INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • nwt Mateo 1:1-28:20
  • Mateo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mateo
  • Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
Mateo

ABE ALE SI MATEO ŊLƆE ENE

1 Yesu Kristo,* David vi,+ Abraham vi,+ ƒe dzidzimenuŋlɔɖiwo:

 2 Abraham dzi Isak;+

Isak dzi Yakob;+

Yakob dzi Yuda+ kple nɔviawo;

 3 Yuda kple Tamar dzi Perez kple Zera;+

Perez dzi Hezron;+

Hezron dzi Ram;+

 4 Ram dzi Aminadab;

Aminadab dzi Nahason;+

Nahason dzi Salmon;

 5 Salmon kple Rahab+ dzi Boaz;

Boaz kple Rut+ dzi Obed;

Obed dzi Isai;+

 6 Isai dzi David,+ fia la.

David kple Uriya srɔ̃ dzi Salomo;+

 7 Salomo dzi Rehabeam;+

Rehabeam dzi Abiya;

Abiya dzi Asa;+

 8 Asa dzi Yehosafat;+

Yehosafat dzi Yehoram;+

Yehoram dzi Uziya;

 9 Uziya dzi Yotam;+

Yotam dzi Ahaz;+

Ahaz dzi Hizkiya;+

10 Hizkiya dzi Manase;+

Manase dzi Amon;+

Amon dzi Yosiya;+

11 Yosiya+ dzi Yekoniya+ kple nɔviawo le Babilon ƒe aboyoɖeɣi.+

12 Esi wole aboyo me le Babilon la, Yekoniya dzi Sealtiel;

Sealtiel dzi Zerubabel;+

13 Zerubabel dzi Abihud;

Abihud dzi Eliyakim;

Eliyakim dzi Azor;

14 Azor dzi Zadok;

Zadok dzi Akim;

Akim dzi Elihud;

15 Elihud dzi Eleazar;

Eleazar dzi Matan;

Matan dzi Yakob;

16 Yakob dzi Yosef, ame si srɔ̃e nye Maria si dzi Yesu+ si woyɔna be Kristo la.+

17 Ale dzidzimeawo katã tso Abraham dzi va se ɖe David dzi le dzidzime wuiene; tso David dzi va se ɖe esime woɖe aboyo wo yi Babilon la le dzidzime wuiene; eye tso esime woɖe aboyo wo yi Babilon va se ɖe Kristo la dzi le dzidzime wuiene.

18 Yesu Kristo dzidzi yi ale. Esime wodo dadaa Maria ɖeɖe ŋugbe na Yosef, eye womekpɔ ɖe wo nɔewo haɖe o la, efɔ fu to gbɔgbɔ kɔkɔe+ dzi.* 19 Ke esi srɔ̃a Yosef nye ame dzɔdzɔe, eye medi be yeado ŋukpee le dutoƒo o ta la, eɖoe be yeagbee le adzame.+ 20 Ke esi wòbu nu siawo ŋu vɔ la, kpɔ ɖa, Yehowa* ƒe dɔla ɖe eɖokui fiae le drɔ̃eƒe gblɔ be: “Yosef, David vi, mègavɔ̃ srɔ̃wò Maria kpɔkplɔ va aƒewò me o, elabena fu si wòfɔ la, gbɔgbɔ kɔkɔe mee wòtso.+ 21 Adzi ŋutsuvi, eye nàna ŋkɔe be Yesu,*+ elabena eyae aɖe eƒe dukɔ tso eƒe nu vɔ̃wo me.”+ 22 Nu siawo katã dzɔ ale be nya si Yehowa* gblɔ to eƒe nyagblɔɖila dzi la nava eme be: 23 “Kpɔ ɖa! Ðetugbui leaƒe afɔ fu adzi ŋutsuvi, eye woana ŋkɔe be Imanuel,”+ si gɔmee nye “Mawu Li Kpli Mí.”+

24 Ale Yosef nyɔ tso alɔ̃ me, eye wòwɔ abe ale si Yehowa* ƒe dɔla la gblɔ nɛ ene, eye wòkplɔ srɔ̃a va eƒe me. 25 Ke medɔ kplii o va se ɖe esime wòdzi ŋutsuvi;+ eye wòna ŋkɔe be Yesu.+

2 Esi wodzi Yesu le Betlehem+ le Yudea le fia Herodes*+ ŋɔli la, kpɔ ɖa, ɣletivimefakalawo tso Ɣedzeƒe va Yerusalem, 2 eye wobia be: “Afi kae Yudatɔwo ƒe fia si wodzi la le?+ Elabena míekpɔ eƒe ɣletivi esime míenɔ Ɣedzeƒe, eye míeva be míade bubu eŋu.”* 3 Esi Fia Herodes se nya sia la, dzidzi ƒo eya kple Yerusalem nɔlawo katã. 4 Eƒo dukɔ la ƒe nunɔlawo ƒe tatɔwo katã kple agbalẽfialawo nu ƒu hebia wo afi si woadzi Kristo* la le. 5 Woɖo eŋu nɛ be: “Woadzii le Betlehem+ le Yudea, elabena aleae woŋlɔe ɖi to nyagblɔɖila la dzi be: 6 ‘Oo, wò Betlehem si le Yuda-nyigba dzi, menye wòe nye du suetɔ kekeake na Yuda dzi ɖulawo kura o, elabena mewòe dziɖula, si akplɔ nye dukɔ Israel la, ado tso.’”+

7 Ale Herodes yɔ ɣletivimefakalaawo vɛ le adzame heku nu me tsitotsito tso ɣeyiɣi si me ɣletivia dze la ŋu. 8 Esi wònɔ wo ɖom ɖe Betlehem la, egblɔ be: “Miyi ɖadi ɖevi la nyuie, eye ne mieke ɖe eŋu la, miva ka eta nam ne nye hã mayi aɖade bubu eŋu.” 9 Esi wose fia la ƒe nyawo vɔ la, wodze mɔ, eye kpɔ ɖa, ɣletivi si wokpɔ esime wonɔ Ɣedzeƒe+ la dze wo ŋgɔ ʋuu va tɔ ɖe aƒe si me ɖevia le la tame. 10 Esi wokpɔ ɣletivia la, dzi dzɔ wo ale gbegbe. 11 Eye esi woge ɖe aƒea me la, wokpɔ ɖevi la kple dadaa Maria, eye wobɔbɔ de bubu eŋu. Woʋu nu siwo me woƒe kesinɔnuwo le la nu, eye wotsɔ nunana siwo nye sika, lifi kple mire la nɛ. 12 Gake esi Mawu xlɔ̃ nu wo le drɔ̃eƒe+ be womegatrɔ yi Herodes gbɔ o ta la, woto mɔ bubu trɔ yi wo de.

13 Esi wodzo vɔ la, kpɔ ɖa, Yehowa* ƒe dɔla ɖe eɖokui fia Yosef le drɔ̃eƒe+ hegblɔ nɛ be: “Tso nàkplɔ ɖevi la kple dadaa ne miasi ayi Egipte, eye nànɔ afi ma va se ɖe esime magblɔ na wò be nàtrɔ agbɔ, elabena Herodes le ɖevi la di ge be yeawu.” 14 Ale Yosef tso kplɔ ɖevi la kple dadaa le zã me, eye wodzo yi Egipte. 15 Enɔ afi ma va se ɖe esime Herodes ku. Ale nya si Yehowa* gblɔ to eƒe nyagblɔɖila dzi la va eme be: “Meyɔ vinye la tso Egipte vɛ.”+

16 Esi Herodes kpɔ be ɣletivimefakalaawo flu ye la, edo dziku vevie, eye wòdɔ amewo woyi Betlehem kple eƒe nutowo katã me ɖawu ŋutsuvi siwo katã xɔ ƒe eve kple esiwo mexɔ nenema haɖe o la ɖe ale si wòbia ɣeyiɣi la tsitotsito tso ɣletivimefakalaawo+ gbɔe la nu. 17 Ale nya si wogblɔ to nyagblɔɖila Yeremiya dzi la va eme, egblɔ be: 18 “Wose gbe aɖe le Rama, avifafa kple konyifafa geɖe. Rahel+ ye le fafam na viawo, eye mele lɔlɔ̃m be woafa akɔ na ye o, elabena womegali o.”+

19 Esi Herodes ku la, kpɔ ɖa, Yehowa* ƒe dɔla ɖe eɖokui fia Yosef le drɔ̃eƒe+ le Egipte, 20 eye wògblɔ nɛ be: “Tso nàkplɔ ɖevia kple dadaa miayi Israel-nyigba dzi, elabena ame siwo di be yewoaɖe ɖevi la ƒe agbe* ɖa la ku.” 21 Ale wòtso kplɔ ɖevi la kple dadaa va Israel-nyigba dzi. 22 Ke esi wòse be Arkelao le fia ɖum le Yudea ɖe fofoa Herodes teƒe la, evɔ̃ afi ma yiyi. Azɔ hã esi wònye Mawu xlɔ̃ nui le drɔ̃e+ me ta la, edzo yi Galilea+ nutoa me. 23 Eye wòva nɔ du si woyɔna be Nazaret+ la me, ale be nya si wogblɔ to nyagblɔɖilawo dzi la nava eme be: “Woayɔe be Nazaretetɔ.”*+

3 Le ŋkeke mawo me la, Yohanes+ Amenyrɔɖetsimela va le gbeƒã ɖem+ le Yudea-gbedzi 2 be: “Mitrɔ dzi me, elabena Dziƒofiaɖuƒe la gogo.”+ 3 Le nyateƒe me la, ame sia ŋu nyae wogblɔ ɖi to nyagblɔɖila Yesaya+ dzi be: “Ame aɖe le ɣli dom le gbedzi be: ‘Midzra Yehowa* ƒe mɔ dzi ɖo! Mina eƒe mɔwo nadzɔ.’”+ 4 Yohanes do kposɔfuwu, eye wòtsɔ lãgbalẽlidziblanu bla ali dzi.+ Ʋetsuviwo kple gbemenyitsie nye eƒe nuɖuɖu.+ 5 Amewo tsoa Yerusalem kple Yudea blibo la kpakple Yordan nuto blibo la me vaa egbɔ,+ 6 eye wònyrɔa wo ɖe Yordan-tɔsisia+ me, eye woʋua woƒe nu vɔ̃wo me.

7 Esi wòkpɔ Farisitɔwo kple Zadukitɔwo+ dometɔ geɖewo gbɔna nyɔnyrɔxɔƒea la, egblɔ na wo be: “Mi dzakpatawo+ ƒe dzidzimeviwo, ame kae xlɔ̃ nu mi be miasi le dziku si gbɔna la nu?+ 8 Eya ta mitse ku si dze dzimetɔtrɔ. 9 Miganɔ gbɔgblɔm le mia ɖokuiwo me be, ‘Abraham ye nye mía fofo’ o.+ Elabena mele egblɔm na mi be, Mawu ate ŋu ana viwo nado tso kpe siawo me na Abraham. 10 Wotsɔ fía ɖo atiawo ƒe ke dzi xoxo. Eya ta ati sia ati si metsea ku nyui o la, woalãe ade dzo me.+ 11 Nye la, metsɔ tsi le mia nyrɔm le miaƒe dzimetɔtrɔ ta,+ ke ame si le megbenye gbɔna la tri akɔ wum, ame si ƒe afɔkpawo nyemedze aɖe o.+ Eya atsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe+ kple dzo+ anyrɔ mi. 12 Eƒe lugbɔnu le esi, akplɔ eƒe nukuƒoƒe keŋkeŋ, eye wòaƒo lu la nu ƒu ɖe eƒe nudzraɖoƒe, ke tsroa ya la, atɔ dzoe+ kple dzo si womatsi o.”

13 Ɣemaɣi la, Yesu tso Galilea va Yohanes gbɔ le Yordan-tɔsisi la to be wòanyrɔ ye.+ 14 Ke Yohanes di be yeaxe mɔ nɛ hegblɔ be: “Nyee wòhiã be nànyrɔ, eye wò boŋ nègbɔna gbɔnyea?” 15 Gake Yesu ɖo eŋu nɛ be: “Lɔ̃ ɖe edzi nam fifia, elabena mɔ sia dzie míato awɔ nu siwo katã le dzɔdzɔe.” Ale wòdzudzɔ mɔxexe nɛ. 16 Ke esi wonyrɔ Yesu vɔ la, efɔ tso tsia me enumake; eye kpɔ ɖa, dziƒowo nu ʋu,+ eye wòkpɔ Mawu ƒe gbɔgbɔ la wòle ɖiɖim ɖe edzi abe ahɔnɛ ene.+ 17 Kpɔ ɖa! Gbe aɖe hã ɖi tso dziƒowo+ gblɔ be: “Ame siae nye Vinye+ si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, si ƒe nu dzea ŋunye.”+

4 Eye gbɔgbɔ la kplɔ Yesu yi gbedadaƒo be Abosam+ natee kpɔ.+ 2 Esi wòtsi nu dɔ ŋkeke blaene kple zã blaene megbe la, dɔ wui. 3 Ɣemaɣi la, Tela+ la va gblɔ nɛ be: “Ne Mawu ƒe vie nènye la, ekema gblɔ na kpe siawo be woatrɔ azu abolo.” 4 Ke eɖo eŋu be: “Woŋlɔ ɖi be: ‘Menye abolo ɖeɖe ko nu amegbetɔ anɔ agbe ɖo o, ke boŋ ɖe nya sia nya si dona tso Yehowa* ƒe nu me la hã nu.’”+

5 Azɔ Abosam kplɔe yi du kɔkɔe la me,+ eye wòtsɔe ɖo gbedoxɔa+ tame 6 hegblɔ nɛ be: “Ne Mawu ƒe vie nènye la, ekema ti kpo nàɖadze anyigba; elabena woŋlɔ ɖi be: ‘Ade se na eƒe dɔlawo le ŋutiwò,’ eye, ‘Woaxe wò kple woƒe asiwo, be nàgatsɔ wò afɔ axlã ɖe kpe o.’”+ 7 Yesu gblɔ nɛ be: “Woŋlɔ ɖi hã be: ‘Mègate Yehowa* wò Mawu kpɔ o.’”+

8 Abosam gakplɔe yi to aɖe si kɔkɔ ŋutɔ la dzi, eye wòɖe xexemefiaɖuƒewo katã kple woƒe ŋutikɔkɔe fiae.+ 9 Eye wògblɔ nɛ be: “Matsɔ nu siawo katã ana wò ne èdze klo de ta agu nam.” 10 Eye Yesu gblɔ nɛ be: “Te ɖa le gbɔnye, Satana! Elabena woŋlɔ ɖi be: ‘Yehowa* wò Mawue nàde ta agu na,+ eye eya ɖeka koe nàsubɔ.’”*+ 11 Ale Abosam dzo le egbɔ,+ eye kpɔ ɖa, mawudɔlawo va subɔe.+

12 Ke esi Yesu se be wolé Yohanes la,+ edzo yi Galilea.+ 13 Eye wòdzo le Nazaret yi ɖanɔ Kapernaum,+ si le ƒua nu, le Zebulon kple Naftali nutoawo me, 14 ale be nya si wogblɔ ɖi to nyagblɔɖila Yesaya dzi la nava eme, egblɔ be: 15 “Oo Zebulon-nyigba kple Naftali-nyigba, siwo le ƒutamɔ dzi, le Yordan ƒe go kemɛ dzi, dukɔwo ƒe Galilea! 16 Dukɔ si nɔ viviti me la kpɔ kekeli gã aɖe, eye kekeli+ klẽ na ame siwo nɔ nuto si dzi ku do vɔvɔli ɖo la.”+ 17 Tso ɣemaɣi la, Yesu de asi gbeƒãɖeɖe me henɔ gbɔgblɔm be: “Mitrɔ dzi me, elabena Dziƒofiaɖuƒe la gogo.”+

18 Esi wòto Galilea-ƒua* nu yina la, ekpɔ nɔviŋutsu eve, Simon si wogayɔna be Petro+ kple nɔvia Andrea, wole asabu dam, elabena tɔƒodelawoe wonye.+ 19 Eye wògblɔ na wo be: “Miva dze yonyeme, eye mawɔ mi ameɖelawoe.”+ 20 Enumake wogblẽ woƒe ɖɔawo ɖi hedze eyome.+ 21 Esi wòdzo le afi ma la, ekpɔ nɔviŋutsu eve bubu, Yakobo kple nɔvia Yohanes,+ siwo nye Zebedeo viwo. Wo kple wo fofo Zebedeo wole tɔdziʋu me le woƒe ɖɔ vuvuwo sam, eye wòyɔ wo.+ 22 Enumake wogblẽ tɔdziʋu la kple wo fofo ɖi hedze eyome.

23 Eye wòyi ɖatsa le Galilea+ blibo la le nu fiam le woƒe ƒuƒoƒewo+ hele gbeƒã ɖem Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui la, eye wòle dɔlélewo katã kple lãmegbegblẽwo katã ƒomevi dam le dukɔ la me.+ 24 Ale Yesu ŋu nya kaka de Siria nutoa katã me; eye wokplɔ ame siwo katã ƒe lãme gblẽ vevie, ame siwo dɔléle kple lãmevee vovovowo le fu wɔmee,+ ame siwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le,+ kple ame siwo le anyidzedɔ*+ lém kpakple lãmetututɔwo va egbɔ, eye wòda dɔ na wo. 25 Le esia ta ameha gã aɖewo, siwo tso Galilea, Dekapoli,* Yerusalem kple Yudea kpakple Yordan ƒe go kemɛ dzi la, dze eyome.

5 Esi wòkpɔ amehawo la, eyi to aɖe dzi, eye esi wòbɔbɔ nɔ anyi la, eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ. 2 Eye wòde asi nufiafia wo me be:

3 “Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo nyae be gbɔgbɔmenuwo+ hiã yewo*, elabena woawo tɔe nye Dziƒofiaɖuƒe la.

4 “Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo le nu xam, elabena woafa akɔ na wo.+

5 “Dzidzɔtɔwoe nye ame fafawo,+ elabena woanyi anyigba la dome.+

6 “Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo dzɔdzɔenyenye ƒe dɔ kple tsikɔ le wuwum,+ elabena woaɖi ƒo na wo.+

7 “Dzidzɔtɔwoe nye nublanuikpɔlawo,+ elabena woakpɔ nublanui na wo.

8 “Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo dza le dzi me,+ elabena woakpɔ Mawu.

9 “Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo wɔa ŋutifafa,*+ elabena woayɔ wo be Mawu viwo.

10 “Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo yome wotina le dzɔdzɔenyenye ta,+ elabena wo tɔe nye Dziƒofiaɖuƒe la.

11 “Dzidzɔtɔwoe mianye ne amewo doa vlo mi,+ tia mia yome,+ eye wokaa aʋatso gblɔa nya vɔ̃ ɖe sia ɖe ƒomevi ɖe mia ŋu le tanye.+ 12 Mitso aseye, eye migli kple dzidzɔ,+ elabena miaƒe fetu+ lolo le dziƒo, elabena nenema kee woti nyagblɔɖila siwo do ŋgɔ na mi hã yome.+

13 “Miawoe nye anyigba la ƒe dze;+ ke ne dze bu eƒe ŋusẽ ɖe, nu kae woawɔ nɛ be wòagaɖɔ ɖo? Womagate ŋu awɔ eŋudɔ na naneke o, ɖeko woatsɔe aƒu gbe ɖe xexe+ be amewo nazɔ edzi.

14 “Miawoe nye xexea ƒe kekeli.+ Du si le to dzi la, womate ŋu aɣlae o. 15 Womesia akaɖi dana ɖe kusi* te o, ke ɖe akaɖiti dzi boŋ, eye wòklẽna na ame siwo katã le aƒea me.+ 16 Nenema kee mina miaƒe kekeli naklẽ le amewo ŋkume,+ ale be woakpɔ miaƒe dɔ nyui wɔwɔwo,+ eye woakafu mia Fofo si le dziƒo.+

17 “Migasusu be ɖe meva Se la kple Nyagblɔɖilawo ƒe nyawo ɖe ge ɖa o. Nyemeva wo ɖe ge ɖa o, ke boŋ be mana woava eme.+ 18 Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be, ne dziƒo kple anyigba nu ate ŋu ayi gɔ̃ hã la, Sea ƒe ŋɔŋlɔdzesi suetɔ kekeake alo ŋɔŋlɔdzesi aɖe ƒe kakɛ aɖeke nu mayi o, va se ɖe esime nu siawo katã va eme.+ 19 Eya ta ame si daa se suetɔ siawo dometɔ ɖeka pɛ dzi, eye wòfiaa amewo be woawɔ nenema la, madze na Dziƒofiaɖuƒea me yiyi o. Ke ame si wɔna ɖe se siawo dzi, eye wòfiaa wo amewo la, adze na Dziƒofiaɖuƒea me yiyi. 20 Elabena mele egblɔm na mi be, ne miaƒe dzɔdzɔenyenye meƒo agbalẽfialawo kple Farisitɔwo+ tɔ ta sãa o la, miele Dziƒofiaɖuƒe la me yi ge akpɔ o.+

21 “Miese wogblɔ na blematɔwo be: ‘Mègawu ame o,+ ke ame si wu ame la, adze ʋɔnudɔdrɔ̃.’+ 22 Ke nye la, mele egblɔm na mi be, ame si le dɔmedzoe+ dom ɖe nɔvia ŋu la, woabia akɔntae le ʋɔnudrɔ̃ƒe; eye ame si agblɔ gbɔɖiamenya ɖe nɔvia ŋu atsɔ ado vloe la, woabia akɔntae le Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ; eye ame si agblɔ be: ‘Èdzɔ lã ŋutɔ!’ la, adze na Gehena* ƒe dzo la me yiyi.+

23 “Eya ta ne ètsɔ wò nunana va vɔsamlekpuia+ gbɔ, eye nèɖo ŋku edzi le afi ma be nya aɖe le nɔviwò si ɖe ŋuwò la, 24 gblẽ wò nunana la ɖe afi ma le vɔsamlekpuia ŋgɔ, eye nàdzo ayi. Wɔ ŋutifafa kple nɔviwòa gbã, eye ne ètrɔ gbɔ la, nàtsɔ wò nunana la ana.+

25 “Dzra wò kple ame si sama wò la dome ɖo kaba esi miele mɔa dzi yina, ale be ame si sama wò la nagatsɔ wò ade asi na ʋɔnudrɔ̃la, ne ʋɔnudrɔ̃la hã natsɔ wò ade asi na kpovitɔ, eye woade wò gaxɔ me o.+ 26 Vavã mele egblɔm na wò be, màdo go le afi ma akpɔ o va se ɖe esime nàxe gaku suetɔ kekeake* hã.

27 “Miese wogblɔ be: ‘Mègawɔ ahasi o.’+ 28 Ke nye la, mele egblɔm na mi be, ame sia ame si le ŋku lém ɖe nyɔnu ŋu,+ eye wòdzroe la, ewɔ ahasi kplii xoxo le eƒe dzi me.+ 29 Eya ta ne wò ɖusimeŋku hea wò dea nu vɔ̃ me* la, hoe ɖa nàtsɔ aƒu gbe.+ Elabena anyo na wò be nàbú wò ŋutinuwo dometɔ ɖeka wu be woatsɔ wò ameti blibo la aƒu gbe ɖe Gehena.*+ 30 Nenema ke ne wò nuɖusi hea wò dea nu vɔ̃ me la, lãe ɖa nàtsɔ aƒu gbe.+ Elabena anyo na wò be nàbú wò ŋutinuwo dometɔ ɖeka wu be wò ameti blibo la nayi Gehena.*+

31 “Wogblɔ hã be: ‘Ame si gbe srɔ̃a la, nena srɔ̃gbegbalẽe.’+ 32 Ke nye la, mele egblɔm na mi be, ame si gbe srɔ̃a ne menye le ahasiwɔwɔ* ta o la, ede nyɔnua ahasiwɔwɔ ƒe tetekpɔ me, eye ame sia ame si ɖe nyɔnu si wogbe la, ewɔ ahasi.+

33 “Miese hã be wogblɔ na blematɔwo be: ‘Mègaka atam nàgbe edziwɔwɔ o,+ ke boŋ nàxe wò adzɔgbeɖefewo na Yehowa.’*+ 34 Ke nye la, mele egblɔm na mi be: Migatà naneke o,+ eɖanye dziƒo o, elabena Mawu ƒe fiazikpui wònye; 35 alo anyigba o, elabena eƒe afɔɖodzinue;+ alo Yerusalem o, elabena Fiagã la ƒe due.+ 36 Eye mègatà wò ta hã o, elabena màte ŋu atrɔ ɖakui ɖeka wòazu ɣie alo yibɔ o. 37 Mina miaƒe ‘Ɛ̃’ nanye ɛ̃, eye miaƒe ‘Ao’ nanye ao,+ elabena nu si wu esiawo la, vɔ̃ɖitɔ la gbɔe wòtso.+

38 “Miese wogblɔ be: ‘Ŋku ɖe ŋku teƒe, eye aɖu ɖe aɖu teƒe.’+ 39 Ke nye la, mele egblɔm na mi be: Migatsi tsitre ɖe ame vɔ̃ɖi la ŋu o, ke boŋ ame si ke ƒo wò ɖusitome la, trɔ ekemɛ hã nɛ.+ 40 Eye ne ame aɖe di be yeahe wò ayi ʋɔnu ne yeaxɔ wò awutewui la, tsɔ wò awudziwui hã nɛ;+ 41 eye ne ŋusẽtɔ aɖe zi dziwò be nàwɔ dɔ aɖe na ye ahazɔ kpli ye agbadroƒe ɖeka* la, zɔ agbadroƒe eve kplii. 42 Na nu ame si le nu biam wò, eye mègatrɔ megbe de ame si di be nàdo nu na ye la o.*+

43 “Miese wogblɔ be: ‘Lɔ̃ hawòvi,+ eye nàlé fu wò futɔ.’ 44 Ke nye la, mele egblɔm na mi be: Miyi edzi mialɔ̃ miaƒe futɔwo,+ eye minɔ gbe dom ɖa ɖe ame siwo tia mia yome la ta,+ 45 ne miazu mia Fofo si le dziƒowo la ƒe viwo,+ elabena enana eƒe ɣe dzena na ame vɔ̃ɖiwo kple ame nyuiwo, eye wònana tsi dzana na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa.+ 46 Elabena ne ame siwo lɔ̃a mi koe mielɔ̃na ɖe, fetu kae le eme na mi?+ Ðe adzɔxɔlawo hã mewɔna nenema ke oa? 47 Eye ne mia nɔviwo koe miedoa gbe na ɖe, nu tɔxɛ kae wònye wɔm miele? Ðe dukɔwo me tɔwo hã mewɔna nenema ke oa? 48 Eya ta mizu blibo, abe ale si mia Fofo si le dziƒo la le bliboe ene.+

6 “Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie be miagaɖe miaƒe dzɔdzɔenyenye afia le amewo ŋkume be woakpɔ o;+ ne menye nenema o la, fetu aɖeke manɔ mia Fofo si le dziƒowo la gbɔ na mi o. 2 Eya ta ne èkpɔ nublanui na amewo* hena nu wo la, mègana kpẽ naɖi le ŋgɔwò abe ale si alakpanuwɔlawo wɔna le ƒuƒoƒewo kple kpɔdomeewo be amewo nakafu yewo la ene o. Vavã mele egblɔm na mi be, woxɔ woƒe fetu blibo la xoxo. 3 Ke wò la, ne èkpɔ nublanui na amewo hena nu wo la, mègana wò miasi nanya nu si wɔm wò nuɖusi le o, 4 ale be wò nunana la nanɔ ɣaɣla. Eye Fofowò, si kpɔa nu le ɣaɣlaƒe la, aɖo eteƒe na wò.+

5 “Nenema kee ne miele gbe dom ɖa la, migawɔ nu abe alakpanuwɔlawo ene o,+ elabena wolɔ̃a gbedodoɖa le tsitrenu le ƒuƒoƒewo kple mɔ gãwo ƒe dzogoewo dzi be amewo nakpɔ yewo.+ Vavã mele egblɔm na mi be, woxɔ woƒe fetu blibo la xoxo. 6 Ke wò la, ne èle gbe do ge ɖa la, yi wò xɔ me, eye ne ètu ʋɔa vɔ la, do gbe ɖa na Fofowò si le ɣaɣlaƒe la.+ Ekema Fofowò si kpɔa nu le ɣaɣlaƒe la aɖo eteƒe na wò. 7 Ne miele gbe dom ɖa la, migagbugbɔ nɔ nya ɖeka mawo ke gblɔm atraɖii abe ale si dukɔwo me tɔwo wɔnɛ ene o, elabena wosusuna be woaɖo to yewo le yewoƒe nya geɖe gbɔgblɔ ta. 8 Eya ta migawɔ nu abe woawo ene o, elabena mia Fofo la nya nu siwo le mia hiãm+ hafi mieva bianɛ gɔ̃ hã.

9 “Eya ta miawo mido gbe ɖa ale:+

“‘Mía Fofo si le dziƒowo, wò ŋkɔ+ ŋuti nakɔ.+ 10 Wò Fiaɖuƒe+ nava. Wò lɔlɔ̃nu+ nava eme le anyigba dzi abe ale si wòle le dziƒo ene.*+ 11 Na míaƒe abolo si asu mía nu egbe la mí;+ 12 tsɔ míaƒe fewo ke mí, abe ale si míawo hã míetsɔe ke ame siwo nyi fe le mía ŋu ene.+ 13 Mègakplɔ mí yi tetekpɔ me o,+ ke ɖe mí tso vɔ̃ɖitɔ la si me.’+

14 “Elabena ne mietsɔa amewo ƒe vodadawo kea wo la, ekema mia Fofo si le dziƒo hã atsɔ ake mi;+ 15 ke ne mietsɔa amewo ƒe vodadawo kea wo o la, mia Fofo hã matsɔ miaƒe vodadawo ake mi o.+

16 “Ne mietsi nu dɔ la,+ migaɖo nublanuimo abe ale si alakpanuwɔlawo wɔna ene o, elabena wogbea woƒe mowo dzadzra ɖo* ne amewo nakpɔe be yewotsi nu dɔ.+ Vavã mele egblɔm na mi be, woxɔ woƒe fetu blibo la xoxo. 17 Ke wò la, ne ètsi nu dɔ la, de ami ɖa me, eye nàfu mo, 18 ne amewo nagakpɔe be ètsi nu dɔ o, negbe Fofowò si le ɣaɣlaƒe la ko. Ekema Fofowò si kpɔa nu le ɣaɣlaƒe la aɖo eteƒe na wò.

19 “Midzudzɔ kesinɔnuwo nu ƒoƒo ƒu na mia ɖokuiwo ɖe anyigba dzi,+ afi si agbagblaʋui kple ɣebia gblẽa nu le, eye fiafitɔwo dzea kpɔ va fia fi le. 20 Ke boŋ miƒo kesinɔnuwo nu ƒu na mia ɖokuiwo ɖe dziƒo,+ afi si agbagblaʋui alo ɣebia megblẽa nu le o,+ eye fiafitɔwo medzea kpɔ va fia fi le o. 21 Elabena afi si wò kesinɔnuwo le la, afi mae wò dzi hã anɔ.

22 “Ameti la ƒe akaɖie nye ŋku.+ Eya ta ne wò ŋku nɔa nu ɖeka ŋu* la, ekema wò ameti blibo la katã me akɔ. 23 Gake ne ŋku si biãa ŋu*+ le asiwò la, wò ameti blibo la katã me ado viviti. Ke ne kekeli si le mewò la nye viviti la, ekema viviti tsiɖitsiɖi ka gbegbee nye esi wòanye!

24 “Ame aɖeke mate ŋu anye kluvi na aƒetɔ eve o; elabena alé fu ɖeka, eye wòalɔ̃ evelia,+ alo alé ɖe ɖeka ŋu, eye wòado vlo evelia. Miate ŋu anye Mawu kple Kesinɔnuwo siaa ƒe kluviwo o.+

25 “Esia tae mele egblɔm na mi be: Midzudzɔ dzimaɖitsitsi+ ɖe miaƒe agbewo* ŋu le nu si miaɖu alo nu si miano ŋuti, alo le miaƒe ŋutilãwo ŋu le nu si miado ŋuti.+ Ðe agbe* la mexɔ asi wu nuɖuɖu, eye ŋutilã la xɔ asi wu nudodo oa?+ 26 Milé ŋku ɖe dziƒoxewo ŋu miakpɔ;+ womeƒãa nu o, womeŋea nu o, eye womeƒoa nuwo nu ƒu ɖe avawo me hã o, ke mia Fofo si le dziƒo la nyia wo. Ðe miexɔ asi sãsãsã wu wo oa? 27 Mia dometɔ kae li, si ne ele dzimaɖi tsim la, wòate ŋu atsɔ abɔklugui* ɖeka akpe ɖe eƒe agbenɔƒe ŋu?+ 28 Azɔ hã, nu ka tae mietsia dzimaɖi ɖe nudodo ŋuti ɖo? Milé ŋku ɖe ale si dzogbenya siwo le gbedzi la tsinae ŋu kpɔ; womewɔa dɔ o, eye wometrea ɖeti hã o; 29 gake mele egblɔm na mi be le Salomo+ ƒe ŋutikɔkɔe la katã me gɔ̃ hã la, meɖo atsyɔ̃ kpɔ abe esiawo dometɔ ɖeka ene o. 30 Ke ne Mawu ɖoa atsyɔ̃ na gbe si le gbe me egbe, eye etsɔ ko woatsɔe aƒu gbe ɖe dzo me la, ɖe maɖo atsyɔ̃ na miawo ya geɖe wu oa, mi xɔseʋɛtɔwo? 31 Eya ta migatsi dzimaɖi+ gbeɖe agblɔ be: ‘Nu kae míaɖu?’ alo ‘Nu kae míano?’ alo ‘Nu kae míado?’+ hã o. 32 Elabena nu siawo katã yomee dukɔwo tina vevie. Gake mia Fofo si le dziƒo la nyae be nu siawo katã hiã mi.

33 “Eya ta miyi edzi mianɔ Fiaɖuƒe la kple Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye dim gbã, eye woatsɔ nu bubu siawo katã akpe ɖe eŋuti na mi.+ 34 Esia ta migatsi dzimaɖi gbeɖe le etsɔ si gbɔna ŋu o,+ elabena etsɔ si gbɔna la kple eya ŋutɔ ƒe dzimaɖitsitsiwoe. Ŋkeke ɖe sia ɖe ƒe kuxiwo sɔ gbɔ nɛ.

7 “Midzudzɔ ʋɔnudɔdrɔ̃,+ ne woagadrɔ̃ ʋɔnu mi o; 2 elabena ale si miedrɔ̃a ʋɔnui la, nenema kee woadrɔ̃ ʋɔnu miawo hã,+ eye dzidzenu si mietsɔ le nu dzidzem la kee woatsɔ adzidzee na mi.+ 3 Ekema nu ka tae nèkpɔa ati fefee si le nɔviwò ƒe ŋku dzi, gake mèkpɔa atikpo si le wò ŋutɔ wò ŋku dzi ya o?+ 4 Alo aleke wɔ nàgblɔ na nɔviwò be: ‘Na maɖe ati fefee la ɖa le ŋku dzi na wò,’ evɔ kpɔ ɖa, atikpo le wò ŋutɔ wò ŋku dzi? 5 Alakpanuwɔla! Ðe atikpo la ɖa le wò ŋutɔ wò ŋku dzi gbã, ekema àte ŋu akpɔ nu nyuie aɖe ati fefee si le nɔviwò ƒe ŋku dzi la.

6 “Migatsɔ nu siwo le kɔkɔe la na avuwo o, eye migatsɔ miaƒe dzonu xɔasiwo ƒu gbe ɖe hawo ŋkume o,+ ne woaganya avuzi le wo dzi, eye emegbe woatrɔ avuvu mi o.

7 “Minɔ ebiabia dzi, eye woana mi;+ minɔ edidi dzi, eye miakpɔe; minɔ ʋɔƒoƒo dzi, eye woaʋui na mi;+ 8 elabena ame sia ame si le nu biam la, exɔnɛ;+ eye ame sia ame si le nu dim la, ekpɔnɛ; eye ame sia ame si le ʋɔ ƒom la, woaʋui nɛ. 9 Mia dometɔ kae li, ne via bia aboloe la, wòatsɔ kpe ade esi? 10 Alo ne ebia tɔmelãe la, wòatsɔ da ade esi? 11 Eya ta ne mi ame vɔ̃ɖiwo kura gɔ̃ hã mienya ale si miana nunana nyuiwo mia viwo la, ɖe mia Fofo si le dziƒo la mana nu nyuiwo+ ame siwo bianɛ la geɖe wu oa?+

12 “Eya ta nu sia nu si miedina be amewo nawɔ na mi la, miawo hã miwɔ nenema ke na wo.+ Le nyateƒe me la, nu siae Se la kple Nyagblɔɖilawo ƒe nyawo fia.+

13 “Mito agbo xaxɛ la nu yi ɖe eme,+ elabena agbo la keke eye mɔ si kplɔa ame yia tsɔtsrɔ̃ me la le gbadza, eye ame geɖewoe toa enu yina; 14 ke agbo la le xaxɛe eye mɔ la hã xaxa, si kplɔa ame yia agbe me, eye ame ʋɛ aɖewo koe kpɔnɛ.+

15 “Mikpɔ nyuie le aʋatsonyagblɔɖila+ siwo vaa mia gbɔ le alẽgbalẽ me,+ evɔ le ememe la, wonye amegãxi nyanyrawo la ŋuti.+ 16 Woƒe kutsetsewoe miatsɔ adze si woe. Womegbea waintsetsewo le aŋɔkawo dzi alo gbowo le srẽwo dzi gbeɖe o ɖe?+ 17 Nenema kee ati nyui sia ati nyui tsea ku nyui, gake ati manyomanyo tsea ku manyomanyo.+ 18 Ati nyui mate ŋu atse ku manyomanyo o, eye ati manyomanyo hã mate ŋu atse ku nyui o.+ 19 Ati sia ati si metsea ku nyui o la, wolãnɛ dea dzo me.+ 20 Eya ta woƒe tsetsewoe miatsɔ adze si woe.+

21 “Menye ame sia ame si le gbɔgblɔm nam be, ‘Aƒetɔ, Aƒetɔ,’ ye ayi ɖe Dziƒofiaɖuƒe la me o, negbe ame si le Fofonye si le dziƒowo ƒe lɔlɔ̃nu wɔm la koe.+ 22 Ame geɖewo agblɔ nam le ŋkeke ma dzi be: ‘Aƒetɔ, Aƒetɔ,+ ɖe míegblɔ nya ɖi le wò ŋkɔ me, eye míenya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le wò ŋkɔ me, eye míewɔ ŋusẽdɔ geɖewo le wò ŋkɔ me oa?’+ 23 Ke nye hã maʋu eme na wo bena: ‘Nyemenya mi kpɔ o! Mi sedzimawɔlawo, mite ɖa le gbɔnye!’+

24 “Eya ta ame sia ame si sea nye nya siawo, eye wòwɔa wo dzi la, anɔ abe ŋutsu dzeaɖaŋu si tu eƒe xɔ ɖe agakpe dzi la ene.+ 25 Eye tsi gã aɖe dza, tɔwo ɖɔ, eye ya ƒo va lɔ xɔ ma, gake memu o, elabena woɖo egɔme anyi ɖe agakpe dzi. 26 Ke ame sia ame si sea nye nya siawo, eye mewɔa wo dzi o la, anɔ abe ŋutsu tsibome si tu eƒe xɔ ɖe ke dzi la ene.+ 27 Eye tsi gã aɖe dza, tɔwo ɖɔ, eye ya ƒo va lɔ xɔ ma,+ eye wòmu dze anyi gbloo.”

28 Esi Yesu wu nya siawo nu la, amehawo ƒe nu ku le eƒe nufiafia la ta,+ 29 elabena efia nu wo abe ame si si ŋusẽ le ene,+ ke menye abe woƒe agbalẽfialawo ene o.

8 Esi wòɖi tso toa dzi la, ameha gã aɖe dze eyome. 2 Eye kpɔ ɖa, anyidɔléla* aɖe va bɔbɔ nɛ gblɔ be: “Aƒetɔ, ne èlɔ̃ ko la, àte ŋu ana ŋutinye nakɔ.”+ 3 Ale wòdo asi ɖa ka asi eŋu gblɔ be: “Melɔ̃! Ŋutiwò nekɔ.”+ Enumake eƒe anyidɔ* la vɔ nɛ.+ 4 Eye Yesu gblɔ nɛ be: “Mègagblɔe na ame aɖeke o,+ ke boŋ yi ɖatsɔ ɖokuiwò fia nunɔla,+ eye nàna nu siwo Mose ɖo be woana la,+ be wòanye kpeɖodzi na wo.”

5 Esi Yesu va Kapernaum la, asrafomegã aɖe va egbɔ heɖe kuku nɛ vevie+ 6 be: “Aƒetɔ, nye subɔvi le aba dzi le aƒe me le lãmetutudɔ lém, eye wòle fu kpem vevie.” 7 Egblɔ nɛ be: “Ne meɖo afi ma ko la, mada gbe le eŋu.” 8 Asrafomegã la ɖo eŋu be: “Aƒetɔ, nyemedze be nàva aƒenye me o, ke boŋ ɖe gbe ko, eye nye subɔvi la ahaya. 9 Elabena nye hã mele ame aɖe ƒe ŋusẽ te, eye asrafowo le nye hã tenye, eye megblɔna na ame sia be, ‘Heyi!’ eye wòyina, megblɔna na ame bubu be, ‘Va!’ eye wòvana, eye megblɔna na nye kluvi be, ‘Wɔ esia!’ eye wòwɔnɛ.” 10 Esi Yesu see la, ewɔ nuku nɛ, eye wògblɔ na ame siwo dze eyome la be: “Vavã mele egblɔm na mi be, nyemekpɔ ame aɖeke wòɖe xɔse gã sia tɔgbi fia kpɔ le Israel o.+ 11 Ke mele egblɔm na mi be, ame geɖewo atso ɣedzeƒe kple ɣetoɖoƒe, eye woanɔ kplɔ̃ ŋu kple Abraham kple Isak kpakple Yakob le Dziƒofiaɖuƒe la me;+ 12 ke woatsɔ Fiaɖuƒe la ƒe viwo ya aƒu gbe ɖe viviti me le xexe. Afi mae woafa avi ahaɖu aɖukli le.”+ 13 Eye Yesu gblɔ na asrafomegã la be: “Heyi. Neva eme na wò le wò xɔse la nu.”+ Eye subɔvi la ƒe lãme sẽ le gaƒoƒo ma dzi.+

14 Esi Yesu va Petro ƒe me la, ekpɔ lɔ̃xoa+ le anyimlɔƒe, wònɔ asrãdɔ lém.+ 15 Ale wòka asi eƒe asi ŋu,+ eye asrãdɔ la vɔ nɛ, eye wòfɔ hesubɔe. 16 Ke esi fiẽsi ɖo la, amewo kplɔ ame geɖe siwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la va egbɔ, eye wògblɔa nya kpui aɖe tsɔ nyaa gbɔgbɔawo doa goe, eye wòda gbe le ame siwo katã ƒe lãme gblẽ la ŋu, 17 ale be nya si wogblɔ ɖi to nyagblɔɖila Yesaya dzi la nava eme be: “Eya ŋutɔ tsɔ míaƒe lãmegbegblẽwo, eye wòde ta míaƒe dɔlélewo te.”+

18 Esi Yesu kpɔ ameha geɖewo le eŋu la, egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be yewoayi ƒua ƒe go kemɛ dzi.+ 19 Eye agbalẽfiala aɖe va gblɔ nɛ be: “Nufiala, madze yowòme ayi afi sia afi si nàyi.”+ 20 Ke Yesu gblɔ nɛ be: “Do le abeiwo si, eye atɔ le dziƒoxewo si, ke teƒe aɖeke mele Amegbetɔvi la ya si wòaziɔ ta ɖo o.”+ 21 Eye nusrɔ̃la aɖe gblɔ nɛ be: “Aƒetɔ, ɖe mɔ nam mayi aɖaɖi fofonye gbɔ.”+ 22 Yesu gblɔ nɛ be: “Nɔ yonyeme, eye na ame kukuwo naɖi woƒe ame kukuwo.”+

23 Azɔ Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo yi ɖaɖo tɔdziʋu aɖe.+ 24 Kpɔ ɖa, ya sesẽ aɖe ƒo le ƒua dzi, eye ƒutsotsoewo le ŋeŋem ɖe tɔdziʋua me; ke Yesu ya le alɔ̃ dɔm.+ 25 Eye wova nyɔe hegblɔ nɛ be: “Aƒetɔ, ɖe mí, míeku vɔ!” 26 Ke egblɔ na wo be: “Mi xɔseʋɛtɔwo, nu ka tae vɔvɔ̃ ɖo mi alea?”+ Eye wòtso heblu ɖe ya la kple atsiaƒua ta, eye ɖoɖoe zi toŋtoŋtoŋ.+ 27 Ewɔ nuku na nusrɔ̃laawo ale gbegbe, eye wogblɔ be: “Ame ka gɔ̃e nye esia? Yaƒoƒowo kple atsiaƒu gɔ̃ hã ɖoa toe.”

28 Esi wòva ɖi go ɖe Gadaratɔwo ƒe anyigba dzi la, ŋutsu eve siwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la do go tso yɔdowo* dome va kpee.+ Wowɔa adã ale gbegbe be dzi menɔa ame aɖeke ƒo wòtoa mɔ ma o. 29 Kasia, wodo ɣli sesĩe bia be: “Mawu ƒe Vi,+ nya kae le mí kpli wò dome? Ðe nèva be yeawɔ fu mí+ hafi ɣeyiɣi ɖoɖi la nadea?”+ 30 Ke hawo ƒe hatsotso gã aɖe le nu ɖum le adzɔge ɖaa.+ 31 Eya ta gbɔgbɔ vɔ̃awo ɖe kuku nɛ vevie be: “Ne ènya mí do goe la, ɖo mí ɖe haawo me.”+ 32 Eya ta egblɔ na wo be: “Miheyi!” Ale wodo go hege ɖe haawo me; eye kpɔ ɖa, hawo ƒe ha blibo la katã ƒu du kplikplikpli to to la dzi* ge dze ƒu la me doo heku ɖe tsia me. 33 Ke haawo kplɔlawo sí, eye woyi dua me ɖagblɔ nu siwo katã dzɔ kple ŋutsu siwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo nɔ la hã ŋuti nya. 34 Eye kpɔ ɖa, du blibo la katã ƒo zi eye wodo va Yesu gbɔ; esi wokpɔe la, woɖe kuku nɛ vevie be wòadzo le yewoƒe nutoa me.+

9 Eya ta eɖo tɔdziʋu tso ƒu la yi wo de.+ 2 Eye kpɔ ɖa, wokɔ lãmetututɔ aɖe ɖe aba dzi va egbɔ. Esi Yesu kpɔ woƒe xɔse la, egblɔ na lãmetututɔa be: “Vinye, wò dzi nedze eme, wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò.”+ 3 Ke agbalẽfialawo dometɔ aɖewo gblɔ le wo nɔewo dome be: “Ŋutsu sia le busunya gblɔm.” 4 Ke esi Yesu nya woƒe susu ta la, ebia wo be: “Nu ka tae miele nu vɔ̃ɖiwo ŋu bum le miaƒe dzi me?+ 5 Le kpɔɖeŋu me, kae bɔbɔ wu, be woagblɔ be: ‘Wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò’ loo, alo be woagblɔ be: ‘Tso nàzɔ’?+ 6 Ke be miadze sii be ŋusẽ le Amegbetɔvi la si be wòatsɔ nu vɔ̃wo ake le anyigba dzi la . . .” egblɔ na lãmetututɔ la be: “Tso, nàtsɔ wò aba, eye nàyi aƒewò me.”+ 7 Eye wòtso hedzo yi aƒe me. 8 Esi amehawo kpɔ esia la, vɔvɔ̃ ɖo wo ŋutɔ, eye wokafu Mawu, ame si tsɔ ŋusẽ sia gbegbe na amegbetɔwo.

9 Esi Yesu tso afi ma va yina la, ekpɔ ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Mateo wòbɔbɔ nɔ adzɔxɔƒe, eye wògblɔ nɛ be: “Dze yonyeme.” Enumake wòtso dze eyome.+ 10 Emegbe esime Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo le nuɖukplɔ̃ ŋu le Mateo ƒe me la, kpɔ ɖa, adzɔxɔlawo kple nu vɔ̃ wɔla gbogbo aɖewo va nɔ kplɔ̃a ŋu kpli wo.+ 11 Ke esi Farisitɔwo kpɔ esia la, wobia eƒe nusrɔ̃lawo be: “Nu ka tae miaƒe nufiala ɖua nu kple adzɔxɔlawo kpakple nu vɔ̃ wɔlawo?”+ 12 Esi wòsee la, egblɔ be: “Ame siwo le lãmesẽ me la mehiã gbedala o, ke boŋ dɔnɔwoe hiãe.+ 13 Eya ta miyi ɖasrɔ̃ nu si nya sia fia: ‘Nublanuikpɔkpɔ dim mele, menye vɔsa o.’+ Elabena menye ame dzɔdzɔewo yɔ gee meva o, ke boŋ nu vɔ̃ wɔlawoe.”

14 Eye Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ hebiae be: “Nu ka tae míawo kple Farisitɔwo míetsia nu dɔna, evɔ wò nusrɔ̃lawo ya metsia nu dɔna o?”+ 15 Yesu ɖo eŋu na wo be: “Alo ɖe ŋugbetɔsrɔ̃ la xɔlɔ̃wo afa konyi ŋkeke ale si ŋugbetɔsrɔ̃+ la le wo gbɔa? Ke ŋkekewo li gbɔna, esime woakplɔ ŋugbetɔsrɔ̃ la adzoe le wo gbɔ,+ ekema woatsi nu adɔ. 16 Ame aɖeke metsɔa avɔ yeye ƒe nuɖeɖi kaa avɔ xoxo o; elabena avɔnuɖeɖi yeyea aho ɖa, eye teƒe vuvua alolo wu tsãtɔ.+ 17 Eye womekɔa wain yeye ɖe lãgbalẽgolo xoxowo me o. Ne wowɔe nenema la, ekema lãgbalẽgoloawo awó, eye wain la aƒu gbe, eye lãgbalẽgoloawo hã dome agblẽ. Ke boŋ wokɔa wain yeye ɖe lãgbalẽgolo yeyewo me, eye wo kple eve la siaa nɔa dedie.”

18 Esi wòle nya siawo gblɔm na wo la, kpɔ ɖa, amegã aɖe te ɖe eŋu, eye wòbɔbɔ nɛ gblɔ be: “Vinyenyɔnuvi la anya ku ɖaa fifia; ke va da asi ɖe edzi ne wòagbɔ agbe.”+

19 Ale Yesu tso dze eyome, eye eƒe nusrɔ̃lawo hã yi kplii. 20 Eye kpɔ ɖa, nyɔnu aɖe si le ʋusisidɔ lém ƒe wuieve sɔŋ+ la to emegbe va ka asi eƒe awu toga,+ 21 elabena egblɔ le eɖokui me be: “Ne menya ka asi eƒe awudziwui ŋu ko la, mahaya.” 22 Ke esi Yesu trɔ, eye wòkpɔe la, egblɔ be: “Vinyenyɔnu, wò dzi nedze eme, wò xɔse na nèhaya.”+ Eye nyɔnu la ƒe lãme sẽ tso gaƒoƒo ma dzi.+

23 Ke esi wòva amegã la ƒe me hekpɔ dzekulawo kple ameha siwo le konyi fam kple ɣli hoo la,+ 24 Yesu gblɔ be: “Mido go, elabena nyɔnuvi la meku o, ke boŋ alɔ̃ dɔm wòle.”+ Ale wode asi ekoko me. 25 Esi wònya ameha la do goe vɔ la, ege ɖe eme eye wòlé nyɔnuvi la ƒe alɔnu,+ eye nyɔnuvi la fɔ ɖe tsitre.+ 26 Eye nudzɔdzɔ sia ŋu nya kaka ɖe nuto ma katã me.

27 Esi Yesu dzo le afi ma va yina la, ŋkuagbãtɔ eve+ kplɔe ɖo le ɣli dom be: “David Vi, kpɔ nublanui na mí.” 28 Esi Yesu yi aƒe aɖe me la, ŋkuagbãtɔawo va egbɔ, eye wòbia wo be: “Miexɔe se be mate ŋu awɔ nu sia?”+ Woɖo eŋu nɛ be: “Ɛ̃, Aƒetɔ.” 29 Eye wòka asi woƒe ŋkuwo+ ŋu gblɔ be: “Neva eme na mi le miaƒe xɔse la nu.” 30 Ale woƒe ŋkuwo ʋu. Eye Yesu de se na wo vevie be: “Migana ame aɖeke nanya o.”+ 31 Ke esi wodo go la, wona eŋkɔ ɖi hoo le nuto ma katã me.

32 Esi wole dzodzom la, kpɔ ɖa, amewo kplɔ aɖetututɔ aɖe si me gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe le la va egbɔ;+ 33 eye esi wònya gbɔgbɔ vɔ̃a do goe vɔ la, aɖetututɔ la ƒo nu.+ Eye amehawo ƒe mo wɔ yaa wogblɔ be: “Míekpɔ nu sia tɔgbi le Israel kpɔ o.”+ 34 Ke Farisitɔwo gblɔ be: “Gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia dzie wòtona nyaa gbɔgbɔ vɔ̃wo.”+

35 Eye Yesu yi ɖato duawo kple kɔƒeawo katã me le nu fiam le woƒe ƒuƒoƒewo hele gbeƒã ɖem Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui la, eye wòle dɔléle ɖe sia ɖe ƒomevi kple lãmegbegblẽ ɖe sia ɖe ƒomevi dam.+ 36 Esi wòkpɔ amehawo la, woƒe nu wɔ nublanui nɛ,+ elabena wowɔ fu wo, eye wotsi yame abe alẽ siwo nu kplɔla mele o la ene.+ 37 Eye wògblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Nyateƒee, nuŋeŋe la sɔ gbɔ, ke dɔwɔlawo ya mede ha o.+ 38 Eya ta miɖe kuku na nuŋeŋe ƒe Aƒetɔ la be wòaɖo dɔwɔlawo ɖe eƒe nuŋeŋe la me.”+

10 Eye wòyɔ eƒe nusrɔ̃la wuieveawo vɛ hena ŋusẽ wo ɖe gbɔgbɔ makɔmakɔwo dzi,+ be woanya wo ado goe, eye woada dɔléle ɖe sia ɖe ƒomevi kple lãmegbegblẽ ɖe sia ɖe ƒomevi.

2 Apostolo wuieveawo ƒe ŋkɔwoe nye:+ Gbãtɔe nye Simon, si wogayɔna be Petro,+ kple nɔvia Andrea;+ Yakobo, Zebedeo vi, kple nɔvia Yohanes;+ 3 Filipo kple Bartolomeo;+ Toma+ kple Mateo,+ si nye adzɔxɔla la; Yakobo, Alfeo vi, kple Tadeo; 4 Simon Veviedola la; kple Yuda Iskariot, ame si va dee asi emegbe.+

5 Ame wuieve siawoe Yesu dɔ hede se siawo na wo be:+ “Migayi dukɔwo me tɔwo gbɔ o, eye migage ɖe Samariatɔwo ƒe du aɖeke me o;+ 6 ke miyi ɖe Israel ƒe aƒe la me tɔ siwo nye alẽ siwo bú la, ɖeɖe ko gbɔ.+ 7 Ne mieyi la, miɖe gbeƒã be: ‘Dziƒofiaɖuƒe la gogo.’+ 8 Mida gbe le dɔnɔwo ŋu,+ mifɔ ame kukuwo ɖe tsitre, mina anyidɔlélawo* ŋuti nakɔ, minya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe. Faa miexɔe, faa minae. 9 Migadi sika alo klosalo alo akɔbli de miaƒe gabutuawo me o,+ 10 eye migadi nuɖuɖu de akplo me na mɔzɔzɔa o, alo awu eve,* alo afɔkpawo loo alo atizɔti o,+ elabena dɔwɔla dze na eƒe nuɖuɖu.+

11 “Du sia du alo kɔƒe sia kɔƒe si me mieyi la, midi ame siwo dze le eme la, eye minɔ afi ma va se ɖe esime miadzo.+ 12 Ne miege ɖe aƒe aɖe me la, mido gbe na aƒea me tɔwo. 13 Eye ne aƒea dze la, ekema ŋutifafa si miedi nɛ la nava edzi,+ ke ne medze o la, miaƒe ŋutifafa negbugbɔ va mia dzi. 14 Afi sia afi si ame aɖe mexɔ mi alo ɖo to miaƒe nyawo le o la, ne miele dzodzom le aƒe ma alo du ma me la, miʋuʋu ke le miaƒe afɔwo ŋu ɖe anyi.+ 15 Vavã mele egblɔm na mi be, anɔ bɔbɔe na Sodom kple Gomora+ nyigba le Ʋɔnudrɔ̃gbe la wu ale si wòanɔ na du ma.

16 “Kpɔ ɖa! Mele mia dɔm abe alẽwo ene ɖe amegãxiwo dome; eya ta midze aye abe dawo ene, eye midza abe ahɔnɛwo ene.+ 17 Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie le amewo ŋu, elabena woakplɔ mi ayi ʋɔnudrɔ̃ƒewo,+ eye woaƒo mi kple atam+ le woƒe ƒuƒoƒewo.+ 18 Woakplɔ mi ayi nutodziɖulawo kple dufiawo ŋkume+ le tanye, be wòanye ɖaseɖiɖi na wo kple dukɔwo.+ 19 Ne wode mi asi la, migatsi dzimaɖi le ale si miaƒo nui alo nya si miagblɔ ŋuti o, elabena woatsɔ nya si miagblɔ la ana mi le gaƒoƒo ma me,+ 20 elabena menye miawo ɖeɖee aƒo nu o, ke boŋ mia Fofo ƒe gbɔgbɔ la aƒo nu to mia dzi.+ 21 Azɔ hã, nɔvi ade nɔvi asi be woawu, eye fofo ade via asi, viwo atsi tsitre ɖe wo dzilawo ŋu ahana woawu wo.+ 22 Eye amewo katã alé fu mi le nye ŋkɔ la ta,+ ke ame si do dzi va se ɖe nuwuwu la, eyae akpɔ ɖeɖe.+ 23 Ne woti mia yome le du aɖe me la, misi yi du bubu me;+ elabena vavã mele egblɔm na mi be: Miele Israel duawo katã kpe ge ɖo hafi Amegbetɔvi la nava ɖo o.

24 “Nusrɔ̃la mewua eƒe nufiala o, eye kluvi hã mewua eƒe aƒetɔ o.+ 25 Esɔ gbɔ na nusrɔ̃la be wòazu abe eƒe nufiala ene, eye na kluvi be wòazu abe eƒe aƒetɔ ene.+ Ne amewo yɔa aƒea tɔ be Beelzebul*+ la, ɖe womayɔ eƒemetɔwo ya nenema geɖe wu oa? 26 Eya ta migavɔ̃ wo o, elabena wometsyɔ nu naneke dzi, si dzi womava klo nu le o, eye naneke mele ɣaɣla, si womava nya o.+ 27 Nya si megblɔ na mi le viviti me la, migblɔe le kekeli me, eye nya si medo dalĩ gblɔ na mi la, miɖe gbeƒãe le xɔwo tame.+ 28 Eye migavɔ̃ ame siwo wua ŋutilã, gake womate ŋu awu luʋɔ*+ o la o; ke boŋ mivɔ̃ ame si ate ŋu atsrɔ̃ luʋɔ kple ŋutilã siaa le Gehena.*+ 29 Ðe womedzraa atsutsrɔe eve xɔa gaku* ɖeka, si ƒe home le sue ŋutɔ oa? Gake wo dometɔ ɖeka pɛ hã mage adze anyigba le mia Fofo ƒe manyamanya me o.+ 30 Ke woxlẽ miaƒe taɖawo katã gɔ̃ hã. 31 Eya ta migavɔ̃ o; miexɔ asi sãsãsã wu atsutsrɔe geɖewo.+

32 “Eya ta ame sia ame si ʋua menye le amewo ŋkume la,+ nye hã maʋu eme le Fofonye si le dziƒowo la ŋkume.+ 33 Ke ame si gbe nu le gbɔnye le amewo ŋkume la, nye hã magbe nu le egbɔ le Fofonye si le dziƒowo la ŋkume.+ 34 Migabu xaa bena ɖe meva ŋutifafa na ge le anyigba dzi o; nyemeva ŋutifafa na ge o, ke yi boŋ.+ 35 Elabena meva viŋutsu kple fofoa, vinyɔnu kple dadaa, lɔ̃xoyɔvi kple lɔ̃xoa dome ma ge.+ 36 Ɛ̃, ame ƒe futɔwo anye eya ŋutɔ ƒemetɔwo. 37 Ame si lɔ̃a fofoa alo dadaa wum la, eya medzem o; eye ame si lɔ̃a viaŋutsu alo vianyɔnu wum la, eya medzem o.+ 38 Eye ame sia ame si melɔ̃ tsɔ eƒe fuwɔameti* la hedze yonyeme o la, eya medzem o.+ 39 Ame si ɖe eƒe luʋɔ* la abui, eye ame si bu eƒe luʋɔ* le tanye la, eya akpɔe.+

40 “Ame si xɔa mi la xɔa nye hã, eye ame si xɔam la xɔa Ame si dɔm ɖa la hã.+ 41 Ame si xɔa nyagblɔɖila le esi wònye nyagblɔɖila ta la, axɔ nyagblɔɖila ƒe fetu,+ eye ame si xɔa ame dzɔdzɔe le esi wònye ame dzɔdzɔe ta la, axɔ ame dzɔdzɔe ƒe fetu. 42 Eye ame sia ame si ana tsi fafɛ kplu ɖeka pɛ ame tsɛ siawo dometɔ ɖeka wòano le esi wònye nye nusrɔ̃la ta la, vavã mele egblɔm na mi be, eƒe fetu la matsi eŋu akpɔ o.”+

11 Esi Yesu na mɔfiamewo eƒe nusrɔ̃la wuieveawo vɔ la, edzo le afi ma be yeaɖafia nu eye yeaɖe gbeƒã le woƒe duawo me.+

2 Ke esi Yohanes, ame si le gaxɔ me la,+ se dɔ siwo wɔm Kristo la le ŋu nya la, edɔ eƒe nusrɔ̃lawo ɖa+ 3 be woabiae be: “Wòe nye Ame Si Gbɔna laa, alo ɖe míakpɔ mɔ na ame bubua?”+ 4 Yesu ɖo eŋu na wo be: “Miheyi ɖagblɔ nu siwo sem miele kple nu siwo kpɔm miele la na Yohanes:+ 5 Ŋkuagbãtɔwo le nu kpɔm,+ bunɔwo le zɔzɔm, anyidɔlélawo*+ ŋuti le kɔkɔm, tokunɔwo le nu sem, wole ame kukuwo fɔm ɖe tsitre, eye wole nya nyui la gblɔm na ame dahewo.+ 6 Dzidzɔtɔe nye ame si mekpɔ nuɖiaɖia le ŋunye o.”+

7 Esi ame siawo dzo yina la, Yesu gblɔ na amehawo tso Yohanes ŋu be: “Nu kae miedo go yi gbedzi be yewoaɖakpɔ?+ Aɖa si ya le ƒoƒom loo?+ 8 Ekema nu kae miedo go yi be yewoaɖakpɔ? Ame si do awu nyuiwoa?* Mienyae ɖe, fiasã mee awu nyui dolawo le. 9 Ekema nu ka ta koŋ miedo go ɖo? Be miakpɔ nyagblɔɖilaa? Ɛ̃, mele egblɔm na mi be ewu nyagblɔɖila sãsãsã.+ 10 Eya ŋue woŋlɔ ɖi le be: ‘Kpɔ ɖa, mele nye dɔla dɔm ɖe ŋgɔwò, ame si adzra wò mɔ dzi ɖo le ŋgɔwò!’+ 11 Vavã mele egblɔm na mi be, le ame siwo nyɔnuwo dzi dome la, ɖeke medo kpɔ, si nye gã wu Yohanes Amenyrɔɖetsimela o; gake ame si nye suetɔ le Dziƒofiaɖuƒea me la nye gã wui.+ 12 Gake tso Yohanes Amenyrɔɖetsimela ƒe ŋkekeawo dzi va se ɖe fifia la, Dziƒofiaɖuƒe lae nye taɖodzinu si gbɔ amewo le ʋiʋlim vevie be yewoaɖo, eye ame siwo le ʋiʋlim vevie la ƒe asi le edzi sum.+ 13 Elabena woɖe gbeƒã Se la kple nyagblɔɖilawo ƒe nyawo va se ɖe Yohanes dzi;+ 14 eye ne mielɔ̃ be yewoaxɔe ase la, eyae nye ‘Eliya si wogblɔ ɖi be ava la.’+ 15 Ame si to li na la, nesee.

16 “Ame kae matsɔ dzidzime sia asɔ kplii?+ Woɖi ɖevi siwo bɔbɔ nɔ ablɔ me,* eye wodo ɣli gblɔ na wo nɔewo 17 be: ‘Míeku dze na mi, ke mieɖu ɣe o; míedzi konyifaha, ke miefa avi heƒo akɔta o.’ 18 Nenema kee Yohanes va, meɖua nu o, menoa nu o, eye amewo gblɔ be, ‘Gbɔgbɔ vɔ̃ le eme.’ 19 Amegbetɔvi la va, eɖua nu noa nu,+ ke amewo gblɔ be, ‘Kpɔ ɖa! Nu tsu ɖula kple wain tsu nola, adzɔxɔlawo kple nu vɔ̃ wɔlawo xɔlɔ̃.’+ Gake nunya ƒe dɔwɔwɔwo* tsoa afia dzɔdzɔe nɛ.”+

20 Azɔ Yesu he nya ɖe du siwo me wòwɔ eƒe ŋusẽdɔ akpa gãtɔ le la ŋu le esi wometrɔ dzi me o ta hegblɔ be: 21 “Baba na wò, Korazin! Baba na wò, Betsaida! elabena ne ɖe wowɔ ŋusẽdɔ siwo wowɔ le mewò la le Tiro kple Sidon la, anye ne wotrɔ dzi me le akpanya kple afi me gbe aɖe gbe ke.+ 22 Gake mele egblɔm na mi be: Anɔ bɔbɔe na Tiro kple Sidon le Ʋɔnudrɔ̃gbe la wu mi.+ 23 Ke wò Kapernaum,+ ɖe woado wò ɖe dzi yi ɖatɔ dziƒo loo? Keke Tsiẽƒe* kee nàva do ɖo;+ elabena ne ɖe wowɔ ŋusẽdɔ siwo wowɔ le mewò la le Sodom la, anye ne dua gali va se ɖe egbe sia. 24 Gake mele egblɔm na wò be: Anɔ bɔbɔe na Sodom-nyigba le Ʋɔnudrɔ̃gbe la wu wò.”+

25 Ɣemaɣi la, Yesu gblɔ be: “Fofo, dziƒo kple anyigba ƒe Aƒetɔ, mekafu wò le dutoƒo, elabena èɣla nu siawo ɖe nunyalawo kple tagbɔɖaɖɛtɔwo, eye nèɖe wo fia ɖeviwo.+ 26 Ɛ̃, Fofo, elabena nenemae dze ŋuwò. 27 Fofonye tsɔ nuwo katã de asi nam,+ eye ame aɖeke menya Vi la nyuie o negbe Fofo la ko;+ eye ame aɖeke menya Fofo la nyuie o negbe Vi la kple ame si Vi la lɔ̃ be yeaɖee afia ko.+ 28 Miva gbɔnye, mi ame siwo katã le dagbadagbam, eye agba le mia wum la, eye nye la, mana gbɔdzɔe mi. 29 Mitsɔ nye kɔkuti la ɖo mia ɖokui dzi, eye misrɔ̃ nu tso gbɔnye, elabena mefa tu, eye mebɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi le dzi me,+ eye miakpɔ gbɔdzɔe na mia ɖokuiwo.* 30 Elabena nye kɔkuti la tsɔtsɔ le bɔbɔe, eye nye agba la le wodzoe.”

12 Ɣemaɣi la, Yesu zɔ to lugblewo me le Sabat dzi. Ke dɔ nɔ eƒe nusrɔ̃lawo wum, eye woŋe luawo nɔ ɖuɖum.+ 2 Esi Farisitɔwo kpɔ esia la, wogblɔ nɛ be: “Kpɔ ɖa! Wò nusrɔ̃lawo le nu si mele se nu be woawɔ le Sabat dzi o la wɔm.”+ 3 Ebia wo be: “Ðe miexlẽ nu si David wɔ esime dɔ wu eya kple eŋutimewo oa?+ 4 Ale si wòge ɖe Mawu ƒe aƒe la me, eye woɖu ŋkumeɖobolo la,+ evɔ se meɖe mɔ le eŋu na eya ŋutɔ loo alo eŋutimewo be woaɖui hafi o, negbe nunɔlawo ko la oa?+ 5 Alo ɖe miexlẽ le Se la me kpɔ be, le Sabat ŋkeke dzi la, nunɔla siwo subɔna le gbedoxɔa me la wɔa dɔ, gake womebua fɔ wo oa?+ 6 Ke mele egblɔm na mi be ame si lolo wu gbedoxɔa la le afii.+ 7 Ke ne ɖe miese nya si nye, ‘Nublanuikpɔkpɔ dim mele,+ menye vɔsa o’+ gɔme la, anye ne miebu fɔ ame maɖifɔwo o. 8 Elabena Sabat ƒe Aƒetɔe Amegbetɔvi la nye.”+

9 Esi wòdzo le afi ma la, eyi woƒe ƒuƒoƒe la, 10 eye kpɔ ɖa, ŋutsu aɖe si titi* lé asi na* la le afi ma.+ Esi wodi be yewoakpɔ nya aɖe atsɔ atso Yesu nu ta la, wobiae be, “Ðe se ɖe mɔ be woada dɔ le Sabat dzia?”+ 11 Egblɔ na wo be: “Ne alẽ ɖeka le mia dometɔ aɖe si eye wòge ɖe do me le Sabat dzi la, mado asi ɖa aɖee ado goe oa?+ 12 Azɔ ɖe amegbetɔ mexɔ asi sãsãsã wu alẽ oa? Eya ta se ɖe mɔ be woawɔ nu nyui le Sabat dzi.” 13 Eye wògblɔ na ŋutsua be: “Mlo asi.” Eye wòmloe, eye asi la ɖɔ ɖo keŋkeŋ abe asi kemɛa ene. 14 Ke Farisitɔwo do go, eye wode adaŋu be yewoawui. 15 Esi Yesu kpɔ esia dze sii la, edzo le afi ma. Ame geɖewo hã dze eyome,+ eye wòda gbe le dɔnɔ siwo katã le wo dome la ŋu, 16 ke ede se na wo vevie be woagana woadze si ye o,+ 17 ne nya si wogblɔ ɖi to nyagblɔɖila Yesaya dzi la nava eme, ame si gblɔ be:

18 “Kpɔ ɖa! Nye subɔla+ si metia, si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, si ƒe nu dze ŋunye!*+ Matsɔ nye gbɔgbɔ la ada ɖe edzi,+ eye ana dukɔwo nase nu si dzɔdzɔenyenye fia la gɔme. 19 Mawɔ dzre o,+ mado ɣli o, eye ame aɖeke mase eƒe gbe le ablɔwo dzi hã o. 20 Maɖe aƒla si ŋe vɔ kloe la ɖa le enu o, eye matsi ɖovu bibi si le tsitsim la o,+ va se ɖe esime wòna dzɔdzɔenyenye ɖu dzi. 21 Vavãe, eƒe ŋkɔ ana mɔkpɔkpɔ dukɔwo.”+

22 Eye wokplɔ ŋkuagbãtɔ aɖe si nye aɖetututɔ, si me gbɔgbɔ vɔ̃ le la, va egbɔ, eye wòda gbe le eŋu, ale be aɖetututɔ la ƒo nu hekpɔ nu. 23 Ale ameha blibo la ƒe nu ku eye wobia be: “Manye David Vi lae nye esia oa?” 24 Esi Farisitɔwo se esia la, wogblɔ be: “Gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia Beelzebul* dzie ame sia tona nyaa gbɔgbɔ vɔ̃wo.”+ 25 Esi wònya woƒe susuwo ta la, egblɔ na wo be: “Fiaɖuƒe ɖe sia ɖe si ma ɖe eɖokui ŋu la zua aƒedo, eye du sia du alo aƒe sia aƒe si ma ɖe eɖokui ŋu la mate ŋu ali ke o. 26 Nenema kee ne Satana nyaa Satana doa goe la, ekema ema ɖe eɖokui ŋu; ke aleke eƒe fiaɖuƒea awɔ ali ke? 27 Eye ne Beelzebul dzie metona nyaa gbɔgbɔ vɔ̃wo doa goe la, ekema ame ka dzie mia viwo* ya tona nyaa wo doa goe? Esia tae mia viwo adrɔ̃ ʋɔnu mi ɖo. 28 Ke ne Mawu ƒe gbɔgbɔ dzie metona nyaa gbɔgbɔ vɔ̃wo doa goe la, ekema Mawu Fiaɖuƒe la ɖi ɖe mi ŋutɔŋutɔ.+ 29 Alo aleke ame awɔ age ɖe ame sesẽ aɖe ƒe aƒe me aha eƒe nuwo, ne mebla ame sesẽ la gbã hafi o? Ema ko hafi wòate ŋu aha eƒe aƒe la. 30 Ame si mele dzinye o la, tsi tsitre ɖe ŋunye, eye ame si meƒoa amewo nu ƒu kplim o la kaa wo hlẽna.+

31 “Esia ta mele egblɔm na mi be, woatsɔ nu vɔ̃ kple busunyagbɔgblɔ ɖe sia ɖe ake amewo, ke womatsɔ busunya si wogblɔ ɖe gbɔgbɔa ŋu ya ake o.+ 32 Le kpɔɖeŋu me, ame sia ame si aƒo nu atsi tsitre ɖe Amegbetɔvi la ŋu la, woatsɔe akee;+ ke ame sia ame si aƒo nu atsi tsitre ɖe gbɔgbɔ kɔkɔe la ŋu la, womatsɔe akee gbeɖe o, womatsɔe akee le nuɖoanyi* sia me loo alo esi gbɔna la me o.+

33 “Mido ati nyui la, eye eƒe kutsetse anyo, alo mido ati manyomanyo, eye eƒe kutsetse manyo o, elabena ati ƒe kutsetsee wotsɔna dzea sii.+ 34 Dzakpatawo ƒe dzidzimeviwo,+ aleke miate ŋu agblɔ nya nyuiwo, esi mienye ame vɔ̃ɖiwo? Elabena nya si wu dzi lae nu gblɔna.+ 35 Ame nyui ɖea nu nyuiwo ɖe go tso eƒe nu nyui dzraɖoƒe, ke ame vɔ̃ɖi ɖea nu vɔ̃ɖiwo ɖe go tso eƒe nu vɔ̃ɖi dzraɖoƒe.+ 36 Mele egblɔm na mi be, nya dzodzro sia nya dzodzro si amewo gblɔna la, woabu akɔnta+ le eŋuti le Ʋɔnudrɔ̃gbe la; 37 elabena wò nyawoe woatsɔ atso afia na wò, eye wò nyawoe woatsɔ abu fɔ wò.”

38 Eye agbalẽfiala aɖewo kple Farisitɔ aɖewo gblɔ nɛ be: “Nufiala, míedi be nàwɔ dzesi aɖe míakpɔ.”+ 39 Eɖo eŋu na wo be: “Dzidzime vɔ̃ɖi wɔahasi* le dzesi dim, ke womele dzesi aɖeke na gee o, negbe nyagblɔɖila Yona ƒe dzesi la ko.+ 40 Elabena ale si Yona nɔ tɔmelã gã la ƒe dɔ me ŋkeke etɔ̃ kple zã etɔ̃ la,+ nenema kee Amegbetɔvi la hã anɔ anyigba tume ŋkeke etɔ̃ kple zã etɔ̃.+ 41 Niniwetɔwo afɔ ɖe tsitre le ʋɔnudrɔ̃ɣi la kpe ɖe dzidzime sia ŋu, eye woabu fɔe, elabena wotrɔ dzi me le nya siwo Yona ɖe gbeƒãe la ta.+ Ke kpɔ ɖa, ame si lolo wu Yona la le afii.+ 42 Woafɔ anyiehefianyɔnu la ɖe tsitre le ʋɔnudrɔ̃ɣi la kpe ɖe dzidzime sia ŋu, eye wòabu fɔe; elabena etso keke anyigba seƒe ke va be yease Salomo ƒe nunyanyawo.+ Ke kpɔ ɖa, ame si lolo wu Salomo la le afii!+

43 “Ne gbɔgbɔ makɔmakɔ aɖe do go le ame aɖe me la, etsana le teƒe siwo ƒu kplakplakpla nɔa gbɔɖemeƒe dim, eye ne mekpɔ ɖeke o la,+ 44 egblɔna be: ‘Matrɔ ayi nye aƒe, si me medzo le la me,’ eye ne eva ɖo la, ekpɔnɛ be aƒea me le ƒuƒlu, gake wokplɔ eme heɖo atsyɔ̃ nɛ. 45 Eye wòyina ɖakplɔa gbɔgbɔ adre bubu siwo vɔ̃ɖi wu eya ŋutɔ la kpena ɖe eɖokui ŋu, eye ne woyi ɖe eme la, wonɔa afi ma; eye ame ma ƒe nɔnɔme mlɔetɔ va gblẽna wu gbãtɔ.+ Nenema kee wòanɔ na dzidzime vɔ̃ɖi sia hã.”

46 Esi wògale nu ƒom na amehawo la, dadaa kple nɔviaŋutsuwo+ va tɔ ɖe xexe le didim be yewoaƒo nu kplii.+ 47 Eye ame aɖe gblɔ nɛ be: “Kpɔ ɖa! Dawò kple nɔviwòŋutsuwo le tsitre ɖe xexe le didim be yewoaƒo nu kpli wò.” 48 Ke eɖo eŋu na ame si gblɔ nyaa nɛ la be: “Ame kae nye danye, eye ame kawoe nye nɔvinyeŋutsuwo?” 49 Eye esi wòfia asi eƒe nusrɔ̃lawo la, egblɔ be: “Kpɔ ɖa! Danye kple nɔvinyeŋutsuwoe nye esiawo!+ 50 Elabena ame sia ame si wɔa Fofonye si le dziƒo la ƒe lɔlɔ̃nu la, eyae nye nɔvinyeŋutsu kple nɔvinyenyɔnu kpakple danye.”+

13 Yesu do go le aƒea me gbe ma gbe, eye wòyi ɖabɔbɔ nɔ ƒua nu. 2 Eye ameha gã aɖe ƒo ƒu ɖe eŋu, eya ta ege ɖe tɔdziʋu aɖe me, eye wòbɔbɔ nɔ anyi, ke ameha blibo la le tsitre ɖe ƒua nu.+ 3 Eye wògblɔ nya geɖewo na wo le lododowo+ me be: “Mikpɔ ɖa! Nukuwula aɖe do go yi nuku wu ge.+ 4 Esi wòle nukua wum la, nuku aɖewo ge ɖe mɔ to, eye xeviwo va fɔ wo mi.+ 5 Bubuwo ge ɖe kpenyigba dzi, afi si womekpɔ anyi sɔgbɔ le o, eye womie enumake, elabena anyia mede to o.+ 6 Esi ŋdɔ ʋu la, ŋdɔkutsu ɖu wo, eye woyrɔ, elabena woƒe ke meyi to o. 7 Bubuwo hã ge ɖe ŋùwo me, eye ŋùawo vu tsyɔ wo dzi.+ 8 Bubu aɖewo hã ge ɖe anyigba nyui dzi, eye wode asi tsetse me, ɖewo teƒe alafa ɖeka, ɖewo blaade, ɖewo blaetɔ̃.+ 9 Ame si to li na la, nesee.”+

10 Eye nusrɔ̃lawo va biae be: “Nu ka tae nèƒoa nu na wo le lododowo me?”+ 11 Eɖo eŋu na wo be: “Miawo la, wona mi be miase Dziƒofiaɖuƒe la ƒe nya ɣaɣla kɔkɔeawo+ gɔme, ke womena woawo ya o. 12 Elabena ame si si nu le la, woatsɔ geɖe akpee nɛ, eye wòagba go nɛ; gake ame si si nu mele o la, woaxɔ nu si le esi la gɔ̃ hã le esi.+ 13 Esia tae meƒoa nu na wo le lododowo me ɖo; elabena togbɔ be wole nu kpɔm hã la, dzodzroe wole ekpɔm, eye togbɔ be wole nu sem hã la, dzodzroe wole esem, eye womesea egɔme o.+ 14 Ale Yesaya ƒe nyagblɔɖia va eme ɖe wo ŋu. Egblɔ be: ‘Miasee baa, gake miase egɔme akpɔ o, miakpɔ nu, gake miadze sii gbeɖe o.+ 15 Elabena dukɔ sia ƒe dzi ku atri; wose nu kple woƒe towo, ke womewɔ edzi o, eye womia woƒe ŋkuwo, ne woagakpɔ nu kple woƒe ŋkuwo, eye woase nu kple woƒe towo ahase nu gɔme kple woƒe dziwo, eye woatrɔ, ne mada gbe le wo ŋu o.’+

16 “Ke dzidzɔtɔwo mienye, elabena miaƒe ŋkuwo kpɔa nu eye miaƒe towo hã sea nu.+ 17 Elabena vavã mele egblɔm na mi be, nyagblɔɖila kple ame dzɔdzɔe geɖewo di vevie be yewoakpɔ nu siwo kpɔm miele la, gake womekpɔ wo o,+ eye wodi be yewoase nya siwo sem miele la, gake womese wo o.

18 “Azɔ miɖo to miase nukuwula ŋuti lododoa ƒe gɔmeɖeɖe.+ 19 Ne ame aɖe se Fiaɖuƒea ŋuti nya la gake mesea egɔme o la, vɔ̃ɖitɔ+ la va ɖea nu si wowu ɖe eƒe dzi me la dzonae; nuku siae nye esi ge ɖe mɔ to la.+ 20 Ke nuku si ge ɖe kpenyigba dzi la, eyae nye ame si le nya la sem, eye wòxɔnɛ enumake kple dzidzɔ.+ 21 Gake meli ke le eɖokui me o, enɔa anyi ɣeyiɣi aɖe ko, eye ne xaxa alo yometiti va le nya la ta ko la, edea megbe* enumake. 22 Ke nuku si ge ɖe ŋùwo me la, esiae nye ame si le nya la sem, gake nuɖoanyi* sia me dzimaɖitsitsi+ kple kesinɔnuwo ƒe amebleŋusẽ vuna tsyɔa nya la dzi, eye metsea ku o.+ 23 Eye nuku si ge ɖe anyigba nyui dzi lae nye ame si le nya la sem, eye wòsea egɔme, eye wòtsea ku geɖe, ɖewo teƒe alafa ɖeka, ɖewo teƒe blaade, ɖewo teƒe blaetɔ̃.”+

24 Egado lo bubu na wo be: “Dziƒofiaɖuƒe la le abe ame aɖe si wu nuku nyui ɖe eƒe agble me ene. 25 Esi amewo dɔ alɔ̃ la, eƒe futɔ va wu gbe vɔ̃ɖi ɖe luawo dome, eye wòdzo. 26 Esi luawo to aŋgba hetse la, gbe vɔ̃ɖiawo hã do. 27 Eye aƒetɔ la ƒe kluviwo va gblɔ nɛ be: ‘Aƒetɔ, menye nuku nyui ye nèwu ɖe wò agblea me oa? Aleke wɔ gbe vɔ̃ɖiwo va le eme?’ 28 Egblɔ na wo be: ‘Futɔ aɖee wɔ nu sia.’+ Kluviawo biae be: ‘Ekema èdi be míayi aɖaho woa?’ 29 Eɖo eŋu be: ‘Ao; elabe ne miele gbe vɔ̃ɖiawo hom la, ɖewohĩ miaho luawo hã akpe ɖe wo ŋu. 30 Mina wo kple evea siaa natsi va se ɖe nuŋeɣi la, eye ne nuŋeɣia ɖo la, magblɔ na nuŋelawo be: Miho gbe vɔ̃ɖiawo gbã, eye miabla wo tatata atɔ dzo wo, emegbe miaƒo lu la nu ƒu ɖe nye nudzraɖoƒe.’”+

31 Egado lo bubu na wo be: “Dziƒofiaɖuƒe la le abe sinapi-ku si ame aɖe ƒã ɖe eƒe agble me ene.+ 32 Le nyateƒe me la, eyae nye nuku suetɔ, ke ne etsi la, eyae nyea abɔ me nu miemie si lolona wu, eye wòzua ati, ale be dziƒoxewo va nɔa eƒe alɔwo me.”

33 Egado lo bubu na wo be: “Dziƒofiaɖuƒe la le abe amɔwɔʋãnu si nyɔnu aɖe tsɔ de amɔwɔ dzidzenu gã etɔ̃ me va se ɖe esime amɔwɔ bliboa ʋã la ene.”+

34 Yesu gblɔ nya siawo katã na ameha la le lododowo me. Le nyateƒe me la, meƒoa nu na wo ne menye le lododo me o,+ 35 ale be nya si wogblɔ ɖi to nyagblɔɖila la dzi nava eme, egblɔ be: “Make nu aƒo nu le lododowo me; magblɔ nu siwo le ɣaɣla tso keke gɔmeɖoanyiɣi* ke.”+

36 Esi wòɖe asi le amehaa ŋu vɔ la, eyi aƒe me. Eye eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ gblɔ nɛ be: “Ðe lo si nèdo le gbe vɔ̃ɖi siwo le agblea me ŋu la gɔme na mí.” 37 Eɖo eŋu na wo be: “Ame si le nuku nyuia wum lae nye Amegbetɔvi la, 38 eye agble lae nye xexea.+ Nuku nyui lae nye Fiaɖuƒe la ƒe viwo, ke gbe vɔ̃ɖiawoe nye vɔ̃ɖitɔ la ƒe viwo,+ 39 eye futɔ si wu wo lae nye Abosam. Nuŋeɣi lae nye nuɖoanyi aɖe ƒe nuwuɣi,* eye nuŋelaawoe nye mawudɔlawo. 40 Eya ta abe ale si woho gbe vɔ̃ɖiawo hetɔ dzo woe ene la, nenema kee wòanɔ le nuɖoanyia ƒe nuwuɣi.*+ 41 Amegbetɔvi la adɔ eƒe dɔlawo ɖa, eye woaƒo amenuɖianuwo kple sedzimawɔlawo nu ƒu tso eƒe Fiaɖuƒe la me, 42 eye woatsɔ wo aƒu gbe ɖe kpodzo bibi la me.+ Afi mae woafa avi ahaɖu aɖukli le. 43 Ɣemaɣi la, ame dzɔdzɔewo aklẽ abe ɣe ene+ le wo Fofo ƒe Fiaɖuƒe la me. Ame si to li na la, nesee.

44 “Dziƒofiaɖuƒe la le abe kesinɔnu aɖe si woɣla ɖe anyigba aɖe me ene, eye ame aɖe va ke ɖe eŋu hetsɔe ɣla; eye le dzidzɔ si wòkpɔ ta la, eyi ɖadzra eƒe nuwo katã eye wòƒle anyigba ma.+

45 “Dziƒofiaɖuƒe la gale abe asitsala mɔzɔla aɖe si le dzonu nyuiwo dim la ene. 46 Esi wòke ɖe dzonu xɔasi aɖe ŋu la, eyi ɖadzra eƒe nuwo katã enumake eye wòƒlee.+

47 “Dziƒofiaɖuƒe la gale abe ɖɔ si woɖi ɖe ƒu me, si ɖe tɔmelã ɖe sia ɖe ƒomevi la ene. 48 Esi ɖɔa yɔ la, wohee va gota, eye wonɔ anyi heƒo tɔmelã nyuiawo nu ƒu+ ɖe nugowo me, ke wotsɔ manyomanyoawo+ ƒu gbe. 49 Nenemae wòanɔ le nuɖoanyia ƒe nuwuɣi.* Mawudɔlawo ado go, eye woama ame vɔ̃ɖiwo ɖa tso ame dzɔdzɔewo gbɔ, 50 eye woatsɔ wo aƒu gbe ɖe kpodzo bibi la me. Afi mae woafa avi ahaɖu aɖukli le.

51 “Miese nu siawo katã gɔmea?” Woɖo eŋu nɛ be: “Ɛ̃.” 52 Egblɔ na wo be: “Ne nenemae la, minyae be dutoƒonufiala ɖe sia ɖe si wofia nui tso Dziƒofiaɖuƒea ŋu la ɖi aƒetɔ aɖe si ɖea nu yeyewo kple nu xoxowo siaa doa goe tso eƒe kesinɔnudzraɖoƒe.”

53 Esi Yesu do lo siawo vɔ la, edzo le afi ma. 54 Esi wòva wo de la,+ ede asi nufiafia wo me le woƒe ƒuƒoƒe la, eye woƒe mo wɔ yaa wobia be: “Afi kae ame sia kpɔ nunya sia kple ŋusẽ tsoe tsɔ le ŋusẽdɔ siawo gbegbe wɔm?+ 55 Menye atikpala la ƒe vie nye esia oa?+ Menye dadaa ye woyɔna be Maria, eye nɔviaŋutsuwoe nye Yakobo, Yosef, Simon kple Yuda oa?+ 56 Eye ɖe nɔvianyɔnuwo katã mele mía dome oa? Ekema afi kae wòkpɔ nu siawo katã tsoe?”+ 57 Eya ta eƒe nyawo ɖia wo nu.+ Ke Yesu gblɔ na wo be: “Wodea bubu nyagblɔɖila ŋu le afi sia afi negbe le wo de kple eya ŋutɔ ƒe aƒe me ko womebunɛ le o.”+ 58 Eye mewɔ ŋusẽdɔ geɖewo le afi ma o, le woƒe dzimaxɔse ta.

14 Ɣemaɣi la, nutodziɖula Herodes se Yesu ŋu nya,+ 2 eye wògblɔ na eŋumewo be: “Yohanes Amenyrɔɖetsimela lae nye ame sia. Wofɔe tso ame kukuwo dome, eya tae wòte ŋu le ŋusẽdɔwo wɔm ɖo.”+ 3 Do ŋgɔ na esia la, Herodes* lé Yohanes heblae de gaxɔ me le Herodia si nye nɔviaŋutsu Filipo srɔ̃ la ta.+ 4 Elabena Yohanes gblɔna nɛ enuenu be: “Mele se nu be nàxɔe aɖe o.”+ 5 Gake togbɔ be edi be yeawui hã la, enɔ vɔvɔ̃m na ameha la, elabena wobua Yohanes nyagblɔɖilae.+ 6 Ke esi wole Herodes ƒe dzigbezã+ ɖum la, Herodia vinyɔnu va ɖu ɣe le azãɖuƒea wòdze Herodes ŋu ale gbegbe,+ 7 eya ta eka atam do ŋugbe na nyɔnuvia be yeana nu sia nu si wòabia lae. 8 Esi dadaa de gbe to me nɛ ta la, egblɔ be: “Tsɔ Yohanes Amenyrɔɖetsimela ƒe ta de agba sia me nam.”+ 9 Togbɔ be ete ɖe fia la dzi hã la, le atam si wòka le ame siwo le kplɔ̃a ŋu kplii ŋkume ta la, eɖe gbe be woatsɔe anae. 10 Eya ta edɔ woyi ɖatso ta le Yohanes nu le gaxɔa me. 11 Eye wotsɔ eƒe ta de agba me vɛ, eye wotsɔe na nyɔnuvia wòtsɔ yi na dadaa. 12 Emegbe eƒe nusrɔ̃lawo va kɔ eƒe kukua yi ɖaɖi, eye wova ka eta na Yesu. 13 Esi Yesu see la, eya ɖeka ɖo tɔdziʋu dzo le afi ma yi teƒe tsoabo aɖe. Gake esi amehawo see la, woto afɔ tso duawo me dze eyome.+

14 Esi wòɖi go la, ekpɔ ame gbogbo aɖewo, woƒe nu wɔ nublanui nɛ,+ eye wòda gbe le woƒe dɔnɔwo ŋu.+ 15 Ke esi fiẽsi ɖo la, eƒe nusrɔ̃lawo va gblɔ nɛ be: “Teƒe sia tso abo, eye zã le dodom; ɖe asi le ameha la ŋu ne woayi kɔƒeawo me aɖaƒle nu aɖu.”+ 16 Ke Yesu gblɔ na wo be: “Mehiã be woadzo o; miawo ŋutɔwo mina nu wo woaɖu.” 17 Woɖo eŋu nɛ be: “Naneke mele mía si le afi sia o, negbe abolo atɔ̃ kple tɔmelã eve ko.” 18 Egblɔ be: “Mitsɔ wo vɛ nam.” 19 Eye wògblɔ na amehawo be woanɔ anyi ɖe gbeawo dzi. Eye wòtsɔ abolo atɔ̃awo kple tɔmelã eveawo, ewu mo dzi kpɔ dziƒo heyra ɖe wo dzi,+ eye esi wòŋe aboloawo me vɔ la, etsɔ wo na eƒe nusrɔ̃lawo, eye nusrɔ̃lawo hã ma wo na amehawo. 20 Ale wo katã woɖu nu ɖi ƒo, eye woƒo kakɛ siwo susɔ la nu ƒu, eye woyɔ kusi wuieve.+ 21 Ke ame siwo ɖu nua la anɔ ŋutsu akpe atɔ̃, womexlẽ nyɔnuwo kple ɖeviwo ya o.+ 22 Emegbe ena eƒe nusrɔ̃lawo ɖo tɔdziʋua dze eŋgɔ yi go kemɛ dzi, eye eya ŋutɔ do mɔ amehawo.+

23 Esi wòdo mɔ amehawo vɔ la, eya ɖeka yi to la dzi be yeado gbe ɖa.+ Esi zã do la, eya ɖeka nɔ afi ma. 24 Afi si tɔdziʋua ɖo ɣemaɣi la gbɔ didi ʋĩi* tso gota, eye ƒutsotsoewo nɔ tɔdziʋua nyamam, elabena ya ƒo va le wo kpem. 25 Ke le zã ƒe ŋudzɔɣi enelia* me la, ezɔ to ƒua dzi gbɔna wo gbɔ. 26 Esi nusrɔ̃lawo kpɔe wòle ƒua dzi zɔm la, dzika tso wo ƒo eye wogblɔ be: “Drɔ̃e yea?” Eye vɔvɔ̃ ɖo wo wodo ɣli. 27 Ke Yesu ƒo nu kpli wo enumake be: “Milé dzi ɖe ƒo! Nyee; migavɔ̃ o.”+ 28 Petro ɖo eŋu nɛ be: “Aƒetɔ, nenye wòe la, ekema na mazɔ tsia dzi ava gbɔwò.” 29 Egblɔ be: “Va!” Ale Petro ɖi le tɔdziʋua me, eye wòzɔ tsia dzi ɖo ta Yesu gbɔ. 30 Ke esi wòkpɔ ale si ya la le ƒoƒom sesĩe la, evɔ̃, eye esi wòde asi toyiyi me la, edo ɣli be: “Aƒetɔ, xɔ nam!” 31 Enumake Yesu do asi ɖa lée gblɔ nɛ be: “Wò xɔseʋɛtɔ, nu ka ŋuti nèke ɖi?”+ 32 Esi woge ɖe tɔdziʋua me la, ya sesẽ la tɔ. 33 Eye nusrɔ̃la siwo le tɔdziʋua me la bɔbɔ nɛ gblɔ be: “Mawu Vie nènye vavã!” 34 Eye wotso ƒua va ɖi go ɖe Genezaret-nyigba dzi.+

35 Esi afi ma tɔwo kpɔe dze sii la, woɖo du ɖe woƒe nuto blibo la katã me, eye wokplɔ dɔnɔwo katã va egbɔ. 36 Eye wova ɖe kuku nɛ vevie be yewoaka asi eƒe awu toga teti ko,+ eye ame siwo katã ka asi eŋu la ƒe lãme sẽ keŋkeŋ.

15 Farisitɔwo kple agbalẽfialawo+ tso Yerusalem va Yesu gbɔ hebiae be: 2 “Nu ka tae wò nusrɔ̃lawo daa blematɔwo ƒe kɔnyinyiwo dzi? Le kpɔɖeŋu me, womeklɔa asi* hafi ɖua nu o.”+

3 Eɖo eŋu na wo be: “Nu ka tae miawo hã miedaa Mawu ƒe se la dzi le miaƒe kɔnyinyiwo ta?+ 4 Le kpɔɖeŋu me, Mawu gblɔ be: ‘Bu fofowò kple dawò,’+ eye be: ‘Woawu ame si dzua* fofoa alo dadaa la.’+ 5 Ke miawo ya miegblɔna be: ‘Ame sia ame si gblɔ na fofoa alo dadaa be: “Nu sia nu si le asinye, si aɖe vi na wò la, nye nunana si metsɔ ɖe adzɔgbe na Mawu” la,+ 6 mele be wòabu fofoa kura o.’ Ale miena Mawu ƒe nya la zu dzodzro le miaƒe kɔnyinyiwo ta.+ 7 Mi alakpanuwɔlawo, Yesaya gblɔe ɖi nyuie le mia ŋuti be:+ 8 ‘Dukɔ sia le buyem kple woƒe nuyiwo, ke woƒe dzi te ɖa xaa tso gbɔnye. 9 Dzodzroe wole subɔyem, elabena amegbetɔwo ƒe sededewoe wofiana.’”+ 10 Eye wòyɔ ameha la va eɖokui gbɔ hegblɔ na wo be: “Miɖo to, ne miase egɔme:+ 11 Menye nu si yia ame ƒe nu mee ƒoa ɖii o, ke boŋ nu si doa go tso ame ƒe nu me lae ƒoa ɖii.”+

12 Eye nusrɔ̃lawo va biae be: “Ènya be esi Farisitɔwo se nya si nègblɔ la, eɖia wo nua?”+ 13 Eɖo eŋu be: “Ati sia ati si Fofonye si le dziƒo medo o la, woahoe. 14 Miɖe asi le wo ŋu. Mɔfiala ŋkuagbãtɔwoe wonye. Ke ne ŋkuagbãtɔ le ŋkuagbãtɔ kplɔm la, wo ame eve la siaa woage dze do me.”+ 15 Petro gblɔ nɛ be: “Ðe lododoa gɔme na mí.” 16 Eye wògblɔ be: “Ke miawo hã miese nya siawo gɔme haɖe oa?+ 17 Ðe mienyae be nu sia nu si yia nu me la toa dɔkaviwo me, eye wodenɛ oa? 18 Ke nu siwo doa go tso nu me la tsoa dzi la me, eye nu mawoe ƒoa ɖi ame.+ 19 Elabena dzi mee susu vɔ̃wo:+ amewuwuwo, ahasiwɔwɔwo, matrewɔwɔwo,* fififiwo, aʋatsoɖaseɖiɖiwo kple busunyagbɔgblɔwo doa go tso. 20 Nu siawoe ƒoa ɖi ame, ke menye nuɖuɖu asimaklɔmaklɔe* ƒoa ɖi ame o.”

21 Esi Yesu dzo le afi ma la, eyi Tiro kple Sidon nutowo me.+ 22 Eye kpɔ ɖa, Foinike-nyɔnu* aɖe si tso nuto ma me la va eye wòdo ɣli gblɔ be: “Aƒetɔ, David Vi, kpɔ nublanui nam. Gbɔgbɔ vɔ̃wo le fu ɖem na vinyenyɔnuvi vevie.”+ 23 Gake meɖo nya aɖeke ŋu nɛ o. Eya ta eƒe nusrɔ̃lawo va ɖe kuku nɛ be: “Do mɔe, elabena ele ɣli dom le mía yome.” 24 Eɖo eŋu be: “Womedɔm ɖe ame bubuwo gbɔ o, negbe ɖe Israel ƒe aƒe la me tɔ siwo nye alẽ búbuwo la gbɔ ko.”+ 25 Ke nyɔnua va dze klo nɛ* gblɔ be: “Aƒetɔ, kpe ɖe ŋunye!” 26 Eɖo eŋu nɛ be: “Mesɔ be woatsɔ ɖeviwo ƒe nuɖuɖu aƒu gbe ɖo ɖe avuviwo o.” 27 Eɖo eŋu be: “Aƒetɔ, ele eme baa; gake avuviwo ɖua nuɖuɖu wuwlui siwo duduna tso woƒe aƒetɔwo ƒe kplɔ̃ dzi.”+ 28 Yesu ɖo eŋu nɛ be: “Oo aƒenɔ, wò xɔse lolo ŋutɔ; neva eme na wò abe ale si nèdi ene.” Eye vianyɔnuvi la haya le gaƒoƒo ma dzi.

29 Esi Yesu dzo le afi ma la, eva teƒe aɖe si gogo Galilea-ƒua,+ eye wòyi togbɛ aɖe dzi hebɔbɔ nɔ afi ma. 30 Eye ameha geɖewo va egbɔ, wokplɔ bunɔwo, nuwɔametɔwo, ŋkuagbãtɔwo, aɖetututɔwo kple dɔ bubu ƒomevi geɖe lélawo ɖe asi, eye wotsɔ wo da ɖe eƒe afɔnu, eye wòda dɔ na wo.+ 31 Esi ameha la kpɔ be aɖetututɔwo le nu ƒom, bunɔwo le zɔzɔm, eye ŋkuagbãtɔwo le nu kpɔm la, woƒe mo wɔ yaa, eye wokafu Israel ƒe Mawu la.+

32 Ke Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃lawo va eɖokui gbɔ hegblɔ na wo be: “Ameha la ƒe nu le nublanui wɔm nam,+ elabena ŋkeke etɔ̃ sɔŋ ye nye esia wole gbɔnye, naneke mele wo si woaɖu o. Nyemedi be maɖe asi le wo ŋu woadzo dɔmeɣi o, ɖewohĩ akpo ava tso wo le mɔ dzi.”+ 33 Ke nusrɔ̃lawo biae be: “Afi kae míakpɔ abolo tsoe le teƒe tsoabo sia wòade ame gbogbo siawo nu?”+ 34 Yesu bia wo be: “Abolo nenie le mia si?” Woɖo eŋu be: “Abolo adre kple tɔmelã sue ʋɛ aɖewo.” 35 Eye esi wògblɔ na ameha la be woanɔ anyi ɖe anyigba vɔ la, 36 etsɔ abolo adreawo kple tɔmelãawo, eye wòda akpe, ŋe aboloawo me hemae na eƒe nusrɔ̃lawo, eye nusrɔ̃lawo hã ma wo na amehaawo.+ 37 Eye wo katã woɖu nu ɖi ƒo, eye wofɔ kakɛ siwo susɔ la wode kusi gã adre.+ 38 Ke ŋutsu siwo ɖu nua la nɔ ame akpe ene, womexlẽ nyɔnuwo kple ɖeviwo ya o. 39 Mlɔeba esi wòdo mɔ amehaawo vɔ la, eɖo tɔdziʋu yi Magadan-nutoa me.+

16 Farisitɔwo kple Zadukitɔwo va Yesu gbɔ be yewoatee kpɔ eye wobiae be wòaɖe dzesi aɖe afia yewo tso dziƒo.+ 2 Eɖo eŋu na wo be: “Ne fiẽ ɖo la, miegblɔna be: ‘Xexea me le kɔkɔ ge, elabena dziŋgɔli biã,’ 3 eye le ŋdi la, miegblɔna be: ‘Vuvɔ le wɔwɔ ge, eye tsi le dzadza ge egbea, elabena dziŋgɔli biã, eye wòxe litii.’ Mienyaa nu si dziŋgɔli ƒe nɔnɔme fiana, ke mienya nu si ɣeyiɣiawo ƒe dzesiwo ya fia o. 4 Dzidzime vɔ̃ɖi wɔahasi* le dzesi dim, gake womele dzesi aɖeke na gee o,+ negbe Yona ƒe dzesi la ko.”+ Ale wògblẽ wo ɖi hedzo.

5 Nusrɔ̃lawo tso ƒua yi go kemɛ dzi, gake woŋlɔ be wometsɔ abolo ɖe asi o.+ 6 Yesu gblɔ na wo be: “Mina miaƒe ŋkuwo nanɔ ʋuʋu, eye mikpɔ nyuie le Farisitɔwo kple Zadukitɔwo ƒe amɔwɔʋãnu la ŋu.”+ 7 Ale wogblɔ le wo nɔewo dome be: “Esi míetsɔ abolo aɖeke ɖe asi o tae.” 8 Esi Yesu de dzesii la, egblɔ be: “Mi xɔseʋɛtɔwo, nu ka tae miele gbɔgblɔm le mia nɔewo dome be, esi míetsɔ abolo aɖeke ɖe asi o tae? 9 Ðe miekpɔ se egɔme haɖe oa, alo ɖe mieɖo ŋku abolo atɔ̃ siwo mena ŋutsu akpe atɔ̃ woɖu kple kusi ale si nu miefɔ la dzi oa?+ 10 Alo ɖe mieɖo ŋku abolo adre siwo mena ŋutsu akpe ene woɖu kple kusi gã ale si nu miefɔ la dzi oa?+ 11 Aleke wɔ miese egɔme be menye abolo ƒe nya gblɔm mele na mi o? Ke boŋ be miakpɔ nyuie le Farisitɔwo kple Zadukitɔwo ƒe amɔwɔʋãnu la ŋu.”+ 12 Ale wose egɔme be menye aboloʋãnu ŋue wògblɔ le be yewoakpɔ nyuie le o, ke boŋ le Farisitɔwo kple Zadukitɔwo ƒe nufiafia ŋuti.

13 Eye esi Yesu va ɖo Kaisarea Filipi nutoa me la, ebia eƒe nusrɔ̃lawo be: “Ame kae amewo le gbɔgblɔm be Amegbetɔvi la nye?”+ 14 Woɖo eŋu be: “Ame aɖewo be Yohanes Amenyrɔɖetsimela,+ bubuwo be Eliya,+ eye bubuwo hã be Yeremiya alo nyagblɔɖilawo dometɔ ɖekae.” 15 Ebia wo be: “Ke miawo ya ɖe, ame kae miegblɔna be menye?” 16 Simon Petro ɖo eŋu be: “Wòe nye Kristo la,+ Mawu gbagbe la ƒe Vi.”+ 17 Yesu gblɔ nɛ be: “Dzidzɔtɔe nènye, Simon, Yona vi, elabena menye amegbetɔe* ɖee fia wò o, ke boŋ Fofonye si le dziƒo lae.+ 18 Azɔ hã, mele egblɔm na wò be: Wòe nye Petro,+ eye agakpe+ sia dzie matu nye hame la ɖo, eye Tsiẽƒe* ƒe agbowo mate ŋu aɖu edzi o. 19 Matsɔ dziƒofiaɖuƒe la ƒe safuiwo ana wò, eye nu sia nu si nàbla le anyigba dzi la anɔ babla xoxo le dziƒowo, eye nu sia nu si nàtu le anyigba dzi la anɔ tutu xoxo le dziƒowo.” 20 Eye wòde se na nusrɔ̃lawo vevie be womegagblɔe na ame aɖeke be yee nye Kristo la o.+

21 Tso ɣemaɣi la, Yesu de asi numeɖeɖe me na eƒe nusrɔ̃lawo be ele be yeayi Yerusalem aɖakpe fu geɖe tso dumegãwo kple nunɔlawo ƒe tatɔwo kpakple agbalẽfialawo si me, eye woawu ye, ke woafɔ ye ɖe tsitre le ŋkeke etɔ̃a gbe.+ 22 Eye Petro ɖe kpɔe hede asi nyagbegbe me nɛ be: “Aƒetɔ, di nyui na ɖokuiwò; esia madzɔ ɖe dziwò gbeɖe o.”+ 23 Ke etrɔ, eye wògblɔ na Petro be: “Te yi megbenye, Satana! Mɔxenu nènye nam, elabena menye Mawu tɔ susum nèle o, ke boŋ amegbetɔwo tɔ.”+

24 Eye Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Ne ame aɖe di be yeadze yonyeme la, negbe nu le eɖokui gbɔ, eye wòatsɔ eƒe fuwɔameti* la, eye wòanɔ yonyeme ɖaa.+ 25 Elabena ame sia ame si di be yeaɖe yeƒe agbe* la abui, ke ame sia ame si abu eƒe agbe* le tanye la akpɔe.+ 26 Le nyateƒe me la, viɖe kae wòanye na ame, ne xexea katã zu etɔ, gake wòbu eƒe agbe?*+ Alo nu kae ame atsɔ ana ɖe eƒe agbe* ta?+ 27 Elabena Amegbetɔvi la ava le Fofoa ƒe ŋutikɔkɔe me kple eƒe dɔlawo, eye wòaɖo eteƒe na ame sia ame ɖe eƒe nuwɔna nu.+ 28 Vavãe mele egblɔm na mi be, ame aɖewo le ame siwo le tsitre ɖe afi sia dome, siwo maɖɔ ku akpɔ o va se ɖe esime wokpɔ Amegbetɔvi la wògbɔna le eƒe Fiaɖuƒe la me.”+

17 Le ŋkeke ade megbe la, Yesu kplɔ Petro, Yakobo kple nɔvia Yohanes kpe ɖe eɖokui ŋu, eye woawo ɖeɖe woyi to kɔkɔ aɖe dzi.+ 2 Eye eƒe dzedzeme trɔ le wo ŋkume, eƒe mo klẽ abe ɣe ene, eye eƒe awuwo fu tititi abe kekeli ene.+ 3 Eye kpɔ ɖa, Eliya kple Mose dze wokpɔ eye wole dze ɖom kplii. 4 Eya ta Petro gblɔ na Yesu be: “Aƒetɔ, enyo na mí be míanɔ afi sia. Ne èlɔ̃ la, matu agbadɔ etɔ̃ ɖe afi sia, ɖeka na wò, ɖeka na Mose, eye ɖeka na Eliya.” 5 Esi wògale nuƒoƒo dzi la, kpɔ ɖa, alilikpo keklẽ aɖe do vɔvɔli ɖe wo dzi, eye gbe aɖe ɖi tso alilikpoa me be: “Ame siae nye Vinye, si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, si ƒe nu dzea ŋunye.+ Miɖo toe.”+ 6 Esi nusrɔ̃lawo se nya sia la, wotsyɔ mo anyi, eye vɔvɔ̃ ɖo wo ŋutɔ. 7 Eye Yesu te ɖe wo ŋu eye wòka asi wo ŋu gblɔ be: “Mifɔ. Migavɔ̃ o.” 8 Esi wofɔ mo dzi la, womekpɔ ame aɖeke o, negbe Yesu ɖeka ko. 9 Esi wole ɖiɖim tso toa dzi la, Yesu de se na wo be: “Migagblɔ ŋutega la na ame aɖeke o, va se ɖe esime wofɔ Amegbetɔvi la tso ame kukuwo dome hafi.”+

10 Ke nusrɔ̃lawo biae be: “Ekema nu ka tae agbalẽfialawo gblɔna be ele be Eliya nava gbã?”+ 11 Eɖo eŋu be: “Vavãe, ele be Eliya nava, eye wòaɖɔ nuwo katã ɖo.+ 12 Ke mele egblɔm na mi be Eliya va xoxo, gake womedze sii o, eye wowɔ nu si dze wo ŋu la ɖe eŋu.+ Nenema kee Amegbetɔvi la hã akpe fu le wo si me.”+ 13 Ale nusrɔ̃lawo se egɔme be Yohanes Amenyrɔɖetsimela ŋu nya gblɔm wòle na yewo.

14 Esi wogbɔna ameha la gbɔ la,+ ŋutsu aɖe te ɖe eŋu hedze klo ɖe eŋkume gblɔ be: 15 “Aƒetɔ, kpɔ nublanui na vinyeŋutsuvi, elabena kpeŋuidɔ* le eŋu, eye dɔa nu sẽ. Edzea dzo me enuenu, eye wòdzea tsi me enuenu.+ 16 Mekplɔe va wò nusrɔ̃lawo gbɔ, ke womete ŋu da gbe le eŋu o.” 17 Yesu ɖo eŋu be: “Oo, dzidzime maxɔse totro kpaɖikpaɖi,+ ɣeyiɣi didi kae manɔ mia gbɔ ase ɖo? Ɣeyiɣi didi kae mado dzi atsɔ miaƒe nuwɔnawo ase ɖo? Mikplɔe va gbɔnye afii.” 18 Yesu blu ɖe gbɔgbɔ vɔ̃ la ta eye wòdo go le eme, ale ŋutsuvi la ƒe lãme sẽ enumake.+ 19 Eye nusrɔ̃lawo ɖeɖe va Yesu gbɔ va biae be: “Aleke wɔ míawo ya míete ŋu nyae do goe o?” 20 Eɖo eŋu na wo be: “Le miaƒe xɔse ʋɛ la tae. Elabena vavã mele egblɔm na mi be: Ne xɔse le mia si de sinapi-ku* ƒe lolome nu la, ekema miagblɔ na to sia be: ‘Ho le afi sia nàyi aɖadze afi mɛ!’ eye wòaho ayi, eye naneke mate ŋu awu wɔwɔ na mi o.”+ 21 *——

22 Esime Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo ƒo ƒu ɖe Galilea la, egblɔ na wo be: “Wole Amegbetɔvi la de ge asi na amewo,+ 23 eye woawui, ke woafɔe ɖe tsitre le ŋkeke etɔ̃a gbe.”+ Esia na woxa nu vevie.

24 Esi wova ɖo Kapernaum la, ame siwo xɔa drakma eve* ƒe adzɔ le amewo si la te ɖe Petro ŋu hebiae be: “Ðe miaƒe nufiala ya medzɔa drakma eve la oa?”+ 25 Eɖo eŋu be: “Edzɔnɛ.” Ke esi wòge ɖe aƒea me la, Yesu do ŋgɔ biae be: “Simon, nu kae nèsusu? Ame kawo sie anyigbadzifiawo xɔa adzɔ alo nudzɔdzɔ le? Wo viwo si loo alo ame bubuwo sia?” 26 Esi wòɖo eŋu be, “Le ame bubuwo si” la, Yesu gblɔ nɛ be: “Ekema mehiã be viwo naxe adzɔ o ɖe! 27 Ke be míagaɖia wo nu o la,+ yi ƒuta, nàda ƒu, eye lã gbãtɔ si nàɖe la, lée, eye ne èke eƒe nu me la, àkpɔ klosalogaku.* Tsɔe yi ɖana wo ɖe nye kpli wò nu.”

18 Le gaƒoƒo ma me la, nusrɔ̃lawo te ɖe Yesu ŋu biae be: “Ame ka tututue nye gãtɔ le Dziƒofiaɖuƒe la me?”+ 2 Ale wòyɔ ɖevi aɖe va eɖokui gbɔ, kplɔe va wo dome 3 hegblɔ be: “Vavã mele egblɔm na mi be: Ne mietrɔ hezu abe ɖevi suewo+ ene o la, miele yiyi ge ɖe Dziƒofiaɖuƒe la me akpɔ o.+ 4 Eya ta ame sia ame si abɔbɔ eɖokui abe ɖevi sia ene la, eyae anye gãtɔ le Dziƒofiaɖuƒe la me;+ 5 eye ame sia ame si xɔa nenem ɖevi siawo tɔgbi ɖeka le nye ŋkɔ ta la, exɔa nye hã. 6 Ke ame sia ame si aɖia ɖevi sue siawo, siwo xɔ dzinye se dometɔ aɖe nu la, ade edzi wu be woatsɔ té, si tedziwo trona, atsi ɖe kɔ nɛ, eye woatsɔe aƒu gbe ɖe atsiaƒu me.+

7 “Baba na xexea le nu siwo nana amewo dzea nu vɔ̃ me* la ŋuti! Nu siwo ana amewo nadze nu vɔ̃ me la ava godoo ya, ke baba na ame si ana amewo nadze nu vɔ̃ me! 8 Eya ta ne wò asi alo wò afɔ hea wò dea nu vɔ̃ me la, lãe ɖa eye nàtsɔe ƒu gbe.+ Enyo na wò be nànye nuwɔametɔ alo nàtsɔ abɔ ɖeka alo afɔ ɖeka ayi ɖe agbe la me wu be asi eve alo afɔ eve nanɔ asiwò, evɔ woatsɔ wò aƒu gbe ɖe dzo mavɔ la me.+ 9 Eye ne wò ŋku hea wò dea nu vɔ̃ me* la, hoe le eto me nàtsɔ aƒu gbe. Enyo na wò be nàge ɖe agbe la me kple ŋku ɖeka wu be ŋku eve nanɔ asiwò, evɔ woatsɔ wò aƒu gbe ɖe Gehena*+ ƒe dzo la me. 10 Mikpɔ nyuie be miagado vlo ɖevi siawo dometɔ ɖeka pɛ hã o, elabena mele egblɔm na mi be, woƒe mawudɔla siwo le dziƒo la kpɔa Fofonye si le dziƒo la ƒe mo ɣesiaɣi.+ 11 * ——

12 “Nu kae miesusu? Ne alẽ alafa ɖeka le ame aɖe si, eye wo dometɔ ɖeka bu+ la, ɖe magblẽ blaasieke vɔ asieke la ɖe towo dzi, eye wòayi aɖadi ɖeka si bu la oa?+ 13 Eye ne ekpɔe la, vavã mele egblɔm na mi be, akpɔ dzidzɔ ɖe eŋu wu ale si wòakpɔe ɖe blaasieke vɔ asieke siwo mebu o la ŋu. 14 Nenema kee menye dzidzɔ na Fofonye* si le dziƒo la be ɖevi siawo dometɔ ɖeka pɛ hã natsrɔ̃ o.+

15 “Ne nɔviwò wɔ nu vɔ̃ ɖe ŋuwò la, yi nàɖe eƒe vodada fiae* le wò kplii ɖeɖe ko dome.+ Ne eɖo to wò la, ekema èɖe nɔviwò.+ 16 Ke ne meɖo to wò o la, kplɔ ame ɖeka alo eve kpe ɖe ɖokuiwò ŋu, ale be le ɖasefo eve alo etɔ̃ ƒe ɖaseɖiɖi nu la, miaɖo kpe nya sia nya dzi.+ 17 Ne meɖo to woawo hã o la, ekema gblɔe na hamea. Ne meɖo to hamea hã o la, ekema na wòanɔ na wò abe dukɔwo me tɔ+ kple adzɔxɔla ene.+

18 “Vavã mele egblɔm na mi be: Nu sia nu si miabla le anyigba dzi la anye nu si wobla xoxo le dziƒo, eye nu sia nu si miatu le anyigba dzi la anye nu si wotu xoxo le dziƒo. 19 Megale egblɔm na mi hã be: Ne mia dometɔ eve wɔ ɖeka le anyigba dzi ɖe kuku bia nane si hiã vevie la, Fofonye si le dziƒo la ana wòava eme.+ 20 Elabena afi si ame eve alo etɔ̃ ƒo ƒu ɖo le nye ŋkɔ me+ la, mele wo dome le afi ma.”

21 Eye Petro va biae be: “Aƒetɔ, zi nenie nɔvinye awɔ nu vɔ̃ ɖe ŋunye eye matsɔe akee? Va se ɖe zi adre loo?” 22 Yesu gblɔ nɛ be: “Nyemegblɔ na wò be va se ɖe zi adre o, ke boŋ va se ɖe zi blaadre vɔ adre.+

23 “Esia tae wotsɔ Dziƒofiaɖuƒe la sɔ kple fia aɖe si di be yeabu akɔnta kple yeƒe kluviwo. 24 Esi wòte akɔntaa bubu la, wokplɔ ŋutsu aɖe si nyi talento akpe ewo* ƒe fe le eŋu la vɛ. 25 Ke esi naneke mele esi wòatsɔ axe fea o ta la, eƒe aƒetɔ ɖe gbe be woadzra eya ŋutɔ, srɔ̃a kple viawo kpakple nu siwo katã le esi la atsɔ axe fe lae.+ 26 Ale kluvi la bɔbɔ ɖe eŋkume ɖe kuku nɛ gblɔ be, ‘Meɖe kuku, gbɔ dzi ɖi nam, mele nu sia nu xe ge na wò.’ 27 Esi kluvi ma ƒe nu wɔ nublanui na eƒe aƒetɔa la, eɖe asi le eŋu hetsɔ fe la kee.+ 28 Ke esi kluvi ma do go eye wòkpɔ ehati kluviwo dometɔ ɖeka si nyi denario alafa ɖeka* ƒe fe le eŋu la, elée, lé ve nɛ gblɔ be, ‘Xe fe sia fe si nènyi le ŋunye la nam.’ 29 Eye ehati kluvi la dze klo ɖe kuku nɛ vevie be, ‘Meɖe kuku, gbɔ dzi ɖi nam, mele exe ge na wò.’ 30 Ke melɔ̃ o, eye wòna wodee gaxɔ me be wòanɔ afi ma va se ɖe esime wòaxe fe si wònyi. 31 Esi ehati kluviwo kpɔ nu si dzɔ la, eve wo ŋutɔ, eye woyi ɖagblɔ nu siwo katã dzɔ la na woƒe aƒetɔ. 32 Eya ta eƒe aƒetɔa yɔe va eɖokui gbɔ gblɔ nɛ be: ‘Kluvi vɔ̃ɖi, esi nèɖe kuku nam la, metsɔ fe mawo katã ke wò. 33 Ðe mele be wò hã nàkpɔ nublanui na hawòti kluvi abe ale si mekpɔ nublanui na wòe ene oa?’+ 34 Ale eƒe aƒetɔ do dɔmedzoe, eye wòtsɔe de asi na gaxɔdzikpɔlawo va se ɖe esime wòaxe fe siwo katã wònyi. 35 Aleae Fofonye si le dziƒowo la hã awɔ mia dometɔ ɖe sia ɖe+ ne metsɔna kea nɔvia tso dzi me o.”+

19 Esi Yesu wu nya siawo nu la, edzo le Galilea, eye wòva Yudea ƒe liƒowo dzi le Yordan godo.+ 2 Ameha geɖewo hã dze eyome, eye wòda gbe le wo ŋu le afi ma.

3 Farisitɔwo va Yesu gbɔ be yewoadoe kpɔ, eye wobiae be: “Ðe se ɖe mɔ na ŋutsu be wòagbe srɔ̃a le nya sia nya ta?”+ 4 Eɖo eŋu be: “Ðe miexlẽe kpɔ be ame si wɔ ame tso gɔmedzedzea me la, ŋutsu kple nyɔnue wòwɔ woe,+ 5 eye wògblɔ be, ‘Esia ta ŋutsu agblẽ fofoa kple dadaa ɖi, eye wòaku ɖe srɔ̃a ŋu, eye wo ame evea woazu ŋutilã ɖeka’ oa?+ 6 Ale be womeganye ame eve azɔ o, ke boŋ ŋutilã ɖeka. Eya ŋuti nu si Mawu bla ɖekae la,* ame aɖeke megama eme o.”+ 7 Wogblɔ nɛ be: “Ke nu ka tae Mose de se be woana srɔ̃gbegbalẽ nyɔnua eye woagbee?”+ 8 Egblɔ na wo be: “Miaƒe dzimesesẽ tae Mose ɖe mɔ na mi be miagbe mia srɔ̃wo ɖo,+ gake menye nenemae wòle tso gɔmedzedzea me o.+ 9 Mele egblɔm na mi be, ame sia ame si gbe srɔ̃a, ne menye le ahasiwɔwɔ* ta o, eye wòɖe bubu la, ewɔ ahasi.”+

10 Nusrɔ̃lawo gblɔ nɛ be: “Ne aleae ŋutsu kple srɔ̃a dome nya le la, ekema manyo be woaɖe srɔ̃ o ɖe!” 11 Yesu gblɔ na wo be: “Menye amewo katãe tea ŋu wɔna ɖe nya sia dzi o, negbe ame siwo si nunana ma le la ko.+ 12 Elabena ame tata aɖewo li siwo wodzi nenema, eye ame tata aɖewo li siwo amewo ta, eye ame tata aɖewo hã li siwo wɔ wo ɖokuiwo ame tatawoe le Dziƒofiaɖuƒe la ta. Ame si ate ŋui la, newɔe.”+

13 Azɔ wokplɔ ɖevi suewo va egbɔ be wòada asi ɖe wo dzi eye wòado gbe ɖa ɖe wo ta, ke nusrɔ̃lawo blu ɖe wo ta.+ 14 Gake Yesu gblɔ be: “Miɖe asi le ɖeviawo ŋu, mina woava gbɔnye, eye migaxe mɔ na wo o, elabena ame siawo ƒomevi tɔe nye Dziƒofiaɖuƒe la.”+ 15 Eda asi ɖe wo dzi, eye wòdzo le afi ma.

16 Azɔ kpɔ ɖa, ame aɖe va egbɔ hebiae be: “Nufiala, nu nyui kae wòle be mawɔ be makpɔ agbe mavɔ?”+ 17 Egblɔ nɛ be: “Nu ka tae nèle nya biamem tso nu si nye nyui ŋu? Ame ɖeka pɛ koe nye ame nyui.+ Ke ne èdi be yeayi ɖe agbe la me la, yi edzi nànɔ seawo dzi wɔm.”+ 18 Ebiae be: “Kawo?” Yesu gblɔ be: “Woawoe nye: Mègawu ame o,+ mègawɔ ahasi o,+ mègafi fi o,+ mègaɖi aʋatsoɖase o,+ 19 bu fofowò kple dawò,+ kple lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.”+ 20 Ðekakpui la gblɔ nɛ be: “Mewɔa se siawo katã dzi; nu kae gasusɔ nam?” 21 Yesu gblɔ nɛ be: “Ne èdi be yeazu blibo la, yi nàdzra nu siwo le asiwò la nàtsɔ ga la ana ame dahewo, ekema kesinɔnuwo anɔ asiwò le dziƒo;+ eye nàva dze yonyeme.”+ 22 Esi ɖekakpuia se nya sia la, edzo kple nuxaxa, elabena nu geɖe le esi.+ 23 Eye Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Vavã mele egblɔm na mi be, asesẽ na kesinɔtɔ be wòayi ɖe Dziƒofiaɖuƒe la me.+ 24 Megale egblɔm na mi hã be: Ele bɔbɔe na kposɔ be wòato abui ƒe vo me wu be kesinɔtɔ nayi ɖe Mawu Fiaɖuƒe la me.”+

25 Esi nusrɔ̃lawo se nya sia la, ewɔ nuku na wo ŋutɔ, eye wobia be: “Ke ame ka gɔ̃e ate ŋu akpɔ ɖeɖe?”+ 26 Yesu kpɔ woƒe ŋkume dũu, eye wògblɔ na wo be: “Amegbetɔwo gbɔ la, manya wɔ be woawɔ esia o; ke Mawu ya tea ŋu wɔa nu sia nu.”+

27 Eye Petro biae be: “Kpɔ ɖa! Míegblẽ nuwo katã ɖi hedze yowòme; ke nu kae ava nye mía tɔ?”+ 28 Yesu gblɔ na wo be: “Vavã mele egblɔm na mi be: Le nuwo gbugbɔwɔɣi, ne Amegbetɔvi la bɔbɔ nɔ eƒe ŋutikɔkɔefiazikpui dzi la, mi ame siwo dze yonyeme hã mianɔ anyi ɖe fiazikpui wuieve dzi adrɔ̃ ʋɔnu Israel to wuieveawo.+ 29 Eye ame sia ame si gblẽ aƒewo alo nɔviŋutsuwo alo nɔvinyɔnuwo alo fofo alo dada alo viwo alo agblewo ɖi le nye ŋkɔ ta la, akpɔ wo ɖe eteƒe zi alafa, eye wòanyi agbe mavɔ dome.+

30 “Ke ame geɖe siwo nye gbãtɔwo azu mlɔetɔwo, eye mlɔetɔwo azu gbãtɔwo.+

20 “Elabena Dziƒofiaɖuƒe la le abe aƒetɔ aɖe si do go ŋdi kanya be yeaɖadi apatɔwo woawɔ dɔ le yeƒe waingble me ene.+ 2 Esi wòƒo asi kple dɔwɔlawo eye wolɔ̃ be wòaxe denario* ɖeka na yewo ŋkeke ɖeka vɔ la, eɖo wo ɖe eƒe waingble la me. 3 Esi wògado go le gaƒoƒo etɔ̃lia* me lɔƒo la, ekpɔ ame bubuwo le tsitre ɖe asi me siwo mele dɔ aɖeke wɔm o; 4 eye wògblɔ na wo be: ‘Miawo hã miyi waingble la me, eye maxe fe si dze la na mi.’ 5 Eya ta woyi. Egado go le gaƒoƒo adelia* kple asiekelia* me lɔƒo, eye wòwɔ nenema ke. 6 Mlɔeba le gaƒoƒo wuiɖekɛlia* me lɔƒo la, edo go, eye wòkpɔ ame bubuwo le tsitre ɖi, eye wòbia wo be, ‘Nu ka tae miele tsitre ɖe afi sia ŋkeke bliboa katã dɔ aɖeke mawɔmawɔe?’ 7 Woɖo eŋu nɛ be: ‘Elabena ame aɖeke metsɔ mí be míawɔ dɔ na ye o.’ Egblɔ na wo be: ‘Miawo hã miyi waingble la me.’

8 “Esi fiẽsi ɖo la, waingbletɔa gblɔ na eƒe nuwo dzi kpɔla be, ‘Yɔ dɔwɔlawo nàxe fe na wo,+ eye nàdze egɔme tso ame mlɔetɔwo dzi va se ɖe gbãtɔwo dzi.’ 9 Esi gaƒoƒo wuiɖekɛlia me tɔwo va la, wo dometɔ ɖe sia ɖe xɔ denario* ɖeka. 10 Eya ta esi ame gbãtɔwo va la, wosusu be yewoaxɔ wòasɔ gbɔ wu, ke woxe denario* ɖekaɖeka na woawo hã. 11 Esi woxɔe la, woto nyatoƒoe le aƒetɔ la ŋu 12 be: ‘Ame mlɔetɔ siawo wɔ dɔ gaƒoƒo ɖeka ko; ke èna wosɔ kple mí ame siwo kpe fu wɔ dɔ sesĩe le ŋdɔgbe ŋkeke bliboa katã!’ 13 Ke eɖo eŋu na wo dometɔ ɖeka be: ‘Xɔ̃, nyemedze agɔ le dziwò o ɖe. Denario* ɖeka dzie nye kpli wò míelɔ̃ ɖoe?+ 14 Xɔ tɔwò nàdzo. Melɔ̃ be maxe fe na ame mlɔetɔ siawo abe ale si mexee na wòe ene. 15 Ðe nyemekpɔ mɔ azã nye ŋutɔ nye nuwo ale si melɔ̃ oa? Alo nyui* si mewɔ lae na nèle ŋu ʋãma?’*+ 16 Aleae mlɔetɔwo azu gbãtɔwo, eye gbãtɔwo azu mlɔetɔwo.”+

17 Ke esi wole mɔ dzi yina Yerusalem la, Yesu ɖe kpɔ nusrɔ̃la wuieveawo gblɔ na wo be:+ 18 “Kpɔ ɖa! Míeyina Yerusalem, eye woade Amegbetɔvi la asi na nunɔlawo ƒe tatɔwo kple agbalẽfialawo. Woatso kufia nɛ,+ 19 eye woadee asi na dukɔwo me tɔwo woaɖu fewu le eŋu, woaƒoe kple atam, eye woahee ɖe ati ŋu;+ gake woafɔe ɖe tsitre le ŋkeke etɔ̃a gbe.”+

20 Eye Zebedeo viwo+ dada kple viaŋutsu eveawo va Yesu gbɔ, eye nyɔnua dze klo henɔ nane biamee.+ 21 Ebia nyɔnua be: “Nu ka dim nèle?” Eɖo eŋu nɛ be: “Na be vinyeŋutsu eve siawo dometɔ ɖeka nanɔ anyi ɖe wò ɖusime eye evelia ɖe wò miame le wò Fiaɖuƒe la me.”+ 22 Yesu ɖo eŋu be: “Mienya nu si biam miele o. Ðe miate ŋu ano kplu si no ge malaa?”+ Woɖo eŋu nɛ be: “Míate ŋui.” 23 Egblɔ na wo be: “Miano nye kplu la baa,+ gake anyinɔnɔ ɖe nye ɖusime alo miame ya la, menye tɔnye be mana o, ke boŋ ame siwo Fofonye dzrae ɖo ɖi na la tɔe.”+

24 Esi ame ewo susɔeawo see la, dzi ku wo ɖe nɔvi eveawo ŋu.+ 25 Ke Yesu yɔ wo va eɖokui gbɔ gblɔ na wo be: “Mienyae be dukɔwo ƒe dziɖulawo ɖua aƒetɔ ɖe wo dzi, eye amegãwo kpɔa ŋusẽ ɖe wo dzi.+ 26 Meganɔ alea le mia dome o;+ ke boŋ ame sia ame si di be yeanye gã le mia dome la nanye miaƒe subɔla,+ 27 eye ame sia ame si di be yeanye gbãtɔ le mia dome la nanye miaƒe kluvi.+ 28 Abe ale si ko Amegbetɔvi la meva be woasubɔ ye o, ke boŋ be yeasubɔ+ eye yeatsɔ yeƒe agbe* ana wòanye tafe na ame geɖewo la ene.”+

29 Esi wole dzodzom le Yeriko la, ame gbogbo aɖewo kplɔe ɖo. 30 Eye kpɔ ɖa, ŋkuagbãtɔ eve nɔ anyi ɖe mɔ to, eye esi wose be Yesu va yina la, wodo ɣli gblɔ be: “Aƒetɔ, David Vi, kpɔ nublanui na mí!”+ 31 Ke ameha la blu ɖe wo ta be woazi ɖoɖoe; ke wogado ɣli ɖe edzi be: “Aƒetɔ, David Vi lee, kpɔ nublanui na mí dzro!” 32 Eya ta Yesu tɔ, eye wòyɔ wo hebia wo be: “Nu kae miedi be mawɔ na mi?” 33 Woɖo eŋu nɛ be: “Aƒetɔ, na míaƒe ŋkuwo naʋu.” 34 Woƒe nu wɔ nublanui na Yesu, eye wòka asi woƒe ŋkuwo ŋu,+ enumake wogakpɔ nu, eye wodze eyome.

21 Esi wogogo Yerusalem eye wova ɖo Betfage si le Amitoa dzi la, Yesu dɔ nusrɔ̃la eve+ 2 eye wògblɔ na wo be: “Miyi kɔƒe si kpɔm miele le mia ŋgɔ la me, eye ne mieɖo ko la, miakpɔ tedzi aɖe le ka me, eye tedzivi aɖe le egbɔ. Miɖe ka wo, eye miakplɔ wo vɛ nam. 3 Ne ame aɖe bia nya aɖe mi la, migblɔ be, ‘Aƒetɔ lae le wo hiãm.’ Eye enumake aɖo wo ɖa.”

4 Nu sia va eme, ale be nya si wogblɔ ɖi to nyagblɔɖilaa dzi la nava eme, egblɔ be: 5 “Migblɔ na Zion vinyɔnu la be: ‘Kpɔ ɖa! Wò fia gbɔna gbɔwò,+ ame fafa wònye,+ eye wòle tedzi dzi, ɛ̃, ele tedzivi si nye agbatsɔlã ƒe vi dzi.’”+

6 Eya ta nusrɔ̃lawo yi ɖawɔ pɛpɛpɛ abe ale si Yesu gblɔ na wo ene.+ 7 Eye wokplɔ tedzi la kple via vɛ hetsɔ woƒe awudziwuiwo ɖo ɖe wo dzi, eye wòbɔbɔ nɔ tedzivi la dzi.+ 8 Amehawo dometɔ akpa gãtɔ ɖo woƒe awudziwuiwo ɖe mɔa dzi,+ eye bubuwo lã atilɔwo ɖo ɖe mɔa dzi keŋ. 9 Ke ameha siwo dze ŋgɔ kple esiwo le megbe la le ɣli dom be: “Míeɖe kuku, xɔ na David Vi la,+ Woayra ame si gbɔna le Yehowa* ƒe ŋkɔ me!+ Míeɖe kuku, xɔ nɛ, wò, ame si le dziƒo ʋĩi!”+

10 Esi wòva ɖo Yerusalem la, zi tɔ le du bliboa me, eye amewo le biabiam be: “Ame kae nye esia?” 11 Amehawo le gbɔgblɔm be: “Ame siae nye nyagblɔɖila Yesu+ si tso Nazaret le Galilea!”

12 Yesu ge ɖe gbedoxɔa me, eye wònya nudzrala kple nuƒlela siwo le gbedoxɔa me la katã do goe, eye wòmu gaɖɔlilawo ƒe kplɔ̃wo kple ahɔnɛdzralawo ƒe zikpuiwo ƒu anyi.+ 13 Eye wògblɔ na wo be: “Woŋlɔe ɖi be, ‘Woayɔ nye aƒe la be gbedoɖaƒe,’+ ke miawo mietsɔe wɔ adzodalawo ƒe doe.”+ 14 Ŋkuagbãtɔwo kple bunɔwo hã va egbɔ le gbedoxɔa me, eye wòda gbe le wo ŋu.

15 Esi nunɔlawo ƒe tatɔwo kple agbalẽfialawo kpɔ nu wɔnuku siwo wɔm wòle kple ɖevi siwo le ɣli dom le gbedoxɔa me le gbɔgblɔm be, “Míeɖe kuku, xɔ na David Vi la!” la,+ dɔme ve wo,+ 16 eye wobiae be: “Èle nya si gblɔm wole la sema?” Yesu ɖo eŋu na wo be: “Ɛ̃. Ðe miexlẽe kpɔ be, ‘Ðeviwo kple vi nonowo ƒe nu me nèdzra kafukafu ɖo’ oa?”+ 17 Eye wògblẽ wo ɖi hedo go le dua me yi Betania, eye wòtsi afi ma dɔ.+

18 Esi wòtrɔ yina dua me le ŋdi kanya la, dɔ wui.+ 19 Ekpɔ gboti aɖe le mɔ to eye wòte ɖe eŋu, ke mekpɔ naneke le edzi o negbe aŋgbawo ko,+ eye wògblɔ nɛ be: “Màgatse akpɔ gbeɖegbeɖe o.”+ Eye gboti la yrɔ enumake. 20 Esi nusrɔ̃lawo kpɔ esia la, ewɔ nuku na wo, eye wobia be: “Aleke wɔ gboti la yrɔ enumake?”+ 21 Yesu ɖo eŋu na wo be: “Vavã mele egblɔm na mi be: Ne xɔse le mia si, eye mieke ɖi o la, menye nu si mewɔ gboti la ɖeɖe koe miawɔ o, ke boŋ ne miegblɔ na to sia be, ‘Ho nàyi aɖadze atsiaƒu me’ la, ava eme.+ 22 Eye ne xɔse le mia si la, nu sia nu si miado gbe ɖa abia la, miaxɔe.”+

23 Ke esi wòyi gbedoxɔa me hele nu fiam la, nunɔlawo ƒe tatɔwo kple dumegãwo va egbɔ, eye wobiae be: “Ŋusẽ kae nètsɔ wɔa nu siawo? Eye ame kae na ŋusẽ sia wò?”+ 24 Yesu ɖo eŋu na wo be: “Nye hã mabia nya ɖeka mi. Ne mieɖo eŋu nam la, ekema nye hã magblɔ ŋusẽ si metsɔ wɔa nu siawoe la na mi: 25 Yohanes ƒe amenyɔnyrɔ ɖe tsi me la ɖe, afi kae wòtso? Dziƒoe wòtso loo alo amegbetɔwo gbɔe?” Ke woda nyaa kpɔ le wo nɔewo dome gblɔ be: “Ne míegblɔ be, ‘Dziƒoe wòtso’ la, abia mí be, ‘Ekema nu ka tae miexɔ edzi se o?’+ 26 Ke ne míegblɔ be, ‘Etso amewo gbɔ la,’ ke míedɔ̃ le ameha la si me, elabena wo katã wobua Yohanes nyagblɔɖilae.” 27 Eya ta woɖo eŋu na Yesu be: “Míenya o.” Eya hã gblɔ na wo be: “Nye hã nyemagblɔ ŋusẽ si metsɔ wɔa nu siawoe la na mi o.

28 “Nu kae miesusu? Vi eve le ŋutsu aɖe si. Eye wòyi gbãtɔ gbɔ ɖagblɔ nɛ be, ‘Vinye, yi ɖawɔ dɔ le waingble la me egbe.’ 29 Eɖo eŋu be, ‘Nyemayi o,’ ke emegbe la evee eye wòyi. 30 Eye wòva evelia gbɔ gblɔ na eya hã nenema ke. Eya ɖo eŋu be, ‘Mayi,’ ke meyi o. 31 Ame eve siawo dometɔ kae wɔ fofoa ƒe lɔlɔ̃nu?” Woɖo eŋu be: “Gbãtɔe.” Yesu gblɔ na wo be: “Vavã mele egblɔm na mi be, adzɔxɔlawo kple gbolowo atre Mawu Fiaɖuƒe la me yiyi na mi. 32 Elabena Yohanes va mia gbɔ be yeafia dzɔdzɔenyenyemɔ la mi, ke miexɔ edzi se o. Gake adzɔxɔlawo kple gbolowo ya xɔ edzi se,+ eye togbɔ be miekpɔ esia hã la, mete ɖe mia dzi emegbe ne miaxɔ edzi ase o.

33 “Mise lododo bubu ɖa: Aƒetɔ aɖe de waingble, eye wòtɔ kpɔ ƒo xlãe, ewɔ wainfiãƒe ɖe eme,+ eye wòtu agbledzɔxɔ ɖe eme;+ etsɔe de asi na agbledelawo, eye wòzɔ mɔ yi duta.+ 34 Esi nuŋeɣi ɖo la, edɔ eƒe kluviwo ɖe agbledelawo gbɔ be woaxɔ yeƒe kutsetsewo avɛ. 35 Ke agbledelaawo lé eƒe kluviawo, woƒo ɖeka, wowu ɖeka, eye woƒu kpe bubu wòku.+ 36 Eye wògadɔ kluvi bubu siwo sɔ gbɔ wu gbãtɔawo ɖa, ke wowɔ woawo hã nenema ke.+ 37 Mlɔeba edɔ via ɖe wo gbɔ gblɔ be, ‘Woasi vinye ŋkume ɖa.’ 38 Ke esi agbledelaawo kpɔ via la, wogblɔ le wo nɔewo dome be, ‘Ame siae nye domenyila la.+ Miva míawui, ne míaxɔ eƒe domenyinu la!’ 39 Eya ta wolée, hee do goe le waingblea me, eye wowui.+ 40 Azɔ ne waingbletɔ la va ɖe, nu kae wòawɔ agbledela mawo?” 41 Woɖo eŋu nɛ be: “Esi wonye ame vɔ̃ɖiwo ta la, atsrɔ̃ wo ŋɔdzitɔe, eye wòatsɔ waingble la ade asi na agbledela bubu siwo atsɔ kutsetsewo anɛ le kutsetseawo ɖiɣi.”

42 Yesu bia wo be: “Ðe miexlẽe le Ŋɔŋlɔawo me kpɔ be, ‘Kpe si xɔtulawo gbe la, eyae va zu dzogoedzikpe vevitɔ;+ Yehowa* gbɔe esia tso va eme, eye wònye nu wɔnuku le mía ŋkume’ oa?+ 43 Esia tae mele egblɔm na mi be, woaxɔ Mawu Fiaɖuƒe la le mia si, eye woatsɔe ana dukɔ si tsea eƒe kuwo. 44 Ame si adze kpe sia dzi la, aŋe kluikluiklui.+ Eye ame sia ame si dzi wòage adze la, agbã gudugudu.”+

45 Esi nunɔlawo ƒe tatɔwo kple Farisitɔwo se eƒe lododoawo la, wokpɔe dze sii be yewo ŋue wòle nu ƒom tsoe.+ 46 Togbɔ be wodi be yewoalée hã la, wovɔ̃ amehawo, elabena wobunɛ nyagblɔɖilae.+

22 Yesu gado lo bubu na wo be: 2 “Dziƒofiaɖuƒe la le abe fia aɖe si ɖo srɔ̃ɖekplɔ̃+ na via ene. 3 Eye wòdɔ eƒe kluviwo be woaɖayɔ ame siwo wokpe la ava srɔ̃ɖekplɔ̃a ŋu, gake womelɔ̃ be yewoava o.+ 4 Egadɔ kluvi bubuwo ɖa gblɔ be, ‘Migblɔ na ame kpekpeawo be: “Kpɔ ɖa, ŋdɔnuɖuɖua sɔ gbe vɔ, wowu nye nyitsuwo kple lã damiwo, eye nu sia nu sɔ gbe. Miva srɔ̃ɖeŋkekenyuia ɖuƒe.”’ 5 Ke wometsɔ ɖeke le eme o, eye wodzo, ame ɖeka yi eƒe agble me, bubu yi eƒe adzɔ do ge;+ 6 ke mamlɛawo lé eƒe kluviawo, wɔ fu wo eye wowu wo.

7 “Ale fia la do dziku, eye wòdɔ eƒe aʋakɔwo ɖa woyi ɖawu amewula mawo eye wotɔ dzo woƒe du la.+ 8 Eye wògblɔ na eƒe kluviawo be, ‘Nu sia nu sɔ gbe na srɔ̃ɖeŋkekenyuia ɖuɖu, gake ame siwo wokpe la medze o.+ 9 Eya ta miyi dua ƒe mɔ gãwo dzi ne miakpe ame sia ame si miakpɔ la va srɔ̃ɖeŋkekenyuia ɖuƒe.’+ 10 Ale kluvi mawo do go yi mɔwo dzi, eye woƒo ame siwo katã wokpɔ la nu ƒu, ame vɔ̃ɖiwo kple ame nyuiwo siaa; ale amewo yɔ srɔ̃ɖekplɔ̃a ŋu fũu le xɔ si me wole srɔ̃a ɖem le la me.

11 “Esi fia la va be yealé ŋku ɖe ame kpekpeawo ŋu la, ekpɔ ŋutsu aɖe si medo srɔ̃ɖewu o la le afi ma. 12 Ebiae be, ‘Xɔ̃, aleke nèwɔ ge ɖe afi sia evɔ mèdo srɔ̃ɖewu o?’ Ke mete ŋu ke nu o. 13 Eye fia la gblɔ na eƒe subɔviwo be, ‘Mibla eƒe asiwo kple afɔwo, eye mitsɔe ƒu gbe ɖe viviti la me le xexe. Afi mae wòafa avi ahaɖu aɖukli le.’

14 “Elabena ame geɖewoe wokpe, ke ame ʋɛ aɖewo koe wotia.”

15 Eye Farisitɔwo dzo yi ɖade adaŋu, ne woatsɔ eya ŋutɔ ƒe nyagbɔgblɔ atre mɔ̃ nɛ alée.+ 16 Eya ta wodɔ woƒe nusrɔ̃lawo kple Herodes habɔbɔ+ me nɔlawo ɖe egbɔ gblɔ be: “Nufiala, míenyae be ètoa nyateƒe, èfiaa Mawu ƒe mɔ la le nyateƒe me, eye mèdea ame dzi o, elabena mèwɔa nu ɖe ale si amewo dzena le gotae la nu o. 17 Eya ta gblɔe na mí: Nu kae nèsusu? Ðe se ɖe mɔ* be míaxe adzɔ na Kaisaro loo alo se meɖe mɔ o?” 18 Ke esi Yesu kpɔ woƒe vɔɖivɔ̃ɖi dze sii la, egblɔ be: “Alakpanuwɔlawo, nu ka tae miele mɔ̃ trem nam? 19 Mitsɔ gaku si wotsɔna xea adzɔ la vɛ makpɔ.” Wotsɔ denario* ɖeka vɛ nɛ. 20 Eye wòbia wo be: “Ame ka ƒe nɔnɔmetata kple nuŋɔŋlɔe nye esia?” 21 Wogblɔ be: “Kaisaro tɔe.” Eye wògblɔ na wo be: “Ekema mitsɔ nu siwo nye Kaisaro tɔ la na Kaisaro, ke mitsɔ nu siwo nye Mawu tɔ la na Mawu.”+ 22 Esi wose esia la, woƒe nu ku, eye wogblẽe ɖi dzo.

23 Gbe ma gbe Zadukitɔwo, ame siwo gblɔna be tsitretsitsi+ aɖeke meli o la, va biae be:+ 24 “Nufiala, Mose gblɔ be: ‘Ne ŋutsu aɖe ku, evɔ vi mele esi o la, nɔviaŋutsu naxɔ srɔ̃a aɖe ne wòado ƒome ɖi nɛ.’+ 25 Nɔviŋutsu adre nɔ mía dome. Gbãtɔa ɖe srɔ̃ eye wòku, gake esi medzi vi aɖeke o ta la, nɔvia xɔ nyɔnua ɖe. 26 Nu ma kee dzɔ ɖe evelia kple etɔ̃lia dzi va se ɖe wo ame adrea katã dzi. 27 Mlɔeba nyɔnua hã ku. 28 Eya ta le tsitretsitsia me ɖe, ŋutsu adreawo dometɔ ka srɔ̃ wòanye? Elabena wo katã woɖee kpɔ.”

29 Yesu ɖo eŋu na wo be: “Mieda ƒu, elabena mienya Ŋɔŋlɔawo loo alo Mawu ƒe ŋusẽ la o;+ 30 elabena le tsitretsitsia me la, ŋutsuwo maɖe srɔ̃ o, eye womatsɔ nyɔnuwo ana be woaɖe o, ke boŋ woanɔ abe mawudɔla siwo le dziƒo la ene.+ 31 Ke le ame kukuwo ƒe tsitretsitsi ŋuti la, ɖe miexlẽ nya si Mawu gblɔ na mi be: 32 ‘Nyee nye Abraham ƒe Mawu, Isak ƒe Mawu kple Yakob ƒe Mawu’ la oa?+ Menye ame kukuwo ƒe Mawue wònye o, ke boŋ agbagbeawo tɔe.”+ 33 Esi amehaawo se nya siawo la, woƒe nu ku le ale si wòfia nui ta.+

34 Esi Farisitɔwo se be etsi nya ɖe Zadukitɔwo nu la, wolɔ hoo va. 35 Esi wo dometɔ ɖeka si nya Sea nyuie la di be yeadoe kpɔ la, ebiae be: 36 “Nufiala, sedede kae nye gãtɔ le Se la me?”+ 37 Egblɔ nɛ be: “‘Lɔ̃ Yehowa* wò Mawu kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ* blibo kpakple wò tamesusu blibo.’+ 38 Esiae nye sedede gãtɔ kple gbãtɔ. 39 Evelia si ɖii lae nye esi: ‘Lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.’+ 40 Wotu Se blibo la katã kple nyagblɔɖilawo ƒe nyawo ɖe sedede eve siawo dzi.”+

41 Ke esi Farisitɔwo ƒo ƒu la, Yesu bia wo be:+ 42 “Nu kae miesusu le Kristo la ŋu? Ame ka vie wònye?” Woɖo eŋu nɛ be: “David vie.”+ 43 Egabia wo be: “Ekema aleke wɔ gbɔgbɔ ʋã+ David wòyɔe be ‘Aƒetɔ,’ esi wògblɔ be: 44 ‘Yehowa* gblɔ na nye Aƒetɔ be: “Bɔbɔ nɔ nye ɖusime va se ɖe esime matsɔ wò futɔwo ade wò afɔ te”’?+ 45 Azɔ ne David yɔe be ‘Aƒetɔ’ ɖe, ke aleke wɔ wònye via?”+ 46 Ame aɖeke mete ŋu ɖo nya ŋu nɛ o, eye tso gbe ma gbe la, ame aɖeke mete ŋu do dzi gabia nya bubu aɖekee o.

23 Azɔ Yesu ƒo nu na amehawo kple eƒe nusrɔ̃lawo gblɔ be: 2 “Agbalẽfialawo kple Farisitɔwo bɔbɔ nɔ Mose ƒe zikpui dzi. 3 Eya ta miwɔ nu siwo katã wogblɔna na mi la, eye milé wo me ɖe asi, ke migakpɔ woƒe nuwɔna miawɔ o, elabena wogblɔnɛ, gake womewɔa nu si wogblɔna la dzi o.+ 4 Woblaa agba kpekpewo tsɔ ɖoa amewo ƒe abɔta,+ gake woawo ŋutɔwo medina be yewoƒe asibidɛ ɖeka teti naka wo ŋu o.+ 5 Dɔ siwo katã wowɔna la, wowɔnɛ be amewo nakpɔ;+ elabena wowɔa nugoe siwo me ŋɔŋlɔawo le la wòkekena eye woblaa wo ɖe ŋgonu kple abɔ be woakpɔ yewo ta,+ eye wowɔa woƒe awu togawo wòdidina.+ 6 Wolɔ̃a bubunɔƒewo* nɔnɔ le fiẽnuɖuƒewo kple ŋgɔgbezikpuiwo dzi nɔnɔ le ƒuƒoƒewo,+ 7 eye wodina be amewo nado gbe na yewo bubutɔe le ablɔwo* me, eye woayɔ yewo be Rabi.* 8 Ke miawo la, migana woayɔ mi be Rabi o, elabena ame ɖeka koe nye miaƒe Nufiala,+ ke mi katã la, nɔviwo mienye. 9 Eye migayɔ ame aɖeke be mia fofo le anyigba dzi hã o, elabena ame ɖekae nye mia Fofo,+ Ame si le dziƒo. 10 Eye womegayɔ mi be kplɔlawo hã o, elabena ame ɖekae nye miaƒe Kplɔla, eyae nye Kristo la. 11 Ke ame si nye gãtɔ le mia dome la nanye miaƒe subɔla.+ 12 Ame si doa eɖokui ɖe dzi la, woabɔbɔe ɖe anyi,+ eye ame si bɔbɔa eɖokui la, woadoe ɖe dzi.+

13 “Baba na mi, agbalẽfialawo kple Farisitɔwo, alakpanuwɔlawo! Elabena mietua Dziƒofiaɖuƒe la ƒe ʋɔwo ɖe amewo nu; eye esi miawo ŋutɔwo mieyina ɖe eme o ta la, mieɖea mɔ na ame siwo le mɔ dzi yina ɖe eme la be woayi ɖe eme o.+ 14 *——

15 “Baba na mi agbalẽfialawo kple Farisitɔwo, alakpanuwɔlawo!+ Elabena miezɔ to ƒu dzi kple anyigba dzi be miatrɔ ame ɖeka wòazu Yudatɔ, eye ne ezui vɔ la, miewɔnɛ wòdzena na Gehena* yiyi wu miawo ŋutɔwo zi gbɔ zi eve.

16 “Baba na mi, mɔfiala ŋkuagbãtɔwo,+ mi ame siwo gblɔna be, ‘Ne ame aɖe tà gbedoxɔa la, mehiã be wòawɔ edzi o; ke ne ame aɖe tà sika si le gbedoxɔa me ya la, ele be wòawɔ eƒe atam la dzi godoo.’+ 17 Movitɔwo kple ŋkuagbãtɔwo! Mibu eŋu kpɔ, kae le vevie wu, sika la loo alo gbedoxɔ si na sika la ŋuti kɔ yea? 18 Miegblɔna hã be, ‘Ne ame aɖe tà vɔsamlekpuia la, mehiã be wòawɔ edzi o; ke ne ame aɖe tà nunana si le edzi ya la, ele be wòawɔ edzi godoo.’ 19 Ŋkuagbãtɔwo! Mibu eŋu kpɔ, kae le vevie wu, nunana la loo alo vɔsamlekpui si na nunana la ŋuti kɔ yea? 20 Eya ta ame si tà vɔsamlekpuia la, età vɔsamlekpuia kple nu siwo katã le edzi la siaa; 21 eye ame si tà gbedoxɔa la, età gbedoxɔa kple Ame si le eme la siaa;+ 22 eye ame si tà dziƒo la, età Mawu ƒe fiazikpui kple Ame si bɔbɔ nɔ edzi la siaa.

23 “Baba na mi, agbalẽfialawo kple Farisitɔwo, alakpanuwɔlawo! Elabena mienaa ahamɛ, sikɔni kple adrike ƒe ewolia,+ ke mieŋea aɖaba ƒua Se la me nu vevitɔwo, siwo nye dzɔdzɔenyenye+ kple nublanuikpɔkpɔ+ kpakple nuteƒewɔwɔ dzi. Ehiã be miawɔ nu mawo, gake miagaŋe aɖaba aƒu esiawo hã dzi o.+ 24 Mɔfiala ŋkuagbãtɔ+ siwo tsyɔa nu dzodzoe sue,+ gake mia kposɔ ya!+

25 “Baba na mi, agbalẽfialawo kple Farisitɔwo, alakpanuwɔlawo! Elabena mieklɔa kplu kple agba ŋuti,+ gake wo me yɔ fũu kple ŋukeklẽ*+ kple nu gbɔme wɔwɔ.+ 26 Farisitɔ ŋkuagbãtɔ, klɔ kplu kple agba la me gbã, ekema eŋu hã aɖi.

27 “Baba na mi, agbalẽfialawo kple Farisitɔwo, alakpanuwɔlawo!+ Elabena mieɖi yɔdo siwo wosi akalo na,+ siwo nya kpɔ ŋutɔ le gota, ke wo me yɔ fũu kple ame kuku ƒuwo kple makɔmakɔnyenye ɖe sia ɖe ƒomevi. 28 Nenemae miedzena ame dzɔdzɔewoe le gota le amewo ŋkume, gake mia me yɔ fũu kple alakpanuwɔwɔ kple sedzimawɔmawɔ.+

29 “Baba na mi, agbalẽfialawo kple Farisitɔwo, alakpanuwɔlawo!+ Elabena miedzraa nyagblɔɖilawo ƒe yɔdowo* ɖo, eye mieɖoa atsyɔ̃ na ame dzɔdzɔewo ƒe yɔdowo,+ 30 eye miegblɔna be, ‘Ne ɖe míenɔ anyi le mía tɔgbuiwo ŋɔli la, míakpɔ gome kpli wo le nyagblɔɖilawo ƒe ʋu kɔkɔ ɖi me o.’ 31 Ale mieɖe ha mia ɖokui be yewonye ame siwo wu nyagblɔɖilawo la ƒe viwo.+ 32 Ekema miwu dɔ si gɔme mia tɔgbuiwo dze la nu.

33 “Mi dawo kple dzakpatawo ƒe dzidzimeviwo,+ aleke miawɔ asi le Gehena* ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ la nu?+ 34 Eya ta mele nyagblɔɖilawo+ kple nunyalawo kpakple nufialawo+ dɔm ɖe mia gbɔ. Miawu wo dometɔ aɖewo,+ eye miahe wo ɖe ati ŋu, miaƒo wo dometɔ aɖewo kple atam+ le miaƒe ƒuƒoƒewo, eye miati wo yome+ tso du me yi du me, 35 ale be ʋu dzɔdzɔe siwo katã wokɔ ɖe anyi le anyigba dzi la ƒe fɔɖiɖi nava mia dzi, tso ame dzɔdzɔe Abel+ ƒe ʋu dzi va se ɖe Zakariya, Barakiya vi, ame si miewu le gbedoxɔa kple vɔsamlekpuia dome la ƒe ʋu dzi.+ 36 Vavã mele egblɔm na mi be, nu siawo katã ava dzidzime sia dzi.

37 “Yerusalem, Yerusalem, si wu nyagblɔɖilawo, eye wòƒu kpe ame siwo wodɔ ɖo ɖe egbɔ+—zi nenie nyemehedi be maƒo viwòwo nu ƒu abe ale si koklonɔ ƒoa viawo nu ƒu ɖe eƒe aʋalawo te ene o! Ke mielɔ̃ o.+ 38 Kpɔ ɖa! Woagblẽ miaƒe aƒe la ɖi na mi.*+ 39 Elabena mele egblɔm na mi be: Tso fifia dzi yina la, miegale kpɔ ye ge akpɔ o va se ɖe esime miagblɔ be, ‘Woayra ame si gbɔna le Yehowa* ƒe ŋkɔ me!’”+

24 Esi Yesu do le gbedoxɔa me dzo yina la, eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ be yewoafia gbedoxɔ ƒe xɔ vovovoawoe. 2 Egblɔ na wo be: “Miele nu siawo katã kpɔma? Vavã mele egblɔm na mi be, womele kpe aɖeke gblẽ ge ɖe kpe dzi le afi sia si womamu aƒu anyi o.”+

3 Esi wòbɔbɔ nɔ Amitoa dzi la, nusrɔ̃lawo ɖeɖe va egbɔ hebiae be: “Gblɔe na mí, ɣekaɣie nu siawo adzɔ, eye nu kae anye wò anyinɔɣi*+ kple nuɖoanyia ƒe nuwuɣi*+ la ƒe dzesi?”

4 Yesu ɖo eŋu na wo be: “Mikpɔ nyuie be ame aɖeke nagaflu mi o,+ 5 elabena ame geɖewo ava yɔ nye ŋkɔ ɖe wo ɖokuiwo ŋu agblɔ be, ‘Nyee nye Kristo la,’ eye woakplɔ ame geɖewo atrae.+ 6 Miase aʋawɔwɔwo kple aʋawɔwɔwo ŋu nyawo. Gake dzika megatso mia ƒo o, elabena ele be nu siawo nava eme godoo, gake nuwuwu la meɖo haɖe o.+

7 “Elabena dukɔ atso ɖe dukɔ ŋu, eye fiaɖuƒe ɖe fiaɖuƒe ŋu,+ nuɖuɖu ave le teƒeteƒewo,+ eye anyigba aʋuʋu le teƒeteƒewo.+ 8 Nu siawo katã nye fuɖuame ƒe gɔmedzedze.

9 “Eye amewo atsɔ mi ade asi be woawɔ fu mi,+ woawu mi,+ eye dukɔwo katã alé fu mi le nye ŋkɔ la ta.+ 10 Ame geɖewo atra ɖa le xɔse la gbɔ, eye woade wo nɔewo asi ahalé fu wo nɔewo. 11 Aʋatsonyagblɔɖila geɖewo ado eye woakplɔ ame geɖewo atrae;+ 12 eye le sedzimawɔmawɔ ƒe dzidziɖedzi ta la, ame akpa gãtɔ ƒe lɔlɔ̃ ayi to. 13 Ke ame si do dzi va se ɖe nuwuwu la, eyae akpɔ ɖeɖe.+ 14 Eye woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui sia le anyigba blibo la katã dzi be wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã,+ eye ekema nuwuwu la ava.

15 “Eya ta ne miekpɔ ‘ŋunyɔnu si ahe aƒedozuzu vɛ’ la le kɔkɔeƒe la,+ abe ale si nyagblɔɖila Daniel gblɔe ene la, (nuxlẽla newɔ gɔmesese ŋu dɔ) 16 ekema ame siwo le Yudea la nasi ayi towo dzi.+ 17 Ame si le xɔ ta* la megaɖi be yeatsɔ naneke tso yeƒe xɔ me ayii o, 18 eye ame si le agble la megatrɔ gbɔ be yeatsɔ yeƒe awudziwui o. 19 Baba na funɔwo kple ame siwo le no nam vi le ŋkeke mawo me! 20 Minɔ gbedodoɖa dzi be miaƒe sisi nagadze vuvɔŋɔli alo Sabat ŋkeke dzi o; 21 elabena ɣemaɣi la, xaxa gã+ si tɔgbi meva kpɔ tso xexea ƒe gɔmedzedze va se ɖe fifia o la ava, eye etɔgbi megale vava ge ake o.+ 22 Le nyateƒe me la, ne wometso ŋkeke mawo dzi o la, ŋutilã aɖeke makpɔ ɖeɖe o; ke le ame tiatiawo ta woatso ŋkeke mawo dzi.+

23 “Ekema ne ame aɖe gblɔ na mi be, ‘Kpɔ ɖa, Kristo la le afii!’+ alo ‘Ele afi mɛ!’ la, migaxɔe se o.+ 24 Elabena aʋatsokristowo kple aʋatsonyagblɔɖilawo+ ado, eye woawɔ dzesi gãwo kple nukunuwo bena, ne woate ŋui la, woaflu+ ame tiatiawo gɔ̃ hã. 25 Kpɔ ɖa, mexlɔ̃ nu mi do ŋgɔ. 26 Eya ta ne wogblɔ na mi be, ‘Kpɔ ɖa! Ele gbedzi’ la, migayi o; ‘Kpɔ ɖa! Ele xɔgã me’ la, migaxɔe se o.+ 27 Elabena ale si ko dzi kea dzo le ɣedzeƒe eye eƒe keklẽ dea ɣetoɖoƒe ke la, nenema kee Amegbetɔvi la ƒe anyinɔɣi* hã anɔ.+ 28 Afi si nu kuku le la, afi mae hɔ̃wo aƒo ƒu ɖo.+

29 “Le xaxa si ava le ŋkeke mawo me megbe teti ko la, ɣe ado viviti,+ eye ɣleti magaɖi o, ɣletiviwo age tso dziƒo, eye woaʋuʋu dziƒowo ƒe ŋusẽwo.+ 30 Ɣemaɣi la, Amegbetɔvi la ƒe dzesi adze le dziƒo, eye anyigbadziƒomewo katã afa konyi vevie,+ eye woakpɔ Amegbetɔvi la+ le dziƒolilikpowo dzi gbɔna kple ŋusẽ kpakple ŋutikɔkɔe gã.+ 31 Eye wòadɔ eƒe dɔlawo ɖa kple kpẽ ƒe ɖiɖi gã aɖe, eye woaƒo eƒe ame tiatiawo nu ƒu tso ya eneawo dzi, tso dziƒo ƒe go ɖeka dzi yi eƒe go kemɛ dzi.+

32 “Ke misrɔ̃ nu sia tso gboti ŋu: Ne edze alɔ fẽwo, eye wònya to aŋgbawo ko la, mienyana be dzomeŋɔli gogo.+ 33 Nenema kee miawo hã, ne miekpɔ nu siawo katã la, minyae be Amegbetɔvi la gogo ʋɔtruawo nu.+ 34 Vavã mele egblɔm na mi be, dzidzime sia nu mele yiyi ge akpɔ o, va se ɖe esime nu siawo katã va eme. 35 Dziƒo kple anyigba nu ava yi, ke nye nyawo ya nu mava yi akpɔ o.+

36 “Le ŋkeke ma kple gaƒoƒo ma ŋuti la, ame aɖeke menyae o,+ mawudɔla siwo le dziƒo la menyae o, eye Vi la hã menyae o, negbe Fofo la ko.+ 37 Elabena ale si Noa ƒe ŋkekeawo nɔ la,+ nenema kee Amegbetɔvi la ƒe anyinɔɣi* la hã anɔ.+ 38 Elabena ale si wowɔ le ŋkeke siwo do ŋgɔ na Tsiɖɔɖɔ la me, wole nu ɖum, le nu nom, ŋutsuwo le srɔ̃ ɖem, eye wole nyɔnuwo tsɔm na be woaɖe va se ɖe gbe si gbe Noa ge ɖe aɖakaʋua me,+ 39 eye womede dzesii o, va se ɖe esime Tsiɖɔɖɔa va, eye wòkplɔ wo katã dzoe la,+ nenema kee Amegbetɔvi la ƒe anyinɔɣi la hã anɔ. 40 Ɣemaɣi la, ŋutsu eve anɔ agble me; woakplɔ ɖeka, eye woagblẽ ɖeka ɖi. 41 Nyɔnu eve anɔ wɔ tum le téƒo; woakplɔ ɖeka, eye woagblẽ ɖeka ɖi.+ 42 Eya ta minɔ ŋudzɔ, elabena mienya ŋkeke si dzi miaƒe Aƒetɔ la ava o.+

43 “Ke minya esia be: Ne ɖe aƒea tɔ anya zã ƒe gaƒoƒo* si dzi fiafitɔ ava la,+ anye ne anɔ ŋudzɔ, eye maɖe mɔ woadze kpɔ age ɖe eƒe me o.+ 44 Esia ta miawo hã minɔ dzadzraɖoɖi,+ elabena Amegbetɔvi la gbɔna le gaƒoƒo si miesusu be eya dzie wòava o la dzi.

45 “Ame ka tututue nye kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela* si eƒe aƒetɔ ɖo eƒe aƒemesubɔviwo nu be wòana woƒe nuɖuɖu wo le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi?+ 46 Dzidzɔtɔe kluvi ma anye ne eƒe aƒetɔ trɔ gbɔ va kpɔe wòle ewɔm nenema!+ 47 Vavã mele egblɔm na mi be, atsɔe aɖo eƒe nuwo katã nu.

48 “Ke ne kluvi ma awɔ nu vɔ̃ɖi ahagblɔ le eƒe dzi me be, ‘Nye aƒetɔ mele gbɔgbɔm kaba o,’+ 49 eye wòade asi ehati kluviwo ƒoƒo me, eye wòaɖu nu ano nu kple ahanoxewo la, 50 kluvi ma ƒe aƒetɔ ava le ŋkeke si dzi mele mɔ kpɔm nɛ o kple gaƒoƒo si menya o la dzi,+ 51 eye wòahe to nɛ vevie ahana wòakpɔ etɔnua kpe ɖe alakpanuwɔlawo ŋu. Afi mae wòafa avi ahaɖu aɖukli le.+

25 “Dziƒofiaɖuƒe la le abe ɖetugbui leaƒe ewo, siwo tsɔ woƒe akaɖiwo,+ eye wodo go be yewoaɖakpe ŋugbetɔsrɔ̃ ene.+ 2 Wo dometɔ atɔ̃ nye bometsilawo, eye atɔ̃ nye aɖaŋudzelawo.*+ 3 Bometsilaawo tsɔ woƒe akaɖiwo, ke wometsɔ ami kpe ɖe wo ŋu o, 4 ke aɖaŋudzelaawo ya tsɔ ami ɖe goewo me kpe ɖe woƒe akaɖiawo ŋu. 5 Esi ŋugbetɔsrɔ̃ la meva ɖo kaba o ta la, alɔ̃ tsɔ wo katã eye wodɔ alɔ̃. 6 Le zã titina la, ɣli ɖi be: ‘Ŋugbetɔsrɔ̃ la va ɖo loo! Mido go yi ɖakpee!’ 7 Eye ɖetugbuiawo katã fɔ, eye wodzra woƒe akaɖiwo ɖo.+ 8 Bometsilaawo gblɔ na aɖaŋudzelaawo be, ‘Mina miaƒe ami la ɖe mí, elabena míaƒe akaɖiwo le tsitsim.’ 9 Aɖaŋudzelaawo ɖo eŋu na wo be: ‘Ðewohĩ masu na mía kpli miawo siaa o. Miheyi edzralawo gbɔ boŋ ne miadze ɖe na mia ɖokui.’ 10 Esi woyina edze ge la, ŋugbetɔsrɔ̃ la va ɖo. Ðetugbui siwo le dzadzraɖoɖi la yi srɔ̃ɖekplɔ̃ɖoƒea kplii;+ eye wotu ʋɔa. 11 Emegbe ɖetugbui susɔeawo hã va gblɔ be, ‘Aƒetɔ, Aƒetɔ, ʋu ʋɔa na mí!’+ 12 Eɖo eŋu na wo be, ‘Vavã, mele egblɔm na mi be, nyemenya mi o.’

13 “Eya ta minɔ ŋudzɔ,+ elabena mienya ŋkeke la alo gaƒoƒo la o.+

14 “Dziƒofiaɖuƒe la le abe ŋutsu aɖe si le mɔ zɔ ge ayi duta ene. Eyɔ eƒe kluviwo hetsɔ eƒe nunɔamesiwo de asi na wo.+ 15 Etsɔ talento* atɔ̃ na ame gbãtɔ, etsɔ eve na ame evelia, eye wòtsɔ ɖeka na ame etɔ̃lia hã, ena wo dometɔ ɖe sia ɖe ɖe eƒe ŋutete nu, eye wòzɔ mɔ yi duta. 16 Enumake ame si xɔ talento atɔ̃ la yi ɖatsa asi kplii, eye wòkpɔ talento atɔ̃ bubu ɖe edzi. 17 Nenema kee ame si xɔ talento eve hã kpɔ eve bubu ɖe edzi. 18 Ke ame si xɔ talento ɖeka ya dzo yi ɖaɖe do, eye wòɖi eƒe aƒetɔ la ƒe ga* la ɖe eme.

19 “Le ɣeyiɣi didi aɖe megbe la, kluvi mawo ƒe aƒetɔ gbɔ, eye wòwɔ akɔnta kpli wo.+ 20 Eye kluvi si xɔ talento atɔ̃ la va, eye wòtsɔ talento atɔ̃ bubu vɛ hegblɔ be, ‘Aƒetɔ, talento atɔ̃e nètsɔ nam; kpɔ ɖa, mekpɔ talento atɔ̃ bubu ɖe edzi.’+ 21 Eƒe aƒetɔ la gblɔ nɛ be: ‘Kluvi nyui kple nuteƒewɔla, wòe wɔ dɔ kakaka! Èwɔ nuteƒe le nu ʋɛwo me. Matsɔ wò aɖo nu geɖewo nu.+ Ge ɖe wò aƒetɔ ƒe dzidzɔ la me.’+ 22 Ame si xɔ talento eve la hã va hegblɔ be, ‘Aƒetɔ, talento evee nètsɔ de asi nam; kpɔ ɖa, mekpɔ talento eve bubu ɖe edzi.’+ 23 Eƒe aƒetɔ la gblɔ nɛ be: ‘Kluvi nyui kple nuteƒewɔla, wòe wɔ dɔ kakaka! Èwɔ nuteƒe le nu ʋɛwo me. Matsɔ wò aɖo nu geɖewo nu. Ge ɖe wò aƒetɔ ƒe dzidzɔ la me.’

24 “Mlɔeba ame si xɔ talento ɖeka la hã va gblɔ be: ‘Aƒetɔ, menya be wò nya me sẽ, èŋea nu le afi si mèƒã nu ɖo o, eye nèlɔa nuku le afi si mègbɔ nu le o.+ 25 Eya ta mevɔ̃, eye meyi ɖaɖi wò talento la ɖe to me. Wò nu lae nye esi.’ 26 Eƒe aƒetɔa ɖo eŋu nɛ be: ‘Kluvi vɔ̃ɖi kuviatɔ, ne ènyae be meŋea nu le afi si nyemeƒã nu ɖo o, eye melɔa nuku le afi si nyemegbɔ nu le o la, 27 ekema ɖe wòle be nàtsɔ nye ga* la ada ɖe gadzraɖoƒe, ale be ne metrɔ gbɔ la, maxɔ nye ga la kple deme.

28 “‘Eya ta mixɔ talento la le esi ne miatsɔe ana ame si si talento ewo le la.+ 29 Elabena ame si si nu le la, woatsɔ nu geɖe wu akpee nɛ, eye nu asɔ gbɔ ɖe esi fũu. Ke ame si si nu mele o la, woaxɔ nu si le esi la gɔ̃ hã le esi.+ 30 Eye mitsɔ kluvi si menyo na naneke o la ƒu gbe ɖe viviti me le xexe. Afi mae wòafa avi ahaɖu aɖukli le.’

31 “Ne Amegbetɔvi la+ va ɖo le eƒe ŋutikɔkɔe me, eye mawudɔlawo katã le eŋuti la,+ ekema abɔbɔ nɔ eƒe ŋutikɔkɔefiazikpui la dzi. 32 Eye woaƒo dukɔwo katã nu ƒu ɖe eŋkume, eye wòama amewo me tso wo nɔewo gbɔ, abe ale si alẽkplɔla maa alẽwo tso gbɔ̃wo gbɔe ene. 33 Eye wòatsɔ alẽawo+ aɖo eƒe ɖusime, ke atsɔ gbɔ̃awo ya aɖo eƒe miame.+

34 “Ekema Fia la agblɔ na ame siwo le eƒe ɖusime la be: ‘Miva, mi ame siwo Fofonye yra, minyi Fiaɖuƒe si wodzra ɖo ɖi na mi tso xexea ƒe gɔmeɖoanyiɣi* la dome. 35 Elabena dɔ wum, eye miena num meɖu; tsikɔ wum, eye miena tsim meno. Menye amedzro, eye miexɔm nyuie;+ 36 menɔ amama,* eye miena awum medo.+ Medze dɔ, eye miekpɔ dzinye. Menɔ gaxɔ me, eye mieva kpɔm ɖa.’+ 37 Eye ame dzɔdzɔeawo aɖo eŋu nɛ be: ‘Aƒetɔ, ɣekaɣie míekpɔ be dɔ le wuwòm, eye míena nuɖuɖu wò, alo tsikɔ le wuwòm, eye míena tsi wò nèno?+ 38 Ɣekaɣie míekpɔ be nènye amedzro, eye míexɔ wò nyuie, alo nèle amama, eye míena awu wò nèdo? 39 Ɣekaɣie míekpɔ be nèdze dɔ, alo nèle gaxɔ me, eye míeva kpɔ wò ɖa?’ 40 Eye Fia la aɖo eŋu na wo be, ‘Vavã mele egblɔm na mi be, zi ale si miewɔe na nɔvinye suetɔ siawo dometɔ ɖeka ko la, nyee miewɔe na.’+

41 “Eye Fia la agblɔ na ame siwo le eƒe miame hã be: ‘Mite ɖa le gbɔnye,+ mi ame siwo woƒo fi de, miyi ɖe dzo mavɔ+ si wodzra ɖo ɖi na Abosam kple eƒe dɔlawo la me.+ 42 Elabena dɔ wum, ke miena num meɖu o; eye tsikɔ wum, ke miena tsim meno o. 43 Menye amedzro, ke miexɔm nyuie o; menɔ amama, ke miena awum medo o; medze dɔ, eye menɔ gaxɔ me, ke mielé be nam o.’ 44 Ekema woawo hã woaɖo eŋu nɛ be: ‘Aƒetɔ, ɣekaɣie míekpɔ be dɔ le wuwòm, alo tsikɔ le wuwòm, alo nènye amedzro, alo nèle amama, alo nèdze dɔ, alo nèle gaxɔ me, eye míesubɔ wò o?’ 45 Ekema aɖo eŋu na wo be: ‘Vavã mele egblɔm na mi be, zi ale si miewɔe na ame siawo dometɔ suetɔ ɖeka o ko la, miewɔe na nye hã o.’+ 46 Eye ame siawo ayi ɖe tsɔtsrɔ̃ mavɔ me,+ ke ame dzɔdzɔewo ya ayi ɖe agbe mavɔ me.”+

26 Ke esi Yesu gblɔ nya siawo katã vɔ la, egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: 2 “Mienya be esusɔ ŋkeke eve ne Ŋutitotoŋkekenyui la naɖo,+ eye wole Amegbetɔvi la de ge asi woahe ɖe ati ŋu.”+

3 Ɣemaɣi la, nunɔlawo ƒe tatɔwo kple dumegãwo ƒo ƒu ɖe nunɔlagã Kayafa ƒe me,+ 4 eye woɖo nugbe+ be yewoato ayemɔ dzi alé Yesu awu. 5 Gake wogblɔ be: “Manye le ŋkekenyuia ɖuɣi o, be zi nagatɔ le dukɔ la me o.”

6 Esi Yesu le Simon anyidɔléla+ la ƒe me le Betania la, 7 nyɔnu aɖe tsɔ alabastrogoe, si me ami ʋeʋĩ xɔasi aɖe le la va egbɔ, eye wòtrɔe kɔ ɖe tame nɛ le kplɔ̃a ŋu. 8 Esi nusrɔ̃lawo kpɔ esia la, wodo dziku gblɔ be: “Nudomegbegblẽ kae nye esi? 9 Elabena woate ŋu adzrae ho gã aɖe atsɔ ana ame dahewo.” 10 Esi Yesu dze si nu si gblɔm wole ta la, egblɔ na wo be: “Nu ka tae miele fu ɖem nɛ? Nu nyui aɖee wòwɔ nam. 11 Ame dahewo le mia gbɔ ɖaa,+ ke nye ya nyemanɔ mia gbɔ ɖaa o.+ 12 Nyɔnu sia kɔ ami ʋeʋĩ sia ɖe nye ŋutilã ŋu tsɔ dzram ɖo na ɖiɖi.+ 13 Vavã mele egblɔm na mi be, afi sia afi si woaɖe gbeƒã nya nyui la le le xexe bliboa me la, woagblɔ nu si nyɔnu sia wɔ la hã, atsɔ aɖo ŋku edzii.”+

14 Eye Ame Wuieveawo dometɔ ɖeka si woyɔna be Yuda Iskariot+ la yi nunɔlawo ƒe tatɔwo gbɔ+ 15 ɖabia wo be: “Nu kae mianam ne madee asi na mi?”+ Wogblɔ be yewoana klosalo blaetɔ̃e.+ 16 Eye tso ɣemaɣi la, enɔ mɔnu dim be yeadee asi.

17 Le Amɔwɔ Maʋamaʋã Bolo Ŋkekenyui+ la ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, nusrɔ̃lawo va Yesu gbɔ hebiae be: “Afi kae nèdi be míadzra ɖo na wò be nàɖu Ŋutitotoa le?”+ 18 Eɖo eŋu be: “Miyi ɖe dua me le asimasi gbɔ, eye migblɔ nɛ be, ‘Nufiala la be: “Nye ɣeyiɣi ɖoɖi la gogo; maɖu Ŋutitotoŋkekenyui la kple nye nusrɔ̃lawo le aƒewò me.”’” 19 Eya ta nusrɔ̃lawo wɔe abe ale si Yesu de se na woe ene, eye wodzra ɖo ɖe Ŋutitotoŋkekenyui la ŋu.

20 Esi fiẽsi ɖo+ la, ebɔbɔ nɔ nuɖukplɔ̃ ŋu kple nusrɔ̃la wuieveawo.+ 21 Esime wole nua ɖum la, egblɔ be: “Vavã mele egblɔm na mi be, mia dometɔ ɖeka adem asi.”+ 22 Esi nya sia te ɖe wo dzi ŋutɔ ta la, wo dometɔ ɖe sia ɖe de asi ebiabia me be: “Aƒetɔ, menye nyee o ɖe?” 23 Eɖo eŋu be: “Ame si le asi dem agba me kplim lae adem asi.+ 24 Nyateƒee, Amegbetɔvi la le kuku ge abe ale si woŋlɔe ɖi le eŋuti ene, gake baba+ na ame si ade Amegbetɔvi la asi!+ Ne ɖe womegaxa ame ma dzi o la, anye ne enyo nɛ wu.”+ 25 Yuda, ame si le ede ge asi la, biae be: “Rabi, menye nyee o ɖe?” Yesu gblɔ nɛ be: “Wò ŋutɔe gblɔe.”

26 Esi wole nua ɖum la, Yesu tsɔ abolo, eye esi wòyra ɖe edzi vɔ la, eŋe eme+ hetsɔe na nusrɔ̃lawo gblɔ be: “Mixɔe ɖu. Esia le tsitre ɖi na nye ŋutilã.”+ 27 Esi wòtsɔ kplu ɖe asi la, eda akpe ɖe eta, eye wòtsɔe na wo gblɔ be: “Mi katã minoe le enu,+ 28 elabena esia le tsitre ɖi na nye ʋu, si nye ‘nubabla+ ƒe ʋu’+ si woakɔ ɖe anyi le ame geɖewo ta+ hena nu vɔ̃wo tsɔtsɔ ke.+ 29 Ke mele egblɔm na mi be: Nyemegale wain sia no ge akpɔ o, va se ɖe ŋkeke ma si dzi nye kpli mi míano wain yeye le Fofonye ƒe Fiaɖuƒe la me.”+ 30 Mlɔeba esi wodzi kafukafuhawo vɔ la, wodo go yi Amito la dzi.+

31 Eye Yesu gblɔ na wo be: “Mi katã miagblẽm ɖi le zã sia me, elabena woŋlɔe ɖi be: ‘Mada nu alẽkplɔla la, eye alẽha la aka hlẽ.’+ 32 Ke ne wofɔm ɖe tsitre la, madze mia ŋgɔ ayi Galilea.”+ 33 Ke Petro gblɔ nɛ be: “Ne ame susɔeawo katã gblẽ wò ɖi hã la, nye ya nyemagblẽ wò ɖi gbeɖe o!”+ 34 Yesu gblɔ nɛ be: “Vavã mele egblɔm na wò be, le zã sia me, hafi koklo naku atɔ la, àgbe nu le gbɔnye zi etɔ̃.”+ 35 Petro gblɔ nɛ be: “Ne ahiã be maku kpli wò hã la, nyemagbe nu le gbɔwò akpɔ o.”+ Nusrɔ̃la bubuawo katã hã gblɔ nenema ke.

36 Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo va teƒe si woyɔna be Getsemane,+ eye wògblɔ na wo be: “Minɔ anyi ɖe afi sia, ne mayi afi mɛ aɖado gbe ɖa.”+ 37 Ekplɔ Petro kple Zebedeo vi eveawo ɖe asi, eye wòde asi nuxaxa me eye wòtsi dzi ŋutɔ.+ 38 Eye wògblɔ na wo be: “Mele nu xam* ale gbegbe be ɖeko wòle abe ɖe mele kukum ene. Minɔ afi sia, eye minɔ ŋudzɔ kplim.”+ 39 Esi wòzɔ yi ŋgɔ vie la, edze klo tsyɔ mo anyi hedo gbe ɖa be:+ “Fofonye, ne anya wɔ la, na kplu+ sia nato ŋunye ayi. Gake menye abe ale si medi ene o, ke boŋ abe ale si nèdi ene.”+

40 Etrɔ va nusrɔ̃lawo gbɔ hekpɔ be wole alɔ̃ dɔm, eye wògblɔ na Petro be: “Ðe miate ŋu anɔ ŋudzɔ kplim gaƒoƒo ɖeka oa?+ 41 Minɔ ŋudzɔ,+ eye minɔ gbedodoɖa dzi+ be miagadze tetekpɔ me o.+ Nyateƒee, gbɔgbɔ la le lɔlɔ̃m, gake ŋutilãa ya gbɔdzɔ.”+ 42 Egadzo yi zi evelia, eye wòdo gbe ɖa be: “Fofonye, ne manya wɔ be kplu sia nato ŋunye ayi o, wònye ɖeko manoe godoo la, wò lɔlɔ̃nu nava eme.”+ 43 Egatrɔ va, eye wòkpɔ wo wole alɔ̃ dɔm, elabena alɔ̃ bla ŋku na wo. 44 Eye wògadzo le wo gbɔ yi ɖado gbe ɖa zi etɔ̃lia gagblɔ nya mawo ke. 45 Azɔ etrɔ va nusrɔ̃lawo gbɔ hegblɔ na wo be: “Ɣeyiɣi sia mee mianɔ alɔ̃ dɔm ahanɔ ɖiɖim ɖe emea? Kpɔ ɖa, gaƒoƒo la de be woatsɔ Amegbetɔvi la ade asi na nu vɔ̃ wɔlawo. 46 Mitso, mina míadzo. Kpɔ ɖa! Ame si dem asi la gogo.” 47 Esi wògale nuƒoƒo dzi la, kpɔ ɖa, Yuda, si nye Ame Wuieveawo dometɔ ɖeka va do, eye ameha gã aɖe tso nunɔlawo ƒe tatɔwo kple dumegãwo gbɔ le eyome, eye wolé yiwo kple kpowo ɖe asi.+

48 Ke ame si dee asi la ɖo dzesi aɖe ɖi na wo be: “Ame si magbugbɔ nu na la, eyae; milée.” 49 Eye wòzɔ tẽe yi Yesu gbɔ gblɔ be: “Medo gbe na wò, Rabi!” Eye wògbugbɔ nu nɛ. 50 Ke Yesu biae be: “Xɔ̃, nu ka tae nèva ɖo?”+ Ale wote va eye wodze Yesu dzi helée. 51 Ke kpɔ ɖa, ame siwo le Yesu ŋu la dometɔ ɖeka do asi ɖa ɖe eƒe yi heda nunɔlagã ƒe kluvi, eye wòkpa to nɛ.+ 52 Eye Yesu gblɔ nɛ be: “Gbugbɔ wò yi la de eteƒe,+ elabena ame siwo katã tsɔa yi ɖe ame ŋu la, yi nue woatsi.+ 53 Alo ɖe nèsusu be nyemate ŋu aɖe kuku na Fofonye be wòaɖo mawudɔlawo ƒe aʋakɔ siwo wu wuieve ɖem fifi laa oa?+ 54 Gake ne edzɔ nenema ɖe, aleke Ŋɔŋlɔ siwo gblɔe ɖi be adzɔ alea la awɔ ava eme?” 55 Le gaƒoƒo ma me la, Yesu gblɔ na ameha la be: “Yiwo kple kpowoe mietsɔ va be yewoalém abe adzodala enea? Gbe sia gbe menɔa anyi ɖe gbedoxɔa me nɔa nu fiam,+ ke mielém kpɔ o.+ 56 Gake nu siawo katã dzɔ, ale be nyagblɔɖilawo ƒe nya siwo woŋlɔ ɖi la* nava eme.”+ Eye nusrɔ̃lawo katã gblẽe ɖi hesi.+

57 Ame siwo lé Yesu la kplɔe yi nunɔlagã Kayafa+ gbɔ, afi si agbalẽfialawo kple dumegãwo ƒo ƒu ɖo.+ 58 Ke Petro le eyome le adzɔge ʋĩi gbɔna, eye wòkplɔe ɖo va keke nunɔlagã ƒe aƒea me ke; eye wòge ɖe eme henɔ anyi ɖe subɔviawo gbɔ be yeakpɔ nu si ava dzɔ ɖa.+

59 Ɣemaɣi la, nunɔlawo ƒe tatɔwo kple Sanhedrin* blibo la le ame siwo aɖi aʋatsoɖase le Yesu ŋu la dim, ne woawui.+ 60 Gake womekpɔ ɖeke o, evɔ aʋatsoɖasefo geɖewo va hafi.+ Emegbe ame eve va 61 gblɔ be: “Ame sia gblɔ be, ‘Mate ŋu amu Mawu ƒe gbedoxɔ la aƒu anyi agagbugbɔe atu le ŋkeke etɔ̃ me.’”+ 62 Ale nunɔlagã la tso hebiae be: “Mèle nya aɖeke ŋu ɖo ge oa? Nya kawoe nye esi ame siawo tsɔ le nuwò tsomee?”+ 63 Ke Yesu zi kpi.+ Eya ta nunɔlagã la gblɔ nɛ be: “Metà Mawu gbagbe la na wò be nàgblɔe na mí, nenye wòe nye Kristo la, Mawu ƒe Vi la!”+ 64 Yesu ɖo eŋu nɛ be: “Eyae nye ema nègblɔ. Gake mele egblɔm na mi be: Tso fifia dzi yina la, miakpɔ Amegbetɔvi+ la wòabɔbɔ nɔ Ŋusẽtɔ la ƒe ɖusime,+ eye wòanɔ dziƒolilikpowo dzi gbɔna.”+ 65 Eye nunɔlagã la dze eƒe awudziwuiwo gblɔ be: “Ŋutsu sia gblɔ busunya! Ðe ɖasefo bubuwo gahiã mía? Kpɔ ɖa! Miese busunya la azɔ. 66 Nu kae miesusu?” Woɖo eŋu nɛ be: “Edze ku.”+ 67 Eye woɖe ta ɖe mo nɛ+ hetu kɔe.+ Ame bubuwo hã ƒo tome nɛ,+ 68 eye wogblɔ be: “Wò, Kristo, ne nyagblɔɖila nènye la, ekema gblɔ ame si ƒo wò la na mí.”

69 Ke Petro nɔ anyi ɖe xexe le aƒea me, eye dɔlanyɔnuvi aɖe te ɖe eŋu gblɔ nɛ be: “Wò hã ènɔ Yesu Galileatɔ la ŋu!”+ 70 Ke esẽ nu le wo katã ŋkume gblɔ be: “Nyemenya nya si gblɔm nèle o.” 71 Esi wòdo go yi agboa nu la, nyɔnuvi bubu kpɔe, eye wògblɔ na ame siwo le afi ma la be: “Ŋutsu sia nɔ Yesu Nazaretetɔ la ŋu.”+ 72 Egasẽ nu heka atam be: “Nyemenya ame la o!” 73 Ɣeyiɣi ʋɛ aɖe megbe la, ame siwo le tsitre ɖe afi ma la te ɖe Petro ŋu gblɔ be: “Nyateƒee, wo dometɔ ɖekae wò hã nènye, gbe si dom nèle kura le ha ɖem wò.” 74 Eye wòde asi fiƒodenyawo gbɔgblɔ me heka atam ƒu edzi be: “Nyemenya amea o!” Kasia koklo ku atɔ. 75 Eye Petro ɖo ŋku nya si Yesu gblɔ nɛ la dzi be: “Hafi koklo naku atɔ la, àgbe nu le gbɔnye zi etɔ̃.”+ Eye wòdo go yi xexe ɖafa avi vevie.

27 Le ŋufɔke ƒe ŋdi la, nunɔlawo ƒe tatɔwo katã kple dumegãwo de adaŋu le ale si woawɔ awu Yesu la ŋu.+ 2 Woblae hekplɔe yi na nutodziɖula Pilato.+

3 Esi Yuda, ame si de Yesu asi la, kpɔ be wotso kufia nɛ la, evee, eye wòtrɔ klosalo blaetɔ̃ la yi na nunɔlawo ƒe tatɔwo kple dumegãwo+ 4 gblɔ be: “Mewɔ nu vɔ̃ be mede ʋu maɖifɔ asi.” Wogblɔ be: “Afi kae nya ma ka na mí? Wò ŋutɔ wò nyae nye ema!” 5 Ale wòtsɔ klosalogakuawo ƒu gbe ɖe gbedoxɔa me, eye wòdzo yi ɖade ka ve.+ 6 Ke nunɔlawo ƒe tatɔwo fɔ klosalogakuawo eye wogblɔ be: “Se meɖe mɔ be woatsɔe ade nudzɔɖaka kɔkɔeawo me o, elabena ʋugae.” 7 Esi wolée kpɔ le wo nɔewo dome vɔ la, wotsɔ ga la ƒle zemela ƒe anyigba be wòanye amedzrowo ɖiƒe. 8 Eya ta woyɔa anyigba ma be “Ʋunyigba”+ va se ɖe egbegbe. 9 Ale nya si wogblɔ ɖi to nyagblɔɖila Yeremiya dzi la va eme be: “Wotsɔ klosalo blaetɔ̃, ame si ŋu Israel-vi aɖewo do asi ɖo la, ƒe home 10 ƒle zemela ƒe anyigba, abe ale si Yehowa* de se nam ene.”+

11 Ke Yesu le tsitre ɖe nutodziɖula la ŋkume, eye nutodziɖula la biae be: “Wòe nye Yudatɔwo ƒe Fia la?” Yesu ɖo eŋu be: “Eya tututue nye ema nègblɔ.”+ 12 Ke esi nunɔlawo ƒe tatɔwo kple dumegãwo le enu tsom la, meɖo nya aɖeke ŋu o.+ 13 Eya ta Pilato biae be: “Mèle nya gbogbo siwo tsɔm wole ɖe ŋuwò la sem oa?” 14 Ke meɖo nya ɖeka pɛ gɔ̃ hã ŋu nɛ o, ale nutodziɖula la ƒe mo wɔ yaa ŋutɔ.

15 Ke le ŋutitotoŋkekenyui ɖe sia ɖe dzi la, nutodziɖula la ɖea asi le gamenɔla ɖeka si amehaa di la ŋu na wo.+ 16 Ɣemaɣi tututu la, ŋutsu aɖe si woyɔna be Baraba, si amewo nya nyuie ɖe eƒe nu vlo wɔwɔ ta la le ga me. 17 Eya ta esi woƒo ƒu la, Pilato bia wo be: “Ame ka ŋue miedi be maɖe asi le na mi, Baraba loo alo Yesu si woyɔna be Kristo la?” 18 Elabena Pilato nya be ŋuʋaʋã tae wodee asi ɖo. 19 Azɔ hã, esi wòbɔbɔ nɔ ʋɔnudrɔ̃zikpuia dzi la, srɔ̃a ɖo ame ɖee be: “Mègawɔ naneke ame dzɔdzɔe ma o, elabena mekpe fu geɖe le drɔ̃eƒe egbea le eta.” 20 Ke nunɔlawo ƒe tatɔwo kple dumegãwo ƒoe ɖe ameha la nu be woabia be woaɖe asi le Baraba+ ŋu, gake woawu Yesu ya.+ 21 Eya ta nutodziɖula la bia wo be: “Ame eve siawo dometɔ ka ŋue miedi be maɖe asi le na mi?” Woɖo eŋu be: “Baraba.” 22 Pilato bia wo be: “Ekema nu kae mawɔ Yesu si woyɔna be Kristo la?” Wo katã wogblɔ be: “Hee ɖe ati ŋu!”+ 23 Ebia be: “Nu ka ta? Nu vɔ̃ɖi kae wòwɔ?” Gake ɖeko wogado ɣli sesĩe wu be: “Hee ɖe ati ŋu!”+

24 Esi Pilato kpɔ be yeƒe agbagbadzedzea meɖe vi aɖeke o, ke boŋ zi di be yeatɔ ta la, etsɔ tsi klɔ asi le ameha la ŋkume gblɔ be: “Nye asi mele ame sia ƒe ʋu kɔkɔ ɖi me o. Miawo ŋutɔwo mikpɔ egbɔ.” 25 Ale ameawo katã ɖo eŋu be: “Eƒe ʋu neva míawo kple mía viwo dzi.”+ 26 Eya ta eɖe asi le Baraba ŋu na wo, ke ena woƒo Yesu kple atam,+ eye wòɖe asi le eŋu be woahee ɖe ati ŋu.+

27 Azɔ nutodziɖula la ƒe asrafowo kplɔ Yesu yi nutodziɖulaa ƒe fiasã me, eye wona asrafoha blibo la katã va ƒo ƒu ɖe eŋu.+ 28 Woɖe awu le eŋu hedo awu ʋlaya dzĩ nɛ,+ 29 wotsɔ ŋù lɔ̃ fiakuku ɖɔ nɛ, eye wotsɔ aɖa de nuɖusi me nɛ. Eye wodze klo ɖe eŋkume le fewu ɖum le eŋu be: “Míedo gbe na wò, Yudatɔwo ƒe Fia!” 30 Woɖe ta ɖe eŋu,+ eye woxɔ aɖa la le esi tsɔ ƒo tame nɛ. 31 Mlɔeba esi woɖu fewu le eŋu vɔ la, woɖe awu ʋlaya la le eŋu, eye wodo eƒe awudziwuiwo nɛ, eye wokplɔe do goe be woaɖahee ɖe ati ŋu.+

32 Esi wodo yina la, wokpɔ Kirenetɔ aɖe si ŋkɔe nye Simon. Wozi ŋutsu sia dzi be wòatsɔ Yesu ƒe fuwɔameti*+ la. 33 Esi woɖo teƒe si woyɔna be Golgata, si gɔmee nye Ametakoliƒe+ la, 34 wotsɔ wain si wotsɔ gbe veve tsakae la nɛ be wòano;+ ke esi wòɖɔe kpɔ la, egbe enono. 35 Esi wohee ɖe ati ŋu vɔ la, wodzidze nu ɖe eƒe awudziwuiwo dzi hema wo,+ 36 eye wobɔbɔ nɔ anyi ɖe afi ma le eŋu dzɔm. 37 Woŋlɔ enutsonya klã ɖe etame be: “Yesu, Yudatɔwo ƒe Fia lae nye esi.”+

38 Wohe adzodala eve ɖe ati ŋu kpe ɖe eŋu, ɖeka le eƒe ɖusime, eye evelia le eƒe miame.+ 39 Eye ame siwo to teƒea va yina la dzui+ heʋuʋu ta+ 40 gblɔ be: “Wò ame si gblɔ be yeamu gbedoxɔ la aƒu anyi ahagbugbɔe atu le ŋkeke etɔ̃ me,+ ɖe ɖokuiwò azɔ! Ne Mawu ƒe vie nènye la, ekema ɖi le fuwɔameti* la ŋu!”+ 41 Nunɔlawo ƒe tatɔwo, agbalẽfialawo kple dumegãwo hã ɖu fewu le eŋu nenema ke be:+ 42 “Exɔ na ame bubuwo, mate ŋu axɔ na eɖokui o! Israel ƒe Fia+ wònyee; neɖi tso fuwɔametia* ŋu azɔ, ekema míaxɔ edzi ase. 43 Eɖo ŋu ɖe Mawu ŋu; ne eƒe nu nyoa eŋu la, ekema nexɔ nɛ+ azɔ, elabena egblɔ be, ‘Mawu ƒe Vie menye.’”+ 44 Nenema kee adzodala siwo wohe ɖe ati ŋu le exa hã do vloe.+

45 Tso gaƒoƒo adelia* dzi la, viviti do ɖe anyigba ma katã dzi va se ɖe gaƒoƒo asiekelia*+ dzi. 46 Le gaƒoƒo asiekelia me lɔƒo la, Yesu do ɣli sesĩe be: “Eli, Eli, lama sabaktani?” si gɔmee nye: “Nye Mawu, nye Mawu, nu ka ŋuti nègblẽm ɖi?”+ 47 Esi ame siwo le tsitre ɖe afi ma dometɔ aɖewo see la, wogblɔ be: “Ame sia le Eliya yɔm.”+ 48 Enumake wo dometɔ ɖeka ƒu du tsɔ ƒumekutsa de wain tsitsi me, tsɔe ɖo aɖa nu, eye wòtsɔe nɛ be wòano.+ 49 Ke ame susɔeawo gblɔ be: “Ðe asi le eŋu! Mina míakpɔe ɖa be Eliya ava xɔ nɛ hã.” 50 Yesu gado ɣli sesĩe, eye wòku.*+

51 Eye kpɔ ɖa, gbedoxɔmetsovɔ+ la dze ɖe eve+ tso etame va se ɖe egɔme,+ anyigba ʋuʋu, eye agakpewo fe. 52 Yɔdowo* nu ʋu, eye ame kɔkɔe siwo dɔ alɔ̃ le ku me la dometɔ geɖe ho ɖe dzi, 53 eye wodze ame geɖewo kpɔ. (Le Yesu ƒe tsitretsitsi megbe la, ame siwo trɔ tso ameɖibɔa me la gbɔ va du kɔkɔe la me.)* 54 Ke esi asrafomegã la kple eŋutime siwo le Yesu ŋu dzɔm la kpɔ anyigbaʋuʋu la kple nu siwo le dzɔdzɔm la, wovɔ̃ ŋutɔ, eye wogblɔ be: “Mawu ƒe Vie ame sia nye vavã.”+

55 Eye nyɔnu geɖe siwo dze Yesu yome tso Galilea henɔ esubɔm la hã le adzɔge le nu kpɔm;+ 56 wo dometɔ aɖewoe nye Maria Magdalatɔ kple Maria, si nye Yakobo kple Yose dada, kpakple Zebedeo viwo+ dada.

57 Ke esi fiẽsi ɖo la, kesinɔtɔ aɖe si tso Arimatia, si ŋkɔe nye Yosef, ame si hã nye Yesu ƒe nusrɔ̃la+ aɖe la va. 58 Ŋutsu sia yi Pilato gbɔ ɖabia Yesu ƒe kukua.+ Eye Pilato ɖe gbe be woatsɔe nɛ.+ 59 Yosef xɔ ame kukua, xatsa aklala biɖibiɖi dzadzɛ aɖe ɖe eŋu,+ 60 eye wòtsɔe mlɔ eya ŋutɔ ƒe yɔdo*+ yeye si wòna woɖe ɖe agakpe me nɛ la me. Emli kpe gã aɖe tsɔ xe yɔdoa* nu, eye wòdzo. 61 Ke Maria Magdalatɔ kple Maria kemɛa tsi afi ma, eye wonɔ anyi ɖe yɔdoa ŋgɔ.+

62 Le ŋkeke si kplɔe ɖo, si nye Dzadzraɖoŋkeke+ la megbe la, nunɔlawo ƒe tatɔwo kple Farisitɔwo va kpe ta ɖe Pilato gbɔ 63 eye wogblɔ be: “Aƒetɔ, míeɖo ŋku edzi be, esime ameblela ma nɔ agbe la, egblɔ be, ‘Le ŋkeke etɔ̃ megbe la, woafɔm ɖe tsitre.’+ 64 Eya ta de se be woadzɔ yɔdo la ŋu nyuie va se ɖe ŋkeke etɔ̃a gbe, ne eƒe nusrɔ̃lawo magava fii adzoe+ ahagblɔ na amewo be, ‘Wofɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome o!’ Ne edzɔ alea la, amebeble mamlɛtɔ sia avɔ̃ɖi wu gbãtɔ.” 65 Pilato gblɔ na wo be: “Dzɔlawo neyi kpli mi. Ne miadzɔ eŋu ale si miate ŋui.” 66 Eya ta wodzo yi ɖatre kpe la ɖe yɔdo la nu nyuie heɖo dzɔlawo afi ma.

28 Le Sabat la megbe, le kwasiɖaa ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi, esi xexea me de asi kɔkɔ me la, Maria Magdalatɔ kple Maria kemɛa va yɔdoa kpɔ ge ɖa.+

2 Eye kpɔ ɖa, anyigba ʋuʋu sesĩe, elabena Yehowa* ƒe dɔla ɖi tso dziƒo va mli kpe la ɖa le yɔdoa nu hebɔbɔ nɔ edzi.+ 3 Eƒe dzedzeme le abe dzikedzo ene, eye eƒe awu fu tititi abe sno ene.+ 4 Ɛ̃, esia na dzidzi ƒo dzɔlawo, wodzo nyanyanya, eye wozu abe ame kukuwo ene.

5 Gake mawudɔla la gblɔ na nyɔnuawo be: “Migavɔ̃ o, elabena menyae be Yesu si wohe ɖe ati ŋu la dimee miele.+ 6 Mele afi sia o, elabena wofɔe ɖe tsitre, abe ale si wògblɔe ene.+ Miva kpɔ afi si wotsɔe mlɔ la ɖa. 7 Eya ta miɖe abla yi ɖagblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be wofɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, eye kpɔ ɖa, edze mia ŋgɔ yina Galilea.+ Afi mae miakpɔe le. Kpɔ ɖa, gbedeasi siae mehe vɛ na mi.”+

8 Eya ta woɖe abla dzo le yɔdoa to, eye wotsɔ vɔvɔ̃ kple dzidzɔ gã ƒu du be yewoayi aɖaka eta na eƒe nusrɔ̃lawo.+ 9 Eye kpɔ ɖa, Yesu va do go wo hegblɔ be: “Medo gbe na mi!” Wote ɖe eŋu, eye wolé eƒe afɔwo hebɔbɔ nɛ. 10 Eye Yesu gblɔ na wo be: “Migavɔ̃ o! Miyi ɖaka eta na nɔvinyewo, ne woayi Galilea, eye woakpɔm le afi ma.”

11 Esi wole mɔa dzi yina la, dzɔlaawo+ dometɔ aɖewo yi dua me ɖaka nu siwo katã dzɔ la ta na nunɔlawo ƒe tatɔwo. 12 Eye esi woawo kple dumegãwo kpe ta hede adaŋu vɔ la, wona klosaloga gbogbo aɖe asrafoawo, 13 eye wogblɔ na wo be: “Migblɔ be: ‘Eƒe nusrɔ̃lawo va fii le zã me esime míele alɔ̃ dɔm.’+ 14 Eye ne nya sia ɖo nutodziɖula la ƒe to me la, ekema míaɖe eme nɛ,* eye mahiã be miatsi dzi o.” 15 Eya ta woxɔ klosalogakuawo, eye wowɔ abe ale si wogblɔ na wo ene; eye nya sia kaka ɖe Yudatɔwo dome va se ɖe egbe.

16 Azɔ nusrɔ̃la wuiɖekɛawo yi Galilea,+ eye woyi ɖe to si dzi Yesu ɖo be yewoado go le la dzi.+ 17 Esi wokpɔe la, wobɔbɔ nɛ, ke wo dometɔ aɖewo mexɔe se be eyae o. 18 Eye Yesu te ɖe wo ŋu gblɔ na wo be: “Wotsɔ ŋusẽ si le dziƒo kple anyigba dzi la katã de asi nam.+ 19 Eya ta miheyi ɖawɔ dukɔwo katã me tɔwo+ woanye nusrɔ̃lawo, mianyrɔ+ wo ɖe Fofo la kple Vi la kpakple gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔ me, 20 miafia wo be woawɔ nu siwo katã ƒe se mede na mi la dzi.+ Eye kpɔ ɖa, meli kpli mi ŋkekeawo katã va se ɖe nuɖoanyia ƒe nuwuɣi.”*+

Alo, “Mesia; Amesiamina.”

Alo, “to Mawu ƒe dɔwɔŋusẽ dzi.”

Esia nye teƒe 237 siwo Mawu ƒe ŋkɔ, Yehowa, dze le le Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me la ƒe gbãtɔ le Biblia gɔmeɖeɖe sia me. Kpɔ Megbenyawo A5.

Ŋkɔ sia sɔ kple Hebrigbe me ŋkɔ Yesua alo Yosua, si gɔmee nye “Yehowa Nye Xɔname.”

Kpɔ Megbenyawo A5.

Kpɔ Megbenyawo A5.

Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.

Alo, “míabɔbɔ nɛ.”

Alo, “Mesia; Amesiamina.”

Kpɔ Megbenyawo A5.

Kpɔ Megbenyawo A5.

Kpɔ Megbenyawo A5.

Alo, “luʋɔ.”

Ðewohĩ Hebrigbe me nya si fia “dzedze” mee woɖe nya sia tsoe.

Kpɔ Megbenyawo A5.

Kpɔ Megbenyawo A5.

Kpɔ Megbenyawo A5.

Kpɔ Megbenyawo A5.

Alo, “nàwɔ subɔsubɔdɔ kɔkɔe na.”

Enye ta; wogayɔnɛ le Biblia me be Genezaret-ta, Galilea-ƒu, kple Tiberia-ƒu.

Alo, “kpeŋui.”

Alo, “Du Ewoawo Ƒe Nuto Me.”

Alo, “ame siwo le kuku ɖem be woana gbɔgbɔ la yewo.”

Alo, “ŋutifafamewo.”

Alo, “nudokusi.”

Afi si wotɔa dzo gbeɖuɖɔwo ɖo le Yerusalem dua godo. Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.

Egɔmeɖeɖe tẽe, “kuadra.” Kpɔ Megbenyawo B14.

Egɔmeɖeɖe tẽe, “le nuwò ɖiam.”

Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.

Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.

Helagbe, pornia. Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.

Kpɔ Megbenyawo A5.

Kpɔ Megbenyawo B14.

Efia, nudodo na ame deme maxɔmaxɔe.

Alo, “ame dahewo.”

Alo, “Wò lɔlɔ̃nu nava eme le dziƒo kple anyigba dzi.”

Alo, “elabena womedzra wo ɖokuiwo ɖo o.”

Alo “wò ŋku dzi dza.”

Egɔmeɖeɖe tẽe, “ŋku vɔ̃ɖi.”

Alo, “luʋɔwo.”

Alo, “luʋɔ.”

Kpɔ Megbenyawo B14.

Alo, “kpodɔléla.”

Alo, “kpodɔ.”

Alo, “ŋkuɖodziyɔdowo.”

Alo, “to la dzi va ɖo eƒe aga nu.”

Alo, “kpodɔlélawo.”

Alo, “awu bubu.”

Enye ŋkɔ si woyɔna na Satana si nye gbɔgbɔ vɔ̃wo dzi ɖula la.

Efia, agbe mavɔ ƒe mɔkpɔkpɔ.

Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.

Egɔmeɖeɖe tẽe, “asario.” Kpɔ Megbenyawo B14.

Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.

Alo, “agbe.”

Alo, “agbe.”

Alo, “kpodɔlélawo.”

Alo, “awu bɔbɔewoa?”

Alo, “asi me.”

Alo, “nunya me tsonu.”

Alo, “Hades,” si nye ameƒomea ƒe yɔdo. Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.

Alo, “miaƒe luʋɔwo.”

Alo, “siti.”

Alo, “ŋutsu aɖe si ƒe abɔwo tu.”

Alo, “dze nye luʋɔ ŋu!”

Enye ŋkɔ si woyɔna na Satana.

Alo, “nusrɔ̃lawo.”

Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.

Alo, “mawɔnuteƒe.”

Egɔmeɖeɖe tẽe, “ezua nukikli nɛ.”

Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.

Agate ŋu afia, “tso xexea ƒe gɔmeɖoanyiɣi.”

Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.

Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.

Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.

Efia, Herodes Antipa. Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.

Egɔmeɖeɖe tẽe, “stadio geɖe.” Stadio ɖeka le meta 185.

Efia, fɔŋli ga 3 lɔƒo va se ɖe esime agu dze le ŋdi 6 lɔƒo.

Efia, ame ɖokui ŋuti kɔkɔ le Yudatɔwo ƒe kɔnyinyi nu.

Alo, “gblɔa nya vɔ̃ ɖe.”

Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.

Efia, ame ɖokui ŋuti kɔkɔ le Yudatɔwo ƒe kɔnyinyi nu.

Alo, “Kanaan-nyɔnu.”

Alo, “va bɔbɔ nɛ.”

Alo, “mawɔnuteƒe.”

Egɔmeɖeɖe tẽe, “ŋutilã kple ʋue.”

Alo, “Hades,” si nye ameƒomea ƒe yɔdo. Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.

Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.

Alo, “luʋɔ.”

Alo, “luʋɔ.”

Alo, “luʋɔ.”

Alo, “luʋɔ.”

Alo, “anyidzedɔ;” “adzigbo.”

Enye atiku sue aɖe si le Palestina-nyigba dzi. Eƒe atia tea ŋu kɔna dea meta 4 eye wòɖea alɔ.

Kpɔ Megbenyawo A3.

Egɔmeɖeɖe tẽe, “gaku ɖeka si ƒe home nye drakma 2.” Kpɔ Megbenyawo B14.

Egɔmeɖeɖe tẽe, “stata-gaku,” wobui be eyae nye drakma 4. Kpɔ Megbenyawo B14.

Egɔmeɖeɖe tẽe, “nu siwo zua nukikli na amewo.”

Egɔmeɖeɖe tẽe, “zua nukikli na wò.”

Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.

Kpɔ Megbenyawo A3.

Agate ŋu afia, “na mia Fofo.”

Egɔmeɖeɖe tẽe, “yi nàka mo nɛ.”

Klosalo talento 10,000 sɔ kple denario 60,000,000. Kpɔ Megbenyawo B14.

Kpɔ Megbenyawo B14.

Egɔmeɖeɖe tẽe, “nu si Mawu bla ɖe kɔkuti ɖeka te.”

Helagbe, pornia. Kpɔ Nya Tɔxɛwɔ Gɔmeɖeƒea.

Kpɔ Megbenyawo B14.

Efia, ŋdi ga 9 lɔƒo.

Efia, ŋdɔ ga 12 lɔƒo.

Efia, ɣetrɔ ga 3 lɔƒo.

Efia, ɣetrɔ ga 5 lɔƒo.

Kpɔ Megbenyawo B14.

Kpɔ Megbenyawo B14.

Kpɔ Megbenyawo B14.

Alo, “dɔmenyo.”

Egɔmeɖeɖe tẽe, “ɖe wò ŋku vɔ̃ɖi le esi menye ame nyui ta?”

Alo “luʋɔ.”

Kpɔ Megbenyawo A5.

Kpɔ Megbenyawo A5.

Alo, “Ðe wòsɔ.”

Kpɔ Megbenyawo B14.

Kpɔ Megbenyawo A5.

Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.

Kpɔ Megbenyawo A5.

Alo, “teƒe nyuitɔwo.”

Alo, “asiwo.”

alo, “Nufiala.”

Kpɔ Megbenyawo A3.

Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.

Alo, “adzodada.”

Alo “ŋkuɖodziyɔdowo.”

Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.

Agate ŋu afia, “Woagblẽ miaƒe aƒe la ɖi na mi wòazu aƒedo.”

Kpɔ Megbenyawo A5.

Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.

Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.

Wotso aƒe akpa gãtɔ wo tame le gbadza, eye amewo wɔa nu vovovowo le afi ma.

Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.

Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.

Egɔmeɖeɖe tẽe, “ŋudzɔɣi.”

Alo, “nunyala.”

Alo, “nunyalawo.”

Helatɔwo ƒe talento ɖeka le kilogram 20.4. Kpɔ Megbenyawo B14.

Egɔmeɖeɖe tẽe, “klosalo.”

Egɔmeɖeɖe tẽe, “klosalo.”

Efia, esime Adam kple Xawa te vidzidzi.

Alo, “nye awudodo mede o.”

Alo, “Nye luʋɔ le nu xam.”

Alo, “nyagblɔɖilawo ƒe ŋɔŋlɔawo.”

Sanhedrin la nye Yudatɔwo ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ.

Kpɔ Megbenyawo A5.

Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.

Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.

Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.

Efia, ŋdɔ ga 12 lɔƒo.

Efia, ɣetrɔ ga 3 lɔƒo.

Alo, “wòtsɔ eƒe gbɔgbɔ na.”

Alo, “ŋkuɖodziyɔdowo.”

Nya siwo le kpɔtɔtɔa me la nye nu siwo dzɔ emegbe.

Alo, “ŋkuɖodziyɔdo.”

Alo, “ŋkuɖodziyɔdoa.”

Kpɔ Megbenyawo A5.

Egɔmeɖeɖe tẽe, “míable enu.”

Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe