Satana le didim be yeagbɔ mi katã abe ale si wogbɔa lu ene.+ 32 Ke meɖe kuku ɖe tawò, be wò xɔse nu nagatsi o;+ eye wò la, ne ètrɔ la, do ŋusẽ nɔviwòwo.”+ 33 Ke egblɔ nɛ be: “Aƒetɔ, mele klalo be mayi gaxɔ me kple ku me siaa kpli wò.”+ 34 Eye Yesu gblɔ nɛ be: “Petro, mele egblɔm na wò be: Koklo mele atɔ ku ge egbea hafi nàsẽ nu zi etɔ̃ be yemenyam o.”+

35 Egabia wo be: “Esi medɔ mi, eye gakotoku, nuɖuɖukotoku kple afɔkpa menɔ mia si o la,+ ɖe nane hiã mia?” Woɖo eŋu be: “Ao!” 36 Eye wògblɔ na wo be: “Ke azɔ la, ame si si gakotoku le la, netsɔe, nenema kee mitsɔ nuɖuɖukotoku hã, eye ame si si yi mele o la nedzra eƒe awudziwui, ne wòaƒle ɖeka. 37 Elabena mele egblɔm na mi be, ele be nu si woŋlɔ ɖi be, ‘Wobui ɖe sedzimawɔlawo dome’+ la nava eme ɖe dzinye. Elabena nu si woŋlɔ ɖi le ŋunye la le eme vam.”+ 38 Eye wogblɔ be: “Aƒetɔ, kpɔ ɖa! Yi evee nye esi.” Egblɔ na wo be: “Esɔ gbɔ.”

39 Esi wòdo go la, eyi Amito la dzi abe ale si wòlɔ̃a wɔwɔ ene, eye nusrɔ̃lawo kplɔe ɖo.+ 40 Esi wòɖo teƒea la, egblɔ na wo be: “Minɔ gbedodoɖa dzi, be miagadze tetekpɔ me o.”+ 41 Eye wòdzo le wo gbɔ yi adzɔge vie* hedze klo do gbe ɖa 42 be: “Fofo, ne èlɔ̃ la, na kplu sia nato ŋunye. Gake menye nye lɔlɔ̃nu o, ke boŋ tɔwò nava eme.”+ 43 Eye mawudɔla aɖe tso dziƒo ɖe eɖokui fiae hedo ŋusẽe.+ 44 Ke exa nu vevie, eye wògado gbe ɖa vevie wu;+ eye eƒe fifia zu abe ʋu ene le gegem ɖe anyigba toŋtoŋ. 45 Esi wòdo gbe ɖa vɔ la, etso yi nusrɔ̃lawo gbɔ eye wòkpɔ wo wole alɔ̃ dɔm elabena nuxaxa na wogbɔdzɔ.+ 46 Eye wògblɔ na wo be: “Nu ka tae miele alɔ̃ dɔm? Mifɔ, eye minɔ gbedodoɖa dzi, ne miagadze tetekpɔ me o.”+

47 Esi wògale nuƒoƒo dzi la, kpɔ ɖa, ameha aɖe si Yuda, si nye Ame Wuieveawo dometɔ ɖeka, le ŋgɔ na la va do, eye wòte ɖe Yesu ŋu gbugbɔ nu nɛ.+ 48 Ke Yesu gblɔ nɛ be: “Yuda, nugbugbɔe nètsɔ le Amegbetɔvi la dem asia?” 49 Esi ame siwo le eŋu la kpɔ nu si gbɔna dzɔdzɔ ge la, wobia be: “Aƒetɔ, mída yi woa?” 50 Wo dometɔ ɖeka gɔ̃ hã da yi nunɔlagã ƒe kluvi, eye wòkpa eƒe ɖusimeto.+ 51 Ke Yesu gblɔ be: “Nese ɖe afi ma.” Eye wòka asi amea ƒe to ŋu heda gbe le eŋu. 52 Azɔ Yesu gblɔ na nunɔlawo ƒe tatɔwo kple gbedoxɔ la dzi kpɔlawo ƒe amegãwo kpakple dumegã siwo va elé ge la be: “Yiwo kple kpowoe mietsɔ va be yewoalém abe adzodala enea?+ 53 Esi menɔ mia gbɔ le gbedoxɔa me tso ŋkeke yi ŋkeke la,+ mielém kpɔ o.+ Ke esiae nye miaƒe gaƒoƒo kple viviti ƒe ŋusẽ la.”+

54 Eye wolée hekplɔe yi nunɔlagã la ƒe me;+ ke Petro le wo yome le adzɔge ɖaa.+ 55 Esi wodo dzo ɖe aƒea titina, eye wo katã wonɔ anyi ɖe egbɔ la, Petro hã nɔ anyi ɖe wo dome.+ 56 Ke dɔlanyɔnu aɖe kpɔe wònɔ anyi ɖe dzo si klẽ ɖe teƒea la gbɔ, eye wòkpɔe dũu hegblɔ be: “Ame sia hã nɔ eŋu.” 57 Ke esẽ nu be: “Nyɔnu, nyemenyae o.” 58 Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la ame bubu kpɔe, eye wògblɔ be: “Wò hã wo dometɔ ɖekae nènye.” Ke Petro ɖo eŋu be: “Ŋutsu, nyemele wo dome o.”+ 59 Eye anɔ gaƒoƒo ɖeka megbe la, ame bubu aɖe hã va gblɔ kple kakaɖedzi be: “Nyateƒee, ame sia hã nɔ eŋu; elabena Galileatɔ hãe wònye!” 60 Ke Petro ɖo eŋu be: “Ŋutsu, nyemenya nya si gblɔm nèle o.” Eye enumake esi mekpɔ ɖe nu le nyaa me o la, koklo ku atɔ. 61 Eye Aƒetɔ la trɔ kpɔ Petro, eye Petro ɖo ŋku Aƒetɔ la ƒe nya si wògblɔ nɛ la dzi be: “Hafi koklo naku atɔ egbea la, àgbe nu le gbɔnye zi etɔ̃.”+ 62 Eye wòdo go yi xexe ɖafa avi vevie.

63 Ke ame siwo le eŋu dzɔm la de asi fewuɖuɖu me le eŋu+ hele eƒom,+ 64 eye wotsyɔ nu mo nɛ henɔ ebiam be: “Gblɔe na mí! Ame kae ƒo wò?” 65 Eye wogblɔ busunya bubu geɖewo ɖe eŋu.

66 Esi ŋu ke la, dumegãwo ƒe ha, nunɔlawo ƒe tatɔwo kple agbalẽfialawo siaa va ƒo ƒu,+ eye wokplɔe yi woƒe Sanhedrin takpexɔ la me hebiae be: 67 “Ne wòe nye Kristo la, ekema gblɔe na mí.”+ Ke eɖo eŋu na wo be: “Ne megblɔe na mi hã la, miele exɔ ge ase o. 68 Eye ne mebia nya mi la, miele eŋu ɖo ge o. 69 Gake tso fifia dzi la, Amegbetɔvi+ la anɔ anyi ɖe Mawu ŋusẽtɔ la ƒe ɖusime.”*+ 70 Ale wo katã wobiae be: “Ekema wòe nye Mawu ƒe Vi la?” Eɖo eŋu na wo be: “Eyae nye ema gblɔm miawo ŋutɔwo miele.” 71 Wogblɔ be: “Ðaseɖiɖi bubu kae gahiã mí? Elabena míawo ŋutɔwo míesee tso eya ŋutɔ ƒe nu me.”+

23 Ale ameha blibo la katã tsi tsitre, eye wokplɔe yi Pilato gbɔ.+ 2 Eye wotso enu+ be: “Míekpɔ ame sia wòle to gblẽm na míaƒe dukɔa me tɔwo eye wògbe na amewo be womegadzɔ nu na Kaisaro+ o hele gbɔgblɔm be ye ŋutɔe nye Kristo, fia la.”+ 3 Eye Pilato biae be: “Wòe nye Yudatɔwo ƒe Fia la?” Eɖo eŋu nɛ be: “Eya tututue nye ema nègblɔ.”+ 4 Eye Pilato gblɔ na nunɔlawo ƒe tatɔwo kple amehaawo be: “Nyemekpɔ vodada aɖeke le ame sia ŋu o.”+ 5 Ke wote tɔ ɖe edzi be: “Ele zitɔtɔ dem dukɔa me kple eƒe nufiafia le Yudea godoo, eye wòdze egɔme tso keke Galilea va ɖo afi sia.” 6 Esi Pilato se nya sia la, ebia be Galileatɔe amea nye hã. 7 Esi wòdze sii be nuto si dzi ɖum Herodes le mee wòtso la,+ eɖoe ɖe Herodes, ame si ŋutɔ hã le Yerusalem le ŋkeke mawo me.

8 Esi Herodes kpɔ Yesu la, dzi dzɔe ŋutɔ. Elabena ele didim xoxoxo be yeakpɔe, elabena ese nya geɖe tso Yesu ŋu,+ eye wòle mɔ kpɔm be awɔ nukunu aɖewo yeakpɔ. 9 Eya ta ebia nya geɖewoe; ke meɖo nya aɖeke ŋu nɛ o.+ 10 Gake nunɔlawo ƒe tatɔwo kple agbalẽfialawo tsona edziedzi hetsoa enu vevie. 11 Eye Herodes kple asrafo siwo le eŋu dzɔm la do vloe,+ eye wòdo awu nyui aɖe nɛ tsɔ ɖu fewu le eŋu,+ eye wògbugbɔe ɖo ɖe Pilato. 12 Herodes kple Pilato zu xɔlɔ̃wo gbe ma gbe, elabe tsã la, futɔwo wonye.

13 Eye Pilato yɔ nunɔlawo ƒe tatɔwo, dziɖulawo kple dukɔ la ƒo ƒu, 14 eye wògblɔ na wo be: “Miekplɔ ame sia vɛ nam be ele adã dem tame na dukɔ la be wòadze aglã. Eye kpɔ ɖa, medzro eƒe nya me le mia ŋkume, ke nyemekpɔ agɔdzedze aɖeke le ame sia ŋu le nya siwo mietsɔ ɖe eŋu la me o.+ 15 Herodes hã mekpɔ naneke le eŋu o, elabena egbugbɔe ɖo ɖe mí, eye mikpɔ ɖa, mewɔ naneke si dze ku o. 16 Eya ta mahe to nɛ,+ eye maɖe asi le eŋu.” 17 *—— 18 Gake ameha blibo la do ɣli be: “Bu mo na ame sia, eye nàɖe asi le Baraba ŋu na mí!”+ 19 (Wode ame sia gaxɔ me le aglãdzedze ɖe dziɖuɖua ŋu le dua me kple amewuwu ta.) 20 Eye Pilato gaƒo nu kpli wo, elabena edi be yeaɖe asi le Yesu ŋu.+ 21 Eye wode asi ɣlidodo me be: “Hee ɖe ati ŋu! Hee ɖe ati ŋu!”+ 22 Egblɔ na wo zi etɔ̃lia be: “Nu ka ta? Nu vɔ̃ɖi kae ame sia wɔ? Nyemekpɔ naneke si dze ku le eŋu o; eya ta mahe to nɛ, eye maɖe asi le eŋu.” 23 Gake amewo ganɔ ɣli dom sesĩe kokoko be wòawui,* eye woƒe gbe de dzi wu etɔ.+ 24 Eya ta Pilato tso nya me be woawɔ woƒe biabia la dzi na wo: 25 Eɖe asi le ame si wode gaxɔ me le aglãdzedze ɖe dziɖuɖua ŋu kple amewuwu ta, si biam wole la ŋuti, ke etsɔ Yesu de asi be woawɔ nu si wolɔ̃ la ɖe eŋu.

26 Ke esi wokplɔe yina la, wolé Simon, Kirenetɔ aɖe si tso agbleta gbɔna la, eye wona wòtsɔ fuwɔameti* la dze Yesu yome.+ 27 Ke ameha gã aɖe kplɔe ɖo, eye nyɔnu siwo le nu xam hele avi fam vevie ɖe eŋu la le wo dome. 28 Yesu trɔ ɖe nyɔnuawo ŋu gblɔ be: “Yerusalem-nyɔnuwo, midzudzɔ avifafa ɖe tanye. Ke boŋ mifa na mia ɖokuiwo kple mia viwo;+ 29 elabena, ŋkekewo li gbɔna, esime woagblɔ be, ‘Dzidzɔtɔwoe nye konɔwo, dɔ siwo medzi vi o kpakple no siwo mena no vi kpɔ o!’+ 30 Ekema woagblɔ na towo be, ‘Mimu dze mía dzi!’ eye woagblɔ na togbɛwo be, ‘Mitsyɔ mía dzi!’+ 31 Ne wole nu siawo wɔm esime atia le mumu ɖe, nu kae adzɔ ne eƒu?”

32 Ke wokplɔ ŋutsu eve bubu siwo nye nu vlo wɔlawo hã yina wuwu ge kpe ɖe eŋu.+ 33 Eye esi woɖo teƒe si woyɔna be Ametakoliƒe+ la, wohe eya kple nu vlo wɔlaawo ɖe ati ŋu le afi ma, ɖeka ɖe eƒe ɖusime, eye evelia ɖe eƒe miame.+ 34 Gake Yesu gblɔ be: “Fofo, tsɔe ke wo, elabena womenya nu si wɔm wole o.” Wodzidze nu hã ɖe eƒe awuwo dzi be woama wo.+ 35 Eye amewo tɔ ɖi le nu kpɔm. Ke dumegãwo le fewu ɖum le gbɔgblɔm be: “Exɔ na ame bubuwo; ne eyae nye Mawu ƒe Kristo la, Ame Tiatiaa la, ekema nexɔ na eɖokuie!”+ 36 Asrafoawo gɔ̃ hã ɖu fewu le eŋu, eye wote ɖe eŋu hetsɔ wain tsitsi nɛ+ 37 gblɔ be: “Ne wòe nye Yudatɔwo ƒe Fia la, ekema xɔ na ɖokuiwò.” 38 Nuŋɔŋlɔ aɖe hã le eƒe tagbɔ be: “Yudatɔwo ƒe Fia lae nye esi!”+

39 Ke nu vlo wɔla siwo wohe ɖe ati ŋu le afi ma la dometɔ ɖeka ɖe alɔme le eŋu+ be: “Menye wòe nye Kristo la oa? Ekema xɔ na ɖokuiwò eye nàxɔ na míawo hãe!” 40 Ke ame evelia ka mo nɛ be: “Alo wò hã, esi nèle fɔbubu ma ke me la, ɖe mèvɔ̃a Mawu oa? 41 Míawo ya míedze na tohehe sia, elabena nu siwo míewɔ la ƒe fetu xɔm míele; ke ame sia ya mewɔ nu tovo aɖeke o.” 42 Eye wògagblɔ be: “Yesu, ɖo ŋku dzinye ne èva ɖo wò Fiaɖuƒe la me.”+ 43 Egblɔ nɛ be: “Vavã mele egblɔm na wò egbea be, ànɔ Paradiso me kplim.”+

44 Gaƒoƒo adelia* lɔƒo ɖo azɔ, ke viviti do ɖe anyigba blibo la katã dzi va se ɖe gaƒoƒo asiekelia* dzi,+ 45 elabena ɣe ƒe keklẽ nu tsi; eye gbedoxɔmetsovɔ+ la dze ɖe eve.+ 46 Eye Yesu do ɣli sesĩe gblɔ be: “Fofo, asiwò mee metsɔ nye gbɔgbɔ de.”+ Esi wògblɔ esia vɔ ko la, eku.+ 47 Esi asrafomegã la kpɔ nu si dzɔ la, ekafu Mawu gblɔ be: “Vavãe, ame dzɔdzɔe ame sia nye.”+ 48 Esi ameha siwo katã va ƒo ƒu ɖe afi ma le nu sia kpɔm la kpɔ nu siwo dzɔ la, wotrɔ dzo hele akɔta ƒom. 49 Eƒe ame nyanyɛwo katã hã le tsitre ɖe adzɔge. Nyɔnu siwo kplɔe ɖo tso Galilea hã tɔ ɖe afi ma le nu siawo kpɔm.+

50 Eye ŋutsu aɖe, si ŋkɔe nye Yosef, ame si nye Adaŋudeha la me tɔ, eye wònye ame nyui kple ame dzɔdzɔe la va.+ 51 (Ame sia meda asi ɖe woƒe nugbeɖoɖo kple nuwɔnaa dzi o.) Etso Yudeatɔwo ƒe du Arimatia me, eye wòle Mawu Fiaɖuƒe la lalam. 52 Ame sia yi Pilato gbɔ hebia be woatsɔ Yesu ƒe kukua na ye yeaɖi. 53 Eɖee le ati la ŋuti,+ eye wòxatsa aklala biɖibiɖi ɖe eŋu hetsɔe mlɔ yɔdo* si woɖe ɖe agakpe,+ si me wometsɔ ame aɖeke mlɔ kpɔ o la me. 54 Ke Dzadzraɖoŋkekee,+ eye Sabat+ la le ɖoɖom. 55 Nyɔnu siwo kplɔe ɖo tso Galilea va la hã yi, eye wokpɔ yɔdo* la kple ale si wotsɔ eƒe kukua mlɔ emee,+ 56 eye wotrɔ dzo be yewoaɖadzra atike ʋeʋĩwo kple ami ʋeʋĩwo ɖo. Gake wodzudzɔ le Sabat+ la dzi abe ale si se la bia ene.

24 Le kwasiɖaa ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, nyɔnuawo yi yɔdo* la to le ŋdi kanya, eye wotsɔ atike ʋeʋĩ siwo wodzra ɖo la ɖe asi.+ 2 Gake wokpɔ be womli kpe la ɖa le yɔdoa* nu,+ 3 eye esi woge ɖe eme la, womekpɔ Aƒetɔ Yesu ƒe kukua o.+ 4 Esi wotɔtɔ hetsi yaa le esia ŋuti la, kpɔ ɖa, ŋutsu eve siwo le awu dadzowo me le tsitre ɖe wo gbɔ. 5 Nyɔnuawo vɔ̃ ŋutɔ, eye wode mo to, eya ta ŋutsuawo bia wo be: “Nu ka tae miele ame gbagbe dim le ame kukuwo dome?+ 6 Mele afi sia o, ke boŋ wofɔe ɖe tsitre. Miɖo ŋku nya si wògblɔ na mi esime wònɔ Galilea la dzi, 7 be woade Amegbetɔvi la asi na nu vɔ̃ wɔlawo, eye woahee ɖe ati ŋu, gake afɔ le ŋkeke etɔ̃a gbe.”+ 8 Ale wɔ woɖo ŋku eƒe nyawo dzi,+ 9 eye wotrɔ tso yɔdoa* to va ka nya siawo katã ta na Ame Wuiɖekɛawo kple ame susɔeawo katã.+ 10 Nyɔnu siawoe nye Maria Magdalatɔ, Yohana kple Yakobo dada Maria. Eye nyɔnu bubu siwo kpe ɖe wo ŋu la hã nɔ nya siawo gblɔm na apostoloawo. 11 Gake nya siawo ɖi bometsinya na wo, eye womexɔ nyɔnuawo dzi se o.

12 Gake Petro tsi tsitre, eye wòƒu du yi yɔdo* la to, esi wòbɔbɔ do mo ɖe eme la, aklalawo ko wòkpɔ. Ale wòtrɔ dzo hele nu si dzɔ la ŋu bum.

13 Ke gbe ma gbe tututu la, wo dometɔ eve le mɔ dzi yina kɔƒe aɖe si ŋkɔe nye Emaus la me, kɔƒe sia didi tso Yerusalem gbɔ abe agbadroƒe adre* lɔƒo ene, 14 eye wole dze ɖom tso nu siwo katã dzɔ la ŋuti.

15 Ke esi wole dze ɖom hele nya siawo dzakam la, Yesu ŋutɔ te ɖe wo ŋu eye wòzɔ kpli wo, 16 ke womete ŋu kpɔe dze sii o.+ 17 Ebia wo be: “Nya kawo me dzrom miele vevie le mɔa dzi?” Ale wotɔ heɖo nublanuimo. 18 Eye wo dometɔ si ŋkɔe nye Kleopa biae be: “Amedzroe nènye le Yerusalem eye wò ɖeɖe koe li, eye mènya nu siwo dzɔ le afi ma le ŋkeke siawo me oa?” 19 Ebia wo be: “Nu kawoe?” Woɖo eŋu nɛ be: “Nu siwo ku ɖe Yesu Nazaretetɔ+ la, ame si zu nyagblɔɖila sẽŋu le nya kple nuwɔna me le Mawu kple dukɔ blibo la katã ŋkume,+ 20 kple ale si míaƒe nunɔlawo ƒe tatɔwo kple dziɖulawo dee asi wotso kufia nɛ,+ eye wohee ɖe ati ŋu la ŋuti. 21 Evɔ míawo ya míenɔ mɔ kpɔm be ame siae aɖe Israel;+ hekpe ɖe nu siawo katã ŋu la, egbee nye ŋkeke etɔ̃lia tso esime nu siawo dzɔ. 22 Gawu la, mía dome nyɔnu aɖewo hã va gblɔ nukunya aɖe na mí, elabena woyi yɔdo* la to ŋdi kanya,+ 23 esi womekpɔ eƒe kukua o la, wova gblɔ be yewokpɔ mawudɔla aɖewo hã, siwo gblɔ na yewo be egbɔ agbe. 24 Eya ta mía dometɔ aɖewo yi yɔdoa* to,+ eye wokpɔe abe ale si tututu nyɔnuawo gblɔe ene, ke womekpɔ eya ŋutɔ o.”

25 Eye wògblɔ na wo be: “Oo ame masenugɔmewo kple ame siwo ƒe dzi mexɔa nya siwo katã nyagblɔɖilawo gblɔ la dzi sena kaba o! 26 Ðe mehiã be Kristo la nakpe fu siawo,+ eye wòayi eƒe ŋutikɔkɔe la me oa?”+ 27 Eye esi wòdze egɔme tso Mose kple Nyagblɔɖilawo ƒe nuŋlɔɖiwo katã dzi la,+ eɖe nu siwo ku ɖe eya ŋutɔ ŋu le Ŋɔŋlɔawo katã me la me na wo.

28 Mlɔeba wogogo kɔƒe si me yim wole, eye wòwɔ abe ɖe wòle eme tsom ene. 29 Ke woƒoe ɖe enu gblɔ be: “Tsi mía gbɔ, elabena fiẽ ɖo, eye ŋkekea wu enu vɔ.” Ale wòyi be yeatsi wo gbɔ. 30 Esi Yesu bɔbɔ nɔ kplɔ̃ ŋu kpli wo be yewoaɖu nu la, etsɔ abolo, eyra ɖe edzi, eye wòŋe eme tsɔ na wo.+ 31 Ale woƒe ŋkuwo ʋu, eye wokpɔ Yesu dze sii, ke ebú vĩi le wo gbɔ.+ 32 Eye wogblɔ na wo nɔewo be: “Ðe míaƒe dzi melé dzo le mía me, esi wòle nu ƒom na mí le mɔa dzi hele Ŋɔŋlɔawo me ɖem na mí tsitotsito oa?” 33 Le gaƒoƒo ma tututu me la, wotso dze mɔ, eye wogbugbɔ va Yerusalem, eye wokpɔ Ame Wuiɖekɛawo kple ame siwo kpe ɖe wo ŋu la woƒo ƒu ɖi 34 hele gbɔgblɔm be: “Wofɔ Aƒetɔ la ɖe tsitre vavã, eye wòɖe eɖokui fia Simon!”+ 35 Eye woawo hã wogblɔ nu siwo dzɔ le mɔa dzi kple ale si wokpɔ eya amea dze sii le aboloa ŋeŋe me la na wo.+

36 Esi wole nu ƒom tso nu siawo ŋu la, eya ŋutɔ va tsi tsitre ɖe wo titina hegblɔ na wo be: “Ŋutifafa na mi.”+ 37 Gake dzika tso wo ƒo, wovɔ̃ ŋutɔ, eye wosusu be gbɔgbɔ aɖe kpɔm yewole. 38 Eya ta egblɔ na wo be: “Nu ka ŋuti mietɔtɔ, eye ɖikeke ɖo miaƒe dziwo me? 39 Mikpɔ nye asiwo kple nye afɔwo ɖa, eye miakpɔe be nye ŋutɔŋutɔe; mili asi ŋunye kpɔ, elabena ŋutilã kple ƒu mele gbɔgbɔ si, abe ale si miele ekpɔm le ŋunye la ene o.” 40 Eye esi wògblɔ esia la, etsɔ eƒe asiwo kple afɔwo fia wo. 41 Ke esi womele edzi xɔm le sesem o le dzidzɔ si gbegbe wokpɔ kple ale si wòwɔ nuku na wo ta la, ebia wo be: “Nuɖuɖu aɖe le mia si le afi sia?” 42 Eye wotsɔ tɔmelã memee kakɛ aɖe nɛ, 43 eye wòxɔe ɖu le wo ŋkume.

44 Azɔ egblɔ na wo be: “Nya siawoe megblɔ na mi esi megali kpli mi+ be nu siwo katã woŋlɔ ɖe Mose ƒe Sea kple Nyagblɔɖilawo ƒe nuŋlɔɖiwo kpakple Psalmowo me le ŋunye la nava eme.”+ 45 Eye wòʋu woƒe susu be woase Ŋɔŋlɔawo gɔme,+ 46 eye wògblɔ na wo be, “Nya siae woŋlɔ ɖi: be Kristo la akpe fu, eye wòafɔ tso ame kukuwo dome le ŋkeke etɔ̃a gbe,+ 47 eye woaɖe gbeƒã dzimetɔtrɔ hena nu vɔ̃wo tsɔtsɔ ke+ le dukɔwo katã me le eƒe ŋkɔ la me+—esia adze egɔme tso Yerusalem.+ 48 Mianye ɖaseɖilawo le nu siawo ŋuti.+ 49 Eye kpɔ ɖa, maɖo nu si ŋugbe Fofonye do la ɖe mia dzi. Ke minɔ dua me va se ɖe esime woana ŋusẽ mi tso dziƒo.”+

50 Eye wòkplɔ wo do go va se ɖe keke Betania ke, eye wòkɔ eƒe asiwo dzi heyra wo. 51 Esi wòle wo yram la, woɖee ɖa le wo ŋu, eye wokɔe yi dziƒo.+ 52 Eye wobɔbɔ nɛ, eye wogbugbɔ va Yerusalem kple dzidzɔ gã aɖe.+ 53 Eye wonɔa gbedoxɔa me ɖaa henɔa Mawu kafum.+

Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.

Kpɔ Megbenyawo A5.

Alo, “kɔnua.”

Kpɔ Megbenyawo A5.

Kpɔ Megbenyawo A5.

Kpɔ Megbenyawo A5.

Alo, “tso dadaa ƒe dɔ me.”

Kpɔ Megbenyawo A5.

Kpɔ Megbenyawo A5.

Alo, “ekpɔ ŋutega.”

Alo, “dutoƒosubɔsubɔdɔ.”

Kpɔ Megbenyawo A5.

Kpɔ Megbenyawo A5.

Kpɔ Megbenyawo A5.

Kpɔ Megbenyawo A5.

Kpɔ Megbenyawo A5.

Alo, “Nye ameti bliboa.” Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.

Kpɔ Megbenyawo A5.

Kpɔ Megbenyawo A5.

Kpɔ Megbenyawo A5.

Kpɔ Megbenyawo A5.

Alo, “Ena ɖela sẽŋu.” Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea. “Dzo.”

Kpɔ Megbenyawo A5.

Kpɔ Megbenyawo A5.

Kpɔ Megbenyawo A5.

Kpɔ Megbenyawo A5.

Kpɔ Megbenyawo A5.

Kpɔ Megbenyawo A5.

Egɔmeɖeɖe tẽe, “atsu sia atsu si ʋu dɔ nu.”

Kpɔ Megbenyawo A5.

Kpɔ Megbenyawo A5.

Alo, “ƒeƒlelu.”

Kpɔ Megbenyawo A5.

Alo, “aƒo ɖe wò luʋɔ.”

Egɔmeɖeɖe tẽe, “tso esime wònye ɖetugbui leaƒe.”

Kpɔ Megbenyawo A5.

Alo, “eye wòyi edzi ɖo to wo.”

Efia, Herodes Antipa. Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.

Kpɔ Megbenyawo A5.

Alo, “amegbetɔwo.”

Alo, “Mawu ƒe xɔname.”

Alo, “Migatafa ame aɖeke o.”

Alo, “fetu.”

Kpɔ Megbenyawo A5.

Alo, “nàwɔ subɔsubɔdɔ kɔkɔe na.”

Alo, “ƒe kɔkɔƒe.”

Kpɔ Megbenyawo A5.

Kpɔ Megbenyawo A5.

Kpɔ Megbenyawo A5.

Alo, “kpodɔléla.”

Alo, “womeda dɔ na wo dometɔ aɖeke o.”

Alo, “atiketsi.”

Efia, Galilea-ƒua.

Alo, “kpodɔ.”

Kpɔ Megbenyawo A5.

Esia fia be ame nava zu Yesu ƒe nusrɔ̃la.

Alo, “siti.”

Alo, “ŋutsu aɖe si ƒe nuɖusi dze ti.”

Alo, “ame si ƒe asi dze ti.”

Alo, “luʋɔ.”

Efia dememaxɔmaxɔe.

Alo, “Minɔ asi ɖem le nya ŋu.”

Alo, “woaɖe asi le miawo hã mia tɔwo ŋu.”

Egɔmeɖeɖe tẽe, “tenuvi.”

Alo, “kpodɔlélawo.”

Alo, “mɔfiame.”

Alo, “asi me.”

Alo, “nunya me tsonuwo.”

Kpɔ Megbenyawo B14.

Alo, “ŋkuɖodziyɔdowo.”

Agate ŋu afia, “Ɣeyiɣi didi aɖee nye ema wòkpɔ ŋusẽ ɖe edzi.”

Alo, “to la dzi va ɖo eƒe aga nu.”

Alo, “agbeŋusẽ gaɖo eme.”

Egɔmeɖeɖe tẽe, “klosalo.”

Alo, “awu bubu.”

Efia, Herodes Antipa. Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.

Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.

Alo, “luʋɔ.”

Alo, “luʋɔ.”

Alo, “blaadre vɔ eve” le asinuŋɔŋlɔgbalẽ xoxo aɖewo me.

Alo, “migakpla ɖe amewo le gbedodo na wo me o.”

Alo, “Hades,” si nye ameƒomea ƒe yɔdo. Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.

Alo, “akeklewo.”

Kpɔ Megbenyawo A5.

Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.

Kpɔ Megbenyawo B14.

Alo, “kpe ɖe mía ŋu be míagana ta le tetekpɔ me o.”

Alo, “akekle, aganɛ.”

Enye ŋkɔ si woyɔna na Satana.

Alo, “nusrɔ̃lawo.”

Alo, “nudokusi.”

Alo “wò ŋku dzi dza.”

Egɔmeɖeɖe tẽe, “wò ŋku vɔ̃ɖi.”

Efia, ame ɖokui ŋuti kɔkɔ le Yudatɔwo ƒe kɔnyinyi nu.

Alo, “bubunɔƒewo.”

Alo, “asiwo me.”

Alo, “ŋkuɖodziyɔdo.”

Alo, “ŋkuɖodziyɔdowo.”

Alo, “gbedoxɔ.”

Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.

Egɔmeɖeɖe tẽe, “asario.” Kpɔ Megbenyawo B14.

Agate ŋu afia, “ƒuƒoƒewo.”

Alo, “ŋubiabiã.”

Alo, “nye luʋɔ.”

Alo, “Luʋɔ, èdzra.”

Alo, “luʋɔ.”

Alo, “luʋɔ.”

Alo, “luʋɔ.”

Kpɔ Megbenyawo B14.

Egɔmeɖeɖe tẽe, “Mibla ali dzi.”

Esia anɔ abe zã ga 9 lɔƒo va se ɖe zã ga 12 ene.

Esia anɔ abe zã ga 12 lɔƒo va se ɖe fɔŋli ga 3 ene.

Alo, “si nya nu.”

Alo, “aƒemesubɔviwo.”

Alo, “wɔ eƒe aƒetɔ ƒe lɔlɔ̃nu.”

Egɔmeɖeɖe tẽe, “lepta mamlɛtɔ.” Kpɔ Megbenyawo B14.

Egɔmeɖeɖe tẽe, “Seya dzidzenu.” Seya ɖeka le lita 7.33. Kpɔ Megbenyawo B14.

Kpɔ Megbenyawo A5.

Egɔmeɖeɖe tẽe, “ewɔ kpɔɖeŋu.”

Egɔmeɖeɖe tẽe, “aɖu abolo.”

Alo, “eye melɔ̃ fofoa, dadaa, srɔ̃a, viawo, nɔviaŋutsuwo kple nɔvianyɔnuwo ʋɛ wum o.”

Alo, “luʋɔ.”

Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.

Alo, “mɔ́.”

Kpɔ Megbenyawo B14.

Kpɔ Megbenyawo B14.

Alo, “nyɔnu siwo nye exɔlɔ̃wo.”

Kpɔ Megbenyawo B14.

Alo, “Mawu.”

Egɔmeɖeɖe tẽe, “ɖadze eƒe kɔ dzi.”

Alo, “wòle dedie.”

Alo, “baf dzidzenu.” Baf ɖeka le lita 22. Kpɔ Megbenyawo B14.

Alo, “kɔr dzidzenu.” Kɔr ɖeka le lita 220. Kpɔ Megbenyawo B14.

Egɔmeɖeɖe tẽe, “ƒe akɔnu.”

Alo, “Hades,” si nye ameƒomea ƒe yɔdo. Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.

Egɔmeɖeɖe tẽe, “le eƒe akɔnu.”

Egɔmeɖeɖe tẽe, “azu nukikli na amewo.”

Enye atiku sue aɖe si le Palestina-nyigba dzi. Eƒe atia tea ŋu kɔna dea meta 4 eye wòɖea alɔ.

Enye gboti ƒomevi aɖe si tea ŋu kɔna dea meta 6 eye eƒe kutsetsewo biãna alo nɔa yibɔ.

Alo, “kpodɔléla.”

Alo, “luʋɔ.”

Kpɔ Megbenyawo A3.

Egɔmeɖeɖe tẽe, “xɔse la.”

Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.

Alo, “metso ame aɖe nu alakpatɔe.”

Helatɔwo ƒe mina ɖeka ƒe kpekpemee nye gram 340, eye wobui be eƒe home sɔ kple drakma 100. Kpɔ Megbenyawo B14.

Egɔmeɖeɖe tẽe, “klosalo.”

Kpɔ Megbenyawo A5.

Egɔmeɖeɖe tẽe, “nutodziɖula ƒe ŋusẽ.”

Alo, “Ðe wòsɔ.”

Kpɔ Megbenyawo B14.

Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.

Egɔmeɖeɖe tẽe, “wonye tsitretsitsi ƒe viwo.”

Kpɔ Megbenyawo A5.

Kpɔ Megbenyawo A5.

Alo, “asiwo me.”

Alo, “teƒe nyuitɔwo.”

Alo, “nunɔamesiwo.”

Alo, “wowɔa ameŋkumenu doa gbe legbewo ɖa.”

Egɔmeɖeɖe tẽe, “lepta eve.” Kpɔ Megbenyawo B14.

Alo, “ʋunyaʋunyawɔwɔ.”

Alo, “luʋɔwo.”

Alo, “trɔ̃subɔdukɔwo.”

Alo, “trɔ̃subɔdukɔwo.”

Alo, “yi afi si woada kpe wòadze.”

Alo, “Mawu ƒe ŋusẽ ƒe ɖusime.”

Kpɔ Megbenyawo A3.

Alo, “wòahee ɖe ati ŋu.”

Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.

Efia, ŋdɔ ga 12 lɔƒo.

Efia, ɣetrɔ ga 3 lɔƒo.

Alo, “ŋkuɖodziyɔdo.”

Alo, “ŋkuɖodziyɔdo.”

Alo, “ŋkuɖodziyɔdo.”

Alo, “ŋkuɖodziyɔdoa.”

Alo, “ŋkuɖodziyɔdoa.”

Alo, “ŋkuɖodziyɔdo.”

Anɔ abe kilometa 11 ene. Egɔmeɖeɖe tẽe, “stadio 60.” Stadio ɖeka le meta 185. Kpɔ Megbenyawo B14.

Alo, “ŋkuɖodziyɔdo.”

Alo, “ŋkuɖodziyɔdoa.”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe