Èle Dzadzraɖoɖi Na Ŋkeke Vevitɔ Kekeake Le Ƒea Mea?
GAƑOƑO ʋɛ aɖewo do ŋgɔ na Yesu ƒe ku la, eɖo mɔ tɔxɛ aɖe si dzi woato aɖo ŋku eƒe kua dzi la anyi. Emegbe wova yɔa ŋkuɖodziwɔna sia be “Aƒetɔ ƒe fiẽnuɖuɖu.” (1 Korintotɔwo 11:20) Yesu de se sia tsɔ te gbe ɖe eƒe vevienyenye dzi be: “Minɔ esia wɔm hena ŋkuɖoɖo dzinye.” (Luka 22:19) Enye wò didi be nàɖo to Yesua? Ekema àbu ŋkeke si dzi Yesu ƒe kua dze le ƒe sia me be enye ŋkeke vevitɔ le ƒea me.
Ke ŋkeke ka tututu dzie wòle be nàɖo ŋku Yesu ƒe kua dzi? Eye nu kae akpe ɖe ŋuwò be nànɔ dzadzraɖoɖi bliboe be nàse vevienyenye si le wɔna sia ŋu la gɔme? Ele be Kristotɔ ɖe sia ɖe nade ŋugble le biabia siawo ŋu nyuie.
Zi Nenie Woaɖui Le Ƒe Me?
Zi geɖe la, ƒe sia ƒee míeɖoa ŋku ŋkeke veviwo dzi. Le kpɔɖeŋu me, togbɔ be afɔku si dzɔ le September 11, 2001 dzi nɔa ŋku dzi na ame siwo le New York City, siwo ƒe ame veviwo ku esi nu vlo wɔlawo dze Xexeame Katã ƒe Asitsaƒegã dzi hã la, gɔmesese vevi aɖe nɔa ɣletiŋkeke si dzi ŋkeke ma dze le ƒea me la ŋu na wo.
Nenema kee le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la, woɖoa ŋku nudzɔdzɔ veviwo ƒe sia ƒe. (Ester 9:21, 27) Yehowa de se na Israel viwo be woanɔ ŋku ɖom ale si yeɖe wo nukutɔe tso kluvinyenye me le Egipte la dzi ƒe sia ƒe. Le Biblia me la, woyɔ ŋkeke ma be Ŋutitoto, eye Israel viwo ɖunɛ zi ɖeka le ƒe me, le ɣletiŋkeke si tututu dzi woɖe wo la dzi.—2 Mose 12:24-27; 13:10.
Esi Yesu ɖu Ŋutitotoŋkekenyuia kple eƒe apostolowo vɔ teti ye wòɖo nuɖuɖu tɔxɛ aɖe, si anye kpɔɖeŋu na ale si woanɔ ŋku ɖom eƒe kua dzi la, anyi. (Luka 22:7-20) Zi ɖeka le ƒe mee woɖua Ŋutitotoŋkekenyuia. Eya ta míate ŋu aƒo nya ta be ele be woawɔ ŋkuɖodziwɔna yeye sia si xɔ ɖe Ŋutitotoŋkekenyuia teƒe la hã zi ɖeka le ƒe me. Gake le ŋkeke ka dzi?
Ŋkeke Ka Dzie Woaɖui?
Be míaɖo nya sia ŋu la, ele be míase nu eve aɖewo gɔme. Gbãtɔe nye be, le Biblia ŋlɔɣiwo la, ŋkekea dzea egɔme fiẽ, le ɣeɖoto, eye wòwua enu le ŋkeke si kplɔe ɖo dzi ƒe ɣeɖoto. Eya ta ŋkeke ɖeka ƒe didime nye tso fiẽ va se ɖe fiẽ.—3 Mose 23:32.
Eveliae nye be, ɣletigbalẽ si míezãna egbea to vovo na Biblia me tɔ. Ɣletiwo abe March kple April ene medze le Biblia me o, ke boŋ eƒo nu tso ɣletiwo abe Adar kple Nisan ene ŋu. (Ester 3:7) Yudatɔwo xlẽa ɣletiwo tso dzinu yeye dzi yi dzinu yeye dzi. Woɖua Ŋutitotoŋkekenyuia le Nisan, si nye woƒe ɣletigbalẽa ƒe ɣleti gbãtɔ, ƒe ŋkeke 14 lia dzi. (3 Mose 23:5; 4 Mose 28:16) Ŋkeke ma, si nye Nisan 14 lia, dzie Romatɔwo klã míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ɖe ati ŋuti. Esia nye ƒe 1,545 tso esime woɖu Ŋutitotoŋkekenyui gbãtɔ. Ŋkeke tɔxɛ aɖee Nisan 14 lia nye vavã!
Ke ŋkeke ka dzie Nisan 14 lia dzena le ɣletigbalẽ si míezãna egbea dzi? Míetea ŋu nyaa ŋkekea to akɔntabubu bɔbɔe aɖe dzi. Ne dzinu yeye do le ɣeyiɣi si gogo adame ƒe gɔmedzedze le anyigba ƒe dziehenutowo me (ŋkeke kple zã ƒe didime sɔna le ɣeyiɣi sia me), eye wòdze wokpɔ le Yerusalem le ɣeɖoto la, ɣemaɣie Nisan 1 dzea egɔme. Ne míexlẽ ŋkeke 14 tso ɣemaɣi la, adze Nisan 14 lia dzi. Zi geɖe la, dzinua sɔna tegblẽe le ŋkeke ma dzi. Le Biblia ƒe akɔntabubu sia nu la, le ƒe sia me la, Nisan 14 lia dze Kwasiɖa, April 17, 2011 dzi, le ɣeɖoto.a
Eya ta le ƒe sia me la, Yehowa Ðasefowo le dzadzraɖo wɔm be yewoaƒo ƒu kple ame siwo katã di be yewoaɖo ŋku Yesu ƒe kua dzi. Wole kpewòm vividoɖeameŋutɔe be nàwɔ ɖeka kpli yewo. Dze agbagba nàbia Ðasefo siwo le miaƒe nutoa me ne woagblɔ ɣeyiɣi kple teƒe si woawɔe le na wò. Menye ŋdi alo ŋdɔ mee woawɔ ŋkuɖodziwɔna sia o, ke boŋ le fiẽ me, ne ɣe ɖo to. Nu ka tae? Elabena Biblia gblɔ be ele be wòanye “fiẽnuɖuɖu.” (1 Korintotɔwo 11:25) Ƒe 1,978 enye esi tso esime Yesu ɖo ŋkuɖodziwɔna tɔxɛ sia anyi, eye le ƒe sia me la, edze Kwasiɖa, April 17, 2011 ƒe fiẽ dzi. Eye fiẽ sia nye ŋkeke si dzi Yesu ku, si nye Nisan 14 lia, la ƒe gɔmedzedze. Ðe ŋkeke aɖe gali si sɔ wu esia si dzi wòle be woaɖo ŋku Yesu ƒe kua dzia?
Ale Si Nàdzra Ðoe
Nu kae nàte ŋu awɔ atsɔ adzra ɖo ɖe zi ɖeka le ƒe me ƒe wɔna sia ŋu? Ðekae nye be nàde ŋugble le nu siwo Yesu wɔ na mí ŋu. Agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?b kpe ɖe ame miliɔn geɖe ŋu wokpɔ ŋudzedze ɖe nu si ta Yesu ku ɖo la ŋu.—Mateo 20:28.
Mɔ bubu si dzi míato adzra míaƒe dziwo ɖo ɖe ŋkeke sia ŋue nye be míaxlẽ nu tso nu siwo dzɔ do ŋgɔ na Yesu ƒe ŋkeke mamlɛtɔ le anyigba sia dzi ŋu. Le axa siwo kplɔe ɖo me la, àkpɔ aɖaka aɖe. Le aɖakaa ƒe ɖusikpa dzi la, wode dzesi ale si Nya Nyui Gbalẽ vovovoawo ƒo nu tso nu siwo dzɔ do ŋgɔ na Yesu ƒe ku la ɖi. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, wofia asi agbalẽ si nye Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔc ƒe ta vovovo siwo ɖe nudzɔdzɔ mawo me la le eme.
Le aɖakaa ƒe miakpa dzi la, wotsɔ ŋkeke siwo dzi nuawo dzɔ le blema la sɔ kple ŋkeke siwo dzi wodze le ƒe sia me. Ðe manyo ŋutɔ be le ŋkeke ɖe sia ɖe gome la, nàxlẽ nya siwo le mawunyakpukpuiawo dometɔ aɖewo teti me ku ɖe nu siwo dzɔ do ŋgɔ na Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua ɖuɣi oa? Akpe ɖe ŋuwò be nànɔ dzadzraɖoɖi na ŋkeke vevitɔ kekeake le ƒea me ŋu.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Ðewohĩ ŋkeke sia madze ŋkeke si dzi egbegbe Yudatɔwo ɖua Ŋutitotoŋkekenyuia dzi o. Nu ka tae? Egbea, Yudatɔ akpa gãtɔ ɖua Ŋutitotoŋkekenyuia le Nisan 15 lia dzi, elabena woxɔe se be ewɔ ɖeka kple sedede si le 2 Mose 12:6. (Kpɔ Gbetakpɔxɔ February 15, 1990, axa 14.) Ke hã, Yesu ɖu ŋkeke sia le Nisan 14 lia dzi le ɖekawɔwɔ me kple Mose ƒe Sea. Kpɔ Gbetakpɔxɔ June 15, 1977, axa 383-384 hena numeɖeɖe geɖe wu le ale si wobua akɔnta siae ŋu.
b Yehowa Ðasefowoe tae. Kpɔ axa 47-56, 206-208. Àte ŋu ake ɖe agbalẽ sia ŋu le Internet nyatakakadzraɖoƒe si nye www.watchtower.org.
c Yehowa Ðasefowoe tae.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 22]
Ðo ŋku Yesu ƒe kua dzi Kwasiɖa, April 17, 2011
[Nyaɖoɖo/Nɔnɔmetatawo si le axa 23]
(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)
KWASIÐA MAMLƐTƆ
2011 Braɖa April 12 ▪ Sabat Mateo
2012 ․․․․․ Marko
2013 ․․․․․ Luka
NISAN 9 (edze gɔme le ɣeɖoto)
Le Biblia ŋlɔɣiwo la, ▪ Eɖu nu kple, □ Mateo 26:6-13
ŋkeke yeye dzea egɔme kpodɔléla la
le ɣeɖoto megbe, ▪ Maria si nardomi □ Marko 14:3-9
eye wòwua enu le ŋkeke na Yesu
si kplɔe ɖo ƒe ɣeɖoto ▪ Yudatɔwo va Yesu Luka
kple Lazaro kpɔ □ Yohanes 12:2-11
ge ɖa □ gt 101, mm. 5-9
2011 Kuɖa April 13 ▪ Le aseyetsotso me, □ Mateo 21:1-11, 14-17
2012 ․․․․․ Yesu ge ɖe Yerusalem
2013 ․․․․․ ▪ Efia nu le gbedoxɔ me □ Marko 11:1-11
□ gt 102
NISAN 10 (edze gɔme le ɣeɖoto)
▪ Etsi Betania dɔ
2011 Yawoɖa April 14 ▪ Eyi Yerusalem ŋdi □ Mateo 21:12, 13,
2012 ․․․․․ kanya 18, 19
2013 ․․․․․ ▪ Ekɔ gbedoxɔa ŋu □ Marko 11:12-19
▪ Yehowa ƒo nu tso □ Luka 19:45-48
dziƒo □ Yohanes 12:20-50
NISAN 11 (edze gɔme le ɣeɖoto)
2011 Fiɖa April 15 ▪ Ezã kpɔɖeŋuwo tsɔ □ Mateo 21:19–25:46
2012 ․․․․․ fia nui le
2013 ․․․․․ gbedoxɔa me
▪ Eƒo nu tsi tre □ Marko 11:20–13:37
ɖe Farisitɔwo ŋu
▪ Ede dze si ahosia □ Luka 20:1–21:38
ƒe nudzɔdzɔ
▪ Egblɔ be Yohanes
woatsrɔ̃ Yerusalem
▪ Egblɔ eƒe vava □ gt 105 va se ɖe 112, mm. 1
ƒe dzesi
NISAN 12 (edze gɔme le ɣeɖoto)
2011 Memleɖa April 16 ▪ Ŋkeke si wo kple □ Mateo 26:1-5, 14-16
2012 ․․․․․ nusrɔ̃lawo ɖe vovo
2013 ․․․․․ nɔ Betania
▪ Yuda wɔ ɖoɖo ɖe □ Marko 14:1, 2, 10, 11
edede asi ŋu
Yohanes
NISAN 13 (edze gɔme le ɣeɖoto)
2011 Kwasiɖa April 17 ▪ Petro kple Yohanes □ Mateo 26:17-19
2012 ․․․․․ wɔ dzadzraɖo ɖe
2013 ․․․․․ Ŋutitotoa ŋu
NISAN 14 (edze gɔme le ɣeɖoto)
▪ Eɖu Ŋutitotoa □ Mateo 26:20-35
▪ Eklɔ afɔ na □ Marko 14:17-31
apostoloawo
▪ Ena Yuda do go □ Luka 22:14-38
2013 ․․․․․ ▪ Apostoloawo si □ Marko 14:32-72
▪ Sanhedrin la □ Luka 22:39-62
drɔ̃ ʋɔnu
▪ Le Sanhedrin la □ Mateo 27:1-61
ŋkume ake
▪ Wokplɔe yi Pilato, □ Mark 15:1-47
Herodes, kple Pilato
gbɔ ake
▪ Wotso kufia nɛ hewui □ Luka 22:63–23:56
▪ Eku ɣetrɔ ga □ Yohanes 18:28-40
etɔ̃ lɔƒo
▪ Woɖee le atia ŋu heɖi □ gt 121 va se ɖe 127, mm. 7
NISAN 15 (edze gɔme le ɣeɖoto)
▪ Sabat
2011 Tues. April 19 ▪ Pilato na □ Mateo 27:62-66
2012 ․․․․․ wodzɔ Yesu Marko
2013 ․․․․․ ƒe yɔdo ŋu Luka
Yohanes
NISAN 16 (edze gɔme le ɣeɖoto)
2011 Kuɖa April 20 ▪ Wofɔe ɖe tsitre □ Mateo 28:1-15
2012 ․․․․․ ▪ Eɖe eɖokui fia □ Marko 16:1-8
2013 ․․․․․ nusrɔ̃lawo □ Luka 24:1-49
□ Yohane 20:1-25
[Etenuŋɔŋlɔ]
d Xexlẽdzesiawo le tsitre ɖi na agbalẽ si nye Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ (gt) ƒe ta vovovoawo. Ne èdi be yeakpɔ aɖaka si me mawunyakpukpui siwo katã ku ɖe Yesu ƒe anyigba dzi subɔsubɔdɔ mamlɛa ŋu le la, kpɔ “All Scripture Is Inspired of God and Beneficial” (“ Toute Écriture est inspirée de Dieu et utile ”), axa 290. Yehowa Ðasefowoe ta wo.