YESAYA
1 Yesaya,*+ Amoz vi, ƒe ŋutega si wòkpɔ ku ɖe Yuda kple Yerusalem ŋu le Yuda-fia+ siwo nye Uziya,+ Yotam,+ Ahaz+ kple Hizkiya+ ŋɔli lae nye esi:
5 Afi kae woagaƒo na mi esi miegale aglãdzedze dzi?+
Ta blibo la katã dze dɔ,
Eye dzi blibo la le dɔ lém.+
6 Tso miaƒe afɔƒome va se ɖe dzodome la, nyuiƒe aɖeke meli o,
Negbe abi kple dodro kpakple abi yeye sɔŋ;
—Womeklɔ wo o,* womebla wo o, eye womeɖo ami wo ne woabɔbɔ hã o.+
7 Miaƒe anyigba zu gbegbe,
Dzo fiã miaƒe duwo.
Du bubu me tɔwo le miaƒe agblemenuwo ɖum le miawo ŋutɔ mia ŋkume.+
Ele abe afi si du bubu me tɔwo va gblẽ nu le wòzu gbegbe ene.+
8 Zion vinyɔnu la tsi anyi abe agbadɔ le waingble me ene,
Abe agblexɔ le aŋanyigble me ene,
Abe du si woɖe to ɖo ene.+
9 Ne ɖe aʋakɔwo ƒe Yehowa* mekpɔtɔ ame ʋɛ aɖewo ɖi na mí o la,
Anye ne míezu abe Sodom ene,
Anye ne míeɖi Gomora.+
10 Mi Sodom ƒe dziɖula sẽŋutawo, mise Yehowa ƒe nya.+
Mi Gomora dukɔ, miƒu to anyi ɖe mía Mawu ƒe se* la ŋu.+
11 Yehowa be: “Vi kae miaƒe vɔsa gbogboawo ɖena nam?+
Miaƒe agbowo+ ƒe numevɔsawo kple lã damiwo ƒe ami+ ti kɔ nam,
Nyitsuiwo+ kple alẽtsuiwo kpakple gbɔ̃tsuwo+ ƒe ʋu+ medzea ŋunye o.
13 Midzudzɔ nuɖuvɔsa maɖinuwo tsɔtsɔ vɛ.
Miaƒe dzudzɔdodowo nye ŋunyɔ nam.+
Mieɖua dzinu yeye+ kple sabat,+ eye miewɔa takpekpewo+
—Gake nyemate ŋu ado dzi atsɔ miaƒe akunyawɔwɔ+ kple miaƒe takpekpe tɔxɛwo o.
14 Melé fu* miaƒe dzinu yeyewo kple ŋkekenyuiwo.
Wozu agba nam;
Wo tsɔtsɔ tim.
17 Misrɔ̃ nu nyui wɔwɔ; midi dzɔdzɔenyenye yome mɔ,+
Miɖɔ ame si tea ame ɖe anyi la ɖo,
Miʋli tsyɔ̃eviwo ta,
Eye mixɔ ahosiwo ƒe nya ɖe akɔ.”+
18 Yehowa be: “Miva ne míakpɔ mía dome nyawo gbɔ.+
Ne miaƒe nu vɔ̃wo biã helĩhelĩ hã la,
Woafu abe sno ene;+
Ne wobiã abe nyagadzĩ ene hã la,
Woazu abe alẽfu ene.
21 Aleke du wɔnuteƒe+ la zu gbolo ale!+
23 Wò amegãwo nye tosẽlawo, eye wodea ha kple fiafiwo.+
Wo dometɔ ɖe sia ɖe lɔ̃a zãnuxɔxɔ, eye wòtia nunana yome.+
Wometsoa afia dzɔdzɔe na tsyɔ̃eviwo o,
Eye womekpɔa ahosiwo ƒe nya gbɔ hã o.+
24 Eya ta ale Aƒetɔ vavã la, aʋakɔwo ƒe Yehowa,
Israel ƒe Ŋusẽtɔ la gblɔe nye esi:
“Kpɔ ɖa! Maɖe nye ketɔwo ɖa le ɖokuinye ŋu,
Eye mabia hlɔ̃ nye futɔwo.+
Esia megbe woayɔ wò be Dzɔdzɔenyenye Ƒe Du, Du Wɔnuteƒe.+
31 Ame sesẽ la azu abe ɖetifu ene,
Eye eƒe dɔwɔwɔ azu dzoxi;
Wo kple eve la siaa ayi dzo me le ɣeyiɣi ɖeka me,
Eye ame aɖeke mate ŋu atsii o.”
2 Nu si Yesaya, Amoz vi, kpɔ le Yuda kple Yerusalem ŋue nye esi:+
Yehowa ƒe aƒe ƒe to la
Ali ke sesĩe, akɔ ta agbɔ towo ŋu,+
Eye wòakɔ aƒo togbɛwo ta,
Eye dukɔwo katã aƒo zi ɖe eŋu.+
3 Eye dukɔ geɖewo ava agblɔ be:
“Miva míayi Yehowa ƒe to la dzi,
Míayi Yakob ƒe Mawu ƒe aƒe la me.+
Afia eƒe mɔwo mí,
Eye míazɔ eƒe toƒewo.”+
4 Atso afia na dukɔwo,
Eye wòadzra dukɔ geɖewo dome ɖo.
Woatsɔ woƒe yiwo atu agblenuwoe,
Eye woatsɔ woƒe akplɔwo atu hɛ gobɛwoe.+
Dukɔ magatsɔ yi ɖe dukɔ ŋu azɔ o,
Eye womagasrɔ̃ aʋawɔwɔ azɔ o.+
6 Ègblẽ wò dukɔ, Yakob ƒe aƒe la ɖi,+
Elabena Ɣedzeƒetɔwo ƒe nuwɔnawo yɔ wo fũu;
Wowɔ akunya+ abe Filistitɔwo ene,
Eye du bubu me tɔwo bɔ ɖe wo dome fũu.
7 Klosalo kple sika bɔ ɖe woƒe anyigba dzi,
Eye seɖoƒe meli na woƒe kesinɔnuwo o.
Sɔwo bɔ ɖe woƒe anyigba dzi fũu,
Eye seɖoƒe meli na woƒe tasiaɖamwo o.+
8 Mawu maɖinuwo yɔ woƒe anyigba dzi taŋ.+
Wodea ta agu na woawo ŋutɔwo ƒe asinudɔwɔwɔwo,
Nu siwo wotsɔ woawo ŋutɔwo ƒe asibidɛwo wɔ.
9 Ale amegbetɔ ɖi gbɔ eɖokui, eda eɖokui ɖe anyi;
Màtsɔe ake wo akpɔ o.
Yehowa ɖeɖe koe woado ɖe dzi le ŋkeke ma dzi.
12 Elabena aʋakɔwo ƒe Yehowa ƒe ŋkekee.+
Ava ame siwo katã doa wo ɖokui ɖe dzi hedana la dzi,
Ava ame ɖe sia ɖe dzi, eɖanye ame ŋkuta alo ame tsɛ o,+
13 Ava Lebanon ƒe sederti kɔkɔ dedziwo katã
Kple Basan ƒe logotiwo katã dzi,
14 Ava to kɔkɔwo katã
Kple togbɛ kɔkɔwo katã dzi,
15 Ava mɔ́ kɔkɔ ɖe sia ɖe kple gli sesẽ ɖe sia ɖe dzi,
16 Ava Tarsis tɔdziʋu gãwo katã+
Kple tɔdziʋu nyuiwo katã dzi.
17 Woabɔbɔ amegbetɔ ƒe ɖokuidodoɖedzi ɖe anyi,
Eye amegbetɔwo ƒe dada ayi to.*
Yehowa ɖeɖe koe woado ɖe dzi le ŋkeke ma dzi.
18 Mawu maɖinuwo nu ayi keŋkeŋ.+
19 Ne Yehowa tso be yeana anyigba la nadzo kpekpekpe ŋɔdzitɔe la,
Amewo age ɖe kpetowo+
Kple dowo me le anyigba tume
Le eƒe ŋɔdzi
Kple eƒe gãnyenye ƒe atsyɔ̃ la ta.+
20 Gbe ma gbe la, amegbetɔwo atsɔ woƒe klosalomawu dzodzro kple sikamawu maɖinu
Siwo wowɔ na wo ɖokuiwo be woade ta agu na la
Aƒu gbe ɖo ɖe atɔewo* kple agutɔwo,+
21 Ne woage ɖe kpetowo
Kple agatowo me,
Le Yehowa ƒe ŋɔdzi
Kple eƒe gãnyenye ƒe atsyɔ̃ la ta,
Ne etso be yeana anyigba la nadzo kpekpekpe ŋɔdzitɔe.
22 Midzudzɔ ŋuɖoɖo ɖe amegbetɔ gbɔlo, si nye gbɔgbɔ dzro le eƒe ŋɔti me* la ŋu,
Ne eme nanyo na mi.
Nu ka ta gɔ̃ woabu eya amea ŋu?
3 Elabena kpɔ ɖa, Aƒetɔ vavã, aʋakɔwo ƒe Yehowa,
Le ziɔɖeŋu kple kpekpeɖeŋu ɖe sia ɖe ɖem ɖa le Yerusalem kple Yuda,
Aɖe abolo kple tsi siwo katã léa wo ɖe te,+
2 Aɖe ŋutsu kalẽtɔ kple aʋawɔla,
Ʋɔnudrɔ̃la kple nyagblɔɖila,+ afakala kple dumemetsitsiwo,
3 Ame blaatɔ̃ ƒe tatɔ,+ bubume, aɖaŋuɖola,
Akunyawɔla bibi kple gbesala bibi siaa ɖa.+
4 Matsɔ ɖeviwo aɖo amegãwoe ɖe wo nu,
Eye ame maɖoŋuɖeŋua akplɔ wo.
Ðevi atso ɖe ame tsitsi ŋu,
Eye ame tsɛ atso ɖe bubume ŋu.+
6 Elabena wo dometɔ ɖe sia ɖe alé nɔvia le fofoa ƒe me agblɔ be:
“Awu ʋlaya le asiwò—ɖu amegã ɖe mía dzi.
Nànɔ glikpo sia nu.”
7 Aɖo eŋu na wo gbe ma gbe be:
“Nyemele abi aɖeke bla ge na mi o;*
Abolo alo awu ʋlaya hã mele aƒenye me o.
Migatsɔm ɖo amegã ɖe dukɔ la dzi o.”
8 Elabena Yerusalem kli nu,
Eye Yuda dze anyi,
Le esi wotsɔ woƒe nya kple nuwɔnawo tso ɖe Yehowa ŋu,
Eye wodze aglã le Kɔkɔetɔ la ŋkume ta.+
9 Woƒe moɖoɖo ɖeɖe hã le ha ɖem wo,
Eye woɖea woƒe nu vɔ̃ si le abe Sodom tɔ ene la gblɔna.+
Womeɣlae o.
Baba na wo!* Elabena wole gbegblẽ hem va wo ɖokuiwo dzi.
11 Baba na ame vɔ̃ɖi!
Gbegblẽ ava edzi,
Elabena woaxe nu si eƒe asiwo wɔ la ŋuti fetu nɛ!
12 Ke nye dukɔ la ƒe kplɔlawo ƒe nya me sẽ,
Eye nyɔnuwo ɖu fia ɖe wo dzi.
Oo, nye dukɔ, kplɔwòlawo na nèle tsaglãla tsam,
Eye wobaɖa wò afɔtoƒewo.+
13 Yehowa le enɔƒe be yeahe nya ɖe go;
Ele tsitrenu be yeadrɔ̃ ʋɔnu dukɔwo.
14 Yehowa adrɔ̃ ʋɔnu eƒe dukɔ ƒe ametsitsiwo kple amegãwo.
“Mietɔ dzo waingble la,
Eye nu si mieda adzo ame dahe xɔ le esi la le miaƒe xɔwo me.+
15 Mɔ kae miekpɔ be miegbã nye dukɔ la gudugudu,
Eye mietigi ame dahewo ƒe mo ɖe ke me?”+ Aƒetɔ Dziɖulagã, aʋakɔwo ƒe Yehowa ye gblɔe.
16 Yehowa be: “Esi Zion vinyɔnuwo doa wo ɖokuiwo ɖe dzi,
Eye wowua mo dzi* nɔa yiyim,
Heɖoa ahiãmo nɔa atsyãzɔli zɔm,
Eye woƒe afɔgɛwo nɔa ɖiɖim gleŋgleŋgleŋ ta la,
17 Yehowa hã ana Zion vinyɔnuwo ƒe dzodome nade akpa,
Eye Yehowa ana woƒe ŋgonu nakpa.+
18 Gbe ma gbe Yehowa aɖe woƒe atsyɔ̃ɖonu siwo nye afɔgɛwo,
Ŋgoblanuwo, atsyɔ̃ɖonu gobɛwo,+
19 Togɛwo,* alɔnugɛwo, motsyɔnuwo,
20 Tatsyɔnuwo, afɔkɔsɔkɔsɔwo, akɔtablanuwo,
21 Asigɛwo, ŋɔtigɛwo,
22 Atsyɔ̃ɖowuwo, awudziwuiwo, awu ʋlayawo, gakploviwo,
Tablanuwo kple motsyɔnuwo ɖa.
24 “Ʋeʋẽ kũ axɔ ɖe balsam-mi+ ƒe ʋeʋẽ teƒe;
Ka axɔ ɖe alidziblanu teƒe;
Tabebe+ axɔ ɖe atsyãɖaƒoƒo teƒe;
Akpanya+ axɔ ɖe awu xɔasiwo teƒe;
Dzobi axɔ ɖe tugbedzedze teƒe.
4 Gbe ma gbe la, nyɔnu adre alé ŋutsu ɖeka+ agblɔ be:
“Míaɖu míawo ŋutɔ míaƒe abolo,
Eye míado míawo ŋutɔwo míaƒe awuwo;
Na woayɔ wò ŋkɔ ɖe mía ŋu ko,
2 Gbe ma gbe la, nu si Yehowa na wòmie la anye atsyɔ̃ kple ŋutikɔkɔe, eye anyigba la dzi kutsetse anye adegbeƒonu kple atsyɔ̃ na Israel ƒe ame siwo tsi agbe.+ 3 Woayɔ ame siwo kpɔtɔ ɖe Zion kple ame siwo wogblẽ ɖe Yerusalem, ame sia ame si ƒe ŋkɔ woŋlɔ ɖi be wòanɔ agbe le Yerusalem la, be kɔkɔe.+
4 Ne Yehowa tsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe gbɔgbɔ kple dzobibi ƒe gbɔgbɔ+ klɔ Zion vinyɔnuwo ƒe ɖiƒoƒo* ɖa,+ eye wòklɔ ʋu si Yerusalem kɔ ɖi la ɖa le eme la, 5 ekema Yehowa aɖo alilikpo kple dzudzɔ ɖe Zion To la katã kple eƒe takpeƒe la dzi le ŋkeke me, eye wòaɖo dzobibi keklẽ ɖa le zã me;+ agbadɔ anɔ eƒe ŋutikɔkɔe nɔƒe blibo la katã tame. 6 Eye agbadɔ anɔ anyi anye vɔvɔli le ŋkeke me le ŋdɔkutsu nu,+ eye wòanye sitsoƒe kple bebeƒe tso ahom kple tsidzadza nu.+
Waingble aɖe le nye lɔlɔ̃tɔ si le togbɛ wɔnu aɖe dzi.
2 Edzobo eme, eye wòɖe kpewo le eme.
Eye wòle mɔ kpɔm be wòatse ku nyuiwo,
Ke etse ku manyomanyowo.+
3 “Azɔ mi Yerusalem nɔlawo kple mi Yuda ŋutsuwo,
Taflatsɛ midrɔ̃ nya le nye kple nye waingble la dome.+
Nu ka tae mekpɔ mɔ be wòatse wainku nyuiwo,
Ke wòva tse wainku manyomanyowo?
5 Eya ta meɖe kuku, mina magblɔ
Nu si wɔ ge mala na nye waingble la na mi:
Makaka kpɔ le eŋu,
Eye matɔ dzoe.+
Magbã gli le eŋu,
Ne woazɔ edzi.
7 Elabena aʋakɔwo ƒe Yehowa ƒe waingble lae nye Israel ƒe aƒe;+
Yudatɔwoe nye agble si gbɔ melɔ̃a nu le o la.
Ekpɔ mɔ na ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃,+
Ke kpɔ ɖa, sedzidadae li;
Ekpɔ mɔ na dzɔdzɔenyenye,
Ke kpɔ ɖa, konyifafae li.”+
8 Baba na ame siwo le xɔ tsiãm ɖe xɔ nu+
Kple ame siwo le agble tsiãm ɖe agble nu,+
Va se ɖe esime teƒe aɖeke megali o,
Ale be miawo ɖeɖe koe susɔ ɖe anyigba la dzi!
10 Eye wain baf* ɖeka koe woakpɔ tso waingble agbleka ewo me,
Eye nuku efa* ɖeka koe woakpɔ tso nuku homer* ɖeka si woƒã la me.+
11 Baba na ame siwo fɔna ŋdi kanya noa aha sesẽ,+
Ame siwo nɔa enono dzi va se ɖe esime xexea me tsyɔna, be wain nade dzo lãme na yewo!
12 Saŋku kple kasaŋku,
Axatsɛ kple dze kpakple wain nɔa woƒe azãɖuƒewo;
Ke womeléa ŋku ɖe Yehowa ƒe dɔwɔwɔ ya ŋu o,
Eye womekpɔa eƒe asinudɔwɔwɔ o.
13 Eya ta woaɖe aboyo nye dukɔ
Le esi medzea si nu o ta;+
Dɔ awu woƒe bubumewo+
Eye tsikɔ awu woƒe amehawo ate wo ŋu.
14 Eya ta Tsiẽƒe* vu eɖokui* gblotoo,
Eye wòke eƒe nu baa;+
Eƒe atsyɔ̃,* kple eƒe amehawo ƒe hoowɔwɔ kpakple aseyetsolawo
Age adze eme.
15 Amegbetɔ abɔbɔ ɖe anyi,
Woabɔbɔ amegbetɔ ɖe anyi,
Eye woabɔbɔ dadalawo ƒe ŋkuwo ɖe anyi.
16 Aʋakɔwo ƒe Yehowa ado gã eɖokui to eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃* me,
Eye Mawu vavã, Kɔkɔetɔ la,+ akɔ eɖokui ŋu le dzɔdzɔenyenye me.+
17 Alẽviwo aɖu gbe le afi ma abe woƒe gbeɖuƒee wònye ene;
Eye amedzrowo aɖu nu le lã damiwo nɔƒe siwo ɖi gbɔlo.
18 Baba na ame siwo tsɔa alakpaka dea woƒe vodada nɔa hehem,
Eye wotsɔa tasiaɖamkawo dea woƒe nu vɔ̃ nɔa hehem;
19 Ame siwo gblɔna be: “Newɔ kabakaba,
Neʋã ɖe eƒe dɔ ŋu ne míakpɔe.
20 Baba na ame siwo yɔa nyui be vɔ̃ heyɔa vɔ̃ be nyui,+
Ame siwo tsɔa viviti ɖɔlia kekeli hetsɔa kekeli ɖɔlia vivitii,
Ame siwo tsɔa veve wɔa vivi hetsɔa vivi wɔa vevee!
22 Baba na ame siwo nye kalẽawo le wain nono me
Kple ŋutsu siwo bi ɖe aha muamewo tɔtɔ me,+
23 Ame siwo xɔa zãnu hetsoa afia dzɔdzɔe na ame vɔ̃ɖi,+
Eye wogbea nya dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ na ame dzɔdzɔe!+
24 Eya ta ale si ko dzo fiãa ahɔ̃liti,
Eye dzobibi fiãa gbe ƒuƒu la,
Nenemae woƒe kewo anyunyɔ,
Eye woƒe seƒoƒo aʋu ya abe ʋuʋudedi ene,
Elabena wogbe aʋakɔwo ƒe Yehowa ƒe se,*
Eye womede bubu Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ƒe nya ŋu o.+
25 Esia tae Yehowa ƒe dɔmedzoe bi ɖe eƒe dukɔ la ŋu,
Eye ado eƒe alɔ ɖe dzi ahaƒo wo.+
Towo adzo kpekpekpe,
Eye woƒe kukuawo azu abe gbeɖuɖɔ ene le kpɔdomeewo.+
Esiawo katã megbe hã la, eƒe dɔmedzoe nu mefa o,
Eƒe alɔ gale dzi kokoko be yeaƒo wo.
26 Edo dzesiti ɖe dzi na dukɔ aɖe le didiƒe;+
Elia aku na wo be woatso anyigba ƒe mlɔenu ava;+
Kpɔ ɖa, wole du dzi sesĩe gbɔna.+
27 Ðeɖi mete ame aɖeke ŋu o, eye ame aɖeke mekli nu le wo dome o.
Wo dometɔ aɖeke medɔ akɔlɔ̃e alo dɔ alɔ̃ o.
Alidziblanu metu le woƒe ali o,
Eye woƒe afɔkpakawo metso o.
28 Wonyre woƒe aŋutrɔwo,
Eye wovu woƒe dawo katã me.
Woƒe sɔwo ƒe afɔkliwo le abe kpe sesẽ ene,
Eye woƒe tasiaɖamfɔtiwo le abe ahom ene.+
Woaɖe gbe ahalé nu,
Woatsɔ nulélea adzoe, ke xɔnametɔ aɖeke manɔ anyi o.
30 Gbe ma gbe la, woaɖe gbe ɖe edzi
Abe atsiaƒu ƒe gbeɖeɖe ene.+
Ame sia ame si alé ŋku ɖe anyigbaa ŋu la akpɔ viviti dziŋɔ;
Kekeli hã do viviti le alilikpo dodowo ta.+
6 Le ƒe si me Fia Uziya ku la,+ mekpɔ Yehowa wòbɔbɔ nɔ fiazikpui gã aɖe si le dzi boo la dzi,+ eye eƒe awu togawo yɔ gbedoxɔ la taŋ. 2 Serafiwo le etame; wo dometɔ ɖe sia ɖe to aʋala ade. Wotsɔ eve tsyɔ mo, wotsɔ eve tsyɔ afɔ, eye wotsɔ eve dzona.
3 Eye wodo ɣli ɖo ɖe wo nɔewo gblɔ be:
“Kɔkɔe, kɔkɔe, kɔkɔe nye aʋakɔwo ƒe Yehowa.+
Eƒe ŋutikɔkɔe yɔ anyigba blibo la katã dzi.”
4 Eye woƒe gbe ƒe ɖiɖi* na kpuiawo ƒe agunuwo ʋuʋu, eye dzudzɔ yɔ xɔ la taŋ.+
5 Eye megblɔ be: “Aléle!
Meku,*
Elabena nuyi makɔmakɔtɔe menye,
Eye dukɔ si ƒe nuyi mekɔ o domee mele;+
Elabena nye ŋkuwo kpɔ Fia la, aʋakɔwo ƒe Yehowa ŋutɔ!”
6 Ke serafiawo dometɔ ɖeka dzo va gbɔnye, eye wòlé dzoka xɔxɔ,+ si wòtsɔ abè ɖe le vɔsamlekpuia me+ la, ɖe asi. 7 Eye wòtsɔe ka nu nam hegblɔ be:
“Kpɔ ɖa! Esia ka wò nuyiwo ŋu,
Woɖe wò fɔɖiɖi ɖa,
Eye wolé avu ɖe wò nu vɔ̃ ta.”
8 Eye mese Yehowa ƒe gbe wògblɔ be: “Ame kae madɔ, eye ame kae ayi na mí?”+ Ale megblɔ be: “Nyee nye esi! Dɔm!”+
9 Eye wògblɔ nam be, “Heyi ɖagblɔ na dukɔ sia be:
10 Na dukɔ sia ƒe dzi naku atri,+
Tu woƒe towo,+
Eye nàtre woƒe ŋkuwo,
Ne woagakpɔ nu kple woƒe ŋkuwo,
Ase nu kple woƒe towo,
Eye woase nu gɔme kple woƒe dzi,
Ne woatrɔ be woada gbe le wo ŋu o.”+
11 Eye megblɔ be: “Oo Yehowa, va se ɖe ɣekaɣi?” Eye wòɖo eŋu be:
“Va se ɖe esime duwo nagbã azu aƒedo, eye ame aɖeke maganɔ wo me o,
Va se ɖe esime aƒewo katã naɖi gbɔlo,
Eye anyigba la nazu gbegbe;+
12 Va se ɖe esime Yehowa nanya amegbetɔwo ɖo ɖe didiƒe ʋĩi,+
Eye anyigba la nazu gbegbe sɔŋ.
13 “Togbɔ be amewo me mama ɖe ewo ƒe akpa ɖeka asusɔ ɖe edzi hã la, woagatɔ dzoe, eye wòanɔ abe ati gã alo logoti si ne wolãe la, takpoea tsia anyi ene; dzidzime kɔkɔe aɖee anye takpoea.”
7 Le Ahaz,+ Yotam vi, Uziya vi, ame si nye Yuda-fia ŋɔli la, Siria-fia Rezin kple Israel-fia Peka,+ Remaliya vi, ho ɖe Yerusalem ŋu be yewoawɔ aʋa kplii, ke mete ŋu* ɖu edzi o.+ 2 Eye wova gblɔ na David ƒe aƒe la be: “Siria ƒe aʋakɔ va wɔ ɖeka kple Efrayim ƒe aʋakɔ.”
Ale Ahaz kple eƒe amewo ƒe dzi ʋuʋu abe ale si avemetiwo ʋuʋuna le ya nu ene.
3 Eye Yehowa gblɔ na Yesaya be: “Meɖe kuku, wò kple viwò Sear-Yasub*+ mido go yi ɖakpe Ahaz le dzigbeta+ la ƒe tɔʋu ƒe mlɔenu le avɔnyala ƒe agblemɔ gã la to. 4 Eye nàgblɔ nɛ be: ‘Lé ɖokuiwò, nànɔ anyi kpoo. Mègavɔ̃ o, eye mègana dzi naɖe le ƒowò le dzoti takpoe eve siawo, siwo le dzudzɔ tum, siwo nye Siria-fia Rezin kple Remaliya vi+ la ƒe dziku ta o. 5 Elabena Siria kple Efrayim kpakple Remaliya vi la ɖo vɔ̃ ɖe ŋuwò gblɔ be, 6 “Mina míaho ɖe Yuda ŋu, míavuvui,* eye míadze edzi* ahaxɔe na mía ɖokui, ne míatsɔ Tabeel vi aɖo fiae ɖe enu.”+
7 “‘Ale Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa gblɔe nye esi:
Madze edzi o,
Eye madzɔ hã o.
8 Elabena Siria ƒe tae nye Damasko,
Eye Damasko ƒe tae nye Rezin.
Le ƒe blaade vɔ atɔ̃ pɛ ko me la,
Woagbã Efrayim gudugudu, eye maganye dukɔ azɔ o.+
Ne miexɔe se o la,
Ekema miali ke o.”’”
10 Eye Yehowa gagblɔ na Ahaz be: 11 Bia dzesi tso Yehowa wò Mawu la gbɔ;+ ate ŋu agoglo abe Tsiẽƒe* ene alo akɔkɔ abe dziƒo ene.” 12 Ke Ahaz gblɔ be: “Nyemabia o, eye nyemado Yehowa kpɔ hã o.”
13 Eye Yesaya gblɔ be: “Oo, David ƒe aƒe, meɖe kuku, misee. Nu tsɛ wònye be miedo amewo ƒe dzigbɔɖi kpɔ hafi miebe yewoado Mawu hã ƒe dzigbɔɖi kpɔa?+ 14 Eya ta Yehowa ŋutɔ ana dzesi mi: Kpɔ ɖa! Ðetugbui afɔ fu adzi ŋutsuvi;+ eye wòana ŋkɔe be Imanuel.*+ 15 Anɔ notsi kpekẽ kple anyitsi nom hafi ava nya vɔ̃tsitsri kple nyuitiatia. 16 Elabena hafi ɖevi la nava nya vɔ̃tsitsri kple nyuitiatia la, fia eve siwo le ŋɔ dzim na wò la ƒe anyigba aɖi gbɔlo.+ 17 Yehowa ahe ɣeyiɣi sesẽ siwo tɔgbi meva kpɔ tso gbe si gbe Efrayim klã ɖa tso Yuda gbɔ+ o la, ava wò ŋutɔ kple wò dukɔ la kpakple fofowò ƒe aƒe la dzi, elabena akplɔ Asiria-fia aƒu wò.+
18 “Le ŋkeke ma dzi la, Yehowa alia aku ayɔ nu dzodzoe siwo le Egipte ƒe Nil-tɔsisi la ƒe alɔdze siwo le adzɔge ke kple anyi siwo le Asiria-nyigba dzi, 19 eye wo katã woava ƒo ɖe tɔʋu globowo, agatowo kple ŋuvewo katã me kple tsiteƒewo katã.
20 “Gbe ma gbe la, Yehowa azã talũhɛ si Ahaz da tso Tɔsisi* la ƒe nuto me, si nye Asiria-fia,+ atsɔ alũ ɖa le ta nɛ, alũ fu le afɔ ŋu nɛ ahaƒlɔ ge nɛ keŋkeŋ.
21 “Gbe ma gbe la, ame ɖeka axɔ nyinɔe kple alẽ eve ɖe agbe. 22 Eye le esi notsi bɔ ta la, ano notsi kpekẽ, elabena notsi kpekẽ kple anyitsi koe ame siwo katã susɔ ɖe anyigba la dzi la ano.
23 “Gbe ma gbe la, afi sia afi si wainka akpe ɖeka le tsã, eye wòxɔa klosalo akpe ɖeka la, ŋùwo kple gbewo amie ɖe wo teƒe. 24 Aŋutrɔ kple da ye amewo atsɔ hafi ayi afi ma, elabena ŋù kple gbe sɔŋ koe axɔ anyigba blibo la katã dzi. 25 Eye miagayi to siwo katã dzi wotsɔa kodzi ŋlɔna tsã la dzi o, le vɔvɔ̃ na ŋùwo kple gbewo ta; eye woazu nyiwo ƒe gbeɖuƒe kple alẽwo toƒe.”
8 Eye Yehowa gblɔ nam be: “Tsɔ nuŋlɔkpe gã aɖe,+ eye nàtsɔ nuŋlɔti* aŋlɔ ɖe edzi be: ‘Maher-Salal-Has-Baz.’* 2 Eye na nye ɖasefo wɔnuteƒe, siwo nye nunɔla Uriya+ kple Zakariya, Yeberekiya vi, naŋlɔ nu aɖo kpe edzi.”*
3 Eye medɔ kple nyɔnunyagblɔɖila la,* eye wòfɔ fu dzi ŋutsuvi.+ Eye Yehowa gblɔ nam be: “Tsɔ ŋkɔ nɛ be Maher-Salal-Has-Baz, 4 elabena hafi ɖevi la nanya ‘Papa!’ kple ‘Dada!’ yɔyɔ la, woalɔ Damasko ƒe kesinɔnuwo kple Samaria ƒe aboyonuwo ayi Asiria-fia gbɔe.”+
5 Yehowa gagblɔ nam be:
6 “Esi dukɔ sia gbe Siloa* tsi siwo sina blewu,+
Eye wole aseye tsom ɖe Rezin kple Remaliya vi+ ŋu ta la,
7 Kpɔ ɖa, Yehowa akplɔ
Tɔsisi* la ƒe tsi gã sẽŋuawo,
Siwo nye Asiria-fia+ kple eƒe bubu la katã, ava ƒo ɖe wo dzi.
Aɖɔ agbagba asi ava yi, aɖɔ va se ɖe ve ke.+
Eƒe aʋala siwo ke la, asɔ ɖe wò anyigba ƒe kekeme nu!”
9 Oo, dukɔwo, miwɔ vɔ̃, gake woagbã mi gudugudu;
Mi ame siwo katã le didiƒewo le anyigba dzi la, miƒu to anyi!
Mibla aʋakpa,* gake woagbã mi gudugudu!+
Mibla aʋakpa, gake woagbã mi gudugudu!
10 Mide adaŋu, gake woagblẽ eme.
11 Yehowa ƒe asi sẽ ɖe dzinye eye wògbe nam be magazɔ dukɔ sia ƒe mɔ dzi o hegblɔ nam be:
12 “Migayɔ nu si dukɔ sia le yɔyɔm be, ‘Nugbeɖoɖo!’ la be ‘Nugbeɖoɖo!’ o,
Migavɔ̃ nu si vɔ̃m wole la o;
Eye megadzi ŋɔ na mi o.
14 Azu kɔkɔeƒe;
Gake anye kpe si woakli
Kple agakpe
Si Israel ƒe aƒe eveawo akli,+
Eye wòanye mɔ̃ kple adoboli
Na Yerusalem nɔlawo.
15 Wo dometɔ geɖewo akli nu adze anyi ahaŋe,
Eye woatre mɔ̃ na wo aɖe wo.
17 Manɔ Yehowa, ame si ɣla eƒe ŋkume ɖe Yakob ƒe aƒe+ la, sinu kpɔm,*+ eye manɔ mɔ kpɔm nɛ.
18 Kpɔ ɖa! Nye kple vi siwo Yehowa nam la,+ míenye dzesi+ kple nukunu le Israel tso aʋakɔwo ƒe Yehowa, ame si le Zion To dzi la gbɔ.
19 Eye ne wogblɔ na mi be: “Mibia nu ŋɔliyɔlawo alo nukalawo, ame siwo nɔa ŋɔtimegbee kple dalĩ dom” la, ɖe dukɔ mabia nu eƒe Mawu oa? Ðe woabia nu ta se le kukuawo gbɔ na agbagbeawoa?+ 20 Ele be woatrɔ ɖe se la kple ɖaseɖiɖi ƒe nuŋlɔɖi* la boŋ ŋu!
Ne womeƒo nu alea o la, womakpɔ kekeli o.*+ 21 Wo dometɔ ɖe sia ɖe anɔ tsaglãla tsam le anyigba la dzi, nu ate eŋu, eye dɔ awui;+ esi dɔ le ewum, eye wòdo dziku ta la, afɔ mo dzi ado ɖiŋu na Fia la kple eƒe Mawu. 22 Eye ne etrɔ mo ɖe anyigba dzi la, xaxa kple viviti, tsizi, nɔnɔme sesẽwo kple blukɔ tsiɖitsiɖi si me kekeli aɖeke mele o la koe wòakpɔ.
9 Ke hã viviti la manɔ abe tsã esime anyigba la ɖo xaxa me, eye wodo vlo Zebulon-nyigba kple Naftali-nyigba la ene o.+ Gake emegbe ana woade bubu anyigba ma, ƒutamɔ si le Yordan nuto me, si nye dukɔwo ƒe Galilea, la ŋu.
2 Dukɔ si nɔ viviti me zɔm la,
Kpɔ kekeli gã aɖe.
Eye ame siwo le anyigba si dzi blukɔ do ɖo la,
Kekeli klẽ na wo.+
3 Èna dukɔ la dzi ɖe edzi;
Èna wòkpɔ dzidzɔ gã aɖe.
Wokpɔ dzidzɔ le ŋkuwòme
Abe ale si wokpɔa dzidzɔ le nuŋeɣi ene,
Abe ale si wotsoa aseye ne wole aboyonu mam ene.
4 Elabena èŋe woƒe agba ƒe kɔkuti,
Ati si le woƒe abɔta kple ame si ƒoa du ɖe wo nu be woawɔ dɔ la ƒe ameƒoti,
Abe ale si wònɔ le Midian+ ŋɔli ene.
Eye woayɔ eŋkɔ be Aɖaŋuɖola Bibi,+ Mawu Ŋusẽtɔ,+ Fofo Mavɔ, Ŋutifafafia.
7 Eƒe dziɖuɖu akeke ta,
Eye seɖoƒe manɔe na ŋutifafa+
Le David ƒe fiazikpui dzi+ kple eƒe fiaɖuƒe la me o,
Ne wòali kee+ ahalée ɖe te
To nu dzɔdzɔe wɔwɔ+ kple dzɔdzɔenyenye+ dzi,
Tso fifia yi mavɔmavɔ me.
Aʋakɔwo ƒe Yehowa ƒe dzonɔameme awɔ esia ade goe.
9 Dukɔwo katã adze sii,
—Efrayim kple Samaria nɔlawo adze sii—
Ame siwo gblɔ le woƒe dada kple dzimesesẽ me be:
Gbotiwoe wolã,
Ke sedertiwoe míatsɔ aɖɔli woe.”
11 Yehowa ana Rezin ƒe ketɔwo natso ɖe eŋu,
Eye wòade adã tame na eƒe futɔwo,
12 Siriatɔwo atso ɣedzeƒe eye Filistitɔwo atso ɣetoɖoƒe,*+
Woake nu aɖu Israel wòavɔ keŋkeŋ.+
Esiawo katã megbe hã la, eƒe dɔmedzoe nu mefa o,
Eƒe alɔ gale dzi kokoko be yeaƒo wo.+
16 Dukɔ sia kplɔlawo kplɔ wo trae,
Eye wole ame siwo kplɔm wole la tɔtɔm.
17 Esia tae Yehowa makpɔ dzidzɔ ɖe woƒe ɖekakpuiwo ŋu o,
Eye makpɔ nublanui na woƒe tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo o,
Elabena wo katã wonye xɔsegbelawo kple nu vɔ̃ɖi wɔlawo,+
Eye ame sia ame ƒe nu gblɔa bometsinya.
Esiawo katã megbe hã la, eƒe dɔmedzoe nu mefa o,
Eƒe alɔ gale dzi kokoko be yeaƒo wo.+
18 Elabena vɔ̃ɖinyenye le bibim abe dzo ene,
Le ŋùwo kple gbewo fiãm.
Abi avekɔewo,
Eye dzudzɔ ade dzi kɔtɔɔ.
Ame aɖeke makpɔ nublanui na nɔvia gɔ̃ hã o.
Woawɔ ɖeka atso ɖe Yuda ŋu.+
Esiawo katã megbe hã la, eƒe dɔmedzoe nu mefa o,
Eƒe alɔ gale dzi kokoko be yeaƒo wo.+
10 Baba na ame siwo dea se siwo agblẽ nu le amewo ŋu,+
Eye wonɔa se siwo woatsɔ ate amewo ɖe anyi la ŋɔŋlɔ dzi,
2 Ne woate ame tsɛwo ƒe nyawo ɖe to,
Ne woagbe nya dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ na nye dukɔ la ƒe ame tsɛwo,+
Ne ahosiwo nazu woƒe aboyonu,
Eye tsyɔ̃eviwo nazu woƒe nuhaha!+
4 Naneke masusɔ wu be miado dɔgɔ̃e ɖe gamenɔlawo dome o,
Alo miaku atsi ame tsiaʋawo dome.
Esiawo katã megbe hã la, eƒe dɔmedzoe nu mefa o,
Eƒe alɔ gale dzi kokoko be yeaƒo wo.+
Enye ameƒoti si matsɔ aɖe nye dziku afia,+
Eye nye fɔbuame ƒe ati le woƒe asi me!
6 Madɔe ɖe dukɔ gbexɔse la ŋu,+
Ðe dukɔ si do dziku nam la ŋu;
Made se nɛ wòaha nu geɖe ahada adzo nu geɖe,
Eye wòafanya wo abe ba le kpɔdomee ene.+
7 Gake eya masusui alea o,
Eye maɖoe ɖe dzi me alea hã o;
Elabena ele dzi me nɛ be yeagblẽ nu,
Eye yeatsrɔ̃ dukɔ geɖewo, menye dukɔ ʋɛ aɖewo ko o.
9 Ðe Kalno+ mele abe Karkemis+ ene oa?
Ðe Hamat+ mele abe Arpad+ ene oa?
Ðe Samaria+ mele abe Damasko+ ene oa?
10 Nye asi su mawu maɖinuwo ƒe fiaɖuƒewo dzi,
Siwo ƒe legbawo sɔ gbɔ wu esiwo le Yerusalem kple Samaria!+
12 “Ne Yehowa wu eƒe dɔwo katã nu le Zion To dzi kple Yerusalem vɔ la, ahe* to na Asiria-fia ɖe eƒe dzimesesẽ kple eƒe dadaŋkuwo ta.+ 13 Elabena egblɔ be,
‘Nye asi ƒe ŋusẽ
Kple nye nunyae matsɔ awɔ esiae, elabena nunyalae menye.
14 Ale si woƒoa asi ɖe xevitɔ mee la,
Nenemae nye asi asu dukɔwo ƒe nunɔamesiwo dzi;
Ale si wolɔa xevizi siwo wogblẽ ɖi la,
Nenemae malɔ anyigba blibo lae!
Ame aɖeke maƒo aʋala ake nu alo axlɔ̃ o.’”
15 Ðe fía ado eɖokui ɖe dzi ɖe ame si tsɔe le nu lãmee ŋua?
Ðe laxalaxa ado eɖokui ɖe dzi ɖe ame si le ehem la ŋua?
Ðe atizɔti+ ate ŋu anyè ame si le ezãm laa?
Ðe ati ate ŋu akɔ ame si menye ati o la ɖe dzia?
16 Eya ta Aƒetɔ vavã, aʋakɔwo ƒe Yehowa
Ana Asiria ƒe ame damiwo naɖi ku glaŋglaŋ,+
Ado dzo ɖe eƒe bubu te wòabi vlavlavla.+
17 Israel ƒe Kekeli+ azu dzo,+
Eye eƒe Kɔkɔetɔ la azu dzoƒaɖe;
Alé eye wòafiã eƒe gbewo kple ŋùwo le ŋkeke ɖeka dzi.
18 Atsrɔ̃ eƒe ave kple eƒe atikutsetsebɔ dzeaniawo keŋkeŋ;*
Anɔ abe ale si dɔnɔ ɖia ku glaŋglaŋ ene.+
19 Eye ati siwo susɔ ɖe eƒe avewo me la
Anɔ ʋɛ ale gbegbe be ɖevi sue ɖeka pɛ ate ŋu axlẽ wo aŋlɔ ɖi.
20 Le ŋkeke ma dzi la, Israel ƒe ame siwo susɔ
Kple Yakob ƒe aƒe la me tɔ siwo tsi agbe
Magaziɔ ɖe ame si ƒo wo la ŋu azɔ o;+
Ke boŋ woaziɔ ɖe Yehowa,
Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ŋu le nyateƒe me.
23 Ɛ̃, Aƒetɔ Dziɖulagã, aʋakɔwo ƒe Yehowa, ahe tsɔtsrɔ̃ si wòɖo kplikpaa la
Ava anyigba blibo la katã dzi.+
24 Eya ta ale Aƒetɔ Dziɖulagã, aʋakɔwo ƒe Yehowa, gblɔe nye esi: “Nye dukɔ si le Zion, migavɔ̃ Asiriatɔ si tsɔ ati ƒo mi,+ eye wòɖe kpo ɖe mia dzi abe ale si Egipte wɔ ene la o.+ 25 Elabena ekpɔtɔ vie ko fɔbubu la nu nayi, eye matrɔ nye dziku la ɖe wo tsɔtsrɔ̃ ŋu.+ 26 Aʋakɔwo ƒe Yehowa aɖe atam ɖe edzi,+ abe ale si wòɖu Midian dzi le Oreb-gakpe+ la gbɔ ene. Eƒe atikplɔ anɔ atsiaƒu dzi, eye wòadoe ɖe dzi abe ale si wòwɔe ɖe Egipte ŋu ene.+
27 “Le ŋkeke ma dzi la, eƒe agba aɖe ɖa le wò abɔta,+
Eye eƒe kɔkuti aɖe ɖa le wò kɔ,+
Eye amidada ana kɔkuti la naŋe.”+
30 Oo, Galim vinyɔnu, do boboe!
Oo, Laisa, ƒu to anyi!
Oo, wò, nublanuitɔ Anatot!+
31 Madmena si dzo.
Gebim nɔlawo yi ɖabe.
Eŋlɔ kɔ́ henyèe ɖe Zion vinyɔnu ƒe to la ŋu,
Ðe Yerusalem ƒe togbɛ la ŋu.
33 Kpɔ ɖa! Aƒetɔ vavã, aʋakɔwo ƒe Yehowa,
Alã atilɔwo woamu gbloo;+
Atso ati siwo de dzi bobobo,
Eye wòamu kɔkɔtɔwo aƒu anyi.
34 Etsɔ lãnu* ƒo avekɔewo,
Eye ŋusẽtɔ aɖe amu Lebanon aƒu anyi.
Nunya+ kple gɔmesese ƒe gbɔgbɔ,
Adaŋudede kple ŋusẽ ƒe gbɔgbɔ,+
Sidzedze kple Yehowa vɔvɔ̃ ƒe gbɔgbɔ anɔ edzi.
Madrɔ̃ ʋɔnu ɖe nu si eƒe ŋkuwo kpɔ la nu o,
Eye maka mo na ame le nu si eƒe to se la ɖeɖe ko nu o.+
4 Adrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe na ame tsɛwo,
Eye wòaka mo na amewo ɖe eteƒe, le ame fafa siwo le anyigba dzi la ta.
Eye lãklẽ atsyɔ akɔ ɖe gbɔ̃vi gbɔ,
Nyivi kple dzata* kpakple lã dami woanɔ wo nɔewo gbɔ;*+
Eye ŋutsuvi sue aɖe akplɔ wo.
7 Nyinɔ kple sisiblisi aɖu gbe le teƒe ɖeka,
Eye wo viwo atsyɔ akɔ ɖe wo nɔewo gbɔ.
Dzata aɖu gbe abe nyi ene.+
8 Ðevi nono afe le ƒli ƒe do nu,
Eye ɖevi si wotso no na la atsyɔ asi da vɔ̃ɖi ƒe do nu.
Eye womahe gbegblẽ ava nye to kɔkɔe blibo la dzi o,+
Elabena sidzedze Yehowa axɔ anyigba la dzi,
Abe ale si tsi yɔ atsiaƒu mee ene.+
10 Gbe ma gbe Isai ƒe ke ado+ anye dzesi na dukɔwo.+
11 Gbe ma gbe la, Yehowa ado eƒe asi ɖa zi evelia, eye wòakplɔ eƒe dukɔ la ƒe ame susɔe siwo kpɔtɔ la tso Asiria,+ Egipte,+ Patros,+ Kus,+ Elam,+ Sinar,* Hamat kple atsiaƒu me ƒukpowo dzi.+ 12 Ado dzesiti ɖe dzi na dukɔwo, eye wòaƒo Israel ƒe ame siwo wokaka la nu ƒu,+ eye wòaƒo Yuda ƒe ame siwo woka hlẽ la nu ƒu tso anyigba ƒe go eneawo dzi.+
Efrayim maʋã ŋu Yuda o,
Eye Yuda hã malé fu Efrayim o.+
Le eƒe gbɔgbɔ ƒe dzoxɔxɔ me la, aƒo eƒe tɔʋu adreawo,*
Eye wòana amewo nanɔ woƒe afɔkpa me atsoe.
16 Mɔ gã+ aɖe atso Asiria na eƒe dukɔ la ƒe ame susɔe siwo akpɔtɔ,+
Abe ale si wònɔ na Israel le gbe si gbe woʋu tso Egipte-nyigba dzi ene.
12 Gbe ma gbe àgblɔ godoo be:
“Oo Yehowa, meda akpe na wò,
Elabena togbɔ be èdo dziku ɖe ŋunye hã la,
Wò dzikua nu fa, eye nèfa akɔ nam.+
2 Kpɔ ɖa! Mawue nye nye xɔnametɔ.+
Maɖo ŋu ɖe eŋu, dzika matso ƒonye o;+
Elabena Yah* Yehowae nye nye ŋutete kple nye ŋusẽ,
Eye eya zu nye xɔnametɔ.”+
3 Miatsɔ dzidzɔ adu tsi
Le xɔname ƒe tsidzɔƒewo.+
4 Miagblɔ gbe ma gbe be:
“Mida akpe na Yehowa, miyɔ eŋkɔ,
Miɖe eƒe nuwɔwɔwo fia le dukɔwo dome!+
Miɖe gbeƒã be eƒe ŋkɔ de dzi.+
5 Midzi kafukafuhawo* na Yehowa,+ elabena ewɔ nu dzɔtsuwo.+
Mina woanya esia le anyigba blibo la katã dzi.
13 Nya si Yesaya, Amoz vi, kpɔ ɖe Babilon ŋu+ le ŋutega mee nye esi:
2 “Mitu dzesiti+ ɖe to ƒeƒle tame.
Mido ɣli yɔ wo, mimia asi wo,
Ne woava bubumewo ƒe agbowo nu.
Meyɔ nye aʋakalẽawo, ne maɖe nye dɔmedzoe afia
Ame siwo le aseye tsom dadatɔe.
4 Mise ɖa! Hoowɔwɔ le ɖiɖim le towo dzi;
Abe ame gbogbo aɖewo ƒe hoowɔwɔ ene!
Mise ɖa! Fiaɖuƒewo,
Dukɔ siwo nu woƒo ƒu la ƒe hoowɔwɔ le ɖiɖim!+
Aʋakɔwo ƒe Yehowa le aʋakɔwo nu ƒom ƒu hena aʋawɔwɔ.+
5 Wotso anyigba didi aɖe dzi gbɔna,+
Tso dziƒowo ƒe mlɔenu,
Yehowa gbɔna kple eƒe dziku ƒe aʋawɔnuwo,
Be woatsrɔ̃ anyigba blibo la katã.+
6 Mifa avi, elabena Yehowa ƒe ŋkeke la tu aƒe!
Egbɔna abe Ŋusẽkatãtɔ la ƒe tsɔtsrɔ̃ ene.+
Wole ƒoƒom tititi le veve sem;
Abe nyɔnu si le ku lém ene.
Wofɔ ŋku ɖe wo nɔewo dzi gãa,
Eye vevesese na woƒe mo do ʋusrã.
9 Kpɔ ɖa! Yehowa ƒe ŋkeke la gbɔna
Egbɔna kple ŋutasesẽ le dɔmedzoe kpakple dziku helĩhelĩ me,
Ne wòana anyigba la nazu ŋɔdzinu,+
Eye wòatsrɔ̃ nu vɔ̃ wɔlawo ɖa le anyigba la dzi gbidii.
10 Elabena dziƒoɣletiviwo kple woƒe ɣletivihatsotsowo*+ gɔ̃ hã
Mana woƒe kekeli naklẽ o;
Ne ɣe dze la, ado viviti,
Eye dzinu maɖi o.
Mana dadalawo ƒe dada nu natso,
Eye mabɔbɔ ŋutasẽlawo ƒe ɖokuidodoɖedzi ɖe anyi.+
13 Esia tae mana dziƒo nadzo kpekpekpe,
Eye anyigba naʋuʋu le enɔƒe+
Le aʋakɔwo ƒe Yehowa ƒe dɔmedzoe kple dzikudogbe.
14 Abe sãde si wonya ɖe nu kple lãha si nu kplɔla mele o ene la,
Wo dometɔ ɖe sia ɖe aɖo ta eƒe dukɔ gbɔ;
Wo dometɔ ɖe sia ɖe asi ayi eƒe anyigba dzi.+
15 Woaƒo lãnu ɖe ame sia ame si ŋu woake ɖo,
Eye ame sia ame si woalé la atsi yi nu.+
17 “Kpɔ ɖa! Made adã tame na Mediatɔwo ɖe wo ŋu,+
Ame siwo mebua klosalo ɖe naneke me o,
Eye sika medzroa wo o.
19 Babilon, si nye fiaɖuƒewo ƒe atsyɔ̃,+
Kaldeatɔwo ƒe adegbeƒonu kple atsyɔ̃,+
Azu abe ale si Mawu trɔ Sodom kple Gomora bu anyi ene.+
Arabiatɔ aɖeke matu eƒe agbadɔ ɖe afi ma o,
Eye alẽkplɔlawo mana woƒe lãhawo natsyɔ akɔ ɖe afi ma o.
21 Lã siwo nɔa dzogbe la atsyɔ akɔ anyi ɖe afi ma;
Eye favieʋutowo ayɔ woƒe xɔwo me.
22 Lãwo anɔ xɔxlɔ̃m le eƒe xɔ tsralawo me,
Eye agbotoewo anɔ eƒe fiasã dzeaniawo me.
Eƒe azãgbe gogo, eye eƒe ŋkekewo mahe ɖe megbe o.”+
14 Elabena Yehowa akpɔ nublanui na Yakob,+ eye wòagatia Israel.+ Aɖo wo* woƒe anyigba dzi,+ amedzrowo awɔ ɖeka kpli wo ahaku ɖe Yakob ƒe aƒe la ŋu.+ 2 Dukɔ bubu me tɔwo akplɔ wo agbɔ va wo de, eye Israel ƒe aƒe la axɔ wo woazu etɔ ahanye eƒe dɔlaŋutsuwo kple dɔlanyɔnuwo+ le Yehowa ƒe anyigba dzi; woalé ame siwo ɖe aboyo wo la, eye woabɔbɔ ame siwo ƒoa du ɖe wo te be woawɔ dɔ tsã la ɖe anyi.
3 Gbe si gbe Yehowa ana gbɔdzɔe wò tso wò vevesese kple wò fuɖename kpakple dɔ sesẽ si wotsɔ do kluvi wòe me la,+ 4 àdo lo* sia ɖe Babilon-fia ŋu be:
“Aleke wɔ ame si ƒoa du ɖe amewo te be woawɔ dɔ tsã la nu yi ale!
Aleke ameteteɖeanyi nu tso ale!+
5 Yehowa ŋe ame vɔ̃ɖiwo ƒe ati,
Eŋe dziɖulawo ƒe atikplɔ,+
6 Ame si ƒoa dukɔwo le dɔmedzoe helĩhelĩ me atraɖii,+
Ame si bɔbɔa dukɔwo ɖe anyi le dziku me hetia wo yome madzudzɔmadzudzɔe.+
7 Anyigba bliboa kpɔ gbɔdzɔe azɔ, edzi fa.
Amewo de asi aseyetsotso me.+
8 Sesewuwo kple
Lebanon ƒe sedertiwo ke hã kpɔ dzidzɔ le tawò
Hele gbɔgblɔm be: ‘Tso esime nèdze anyi la,
Atitsola aɖeke megatso ɖe mía ŋu kpɔ o.’
Enyɔ ame siwo katã ŋu wɔna vɔ le le ku me la le tawò,
Anyigbadziɖula sẽŋutawo* katã.
Ena dukɔwo ƒe fiawo katã tso le woƒe zikpuiwo dzi.
10 Wo katã wobia wò be:
‘Ðe wò hã nèva gbɔdzɔ abe míawo ke enea?
Èva zu abe míawo ke enea?
Nyéviwo ɖo ɖe tewò abe aba ene;
Ŋɔwo tsyɔ dziwò.’
12 Aleke nège tso dziƒoe ale,
Oo, wò ame si le keklẽm, agudzevi!
Aleke wolã wò ƒu anyi ale,
Wò, ame si ɖu dukɔwo dzi!+
13 Ègblɔ le wò dzi me be: ‘Malia ayi dziƒowo.+
Mali nye fiazikpui anyi ɖe Mawu ƒe ɣletiviwo tame,+
Eye manɔ anyi ɖe takpeto la dzi
Le dziehe ʋĩi ke.+
14 Malia ayi alilikpowo tame;
Mawɔ ɖokuinye abe Dziƒoʋĩtɔ la ene.’
16 Ame siwo kpɔ wò la afɔ ŋku ɖe dziwò gãa;
Woalé ŋku ɖe ŋuwò nyuie ahabia be:
‘Ame si na anyigba la dzo nyanyanya,
Eye wòna fiaɖuƒewo ʋuʋu,+
17 Ame si na anyigba zu gbegbe,
Eye wògbã eƒe duwo,+
Ame si meɖea asi le eƒe gamenɔlawo ŋu woyia aƒe o lae nye esia?’+
18 Dukɔwo ƒe fia bubuawo katã,
Ɛ̃, wo katã womlɔ anyi le bubu me,
Wo dometɔ ɖe sia ɖe mlɔ eya ŋutɔ ƒe yɔdo* me.
19 Ke wotsɔ wò ya ƒu gbe, ɖiƒe meli na wò o,
Èle ko abe nu miemie* si wotsri ene,
Ame siwo tsi yi nu,
Siwo wotsɔ ƒu gbe ɖe kpetowo me la, tsyɔ dziwò,
Abe nu kuku si wofanya kple afɔ ene.
Womagayɔ ame vɔ̃ɖiwo ƒe dzidzimeviwo ŋkɔ gbeɖegbeɖe o.
21 “Midzra amewuƒe ɖo ɖi na viawo,
Le wo tɔgbuiwo ƒe fɔɖiɖi ta,
Ne woagatso axɔ anyigba la,
Eye woatso duwo ɖe anyigba la dzi keŋ o.”
22 Aʋakɔwo ƒe Yehowa gblɔ be: “Matso ɖe wo ŋu.+
Matsrɔ̃ ŋkɔ, ame susɔewo, viwo kple dzidzimeviwo ɖa le Babilon,”+ Yehowa ye gblɔe.
23 “Matsɔe awɔ hlɔ̃madewo nɔƒe kple tɔba me, eye matsɔ tsɔtsrɔ̃ ƒe xa akplɔe,”+ aʋakɔwo ƒe Yehowa ye gblɔe.
24 Aʋakɔwo ƒe Yehowa ka atam be:
“Nu si meɖo ɖe tame la, eyae adzɔ;
Ale si tututu meɖoe la, nenemae wòava emee.
Eƒe kɔkuti la aɖe ɖa le wo ŋu,
Eye eƒe agba la aɖe ɖa le woƒe abɔta.”+
Edo alɔ ɖe dzi,
Ame kae ate ŋu agbugbɔe?+
28 Le ƒe si me Fia Ahaz ku la,+ woɖe gbeƒã sia be:
29 “Filistia, mèganɔ dzidzɔ kpɔm o, mia dometɔ aɖeke meganɔ dzidzɔ kpɔm,
Be woŋe ati si le mia ƒom la o.
Elabena da vɔ̃ɖi ado tso da la ƒe kè me,+
Eye eƒe dzidzime anye da vɔ̃ɖi si lũa ʋɔ.
30 Ne ame tsɛwo ƒe ŋgɔgbeviwo ɖu nu,
Eye ame dahewo mlɔ anyi dedie la,
Matsɔ dɔtoto atsrɔ̃ wò kè,
Eye wò ame siwo susɔ la, woawu wo.+
31 Oo, agbo, fa avi sesĩe! Oo, du, do ɣli!
Oo, Filistia, dzi aɖe le mi katã mia ƒo!
Elabena dzudzɔ tu tso dziehe gbɔna,
Eye wo dometɔ aɖeke meɖe eɖokui ɖe aga le wo tɔwo ŋu o.”
32 Nya kae woatsɔ aɖo eŋu na dukɔ la ƒe ame dɔdɔawo?
Eyae nye be, Yehowa ɖo Zion gɔme anyi,+
Eye wòanye sitsoƒe na eƒe dukɔa ƒe hiãtɔwo.
Woha Ar+ si le Moab le zã me,
Eye ɖoɖoe zi le enu.
Woha Kir+ si le Moab le zã me,
Eye ɖoɖoe zi le enu.
Moab fa avi sesĩe le Nebo+ kple Medeba+ ta.
Wolũ tawo katã kolikoli;+ wolũ gewo katã.+
3 Wota akpanya le eƒe kpɔdomeewo.
Ame sia ame le konyifaɣli dom le xɔwo tame kple ablɔwo me;
Eye wole avi fam hehehe le yiyim.+
Esia tae Moab ƒe aʋawɔlawo le ɣli dom.
Ele* dzodzom nyanyanya.
5 Nye dzi le ɣli dom le Moab ta.
Eƒe aʋasilawo va ɖo Zoar+ kple Eglat-Selisiya+ ke.
Wole avi fam to Luhit todzimɔ dzi yina;
Wole ɣli dom bobobo le Horonayim mɔ la dzi le vɔ̃ la ta.+
7 Eya tae wotsɔ nu siwo susɔ ɖe woƒe nudzraɖoƒewo kple woƒe kesinɔnu siwo susɔ la dzoe;
Wotso amutitɔʋu la hedzo yi.
8 Elabena ɣli la ɖi le Moab nutoa katã me kpe ɖo.+
Konyifaɣli la de Eglaim ke;
Konyifaɣli la de Beer-Elim ke.
9 Elabena ʋu yɔ Dimon-tsiwo me fũu.
Eye magahe nu bubuwo ava Dimon dzi:
Makplɔ dzata ade Moab ƒe aʋasilawo
Kple ame siwo susɔ ɖe anyigba la dzi.+
16 Miɖo agbo ɖe anyigbadziɖula la,
Mikplɔe tso Sela miato gbegbe
Ayi Zion vinyɔnu ƒe to la dzi.
3 “Mide adaŋu, miwɔ nyametsotso la dzi.
Mina miaƒe vɔvɔli le ŋdɔkutsu dzatsɛ nanɔ abe zã ene.
Miɣla ame siwo ka hlẽ la; migade sisila aɖeke asi o.
4 Oo Moab, na nye ame siwo ka hlẽ la nanɔ mewò.
Nànye bebeƒe na wo tso nugblẽla la si me.+
Ameteɖeanyila nu ayi,
Gbegblẽ la nu atso,
Ame siwo le amewo fanyam la atsrɔ̃ ɖa le anyigba la dzi.
5 Ekema woatsɔ lɔlɔ̃ mavɔ ali ke fiazikpui aɖe.
Ame si abɔbɔ nɔ edzi le David ƒe agbadɔ me la anye nuteƒewɔla;+
Adrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe, eye wòatso kpla ɖe nu dzɔdzɔe wɔwɔ ŋu.”+
6 Míese Moab ŋkɔ be edana—edana ŋutɔ+—
Míese eƒe ɖokuidodoɖedzi, eƒe dada kple eƒe dɔmedzoedodo;+
Gake eƒe numeɖiɖi azu dzodzro.
Ame siwo woƒo la afa konyi vevie ɖe Kir-Hareset+ ƒe waintsetse ƒuƒu kɔwo ta.
8 Elabena Hesbon+ ƒe toŋugblewo yrɔ,
Sibma+ ƒe wainkawo,
Dukɔwo ƒe dziɖulawo fanya eƒe alɔ siwo dzi waintsetse nyuitɔwo le;
Wode Yazer+ ke;
Wovu ɖo gbegbe.
Eƒe alɔwo vu va ɖo atsiaƒu la gbɔ ke.
9 Esia tae mafa avi le Sibma ƒe wainka ŋu abe ale si mefa na Yazer ene.
Oo, Hesbon kple Eleale,+ mafa aɖatsi ɖe mia dzi,
Elabena ɣli si wodona ɖe miaƒe dzomeŋɔlikutsetsewo kple miaƒe nuŋeŋewo ŋu la nu yi.*
10 Woɖe dzidzɔ kple aseyetsotso ɖa le atikutsetsebɔ la me,
Eye aseyetsotso alo ɣli aɖeke mele ɖiɖim le waingblewo me o.+
Wainfiãla megafiãa wain le wainfiãnuwo me o.
Elabena metsi ɣlidodo nu.+
11 Esia tae nye dɔme le gbe ɖem ɖe Moab+ ŋu
Abe saŋku ƒe ɖiɖi ene,
Eye nye ƒodome hã le gbe ɖem ɖe Kir-Hareset+ ŋu.
12 Ne nu te Moab ŋu belibeli le togbɛ la dzi, eye wòva eƒe nuxeƒe la be yeado gbe ɖa hã la, eƒe gbedodoɖaa maɖe vi aɖeke o.+
13 Esiae nye nya si Yehowa gblɔ ɖe Moab ŋu tsã. 14 Azɔ Yehowa gblɔ be: “Le ƒe etɔ̃ me tututu, abe apaɖila ƒe ƒe ene la,* woaɖi gbɔ Moab ƒe atsyɔ̃ le zitɔtɔ ƒomevi geɖewo me, eye ame ʋɛ aɖewo koe asusɔ, eye womaɖi naneke o.”+
“Kpɔ ɖa! Damasko maganye du azɔ o,
Azu aƒedo.+
3 Du sesẽwo nu ayi le Efrayim,+
Fiaɖuƒe la nu ayi le Damasko;+
Eye Siria ƒe ame susɔeawo ƒe bubu
Nu ayi abe Israel-viwo tɔ ene,” aʋakɔwo ƒe Yehowa ye gblɔe.
4 “Gbe ma gbe la, Yakob ƒe bubu ayi to,
Eye eƒe ŋutilã dami la aɖi ku.
5 Anɔ abe ale si nuŋela ŋea nuku si le bo dzi,
Eye eƒe asi ŋea nukui ene,
Abe ame si le nuku siwo tsi agble me fɔm le Refaim Bali+ me la ene.
6 Nuku siwo woafɔ koe asusɔ,
Anɔ ko abe ale si woƒoa amiti ene:
Kutsetse ɖiɖi eve alo etɔ̃ koe tsia eƒe ɖɔme ɖaa.
Wo ame ene alo atɔ̃ koe anɔ alɔ tsekuawo dzi,”+ Yehowa, Israel ƒe Mawu, ye gblɔe.
7 Gbe ma gbe la, amegbetɔ atrɔ ɖe Ewɔla ŋu, eye eƒe ŋkuwo anɔ Israel Ƒe Kɔkɔetɔ la ŋu. 8 Matrɔ kɔ ɖe vɔsamlekpui+ siwo nye eƒe asinudɔwɔwɔ ŋu o;+ eye maɖe ŋku ɖe nu si eƒe asibidɛwo wɔ la o, eɖanye Aserawo alo nu siwo dzi wodoa dzudzɔ ɖo o.
9 Gbe ma gbe la, eƒe du sesẽawo azu abe teƒe si wogblẽ ɖi le ave me ene,+
Abe atilɔ si amewo gblẽ ɖi le Israel-viwo ŋgɔ ene;
Azu aƒedo.
Esia tae nède agble nyuiwo,
Eye nèdo ame tutɔ* ƒe nu miemie fẽwo ɖe wo me.
11 Ètɔ kpɔ ɖe wò agble ŋu le ŋkeke me,
Eye èna wò nuku la mie le ŋdi,
Gake màŋe nuku aɖeke o le dɔléle kple veve si nu matsi o ƒe ŋkeke la dzi.+
12 Mise ɖa! Dukɔ geɖewo le ʋunyaʋunya wɔm,
Wodze agbo abe atsiaƒu ene!
Dukɔwo ƒe hoowɔwɔ,
Wo ŋkɔ le ɖiɖim abe tɔ dzeagbowo ƒe hoowɔwɔ ene!
13 Dukɔwo ƒe hoowɔwɔ aɖi abe tsi geɖewo ƒe hoowɔwɔ ene.
Ablu ɖe wo ta, eye woasi ayi didiƒe ke,
Woanya wo ɖe nu abe tsro le ya nu le towo dzi,
Kple gbe ƒuƒu le ahom nu ene.
14 Fiẽ la, ŋɔdzi li.
Hafi ŋu nake la, womegali o.
Esiae nye ame siwo le mía ham la tɔ gome
Kple ame siwo le adzo dam mí la tɔ nua.
2 Edɔa amewo ɖa to atsiaƒu dzi,
Eye wonɔa aƒlaʋuwo me toa tɔwo dzi gblɔna be:
“Miheyi, mi dɔla ɖeablɛwo,
Miyi dukɔ, si dzɔ atsu ƒlalu, si ŋu zrɔ̃ la gbɔ,
Miyi dukɔ si wovɔ̃na na le afi sia afi,+
Dukɔ sesẽ si ɖua duwo dzi,*
Si ƒe anyigba tɔsisiwo kplɔ dzoe la gbɔ.”
3 Mi anyigbadzinɔlawo katã kple mi anyigbadzitɔwo,
Nu si miakpɔ la, anɔ abe dzesitie wotu ɖe towo dzi ene,
Eye miase gbeɖiɖi aɖe abe lãdzoe woku ene.
4 Elabena ale Yehowa gblɔ nam ye nye esi:
“Manɔ anyi kpoo anɔ nɔnyeƒe kpɔm,*
Anɔ abe dzoxɔxɔ gbãgbãgbã le ŋdɔ me ene,
Anɔ abe alilikpo si le zãmu dzam le nuŋeɣi ƒe dzoxɔxɔ me ene.
5 Elabena hafi nuŋeɣi naɖo,
Esime seƒoɣi nu yi, eye seƒoƒo la zu waintsetse ɖiɖi la,
Atsɔ hɛ gobɛ alã alɔ sueawo,
Eye woalã eƒe kaawo ahaɖe wo ɖa.
6 Woagblẽ wo katã ɖi na todzixe ƒonuwo
Kple anyigbadzilãwo.
Xe ƒonuwo anɔ edzi le dzomeŋɔli,
Eye anyigbadzilãwo katã anɔ edzi le nuŋeɣi.
7 “Ɣemaɣi la, woatsɔ nunana vɛ na aʋakɔwo ƒe Yehowa,
Tso dukɔ si dzɔ atsu ƒlalu, si ŋu zrɔ̃,
Dukɔ si wovɔ̃na na le afi sia afi,
Dukɔ sesẽ si ɖua duwo dzi,*
Si ƒe anyigba tɔsisiwo kplɔ dzoe la gbɔ
Yi Yehowa, aʋakɔwo ƒe Mawu la, ƒe ŋkɔ nɔƒe, Zion To la dzi.”+
Kpɔ ɖa! Yehowa le alilikpo ɖidu dzi gbɔna Egipte.
Egipte ƒe mawu maɖinuawo adzo nyanyanya le eŋkume,+
Eye dzi alólo ɖe dɔme na Egipte.
2 “Made adã tame na Egiptetɔ ɖe Egiptetɔ ŋu,
Wo dometɔ ɖe sia ɖe awɔ aʋa kple nɔvia,
Ame sia ame atso ɖe nɔvia kple ehavi ŋu,
Du ɖe du ŋu, fiaɖuƒe ɖe fiaɖuƒe ŋu.
Woatrɔ ɖe mawu maɖinuawo,
Gbesalawo, ŋɔliyɔlawo kple nukalawo ŋu.+
4 Matsɔ Egipte ade asi na aƒetɔ sẽŋuta aɖe,
Eye fia sẽŋuta aɖe aɖu wo dzi,”+ Aƒetɔ vavã, aʋakɔwo ƒe Yehowa, ye gblɔe.
5 Tsi ano le atsiaƒu me,
Tɔsisi amie, eye eme aƒu kplakplakpla.+
6 Tɔsisiwo aʋẽ kũu;
Egipte ƒe Nil-tɔʋuwo amie, eye wo me aƒu kplakplakpla.
Aɖa kple keti anyunyɔ.+
7 Gbe siwo le Nil-tɔsisia ŋu le Nil-tɔsisia ƒe azizã nu
Kple anyigba siwo katã dzi woƒã nuku ɖo le Nil-tɔsisia+ to la aƒu.+
Ya akplɔ wo adzoe, eye womaganɔ anyi o.
8 Tɔƒodelawo afa konyi,
Ame siwo doa ƒu* le Nil-tɔsisi me la axa nu,
Eye ame siwo daa asabu le tɔawo me la azu ʋɛ.
9 Ŋukpe alé ɖetitrelawo+
Kple aklalalɔ̃lawo.
10 Woagbã eƒe avɔlɔ̃lawo gudugudu;
Eye apadɔwɔlawo axa nu.*
Eye susu mele Farao ƒe adaŋudela nyanuwo ƒe adaŋudede me o.+
Aleke wɔ miagblɔ na Farao be:
“Nunyalawo ƒe vie menye,
Blemafiawo ƒe vie menye”?
12 Afi kae wò nunyalawo le azɔ?+
Ne wonya la, wonegblɔ tame si aʋakɔwo ƒe Yehowa ɖo ɖe Egipte ŋu la na wò.
Eye wokplɔ Egipte trae le nu sia nu si wòwɔna la me,
Abe ale si ahamula nɔa yiyim sagasaga le eƒe xeɖeɖe me ene.
16 Gbe ma gbe la, Egipte anɔ abe nyɔnu ene, adzo nyanyanya, eye ŋɔdzi alée le aʋakɔwo ƒe Yehowa ƒe asi si wòdo ɖe dzi ɖe eŋuti la ta. + 17 Yuda-nyigba la azu ŋɔdzi na Egipte. Ne woyɔ eŋkɔ la, vɔvɔ̃ aɖo wo le tame si aʋakɔwo ƒe Yehowa ɖo ɖe eŋu la ta.+
18 Gbe ma gbe la, du atɔ̃ anɔ Egipte-nyigba dzi, siwo ado Kanaangbe,+ eye woaka atam na aʋakɔwo ƒe Yehowa be yewoawɔ nuteƒe nɛ. Woayɔ duawo dometɔ ɖeka be Nugbãdu.
19 Gbe ma gbe la, vɔsamlekpui anɔ Egipte-nyigbaa titina na Yehowa, eye sɔti anɔ eƒe liƒo dzi na Yehowa. 20 Anye dzesi kple ɖase na aʋakɔwo ƒe Yehowa le Egipte-nyigba dzi; elabena woado ɣli ayɔ Yehowa le ameteɖeanyilawo ta, eye wòaɖo xɔnametɔ gã aɖe ɖe wo, ame si aɖe wo. 21 Yehowa aɖe eɖokui afia Egiptetɔwo, Egiptetɔwo adze si Yehowa gbe ma gbe, eye woasa vɔwo ahana nuwo, woaɖe adzɔgbe na Yehowa eye woawɔ edzi. 22 Yehowa atu nu kple Egipte.+ Atu nu kplii, eye wòagada gbe le eŋu; woatrɔ ɖe Yehowa ŋu, eye wòase woƒe kukuɖeɖe la, ada gbe le wo ŋu.
23 Gbe ma gbe la, mɔ gã+ aɖe atso Egipte ayi Asiria. Asiria ava Egipte, eye Egipte ayi Asiria; eye Egipte kple Asiria awɔ ɖeka asubɔ Mawu. 24 Gbe ma gbe la, Israel anye etɔ̃lia akpe ɖe Egipte kple Asiria ŋu,+ eye wòanye yayra le anyigba la titina, 25 elabena aʋakɔwo ƒe Yehowa ayra wo agblɔ be: “Woayra nye dukɔ Egipte, nye asinudɔwɔwɔ Asiria kple nye domenyinu Israel.”+
20 Le ƒe si me Asiria-fia Sargon dɔ Tartan* wòva Asdod+ la, ewɔ aʋa kple Asdod hexɔe.+ 2 Ɣemaɣie Yehowa de gbe asi na Yesaya,+ Amoz vi be: “Heyi nàɖe akpanya le ali; eye nàɖe wò afɔkpawo le afɔ.” Eye wòwɔe nenema heɖe ama* le afɔ ƒuƒlu le yiyim.
3 Eye Yehowa gagblɔ be: “Ale si nye subɔla Yesaya ɖe ama hele afɔ ƒuƒlu le yiyim ƒe etɔ̃ sɔŋ, wònye dzesi+ kple nukunu ɖe Egipte+ kple Etiopia+ ŋu la, 4 nenemae Asiria-fia akplɔ Egipte+ ƒe aboyomewo kple Etiopia ƒe aboyomewo adzoe, ŋutsuviwo kple amegãɖeɖiwo siaa, woaɖe ama anɔ afɔ ƒuƒlu, eye woƒe gbinu atsi ƒeƒle, wòanye amaɖeɖe* Egipte. 5 Dzika atso wo ƒo, eye ŋukpe alé wo le Etiopia si ŋu woɖo ŋu ɖo kple Egipte si nye woƒe dada* la ŋu. 6 Gbe ma gbe la, ƒutanyigba sia dzi nɔlawo agblɔ be: ‘Mikpɔ nu si dzɔ ɖe ame si dzi míeda míaƒe mɔkpɔkpɔ ɖo, si gbɔ míesi yi be wòaxɔ na mí tso Asiria-fia si me la dzi ɖa! Aleke míawɔ asi fifia?’”
21 Nya ɖe gbegbe si le ƒuta la ŋu:*+
Egbɔna abe ahom si tu tso anyiehe ene,
Tso gbegbe, tso anyigba dziŋɔ aɖe dzi.+
2 Woɖe ŋutega dziŋɔ aɖe fiam:
Ametatrɔla le ame ta trɔm,
Eye nugblẽla le nu gblẽm.
Elam, ho yi! Media, ɖe to ɖee!+
Matsi hũɖeɖe siwo katã wòhe vɛ la nu.+
Mele veve sem
Abe nyɔnu funɔ si le ku lém ene.
Metɔtɔ ale gbegbe be nyemegale nu sem o;
Dzidzi ƒom ale gbegbe be nyemegale nu kpɔm o.
4 Nye dzi ʋuʋu; ŋɔdzi na nye lãme le ƒoƒom kpakpakpa.
Fiẽ si mekpɔa mɔ na vevie la zu ŋɔdzi nam.
5 Miɖo kplɔ̃, miɖo zikpuiawo!
Miɖu nu miano nu!+
Mi amegãwo, mitso, misi ami na akpoxɔnu!
6 Elabena ale Yehowa gblɔ nam ye nye esi:
“Yi nàɖo gbetakpɔla, ne nàna wòagblɔ nu si wòkpɔ.”
Eɖo ŋku anyi heƒu to anyi vevie.
8 Eye wòɖe gbe abe dzata ene be:
“Oo Yehowa, metɔ ɖe gbetakpɔxɔ la dzi ɖaa le ŋkeke me,
Eye mele nye dzɔƒe zã sia zã.+
9 Kpɔ nu si gbɔna ɖa:
Ŋutsuwo le aʋatasiaɖam si hem sɔ eve le la me!”+
Eye wòdo ɣli gblɔ be:
“Emu loo! Babilon mu!+
Egbã eƒe mawuwo ƒe legbawo katã ƒu anyi!”+
10 Oo, nye ame siwo woƒo,
Megblɔ nya si mese tso aʋakɔwo ƒe Yehowa, Israel ƒe Mawu gbɔ la na mi.
Ame aɖe do ɣli le yɔyem tso Seir be:+
“Dzɔla, zã va yi vɔa?
Dzɔla, zã va yi vɔa?”
12 Dzɔla la ɖo eŋu be:
“Ŋu le keke ge, eye zã agado.
Ne miedi be yewoabia la, mibia.
Migava faa!”
13 Nya ɖe tagba ŋu:
Oo, mi Dedan mɔzɔhawo,+
Miatsi ave me adɔ le tagba.
15 Elabena yi nue wosi le, yi si woɖe le aku me,
Dati si me wovu, kple aʋa la ƒe nyanyra nue wosi le.
16 Elabena ale Yehowa gblɔ nam ye nye esi: “Le ƒe ɖeka me tututu, abe apadɔwɔla ƒe ƒe ene* la, Kedar ƒe ŋutikɔkɔe+ la katã nu ayi. 17 Kedar ƒe aʋawɔla, aŋutrɔdala susɔeawo, azu ʋɛ, elabena Yehowa, Israel ƒe Mawu, ye gblɔe.”
Nya kae dzɔ ɖe dziwò, hafi mi katã mieyi xɔ ta?
2 Zitɔtɔ yɔ mewò fũu,
Hoowɔwɔ kple aseyetsotso ƒe du.
Wò ame siwo wowu la, menye yi nue wotsi o,
Eye menye aʋa mee woku le hã o.+
3 Wò dziɖula ŋutasẽlawo katã si le ɣeyiɣi ɖeka me.+
Wolé wo dati mazamazãe.
Wolé ame siwo wokpɔ la katã.+
Togbɔ be wosi yi didiƒe ke hã.
5 Elabena tɔtɔ, tsɔtsrɔ̃ kple dzodzo nyanyanya ƒe ŋkekee wònye+
Tso Aƒetɔ Dziɖulagã, aʋakɔwo ƒe Yehowa gbɔ
Le Ŋutegabali la me.
Wole gli gbãm,+
Eye ɣli ɖi ɖo ɖe to la gbɔ.
7 Aʋatasiaɖamwo
Ayɔ wò bali nyuitɔwo me fũu,
Eye sɔwo* atɔ ɖe dugbo la nu,
8 Eye woaɖe Yuda ƒe takpɔnu ɖa.
“Gbe ma gbe la, àkpɔ Avexɔ+ la ƒe aʋawɔnuwo dzraɖoƒe ɖo ɖa, 9 eye miakpɔ David Ƒe Du la ƒe gbagbãƒe geɖeawo.+ Eye miaƒo anyigbeta la ƒe tsiwo nu ƒu.+ 10 Miaxlẽ Yerusalem xɔwo, eye miagbã xɔwo be miatsɔ ali ke gliawoe. 11 Miaɖe tsiʋe ɖe gli eveawo dome na ta xoxo la me tsiwo, ke miatrɔ kɔ ɖe Ewɔla Gã ya ŋu o, eye mialé ŋku ɖe ame si wɔe tso gbe aɖe gbe ke la ŋu o.
12 Gbe ma gbe Aƒetɔ Dziɖulagã, aʋakɔwo ƒe Yehowa,
Ayɔ ame hena avifafa, konyifafa,+
Talulũ kple akpanyatata.
13 Ke wole aseye tsom, eye wole dzidzɔ kpɔm,
Wole nyi wum, eye wole alẽ tsom,
Wole lã ɖum, eye wole wain nom.+
Hegblɔ be, ‘Mina míaɖu nu ano nu, elabena etsɔ míele kuku ge.’”+
14 Ke aʋakɔwo ƒe Yehowa gblɔ ɖe to me nam be: “‘Womalé avu ɖe miaƒe vodada sia ta o va se ɖe esime miaku,’+ Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa, aʋakɔwo ƒe Mawu lae gblɔe.”
15 Ale Aƒetɔ Dziɖulagã, aʋakɔwo ƒe Yehowa gblɔe nye esi: “Tso nàyi aƒedzikpɔla Sebna,+ ame si le aƒea* nu la gbɔ, eye nàbiae be, 16 ‘Nu kae le afi sia na wò, eye ame kae le afi sia na wò hafi nèle yɔdo ɖem na ɖokuiwò ɖe afi sia?’ Ele yɔdo ɖem na eɖokui ɖe kɔkɔƒe; eye wòle gbɔɖemeƒe* wɔm na eɖokui ɖe agakpe me. 17 ‘Oo ŋutsu, kpɔ ɖa, Yehowa atsɔ wò axlã ɖe anyi sesĩe, eye wòalé wò goŋgoŋ. 18 Aŋlɔ wò nogoe atsɔ aƒu gbe ɖe anyigba gbadzaa aɖe dzi. Afi mae nàku ɖo, eye afi mae tasiaɖam siwo nye atsyɔ̃ na wò la azu ŋukpe na wò aƒetɔ ƒe aƒe la le. 19 Maɖe wò ɖa le nɔwòƒe, eye maxɔ dɔ le asiwò.
20 “‘Gbe ma gbe la, mayɔ nye subɔla Eliyakim,+ si nye Hilkiya vi, 21 eye mado wò awu ʋlaya la nɛ, matsɔ wò alidziblanu abla ali dzi nɛ,+ eye matsɔ ɖoƒe si nèle* la ade asi nɛ. Eye wòanye fofo na Yerusalem nɔlawo kple Yuda ƒe aƒe la. 22 Matsɔ David+ ƒe aƒe la ƒe safui aɖo abɔta nɛ. Ne eʋui la, ame aɖeke matui o; eye ne etui la, ame aɖeke maʋui o. 23 Maƒoe ɖe teƒe sesẽ abe tsyoti ene, eye wòazu fiazikpui si ŋu bubu le na fofoa ƒe aƒe. 24 Woaku fofoa ƒe aƒe ƒe ŋutikɔkɔe* la katã, viawo kple dzidzimeviwo, siwo nye agba suewo katã kple agba goboewo katã kpakple ze gãwo katã, ɖe eŋu.
25 Aʋakɔwo ƒe Yehowa be: “Gbe ma gbe la tsyoti si woƒo ɖe teƒe sesẽ la aho,+ aŋe, age, eye agba si woku ɖe eŋu la dome agblẽ, elabena Yehowa ŋutɔe gblɔe.”
Mi Tarsis+ tɔdziʋuwo, miƒu asi nu!
Elabena wotsrɔ̃ tɔdziʋudzeƒe la, afi ma yiyi megali o.
Wosee le Kitim-nyigba+ dzi ke.
2 Mi ƒutatɔwo, mizi ɖoɖoe.
Sidon-sitsala+ siwo toa atsiaƒu dzi la yɔ mewò taŋ.
3 Wotsɔ Sihor*+ ƒe agblemenukuwo
Kple Nil ƒe nuŋeŋewo, siwo nye adzɔnuwo, to tsi geɖewo dzi,
Wohe dukɔwo ƒe viɖewo vɛ.+
4 Oo Sidon, ŋu nekpe wò, wò atsiaƒu ƒe mɔ́ sesẽ,
Elabena atsiaƒu la gblɔ be:
5 Amewo ase veve vevie le nya si woase tso Tiro+ ŋu,
Abe ale si wònɔ esi wose nu si dzɔ ɖe Egipte+ dzi ene.
6 Mitso ƒu yi Tarsis!
Mi ƒutatɔwo, mifa konyi vevie!
7 Miaƒe du si tsoa aseye tso gbe aɖe gbe ke, tso blema ke, lae nye esia?
Eƒe afɔwo kplɔnɛ dea keke didiƒe ʋĩi ke tsã wòɖanɔa afi ma.
8 Ame kae ɖo nu sia ɖe Tiro ŋu,
Eya, si ɖɔa fiakuku na ame,
Si ƒe asitsalawo nye amegãwo,
Si ƒe nudzralawo nye bubumewo le anyigba dzi katã?+
9 Aʋakɔwo ƒe Yehowa ŋutɔe ɖoe
Be yeaɖi gbɔ eƒe dada kple atsyɔ̃ɖoɖowo katã
Ne yeado vlo ame siwo katã ŋu wodea bubui le anyigba bliboa dzi.+
10 Oo, Tarsis vinyɔnu, gbagba ɖe wò anyigba dzi abe Nil-tɔsisi ene.
Tɔdziʋudzeƒe aɖeke megali o.+
11 Edo eƒe asi ɖe atsiaƒu dzi;
Eʋuʋu fiaɖuƒewo.
Yehowa ɖe gbe be woatsrɔ̃ Foinike ƒe mɔ́ sesẽwo keŋkeŋ.+
Tso, nàtso ƒu ayi Kitim.+
Màkpɔ gbɔdzɔe le afi ma hã o.”
13 Kpɔ Kaldeatɔwo+ ƒe anyigba la ɖa!
Esiae nye dukɔ la—ke menye Asiria+ ye o—
Woawoe wɔe wòzu gbemelãwo nɔƒe.
14 Mi Tarsis tɔdziʋuwo, mifa avi sesĩe,
Elabena wogbã miaƒe mɔ́ sesẽ la.+
15 Ɣemaɣi la, woaŋlɔ Tiro be ƒe blaadre sɔŋ,+ si nye fia ƒe agbenɔƒe.* Le ƒe blaadre la ƒe nuwuwu la, ava eme na Tiro, abe gbolo si ŋu wole ha dzim ɖo ene be:
16 “Oo, gbolo si woŋlɔ be, tsɔ kasaŋku ɖe asi nàtsa le dua me godoo.
Ƒo kasaŋku la aɖaŋutɔe;
Dzi ha geɖe,
Ale be woaɖo ŋku dziwò.”
17 Le ƒe blaadre la ƒe nuwuwu la, Yehowa atrɔ ɖe Tiro ŋu, eye Tiro agadze eƒe gbolohoxɔxɔ gɔme, eye wòawɔ gbolo kple xexea me fiaɖuƒe siwo katã le anyigba dzi. 18 Ke eƒe viɖe kple eƒe gboloho la azu nu kɔkɔe na Yehowa. Womadzrae ɖo o, eye womali kɔe ɖi o, elabena eƒe gboloho la azu ame siwo le Yehowa ŋkume la tɔ, ne woaɖu nu aɖi ƒo, eye woado awu nyuiwo.+
24 Kpɔ ɖa! Yehowa aɖi gbɔlo anyigba la, eye wòatsi ƒuƒlu.+
Atrɔ anyigba la ƒe ŋkume abu anyi,+ eye wòaka edzinɔlawo ahlẽ.+
2 Nu ɖeka tɔgbi adzɔ ɖe ame sia ame dzi:
Dukɔ la kple nunɔla siaa,
Dɔlaŋutsu anɔ abe eƒe aƒetɔ ene,
Dɔlanyɔnu abe eƒe aƒenɔ ene,
Nuƒlela abe nudzrala ene,
Agbanatɔ abe agbanadola ene,
Fetɔ abe fenyila ene.+
4 Anyigba la le nu xam;*+ eye wòlé akpɔ̃.
Anyigba la yrɔ sũu, eye edome le gbegblẽm.
Dukɔ la ƒe ame ŋkutawo yrɔ sũu.
Esia tae anyigba la dzi nɔlawo zu ʋɛ,
Eye amegbetɔ ʋɛ aɖewo koe susɔ.+
9 Womegadzia ha ɖe wain nono ŋu o,
Eye aha muame le vevem le nu me na enolawo.
11 Wole ɣli dom le kpɔdomeewo le wain dim.
Dzidzɔkpɔkpɔwo katã nu yi;
Vivisese bu le anyigba la dzi.+
13 Elabena aleae wòanɔ le anyigba la dzi le dukɔwo dome:
14 Woakɔ woƒe gbe dzi,
Atso aseye.
Woaɖe gbeƒã Yehowa ƒe gãnyenye tso ƒu gome.*+
16 Míese haƒoƒo tso anyigba ƒe mlɔenu be:
“Ŋutikɔkɔe* na Dzɔdzɔetɔ la!”+
Gake megblɔ be: “Nye ya nu te ŋunye, nu te ŋunye belibeli!
Baba nam! Alakpanuwɔlawo wɔa alakpanu;
Alakpanuwɔlawo le alakpanuwɔwɔ dzi.”+
17 Ŋɔdzi, ʋewo, kple mɔ̃wo le mi anyigbadzinɔlawo lalam.+
Elabena woaʋu dziƒowo ƒe tsigbowo nu,
Eye anyigba ƒe agunuwo aʋuʋu.
20 Anyigba la le ya mum sagasaga abe ahamula ene,
Eye wòle nyenyem abe agbadɔ le ya nu ene.
Eƒe dzidada do agba ɖe edzi.+
Adze anyi, eye magafɔ o.
21 Gbe ma gbe la, Yehowa atrɔ ɖe dziƒoʋakɔ siwo le dzi
Kple anyigbadzifia siwo le anyigba dzi la ŋu.
22 Woaƒo wo nu ƒu
Abe ale si woƒoa gamenɔlawo nu ƒu ɖe do me ene,
Eye woatu wo ɖe tomegaxɔ me;
Eye woatrɔ susu ɖe wo ŋu le ŋkeke geɖewo megbe.
23 Ɣleti si sɔ tegblẽe la ƒe mo tsi dãa,
Eye ŋukpe lé ɣe si le keklẽm la,+
Elabena aʋakɔwo ƒe Yehowa zu Fia+ le Zion To+ dzi kple Yerusalem
25 Oo Yehowa, wòe nye nye Mawu.
Medo wò ɖe dzi, mekafu wò ŋkɔ,
Elabena èwɔ nukunuwo,+
Nu siwo nèɖo tso blema ke,+
Le nuteƒewɔwɔ+ kple nyateƒe me.
2 Elabena èna du la zu aƒedo,
Du sesẽ la zu glikpo,
Du bubu me tɔwo ƒe mɔ́ sesẽ meganye du azɔ o,
Womagagbugbɔe atso akpɔ o.
4 Elabena èzu mɔ́ sesẽ na ame tsɛ,
Mɔ́ sesẽ na ame dahe le eƒe xaxa me,+
Sitsoƒe tso yatsi nu,
Kple vɔvɔli tso dzoxɔxɔ nu.+
Ne ŋutasẽla ƒe gbɔgbɔ fuxefuxe le abe yatsie le ƒoƒom ɖe gli ŋu ene,
5 Abe dzoxɔxɔ le kuɖiɖinyigba dzi ene hã la,
Àna ame tutɔwo ƒe hoowɔwɔ nayi to.
Ale si alilikpo ƒe vɔvɔli nana dzoxɔxɔ ɖiɖina la,
Nenemae ŋutasẽlawo ƒe haƒoƒo nu atsii.
6 Aʋakɔwo ƒe Yehowa aɖo kplɔ̃ na dukɔwo le to sia dzi,+
Atsɔ nuɖuɖu damiwo aɖo kplɔ̃,+
Atsɔ wain nyuitɔwo* aɖo kplɔ̃,
Nuɖuɖu dami siwo me ƒutomemi le,
Wain siwo me dzae wòatsɔ aɖo kplɔ̃ lae.
Aɖe eƒe dukɔ ƒe ŋukpe ɖa le anyigba bliboa dzi,
Elabena Yehowa ŋutɔe gblɔe.
9 Gbe ma gbe la, woagblɔ be:
“Kpɔ ɖa! Mía Mawue nye esi!+
Yehowae nye esi!
Míeda míaƒe mɔkpɔkpɔ ɖe eya amea dzi.
Mina míatso aseye, eye míakpɔ dzidzɔ ɖe eƒe xɔname ŋu.”+
10 Elabena Yehowa ƒe asi anɔ to sia dzi,+
Eye woafanya Moab ɖe enɔƒe+
Abe ale si wofanyaa gbe ɖe aɖu si woli kɔe me ene.
11 Ake abɔ aƒo Moab,
Abe ale si tsiƒula kea abɔ me ƒua tsii ene,
Eye wòatsɔ eƒe asiwo aƒoe aɖaŋutɔe
Atsɔ abɔbɔ eƒe dada ɖe anyi.+
12 Amu du sesẽ la kple eƒe gli kɔkɔ siwo kpɔa eta la
Aƒu anyi;
Abɔbɔe ɖe anyi ava ɖo keke anyigba ke, eye wòatee ɖe ke me.
26 Gbe ma gbe la, woadzi ha+ sia le Yuda-nyigba dzi be:+
“Du sesẽ aɖe le mía si.+
Etsɔ xɔname wɔ gli kple kpo ɖe eŋu keŋ.+
3 Àkpɔ ame siwo ziɔ ɖe ŋuwò* bliboe la ta;
Àna ŋutifafa si nɔa anyi ɖaa la wo,+
Elabena ŋuwòe woɖo ŋu ɖo.+
5 Elabena eƒu kɔkɔƒenɔlawo anyi, ebɔbɔ du kɔkɔ la ɖe anyi.
Ebɔbɔe ɖe anyi,
Ebɔbɔe va se ɖe anyigba ke;
Exlãe ɖe ke me.
6 Afɔ afanyae;
Fukpelawo kple ame tsɛwo ƒe afɔwoe afanyae.”
7 Ame dzɔdzɔe ƒe toƒe le tẽe.*
Esi nènye nu dzɔdzɔe wɔla ta la,
Àna ame dzɔdzɔe ƒe mɔ dzi nasɔ.
8 Oo Yehowa, esi míele wò ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe mɔ dzi la,
Wòe míele mɔ kpɔm na.
Wò ŋkɔ kple wò ŋkuɖodzi dzro mí* vevie.*
9 Èdzroa nye ameti* bliboa vevie le zã me,
Ɛ̃, nye gbɔgbɔ dia wò vevie;+
Elabena ne wò ʋɔnudɔdrɔ̃ va anyigba dzi la,
Anyigbadzinɔlawo srɔ̃a dzɔdzɔenyenye.+
11 Oo Yehowa, wò alɔ le dzi, ke womele ekpɔm o.+
Woakpɔ ale si nètsɔa dzo ɖe wò dukɔ la ŋu, eye ŋu akpe wo.
Ɛ̃, wò dzo afiã wò ketɔwo.
14 Woku; womaganɔ agbe o.
Esi woku, eye wɔna vɔ le wo ŋu ta la, womagafɔ o.+
Elabena ètrɔ ɖe wo ŋu,
Be nàtsrɔ̃ wo gbidii ahatutu woƒe ŋkɔwo ɖa keŋkeŋ.
Èkeke anyigba la ƒe liƒowo katã ɖe enu.+
16 Oo Yehowa, wotrɔ ɖe ŋuwò le woƒe xaxaɣi;
Esi nèhe to na wo la, wodo dalĩ do gbe ɖa.+
17 Ale si funɔ si ƒe vidziɣi ɖo
Léa ku eye wòdoa ɣli le vevesese ta la,
Yehowa, nenemae míenɔ le tawò.
18 Míefɔ fu, eye míelé ku,
Gake ɖeko wòle abe yae míedzi ene.
Míehe xɔname va anyigba la dzi o,
Eye míedzi ame aɖeke ne wòanɔ anyigba la dzi o.
19 “Wò ame kukuwo agbɔ agbe.
Mi ketumetɔwo,+
Minyɔ, ne miatso aseye!
Elabena miaƒe zãmu le abe esi dzana le ŋdi me ene,*
Eye anyigba ana ame siwo ŋu wɔna vɔ le le ku me la nagbɔ agbe.*
Ɣla ɖokuiwò vie
Va se ɖe esime dziku la nu nava yi.+
21 Elabena Yehowa do tso enɔƒe gbɔna
Be yeabia akɔnta anyigba la dzi nɔlawo ɖe woƒe vodada ta,
Anyigba la aklo nu le ʋu si wokɔ ɖe edzi la dzi,
Eye magatsyɔ nu ame siwo wowu ɖe edzi la dzi azɔ o.”
27 Gbe ma gbe la, Yehowa atsɔ eƒe yi gã titri sesẽ la+
Atrɔ ɖe Leviatan,* da si le yiyim mii,
Leviatan, da si le yiyim gɔdɔgɔdɔ̃ la ŋu,
Eye wòawu ƒumelã klitsu si le atsiaƒu me la.
2 Gbe ma gbe la, midzi ha nɛ be:*
“Waingble si ƒe wain tsɔa fu!+
3 Nye, Yehowa, mele eŋu dzɔm.+
Medea tsii ɣesiaɣi.+
Medzɔa eŋu zã kple keli,
Ale be ame aɖeke nagagblẽ edome o.+
Ame kae atsɔ ŋù kple gbe akpem le aʋa la me?
Matu afɔ wo dzi ahatɔ dzo wo katã zi ɖeka.
5 Negbe ɖeko wòatrɔ ɖe nye mɔ́ sesẽ la ŋu.
Ne wòawɔ ŋutifafa kplim;
Ŋutifafa ko wòawɔ kplim hafi.”
6 Le ŋkeke siwo gbɔna me la, Yakob ato ke,
Israel adze ahaƒo se,+
Eye woƒe kutsetsewo ayɔ anyigba la dzi fũu.+
7 Ðe woaƒoe abe ale si woƒo eƒolawo enea?
Alo ɖe woawui abe ale si wowu eƒe amewo enea?
8 Ne èle enyam ɖa la, àtsɔ ŋɔdziɣli awɔ avu kplii.
Atsɔ eƒe ya sesẽ la akplɔe ɖa le gbe si gbe ɣedzeƒeya ƒo.+
9 Eya ta alea ko woawɔ hafi alé avu ɖe Yakob ƒe vodada ta,+
Eye ne eɖe eƒe nu vɔ̃ ɖa la, kutsetse si ado tso emee nye esi:
Agbã vɔsamlekpui la ƒe kpewo katã
Abe akalokpe siwo wotu la ene,
Eye womagblẽ Aserawo* kple nu siwo dzi wodoa dzudzɔ ɖo la ƒe ɖeke ɖi o.+
10 Elabena du sesẽ la aɖi gbɔlo;
Woaɖe asi le lãnyiƒewo ŋu, eye woagblẽ wo ɖi abe gbegbe ene.+
Nyivi aɖu gbe le afi ma, eye afi mae wòatsyɔ akɔ ɖo;
Eye wòaɖu eƒe atilɔwo keŋkeŋ.+
Elabena dukɔ masenugɔmee wònye.+
Esia tae wo Wɔla makpɔ nublanui na wo o,
Eye Ame si mè wo la mave wo nu o.+
12 Gbe ma gbe la, Yehowa aƒo kutsetseawo woadudu tso Tɔsisi* la nu va se ɖe Egipte-tɔʋu la nu,+ eye woafɔ mi ɖekaɖeka, mi Israel-viwo.+ 13 Gbe ma gbe la, woaku lãdzo gã aɖe,+ eye ame siwo le tsɔtsrɔ̃m le Asiria-nyigba+ dzi kple ame siwo kaka ɖe Egipte-nyigba+ dzi la ava de ta agu na Yehowa le to kɔkɔe la dzi le Yerusalem.+
28 Baba na Efrayim-hamulawo ƒe fiakuku* gã* la,+
Kple eƒe atsyɔ̃seƒoƒo dzeani si le yɔyrɔm,
Si le ta na wainmulawo ƒe bali wɔnu la!
2 Kpɔ ɖa! Kalẽtɔ sesẽ aɖe le Yehowa si.
Abe kpetsi sesẽ si le dzadzam kple ya gblẽnu ene,
Abe ahom gblẽnu ƒe tsiɖɔɖɔ si gbagba ɖe anyi ene la,
Atsɔe axlã ɖe anyi sesĩe.
Efrayim-hamulawo ƒe fiakuku* gãwo.
4 Eƒe atsyɔ̃seƒoƒo dzeani si le yɔyrɔm,
Si le ta na bali wɔnu la,
Azu abe gbotsetse gbãtɔ siwo ɖi hafi dzomeŋɔli ɖo,
Eye ne ame aɖe kpɔe, eye wòɖo asi me nɛ la, wòɖunɛ kaba ene.
5 Gbe ma gbe la, aʋakɔwo ƒe Yehowa azu atsyɔ̃fiakuku kple seƒoƒotsihe dzeani na eƒe dukɔ la ƒe ame susɔeawo.+ 6 Eye wòanye ʋɔnudrɔ̃gbɔgbɔ na ame si le ʋɔnu drɔ̃m, kple ŋusẽtsoƒe na ame siwo nyaa futɔwo ɖa le agbo la nu.+
7 Wain na ame siawo hã tra mɔ;
Woƒe aha muame na wole yiyim sagasaga.
Aha muame na nunɔla kple nyagblɔɖila siaa tra mɔ;
Wain na wotɔtɔ,
Aha muame na wole yiyim sagasaga;
Wotra le woƒe ŋutegakpɔkpɔ me,
Woƒe nyametsotsowo tro.+
8 Elabena xeɖeɖe nyɔŋu yɔ woƒe kplɔ̃wo dzi fũu,
—Teƒe aɖeke meli si xeɖeɖe mele o.
9 Ame kae woafia sidzedzee,
Eye ame kae woaɖe gbedeasi la me na?
Ðevi siwo wotso no na,
Siwo woɖe le no nuea?
11 Eya ta atsɔ ame siwo kukɔna* kple gbe bubu dolawo ƒe gbe aƒo nu kple dukɔ sia.+ 12 Egblɔ na wo be, “Gbɔɖemeƒe lae nye esi. Mina ame siwo ŋu ɖeɖi te la nagbɔ ɖe eme; gbɔdzɔeƒee nye esi,” ke wogbe esese.+ 13 Eya ta Yehowa ƒe nya la ava eme ɖe wo dzi be:
14 Eya ta mi adegbeƒolawo,
Mi dukɔ sia ƒe dziɖula siwo le Yerusalem, mise Yehowa ƒe nya,
15 Elabena miegblɔ be:
Ne tsi ɖɔ gbagba hã la,
Maɖo mía gbɔ o,
Elabena míetsɔ alakpa wɔ míaƒe sitsoƒe,
Eye míebe ɖe aʋatsokaka me.”+
16 Eya ta ale Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa gblɔe nye esi:
“Kpɔ ɖa, mele kpe aɖe ɖom anyi ɖe Zion, kpe si wodo kpɔ,+
Gɔmeɖoanyi si ŋu kakaɖedzi le la ƒe dzogoedzikpe xɔasie.+
Ame si xɔa edzi sena la, dzika matso eƒo o.+
Kpetsi akplɔ alakpasitsoƒe la adzoe,
Eye tsi aɖɔ aɖe bebeƒe la.
Ne tsi ɖɔ gbagba va yi la,
Agbã mi gudugudu.
Ŋɔdzi ɖeɖe koe ana woase eƒe gbedeasi la gɔme.”*
20 Elabena aba la le kpuie ale gbegbe be afɔdadra meli o,
Eye avɔ la le lɛe ale gbegbe be ame mate ŋu axatsa eɖokui ɖe eme o.
21 Elabena Yehowa atso abe ale si wòwɔ le Perazim To dzi ene,
Atso abe ale si wònɔ le bali si gogo Gibeon+ me ene,
Ne wòawɔ eƒe nu, si nye nu wɔmoyaa la,
Eye wòawɔ eƒe dɔ, si nye dɔ si tɔgbi mebɔ o.+
Ne miaƒe bablawo nagasẽ ɖe edzi goŋgoŋ o,
Elabena mese le Aƒetɔ Dziɖulagã, aʋakɔwo ƒe Yehowa nu
Be woɖo tsɔtsrɔ̃ ɖe anyigba blibo la katã ŋu.+
23 Miƒu to anyi, eye mise nye gbe;
Miɖo to, ne miase nya si gblɔm mele.
24 Ðe agbleŋlɔla nɔa nuŋɔŋlɔ dzi atraɖii hafi ƒãa nua?
Ðe wònɔa anyigba dzobom henɔa edzi dzram ɖo ɖaa?+
25 Ne edzra edzi ɖo vɔ la,
Ðe mewua sikɔni eye wòƒãa adrike ɖe edzi oa,
Eye ɖe meƒãa lu, ƒo yibɔ kple ƒo ɖe wo nɔƒe,
Kple lu dzĩ+ ɖe eƒe boliƒo dzi oa?
Ke boŋ kpoe wotsɔna ƒoa sikɔni,
Eye atie wotsɔna ƒoa adrike.
28 Ðe wogbãa nuku si wotsɔna ƒoa aboloe nyanyanya?
Ao, womenɔa eƒoƒo dzi atraɖii o;+
Eye ne ehe eƒe tasiaɖamfɔ kple eƒe sɔwo to edzi la,
Megbãnɛ nyanyanya o.+
29 “Baba na Ariel,* Ariel, du si me David ƒu asaɖa anyi ɖo!+
Minɔ edzi ƒe sia ƒe,
Minɔ miaƒe ŋkekenyuiwo+ ɖuɖu dzi ƒe sia ƒe.
2 Gake mahe xaxa ava Ariel dzi,+
Eye nuxaxa kple konyifafa anɔ anyi,+
Eye wòazu abe Mawu ƒe vɔsamlekpui ene nam.+
5 Wò ketɔ* gbogboawo azu abe kewɔ memee ene,+
Eye ŋutasẽlawo ƒe ha azu abe tsro si ya lɔ ɖe enu ene.+
Ava eme zi ɖeka kpoyi.+
6 Aʋakɔwo ƒe Yehowa atrɔ susu ɖe ŋuwò,
Eye wòatsɔ dziɖegbe, anyigbaʋuʋu kple gbeɖiɖi sesẽ,
Ahom kple ya sesẽ kpakple dzobibi axɔ na wò.”+
7 Dukɔ siwo katã ho aʋa ɖe Ariel ŋu,+
—Dukɔ siwo katã ho aʋa ɖe eŋu,
Dudzidzelawo ƒe xɔ tsrala siwo wotu ɖe eŋu,
Kple ame siwo hea xaxa vaa edzi—
Anɔ abe drɔ̃e kple zãmeŋutega ene.
8 Anɔ abe ale si dɔwuitɔ kua drɔ̃e be yele nu ɖum,
Ke ne enyɔ la, dɔ ganɔa ewum* ene;
Eye abe ale si tsikɔwuitɔ kua drɔ̃e be yele tsi nom,
Ke ne enyɔ la, nu tea eŋu eye tsikɔ ganɔa ewum* la ene.
Aleae wòanɔ na dukɔ siwo katã
Ho aʋa ɖe Zion To ŋu la ƒe amehawo.+
Womu aha, ke menye wain ye mu wo o;
Wole zɔzɔm sagasaga, ke menye aha muamee na o.
10 Elabena Yehowa trɔ alɔ̃ tsu dɔdɔ ƒe gbɔgbɔ kɔ ɖe mia dzi;+
Emia miaƒe ŋku siwo nye nyagblɔɖilawo,+
Eye wòtsyɔ nu miaƒe ta siwo nye ŋutegakpɔlawo.+
11 Ŋutegawo katã zu abe agbalẽ si nu wotre la me nyawo ene na mi.+ Ne wotsɔe na ame si nya nuxexlẽ hegblɔ nɛ be, “Meɖe kuku, xlẽe sesĩe” la, aɖo eŋu be, “Nyemate ŋui o, elabena wotre enu.” 12 Eye ne wotsɔ agbalẽ la na ame si menya nuxexlẽ o hegblɔ nɛ be, “Meɖe kuku, xlẽe” la, aɖo eŋu be: “Nyemenya nuxexlẽ o!”
13 Yehowa be: “Dukɔ sia vaa gbɔnye kple woƒe nu,
Eye wotsɔ woƒe nuyiwo dea bubu ŋunye,+
Ke woƒe dzi te ɖa xaa tso gbɔnye;
Eye amegbetɔwo ƒe sedede siwo wofia wo la dzie wonɔa te ɖo vɔ̃am.+
14 Eya ta nyee nye Ame si agawɔ nu kple dukɔ sia wòawɔ nuku,+
Nukunuwo ƒe nukunu wòanye mawɔ;
Eye nunya abu ɖe woƒe nunyalawo,
Eye gɔmesese aɣla ɖe woƒe aɖaŋudzelawo.”+
15 Baba na ame siwo dzea agbagba ɖe sia ɖe be yewoaɣla yewoƒe ɖoɖowo* ɖe Yehowa,+
Wowɔa woƒe dɔwo le viviti me
Henɔa gbɔgblɔm be: “Ame kae le mía kpɔm?
Ame kae nya nu si wɔm míele?”+
16 Aleke mietrɔ gbo nuwo ale!
Ðe woabu zemela abe tsu enea?+
Ðe nuwɔwɔ la agblɔ le ewɔla ŋu be:
“Menye eyae wɔm oa”?+
Eye ɖe numeme agblɔ le emela ŋu be:
“Mele ɖeke me sem oa”?+
18 Gbe ma gbe la, tokunɔwo ase agbalẽ la me nyawo,
Eye ŋkuagbãtɔwo ƒe ŋkuwo akpɔ nu tso blukɔ kple viviti me.+
19 Ame fafawo akpɔ dzidzɔ ɖe Yehowa ŋu vevie,
Eye ame siwo da ahe le amegbetɔwo dome la atso aseye ɖe Israel Ƒe Kɔkɔetɔ la ŋu.+
20 Elabena ŋutasẽla maganɔ anyi o,
Adegbeƒola la nu ayi,
Eye woatsrɔ̃ ame siwo katã nɔa adeklo dzi ɖe vɔ̃wɔwɔ ŋu la ɖa,+
21 Ame siwo alakpanya le nu na la naa amewo zua agɔdzelawo,
Wotrea mɔ̃ na ametaʋlilawo le dugbo la nu+
Eye wotsɔa nyahehe ƒuƒluwo tea ame dzɔdzɔe ƒe nya ɖe to.+
22 Eya ta ale Yehowa, ame si ɖe Abraham+ la, gblɔ na Yakob ƒe aƒee nye esi:
23 Elabena ne ekpɔ viawo,
Siwo nye nye asinudɔwɔwɔwo le eme la,+
Woakɔ nye ŋkɔ ŋu;
Ɛ̃, woakɔ Yakob Ƒe Kɔkɔetɔ la ŋu,
Eye Israel ƒe Mawu la ƒe ŋɔdzi alé wo.+
24 Ame siwo ƒe gbɔgbɔ le mɔ tram la ase nu gɔme,
Eye nyatoƒoetolawo ke hã alɔ̃ woafia nu wo.”
30 Yehowa be: “Baba na vi sẽtowo,+
Ame siwo wɔa ɖoɖo siwo menye tɔnye o dzi,+
Ame siwo wɔa nubablawo* nye gbɔgbɔ manɔmee,
Ne woadzi nu vɔ̃ ɖe nu vɔ̃ dzi.
2 Ame siwo mebia gbem*+ hafi dze mɔ yina Egipte,+
Be yewoabe ɖe Farao ƒe ametakpɔkpɔ* te,
Eye yewoabe ɖe Egipte ƒe vɔvɔli te o!
3 Gake Farao ƒe ametakpɔkpɔ la azu ŋukpe na mi,
Eye bebe ɖe Egipte ƒe vɔvɔli te ahe vlododo vɛ na mi.+
4 Elabena eƒe amegãwo le Zoan,+
Eye eƒe ame dɔdɔwo ɖo Hanes.
5 Ŋukpe alé wo katã,
To dukɔ si mate ŋu aɖe vi aɖeke na wo o la dzi,
Dukɔ si mana kpekpeɖeŋu aɖeke, alo ahe viɖe aɖeke vɛ o
Ke boŋ ŋukpe kple vlododo ko.”+
6 Nya ɖe anyiehelãwo ŋu:
To hiãkame kple xaxa ƒe anyigba dzi,
Afi si dzata, dzata si ɖea gbe la le,
Dakpui kple da vɔ̃ɖi si lũa ʋɔ la le,
Wotsɔa woƒe kesinɔnuwo ɖoa tedziwo dzi,
Eye wotsɔa woƒe nuwo ɖoa kposɔwo ƒe kpo dzi.
Gake nu siawo maɖe vi aɖeke na dukɔ la o.
7 Elabena Egipte ƒe kpekpeɖeŋu nye tofloko.+
Eya ta meyɔ wo be: “Rahab,+ ame si nɔa anyi ɖi naneke mawɔmawɔe.”
8 “Azɔ yi nàŋlɔe ɖe nuŋlɔkpe dzi le wo ŋkume,
Eye nàŋlɔe ɖe agbalẽ me,+
Ne wòanye ɖaseɖiɖi tegbee+
Le ŋkeke si gbɔna me.
10 Wogblɔ na nukpɔlawo be: ‘Migakpɔ nu o,’
Eye na ŋutegakpɔlawo be, ‘Migagblɔ ŋutega siwo le eteƒe la na mí o.+
Mivivi nu me* na mí; mikpɔ alakpaŋutegawo.+
11 Mite ɖa le mɔ la dzi; midze le toƒe la ŋu.
Migagblɔ Israel Ƒe Kɔkɔetɔ la ŋu nya le mía ŋkume azɔ o.’”+
12 Eya ta ale Israel Ƒe Kɔkɔetɔ la gblɔe nye esi:
“Esi miegbe nya sia,+
Eye mieɖo ŋu ɖe ametafatafa kple amefuflu ŋu
Heziɔ ɖe wo ŋu la,+
13 Eya ta vodada sia anɔ na mi abe gli gbagbã ene,
Abe gli kɔkɔ fefe si tre azã be yeamu la ene,
Amu zi ɖeka kpoyi.
14 Woagbãe abe ale si wogbãa zemela ƒe ze ene,
Woagbãe gudugudu ale gbegbe be ze kakɛ aɖeke manɔ eƒe gbagbã la me
Woatsɔ aɖe dzo le mlekpui me
Alo atsɔ akpa tsi le tsiteƒe* o.”
15 Elabena ale Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa, Israel Ƒe Kɔkɔetɔ la, gblɔe nye esi:
“Ne mietrɔ va gbɔnye henɔ anyi kpoo la, woaxɔ na mi;
Eye miakpɔ ŋusẽ ne mieɖe dzi ɖi heɖo ŋu ɖe ŋunye.”+
Ke mielɔ̃ o.+
16 Ke miegblɔ be: “Kpao, míanɔ sɔwo dzi asi!”
Eya ta miasi vavã.
“Míado sɔ ɖeablɛwo!”+
Esia tae ame siwo ati mia yome la aƒu du sesĩe wu mi.+
17 Ame akpe ɖeka adzo nyanyanya le ame ɖeka pɛ ƒe vɔvɔ̃doname ta;+
Eye miasi le ame atɔ̃ ƒe vɔvɔ̃doname nu,
Va se ɖe esime miasusɔ abe ati si wotu ɖe to tame,
Kple dzesiti le togbɛ dzi ene.+
Elabena Yehowa nye Mawu si drɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe.+
Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo katã kpɔa esinu.*+
19 Ne amewo va le Zion, Yerusalem+ la, màgafa avi azɔ o.+ Ave nuwò godoo ne ese wò ɣlidodo la; ne esee ko la, atɔ na wò.+ 20 Togbɔ be Yehowa ana miaɖu xaxa abe abolo ene eye miano teteɖeanyi abe tsi ene hã la,+ miaƒe Nufiala Gãtɔ la magaɣla eɖokui azɔ o, eye miaƒe ŋkuwo akpɔ miaƒe Nufiala Gãtɔ+ la. 21 Eye ne mietra mɔ yi ɖusime alo miame la,+ miaƒe to ase nya sia le mia megbe be, “Mɔ lae nye esi.+ Mito edzi.”
22 Miagblẽ kɔ ɖo na klosalo si wofa ɖe miaƒe legbawo ŋu, kple sika si wofa ɖe miaƒe galegbawo* ŋu.+ Miatsɔ wo aƒu gbe abe gbelégodoe ene ahagblɔ ɖe wo ŋu be, “Mite ɖa!”*+ 23 Ana tsi nadza ɖe nuku si nèƒã ɖe anyigba dzi la dzi,+ eye wòana nuɖuɖu si anyigbaa awɔ la nasɔ gbɔ, eye wòanyo.*+ Gbe ma gbe la, wò lãhawo aɖu gbe le gbeɖuƒe siwo keke.+ 24 Eye nyi kple tedzi siwo ŋlɔa agble la aɖu gbe si wotsɔ amagbe tsaka hetsɔ sofi kple gaflo dzoboe. 25 Le amewugbe gã si xɔ tsralawo amu la, tɔsisiwo kple tɔʋuwo anɔ to kɔkɔwo katã kple togbɛ kɔkɔwo katã dzi.+ 26 Gbe si gbe Yehowa abla eƒe dukɔ ƒe gbagbãƒe,+ eye wòawu abi si wòde wo ŋu la,+ ɣleti si sɔ tegblẽe la ƒe keklẽ anɔ abe ɣe ƒe keklẽ ene; eye ɣe ƒe keklẽ adzi ɖe edzi zi gbɔ zi adre,+ eye wòanɔ abe ŋkeke adre ƒe keklẽ ene.
27 Kpɔ ɖa! Yehowa ƒe ŋkɔ tso didiƒe gbɔna,
Eye eƒe dɔmedzoe le bibim kple dzudzɔ babla kɔtɔɔ.
Dɔmedzoe yɔ nu me nɛ fũu,
Eye eƒe aɖe le abe dzo flafla ene.+
28 Eƒe gbɔgbɔ le abe tɔʋu si ɖɔ va se ɖe ve ke ene,
Ne wòaʋuʋu dukɔwo le tsɔtsrɔ̃ ƒe sranui me;*
Eye wòade numega dukɔwo ƒe nu me,+ ne wòakplɔ wo atrae.
29 Gake miadzi ha abe esi wodzina le zã si me
Miele dzadzram ɖo* na ŋkekenyuiɖuɖu ene,+
Eye miaƒe dzi akpɔ dzidzɔ
Abe ame si le dze kum yina*
Yehowa ƒe to la, Israel ƒe Agakpe la gbɔ ene.+
30 Yehowa ana woase eƒe gãnyenye ƒe gbe,+
Eye wòana eƒe alɔ+ naɖiɖi ɖe anyi woakpɔ le dziku helĩhelĩ,+
Dzobibi flaflafla,+
32 Zi ale si Yehowa tsɔ eƒe ameƒoti,
Le to hem na Asiria la,
Zi nenemae axatsɛwo kple saŋkuwo aɖi,+
Eye wòanɔ alɔ nyèm atsɔ awɔ avu kpli wo.+
Afi si wòli kɔ eƒe nakewo ɖo la goglo hekeke,
Dzo kple nake li kpaŋkpaŋ.
Yehowa ƒe gbɔgbɔ, si le abe dzokpeta ene la,
Atɔ dzoe.
31 Baba na ame siwo yia Egipte ɖabiaa kpekpeɖeŋu,+
Ame siwo ɖoa dzi ɖe sɔwo ŋu,+
Ame siwo ɖoa ŋu ɖe aʋatasiaɖamwo ŋu, elabena wosɔ gbɔ,
Eye woɖoa ŋu ɖe aʋawɔsɔwo* ŋu, elabena ŋusẽ le wo ŋu,
Ke womeɖoa ŋu ɖe Israel Ƒe Kɔkɔetɔ la ŋu o,
Eye womedia Yehowa yome mɔ o.
2 Nunyalae eya hã nye, eye wòahe gbegblẽ avɛ,
Magbe eya ŋutɔ ƒe nyawo dzi wɔwɔ o.
Atso ɖe nu vlo wɔlawo ƒe aƒe
Kple ame siwo doa alɔ nu vɔ̃ɖi wɔlawo la ŋu.+
Ne Yehowa do eƒe asi ɖa la,
Kpeɖeŋutɔ la akli nu,
Ame si ŋu wole kpekpem ɖo la hã adze anyi;
Eye wo katã nu ayi ɖekae.
4 Elabena ale Yehowa gblɔ nam ye nye esi:
“Ale si ko dzata alo dzatatsui* tea gbe ɖe eƒe nuléle ŋu,
Eye ne woyɔ lãkplɔviwo katã ɖe eŋu hã,
Mevɔ̃na le woƒe ɣli,
Alo hoowɔwɔ ta o la,
Nenemae aʋakɔwo ƒe Yehowa aɖi ava wɔ aʋa
Le Zion To la kple eƒe togbɛ dzi.
5 Ale si xevi dea agba anyii la, nenemae aʋakɔwo ƒe Yehowa aʋli Yerusalem tae.+
Aʋli eta, eye wòaxɔ nɛ.
Ato eta ayi, eye wòaɖee.”
6 “Oo, mi Israel-viwo, mitrɔ va ame si ŋu miedze aglã ɖo vevie la gbɔ.+ 7 Elabena gbe ma gbe la, mia dometɔ ɖe sia ɖe agbe nu le eƒe klosalomawu dzodzrowo kple eƒe sikamawu maɖinu siwo mietsɔ miaƒe asiwo wɔ wònye nu vɔ̃ miewɔ la gbɔ.
Asi le yi nu,
Eye woazi eƒe ɖekakpuiwo dzi woawɔ dɔ sesẽ.
9 Eƒe agakpe la nu ayi le vɔvɔ̃ ko ta,
Eye ŋɔdzi alé eƒe amegãwo le dzesiti la ta,”
Yehowa, ame si ƒe kekeli* le Zion, eye eƒe kpodzo le Yerusalem, ye gblɔe.
2 Wo dometɔ ɖe sia ɖe anɔ abe sitsoƒe tso ya nu
Kple bebeƒe tso tsidzadza gã nu ene,
Abe tɔsisiwo le kuɖiɖinyigba dzi+
Kple agakpe gã ƒe vɔvɔli le anyigba si ƒu kplakplakpla dzi ene.
3 Ekema ame siwo kpɔa nu la ƒe ŋkuwo manyè atre o,
Eye ame siwo sea nu la aƒu to anyi.
4 Ame siwo tsia klokloklo la ƒe dzi abu sidzedze ŋu,
Eye kukɔlawo gɔ̃ hã ƒe aɖe aƒo nu eme nakɔ nyuie.+
5 Womagayɔ movitɔwo be dɔmenyotɔwo azɔ o,
Eye womagayɔ yakamewo be bubumewo o;
6 Elabena movitɔ agblɔ movinyawo,
Eye wòaɖo nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ɖe dzi me,+
Ne wòana amewo nagbe xɔse* ahagblɔ nya tramawo ɖe Yehowa ŋu,
Ne wòana dɔwuitɔ* natsi dɔmeɣi,
Eye wòate tsi tsikɔwuitɔ.
Edoa ŋukpenanuwɔwɔ ɖe ŋgɔ
Ne wòatsɔ alakpanya agblẽ fukpelawo dome,+
Ne ame dahe la gblɔ nya dzɔdzɔe gɔ̃ hã.
9 “Mi nyɔnu siwo li bɔkɔɔ, mitso, mise nye gbe!
Mi nyɔnuvi siwo metsɔa ɖeke le naneke me o,+ miƒu to anyi ɖe nye nyawo ŋu!
10 Le ƒe ɖeka kple ŋkeke aɖewo megbe la, mi ɖekematsɔlemetɔ siawo miadzo nyanyanya,
Elabena waintsetsexaɣi nu ayi evɔ womaƒo kutsetse aɖeke nu ƒu o.+
11 Mi nyɔnu siwo li bɔkɔɔ, dzidzi neƒo mi!
Mi ame siwo metsɔa ɖeke le naneke me o, midzo nyanyanya!
Miɖe amama,
Eye misa akpanya ɖe ali.+
12 Miƒo akɔta miafa konyi
Le agble nyuiawo kple wainka tsekuawo ta.
13 Elabena ŋù kple aŋɔka amie ɖe nye dukɔ ƒe anyigba dzi keŋ;
Woavu atsyɔ dzidzɔkpɔxɔwo,
Ɛ̃, du tsoaseye la katã dzi.+
Ofel+ kple gbetakpɔxɔ la siaa zu gbegbe tegbee,
Ezu fefeƒe na gbetedziwo
Kple gbeɖuƒe na lãhawo,+
15 Va se ɖe esime woakɔ gbɔgbɔ ɖe mía dzi tso dziƒo,+
Eye gbegbe nazu atikutsetsebɔ,
Eye woabu atikutsetsebɔ la ɖe avewo dome.+
17 Dzɔdzɔenyenye vavãtɔ me tsonu anye ŋutifafa,+
Eye dzɔdzɔenyenye vavãtɔ ƒe kutsetse anye tomefafa kple dedienɔnɔ tegbee.+
18 Nye dukɔ anɔ teƒe siwo ŋutifafa le,
Aƒe siwo me dedienɔnɔ le kple teƒe siwo tomefafa kple dziɖeɖi le.+
19 Ke kpetsi ana ave la nava anyi,
Eye du la aɖo baba ɖe anyi keŋkeŋ.
20 Dzidzɔtɔwoe nye mi ame siwo le nu ƒãm ɖe tɔwo katã to,
Ne ègblẽ nu vɔ la, woagblẽ wò hã.+
Ne ètrɔ ame ta vɔ la, woatrɔ wò hã tawò.
Wòe míele mɔ kpɔm na.
3 Dukɔwo si le wò gbeɖeɖe nu.
Ne ètso la, dukɔwo kana hlẽna.+
4 Woaƒo miaƒe aboyonuwo nu ƒu abe ale si ʋetsuvi gblẽnuwo ƒoa zi ɖe nu ŋu bibibi ene;
Amewo aƒo zi ɖe eŋu abe ʋetsuviwo ƒe ha gã aɖe ene.
5 Woado Yehowa ɖe dzi,
Elabena enɔƒe le dziƒo boo.
Atsɔ ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ kple dzɔdzɔenyenye ayɔ Zion fũu.
6 Enye gɔmeɖokpe na miaƒe ɣeyiɣiwo;
Eya gbɔe miaƒe xɔname,+ nunya, sidzedze kple Yehowa vɔvɔ̃+ ƒe agbɔsɔsɔ tso,
—Esiae nye eƒe kesinɔnu.
7 Kpɔ ɖa! Woƒe kalẽtɔwo le ɣli dom le kpɔdomee;
Ame siwo hea ŋutifafanya nyui vanɛ la le avi fam hehehe.
8 Mɔ gãwo dzi ɖi gbɔlo;
Ame aɖeke megale mɔwo dzi tom o.
9 Anyigba la le konyi fam, eye wòyrɔ.
Ŋukpe lé Lebanon;+ enyunyɔ.
Saron zu abe tagba ene,
Eye Basan kple Karmel lũ xe.+
11 Miefɔ gbe ƒuƒu ƒe fu, eye ahɔ̃litie miadzi.
Miawo ŋutɔwo miaƒe gbɔgbɔ afiã mi abe dzo ene.+
12 Dukɔwo anɔ abe akalo si womè ene.
Woatɔ dzo wo abe ŋuve siwo wolã kɔ ɖi ene.+
13 Mi ame siwo le didiƒe, mise nu si wɔ ge mala!
Eye mi ame siwo le kpuiƒe, midze si nye kalẽwɔwɔ!
‘Mía dometɔ kae ate ŋu anɔ afi si dzo flafla le?+
Mía dometɔ kae ate ŋu anɔ dzobibi si metsina o la gbɔ?’
15 Ame si zɔna le dzɔdzɔenyenye me ɖaa,+
Eye wògblɔa nya si le eteƒe,+
Ame si gbea viɖe ƒoɖi si wokpɔ to ame tafatafa me,
Ame si ƒe asiwo gbea zãnuxɔxɔ,+
Ame si xea to be yemase ʋukɔkɔɖi ŋu nya o,
Eye wòmiaa eƒe ŋkuwo be yemakpɔ nu baɖa o
16 —Anɔ kɔkɔƒewo;
Eƒe mɔ́ sesẽ anɔ agakpe gãwo dzi.
Woana eƒe aboloe,
Eye eƒe tsi mavɔ akpɔ o.”+
17 Wò ŋkuwo akpɔ fia le eƒe atsyɔ̃ me;
Woakpɔ anyigba aɖe le adzɔge ɖaa.
18 Àɖo ŋku ŋɔdzinu la dzi* le wò dzi me be:
“Afi kae agbalẽŋlɔla la le?
Afi kae nudala si xɔa adzɔ la le?+
Afi kae ame si xlẽa xɔ tsralawo la le?”
19 Màgakpɔ dukɔ mabuame aɖeke o,
Dukɔ si ƒe gbegbɔgblɔ sesẽ, eye womate ŋu ase eme o,
Si ƒe aɖe kukɔna, eye màte ŋu ase eƒe nyawo gɔme o.+
20 Kpɔ Zion, du si me míeɖua míaƒe azãwo le la ɖa!+
Wò ŋkuwo akpɔ Yerusalem, si nye dziɖeɖinɔƒe,
Agbadɔ si womakaka o.+
Womaho eƒe tsyotiwo akpɔ o,
Eye womatso eƒe kawo dometɔ aɖeke o.
21 Ke boŋ Yehowa, Bubutɔ Gã la,
Anye tɔsisiwo kple tɔʋu gãwo na mí le afi ma.
Tɔdziʋu siwo wokuna kple atabluwo mato edzi o,
Eye tɔdziʋu gã aɖeke mazɔ edzi o.
22 Elabena Yehowae nye míaƒe Ʋɔnudrɔ̃la,+
Yehowae nye míaƒe Senala,+
Yehowae nye míaƒe Fia;+
Eyae aɖe mí.+
23 Wò kawo me ado agblɔ;
Womate ŋu alé wò abalati ɖe te o; eye womahe abala me o.
Ɣemaɣi la, woama aboyonu geɖe;
Bunɔwo ke hã aha nu gbogbo aɖe.+
24 Dua me tɔ* aɖeke magblɔ be, “Mele dɔ lém” o.+
Woatsɔ ame siwo le anyigba la dzi ƒe vodada ake wo.+
34 Mi dukɔwo, mite va ne miasee;
Mi dukɔwo, miƒu to anyi.
Anyigba kple nu siwo katã yɔ edzi,
Anyigba la kple edzinuwo katã nesee.
Atsrɔ̃ wo gbidigbidi;
Atsɔ wo ana woawu.+
4 Dziƒoʋakɔ blibo la katã anyunyɔ,
Woaŋlɔ́ dziƒowo abe agbalẽ xatsaxatsa ene.
Woƒe aʋakɔ blibo la katã ayrɔ,
Abe ale si aŋgba yɔyrɔwo duduna le wainka ŋu ene,
Abe ale si gbotsetse léakpɔ̃ gena tso gboti dzi ene.
5 “Elabena nye yi aƒo ʋu belee le dziƒowo.+
Aɖiɖi ɖe Edom dzi le ʋɔnudɔdrɔ̃ me,+
Ðe dukɔ si matsrɔ̃ gbidigbidi la dzi.
6 Yi le Yehowa si; aƒo ʋu.
Elabena Yehowa le vɔ sa ge le Bozra,
Eye wòawu lã gbogbo aɖewo le Edom-nyigba dzi.+
7 Woawu gbenyiwo hã kpe ɖe wo ŋu,
Nyitsuiwo kple nyitsu sesẽwo hã.
Woƒe anyigba aƒo ʋu belee,
Eye woƒe ke aƒo ami.”
10 Matsi o, zã kple keli;
Eƒe dzudzɔ ade dzi tegbee.
Azu aƒedo tso dzidzime yi dzidzime;
Ame aɖeke mato edzi akpɔ o tegbetegbee.+
11 Azu alugewo kple hlɔ̃madewo nɔƒe,
Eye favieʋutowo kple akpaviãwo anɔ edzi;
Ada dzidzeka ɖe edzi be wòazu gbegbe
Kple nudakpe ɖe edzi be wòazu aƒedo.
12 Womatsɔ eƒe bubume aɖeke aɖo fiae o,
Eƒe amegãwo katã nu ayi.
13 Aŋɔka amie ɖe eƒe mɔ́ sesẽwo me,
Dza kple ŋù amie ɖe eƒe mɔ́ sesẽwo me.
14 Lã siwo nɔa gbegbe kple lã siwo xlɔ̃na sesĩe la ado go le afi ma,
Eye gbegbɔ̃* gɔ̃ hã ayɔ wo nɔewo.
Zãxewo aɖe dzi ɖi, eye woagbɔ ɖe eme le afi ma.
15 Afi mae da si lũa ʋɔ awɔ atɔ ɖo aɖa azi,
Aƒo vi ahaƒo wo nu ƒu ɖe eƒe vɔvɔli te le.
Ɛ̃, ayisuwo* aƒo ƒu ɖe afi ma, atsu kple nɔe.
16 Miawo ŋutɔwo midzro Yehowa ƒe agbalẽ la me, eye mikɔ gbe dzi miaxlẽe:
Wo dometɔ aɖeke mabu o;
Nɔe aɖeke mado kpo atsu kpɔkpɔ o,
Elabena Yehowa ƒe nue de se la,
Eye eƒe gbɔgbɔe ƒo wo nu ƒu.
Azu wo tɔ tegbee;
Woanɔ edzi tso dzidzime yi dzidzime.
Woakpɔ Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe, mía Mawu ƒe atsyɔ̃.
4 Migblɔ na ame siwo tsi dzimaɖi la be:
“Misẽ ŋu. Migavɔ̃ o.
Kpɔ ɖa! Mia Mawu ava kple hlɔ̃biabia,
Mawu ava kple teƒeɖoɖo.+
Ava ɖe mi.”+
Elabena tsi aŋɔ tso gbegbe,
Eye tɔsisi atso tagba.
Agbotoewo nɔƒe, afi si wotsyɔa akɔ ɖo la+
Azu afi si gbe, aɖa kple aƒla mie ɖo.
Ame makɔmakɔ aɖeke mato edzi o.+
Anye toƒe na ame siwo zɔna le mɔ la dzi,
Eye bometsila aɖeke matra ava to edzi o.
9 Dzata aɖeke manɔ afi ma o,
Eye lã wɔadã aɖeke mato edzi o.
10 Ame siwo Yehowa xɔ ƒle la atrɔ agbɔ,+ eye woava Zion kple aseyetsotso.+
Dzidzɔ mavɔ anɔ ta na wo wòanye woƒe atsyɔ̃.+
Woakpɔ dzidzɔ atso aseye,
Eye nuxaxa kple hũɖeɖe abu ɖe wo.+
36 Le Fia Hizkiya ƒe ƒe wuienelia me la, Asiria-fia+ Senakerib ho ɖe Yuda du sesẽwo katã ŋu, eye wòxɔ wo.+ 2 Asiria-fia dɔ Rabsake*+ kple aʋakɔ gã aɖe tso Lakis+ ɖo ɖe Fia Hizkiya le Yerusalem. Eye wòva tɔ ɖe dzigbeta+ la ƒe tɔʋu nu, le avɔnyala ƒe anyigba ƒe agblemɔ gã la to.+ 3 Eye Eliyakim,+ Hilkiya vi, si nye fia ƒe aƒedzikpɔla* kple agbalẽŋlɔla Sebna+ kpakple nuŋlɔla Yoak, Asaf vi, do va wo gbɔ.
4 Eye Rabsake gblɔ na wo be: “Migblɔ na Hizkiya be, ‘Ale fia gã, Asiria fia, gblɔe nye esi: “Nu ka kura gɔ̃ ŋue nèle ŋu ɖom ɖo?+ 5 Ègblɔ be, ‘Aɖaŋudzedze kple ŋusẽ le asinye hena aʋawɔwɔ’ ke numenya gbɔlo koe. Azɔ ame ka ŋue nèle ŋu ɖom ɖo, si tae nèdze aglã ɖe ŋunye?+ 6 Kpɔ ɖa! Èle ŋu ɖom ɖe aɖa ŋeŋe sia, si nye Egipte, esi ne ame aɖe ziɔ ɖe eŋu la, wòaŋɔ asi me nɛ la, ƒe kpekpeɖeŋu ŋuti. Aleae Egipte-fia Farao le na ame siwo katã ɖoa ŋu ɖe eŋu.+ 7 Ne ègblɔ nam be, ‘Yehowa mía Mawu ŋue míele ŋu ɖom ɖo la,’ ɖe menye eƒe nuxeƒewo kple vɔsamlekpuiwoe Hizkiya ɖe ɖa+ hegblɔ na Yuda kple Yerusalem be, ‘Vɔsamlekpui sia ŋgɔe miade ta agu ɖo’ oa?”’+ 8 Eya ta ne èlɔ̃ la, wò kple nye aƒetɔ Asiria-fia mitso gbe:+ Matsɔ sɔ akpe eve ana wò kpɔ be àte ŋu akpɔ sɔdolawo woado wo hã. 9 Ekema aleke nàwɔ ana nutodziɖula siwo nye nye aƒetɔ ƒe dɔla suetɔwo dometɔ ɖeka nagbugbɔ ɖe megbe hafi nèle ŋu ɖom ɖe Egipte ŋu be wòana tasiaɖamwo kple sɔdolawo yea? 10 Ðe nyemexɔ mɔɖeɖe tso Yehowa gbɔ hafi ho ɖe anyigba sia ŋu be matsrɔ̃e oa? Yehowa ŋutɔe gblɔ nam be, ‘Ho ɖe anyigba sia ŋu ne nàtsrɔ̃e.’”
11 Ale Eliyakim kple Sebna+ kpakple Yoak gblɔ na Rabsake+ be: “Míeɖe kuku, ƒo nu kple wò dɔlawo le Aramgbe*+ me, elabena míesee; ke mègaƒo nu kpli mí le Yudagbe me ɖe dukɔ si le glia dzi la ƒe to me o.”+ 12 Ke Rabsake ɖo eŋu be: “Ðe wobe mia kple miaƒe aƒetɔ ɖeɖe gbɔe nye aƒetɔ dɔm ɖo, be magblɔ nya siawo naa? Alo menye ame siwo bɔbɔ nɔ glia dzi, ame siwo aɖu woawo ŋutɔwo ƒe mĩ ahano woawo ŋutɔwo ƒe aɖuɖɔ kpli mi la, hã gbɔe wòdɔm ɖo oa?”
13 Eye Rabsake tɔ ɖi hedo ɣli sesĩe gblɔ le Yudagbe+ me be: “Mise fia gã, Asiria-fia,+ ƒe nya. 14 Ale fia la gblɔe nye esi, ‘Migana Hizkiya nable mi o, elabena mate ŋu aɖe mi o.+ 15 Eye migana Hizkiya nable mi miaɖo ŋu ɖe Yehowa+ ŋu agblɔ be: “Yehowa aɖe mí godoo, eye womatsɔ du sia ade asi na Asiria-fia o.” 16 Migaɖo to Hizkiya o, elabena ale Asiria-fia gblɔe nye esi: “Miwɔ ŋutifafa kplim ne miana ta,* eye mia dometɔ ɖe sia ɖe aɖu eya ŋutɔ ƒe waintsetse, aɖu eya ŋutɔ ƒe gbotsetse ahano eya ŋutɔ ƒe vudometsi 17 va se ɖe esime mava kplɔ mi ayi anyigba si le abe mia tɔ ene dzi,+ anyigba si dzi agblemenuku kple wain yeye le, anyigba si dzi abolo kple waingblewo le. 18 Migana Hizkiya nable mi agblɔ be, ‘Yehowa aɖe mí’ o. Ðe dukɔwo ƒe mawuwo dometɔ aɖe te ŋu ɖe eƒe anyigba tso Asiria-fia si me kpɔa?+ 19 Afi kae Hamat kple Arpad+ ƒe mawuwo le? Afi kae Sefarvayim+ ƒe mawuwo le? Ðe wote ŋu ɖe Samaria tso asinye mea?+ 20 Anyigba siawo ƒe mawuwo katã dometɔ kae ɖe woƒe anyigba tso asinye me kpɔ, ne Yehowa naɖe Yerusalem tso asinye me?”’”+
21 Ke wozi kpi, eye womeɖo nya aɖeke ŋu nɛ o, elabena fia la de se be, “Migaɖo nya aɖeke ŋu nɛ o.”+ 22 Ke Eliyakim, Hilkiya vi, si nye aƒedzikpɔla* kple agbalẽŋlɔla Sebna+ kpakple nuŋlɔla Yoak, Asaf vi, dze woƒe awuwo heva Hizkiya gbɔ, eye wogblɔ Rabsake ƒe nyawo nɛ.
37 Esi Fia Hizkiya se nya sia ko la, edze eƒe awuwo, eye wòta akpanya heva Yehowa ƒe aƒe la me.+ 2 Eye wòdɔ Eliyakim si nye aƒedzikpɔla* kple agbalẽŋlɔla Sebna kpakple nunɔlawo ƒe ame tsitsi siwo ta akpanya la, ɖo ɖe nyagblɔɖila Yesaya,+ Amoz vi la gbɔ. 3 Eye wogblɔ nɛ be: “Ale Hizkiya gblɔe nye esi, ‘Ŋkeke sia nye xaxa, mokaname* kple vlodoŋkeke; elabena viwo ɖo dzidzi me,* gake ŋusẽ meli woadzi wo o.+ 4 Ðewohĩ Yehowa wò Mawu ase Rabsake, ame si eƒe aƒetɔ Asiria-fia dɔ be wòava ɖe alɔme le Mawu gbagbe la ŋu la ƒe nyawo,+ eye wòabia akɔntae le nya siwo Yehowa wò Mawu se la ta. Eya ta do gbe ɖa+ ɖe ame susɔe siwo li la ta.’”+
5 Eya ta Fia Hizkiya ƒe dɔlawo yi Yesaya gbɔ,+ 6 eye Yesaya gblɔ na wo be: “Nya si miagblɔ na miaƒe aƒetɔe nye esi, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Mègavɔ̃+ le nya siwo nèse, siwo nye busunya siwo Asiria-fia+ ƒe dɔlawo gblɔ ɖe ŋunye la ta o. 7 Kpɔ ɖa, made susu aɖe tame nɛ,* eye wòase nya aɖe ahatrɔ ayi eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi;+ eye mana wòatsi yi nu le eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi.”’”+
8 Esi Rabsake se be Asiria-fia ho dzo le Lakis la, etrɔ yi egbɔ eye wòkpɔ be enɔ aʋa wɔm kple Libna.+ 9 Azɔ Fia la se le Etiopia-fia Tirhaka ŋu be: “Eho va aʋa wɔ ge kpli wò.” Esi wòsee la, egadɔ amewo ɖo ɖe Hizkiya+ be: 10 “Ale miagblɔ na Yuda-fia Hizkiya ye nye esi: ‘Mègana wò Mawu si ŋu nèle ŋu ɖom ɖo la nable wò nànɔ gbɔgblɔm be, “Womatsɔ Yerusalem ade asi na Asiria-fia o.”+ 11 Kpɔ ɖa! Èse nu si Asiria-fiawo wɔ dukɔwo katã esi wotsrɔ̃ wo ɖikaa,+ ke ɖe woaɖe wò ya? 12 Ðe dukɔ siwo tɔgbuinyewo tsrɔ̃ la, ƒe mawuwo ɖe woa?+ Afi kae Gozan, Haran,+ Rezef kple Eden vi siwo le Tel-Asar la le? 13 Afi kae Hamat-fia, Arpad-fia kple du siwo nye Sefarvayim,+ Hena kple Iwa ƒe fiawo le?’”
14 Eye Hizkiya xɔ agbalẽawo le ame dɔdɔawo si eye wòxlẽe. Emegbe Hizkiya yi Yehowa ƒe aƒe la me hekeke agbalẽawo ɖe Yehowa ŋkume.+ 15 Eye Hizkiya do gbe ɖa na Yehowa+ be: 16 “Oo aʋakɔwo ƒe Yehowa,+ Israel ƒe Mawu, ame si bɔbɔ nɔ kerubiwo tame,* wò ɖeɖe koe nye Mawu vavã ɖe anyigbadzifiaɖuƒewo katã dzi. Wòe wɔ dziƒowo kple anyigba. 17 Oo Yehowa, ƒu to anyi ne nàsee!+ Yehowa, ʋu wò ŋkuwo ne nàkpɔ nu!+ Eye nàse nya siwo katã Senakerib gblɔ ɖo ɖa be yeatsɔ aɖe alɔme le Mawu gbagbe la ŋu.+ 18 Oo Yehowa, nyateƒee wònye be Asiria-fiawo tsrɔ̃ dukɔwo katã+ kple woawo ŋutɔwo ƒe dukɔ hã. 19 Eye wotɔ dzo woƒe mawuwo,+ elabena menye mawuwo wonye o, ke boŋ amegbetɔ ƒe asinudɔwɔwɔwo,+ ati kple kpe wonye. Eya tae wote ŋu tsrɔ̃ wo ɖo. 20 Ke azɔ, Yehowa mía Mawu, ɖe mí tso esi me, ne anyigbadzifiaɖuƒewo katã nadze sii be wò ɖeɖe koe nye Mawu, Oo Yehowa.”+
21 Eye Yesaya, Amoz vi, ɖo gbedeasi sia ɖe Hizkiya be: “Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔe nye esi, ‘Esi nèdo gbe ɖa nam le Asiria-fia Senakerib ŋu ta la,+ 22 nya si Yehowa gblɔ ɖe eŋue nye esi:
“Zion ɖetugbui leaƒe do vlo wò, eko wò.
Èna Yerusalem vinyɔnu ʋuʋu ta ɖe ŋuwò.
23 Ame ka ŋue nèɖe alɔme le+ hegblɔ busunya ɖo?
Ame ka tae nèdo ɣli ɖo,+
Eye ame ka ŋue nèfɔ mo dzi ɖo dadatɔe?
Israel Ƒe Kɔkɔetɔ la ŋue!+
24 Èto wò dɔlawo dzi ɖe alɔme le Yehowa+ ŋu be:
‘Matsɔ nye aʋatasiaɖam gbogboawo,
Ayi towo dzi,+
Ayi Lebanon ƒe nutotroewo me.
Malã eƒe sederti kɔkɔwo kple eƒe sesewu nyuitɔwo aƒu anyi.
Mage ɖe eƒe kɔkɔƒe kekeake, eƒe ave dodowo me.
25 Maɖe vudo ahano tsi;
Nye afɔƒome ana Egipte-tɔsisiwo* namie.’
26 Mèsee oa? Nu siae meɖo be mawɔ tso blema ke.
Meɖoe tso gbe aɖe gbe ke.+
Azɔ mana wòava eme.+
Be nàgbã du sesẽwo woazu glikpowo.+
27 Wɔna avɔ le wo me nɔlawo ŋu;
Dzika atso wo ƒo, eye ŋukpe alé wo.
Woazu abe nu miemie le agble me kple gbe fẽwo ene,
Abe xɔtagbe si ɣedzeƒeya fiã ene.
28 Menya wò anyinɔnɔ, wò dodo kple wò gbɔgbɔ,+
Kple wò dzikudodo ɖe ŋunye nyuie,+
29 Elabena wò dzikudodo ɖe ŋunye+ kple wò gbeɖeɖe la va ɖo to me nam.+
Eya ta made nye ga ŋɔti na wò kple nye numega nu na wò,+
Eye makplɔ wò agbugbɔ to mɔ si nèto va la.”
30 “‘Esiae anye dzesi na wò:* Miaɖu nuku siwo mie le wo ɖokui si la ƒe tsetse le ƒe sia me, eye ne ƒe trɔ la, miaɖu esiwo gamie tso esiwo mie le wo ɖokui si la me; ke le ƒe etɔ̃lia me la, miaƒã nu aŋe nu, eye miade waingblewo aɖu wo me kutsetsewo.+ 31 Yuda ƒe aƒe la me tɔ siwo tsi agbe, siwo susɔ la,+ ato ke ayi to, eye woatse ku aɖo ta dzi. 32 Elabena ame susɔeawo ado tso Yerusalem, eye ame siwo tsi agbe la atso Zion To la dzi.+ Aʋakɔwo ƒe Yehowa ƒe dzonɔameme awɔ esia ade goe.+
33 “‘Eya ta ale Yehowa gblɔ ɖe Asiria-fia ŋue nye esi:+
“Mava du sia me o,+
Mada aŋutrɔ ɖeka pɛ hã ɖe eme o
Matsɔ akpoxɔnu akpe kplii o,
Eye maƒu kpo ɖe eŋu hã o.”’+
34 ‘Agbugbɔ ato mɔ si wòto va;
Mava du sia me o,’ Yehowa ye gblɔe.
36 Eye Yehowa ƒe dɔla do yi ɖawu ame akpe alafa ɖeka blaenyi vɔ atɔ̃ le Asiriatɔwo ƒe asaɖa la me. Esi amewo fɔ ŋdi kanya la, ame kukuwo sɔŋ ko wokpɔ.+ 37 Eya ta Asiria-fia Senakerib trɔ dzo, eye wòyi ɖanɔ Niniwe.+ 38 Eye esi wòle ta dem agu le eƒe mawu Nisrok ƒe me* la, Adramelek kple Sarezer, siwo nye eya ŋutɔ viaŋutsuwo, wui kple yi,+ eye wosi yi Ararat-nyigba+ dzi. Eye via Esar-Hadon+ zu fia ɖe eteƒe.
38 Le ŋkeke mawo me la, Hizkiya dze dɔ de kuku ge kloe.+ Eya ta nyagblɔɖila Yesaya,+ Amoz vi, va egbɔ gblɔ nɛ be, “Ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Wɔ ɖoɖo na wò aƒemetɔwo, elabena èle kuku ge; màhaya o.’”+ 2 Enumake Hizkiya trɔ mo ɖe gli ŋu hedo gbe ɖa na Yehowa be: 3 “Oo Yehowa, meɖe kuku, ɖo ŋku+ ale si mezɔ le ŋkuwòme le nyateƒe kple dzi blibo me,+ eye mewɔ nu si nyo le ŋkuwòme la dzi.” Eye Hizkiya fa avi hehehe.
4 Yehowa ƒe gbe va na Yesaya be: 5 “Trɔ yi nàɖagblɔ na Hizkiya be,+ ‘Ale Yehowa, tɔgbuiwò David ƒe Mawu la, gblɔe nye esi: “Mese wò gbedodoɖa.+ Mekpɔ wò aɖatsiwo.+ Kpɔ ɖa, matsɔ ƒe wuiatɔ̃ akpe wò agbenɔƒewo,*+ 6 maɖe wò kple du sia tso Asiria-fia si me, eye maʋli du sia ta.+ 7 Esiae nye dzesi na wò tso Yehowa gbɔ, be Yehowa awɔ nya si wògblɔ la dzi:+ 8 Kpɔ ɖa, mana vɔvɔli si ɣe na wòdze Ahaz ƒe atrakpuiawo* dzi la nagbugbɔ ɖe megbe afɔ ewo.”’”+ Ale ɣe la gbugbɔ ɖe megbe afɔ ewo tso atrakpui siwo dzi wòva ɖo la.
9 Yuda-fia Hizkiya ƒe nya si wòŋlɔ, esime wòdze dɔ, eye wòhaya tso eƒe dɔlélea me lae nye esi:
10 Megblɔ be: “Le nye agbemeŋkekewo ƒe domedome la,
Mage ɖe Tsiẽƒe* ƒe agbowo me.
Woaxɔ nye agbenɔƒe susɔeawo le asinye.”
11 Megblɔ be: “Nyemakpɔ Yah,* Yah, le agbagbeawo ƒe anyigba dzi o.+
Nyemagakpɔ amegbetɔwo azɔ o,
Ne mele ame siwo dome nu sia nu nu yi le la gbɔ.
12 Woho nye nɔƒe hetsɔe dzoe le gbɔnye+
Abe alẽkplɔlawo ƒe agbadɔ ene.
Meŋlɔ́ nye agbe abe ale si avɔlɔ̃la ŋlɔ́a avɔe ene.
Etsom ɖa abe ale si avɔlɔ̃la tsoa kawo le agbati me ene.
Ètsɔam dea asi zã kple keli.+
13 Mefa dzi na ɖokuinye va se ɖe ŋdi.
Egbãa nye ƒuwo katã abe dzata ene;
Ètsɔam dea asi zã kple keli.+
Nye ŋkuwo kpɔ dzi ʋuu nu te wo ŋu:+
15 Nya kae magblɔ?
Eƒo nu nam eye wòwɔe hã.
Le nye agbemeŋkekewo katã me la, mazɔ ɖokuibɔbɔtɔe
Le nye vevesesewo ta.*
16 ‘Oo Yehowa, nu siawo* tae ame nɔa agbe ɖo,
Eye nu siawo mee nye gbɔgbɔ le agbe le.
Àgana lãmesẽm, eye àxɔm ɖe agbe.+
Ètsɔ nye nu vɔ̃wo katã ƒu gbe ɖe megbewò.*+
Aʋlimeyilawo mate ŋu anɔ mɔ kpɔm na wò nyateƒetɔnyenye o.+
19 Agbagbeawo, agbagbeawo koe akafu wò,
Abe ale si mete ŋu le ewɔm egbe sia ene.
Fofowo agblɔ wò nyateƒetɔnyenye na wo viwo.+
20 Oo Yehowa, xɔ nam,
Eye míatsɔ kasaŋkuwo aƒo nye hawo+
Le míaƒe agbemeŋkekewo katã me le Yehowa ƒe aƒe la me.’”+
21 Eye Yesaya gblɔ be: “Mitsɔ gbotsetse ƒuƒu kɔ vɛ, eye mitsɔe ɖo ƒoƒoe la dzi, ne wòahaya.”+ 22 Do ŋgɔ la, Hizkiya bia be: “Nu kae nye dzesi be magayi Yehowa ƒe aƒe la me?”+
39 Ɣemaɣi la, Babilon-fia Merodak-Baladan, Baladan vi, ɖo agbalẽwo kple nunanawo ɖe Hizkiya,+ elabena ese be edze dɔ, ke ehaya.+ 2 Eye Hizkiya xɔ wo nyuie* hetsɔ nu siwo le eƒe kesinɔnudzraɖoƒe+ siwo nye klosalo, sika, balsam-mi kple ami xɔasi bubuwo, nu siwo le eƒe aʋawɔnuwo dzraɖoƒe blibo la, kple nu sia nu si le eƒe kesinɔnudzraɖoƒe fia wo. Naneke meli si Hizkiya metsɔ fia wo le eƒe aƒe* kple eƒe dziɖuƒe blibo la katã me o.
3 Emegbe nyagblɔɖila Yesaya va Fia Hizkiya gbɔ va biae be: “Nya kae ame siawo gblɔ, eye afi kae wotso?” Hizkiya ɖo eŋu be: “Anyigba didi aɖe dzie wotso va, tso keke Babilon ke.”+ 4 Eye wòbiae be: “Nu kae wokpɔ le aƒewò me?”* Hizkiya ɖo eŋu be: “Wokpɔ nu siwo katã le aƒenye me.* Naneke mele nye kesinɔnudzraɖoƒe si nyemetsɔ fia wo o.”
5 Eye Yesaya gblɔ na Hizkiya be: “Se aʋakɔwo ƒe Yehowa ƒe nya, 6 ‘Kpɔ ɖa! Ŋkekewo li gbɔna, esime woalɔ nu siwo katã le wò aƒe* me kple nu siwo katã tɔgbuiwòwo dzra ɖo va se ɖe egbe sia la adzoe ayi Babilon.’ ‘Womagblẽ naneke ɖi o,’+ Yehowa ye gblɔe.+ 7 ‘Woakplɔ wò ŋutɔ viwòŋutsu siwo nàdzi la dometɔ aɖewo adzoe, eye woazu fiaŋumewo le Babilon-fia ƒe fiasã me.’”+
8 Eye Hizkiya ɖo eŋu na Yesaya be: “Yehowa ƒe nya si nègblɔ la nyo.” Eye wògagblɔ be: “Elabena ŋutifafa anɔ anyi eye nuwo ali ke* le nye agbenɔɣi.”*+
40 Mia Mawu la be: “Mifa akɔ, mifa akɔ na nye dukɔ.+
2 Miƒo nu wòade dzi gbɔ* na Yerusalem,
Eye migblɔ nɛ be eƒe dzizizidɔ la wu enu;
Exe eƒe fɔɖiɖi ŋuti fe la vɔ.+
Elabena exɔ eƒe nu vɔ̃wo ŋuti fetu blibo* la tso Yehowa gbɔ.”+
3 Ame aɖe le ɣli dom le gbedzi be:
“Midzra Yehowa ƒe mɔ dzi ɖo!+
Mita mɔ gã+ dzɔdzɔe ɖe gbegbe na mía Mawu+ la.
4 Woana baliwo katã nakɔ kpo,
Eye woana to sia to kple togbɛ sia togbɛ nabɔbɔ ɖe anyi.
Kpoteƒe azu zɔzrɔ̃eƒe,
Eye teƒe glidzaglidza azu sɔsɔeƒe.+
6 Se ɖa! Ame aɖe le gbɔgblɔm be: “Do ɣli!”
Eye ame bubu bia be: “Mado nu ka ƒe ɣli?”
“Ŋutilãwo* katã le abe gbe mumu ene,
Eye woƒe nuteƒewɔwɔ katã le abe seƒoƒo le gbe me ene.+
Nyateƒee, gbe mumue dukɔ la nye.
Kɔ gbe dzi sesĩe,
Wò, nyɔnu si tsɔ nya nyui gbɔna na Yerusalem,
Kɔ gbe dzi, mègavɔ̃ o.
Ðe gbeƒã na Yuda duwo be: “Mia Mawue nye esi.”+
Kpɔ ɖa! Egbɔna kple teƒeɖoɖo,
Eye fetu si wòxena la le eŋgɔ.+
11 Akplɔ eƒe lãhawo abe alẽkplɔla ene.+
Aƒo alẽviawo nu ƒu ɖe eƒe abɔwo dome,
Eye wòakɔ wo ɖe akɔnu.
Akplɔ esiwo le no nam la ɖɔɖɔɖɔ.+
14 Ame kae wòde adaŋu kplii, ne wòase nu gɔme,
Alo ame kae fiaa nui le dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ ŋu,
Alo fiaa sidzedzee,
Alo fiaa gɔmesese vavãtɔ ƒe mɔe?+
15 Kpɔ ɖa! Dukɔwo le abe tsigege toŋtoŋ le tɔkpo ŋu ene,
Eye wobu wo abe ʋuʋudedi si le nudanu ŋu ene.+
Kpɔ ɖa! Ekɔa ƒukpowo ɖe dzi abe ʋuʋudedi ko ene.
16 Lebanon ƒe atiwo gɔ̃ hã mesɔ gbɔ hena dzododo o,*
Eye eƒe gbemelãwo mesɔ gbɔ woatsɔ asa numevɔe o.
18 Ame kae miate ŋu atsɔ Mawu asɔ kplii?+
Eye nɔnɔme kae miate ŋu atsɔ asɔ kplii?+
20 Etia ati,+
Ati si manyunyɔ o.
Edi aɖaŋudɔwɔla bibi aɖe
Be wòatsɔe akpa nu kpakpɛ si maʋã o la nɛ.+
21 Ðe mienyae oa?
Ðe miesee oa?
Ðe womegblɔe na mi tso gɔmedzedzea me ke oa?
Ðe miese egɔme tso esime woɖo anyigba gɔme anyi oa?+
Ehea dziƒowo me abe avɔ falɛfalɛ ene,
Eye wòkekea wo abe agbadɔ si me wòanɔ ene.+
23 Eɖia gbɔ amegãwo,
Eye wòna anyigba la dzi ʋɔnudrɔ̃lawo* ke hã zu tofloko.
24 Womekpɔ do wo haɖe o,
Womekpɔ ƒã wo haɖe o,
Woƒe ati mekpɔ to ke ɖe anyigba me haɖe o.
Eye ne woɖo ƒuƒu wo ko la, woƒuna,
Eye ya lɔa wo ɖe nu abe ahɔ̃liti ene.+
25 Kɔkɔetɔ la be: “Ame kae miatsɔm asɔ kpli, ne nye kplii míasɔ?”
26 “Mifɔ mo dzi ne miakpɔ dziƒo.
Ame kae wɔ nu siawo?+
Eyae nye ame si kplɔa woƒe aʋakɔ la doa goe le woƒe xexlẽme nu;
Eyɔa wo dometɔ ɖe sia ɖe ŋkɔ.+
Wo dometɔ aɖeke mesusɔna o
Le eƒe ŋusẽ geɖe kple eƒe alɔkame sesẽ la ta.+
27 “Oo Yakob, nu ka tae nèle nu ƒom, Oo Israel, nu ka tae nèle gbɔgblɔm be:
‘Nye mɔwo le ɣaɣla ɖe Yehowa,
Eye Mawu metsoa afia dzɔdzɔe nam o?+
28 Mènyae oa? Mèsee oa?
Yehowa, Ame si wɔ anyigba ƒe mlɔenuwo la, Mawu mavɔtɔ wònye.+
Ðeɖi metea eŋu o, eye nu metia kɔ nɛ o.+
Eƒe nunya me dzodzro meli o.*+
30 Nu ati kɔ na sɔhɛwo, ɖeɖi ate wo ŋu,
Eye ɖekakpuiwo akli nu adze anyi,
31 Gake ŋusẽ yeye aɖo ame siwo kpɔa mɔ na Yehowa ya ŋu.
Woadzo ayi dzi abe hɔ̃ ene.+
Woaƒu du gake ɖeɖi mate wo ŋu o;
Woazɔ azɔli gake nu mati kɔ na wo o.”+
Mina woate va ne woaƒo nu.+
Mina míakpe ta adrɔ̃ nya.
2 Ame kae nyɔ ame tso ɣedzeƒe?+
Eye wòyɔe le dzɔdzɔenyenye me va Eƒe afɔ nu,*
Ne wòatsɔ dukɔwo ade asi nɛ
Eye wòana wòabɔbɔ fiawo ɖe anyi?+
Ame kae na wozu kewɔ le eƒe yi ŋgɔ,
Eye eƒe dati na wozu gbe ƒuƒu le ya nu?
3 Etia wo yome, eye naneke mexea mɔ nɛ
Le mɔ si dzi meto kpɔ o la dzi o.
4 Ame kae wɔ esia,
Eye wòyɔ dzidzimewo tso gɔmedzedzea me ke?
5 Ƒukpowo kpɔe, eye dzidzi ƒo wo.
Anyigba ƒe mlɔenuwo dzo nyanyanya.
Woƒo takpli heva.
6 Wo dometɔ ɖe sia ɖe kpe ɖe ehavi ŋu,
Eye ame sia ame gblɔ na nɔvia be: “Sẽ ŋu.”
7 Ale aɖaŋudɔwɔla do ŋusẽ nutula;+
Ame si tsɔ yɔxɔmezu ƒo ga gbabɛ la hã
Do ŋusẽ ame si le zu dam le zukpe dzi.
Egblɔ le nu si trem wole la ŋu be: “Enyo.”
Eye woƒo gatagbadzɛwo ɖee be wòagamu o.
8 “Ke wò, Israel, nye subɔla nènye;+
Nye ame tiatia Yakob,+
Xɔ̃nye Abraham ƒe dzidzimevi,+
9 Wò ame si mekplɔ tso anyigba ƒe mlɔenuwo,+
Wò ame si meyɔ tso eƒe didiƒe kekeake.
10 Mègavɔ̃ o, elabena meli kpli wò.+
Mègatsi dzi o, elabena nyee nye wò Mawu.+
Mado ŋusẽ wò; makpe ɖe ŋuwò.+
Matsɔ nye dzɔdzɔenyenye ƒe nuɖusi alé wò ɖe te.’
11 Kpɔ ɖa! Ame siwo katã do dɔmedzoe ɖe ŋuwò la aɖu ŋukpe, eye woaɖi gbɔ wo.+
Ame siwo le dzre wɔm kpli wò la azu tofloko, eye woatsrɔ̃.+
12 Àdi ame siwo le avu wɔm kpli wò la, ke màkpɔ wo o.
Ame siwo le aʋa wɔm kpli wò la nu ayi, woazu tofloko.+
13 Elabena nye, Yehowa wò Mawu, melé wò nuɖusi ɖe asi,
Nye ame si le gbɔgblɔm na wò be: ‘Mègavɔ̃ o. Makpe ɖe ŋuwò.’+
14 Mègavɔ̃ o, wò, nyévi* Yakob,+
Mi Israel ŋutsuwo, makpe ɖe mia ŋu,” Yehowa, Israel Ƒe Kɔkɔetɔ, mia Gbugbɔƒlela,+ lae gblɔe.
Àfanya towo ahagbã wo gudugudu
Eye àwɔ togbɛwo abe tsro ene.
17 “Ame dahe kple hiãtɔ le tsi dim, ke ɖeke meli o.
Tsikɔwuame na woƒe aɖewo dzi ƒu.+
Nye Yehowa matɔ na wo.+
Nye, Israel ƒe Mawu la, nyemagblẽ wo ɖi o.+
Mana gbegbe nazu ta,
Eye kuɖiɖinyigba nazu tsidzɔƒewo.+
Mado sesewu,
Fɔfɔli kple kpomi ɖe tagba,+
20 Ale be dukɔwo katã nakpɔe, eye woadze sii,
Woalé ŋku ɖe eŋu ahase egɔme
Be Yehowa ƒe asie wɔ esia,
Eye Israel Ƒe Kɔkɔetɔ lae wɔe.”+
21 Yehowa be: “Mihe miaƒe nyawo ɖe go.”
Yakob ƒe Fia la be: “Mihe mia ɖokuitaʋlinyawo ɖe go.”
22 “Mina kpeɖodzi nanɔ eŋu, ne miagblɔ nu siwo gbɔna dzɔdzɔ ge la na mí.
Alo migblɔ nu siwo gbɔna la na mí míase.+
Ɛ̃, miwɔ nyui alo vɔ̃,
Be míakpɔe wòadzi ŋɔ na mí.+
Ame sia ame si tia mi la, ŋunyɔnu wònye.+
26 Ame kae gblɔ esia tso gɔmedzedzea me ne míadze sii,
Alo tso gbe aɖe gbe ke ne míagblɔ be: ‘Etɔ dzɔ’?+
Ame aɖeke megblɔe o!
Ame aɖeke meɖe gbeƒãe o!
Ame aɖeke mese nya aɖeke tso mia gbɔ o!”+
27 Nyee nye ame gbãtɔ, si gblɔ na Zion be: “Kpɔ ɖa! Woawoe nye esi!”+
Eye megblɔ na Yerusalem be mana ame aɖe nahe du nyui vɛ.+
28 Metsa ŋku, ke ame aɖeke meli o;
Aɖaŋuɖola aɖeke mele wo dome o.
Eye mebiaa nya wo be woaɖo eŋu nam.
29 Kpɔ ɖa! Wo katã wonye tofloko* sɔŋ.
Woƒe dɔwɔwɔwo nye nu dzodzro.
Woƒe galegbawo* nye ya kple nu maɖinuwo.+
42 Kpɔ ɖa! Nye subɔla,+ ame si melé ɖe te!
Nye ame tiatia,+ ame si ƒe nu dze ŋunye!*+
Ahe dzɔdzɔenyenye vɛ le nyateƒe me.+
4 Ðeɖi mate eŋu o, eye eƒe lãme magbɔdzɔ o, va se ɖe esime wòɖo dzɔdzɔenyenye anyi le anyigba dzi;+
Ƒukpowo le mɔ kpɔm na eƒe se* la.
5 Ale Mawu vavã Yehowa,
Dziƒowo Wɔla, Mawu Gã si hea wo me,+
Ame si keke anyigba kple edzinuwo ɖe enu,+
Ame si naa agbegbɔgbɔ edzinɔlawo+
Kple gbɔgbɔ ame siwo zɔa edzi la, gblɔe nye esi:+
6 “Nye Yehowa ye yɔ wò le dzɔdzɔenyenye me,
Eye melé wò asi.
Makpɔ tawò, eye mana nànye nubabla na dukɔwo,+
Kple kekeli na dukɔwo,+
7 Ne nàʋu ŋku na ŋkuagbãtɔwo,+
Ne nàɖe gamenɔlawo tso gaxɔ* me
Kple ame siwo bɔbɔ nɔ viviti me la tso gaxɔ me.+
8 Nyee nye Yehowa. Ŋkɔnyee;
Nyematsɔ nye ŋutikɔkɔe ana ame bubu aɖeke o,*
Alo atsɔ nye kafukafu ana legbawo o.+
9 “Kpɔ ɖa nya gbãtɔwo va eme,
Azɔ mele yeyewo gblɔm.
Megblɔ wo na mi hafi woava dzɔ.”+
Midzi eƒe kafukafuhawo tso anyigba ƒe mlɔenuwo,+
Mi ame siwo toa atsiaƒu dzi kple mi atsiaƒumenuwo,
Mi ƒukpowo kple wo dzi nɔlawo.+
Agakpedzinɔlawo netso aseye.
Wonedo ɣli sesĩe tso towo tame.
13 Yehowa ado abe kalẽtɔ ene.+
Ade dzo eɖokui me abe aʋawɔla ene.+
Ado ɣli, ɛ̃, ado aʋaɣli;
Aɖu eƒe futɔwo dzi.+
14 “Mezi ɖoɖoe eteƒe didi.
Mezi kpi, eye meɖu ɖokuinye dzi.
Maŋè eye malɔ gbɔgbɔtsixe ɖe ƒo anɔ gbɔgbɔm fuxefuxe
Abe nyɔnu si le ku lém ene.
15 Magblẽ towo kple togbɛwo,
Eye mana wo dzi gbewo katã naƒu.
Nu siae mawɔ na wo, eye nyemagblẽ wo ɖi o.”
17 Ame siwo ɖoa ŋu ɖe legbawo ŋu,
Ame siwo le gbɔgblɔm na galegbawo* be: “Miawoe nye míaƒe mawuwo”+ la,
Woagbugbɔ wo ɖe megbe, eye ŋu akpe wo vevie.
19 Ame kae nye ŋkuagbãtɔ, ɖe menye nye subɔlae oa,
Eye ame kae nye tokunɔ abe nye dɔla si medɔ la ene?
Ame kae nye ŋkuagbãtɔ abe ame si woɖo eteƒe na ene,
Eye ame kae nye ŋkuagbãtɔ abe Yehowa ƒe subɔla ene?+
20 Èkpɔ nu geɖe, ke mèlé ŋku ɖe wo ŋu o.
Èke to, gake mèse naneke o.+
21 Edze Yehowa ŋu
Be yeado gã yeƒe se* la ahadoe ɖe dzi le eƒe dzɔdzɔenyenye la ta.
Woha wo, ke ame aɖeke meli axɔ na wo o,+
Woda adzo wo, ke ame aɖeke meli agblɔ be: “Gbugbɔ wo vɛ!” o.
23 Mia dometɔ kae alé to ɖe nya sia ŋu?
Ame kae aƒu to anyi ahalé ŋku ɖe nu siwo gbɔna dzɔdzɔ ge la ŋu?
24 Ame kae tsɔ Yakob de asi be woaha,
Eye wòtsɔ Israel de asi na adzodalawo?
Ðe menye Yehowa, Ame si ŋu míewɔ nu vɔ̃ ɖo ye oa?
Aʋa la ƒe dzo fiã nu sia nu si ƒo xlãe, ke mede dzesii o.+
Dzoa lé flaflafla ɖe eŋu, ke mede dzi gbɔ nɛ o.+
“Mègavɔ̃ o, elabena megbugbɔ wò ƒle.+
Metsɔ wò ŋkɔ yɔ wò.
Tɔnye nènye.
Ne èzɔ dzo me la, mamè wò loo,
Alo dzoƒaɖe nafiã wò o.
3 Elabena nyee nye Yehowa wò Mawu,
Israel Ƒe Kɔkɔetɔ, wò Xɔnametɔ la.
Metsɔ Egipte na tafee ɖe tawò,
Eye metsɔ Etiopia kple Seba ɖɔli wò.
Eya ta matsɔ amegbetɔwo ana ɖe tewòƒe
Kple dukɔwo ana ɖe wò agbe* ta.
5 Mègavɔ̃ o, elabena meli kpli wò.+
Makplɔ wò dzidzimeviwo tso ɣedzeƒe vɛ,
Eye maƒo mia nu ƒu tso ɣetoɖoƒe.+
6 Magblɔ na dziehe be: ‘Ðe asi le wo ŋu!’+
Eye magblɔ na anyiehe be: ‘Mègasika wo ɖi o.
Kplɔ vinyeŋutsuwo tso didiƒe vɛ kple vinyenyɔnuwo tso anyigba ƒe mlɔenu vɛ,+
7 Ame siwo katã ŋu woyɔ nye ŋkɔ ɖo,+
Ame siwo mewɔ hena nye ŋutɔ nye bubu,
Ame siwo memè, eye mewɔ.’+
Wo dometɔ kae ate ŋu agblɔ esia?
Alo ɖe woate ŋu ana míase nu gbãtɔ siwo adzɔa?*+
Wonekplɔ woƒe ɖasefowo vɛ, ne woaɖee fia be woƒe nya dzɔ,
Alo woasee ahagblɔ be: ‘Nyateƒee!’”+
10 Yehowa be: “Miawoe nye nye ɖasefowo+
Ɛ̃, nye subɔla si metia,+
Ne mianyae, eye miaxɔ dzinye ase,*
Eye mianyae be Ame ma ko menye.+
Womewɔ Mawu aɖeke do ŋgɔ nam o,
Eye ɖeke hã medo megbe nam o.+
11 Nyee nye Yehowa,+ eye xɔnametɔ aɖeke meli kpe ɖe ŋunye o.”+
Yehowa be: “Miawoe nye nye ɖasefowo, eye nyee nye Mawu.+
Ne mewɔ nu la, ame kae ate ŋu atrɔe?”+
14 Ale Yehowa, mia Gbugbɔƒlela,+ Israel ƒe Kɔkɔetɔ+ la, gblɔe nye esi:
“Le mia ta madɔ ame ɖo ɖe Babilon woaɖiɖi gaxɔwo ƒe gametiwo ɖe anyi,+
Eye Kaldeatɔ siwo le woƒe tɔdziʋuwo me la ado konyifaɣli.+
15 Nyee nye Yehowa, miaƒe Kɔkɔetɔ+ la, Israel Wɔla,+ miaƒe Fia.”+
16 Ale Yehowa,
Ame si ɖe mɔ to atsiaƒu me,
Eye wòɖe toƒe ɖe tɔ dzeagbowo gɔ̃ hã me,+
17 Ame si kplɔa aʋatasiaɖam kple sɔ,+
Aʋakɔ kple kalẽtɔwo donɛ la gblɔe nye esi:
“Woaɖo baba ɖe anyi, eye womafɔ o.+
Woatsi kplo abe ale si akaɖimeɖovu tsinae ene.”
18 “Migaɖo ŋku gbe aɖe gbe nuwo dzi o,
Eye miganɔ tsãnuwo ŋu bum o.
19 Kpɔ ɖa! Mele nu yeye aɖe wɔm.+
Ele mo dom ɖa fifia gɔ̃ hã xoxo,
Miekpɔe dze sii oa?
20 Gbemelãwo ade bubu ŋunye,
Agbotoewo kple golowo* hã,
Elabena mena tsi le gbegbe,
Tɔsisiwo le gbedadaƒo,+
Be nye dukɔ, nye ame tiatia+ la nano,
21 Dukɔ si mewɔ na ɖokuinye,
Ne wòaɖe gbeƒã nye kafukafu.+
23 Mètsɔ wò alẽwo sa numevɔ nam o,
Eye mètsɔ wò vɔsawo kafum o.
Nyemezi dziwò be nàtsɔ nunana vɛ nam o,
Alo tsɔ dzudzɔ ʋeʋĩ dodo ɖe fu na wò o.+
Ke boŋ ètsɔ wò nu vɔ̃wo do agba nam,
Eye nètsɔ wò vodadawo ɖe fu nam.+
25 Nyee nye Ame si le wò dzidadawo*+ tutum ɖa le nye ŋutɔ ɖokuinye ta,+
Eye nyemaɖo ŋku wò nu vɔ̃wo dzi o.+
26 Ðo ŋku edzi nam; na míahe nya kple mía nɔewo;
Ðe ɖokuiwò nu, ne nàɖee fia be ye tɔ dzɔ.
28 Eya ta magblẽ kɔ ɖo na kɔkɔeƒe la ƒe amegãwo,
Matsɔ Yakob ade asi woatsrɔ̃,
Eye matsɔ Israel ade asi na dzudzu.+
Matrɔ nye gbɔgbɔ akɔ ɖe wò dzidzimeviwo dzi+
Kple nye yayra ɖe viwòwo dzi.
5 Ame si agblɔ be: “Yehowa tɔ menye.”+
Ame kemɛ ayɔ Yakob ƒe ŋkɔ ɖe eɖokui ŋu,
Eye ame bubu aŋlɔ ɖe eƒe asi ŋu be: “Yehowa tɔ.”
Eye wòatsɔ ŋkɔ Israel.’
‘Nyee nye gbãtɔ kple mlɔetɔ.+
Mawu aɖeke meli kpe ɖe ŋunye o.’+
Neɖe gbeƒãe, neɖee gblɔ, eye wòaɖee fiam!+
Tso esime meɖo blematɔwo gɔme anyi,
Wonegblɔ nu siwo gbɔna dzɔdzɔ ge
Kple nu siwo ava va eme.
Ðe nyemena mia dometɔ ɖe sia ɖe see do ŋgɔ oa, eye nyemeɖe gbeƒãe oa?
Miawoe nye nye ɖasefowo.+
Ðe Mawu aɖe li kpe ɖe ŋunyea?
Ao, Agakpe aɖeke meli o;+ nyemenya ɖeke o.’”
11 Kpɔ ɖa! Ŋu akpe eƒe hadɔwɔlawo katã!+
Amegbetɔ dzro koe aɖaŋudɔwɔlaawo nye.
Wo katã neƒo ƒu, ne woava tɔ ɖi.
Ŋɔdzi alé wo, eye ŋu akpe wo katã.
12 Gbede dea ga dzo me hetsɔa eƒe dɔwɔnu wɔa dɔ le eŋu.
Etsɔa zu tunɛ,
Eye wòtsɔa eƒe alɔ sesẽ wɔa dɔ le eŋu.+
Ke dɔ wunɛ, eye ŋusẽ vɔna le eŋu;
Menoa tsi o, eya ta ɖeɖi tea eŋu.
13 Atikpala da dzidzeka; etsɔa ɣe dzĩ taa nu.
Etsɔa fi kpanɛ, eye wòtsɔa nudzidzega tanɛ.
14 Ame aɖe lãa sedertiwo.
Etia ati aɖe ƒomevi, logoti,
Eye wòlé be nɛ wòtsi le avemetiwo dome.+
Edo oren-ti, eye tsi dza ɖe edzi wòtsi.
15 Ezu dzodonu na amegbetɔ.
Etsɔ eƒe ɖe do dzoe heƒu;
Etsɔ eƒe ɖe do dzoe mè abolo.
Ke etsɔ eƒe ɖe hã wɔ mawui, hede ta agu nɛ.
Etsɔe wɔ legba hebɔbɔ ɖe eŋkume.+
16 Etsɔ eƒe afã do dzoe;
Emè lã le eƒe afã la dzi ɖu ɖi ƒo.
Eƒu dzo hegblɔ be:
“Ehɛ̃! Dzoa kpɔkpɔ na dzo ɖo lãme nam.”
17 Etsɔ susɔea wɔ mawui, etsɔe wɔ eƒe legbae.
Eye wòbɔbɔna dea ta agu nɛ
Hedoa gbe ɖa nɛ be:
“Ðem, elabena wòe nye nye mawu.”+
18 Womenya naneke o, eye womesea naneke gɔme o,+
Elabena woƒe ŋkuwo nyè tre, ale be womele nu kpɔm o,
Eye woƒe dzi mele nu gɔme sem o.
19 Wo dometɔ aɖeke mebua tame,
Alo dzea si nu alo sea nu gɔme ne wòagblɔ be,
“Metsɔ afã do dzoe,
Memè abolo le eƒe akawo dzi, eye memè lã le edzi heɖu tso.
Ðe matsɔ susɔea awɔ ŋunyɔnuia?+
Atikpoe* made ta agu na?” hã o.
20 Dzofi ɖumee wòle.
Eƒe dzi si woble la kplɔe trae.
Mate ŋu aɖe eɖokui* o, eye megblɔ be:
“Ðe menye aʋatsoe melé ɖe nye nuɖusi me oa?”
21 “Ðo ŋku nu siawo dzi, Oo Yakob, Oo Israel,
Elabena nye subɔla nènye.
Nyee mè wò. Nye subɔla nènye.+
Oo Israel, nyemaŋlɔ wò be o.+
22 Matutu wò dzidadawo ɖa abe alilikpoe metsɔ tsyɔ wo dzi ene,+
Kple wò nu vɔ̃wo ɖa abe alilikpo dodoe metsɔ tsyɔ wo dzi ene.
Trɔ va gbɔnye elabena magbugbɔ wò aƒle.+
23 “Mi dziƒowo, mitso aseye,
Elabena Yehowae wɔ esia!
Mi anyigba ƒe gogloƒewo, migli kple dzidzɔ!
Mi towo, mitso aseye!+
Wò, ave kple mi emetiwo katã, mitso aseye!
Elabena Yehowa gbugbɔ Yakob ƒle,
Eye wòɖe eƒe atsyɔ̃ fia le Israel.”+
“Nyee nye Yehowa, ame si wɔ nuwo katã.
Ame kae kpe ɖe ŋunye?
25 Megblẽa nya ƒuƒlu gblɔlawo* ƒe dzesiwo me,
Eye nyee nye Ame si doa bometsila afakalawo;+
Ame si tɔtɔa nunyalawo,
Kple Ame si trɔa woƒe sidzedze wòzua bometsitsi;+
26 Ame si nana eƒe subɔla ƒe nya vaa eme,
Ame si nana nya siwo eƒe dɔlawo gblɔ ɖi la vaa eme bliboe;+
Ame si gblɔ le Yerusalem ŋu be, ‘Woanɔ eme,’+
Eye wògblɔ le Yuda duwo ŋu be, ‘Woagbugbɔ wo atso,+
Eye mafɔ eƒe glikpowo ɖe tsitrenu’;+
27 Ame si gblɔ na tɔ goglo la be: ‘Mie,
Eye mana wò tɔsisiwo katã namie’;+
28 Ame si gblɔ le Kores+ ŋu be: ‘Nye lãkplɔvi wònye,
Awɔ nye didiwo katã dzi ade goe’;+
Ame si gblɔ le Yerusalem ŋu be, ‘Woagbugbɔe atso,’
Eye wògblɔ le gbedoxɔ la ŋu be, ‘Woaɖo egɔme anyi.’”+
45 Ale Yehowa gblɔ na Kores,+ eƒe amesiamina,
Ame si ƒe nuɖusi melé,+
Ne mabɔbɔ dukɔwo ɖe anyi le eŋkume,+
Ne maxɔ aʋawɔnuwo le fiawo si,*
Ne maʋu ʋɔtru agaveewo le eŋkume,
Ale be agboawo natsi madomado lae nye esi:
Magbã akɔbliʋɔtruwo gudugudu,
Eye maŋe gametiwo.+
3 Matsɔ kesinɔnu siwo le blukɔ me
Kple kesinɔnu siwo wodzra ɖo ɖe ɣaɣlaƒe la ana wò,+
Ne nàdze sii be nyee nye Yehowa,
Israel ƒe Mawu, Ame si tsɔ wò ŋkɔ le yɔwòm.+
4 Nye subɔla Yakob kple nye ame tiatia Israel tae
Metsɔ wò ŋkɔ yɔ wò ɖo.
Metsɔ bubuŋkɔ na wò togbɔ be mèdze sim o hã.
5 Nyee nye Yehowa, eye bubu aɖeke megali o.
Nye ɖeɖe koe nye Mawu, ɖeke megali o.+
Mado ŋusẽ wò* togbɔ be mèdze sim o hã,
6 Ne amewo nanyae
Le ɣedzeƒe kple ɣetoɖoƒe
Be ame aɖeke meli kpe ɖe ŋunye o.+
Nyee nye Yehowa, bubu aɖeke megali o.+
7 Nyee wɔ kekeli,+ eye nyee wɔ viviti,+
Nyee wɔa ŋutifafa,+ eye nyee hea gbegblẽ vɛ;+
Nye Yehowa, nyee wɔ nu siawo katã.
Anyigba neke nu, ne xɔname namie,
Eye dzɔdzɔenyenye nemie kplii.+
Nye Yehowa ye wɔe.”
9 Baba na ame si le dzre hem kple Ewɔla,*
Elabena ze kakɛ dzro ko wònye,
Le ze kakɛ bubuwo dome le anyigba!
Ðe tsu agblɔ na zemela* be: “Nu ka wɔm nèlea?”+
Eye ɖe wò asinudɔwɔwɔ agblɔ be: “Mèto asi oa”?*
10 Baba na ame si bia fofoa be: “Nu kae nye esi nèdzi?”
Eye wòbia dadaa be: “Nu ka dzim nèle?”*
11 Ale Yehowa, Israel Ƒe Kɔkɔetɔ+ kple Emèla, gblɔe nye esi:
“Ðe miabia nu siwo gbɔna dzɔdzɔ ge lam,
Eye miabia nyam le vinyewo+ ŋu alo aɖe gbe nam le nye asinudɔwɔwɔwo ŋua?
12 Nyee wɔ anyigba+ hewɔ ame ɖe edzi.+
Eyae atso nye du la,+
Eye wòaɖe asi le nye aboyomewo ŋu,+ menye le ga alo zãnuxɔxɔ ta o,”+ aʋakɔwo ƒe Yehowa ye gblɔe.
14 Ale Yehowa gblɔe nye esi:
“Egipte ƒe viɖe kple Etiopia ƒe adzɔnuwo kpakple Sabatɔ tsralaawo
Ava gbɔwò ahazu tɔwò.
Woanɔ kɔsɔkɔsɔwo me adze yowòme.
Woava bɔbɔ na wò.+
Woado gbe ɖa na wò agblɔ be: ‘Nyateƒee, Mawu li kpli wò,+
Eye ame bubu aɖeke megali o; Mawu bubu aɖeke megali o.’”
17 Ke Yehowa atsɔ xɔname mavɔ axɔ na Israel ya.+
Ŋukpe malé mi alo woado vlo mi tegbee o.+
18 Elabena ale Yehowa,
Dziƒowɔla,+ Eya, ame si nye Mawu vavã la,
Anyigba la Mèla kple Ewɔla, Ame si ɖo egɔme anyi,+
Menye ɖeko wòwɔe dzodzro* o, ke boŋ ɖe wòmèe be woanɔ edzi la, gblɔe nye esi:+
“Nyee nye Yehowa, bubu aɖeke megali o.
19 Nyemeƒo nu le ɣaɣlaƒe,+ le anyigba doblukɔ dzi o;
Eye nyemegblɔ na Yakob ƒe dzidzimevi la be:
‘Midim dzodzro o.’*
Nyee nye Yehowa, ame si gblɔa nya dzɔdzɔe kple nya si le eteƒe.+
20 Miƒo takpli ne miava.
Mi ame siwo si tso dukɔwo me, miwɔ ɖeka miava.+
Ame siwo lé woƒe legbawo ɖe ta
Kple ame siwo doa gbe ɖa na mawu si mate ŋu axɔ na ame o la, menya naneke o.+
21 Miƒo nu, eye miagblɔ miaƒe nya.
Miwɔ ɖeka, mialé nyawo kpɔ.
Ame kae gblɔ esia ɖi tso gbe aɖe gbe ke?
Eye wòɖe gbeƒãe tso blema ke?
Menye nye, Yehowa, ye oa?
Mawu bubu aɖeke mekpe ɖe ŋunye o;
Mawu dzɔdzɔetɔ kple Xɔnametɔ+ menye, bubu aɖeke meli kpe ɖe ŋunye o.+
22 Mi anyigba ƒe mlɔenu nɔlawo katã, mitrɔ ɖe ŋunye, ne miakpɔ ɖeɖe;+
Elabena nyee nye Mawu, eye bubu aɖeke megali o.+
Ame sia ame adze klo nam,
Aɖe sia aɖe aka atam nam le nyateƒe me+
24 Agblɔ be: ‘Nyateƒee, dzɔdzɔenyenye vavãtɔ kple ŋusẽ le Yehowa me.
Ame siwo katã do dziku ɖe eŋu la ava eŋkume kple ŋukpe.
46 Bel tsyɔ akɔ anyi,+ Nebo do dɔgɔ̃e.
Wotsɔ woƒe legbawo do agba na lãwo, ɖe agbatsɔlãwo dzi,+
Wotsɔ wo do agbae ɖe lã siwo ŋu ɖeɖi te la dzi.
2 Wo katã wobɔbɔ tsyɔ akɔ anyi;
Ke mawu siawo mate ŋu axɔ na agba* la o,
Eye woawo ŋutɔwo* yi aboyo me.
3 “Oo Yakob ƒe aƒe, kple mi Israel ƒe aƒe la ƒe ame susɔeawo katã miɖo tom,+
Mi ame siwo ŋu mekpe ɖo tso mia dziɣi, eye metsɔ mi tso vidzidɔ me ke.+
Mayi edzi atsɔ mi eye maxɔ na mi.+
6 Ame aɖewo dudua sika tso woƒe akplo me ɖe anyi;
Eye wodaa klosalo le nudanu me.
Wotsɔnɛ naa gbede, eye wòtsɔnɛ wɔa mawui.+
Eye wodzea klo dea ta agu nɛ.+
Meʋãna le enɔƒe o.+
Wodoa ɣli nɛ, gake metɔna o;
Mexɔna na ame aɖeke le xaxa me o.+
8 Miɖo ŋku esia dzi, ne dzi naɖo mia ƒo.
Mi vɔ̃wɔlawo, mina wòade dzi gbɔ na mi.
Nyee nye Mawu, ɖeke mesɔ kplim o;+
10 Ame si gblɔa nu si ava dzɔ la tso gɔmedzedzea me ke,
Kple nu siwo womewɔ haɖe o la fiana tso gbe aɖe gbe ke.+
Megblɔe, eye mana wòava eme hã.
Meɖo tame, eye mawɔe hã.+
12 Miɖo tom, mi dzimesẽlawo,
Mi ame siwo le adzɔge tso dzɔdzɔenyenye gbɔ.
Mana xɔname le Zion, eye nye atsyɔ̃ anɔ Israel ŋu.”+
Bɔbɔ nɔ anyigba, afi si fiazikpui aɖeke mele o,+
Wò Kaldea vinyɔnu.
Elabena womagayɔ wò azɔ be vi malɔ̃nugbɔa kple ame si wowɔ vi na o.
2 Tsɔ té nàtu wɔ.
Ðe wò motsyɔnu ɖi.
Ðe awudziwui la ɖi, klo nu le afɔ ŋu.
Tso tɔsisiawo.
3 Wò ama adze.
Woakpɔ wò ŋukpeƒe.
Mabia hlɔ̃,+ eye ame aɖeke maxe mɔ nam o.*
Zi ɖoɖoe kpoo nàbɔbɔ nɔ anyi, eye nàyi ɖe blukɔ me;
6 Medo dɔmedzoe ɖe nye dukɔ ŋu.+
Ke mèkpɔ nublanui na wo o.+
Ètsɔ kɔkuti kpekpe ɖo amegãɖeɖi gɔ̃ hã dzi.+
7 Ègblɔ be: “Manye Aƒenɔ* ɖaa tegbee.”+
Mèna nu siawo de dzi gbɔ na wò o;
Mèbu ale si nuwo ava wu enui la ŋu o.
“Nye koe, ame bubu aɖeke megali o.+
Nyemazu ahosi o.
Eye viwo maku nam akpɔ o.”+
9 Ke nu eve siawo adzɔ ɖe dziwò zi ɖeka kpata, le ŋkeke ɖeka dzi:+
Viwòwo aku, eye àzu ahosi.
10 Èɖo ŋu ɖe wò vɔɖivɔ̃ɖi ŋu.
Ègblɔ be: “Ame aɖeke mele kpɔyem o.”
Wò nunya kple wò sidzedzee kplɔ wò trae,
Eye nègblɔ le wò dzi me be: “Nye koe, ame bubu aɖeke megali o.”
Hiã atu wò, eye màte ŋu axe mɔ ɖe enu o.
Gbegblẽ si tɔgbi medzɔ ɖe dziwò kpɔ o la aƒo ɖe dziwò kpoyi.+
Ðewohĩ woaɖe vi na wò;
Ðewohĩ àte ŋu atsɔ wo ado ŋɔdzi na ame.
13 Wò aɖaŋuɖola geɖeawo ƒe nu ti kɔ na wò.
Na woatso azɔ, ne woaxɔ na wò,
Ame siwo subɔa dziƒowo,* ame siwo léa ŋku ɖe ɣletiviwo ŋu,+
Ame siwo gblɔa nu siwo gbɔna dzɔdzɔ ge ɖe dziwò la ɖi
Le dzinu yeyewo dzi.
14 Kpɔ ɖa! Wole abe ahɔ̃liti ene.
Dzo afiã wo.
Womate ŋu aɖe wo ɖokui* tso dzoƒaɖe ƒe ŋusẽ la nu o.
Womenye dzoka xɔxɔ si woaƒu o,
Eye womenye dzo si gbɔ woanɔ anyi ɖo o.
15 Aleae wò gbesalawo anɔ na wò,
Ame siwo nètso hloloe kplii tso wò ɖevime ke.
Woatsa tsaglãla, eye wo dometɔ ɖe sia ɖe alé eƒe mɔ tsɔ.*
Ame aɖeke manɔ anyi axɔ na wò o.+
48 Mise nya sia, Yakob ƒe aƒe,
Mi ame siwo yɔa Israel ƒe ŋkɔ ɖe mia ɖokui ŋu,+
Eye miedzɔ tso Yuda ƒe tsiwo* me,
Mi ame siwo tsɔ Yehowa ƒe ŋkɔ le atam kam,+
Eye mieyɔa Israel ƒe Mawu la ŋkɔ,
Togbɔ be menye le nyateƒe kple dzɔdzɔenyenye me o hã.+
2 Elabena woyɔa du kɔkɔe la ɖe wo ɖokuiwo ŋu,+
Eye wodia Israel ƒe Mawu,+
Si ŋkɔe nye aʋakɔwo ƒe Yehowa, ƒe kpekpeɖeŋu.
3 “Megblɔ blemanyawo* na mi tso gbe aɖe gbe ke.
Nye ŋutɔ nye nu mee wodo tso,
Eye mena wosee.+
Mewɔe zi ɖeka kpata, eye wova eme.+
4 Elabena menya ale si wò dzi me sẽe,
Wò kɔ lia abe gakpo ene, eye wò ŋgonu nye akɔbli,+
5 Megblɔe na wò tso gbe aɖe gbe ke.
Mena nèsee hafi wova dzɔ,
Ne màgagblɔ be: ‘Nye legbae wɔe;
Nye nu kpakpɛ kple nye galegbae* na wòdzɔ o.’
6 Èsee, eye nèkpɔ nu siawo katã.
Ðe màɖe gbeƒãe oa?+
Tso fifia dzi la, maɖe gbeƒã nu yeyewo na mi,+
Nu ɣaɣla siwo wodzra ɖo, siwo mienya o la.
7 Fifiae mele wo wɔm, eye menye tso blema o,
Miese wo ŋkɔ kpɔ abe egbea ene o,
Ne màgagblɔ be: ‘Kpɔ ɖa! Menya wo xoxo’ o.
9 Ke malé nye dziku nu le nye ŋkɔ ta,+
Malé ɖokuinye le ŋuwò le nye kafukafu ta,
Eye nyematsrɔ̃ wò o.+
10 Kpɔ ɖa! Medza ŋuwò, ke menye abe klosalo ene o.+
Medo wò kpɔ* le fuwɔame ƒe nulólokpo me.+
Nyematsɔ nye ŋutikɔkɔe na ame bubu aɖeke o.*
12 Oo Yakob kple wò Israel, si meyɔ, miɖo tom.
Ame ma koe meganye.+ Nyee nye gbãtɔ; eye nye kee nye mlɔetɔ.+
Ne meyɔ wo la, wo katã wova tsia tsitre ɖi.
14 Mi katã miƒo ƒu, ne miasee.
Wo dometɔ kae gblɔ nya siawo?
Yehowa lɔ̃ eya amea.+
Mekplɔe vɛ, eye eƒe mɔwo adze edzi.+
16 Mite ɖe ŋunye, ne miase nya sia.
Tso gɔmedzedzea me ke la, nyemeƒo nu le bebeme o.+
Mele eteƒe esime wòva eme.”
Azɔ Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa dɔm kple eƒe gbɔgbɔ.
17 Ale Yehowa, Ame si gbugbɔ wò ƒle, Israel Ƒe Kɔkɔetɔ+ la, gblɔe nye esi:
“Nye Yehowae nye wò Mawu,
Nyee nye ame si fiaa nu wò be wòaɖe vi na wò,*+
Ame si kplɔa wò toa mɔ si dzi wòle be nàto.+
18 Ne ɖe nàɖo to nye sededewo ɖe!+
Womaɖe woƒe ŋkɔ ɖa alo atsrɔ̃e ɖa le ŋkunyeme o.”
Misi le Kaldeatɔwo gbɔ!
Mitsɔ dzidzɔɣli ɖe gbeƒãe! Mina woasee!+
Mina wòade anyigba ƒe mlɔenu ke.+
Migblɔ be: “Yehowa gbugbɔ eƒe subɔla Yakob ƒle.+
21 Esi wòkplɔ wo to gbegbe la, tsikɔ mewu wo o.+
Ena tsi do tso agakpe me na wo;
Efe agakpe hena tsi si tso eme bababa.”+
22 Yehowa be: “Ŋutifafa aɖeke meli na ame vɔ̃ɖiwo o.”+
Eyɔ nye ŋkɔ tso esime menɔ danye ƒe dɔ me ke.
Etsɔm wɔ aŋutrɔ ɖaɖɛ;
Eɣlam ɖe eƒe daku me.
4 Ke megblɔ be: “Meku kutri dzodzro.
Megblẽ nye ŋusẽ ɖe yame dzodzro.
5 Azɔ Yehowa, Ame si mèm tso dɔ me menye eƒe subɔla la
Gblɔ nam be makplɔ Yakob agbɔe na ye,
Ne Israel naƒo ƒu ɖe ye gbɔ.+
Bubu anɔ ŋunye le Yehowa ŋkume,
Eye nye Mawu azu nye ŋusẽ.
6 Eye wògblɔ be: “Menye nu tsɛ wònye be nànye nye subɔla,
Afɔ Yakob ƒe toawo ɖe tsitrenu,
Eye nàkplɔ Israel ƒe ame siwo ta wokpɔ la agbɔe o.
7 Ale Yehowa, Ame si gbugbɔ Israel ƒle, eƒe Kɔkɔetɔ+ la, gblɔ na ame si* wodo vloe,+ ame si dukɔ la nyɔŋui, ame si nye dziɖulawo ƒe subɔvie nye esi:
“Fiawo akpɔe, eye woatso ɖe tsitrenu,
Amegãwo abɔbɔ
Le Yehowa, Ame si nye nuteƒewɔla,+
Israel Ƒe Kɔkɔetɔ si tia wò la ta.”+
8 Ale Yehowa gblɔe nye esi:
“Metɔ na wò le amenuveɣi,+
Eye mekpe ɖe ŋuwò le xɔxɔgbe;+
Mekpɔ tawò, ne matsɔ wò ana nànye nubabla na dukɔ la,+
Ne nàgaɖo anyigba la te,
Ne nàna domenyinu siwo zu gbegbe la nagasu wo si,+
Eye na ame siwo le viviti me be,+ ‘Miva gota!’
Woaɖu gbe le mɔ to,
Eye woƒe gbeɖuƒe anɔ toƒewo* katã.
11 Mana nye towo katã nazu mɔ,
Eye nye mɔ gãwo akɔ dzi.+
12 Kpɔ ɖa, ame siawo atso didiƒe ava,+
Eye ɖewo atso dziehe kple ɣetoɖoƒe ava,
Eye bubuwo hã atso Sinim-nyigba dzi.”+
13 Mi dziƒowo, migli kple dzidzɔ, anyigba, tso aseye.+
Towo netso aseye ahagli kple dzidzɔ.+
14 Ke Zion le gbɔgblɔm be:
“Yehowa gblẽm ɖi,+ eye Yehowa ŋlɔm be.”+
15 Ðe nyɔnu aŋlɔ eƒe vidzĩ be,
Alo wòagbe nublanuikpɔkpɔ na eƒe dɔmevia?
Ne nyɔnu siawo aŋlɔ be hã la, nye ya nyemaŋlɔ wò be gbeɖe o.+
16 Kpɔ ɖa! Meŋlɔ wò ɖe nye asi me.
Wò gliwo le ŋkunyeme ɖaa.
17 Viwòwo ɖe abla va.
Ame siwo gbã wò hegblẽ dowòme la adzo le gbɔwò.
18 Fɔ mo dzi nàtsa ŋku godoo eye nàkpɔ nu.
Wo katã wole ƒu ƒom ɖekae.+
Wogbɔna gbɔwò.
Yehowa be: “Zi ale si mele agbe la,
Àdo wo katã abe atsyɔ̃ɖonu ene,
Eye àdo wo abe ale si ŋugbetɔ doa nui ene.
19 Togbɔ be nɔwòƒewo zu aƒedo kple gbegbe, eye wò anyigba gblẽ hã la,+
Azɔ la, anɔ sue akpa na ame siwo le afi ma,+
20 Vi siwo wodzi le viwòwo ƒe ku megbe la agblɔ nàse be:
‘Teƒe sia xaxa nam akpa.
Di teƒe nam manɔ.’+
21 Eye àgblɔ le wò dzi me be:
‘Esi wònye nyɔnu si ƒe viwo ku menye, eye metsi ko,
Woɖe aboyom, eye mezu gamenɔla ɖe,
Ke ame kae dzi vi siawo nam?
Ame kae nyi ame siawo?+
22 Ale Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa gblɔe nye esi:
“Kpɔ ɖa! Mado nye asi ɖe dzi na dukɔwo,
Eye mado nye dzesiti ɖe dzi na dukɔwo.+
Woabɔbɔ atsyɔ mo anyi ɖe ŋkuwòme,+
Eye woaɖuɖɔ ke le wò afɔ ŋu,+
Ne nàdze sii be, nyee nye Yehowa,
Eye be nyemana ŋu nakpe ame siwo le mɔ kpɔm nam la o.”+
24 Ðe woate ŋu axɔ ame siwo wolé la le kalẽtɔ sia,
Alo ɖe woate ŋu axɔ na ame siwo ŋutasẽla ɖe aboyoe laa?
25 Gake ale Yehowa gblɔe nye esi:
Mawɔ avu kple ame si le avu wɔm kpli wò,+
Eye maxɔ na viwòwo.
26 Mana ame siwo sẽa ŋuta le ŋuwò la naɖu woawo ŋutɔwo ƒe lã,
Eye woano woawo ŋutɔwo ƒe ʋu amu abe wain yeye ene.
Eye amewo* katã anyae be, nyee nye Yehowa,+
Wò Xɔnametɔ,+ kple Ame si gbugbɔ wò ƒle,+
Yakob Ƒe Ŋusẽtɔ la.”+
50 Ale Yehowa gblɔe nye esi:
“Afi kae mia dada si megbe la ƒe srɔ̃gbegbalẽ+ le?
Alo nye fetɔ kae metsɔ mi dzra na?
Kpɔ ɖa! Miawo ŋutɔwo miaƒe vodadawo tae+ wotsɔ mi dzra ɖo,
Eye miawo ŋutɔwo miaƒe dzidadawo tae wogbe mia dada ɖo.+
2 Nu ka tae esi meva la, ame aɖeke meli o?
Nu ka tae esi meyɔ ame la, ame aɖeke metɔ o?+
Ðe nye alɔ to ɖe eme, ale be mate ŋu aɖe ame oa,+
Alo ɖe ŋusẽ mele asinye be maxɔ na ame oa?
Wo me lãwo ƒaƒã, elabena tsi mie le wo ŋu,
Eye woku le tsikɔwuame ta.
Enyɔam ŋdi sia ŋdi;
Eʋua to nam, ne mase nu abe nusrɔ̃vi ene.+
Nyemetrɔ ɖe afi bubu o.+
Nyemeɣla nye mo ɖe vlododo kple taɖeɖe o.+
7 Ke Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa akpe ɖe ŋunye.+
Esia tae ŋu makpem o.
Esia tae mena nye mo sẽ abe ahliha ene,+
Eye menyae be ŋu makpem o.
8 Ame si tsoa afia dzɔdzɔe nam la le kpuiƒe.
Ame kae ate ŋu atsɔ nya ɖe ŋunye?*+
Nena míatso ɖe mía nɔewo ŋu.*
Ame kae tsɔ nya ɖe ŋunye?
Nete ɖe ŋunye.
9 Kpɔ ɖa! Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa akpe ɖe ŋunye.
Ame kae abu fɔm?
Kpɔ ɖa! Wo katã woanyunyɔ abe avɔ ene.
Agbagblaʋui aɖu wo.
Ame kae zɔ viviti tsiɖitsiɖi me afi si kekeli aɖeke mele o?
Neɖo ŋu ɖe Yehowa ƒe ŋkɔ ŋu, eye wòaziɔ ɖe eƒe Mawu ŋu.
11 “Kpɔ ɖa! Mi ame siwo katã doa dzo,
Eye mienana dzoxiwo hlẽna,
Mizɔ le miaƒe dzo ƒe kekeli
Kple dzoxi siwo lé dzo la nu.
Nu si miakpɔ tso asinye mee nye be:
Miamlɔ vevesese ɖeɖe ko me.
51 “Mi ame siwo tia dzɔdzɔenyenye yome,
Mi ame siwo le Yehowa dim la, miɖo tom.
Milé ŋku ɖe agakpe si me woɖe mi tsoe
Kple kpegbãƒe si me woɖe mi tsoe la ŋu.
3 Elabena Yehowa afa akɔ na Zion.+
Afa akɔ na eƒe aƒedowo katã,+
Eye wòawɔ eƒe gbegbe wòanɔ abe Eden-bɔ+ ene
Kple eƒe tagba abe Yehowa ƒe abɔ ene.+
Woatso aseye ahakpɔ dzidzɔ le eme,
Eye akpedada kple haƒoƒo aɖi le eme.+
6 Mifɔ mo dzi miakpɔ dziƒowo,
Eye mide mo to miakpɔ anyigba.
Elabena dziƒowo akaka eye wo nu ayi abe dzudzɔ ene;
Anyigba anyunyɔ abe avɔ ene,
Eye edzinɔlawo aku abe muwo ene.
Migavɔ̃ amegbetɔ si kuna ƒe vlodoame o,
Eye woƒe amedzudzu megadzi ŋɔ na mi o.
Ke nye dzɔdzɔenyenye anɔ anyi tegbee,
Eye nye xɔname anɔ anyi le dzidzimewo katã me.”+
Nyɔ abe le blemaŋkekewo me ene, abe le dzidzime siwo va yi la ŋɔli ene.
10 Ðe menye wòe na atsiaƒu, tɔ goglo la, me tsiwo mie oa?+
Ame si na atsiaƒu gɔme zu mɔ, be ame siwo wogbugbɔ ƒle la nato edzi oa?+
11 Ame siwo Yehowa ɖe la atrɔ agbɔ.+
Woatso aseye ahakpɔ dzidzɔ,
Eye nuxaxa kple hũɖeɖe abu ɖe wo.+
12 “Nye ŋutɔe nye Ame si le akɔ fam na mi.+
Nu ka tae nàvɔ̃ amegbetɔ, si gbɔna kuku ge,+
Kple amegbetɔvi, si ayrɔ abe gbe mumu ko ene?
Vɔvɔ̃ léa wò gbe sia gbe le ameteɖeanyila* ƒe dziku ta,
Abe ɖe wòate ŋu atsrɔ̃ wò ene.
Afi kae ameteɖeanyila ƒe dziku la le?
15 Ke nye Yehowae nye wò Mawu,
Ame si blua atsiaƒu be eƒe tsotsoewo nadze agbo+
—Eŋkɔe nye aʋakɔwo ƒe Yehowa.+
16 Matsɔ nye nyawo ade nuwò,
Eye matsɔ nye asi ƒe vɔvɔli atsyɔ dziwò,+
Ne maɖo dziƒowo wo teƒe ahaɖo anyigba gɔme anyi,+
Eye magblɔ na Zion be: ‘Nye dukɔ nènye.’+
Èno kplu la;
Èno kplu si nana wozɔna sagasaga la ƒiaƒiaƒia.+
18 Vi siwo katã wòdzi la dometɔ aɖeke meli akplɔe o,
Eye vi siwo wònyi la dometɔ aɖeke meli alé eƒe alɔnu o.
19 Nu eve siawoe dzɔ ɖe dziwò.
Ame kae ase veve ɖe nuwò?
Gbegblẽ kple tsɔtsrɔ̃, dɔwuame kple yi!+
Ame kae afa akɔ na wò?+
Womlɔ kpɔdomeewo katã ƒe dzogoewo dzi
Abe sẽ siwo mɔ̃ ɖe ene.
Abe ame siwo Yehowa ƒe dziku helĩhelĩ, wò Mawu ƒe mokaname, ɖi ƒo na ene.”
21 Eya ta ɖo to nàse nya sia,
Oo, nyɔnu fukpela si mu aha evɔ mèno wain hafi o.
22 Ale wò Aƒetɔ, Yehowa wò Mawu, ame si ʋlia eƒe dukɔ ta, gblɔe nye esi:
“Kpɔ ɖa! Maxɔ kplu si nana wozɔna sagasaga,+
Kplu, si nye nye dɔmedzoekplu la le asiwò;
Màganoe akpɔ o.+
23 Matsɔe ade ame siwo wɔ funyafunya wò la si me,+
Ame siwo gblɔ na wò* be, ‘Bɔbɔ, ne míazɔ dziwò ayi,’
Ale be nètsɔ wò dzime wɔ anyigbae
Abe mɔ ene na wo be woazɔ edzi.”
52 Nyɔ! Oo Zion, Nyɔ! Ne nàta wò ŋusẽ!+
Oo, du kɔkɔe Yerusalem, do wò awu dzeaniwo!+
Elabena aʋamatsomatsotɔ kple ame makɔmakɔ magava mewò azɔ o.+
2 Oo Yerusalem, ʋuʋu ke le ɖokuiwò ŋu, tso nàbɔbɔ nɔ anyi.
Oo, Zion vinyɔnu si woɖe aboyoe, ɖe ga si wode kɔ na wò la ɖi.+
3 Elabena ale Yehowa gblɔe nye esi:
4 Elabena ale Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa gblɔe nye esi:
“Egipte ye nye dukɔ la yi ɖanye amedzro le gbã;+
Emegbe Asiria te wo ɖe anyi yakatsyɔ.”
5 Yehowa be: “Azɔ nu kae mawɔ le nɔnɔmea ŋu?
Elabena wokplɔ nye amewo dzoe naneke manamanae.
Kpɔ ɖa! Nyee!”
7 Du nyui xɔla ƒe afɔwo nya kpɔ le towo dzi loo,+
Eya, ame si ɖea gbeƒã ŋutifafa,+
Ame si hea nu si nyo wu ŋuti nya nyui vanɛ,
Ame si ɖea gbeƒã xɔname,
Ame si gblɔ na Zion be: “Wò Mawu zu Fia!”+
8 Se ɖa! Wò gbetakpɔlawo ƒe gbe de dzi.
Wo katã wokɔ woƒe gbewo dzi do dzidzɔɣli;
Elabena ne Yehowa kplɔ Zion gbɔe la, woakpɔe kple woƒe ŋkuwo.
9 Mi Yerusalem ƒe aƒedowo, mi katã mido dzidzɔɣli,+
Elabena Yehowa fa akɔ na eƒe dukɔ la;+ egbugbɔ Yerusalem ƒle.+
11 Mite ɖa, mite ɖa, miʋu tso afi ma,+ migaka asi nu makɔmakɔ aɖeke ŋu o!+
12 Elabena miatsɔ dzitsitsi aʋu adzo o,
Eye menye sisi ge miala adzo o,
Elabena Yehowa adze mia ŋgɔ,+
Eye Israel ƒe Mawu la axe megbe na mi.+
13 Kpɔ ɖa! Nye dɔla+ awɔ nu le gɔmesese deto me.
Woadoe ɖe dzi,
Woado kɔkɔe, eye woado gãe.+
14 Ale si ame geɖewo ƒe nu ku le eŋuti la,
—Elabena eƒe dzedzeme vloe wu ame bubuwo katã tɔ sãsãsã,
Eye eƒe kpɔkpɔme vloe wu amegbetɔviwo tɔ kura—
Fiawo ƒe nu ade ga le eŋkume,+
Elabena nu si ŋu nya womegblɔ na wo kpɔ o lae woakpɔ,
Eye nu si womese kpɔ o la ŋue woatrɔ susu ɖo.+
53 Ame kae xɔ nya si wose tso mía gbɔ* la dzi se?+
Eye ame kae woɖe Yehowa ƒe alɔ fia?+
2 Adzè abe atilɔ fẽ+ ene le eŋkume,* abe ke si dzè tso anyigba ƒuƒu me ene.
Medze bubumee o, eye atsyɔ̃ hã medze le eŋu o;+
Ne míekpɔe la, eƒe dzedzeme menaa eƒe nu nyoa mía ŋu o.*
Ele ko abe ɖe woɣla eƒe ŋkume ɖe mí ene.*
Wodo vloe, eye míebui ɖe naneke me o.+
Ke míawo ya míebui abe ame si wowɔ fui, ame si Mawu ƒo, eye wòna wòkpe fu ene.
6 Mí katã míetra mɔ abe alẽwo ene,+
Mía dometɔ ɖe sia ɖe lé eƒe mɔ tsɔ,
Ke Yehowa na mí katã míaƒe vodada va edzi.+
9 Esi wòku la, woɖe yɔdo nɛ* ɖe ame vɔ̃ɖiwo+
Evɔ mewɔ nu gbegblẽ* aɖeke o,
Eye beble aɖeke menɔ eƒe nu me o hafi.+
10 Ke enye Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu* be yeagbãe gudugudu; eɖe mɔ wòkpe fu.
Mawu, ne àtsɔ eƒe agbe* aɖo anyi abe fɔɖivɔsa ene la,+
Akpɔ eƒe dzidzimeviwo, ana eƒe ŋkekewo nadzi ɖe edzi,+
11 Nu siwo wòakpɔ ana eƒe dzi nadze eme le eƒe* fukpekpe ta.
Ame dzɔdzɔe, nye subɔla+ la ƒe sidzedze,
Ana tenɔnɔ dzɔdzɔe nasu ame geɖewo si,+
Eye atsɔ woƒe vodadawo aɖo eɖokui dzi.+
12 Esia ta mana gomee ɖe ame geɖewo dome,
Eye wòama aboyonu kple kalẽtɔwo,
Elabena etsɔ eƒe agbe* de ku me,+
Eye wobui kpe ɖe vodalawo ŋu;+
Ede ta ame geɖewo ƒe nu vɔ̃ te,+
Eye wòxɔ nya ɖe vodalawo nu.+
54 “Wò konɔ si medzi vi o,+ tso aseye!
Wò nyɔnu si melé ku kpɔ o,+ tso aseye, nàgli kple dzidzɔ,+
Elabena nyɔnu si wogblẽ ɖi la ƒe viwo sɔ gbɔ
2 “Keke wò agbadɔ ƒe nɔƒe ɖe enu.+
Keke wò avɔgbadɔ gã la ƒe agbadɔvɔwo me.
Mègahe asi ɖe megbe o. Didi wò agbadɔkawo ɖe enu,
Eye nàƒo wò tsyotiwo ɖe to sesĩe.+
3 Elabena àkeke ɖe ɖusi kple mia me.
Wò dzidzimeviwo axɔ dukɔwo woazu wo tɔ,
Eye woanɔ du siwo zu aƒedo la me.+
Elabena àŋlɔ wò ɖetugbuimeŋukpe la be,
Eye màgaɖo ŋku wò ahosinyenye ƒe ŋukpe la dzi azɔ o.”
5 “Elabena Wɔwòla Gã+ la le abe srɔ̃wò*+ ene,
Eŋkɔe nye aʋakɔwo ƒe Yehowa,
Eye Israel ƒe Kɔkɔetɔ lae nye Ame si gbugbɔ wò ƒle.+
Woayɔe be anyigba blibo la katã ƒe Mawu.+
6 Elabena Yehowa yɔ wò abe srɔ̃nyɔnu si wogblẽ ɖi, eye wòle nu xam*+ ene
Abe ame si ɖe srɔ̃ le ɖetugbuime eye wogbee la ene,” wò Mawu ye gblɔe.
8 Esi nye dɔmedzoe nyra la, meɣla nye ŋkume ɖe wò vie,+
Ke matsɔ lɔlɔ̃ si nu metsina o la akpɔ nublanui na wò,”+ Yehowa, Ame si gbugbɔ wò ƒle,+ ye gblɔe.
9 “Esia le nam abe Noa ƒe ŋkekeawo ene.+
Ale si ko meka atam be Noa ƒe tsiɖɔɖɔa magaɖe anyigba azɔ o la,+
Nenema kee meka atam be nyemagado dziku ɖe ŋuwò alo aka mo na wò azɔ o.+
10 Elabena ne woɖe towo ɖa,
Eye togbɛwo ʋã hã la,
Nye amenuveve mate ɖa le ŋuwò o,+
Eye nye ŋutifafanubabla la maʋã o,”+ Yehowa, Ame si kpɔ nublanui na wò,+ ye gblɔe.
11 “Oo, nyɔnu si wowɔ fui,+ si ahom nyama, eye womefa akɔ nɛ o,+
Kpɔ ɖa, matsɔ anyi sesẽ aɖo wò kpewo,
Eye matsɔ safir-kpewo aɖo gɔwòme anyi.+
12 Maɖo rubi-kpe xɔasiwo ɖe wò xɔtagliwo dzi,
Matsɔ kpe keklẽwo* awɔ wò agbowo,
Eye maɖo kpe xɔasiwo ɖe wò liƒowo katã dzi.
14 Woatsɔ dzɔdzɔenyenye ali ke wò.+
15 Ne ame aɖe dze dziwò la,
Manye nyee dɔe o.
Ame sia ame si adze dziwò la adze anyi le tawò.”+
Nye kee wɔ nugblẽla, ne wòagblẽ nu.+
Esiae nye Yehowa subɔlawo ƒe domenyinu,
Eye woƒe dzɔdzɔenyenye tso gbɔnye,” Yehowa ye gblɔe.+
55 Miva, mi tsikɔwuitɔwo katã,+ miva tsi gbɔ!+
Mi ame siwo si ga mele o! Miva ƒle nu miaɖu!
Ɛ̃, miva dze wain kple notsi,+ menye kple ga o, eye womedo asi aɖeke ɖe eŋu o.+
3 Miƒu to anyi, eye miva gbɔnye.+
Miɖo to, ekema mianɔ* agbe,
Eye mabla nu mavɔ kpli mi,+
Le ɖekawɔwɔ me kple lɔlɔ̃ mavɔ si ŋugbe medo na David, si ŋu kakaɖedzi le.+
5 Kpɔ ɖa! Àyɔ dukɔ si mènya o la avɛ,
Eye dukɔ si menya wò o la me tɔwo anɔ du dzi ava gbɔwò
Le Yehowa wò Mawu+ kple Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ta,
Elabena ade bubu ŋuwò.+
6 Midi Yehowa, zi ale si miate ŋu ake ɖe eŋu.+
Miyɔe, zi ale si wòtsɔ kpuiƒe.+
7 Ame vɔ̃ɖi neɖe asi le eƒe mɔ ŋu,+
Eye vɔ̃wɔla neɖe asi le eƒe susuwo ŋu;
Netrɔ ɖe Yehowa ame si akpɔ nublanui nɛ la ŋu,+
9 “Elabena ale si dziƒowo kɔ boo wu anyigbae la,
Nenemae nye mɔwo kɔ wu miaƒe mɔwo,
Eye nye susuwo kɔ wu miaƒe susuwoe.+
10 Elabena ale si ko tsi kple sno dzana tso dziƒo,
Eye womegbugbɔna yina o, negbe ɖe wode tsi anyigba, na wòmie nu hewɔ nu,
Eye wona nuku nuƒãla kple abolo be woaɖu hafi la,
Magbugbɔ ava gbɔnye ƒuƒlu o,+
Negbe ɖeko wòawɔ nu si medi,*+
Eye wòawɔ nu si gbe meɖoe ɖo la ade goe hafi.
Eye wòana Yehowa ƒe ŋkɔ nanyɔ,+
Eye wòanye dzesi mavɔ si nu mayi akpɔ gbeɖe o.”
56 Ale Yehowa gblɔe nye esi:
“Milé nya dzɔdzɔe me ɖe asi,+ eye miwɔ nu dzɔdzɔe,
Elabena esusɔ vie ko nye xɔname nava,
Eye woaɖe nye dzɔdzɔenyenye afia.+
2 Dzidzɔtɔe nye ame si wɔa alea
Kple amegbetɔvi si léa eme ɖe asi goŋgoŋ,
Ame si léa Sabat la me ɖe asi eye megblẽa kɔ ɖo nɛ o,+
Eye wòkpɔa eƒe asi dzi be wòagawɔ vɔ̃ aɖeke ƒomevi o.
Eye ame tata hã megagblɔ be, ‘Kpɔ ɖa! Ati ƒuƒue menye’ o.”
4 Elabena Yehowa be, ame tata siwo léa nye sabatwo me ɖe asi, siwo tia nu si dzea ŋunye, eye woléa nye nubabla me ɖe asi goŋgoŋ la:
5 “Mana ŋkuɖodzinu kple ŋkɔ wo ɖe nye aƒe kple nye gliwo me,
Si nyo wu viŋutsuwo kple vinyɔnuwo.
Ŋkɔ mavɔ si matsrɔ̃ o,
Si nu mayi o.
6 Amedzro siwo va wɔ ɖeka kple Yehowa be yewoasubɔe,
Be yewoalɔ̃ Yehowa ƒe ŋkɔ la,+
Ne yewoazu esubɔlawo,
Ame siwo katã léa Sabat la me ɖe asi eye womegblẽa kɔ ɖo nɛ o,
Eye woléa nye nubabla me ɖe asi goŋgoŋ la,
7 Nye hã makplɔ wo ava nye to kɔkɔe la gbɔ,+
Eye mana woakpɔ dzidzɔ le nye gbedoxɔ la me.
Woƒe numevɔsawo kple vɔsa bubuwo adze ŋunye le nye vɔsamlekpui la dzi.
Elabena woayɔ nye aƒe la be dukɔwo katã ƒe gbedoɖaƒe.”+
8 Ale Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa, ame si le Israel ƒe ame siwo ka hlẽ nu ƒom ƒu la,+ gblɔe nye esi:
“Magaƒo ame bubuwo nu ƒu ɖe eŋu kpe ɖe eƒe ame siwo nu woƒo ƒu xoxo la ŋu.”+
10 Eƒe gbetakpɔlawo nye ŋkuagbãtɔwo,+ wo dometɔ aɖeke medea dzesi nu o.+
Wo katã wonye avu aɖetututɔwo, wometea ŋu wóna o.+
Wole gbɔgbɔm fuxefuxe, womlɔ anyi ɖi; wolɔ̃a akɔlɔ̃edɔdɔ.
Wonye lãkplɔvi siwo mesea nu gɔme o.+
Wo katã wolé woƒe mɔ tsɔ;
Eye wo dometɔ ɖe sia ɖe dia eya ŋutɔ ƒe viɖe ƒoɖi gblɔna be:
Etsɔ hã anɔ abe egbe ene, eye anyo wui sãa!”
57 Ame dzɔdzɔe nu yi,
Ke medea dzi gbɔ na ame aɖeke o.
2 Eyi ɖe ŋutifafa me.
Ame siwo katã ƒe zɔzɔme ŋu fɔɖiɖi mele o la ɖina ɖe eme le woƒe abawo* dzi.
4 Ame ka ŋue miele fefem le?
Ame ka ŋue mieke nu ɖo baa, eye miedo aɖe ɖa biɖaa ɖo?
Ðe menye vodalawo
Kple aʋatsokalawo ƒe viwo,+
5 Ame siwo ƒe lãme le fiefiẽm ɖe legbawo ŋu le ati gãwo te,+
Le ati dama ɖe sia ɖe te,+
Ame siwo wua ɖeviwo le baliwo me+
Le agakpetowo te lae mienye oa?
6 Ètia balimekpe zɔzrɔ̃ewo na ɖokuiwò.+
Woawoe nye tɔwò gome.
ȃoa aha ɖi na wo, eye nènaa nu wo gɔ̃ hã.+
Ðe nu siawo adze ŋunyea?*
8 Ètsɔ wò ŋkuɖodzinu ɖo wò ʋɔtru kple ʋɔtruti godo.
Èdzo le gbɔnye yi ɖaklo nu le ɖokuiwò ŋu,
Èyi ɖakeke wò aba ɖe nu.
Eye nèbla nu kpli wo.
Èɖo wò ame dɔdɔwo ɖe didiƒe ke,
Ale wɔ nèɖi yi Tsiẽƒe.*
10 Èdagba le wò mɔ gbogboawo dzi.
Gake mègblɔ be, ‘Dɔ vloe!’ o.
Ŋusẽ yeye gaɖo ŋuwò.
Esia tae mèna ta o.*
Mèɖo ŋku dzinye o.+
Naneke mede dzi gbɔ na wò o.+
Ðe nyemezi kpi hehe ɖe megbe oa?*+
Eya ta nègbem vɔvɔ̃ ɖo.
Ya akplɔ wo katã adzoe,
Ŋɔtimegbɔgbɔ dzro akplɔ wo adzoe,
Ke ame si sim tso la anyi anyigba la dome,
Eye wòaxɔ nye to kɔkɔe la wòazu etɔ.+
14 Woagblɔ be, ‘Mido mɔ, mido mɔ! Midzra mɔa dzi ɖo!+
Miɖe nukikliwo katã ɖa le mɔ me na nye dukɔ.’”
15 Elabena ale Ame si kɔ heƒo nuwo katã ta, eye wòli tegbee,+
Ame si ƒe ŋkɔ le kɔkɔe+ la, gblɔe nye esi:
“Mele teƒe kɔkɔ kple kɔkɔeƒe,+
Gake meli kple ame siwo wogbã gudugudu kple ɖokuibɔbɔlawo,
Ne magbɔ agbe ɖokuibɔbɔlawo
Kple ame siwo wogbã gudugudu la ƒe dzi.+
16 Elabena nyematsi tsitre ɖe wo ŋu tegbee o,
Eye nyemado dɔmedzoe ɖaa o;+
Elabena nu ate ame ƒe gbɔgbɔ ŋu le tanye,+
Nu ate nu siwo mewɔ siwo me agbegbɔgbɔ le la gɔ̃ hã ŋu.
17 Medo dziku ɖe eƒe viɖe ƒoɖi yome titi vɔ̃ɖitɔe ta,+
Eya ta meƒoe, meɣla nye ŋkume, eye medo dɔmedzoe.
Ke edze go+ helé eƒe dzi ƒe mɔ tsɔ.
19 “Matsɔ kafukafu ade nu na amewo.
Ŋutifafa anɔ anyi ɖaa na ame si le didiƒe kple ame si le kpuiƒe,+
Eye mada gbe le eŋu,” Yehowa ye gblɔe.
20 “Ke ame vɔ̃ɖiwo le abe atsiaƒu dzeagbo, si mate ŋu anɔ anyi kpoo o,
Eye eme tsiwo ɖea ƒumegbe kple ba ɖe go la ene.
21 Nye Mawu be, Ŋutifafa aɖeke meli na ame vɔ̃ɖiwo o.”+
58 “He vekati nàdo ɣli; mègadzudzɔ o!
Wò gbe nede dzi abe kpẽ ene,
Eye nàgblɔ nye dukɔ ƒe aglãdzedze nɛ,+
Gblɔ Yakob ƒe aƒe la ƒe nu vɔ̃wo nɛ.
2 Wole diyem gbe sia gbe,
Eye wowɔa nu abe ɖe wodi be yewoanya nye mɔwo
Abe dukɔ si wɔa nu dzɔdzɔe,
Eye womegblẽ woƒe Mawu ƒe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ ɖi o ene.+
Wobiaa ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ tso asinye,
Eye wokpɔa dzidzɔ be yewoate ɖe Mawu ŋu.”+
3 Wobia be: “‘Nu ka tae míetsi nu dɔ, eye mèkpɔe o?+
Eye míewɔ fu mía ɖokuiwo* gake mède dzesii o?’+
Elabena miewɔa nu si dzea miawo ŋutɔwo mia ŋu le gbe si gbe mietsi nu dɔ,
Eye mietea miaƒe dɔwɔlawo ɖe to.+
4 Miaƒe nutsitsidɔ la wua enu kple dzrewɔwɔ kpakple avuwɔwɔ
Eye mietua kɔ ame tagbɔsesẽtɔe.
Miate ŋu atsi nu adɔ abe ale si miele ewɔm egbea ene eye woase miaƒe gbe le dziƒo o.
5 Ðe nutsitsidɔ si dzea ŋunye la,
Anye ŋkeke si dzi ame awɔ fu eɖokui,*
Abɔbɔ ta ɖe anyi abe keti ene,
Ahamlɔ akpanya dzi kple dzofi me laa?
Esia yɔmee miele be nutsitsidɔ kple ŋkeke si dzea Yehowa ŋua?
6 Ao, nutsitsidɔ si dzea ŋunyee nye esi:
Be woaɖe vɔ̃ɖinyenye ƒe kunyowuwo ɖa,
Woatu kɔkuti ƒe kawo,+
Woana ablɔɖe ame siwo wote ɖe anyi,+
Eye woaŋe kɔkuti ɖe sia ɖe ɖe eve;
7 Be nàma wò abolo kple dɔwuitɔ,+
Eye nàkplɔ hiãtɔ kple aƒemanɔsitɔ ava aƒewò me
Eye ne èkpɔ ame aɖe wòle amama la, nàdo awu nɛ,+
Eye nàgaɣla ɖokuiwò ɖe nɔviwò o.
Wò dzɔdzɔenyenye adze ŋgɔwò,
Eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe axe megbe na wò.+
9 Ekema àyɔ Yehowa, eye wòatɔ na wò,
Àdo ɣli be wòakpe ɖe ye ŋu, eye wòagblɔ be, ‘Nyee nye esi!’
Ne èɖe kɔkuti la ɖa le dowòme,
Eye nèdzudzɔ asifiafia ame kple ameŋugblẽnyawo gbɔgblɔ,+
10 Ne ètsɔ nu si dzroa wò* la na dɔwuitɔ,+
Eye nèkpɔ ame siwo wole fu wɔmee ƒe hiahiã gbɔ na wo la,
Ekema wò kekeli aklẽ le viviti me gɔ̃ hã,
Eye wò blukɔ anɔ abe ŋdɔkutsu dzatsɛ ene.+
11 Yehowa akplɔ wò ɖaa,
Ana nu si nèhiã* la wò le kuɖiɖinyigba dzi;+
Ana ŋusẽ nagaɖo wò ƒuwo ŋu,
Eye àzu abe abɔ si wode tsii nyuie ene,+
Abe tsidzɔƒe si ƒe tsiwo memiena gbeɖe o ene.
Woayɔ wò be gli gbagbãwo ɖɔɖola,+
Mɔtata siwo to woatso aƒewo ɖo anɔ wo me la dzraɖola.
13 Nenye be le Sabat la ta mèti wò ŋutɔ wò didiwo yome le nye ŋkeke kɔkɔe la dzi o,+
Eye nèyɔ Sabat la be dzidzɔ gbago, Yehowa ƒe ŋkeke kɔkɔe si ŋu wode bubui,+
Eye nède bubu eŋu, mèlé wò ŋutɔ wò mɔ tsɔ o, eye mèdi nu si dzea wò ŋutɔ ŋuwò hegblɔ nya dzodzro aɖeke o la,
14 Ekema àkpɔ dzidzɔ ɖe Yehowa ŋu,
Eye mana nàde anyigba ƒe kɔkɔƒewo.+
Mana nàɖu tɔgbuiwò Yakob ƒe domenyinu,+
Elabena Yehowa ƒe nue gblɔe.”
2 Ke boŋ miaƒe vodadawoe ma mia kple mia Mawu dome.+
Miaƒe nu vɔ̃woe na wòɣla ŋkume ɖe mi,
Eye wògbe toɖoɖo mi.+
Miaƒe nuyiwo daa alakpa,+ eye miaƒe aɖewo gblɔa nya tovowo.
Woɖoa ŋu ɖe nu dzodzrowo* ŋu,+ eye wogblɔa nya siwo meɖea vi aɖeke o.
Wofɔa fuɖename ƒe fu, eye wodzia nu vɔ̃ɖi.+
Ame sia ame si ɖu da la ƒe azi la aku,
Eye dzakpata ado tso azi si wogbã la me.
Woƒe dɔwɔwɔwo vɔ̃ɖi,
Eye wotsɔa woƒe asiwo wɔa ŋutasẽnuwo.+
Woƒe susuwo nye susu vɔ̃ɖiwo;
Gbegblẽ kple xaxa le woƒe mɔwo dzi.+
Wona woƒe mɔwo glɔ̃;
Ame siwo toa wo dzi la dometɔ aɖeke manya ŋutifafa o.+
9 Esia tae ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ le adzɔge na mí,
Eye nu dzɔdzɔe wɔwɔ megogo mí o.
Míele mɔ kpɔm na kekeli, ke kpɔ ɖa, vivitie li;
Míele mɔ kpɔm na keklẽ, ke blukɔ me ko zɔm míele.+
Míekli nu le ŋdɔkutsu dzatsɛ abe zã me ene;
Míele ko abe ame kukuwo ene le ame kakowo dome.
11 Mí katã míele gbe tem abe sisiblisiwo ene,
Eye míele xɔxlɔ̃m nublanuitɔe abe ahɔnɛwo ene.
Míele mɔ kpɔm na ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃, ke ɖeke meli o;
Míele mɔ kpɔm na xɔname, ke ele adzɔge ʋĩi tso mía gbɔ.
12 Elabena míaƒe aglãdzedzewo sɔ gbɔ le ŋkuwòme;+
Eye míaƒe nu vɔ̃wo dometɔ ɖe sia ɖe le ɖase ɖim le mía ŋu.+
Elabena míedze si míaƒe aglãdzedzewo,
Eye míaƒe vodadawo la, míenya wo keŋ.+
13 Míeda vo, eye míegbe nu le Yehowa gbɔ;
Míetrɔ megbe de mía Mawu la,
14 Wonya ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ ɖo ɖe megbe,+
Eye nu dzɔdzɔe wɔwɔ le adzɔge ʋĩi ke;+
Elabena nyateƒe* kli nu le ablɔ me,
Eye nu dzɔdzɔe wɔwɔ mete ŋu ge ɖe eme o.
16 Ekpɔe be ame aɖeke meli o,
Ewɔ nuku nɛ be avuléla aɖeke meli o,
Eya ta eƒe alɔ xɔ nɛ,*
Eye eya ŋutɔ ƒe dzɔdzɔenyenye kpe ɖe eŋu.
18 Aɖo eteƒe na wo ɖe woƒe nuwɔnawo nu:+
Dɔmedzoe ava eƒe ketɔwo dzi, eye wòaɖo eteƒe na eƒe futɔwo.+
Axe nu si ƒukpowo dze na la ŋuti fe na wo.
19 Woade asi Yehowa ƒe ŋkɔ la vɔvɔ̃ me tso ɣetoɖoƒe
Kple eƒe ŋutikɔkɔe vɔvɔ̃ me tso ɣedzeƒe,
Elabena ava do abe tɔ si le sisim sesĩe,
Si Yehowa ƒe gbɔgbɔ lɔ ɖe nu ene.
Agbugbɔ ame siwo trɔ tso woƒe dzidadawo me le Yakob la aƒle,”+ Yehowa ye gblɔe.
21 “Ke esiae nye nye nu, si mebla kpli wo,”+ Yehowa ye gblɔe. “Womaɖe nye gbɔgbɔ si le dziwò kple nye nya siwo mede nuwò la ɖa le wò nu me, alo le viwòwo ƒe nu me loo alo tɔgbuiyɔviwòwo ƒe nu me o, tso fifia yi mavɔmavɔ me,” Yehowa ye gblɔe.
2 Elabena kpɔ ɖa, viviti axɔ anyigba dzi,
Eye blukɔ tsiɖitsiɖi atsyɔ dukɔwo;
Ke wò la, Yehowa aklẽ ɖe dziwò,
Eye woakpɔ eƒe ŋutikɔkɔe le dziwò.
4 Fɔ mo dzi nàtsa ŋku godoo!
Woƒo wo katã nu ƒu; wogbɔna gbɔwò.
Viwòŋutsuwo tso didiƒe gbɔna+
Eye wokɔ viwònyɔnuwo ɖe axadame.+
5 Ɣemaɣi la, àkpɔe, eye dzi adzɔ wò,+
Wò dzi ati kpo, eye wòakpɔ dzidzɔ,
Elabena woatsɔ atsiaƒumekesinɔnuwo ava gbɔwò;
Dukɔwo ƒe nu xɔasiwo ava na wò.+
Ame siwo katã tso Seba la ava;
Woatsɔ sika kple lifi ɖe asi avɛ.
Eye woaɖe gbeƒã Yehowa ƒe kafukafu.+
7 Woakplɔ Kedar+ ƒe lãhawo katã vɛ na wò.
Nebayot+ ƒe agbowo asubɔ wò.
9 Elabena nyee ƒukpowo le mɔ kpɔm na;+
Tarsis tɔdziʋuwo anɔ ŋgɔ*
Be wòakplɔ viwòŋutsuwo tso didiƒe,+
Tsɔ kpe ɖe woƒe klosalo kple sika ŋu,
Vɛ na Yehowa wò Mawu ƒe ŋkɔ kple Israel ƒe Kɔkɔetɔ la,
10 Amedzrowo aɖo wò gliwo,
Eye woƒe fiawo asubɔ wò,+
Elabena meƒo wò le nye dziku me,
Ke makpɔ nublanui na wò le nye amenuveve me.+
Womado wo le ŋkeke me alo le zã me o,
Ne woatsɔ dukɔwo ƒe kesinɔnuwo avɛ na wò,
Eye woƒe fiawo anɔ ŋgɔ na wo.+
12 Elabena dukɔ sia dukɔ kple fiaɖuƒe sia fiaɖuƒe si masubɔ wò o la nu ayi,
Eye woatsrɔ̃ dukɔ mawo gbidigbidi.+
13 Woatsɔ Lebanon ƒe ŋutikɔkɔe,+
Siwo nye sesewu, fɔfɔli kple kpomi siaa avɛ,+
Ne woaɖo atsyɔ̃ na nye kɔkɔeƒe ƒe nɔƒe la;
Eye made bubu nye afɔnɔƒe la ŋu.+
14 Ame siwo te wò ɖe to la ƒe viwo ava bɔbɔ ɖe ŋkuwòme,
Ame siwo katã le vlo dom wò la abɔbɔ ɖe wò afɔnu
Eye woayɔ wò be Yehowa ƒe du,
Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ƒe Zion.+
15 Togbɔ be wogblẽ wò ɖi helé fu wò, eye ame aɖeke megatoa mewò yina o hã la,+
Matsɔ wò awɔ adegbeƒonu tegbee,
Kple aseyetsotso tso dzidzime yi dzidzime.+
Eye àno fiawo ƒe no;+
Eye àdze sii be nye, Yehowae nye wò Xɔnametɔ,
Eye Yakob ƒe Ŋusẽtɔ lae nye Ame si gbugbɔ wò ƒle.+
17 Mahe sika vɛ ɖe akɔbli teƒe,
Eye mahe klosalo vɛ ɖe gayibɔ teƒe,
Akɔbli ɖe ati teƒe
Kple gayibɔ ɖe kpewo teƒe;
Maɖo ŋutifafa dzikpɔlae na wò,
Eye matsɔ dzɔdzɔenyenye aɖo wò dɔdzikpɔlae.+
18 Womagase ŋutasesẽ ŋkɔ le wò anyigba dzi azɔ o,
Eye womagase gbegblẽ kple tsɔtsrɔ̃ ŋkɔ le wò liƒowo dzi o.+
Àyɔ wò gliwo be Xɔname+ kple wò agbowo be Kafukafu.
19 Ɣe maganye kekeli na wò le ŋkeke me azɔ o,
Eye ɣleti magaɖi be xexea me nakɔ na wò o,
Elabena Yehowa azu kekeli mavɔ na wò,+
Eye wò Mawu anye wò atsyɔ̃.+
20 Wò ɣe magaɖo to azɔ o,
Eye wò dzinu magaɖo xɔ azɔ o,
Elabena Yehowa azu kekeli mavɔ na wò,+
Eye wò konyifaŋkekewo awu enu.+
21 Wò dukɔ la me tɔwo katã anye ame dzɔdzɔewo;
Woawoe anyi anyigba la dome tegbee.
22 Ame ʋɛwo azu akpe,
Eye ame suewo azu dukɔ sesẽ.
Nye Yehowa ŋutɔ, mado tsɔtsɔe le ewɔɣi.”
61 Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa ƒe gbɔgbɔ le dzinye,+
Elabena Yehowa si ami nam be magblɔ nya nyui na ame fafawo.+
Edɔm be mada gbe le* ame siwo ƒe dzi gbã la ŋu,
Ne maɖe gbeƒã ablɔɖe na ame siwo woɖe aboyoe
Eye maʋu ŋku na gamenɔlawo,+
2 Ne maɖe gbeƒã Yehowa ƒe amenuveƒe
Kple mía Mawu ƒe hlɔ̃biaŋkeke la,+
Ne mafa akɔ na konyifalawo katã,+
3 Ne mana nu ame siwo le konyi fam ɖe Zion ta,
Ne mana tatsyɔnu wo ɖe dzofi teƒe,
Dzidzɔmi ɖe konyifafa teƒe,
Kafukafuwu ɖe gbɔgbɔ si nu ti kɔ na teƒe.
4 Woagbugbɔ blemaƒedowo atso;
Woafɔ blemaglikpowo ɖe tsitrenu,+
Eye woagbugbɔ du gbagbãwo atso,+
Eye woawɔ teƒe siwo zu aƒedo tso dzidzime yi dzidzime la yeyee.+
5 “Du bubu me tɔwo atso akplɔ miaƒe lãhawo,
Eye amedzroviwo+ anye miaƒe agbledelawo kple waingbledelawo.+
7 Nye dukɔ axɔ gome teƒe eve nu ɖe woƒe ŋukpe la teƒe,
Eye woatso aseye le woƒe gome la ta ɖe vlododo teƒe.
Ɛ̃, woaxɔ gome teƒe eve nu le woƒe anyigba dzi.+
Dzidzɔ mavɔ anye wo tɔ gome.+
Matu woƒe dɔwɔwɔ ŋu fe na wo pɛpɛpɛ,
Eye mabla nu mavɔ kpli wo.+
Ame siwo katã kpɔ wo la adze si wo be
Dzidzimevi siwo Yehowa yrae wonye.”+
10 Matso aseye ɖe Yehowa ŋu.
Nye ameti bliboa* akpɔ dzidzɔ ɖe nye Mawu ŋu.+
Elabena edo xɔname ƒe awuwo nam;+
Edo dzɔdzɔenyenye ƒe awu ʋlaya* nam,
Abe ale si ŋugbetɔsrɔ̃ blaa ta wòɖia nunɔla tɔ ene,+
Abe ŋugbetɔ si tsɔ atsyɔ̃ɖonuwo wɔa leke na eɖokui ene.
11 Elabena ale si anyigba la miea nu,
Eye abɔ nana nu siwo woƒã ɖe eme la miena la,
Nenemae Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa
Ana dzɔdzɔenyenye+ kple kafukafu namie+ le dukɔwo katã ŋkume.
62 Nyemazi ɖoɖoe o le Zion ta,+
Eye nyemazi kpi o le Yerusalem ta,
Va se ɖe esime eƒe dzɔdzɔenyenye naklẽ abe kekeli ene,+
Eye eƒe xɔname nabi abe akakati ene.+
Eye woayɔ ŋkɔ yeye,+
Si Yehowa ŋutɔ ƒe nu ayɔ la, na wò.
3 Ànye atsyɔ̃fiakuku le Yehowa si me
Kple fia ƒe tablanu le wò Mawu si me.
Ke boŋ woayɔ wò be Nye Dzidzɔ Le Eme,+
Eye woayɔ wò anyigba be Srɔ̃tɔ.
Elabena Yehowa akpɔ dzidzɔ ɖe ŋuwò,
Eye wò anyigba anɔ abe srɔ̃tɔ ene.
5 Elabena ale si ko ɖekakpui ɖea ɖetugbui leaƒe la,
Nenemae viwòwo aɖe wò.
Ale si ŋugbetɔsrɔ̃ tsoa aseye ɖe ŋugbetɔ ŋui la,
Nenemae wò Mawu atso aseye ɖe ŋuwò.+
6 Oo Yerusalem, meɖo dzɔlawo wò gliwo dzi.
Womazi ɖoɖoe ŋkeke blibo kple zã blibo akpɔ o.
Mi ame siwo yɔa Yehowa ŋkɔ,
Migagbɔ ɖe eme o,
7 Eye migana gbɔdzɔe eya amea o, va se ɖe esime wòɖo Yerusalem gɔme anyi,
Ɛ̃, va se ɖe esime wòtsɔe wɔ kafukafui ɖe anyigba dzi.”+
8 Yehowa tsɔ eƒe nuɖusi, eƒe alɔ sesẽ la, ka atam be:
“Nyemagatsɔ wò agblemenuku ana wò futɔwo woaɖu azɔ o,
Eye amedzroviwo magano wò wain yeye si ŋu nèku kutri ɖo la azɔ o.+
9 Ke boŋ ame siwo xa nukuawo la, woawoe aɖui, eye woakafu Yehowa;
Eye ame siwo xa wain la anoe le nye xɔxɔnu kɔkɔewo.”+
10 Mito agboawo me, mito wo me.
Midzra mɔ dzi ɖo na dukɔ la.+
Mido mɔ, mido mɔ gã la.
Miɖe kpewo ɖa le edzi.+
Mikɔ dzesiti dzi na dukɔwo.+
11 Yehowa ɖe gbeƒã wòde anyigba ƒe mlɔenuwo be:
“Migblɔ na Zion vinyɔnu la be,
‘Kpɔ ɖa! Wò xɔname gbɔna.+
Kpɔ ɖa! Egbɔna kple teƒeɖoɖo,
Eye fetu si wòxena la le eŋgɔ.’”+
12 Woayɔ wo be dukɔ kɔkɔe, ame siwo Yehowa gbugbɔ ƒle,+
Eye woayɔ wò be Du Si Wodina Vevie, Du Si Womegblẽ Ði O.+
63 Ame kae nye esia gbɔna tso Edom,+
Eye wòle awu siwo ƒe amadede dze nyuie* me tso Bozra,+
Ame si le atsyɔ̃wu me,
Eye wòle yiyim le eƒe ŋusẽ geɖe la me?
“Nye, Ame si ƒoa nu le dzɔdzɔenyenye me,
Ame si si ŋusẽ geɖe le be wòaxɔ na ame lae.”
3 “Nye ɖekae fanya waintsetse le wainfiãnu me,
Ame aɖeke metso dukɔwo me va kpe ɖe ŋunye o.
Mefanya wo le nye dziku me,
Eye metu afɔ wo dzi le nye dɔmedzoe me.+
Woƒe ʋu hlẽ ɖe nye awuwo ŋu,
Eye nye nudodowo katã me gblẽ.
5 Metsa ŋku, ke kpeɖeŋutɔ aɖeke meli o;
Nye mo wɔ yaa be ame aɖeke meli ana kpekpeɖeŋum o.
7 Maƒo nu tso Yehowa ƒe amenuvedɔwo ŋu,
Yehowa ƒe dɔ siwo dze na kafukafu,
Le nu siwo katã Yehowa wɔ na mí la ta,+
Nyui gbogbo siwo wòwɔ na Israel ƒe aƒe la
Le eƒe nublanuikpɔkpɔ kple eƒe amenuveve geɖeawo nu.
8 Elabena egblɔ be: “Vavã, nye dukɔe wonye, vi siwo magbe nuteƒewɔwɔ o* lae wonye.”+
Ale wòzu Xɔnametɔ na wo.+
9 Le woƒe vevesesewo katã me la, eya hã se veve.+
Eye eya ŋutɔ ƒe dɔla* xɔ na wo.+
Eya ŋutɔ gbugbɔ wo ƒle le eƒe lɔlɔ̃ kple eƒe dɔmetɔtrɔ me,+
Eye wòde asi wo te hekɔ wo le blemaŋkekewo katã me.+
10 Ke wodze aglã,+ eye wodo nuxaxa na eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe la.+
11 Ale woɖo ŋku blemaŋkekewo dzi,
Eƒe subɔla Mose ƒe ŋkekeawo dzi hebia be:
“Afi kae ame si kplɔ wo to atsiaƒu la me+ kple eƒe alẽha la ƒe kplɔlawo le?+
Afi kae Ame si tsɔ eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe de eya amea me,+
12 Ame si na eƒe ŋutikɔkɔe ƒe abɔ la nɔ kple Mose ƒe nuɖusi,+
Ame si ma tsiwo me le wo ŋgɔ,+
Ne wòawɔ ŋkɔ mavɔ na eɖokui,+
13 Ame si na wozɔ to tsi dzeagbowo* me,
Womekli nu o,
Abe sɔ le gbadzaƒe* ene la le?
Wote ɖa le ŋunye.
Togbɔ be Abraham menya mí o,
Eye Israel mekpɔ mí dze si o hã la,
Yehowa, wòe nye mía Fofo.
Ŋkɔwòe nye mía Gbugbɔƒlela tso gbe aɖe gbe ke.+
17 Oo Yehowa, nu ka tae nèna míele tatram le wò mɔwo dzi?
Nu ka tae nèna míaƒe dzi me sẽ be míevɔ̃a wò o?+
Gatrɔ va le wò subɔlawo ta,
Le to siwo nye wò domenyinu ta.+
18 Ɣeyiɣi vi aɖe koe anyigba la nɔ wò dukɔ kɔkɔe la si me.
Míaƒe ketɔwo nya avuzi le wò kɔkɔeƒe la dzi.+
19 Elabena ɣeyiɣi didi aɖee nye esia míezu abe ame siwo dzi mèɖu kpɔ o
Kple ame siwo ŋu womeyɔ wò ŋkɔ ɖo kpɔ o la ene.
64 Oo ne ɖe nàdze dziƒowo ahaɖi ɖe anyi,
Ale be towo nadzo kpekpekpe le tawò,
2 Abe ale si dzo bia nake wuwluiwo,
Eye dzoa nana tsi fiẽna ene ɖe,
Ekema wò ketɔwo adze si wò ŋkɔ,
Eye dukɔwo adzo nyanyanya le ŋkuwòme!
4 Tso gbe aɖe gbe ke ame aɖeke mesee o, eye mede to me na ame aɖeke o,
Eye ŋku aɖeke mekpɔ Mawu aɖeke o, negbe wò,
Kpɔ ɖa! Èdo dziku, esime míenɔ nu vɔ̃ wɔm atraɖii,+
Míewɔe eteƒe didi.
Ðe woaɖe mía?
Mí katã míayrɔ abe aŋgba ene,
Eye míaƒe vodadawo alɔ mí ɖe nu abe ya ene.
7 Ame aɖeke meli, si yɔa wò ŋkɔ o,
Ame aɖeke metsia dzi be yeaku ɖe ŋuwò o,
Elabena èɣla wò ŋkume ɖe mí,+
8 Azɔ Yehowa, wòe nye mía Fofo.+
Míawo la, tsu míenye, eye wòe nye mía Mèla;+
Wò asinudɔwɔwɔ mí katã míenye.
Kpɔ mí ɖa, míeɖe kuku, wò dukɔ mí katã míenye.
10 Wò du kɔkɔeawo zu gbegbe.
Zion zu gbegbe,
Eye Yerusalem tsi anyi aƒedoe.+
Míaƒe kɔkɔenyenye kple bubu* ƒe aƒe*
Si me mía tɔgbuiwo kafu wò le la;
Eye nu siwo ŋu míedea asixɔxɔe la katã dome gblẽ.
12 Oo Yehowa, ɖe nàzi kpi anɔ nu siawo katã kpɔma?
Ðe nàzi kpi ahaɖe mɔ woawɔ fu mí vevie alea gbegbea?+
Megblɔ na dukɔ si meyɔa nye ŋkɔ o la be, ‘Nyee nye esi, nyee nye esi!’+
2 Meke nye abɔwo me ŋkeke bliboa katã ɖo ɖe dukɔ sẽto,+
Ame siwo le zɔzɔm le mɔ manyomanyo dzi,+
Eye wodze woawo ŋutɔwo ƒe susuwo yome;+
3 Dukɔ si me tɔwo le dziku dom nam le ŋkunyeme ɖaa,+
Eye wosaa vɔ le abɔwo me+ hedoa dzudzɔ le anyikpewo dzi.
4 Ame siwo bɔbɔ nɔa ameɖiƒewo,+
Eye wotsia teƒe ɣaɣlawo* dɔna,
Woɖua halã,+
Eye nu makɔmakɔwo ƒe detsi hã le woƒe zewo me.+
Ame siawoe nye dzudzɔ le ŋɔti me nam, dzo si le bibim ŋkeke blibo la katã.
6 Kpɔ ɖa! Woŋlɔe ɖi le ŋkunyeme;
Nyemazi kpi o,
Ke boŋ maɖo eteƒe na wo,+
Maɖo eteƒe na wo wòasu wo nyuie*
7 Le woawo ŋutɔwo kple wo tɔgbuiwo siaa ƒe vodadawo ta.+
Elabena wodo dzudzɔ le towo dzi,
Eye wodo vlom le togbɛwo dzi,+
Gbã la, madzidze woƒe fetu na wo bliboe,”* Yehowa ye gblɔe.
8 Ale Yehowa gblɔe nye esi:
“Ale si ko wokpɔa wain yeye le waintsetsekpo me,
Eye wogblɔna be, ‘Mègagblẽ edome o, elabena nu nyui* aɖe le eme’ la,
Nenemae mawɔ le nye subɔlawo ta;
Nyematsrɔ̃ wo katã o.+
9 Mana dzidzimevi aɖe nado tso Yakob me,
Eye nye towo ƒe domenyila nado tso Yuda me;+
Nye ame tiatiawo anyi tonyigba la dome,
Eye nye subɔlawo anɔ afi ma.+
11 Ke miawo la, miele ame siwo gblẽ Yehowa ɖi la dome,+
Ame siwo ŋlɔ nye to kɔkɔe la be,+
Ame siwo ɖoa kplɔ̃ na Aklama,
Kple ame siwo kua wain si wotɔtɔ kplu banaa na Dzɔgbese.
12 Eya ta matsɔ mi ade asi na yi,+
Eye mi katã miado dɔgɔ̃e woawu,+
Elabena meyɔ mi, ke mietɔ o,
Meƒo nu na mi, ke miesee o,+
Miewɔa nu si nye vɔ̃ le ŋkunyeme,
Eye nu si medzea ŋunye o lae mietia.”+
13 Eya ta ale Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa gblɔe nye esi:
“Kpɔ ɖa! Nye subɔlawo aɖu nu, ke miawo la, dɔ awu mi.+
Kpɔ ɖa! Nye subɔlawo ano nu,+ ke miawo la, tsikɔ awu mi.
Kpɔ ɖa! Nye subɔlawo akpɔ dzidzɔ,+ ke miawo la, ŋu akpe mi.+
14 Kpɔ ɖa! Nye subɔlawo atso aseye le dzi ƒe dzidzɔkpɔkpɔ ta,
Ke miawo la, miado ɣli le dzi ƒe vevesese ta,
Eye miado konyifaɣli le gbɔgbɔ ƒe teteɖeanyi ta.
15 Ŋkɔ si miagblẽ ɖi la anye esi nye ame tiatiawo azã atsɔ ado ɖiŋu na ame,
Eye Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa awu mia dometɔ ɖe sia ɖe,
Ke ayɔ ŋkɔ bubu na eƒe subɔlawo ya;+
16 Ale be ame sia ame si di be woayra ye le anyigba dzi la,
Nyateƒe* Mawu la ayrae,
Eye ame sia ame si ka atam le anyigba dzi la,
17 Kpɔ ɖa, mele dziƒo yeye kple anyigba yeye wɔm;+
Eye tsãnuwo magava susu me na ame,*
Alo ava ame ƒe dzi me o.+
18 Eya ta mitso aseye, eye mikpɔ dzidzɔ tegbee ɖe nu si wɔm mele la ŋu.
Elabena kpɔ ɖa, mele Yerusalem wɔm hena aseyetsotso,
Eye eƒe dukɔ la hena dzidzɔkpɔkpɔ.+
19 Matso aseye ɖe Yerusalem ŋu, eye makpɔ dzidzɔ ɖe nye dukɔ ŋu;+
Womagase avifafa alo konyifafa le eme azɔ o.”+
20 “Vidzĩ aɖeke maganɔ afi ma si anɔ agbe ŋkeke ʋɛ aɖewo ko o,
Eye ame tsitsi si ƒe ŋkekewo mede o hã maganɔe o;
Elabena woabu ame si xɔ ƒe alafa ɖeka hafi ku la ŋutsuvi dzaa ko;
Eye ne nu vɔ̃ wɔla xɔ ƒe alafa ɖeka hã la, fiƒode ava edzi.*
22 Womatu xɔ ame bubu nanɔ eme o,
Womaƒã nu ame bubu naɖu o.
Elabena ale si ati tsinae la, nenemae nye amewo ƒe agbemeŋkekewo anɔ,+
Eye nye ame tiatiawo ase vivi na woawo ŋutɔwo ƒe asinudɔwɔwɔwo bliboe.
23 Womadze agbagba* dzodzro o,*+
Eye womadzi vi vɔ̃ nadzɔ ɖe edzi o,
Elabena Yehowa ƒe ame yayrawo ƒe dzidzimeviwo wonye,+
Eye wo viwo le wo ŋu.+
24 Matɔ hafi woayɔm;
Ne wogale nuƒoƒo dzi la, masee.
25 Amegãxi kple alẽvi aɖu gbe le wo nɔewo gbɔ,
Dzata aɖu gbe abe nyi ene,+
Eye da ƒe nuɖuɖu anye kewɔ.
Womawɔ vɔ̃ aɖeke o, eye womahe gbegblẽ aɖeke ava nye to kɔkɔe blibo la dzi o,”+ Yehowa ye gblɔe.
66 Ale Yehowa gblɔe nye esi:
“Dziƒowo nye nye fiazikpui, eye anyigba nye nye afɔɖodzinu.+
Ke malé ŋku ɖe ame si
Nye ɖokuibɔbɔla, ame si ƒe gbɔgbɔ dzi nu te ɖo, eye wòdzona nyanyanya* ɖe nye nya ŋu la ŋuti.+
3 Ame si wu nyitsu la sɔ kple ame si wu ame.+
Ame si tsɔ alẽ sa vɔe la sɔ kple ame si ŋe kɔ le avu nu.+
Ame si sa nunavɔ la sɔ kple ame si tsɔ haʋu sa vɔe.+
Ame si tsɔ ŋkuɖodzilifi do dzudzɔe la+ sɔ kple ame si wɔ akunya tsɔ yra ame.*+
Woawo ŋutɔwo tia woƒe mɔ,
Eye ŋunyɔnuwo doa dzidzɔ na wo.*
Elabena esi meyɔ ame la, ame aɖeke metɔ o;
Esi meƒo nu la, ame aɖeke meɖo to o;+
Wowɔ nu si nye vɔ̃ le ŋkunyeme ɖaa,
Eye nu si medzea ŋunye o lae wotia be yewoawɔ.”+
5 Mi ame siwo le dzodzom nyanyanya* ɖe Yehowa ƒe nya ŋu, mise eƒe gbe:
“Mia nɔvi siwo léa fu mi, eye woɖea mi ɖe aga le nye ŋkɔ ta la, gblɔ be, ‘Woakafu Yehowa!’+
Ke Mawu ado na mi, eye wòahe dzidzɔ vɛ na mi,
Gake woawo ya woaɖu ŋukpe.”+
6 Hoowɔwɔ le ɖiɖim tso dua me, eye gbe aɖe le ɖiɖim tso gbedoxɔa me!
Yehowa, ame si le to si eƒe futɔwo dze na la hem na wo la, ƒe gbee.
Edzi ŋutsuvi hafi fu va ɖui gɔ̃ hã.
8 Ame kae se nu sia tɔgbi kpɔ?
Ame kae kpɔ nu siawo tɔgbi kpɔ?
Ðe woadzi anyigba aɖe le ŋkeke ɖeka dzia?
Alo ɖe woadzi dukɔ aɖe zi ɖeka kpoyia?
Gake esi Zion ya lé ku ko la, edzi viawo zi ɖeka kpoyi.
9 Yehowa be: “Ðe maʋu vidzidɔ nu, evɔ nyemana woadzi via oa?”
Wò Mawu la be: “Alo ɖe mana vi nado gbɔna, evɔ maxe mɔa?”
10 Mi ame siwo katã lɔ̃ Yerusalem la, mikpɔ dzidzɔ eye mitso aseye kplii.+
Mi ame siwo katã faa konyi ɖe eta, mitso aseye kplii,+
11 Elabena miano eƒe akɔfafa ƒe no wòaɖi kɔ na mi;
Mianoe nyuie eye miase vivi le eƒe ŋutikɔkɔe geɖe la me.
12 Elabena ale Yehowa gblɔe nye esi:
“Kpɔ ɖa, mana ŋutifafa naɖo egbɔ abe tɔsisi ene,+
Eye dukɔwo ƒe ŋutikɔkɔe ava nɛ abe tɔʋu si gba go ene,+
Miano eƒe no, eye wòakɔ mi ɖe axadame,
Eye wòakɔ mi ɖe ata ta.
13 Ale si vidada faa akɔ na via la,
Nenemae manɔ akɔ fam na mi;+
Eye woafa akɔ na mi le Yerusalem ta.+
14 Miakpɔe, eye miaƒe dzi atso aseye,
Ŋusẽ aɖo miaƒe ƒuwo ŋu abe gbe dama ene.
15 “Elabena Yehowa gbɔna abe dzo ene,+
Eye eƒe tasiaɖamwo le abe ahom ene,+
Ne wòaɖo eteƒe na wo le dɔmedzoe me,
Eye wòaka mo na wo le dzoƒaɖe me.+
16 Elabena Yehowa atsɔ dzo adrɔ̃ ʋɔnui,
Atsɔ eƒe yi ɖe ŋutilãwo* katã ŋu,
Eye ame siwo Yehowa awu la asɔ gbɔ.
17 “Ame siwo kɔa wo ɖokuiwo ŋu, eye wowɔa wo ɖokui dzadzɛ, be yewoage ɖe abɔwo* me,+ eye wokplɔa nu si le eƒe titina la ɖo, ame siwo ɖua halã,+ ŋunyɔnuwo kple afiwo+ la katã nu ayi,” Yehowa ye gblɔe. 18 “Esi menya woƒe dɔwɔwɔwo kple woƒe tamesusuwo ta la, megbɔna be maƒo dukɔwo kple gbegbɔgblɔwo katã nu ƒu; eye woava kpɔ nye ŋutikɔkɔe.”
19 “Maɖo dzesi aɖe ɖe wo dome, eye madɔ ame siwo si la dometɔ aɖewo ɖe dukɔwo, ɖe Tarsis,+ Pul kple Lud,+ siwo nye aŋutrɔdalawo, Tubal kple Yavan,+ ɖe ƒukpo siwo le didiƒe, ame siwo mese ŋunye nya alo kpɔ nye ŋutikɔkɔe kpɔ o; eye woaɖe gbeƒã nye ŋutikɔkɔe le dukɔwo dome.+ 20 Woakplɔ nɔviwòwo katã tso dukɔwo katã dome,+ eye woanɔ sɔwo dzi, woanɔ tasiaɖamwo kple tasiaɖam siwo tame wogba la me, eye woanɔ tedzisɔwo kple kposɔ ɖeablɛwo dzi, ava nye to kɔkɔe la dzi, ava Yerusalem, wòanye nunana na Yehowa, abe ale si Israel-viwo tsɔa nunana ɖe nu dzadzɛwo me vaa Yehowa ƒe mee ene,” Yehowa ye gblɔe.
21 “Eye matsɔ wo dometɔ aɖewo aɖo nunɔlawo kple Lewi viwo,” Yehowa ye gblɔe.
22 “Elabena ale si ko dziƒo yeye kple anyigba yeye+ siwo wɔm mele la anɔ anyi le ŋkunyemee la, nenemae miaƒe dzidzimeviwo kple miaƒe ŋkɔ hã anɔ anyi ɖaa,”+ Yehowa ye gblɔe.
23 “Eye wòava eme be, le dzinu yeye sia dzinu yeye kple sabat sia sabat dzi la,
Ŋutilãwo katã* ava de ta agu ɖe ŋkunyeme,”+ Yehowa ye gblɔe.
24 “Eye woado ayi aɖakpɔ ame siwo da vo ɖe ŋunye la ƒe kukuawo;
Elabena woƒe nyéwo maku o,
Eye woƒe dzo la matsi o,+
Eye woazu ŋunyɔnu na amegbetɔwo katã.”*
Egɔmee nye, “Yehowa Ƒe Xɔname.”
Alo, “menya eƒe aƒetɔ o.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “Womeyɔ tsi le wo me o.”
“Yehowa Zebaot” le Hebrigbe me.
Alo, “mɔfiame.”
Alo, “Nye luʋɔ lé fu.”
Alo, “luha.”
Edze ƒãa be ati siawo kple abɔ siawo do ka kple trɔ̃subɔsubɔ.
Alo, “Le ŋkekeawo ƒe nuwuɣi la.”
Alo, “mɔfiame.”
Alo, “woabɔbɔ amegbetɔ ƒe dada ɖe anyi.”
Alo, “woabɔbɔ amegbetɔ ƒe dada ɖe anyi.”
Alo, “lã gblẽnu suewo.”
Alo, “ame si ƒe gbɔgbɔ le eƒe ŋɔti me.”
Alo, “Nyemanye miaƒe gbedala o.”
Alo, “na woƒe luʋɔ.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “woaɖu woƒe nuwɔnawo me tsonuwo.”
Alo, “wolia kɔ ganɛ.”
Alo, “togɛ legbeewo.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “luʋɔxɔwo.”
Alo, “tilawo.”
Alo, “awutewuiwo.”
Efia, srɔ̃maɖemaɖe kple vimadzimadzi ƒe ŋukpe.
Egɔmeɖeɖe tẽe, “mĩ.”
Kpɔ Megbenyawo B14.
Kpɔ Megbenyawo B14.
Kpɔ Megbenyawo B14.
Alo, “Sheol,” si nye ameƒomea ƒe yɔdo. Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.
Alo, “eƒe luʋɔ.”
Alo, “Eƒe bubumewo.”
Alo, “dzɔdzɔenyenye.”
Alo, “nyametsotso; adaŋudede.”
Alo, “mɔfiame.”
Alo, “dzatatsui tokɔdza.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “ɣlidola la ƒe gbe.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “Evɔ nam azɔ.”
Agate ŋu afia, “womete ŋu.”
Egɔmee nye, “Ame Ʋɛ Aɖewo Koe Atrɔ Agbɔ.”
Agate ŋu afia, “míado ŋɔdzi nɛ.”
Alo, “míaŋɔ eƒe gli.” Egɔmeɖeɖe tẽe, “míadzee.”
Alo, “Sheol,” si nye ameƒomea ƒe yɔdo. Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.
Egɔmee nye, “Mawu Li Kpli Mí.”
Efia, Frat-tɔsisi.
Egɔmeɖeɖe tẽe, “nàtsɔ amegbetɔ ƒe nuŋlɔti.”
Ðewohĩ egɔmee nye, “Ablaɖeɖe Yi Aboyonu Gbɔ, Nuhaha Gbɔ Yiyi Kaba.”
Alo, “naɖi ɖase le eŋu.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “Mete ɖe nyɔnunyagblɔɖila (Yesaya srɔ̃ ye wowɔnɛ) ŋu.”
Siloa nye tɔʋu si woɖe.
Efia, Frat-tɔsisi.
Kpɔ Ye 7:14.
Alo, “Mibla ali dzi.”
“Mawu li kpli mí” nye Hebrigbe me nya Imanuel ƒe gɔmeɖeɖe. Kpɔ Ye 7:14; 8:8.
Alo, “Bla ɖaseɖiɖi.”
Alo, “mɔfiame.”
Alo, “lalam vevie.”
Alo, “kple ɖaseɖiɖi.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “agu madze na wo o.”
Alo, “atso megbe.”
Ate ŋu anye, “deʋaya kple aɖa.”
Alo, “tohegbe.”
Alo, “bubu.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “mahe.”
Alo, “Atsrɔ̃ luʋɔ kple ŋutilã siaa.”
Alo, “Eye tohehe.”
Alo, “fía.”
Alo, “gbɔgbɔ.”
Alo, “dzatatsui tokɔdza.”
Agate ŋu afia, “nyivi kple dzata aɖu nu ɖekae.”
Alo, “Dukɔwo adii.”
Efia, Babilon.
Egɔmeɖeɖe tẽe, “ƒe abɔta.”
Alo, “Edom kple Moab ava nɔ woƒe ŋusẽ te.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “aɖe.”
Agate ŋu afia, “namie.”
Efia, Frat-tɔsisi.
Agate ŋu afia, “amae ɖe tɔʋu adre me.”
“Yah” nye ŋkɔ Yehowa ŋɔŋlɔ kpuie.
Alo, “Miƒo ha.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “Zion nyɔnu,” efia dua me tɔwo katã si ŋu woƒo nu tsoe abe nyɔnu aɖe ene.
Egɔmeɖeɖe tẽe, “nye ame siwo ŋu mekɔ.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “kple woƒe Kesil,” ɖewohĩ ɣletivihatsotso si ɖi avu kple avutɔ kple eŋu ɣletivihatsotsowoe wowɔnɛ.
Alo, “tsatsaboliwo.”
Agate ŋu afia, “gbɔgbɔ vɔ̃ siwo le abe gbɔ̃wo ene.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “Ana gbɔdzɔe wo le.”
Alo, “àɖu fewu.”
Alo, “Sheol,” si nye ameƒomea ƒe yɔdo. Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.
Egɔmeɖeɖe tẽe, “Anyigbadzigbɔ̃tsuwo.”
Alo, “Sheol,” si nye ameƒomea ƒe yɔdo. Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.
Alo, “Sheol,” si nye ameƒomea ƒe yɔdo. Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.
Egɔmeɖeɖe tẽe, “aƒe.”
Alo, “atilɔ.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “Adaŋu siae wode.”
Alo, “alɔ si le dzi be yeaƒo dukɔwo katã.”
Alo, “Trɔ̃xɔ.”
Alo, “Eƒe luʋɔ le.”
Agate ŋu afia, “Elabena aʋaɣli ɖi ɖe miaƒe dzomeŋɔlikutsetsewo kple miaƒe nuŋeŋewo dzi.”
Alo, “abe ale si apaɖila bua ƒee ene.”
Alo, “mawu tutɔ.”
Alo, “Dukɔ klitsu, si nyaa avuzi le ame dzi.”
Agate ŋu afia, “anɔ nu kpɔm tso nɔnyeƒe.”
Alo, “Dukɔ klitsu, si nyaa avuzi le ame dzi.”
Alo, “daa akpoŋ.”
Alo, “ƒe luʋɔ axa nu.”
Alo, “Memfis.”
Agate ŋu afia, “deʋaya alo aɖa.”
Alo, “aʋafia la.”
Alo, “hele awu falɛfalɛ aɖe me.”
Alo, “wòanye ŋukpedodo.”
Alo, “si ƒe atsyɔ̃ nya kpɔna na wo.”
Ðewohĩ efia nuto si me blema Babilon nɔ tsã.
Egɔmeɖeɖe tẽe, “ali tsom.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “Nye nukuƒoƒevi.”
Egɔmee nye, “Ðoɖoezizi.”
Alo, “abe ale si apadɔwɔla bua ƒee ene.”
Ðewohĩ Yerusalem ye wowɔnɛ.
Woƒo nu tso dukɔa ŋu abe ame ene, ɖewohĩ tsɔ ɖe veveseɖeamenu alo nublanuikpɔkpɔ fia.
Alo, “sɔdolawo.”
Alo, “dzra akpoxɔnu ɖo.”
Alo, “sɔdolawo.”
Alo, “fiasãa.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “nɔƒe.”
Alo, “matsɔ wò dziɖuɖu.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “kpekpeme.”
Efia, Nil ƒe alɔdze.
Egɔmeɖeɖe tẽe, “ɖetugbui leaƒewo.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “ŋkekewo.”
Agate ŋu afia, “Anyigba la yrɔ.”
Alo, “blemanubabla.”
Agate ŋu afia, “Wain yeye yrɔ.”
Alo, “ɣetoɖoƒe.”
Alo, “ɣedzeƒe.”
Alo, “Atsyɔ̃ɖoɖo.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “le eƒe ametsitsiwo ŋkume.”
Alo, “wain siwo ɖo ƒã.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “Ami nutsyɔnu.”
Alo, “motsyɔnu.”
Alo, “Aɖe ku ɖa.”
Agate ŋu afia, “ame siwo ƒe susu li ke.”
“Yah” nye ŋkɔ Yehowa ŋɔŋlɔ kpuie.
Alo, “toƒe sɔ.”
Alo, “míaƒe luʋɔwo.”
Efia be woaɖo ŋku Mawu kple eƒe ŋkɔ dzi, alo woana woanyae.
Alo, “luʋɔ.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “Nye ame kukuwo.”
Agate ŋu afia, “abe zãmu si dza ɖe gbe dzi ene.”
Alo, “adzi ame siwo ŋu wɔna vɔ le le ku me.”
Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.
Ðewohĩ Israel ye wowɔnɛ, woƒo nu tso eŋu le afi sia abe nyɔnu ene, eye wotsɔe sɔ kple waingble.
Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.
Efia, Frat-tɔsisi.
Ðewohĩ efia woƒe fiadu Samaria.
Alo, “ƒe dadafiakuku gã.”
Alo, “dadafiakuku.”
Alo, “dzidzeka ɖe dzidzeka dzi, dzidzeka ɖe dzidzeka dzi.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “nuyi si kukɔna.”
Alo, “dzidzeka ɖe dzidzeka dzi, dzidzeka ɖe dzidzeka dzi.”
Alo, “Sheol,” si nye ameƒomea ƒe yɔdo. Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.
Alo, “tsumikpe.”
Alo, “Sheol,” si nye ameƒomea ƒe yɔdo. Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.
Agate ŋu afia, “Ne wose egɔme la ŋɔdzi alé wo.”
Alo, “naa hehe; hea to.”
Alo, “tameɖoɖo.”
Alo, “Eye eƒe nunya lolo.”
Ðewohĩ efia “Mawu Ƒe Vɔsamlekpui,” anye Yerusalem ye wowɔnɛ.
Egɔmeɖeɖe tẽe, “ame tutɔ.”
Alo, “dɔ ganɔa eƒe luʋɔ wum.”
Alo, “eye eƒe luʋɔ ƒu kplakplakpla.”
Alo, “adaŋudede.”
Efia, le ŋukpe kple mɔkpɔkpɔbuɖeame ta.
Egɔmeɖeɖe tẽe, “ƒoa tsi ɖi,” edze ƒãa be efia lɔlɔ̃ ɖe nu ɖeka dzi.
Alo, “mebia nye numegbe.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “mɔ́ sesẽ.”
Alo, “mɔfiame.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “Migblɔ nya ŋɔnɔewo.”
Agate ŋu afia, “tsido me.”
Alo, “le mɔ kpɔm.”
Alo, “kpɔa mɔ nɛ vevie.”
Alo, “legba siwo wolólo ga kɔ̀.”
Agate ŋu afia, “ahayɔ wo be, ɖinu.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “ada ami.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “le sranui si mele ɖeke me o me.”
Alo, “Miele mia ɖokui ŋu kɔm.”
Alo, “le zɔzɔm ɖe dzekuku nu yina.”
Wozã “Tofet” le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu le afi sia be enye teƒe si dzo le bibim le, wòtsi tre ɖi na tsɔtsrɔ̃.
Alo, “sɔdolawo.”
Alo, “dzatatsui tokɔdza.”
Alo, “dzo.”
Alo, “wòawɔ nu amemabumabutɔe.”
Alo, “dɔwuitɔ ƒe luʋɔ.”
Alo, “nyuiwɔwɔ.”
Alo, “ɖea ka nyitsuwo kple tedziwo.”
Alo, “ŋusẽ.”
Efia, futɔ la.
Alo, “Àde ŋugble le ŋɔdzinu la ŋu.”
Alo, “Dua me nɔla.”
Alo, “Woƒe ʋu asi le towo dzi.”
Bozra, si nye Edom ƒe fiadu lae wowɔnɛ.
Alo, “tsatsaboliwo.”
Agate ŋu afia, “gbɔgbɔ vɔ̃ siwo ƒe dzedzeme le abe gbɔ̃ ene.”
Alo, “yitsuiwo.
Egɔmeɖeɖe tẽe, “tsɔ dzidzeka mae na wo.”
Alo, “ahakulawo ƒe amegã.”
Alo, “fiasãdzikpɔla.”
Alo, “Siriagbe.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “Miwɔ yayranubabla kplim ne miado va gbɔnye.”
Alo, “fiasãdzikpɔla.”
Alo, “fiasãdzikpɔla.”
Alo, “dzudzu.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “viwo ɖo keke vidzidɔnu ke.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “made gbɔgbɔ aɖe eme.”
Agate ŋu afia, “dome.”
Alo, “Nil ƒe alɔdzewo.”
Efia, Hizkiya.
Alo, “ƒe trɔ̃xɔ me.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “agbemeŋkekewo.”
Ðewohĩ wozãa atrakpui siawo tsɔ bua game, abe ale si wònɔna le ɣegaƒoƒofianu dzi ene.
Alo, “Sheol,” si nye ameƒomea ƒe yɔdo. Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.
“Yah” nye ŋkɔ Yehowa ŋɔŋlɔ kpuie.
Alo, “avese.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “da megbe nam.”
Alo, “luʋɔ ƒe vevesese ta.”
Efia, Mawu ƒe nyawo kple nuwɔnawo.
Alo, “nèlɔ̃ nye luʋɔ.”
Alo, “Èɖe nye nu vɔ̃wo ɖa le ŋkuwò me.”
Alo, “Sheol,” si nye ameƒomea ƒe yɔdo. Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.
Egɔmeɖeɖe tẽe, “kpɔ dzidzɔ ɖe wo ŋu.”
Alo, “fiasã.”
Alo, “fiasã me.”
Alo, “fiasã me.”
Alo, “fiasã.”
Alo, “eye nyateƒe axɔ aƒe ɖi.”
Alo, “ŋkekewo me.”
Alo, “Mifa akɔ.”
Alo, “teƒe eve.”
Alo, “amegbetɔwo.”
Alo, “Amewo.”
Didime si tso degblefetsu nu va se ɖe asibide suetɔ nu ne woke asi me.
Alo, “mate ŋu ana nake agbɔsɔsɔ si hiã la o.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “lólo ga kɔ̀.”
Alo, “anyigba kotoo.”
Alo, “anyigbadziɖulawo.”
Alo, “me goglo wu gbɔgblɔ.”
Alo, “mizi ɖoɖoe le ŋkunyeme.”
Efia, be wòasubɔe.
Efia, ŋusẽmanɔŋutɔ, ame beli.
Egɔmeɖeɖe tẽe, “nu gbãtɔwo.”
Alo, “Ne míatsɔ míaƒe dzi aɖo wo ŋu.”
Alo, “dumegãwo ƒe kpeɖeŋutɔawo.”
Alo, “nu siwo meli o.”
Alo, “legba siwo wolólo ga kɔ̀.”
Alo, “dze nye luʋɔ ŋu.”
Alo, “mɔfiame.”
Alo, “tomegaxɔ.”
Alo, “Nyemama nye ŋutikɔkɔe kple ame bubu aɖeke o.”
Alo, “ƒutanyigba.”
Alo, “legba siwo wolólo ga kɔ̀.”
Alo, “mɔfiame.”
Alo, “mɔfiame.”
Alo, “luʋɔ.”
Agate ŋu afia nu gbãtɔ siwo adzɔ le etsɔme.
Alo, “miaka ɖe dzinye.”
Alo, “tsatsaboliwo.”
Alo, “aglãdzenuwɔnawo.”
Ðewohĩ Sea fialawoe wowɔnɛ.
Alo, “tso esime wodzi wò.”
Egɔmee nye, “Dzɔdzɔetɔ,” enye Israel ƒe bubuŋkɔ.
Alo, “kuɖiɖinyigba.”
Efia, legba.
Alo, “lólo ga kɔ̀.”
Alo, “trɔ̃xɔ.”
Alo, “Atikpo ƒuƒu.”
Alo, “eƒe luʋɔ.”
Alo, “aʋatsonyagblɔɖilawo.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “Ne matu ali dzi na fiawo.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “Mabla ali dzi na wò sesĩe.”
Alo, “Emèla.”
Alo, “Ame si mèe.”
Agate ŋu afia, “Alo ɖe tsu agblɔ be: ‘Alɔ mele wò dɔ la ŋu oa’?”
Alo, “Nu ka nèlé ku dzi?”
Agate ŋu afia, “be wòatsi ƒuƒlu.”
Alo, “dzodzro o.”
Efia, legba siwo wotsɔ do agbae ɖe lãwo dzi.
Alo, “woƒe luʋɔ.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “nu gbãtɔwo.”
Alo, “nyametsotso; adaŋudede.”
Alo, “nyametsotso; adaŋudede.”
Agate ŋu afia, “eye nyemakpɔ nublanui na ame si mado go o.”
Alo, “Fianyɔnu.”
Alo, “Fianyɔnu.”
Alo, “Eye mànya ale si nàwɔ asa gbe dee wòadzo o.”
Agate ŋu afia, “ame siwo maa dziƒo me; ɣletivimefakalawo.”
Alo, “woƒe luʋɔwo.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “ayi eƒe anyigba dzi.”
Agate ŋu afia, “Yuda ƒe dzidzime.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “nu gbãtɔwo.”
Alo, “legba si melólo ga kɔ̀.”
Agate ŋu afia, “Metia wò.”
Alo, “Nyemama nye ŋutikɔkɔe kple ame bubu aɖeke o.”
Alo, “be eme nanyo na wò.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “tso vidzidɔ me ke.”
Alo, “Yehowa atso afia dzɔdzɔe nam.”
Alo, “ame si ƒe luʋɔ.”
Agate ŋu afia, “anɔ togbɛ ƒeƒlewo tame.”
Alo, “akɔnu.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “ŋutilãwo.”
Alo, “aɖe si womla nyuie.”
Agate ŋu afia, “matsɔ ado ŋusẽ.”
Alo, “ame siwo nyɔa ge.”
Alo, “ahe nya kplim.”
Alo, “Neva míadze ŋgɔ mía nɔewo.”
Alo, “si lé ku dzi mi.”
Alo, “ŋusẽ.”
Alo, “mɔfiame.”
Agate ŋu afia, “ŋɔ.”
Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.
Egɔmeɖeɖe tẽe, “dzidzɔ anye fiakuku anɔ ta na wo.”
Alo, “ame si mimia wò ɖo.”
Alo, “wò luʋɔ.”
Alo, “aʋadziɖuɖu.”
Agate ŋu afia, “nya si míese.”
“Eŋkume” ate ŋu afia eteƒekpɔla aɖe loo alo Mawu.
Alo, “nu tɔxɛ aɖeke mele eŋu si ta eƒe nu nanyo mía ŋu o.”
Alo, “ŋutsu si se vevesese gɔme.”
Agate ŋu afia, “Ele abe ame si ta amewo trɔ mo ɖe adzɔge ɖo ene.”
Alo, “Wotee ɖe to.”
Alo, “agbenɔnɔ.”
Alo, “Wowui.”
Alo, “ame aɖe tsɔ eƒe yɔdo na.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “ŋutsu kesinɔtɔ aɖe.”
Alo, “ŋutasẽnu.”
Alo, “Ke edze Yehowa ŋu.”
Alo, “luʋɔ.”
Alo, “lɔlɔ̃nu.”
Alo, “eƒe luʋɔ ƒe.”
Alo, “luʋɔ.”
Alo, “eƒe aƒetɔ.”
Alo, “wò aƒetɔ.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “eƒe gbɔgbɔ le nu xam.”
Alo, “kpe dadzowo.”
Alo, “ga si miekpe fu kpɔ.”
Alo, “miaƒe luʋɔ nakpɔ.”
Alo, “miaƒe luʋɔ anɔ.”
Alo, “atsɔ ake faa.”
Alo, “wòawɔ nye lɔlɔ̃nu.”
Alo, “avu siwo ƒe luʋɔ.”
Efia, wowua wo.
Agate ŋu afia, “Tso vɔ̃ la me.”
Efia, yɔdowo me.
Alo, “Ðe nu siawo afa akɔ nama?”
Ðewohĩ trɔ̃subɔsubɔnuwɔnawo ye wowɔnɛ.
Ðewohĩ “fia lae” wowɔnɛ.
Alo, “Sheol,” si nye ameƒomea ƒe yɔdo. Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.
Egɔmeɖeɖe tẽe, “Esia tae ɖeɖi mete ŋuwò o.”
Alo, “heŋe aɖaba ƒu nyawo dzi oa?”
Alo, “matsɔ akɔfafa aɖo eteƒe na.”
Alo, “míaƒe luʋɔwo.”
Alo, “eƒe luʋɔ.”
Alo, “wò luʋɔ.”
Alo, “wò luʋɔ hiã.”
Alo, “nu ƒuƒluwo.”
Alo, “anukwareɖiɖi.”
Alo, “anukwareɖiɖi.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “eye esia vɔ̃ɖi le eŋkume.”
Alo, “eƒe alɔ he dziɖuɖu vɛ nɛ.”
Alo, “dziɖuɖu.”
Alo, “awudziwui si ŋu abɔ mele o.”
Alo, “agudzedze.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “anyè tsyɔ wò.”
Alo, “woƒe xɔwo nu.”
Alo, “anɔ abe tsã ene.”
Alo, “aɖo atsyɔ̃ na wò.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, ‘mabla abi na.”
Alo, “wòatsɔ aɖo atsyɔ̃ na eɖokui.”
Alo, “kesinɔnuwo.”
Alo, “Nye luʋɔ.”
Alo, “awu ʋlaya si ŋu abɔ mele o.”
Agate ŋu afia, “awu dzĩ.”
Alo, “na meɖu dzi.”
Alo, “mada alakpa o.”
Alo, “dɔla si le eŋkume.”
Alo, “tsi goglowo.”
Alo, “gbegbe.”
Alo, “ŋkɔ dzeani.”
Alo, “teƒe dzeani.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “Wò dɔme ƒe agbodzedze.”
Alo, “le mɔ kpɔm nɛ dzigbɔɖitɔe.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “míelólo.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “míaƒe asi ƒe vodadawo.”
Alo, “atsyɔ̃.”
Alo, “gbedoxɔ.”
Agate ŋu afia, “dzɔlawo ƒe agbadɔ me.”
Agate ŋu afia, “Elabena mava wɔ wò kɔkɔe.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “akɔ ɖe akɔnu na wo.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “akɔ ɖe akɔnu na wo.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “yayra.”
Alo, “Nuteƒewɔwɔ.” Egɔmeɖeɖe tẽe, “Amen.”
Alo, “Nuteƒewɔwɔ.” Egɔmeɖeɖe tẽe, “Amen.”
Alo, “fukpekpewo.”
Alo, “womagaɖo ŋku tsãnuwo dzi o.”
Agate ŋu afia, “Eye ame si mexɔ ƒe alafa ɖeka hafi ku o la, woabui fiƒode nɛ.”
Alo, “Womaku kutri.”
Alo, “ɖe yame o.”
Alo, “wòtsia dzi.”
Agate ŋu afia, “ame si kafua legba.”
Alo, “woƒe luʋɔ.”
Alo, “ame siwo tsia dzi.”
Alo, “ŋusẽ.”
Alo, “amegbetɔwo.”
Efia, abɔ tɔxɛ siwo wozãna le trɔ̃subɔsubɔ me.
Alo, “Amegbetɔwo katã.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “ŋutilãwo katã.”